Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔzuzu Bia Be Ame Naxɔ Nyɔnyrɔ

Kristotɔzuzu Bia Be Ame Naxɔ Nyɔnyrɔ

‘Nyɔnyrɔxɔxɔ na miawo hã miele ɖeɖe kpɔm fifia.’​—1 PET. 3:21.

HADZIDZI: 52, 41

1, 2. (a) Aleke dzila Kristotɔ aɖewo wɔa nui ne wo viwo gblɔ be yewodi be yewoaxɔ nyɔnyrɔ? (b) Nu ka tae wobiaa ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la nenye be woɖe adzɔgbe na Yehowa hã? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

MARIA si nye nyɔnuvi sue la dzilawo le ekpɔm esi wòle tsitre ɖe ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la dome. Ekɔ gbe dzi ɖo biabia eve siwo nuƒolaa bia wo la ŋu sesĩe. Esia megbe kpuie la, exɔ nyɔnyrɔ.

2 Edzɔ dzi na Maria dzilawo ŋutɔ be yewo vinyɔnua tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ. Gake do ŋgɔ la, dadaa tsi dzi vie. Enɔ eɖokui biam be: ‘Ðe Maria tsi axɔ nyɔnyrɔ fifia? Ðe wòse afɔ si wòdi be yeaɖe la ƒe vevienyenye gɔme nyuiea? Ðe wòanyo wu be wòalala viea?’ Nya siawoe dzila geɖe biaa wo ɖokuiwo ne wo vi sue aɖe gblɔ be yedi be yeaxɔ nyɔnyrɔ. (Nyagb. 5:5) Mewɔ nuku o, elabena nyametsotso vevitɔ kekeake si ame awɔ le agbe me ye nye be wòaɖe adzɔgbe na Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ.—Kpɔ aɖaka si nye “ Ðe Nètsɔ Ðokuiwò Ðe Adzɔgbe Na Yehowa?

3, 4. (a) Kpɔɖeŋu kae apostolo Petro wɔ tsɔ ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe vevienyenye fia? (b) Nu ka tae Petro tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ sɔ kple aɖakaʋua kpakpa le Noa ƒe ɣeyiɣia me?

 3 Esi apostolo Petro nɔ nu ƒom tso nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu la, etsɔe sɔ kple Noa ƒe aɖakaʋua kpakpa esi wògblɔ be: “Nyɔnyrɔxɔxɔ si sɔ kple esia lae na miawo hã miele ɖeɖe kpɔm fifia.” (Xlẽ 1 Petro 3:20, 21.) Aɖakaʋu si Noa kpa la na ame bubuwo kpɔe dze sii be eɖoe tso dzi blibo me be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Noa wɔ dɔ si Yehowa de asi nɛ la nuteƒewɔwɔtɔe. Le Noa ƒe xɔse ta la, Yehowa kpɔ eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ta le Tsiɖɔɖɔa me. Nufiame kae le Petro ƒe kpɔɖeŋua me?

4 Ale si ko aɖakaʋua nye kpeɖodzi be xɔse nɔ Noa si la, nenema kee nyɔnyrɔxɔxɔ le amewo ŋkume hã nyea kpeɖodzi be amea tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu le esi wòxɔ Kristo si wofɔ ɖe tsitre la dzi se ta. Abe Noa ene la, nusrɔ̃la siwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu la yia edzi wɔa dɔ si Mawu de wo si la nuteƒewɔwɔtɔe. Ale si ko wokpɔ Noa ta le Tsiɖɔɖɔa me la, nenema kee woakpɔ nyɔnyrɔxɔla siwo wɔ nuteƒe na Mawu la hã ta le xexe vɔ̃ɖi sia tsrɔ̃ɣi. (Marko 13:10; Nyaɖ. 7:9, 10) Esia na míekpɔe be adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ le vevie ŋutɔ. Ne ame aɖe le nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe madzemadzee la, agbe mavɔ nɔnɔ ate ŋu ato eŋu.

5. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

5 Esi nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe nyaa le vevie ŋutɔ ta la, míadzro biabia etɔ̃ siawo me. Nya kae Biblia gblɔ tso nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu? Afɔ kawoe wòle be ame naɖe hafi axɔ nyɔnyrɔ? Nu ka tae wòle be míaƒe susu nanɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe vevienyenye dzi ne míele nu fiam mía viwo alo Biblia nusrɔ̃viwo?

 NYA SI BIBLIA GBLƆ TSO NYƆNYRƆXƆXƆ ŊU

6, 7. (a) Susu ka tae Yohanes nyrɔ amewo ɖo? (b) Ame ka ƒe nyɔnyrɔxɔxɔe to vovo na ame bubuwo katã tɔ, eye nu ka tae?

6 Zi gbãtɔ si Biblia ƒo nu tso nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu la ku ɖe esime Yohanes Amenyrɔɖetsimela nyrɔ amewo la ŋu. (Mat. 3:1-6) Yudatɔ siwo da Mose ƒe Sea dzi la va Yohanes gbɔ be wòanyrɔ yewo, eye woto esia me ɖee fia be yewotrɔ dzi me tso yewo ƒe nu vɔ̃wo me. Yohanes nyrɔ ame geɖe, gake eɖe dzesi ŋutɔ be ame si ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe dzesi wu la ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ meku ɖe dzimetɔtrɔ ŋu o. Mɔnukpɔkpɔ su Yohanes si wònyrɔ Yesu, Mawu ƒe Vi si nye ame deblibo la. (Mat. 3:13-17) Nu vɔ̃ mele Yesu ŋu o, eya ta mehiã be wòatrɔ dzi me o. (1 Pet. 2:22) Eƒe nyɔnyrɔxɔxɔa fia be etsɔ eɖokui na Mawu be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.—Heb. 10:7.

7 Esime Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi la, eƒe nusrɔ̃lawo hã nyrɔ amewo. (Yoh. 3:22; 4:1, 2) Abe ale si wònɔ le ame siwo Yohanes nyrɔ gome ene la, ame siawo hã da Mose ƒe Sea dzi, eya ta woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nye dzesi be wotrɔ dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo me. Gake le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la, susu bubu kura tae eyomedzelawo xɔa nyɔnyrɔ ɖo.

8. (a) Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, se kae wòde na eyomedzelawo? (b) Ðe nu si tae nyɔnyrɔxɔxɔ le vevie na Kristotɔwo la me.

8 Le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli la, Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ɖe eɖokui fia ame siwo wu 500, siwo dome ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖewohĩ ɖeviwo gɔ̃ hã nɔ. Anɔ eme be ɣemaɣie wògblɔ na wo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.” (Mat. 28:19, 20; 1 Kor. 15:6) Ɛ̃, edze abe Yesu ƒe nusrɔ̃la alafa geɖe nɔ eteƒe esime wòde se na wo be woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo la ene. Yesu to esia me ɖee fia be ele be ame sia ame si di be yeazu yeƒe nusrɔ̃la la naxɔ nyɔnyrɔ. (Mat. 11:29, 30) Ele be ame si di be yeasubɔ Mawu wòadze eŋu la nanya akpa si wɔm Yesu le le Yehowa ƒe tameɖoɖo me vava me eye wòalɔ̃ ɖe edzi. Ne amea ɖe afɔ sia vɔ la, ate ŋu axɔ nyɔnyrɔ. Ema ko hafi amea ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ adze Mawu ŋu. Biblia na kpeɖodzi geɖe mí be le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristo ƒe nusrɔ̃la yeyewo se nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe vevienyenye gɔme. Eye womehe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe megbe madzemadzee o.—Dɔw. 2:41; 9:18; 16:14, 15, 32, 33.

MÈGAHE ÐE MEGBE O

9, 10. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu le Etiopiatɔ si trɔ dzi me zu Yudatɔ kple apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋuawo me?

9 Xlẽ Dɔwɔwɔwo 8:35, 36. Bu Etiopiatɔ si trɔ dzi me zu Yudatɔ, si yi ɖasubɔ le Yerusalem hetrɔ yina aƒe me la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Filipo wɔ ɖe Yehowa ƒe dɔla aɖe ƒe gbe dzi hete ɖe Etiopiatɔa ŋu eye wògblɔ “Yesu ŋu nya nyui la nɛ.” Aleke Etiopiatɔa wɔ nui? Afɔ si wòɖe la ɖee fia be ese nyateƒe siwo wòsrɔ̃ la gɔme hexɔ wo dzi se eye wòdi be yeawɔ nu si Yehowa bia tso Kristotɔwo si la dzi. Eya ta mehe ɖe megbe kura o, exɔ nyɔnyrɔ.

10 Kpɔɖeŋu evelia ku ɖe Yudatɔ aɖe si ti Kristotɔwo yome la ŋu. Dukɔ si ɖe adzɔgbe na Mawu la mee wodzii ɖo. Ke hã, Yehowa va gbe Yudatɔwo be womaganye yeƒe dukɔ o le esi womeɖo toe o ta. Ŋutsu ma lé fɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo ŋu, ke hã, eva ke ɖe nu si nyo wu ŋu. Yesu Kristo, si wofɔ ɖe tsitre, si le ŋutikɔkɔe me la ŋutɔ ɖi ɖase nɛ. Aleke ŋutsua wɔ nui? Elɔ̃ faa Kristo ƒe nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Anania la kpe ɖe eŋu. Biblia gblɔ tso  ŋutsu ma ŋu be: “Ale wòtso, eye wonyrɔe.” (Dɔw. 9:17, 18; Gal. 1:14) Ànya de dzesii be Yuda ŋutsu si wova yɔna be apostolo Paulo la ƒe ŋutinya ye nye esia. Gake de dzesii be esi Paulo va nya nyateƒea tso akpa si wɔm Yesu le le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me ŋu la, eɖe afɔ si hiã. Exɔ nyɔnyrɔ, mehe ɖe megbe o.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 22:12-16.

11. (a) Nu kae ʋãa Biblia nusrɔ̃viwo egbea wodina be yewoaxɔ nyɔnyrɔ? (b) Ne míekpɔ adzɔgbeɖela yeyewo woxɔ nyɔnyrɔ la, aleke míesena le mía ɖokui me?

11 Egbea hã, nenema kee wòle le Biblia nusrɔ̃viwo gome, woɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o. Ame siwo si xɔse le eye wokpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me nyateƒe si wosrɔ̃ ŋu vavã la ɖea adzɔgbe na Mawu hexɔa nyɔnyrɔ. Nyɔnyrɔxɔxɔnuƒo si ŋu wotrɔ asi le koŋ na adzɔgbeɖela siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la nyea míaƒe takpekpewo ƒe akpa vevi aɖe. Edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo ŋutɔ ne Biblia nusrɔ̃vi aɖe xɔ nyateƒea hewɔ ŋgɔyiyi eye wòdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Ðe medzɔa dzi na dzila Kristotɔwo ne wokpɔ wo viwo le adzɔgbeɖela yeye siwo le nyɔnyrɔ xɔ ge la dome oa? Le ƒe 2017 ƒe subɔsubɔƒea me la, ame siwo wu 284,000, “siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le” la xɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe edzi be yewoɖe adzɔgbe na Yehowa. (Dɔw. 13:48) Edze ƒãa be nusrɔ̃la yeye mawo se egɔme be ele be ame si di be yeazu Kristotɔ la naxɔ nyɔnyrɔ. Afɔ kawoe woɖe hafi va dze na nyɔnyrɔxɔxɔ?

12. Afɔ kawoe wòle be Biblia nusrɔ̃vi naɖe hafi axɔ nyɔnyrɔ?

12 Hafi Biblia nusrɔ̃vi aɖe naxɔ nyɔnyrɔ la, ele be wòaxɔ Mawu dzi se. Gake hafi wòate ŋu axɔ Mawu dzi ase la, ele be wòasrɔ̃ nyateƒea tso eyama ŋu, wòanya tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo kple anyigbaa ŋu kpakple ɖoɖo si wòwɔ be yeaɖe amegbetɔƒomea hã. (1 Tim. 2:3-6) Xɔse sia tɔgbi ʋãa nusrɔ̃via wòdzudzɔa agbenɔnɔ si medze Mawu ŋu o, eye wòva nɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu. (Dɔw. 3:19) Esia le vevie, elabena ame si le nu si Mawu lé fui wɔm esime wòɖe adzɔgbe nɛ la ƒe adzɔgbeɖeɖe madze eŋu o. (1 Kor. 6:9, 10) Gake nu bubuwo gali wòle be wòawɔ. Ame si di be yeadze Mawu ŋu la anɔ hamea ƒe kpekpewo dem, eye anɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa si xɔa amewo ɖe agbe la me edziedzi. Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃la vavãwo awɔ dɔ sia. (Dɔw. 1:8) Ne nusrɔ̃la yeye ma ɖe afɔ mawo ko hafi adzɔgbe si wòaɖe na Yehowa le gbedodoɖa me la adze eŋu eye eyome atsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ aɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖea dzi le amewo ŋkume.

NA NYƆNYRƆXƆXƆ NANYE BIBLIA NUSRƆ̃VIAWO ƑE TAÐODZINU

Ne èle nu fiam amewo la, ɖe nèdia mɔ siwo dzi nàto akpe ɖe wo ŋu woakpɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe vevienyenye adze siia? (Kpɔ memama 13)

13. Ne míele nu fiam amewo la, nu ka tae wòle be wòanɔ susu me na mí be ele be woaxɔ nyɔnyrɔ hafi azu Kristotɔ vavãwo?

13 Esi míele kpekpem ɖe mía viwo kple Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woaɖe afɔ vevi mawo la, ele be wòanɔ susu me na mí hã be hafi woazu Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo la, ele be woaxɔ nyɔnyrɔ. Ne esia le susu me na mí nyuie la, awɔe be míaƒo nu tso eŋu na wo eme nakɔ nyuie. Míadzro adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe vevienyenye me kpli wo le ɣeyiɣi siwo sɔ me. Ɛ̃, míedi be mía viwo kple Biblia nusrɔ̃viwo nawɔ ŋgɔyiyi ahadze na nyɔnyrɔxɔxɔ!

14. Nu ka tae míezia ame aɖeke dzi be wòaxɔ nyɔnyrɔ o?

14 Ke hã, mele be ame aɖeke nazi via alo eƒe Biblia nusrɔ̃vi dzi be wòaxɔ nyɔnyrɔ o. Yehowa mezia mía dzi be míasubɔ ye o. (1 Yoh. 4:8) Ke boŋ, ne míele nu fiam wo la, ele be míana woanya ale si gbegbe wòle vevie be ƒomedodo nyui nanɔ woa kple Mawu dome. Ale si gbegbe Biblia nusrɔ̃via  kpɔ ŋudzedze ɖe nyateƒea ŋu kple didi si le eme be yeawɔ nu sia nu si wobia tso Kristotɔ vavãwo si lae aʋãe be wòaxɔ nyɔnyrɔ.—2 Kor. 5:14, 15.

15, 16. (a) Ðe wòle be ame naxɔ ƒe aɖe koŋ hafi axɔ nyɔnyrɔa? Ðe eme. (b) Nu ka tae wòle be Biblia nusrɔ̃vi naxɔ nyɔnyrɔ hafi azu Yehowa Ðasefo nenye be exɔ nyɔnyrɔ le subɔsubɔha bubu aɖe me kpɔ gɔ̃ hã?

15 Mehiã be ame naxɔ ƒe aɖe koŋ hafi axɔ nyɔnyrɔ o. Biblia nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe kple eƒe ŋutete kpakple ale si wòwɔa ŋgɔyiyii. Ame geɖe xɔ nyɔnyrɔ esime wonye ɖevi, eye woyia edzi wɔa nuteƒe na Yehowa. Ame bubuwo hã tsi hafi va srɔ̃ Biblia me nyateƒea hexɔ nyɔnyrɔ—ɖewo xɔ ƒe 100 kple edzivɔ gɔ̃ hã!

16 Biblia nusrɔ̃vi aɖe si nye nyɔnu tsitsi la bia eƒe nufialaa be ɖe wòhiã kokoko be yeagaxɔ nyɔnyrɔ ake hã, elabena exɔ nyɔnyrɔ esime wònɔ subɔsubɔha bubu aɖewo me ƒe aɖewo va yi. Nufialaa dzro mawunyakpukpui siwo ƒo nu tso nya sia ŋu la me kplii. Nusrɔ̃via va se nu si Biblia fia ku ɖe nya sia ŋu la gɔme, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ema megbe kpuie. Togbɔ be exɔ ƒe 70 kple edzivɔ ɣemaɣi hã, mebui be mehiã be yeaxɔ nyɔnyrɔ o. Ɛ̃, hafi míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nadze Yehowa ŋu la, ele be sidzedze vavãtɔ nasu mía si ku ɖe nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu la ŋu. Le esia ta, ele be nusrɔ̃la yeyewo naxɔ nyɔnyrɔ nenye be woxɔ nyɔnyrɔ esime wonɔ subɔsubɔha bubu aɖe me kpɔ gɔ̃ hã.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 19:3-5.

17. Nu ka ŋue wòle be ame nabu le ŋkeke si dzi wòaxɔ nyɔnyrɔ la dzi?

17 Ame ƒe nyɔnyrɔxɔɣi nye dzidzɔɣi. Eganye ɣeyiɣi si me wòle be wòade ŋugble vevie hã. Ebia kutrikuku be míawɔ adzɔgbe si míeɖe na Mawu la dzi. Esia tae Yesu tsɔ nu si Kristo ƒe nusrɔ̃lanyenye bia la sɔ kple kɔkuti ɖo. Mele be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo “naganɔ agbe na wo ɖokuiwo azɔ o, ke woanɔ agbe na ame si ku ɖe wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre la boŋ.”—2 Kor. 5:15; Mat. 16:24.

18. Biabia kawo me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

18 Nya mawo tɔgbi nɔ susu me na Maria dada esi wòbia nya siwo dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze la eɖokui. Ne dzilae nènye la, ɖewohĩ èbiaa nya siawo tɔgbi ɖokuiwò: ‘Ðe vinyea su te nyuie be wòaxɔ nyɔnyrɔa? Ðe wònya nu geɖe tso Yehowa ŋu be wòaɖe adzɔgbe nɛa? Ðe wòle be vinyea nade suku ayi ŋgɔ ahakpɔ dɔwɔɖui nyui aɖe hafi axɔ nyɔnyrɔa? Ke ne vinyea xɔ nyɔnyrɔ eye wòva wɔ nu vɔ̃ gã aɖe emegbe ɖe?’ Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro nya siawo me, eye míasrɔ̃ ale si dzila Kristotɔwo awɔ be susu nyui nanɔ wo si ku ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu.