“Nu ka tae nèle hehem ɖe megbe? Tso, na woanyrɔ wò.”​—DƆW. 22:16.

HADZIDZI: 51, 135

1. Nu ka ŋue dzila Kristotɔwo dina be yewoakpɔ kakaɖedzi le hafi aɖe mɔ na wo viwo be woaxɔ nyɔnyrɔ?

“MENƆ gbɔgblɔm na Papa kple Dada ɣleti geɖe be medi be maxɔ nyɔnyrɔ, eye woawo hã woƒoa nu tso eŋu nam zi geɖe. Wodi be yewoaka ɖe edzi be mese ale si gbegbe nye nyametsotsoa nye ŋkubiãnyae la gɔme nyuie. Le December 31, 1934, dzi la, ɣeyiɣia de na wɔna vevi sia le nye agbe me.” Alea ye Blossom Brandt ɖɔ ale si nuwo yi edzi esime wòtso nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Egbea hã, dzila Kristotɔwo dina be yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu woatso nya me nyuie. Ðeviwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ hehe ɖe megbe madzemadzee ate ŋu agblẽ nu le ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome la ŋu. (Yak. 4:17) Gake, hafi ɖeviawo naxɔ nyɔnyrɔ la, dzila dzeaɖaŋuwo dina be yewoakpɔ kakaɖedzi be yewo via su te atsɔ agbanɔamedzi si nye be wòanye Kristo ƒe nusrɔ̃la.

2. (a) Kuxi ka ŋue nutome sue dzikpɔla aɖewo tsi dzi ɖo? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Nutome sue dzikpɔla aɖewo tsi dzi vevie esi wokpɔ sɔhɛ  siwo dzilawo nye Kristotɔwo, siwo yina ƒe 20 xɔ ge kple esiwo xɔ ƒe 20 to eŋu, evɔ womexɔ nyɔnyrɔ haɖe o. Zi geɖe la, sɔhɛ siawo dea hamea ƒe kpekpewo eye wodea gbeadzi hã. Wobua wo ɖokuiwo Yehowa Ðasefowoe. Ke hã, le susu aɖewo ta la, wohea adzɔgbeɖeɖe na Yehowa kple nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe megbe. Nu ka gbɔe esia tso? Le go aɖewo me la, dzilawoe susu be yewo viwo mesu te axɔ nyɔnyrɔ o. Le nyati sia me la, míadzro nu ene siwo tae dzila Kristotɔ aɖewo mede dzi ƒo na wo viwo be woawɔ ŋgɔyiyi axɔ nyɔnyrɔ o la me.

ÐE VINYEA TSI AXƆ NYƆNYRƆ FIFIA?

3. Nu ka ŋue Blossom dzilawo tsi dzi ɖo?

3 Esɔ nyuie be Blossom dzilawo, siwo ŋu míeƒo nu tsoe le memama gbãtɔ me la, di be yewoaka ɖe edzi nenye be yewo vinyɔnua tsi nyuie hese nu si nyɔnyrɔxɔxɔ fia kple eƒe vevienyenye gɔme. Aleke dzilawo awɔ anya nenye be yewo vi su te aɖe adzɔgbe na Yehowa wòadze eŋu?

4. Aleke Yesu ƒe sedede si le Mateo 28:19, 20 kpena ɖe dzilawo ŋu le nufiafia wo viwo me?

4 Xlẽ Mateo 28:19, 20. Biblia megblɔ ƒe si koŋ wòle be ame naxɔ hafi axɔ nyɔnyrɔ o. Ke hã, anyo be dzilawo nabu nu si wòfia be woawɔ ame wòanye nusrɔ̃la la ŋu nyuie. Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘woawɔ nusrɔ̃lawo’ le Mateo 28:19 la fia be woafia nu ame kple taɖodzinu be wòava zu nusrɔ̃vi alo nufialaa yome dzela. Yesu ƒe nusrɔ̃lae nye ame si srɔ̃ nu tso eƒe nufiafiawo ŋu hese wo gɔme eye wòɖoe be yeawɔ wo dzi. Eya ta, ele be wòanye dzila Kristotɔwo katã ƒe taɖodzinu be yewoafia nu yewo vi suewo kple susu be yewoakpe ɖe wo ŋu woava zu Kristo ƒe nusrɔ̃la xɔnyɔnyrɔwo. Eme kɔ ƒãa be vidzĩwo medze na nyɔnyrɔxɔxɔ o. Ke hã, Biblia ɖee fia be ɖevi suewo gɔ̃ hã ate ŋu ase Biblia me nyateƒeawo gɔme ahalɔ̃ wo.

5, 6. (a) Aleke nya siwo Biblia gblɔ tso Timoteo ŋu kpe ɖe mía ŋu míeƒo nya ta le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu? (b) Aleke dzila dzeaɖaŋuwo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu?

5 Sɔhɛ ko Timoteo gakpɔtɔ nye esime wòzu Yesu ƒe nusrɔ̃la hetiae be yeasubɔ Yehowa. Apostolo Paulo gblɔ be tso ɖevime kee Timoteo srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo me nyateƒeawo. Togbɔ be Timoteo fofo menye Yehowa subɔla o hã la, nɔa kple mamaa siwo nye Yudatɔwo la fia Ŋɔŋlɔawoe ale gbegbe be eva lɔ̃ nu siwo wòsrɔ̃. Esia wɔe be xɔse sẽŋu nɔ esi. (2 Tim. 1:5; 3:14, 15) Kaka Timoteo naxɔ ƒe 20 alo aɖo eƒe ƒe 20-awo ƒe gɔmedzedze la, eva dze be wòaxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo le hamea me.—Dɔw. 16:1-3.

6 Ele eme be ɖevi ɖe sia ɖe kple eƒe ŋutetee; eye woƒe nugɔmesese kple tamebubu ŋutetewo hã le vovovo. Ðevi aɖewo ate ŋu ase nyateƒea gɔme, atso nya me nyuie, ahadi be yewoaxɔ nyɔnyrɔ esime wogakpɔtɔ nye ɖeviwo. Ðevi aɖewo hã tsina vie wu hafi xɔa nyɔnyrɔ. Gake dzila dzeaɖaŋuwo meƒlɔa dzo ɖe wo viwo te be woaxɔ nyɔnyrɔ o. Nu si wowɔna boŋue nye be woyia edzi kpena ɖe wo viwo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be wòanɔ tsitsim le gbɔgbɔ me le eƒe ŋutete nu. Dzilawo ate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wo vi aɖe wɔ ɖe nya si le Lododowo 27:11 la dzi. (Xlẽe.) Ke hã, mele be woaŋlɔ be gbeɖe o be woƒe taɖodzinue nye be yewoawɔ yewo viawo woanye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Esi esia le susu me na dzilawo la, anyo be woabu biabia sia ŋu, ‘Ðe gɔmesese geɖe  su vinyea si be wòaɖe adzɔgbe na Mawu ahaxɔ nyɔnyrɔa?’

ÐE SIDZEDZE SI HIÃ LA SU VINYEA SI BE WÒAXƆ NYƆNYRƆA?

7. Ðe wòle be ame nanya Biblia tsitotsito hafi axɔ nyɔnyrɔa? Ðe eme.

7 Esɔ be esi wònye be dzilawoe fiaa nu wo viwo le ƒomea me ta la, woadi be ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze ƒe gɔmeɖoanyi nyui nasu wo si be woate ŋu aɖe adzɔgbe na Mawu. Togbɔ be ele alea hã, mehiã be ame nanya nu sia nu hafi wòaɖe adzɔgbe na Mawu ahaxɔ nyɔnyrɔ o. Le nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, ele be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo katã nayi edzi anɔ tsitsim le sidzedze vavãtɔ me. (Xlẽ Kolosetɔwo 1:9, 10.) Ke nu ka gbegbee wòle be ame nanya hafi axɔ nyɔnyrɔ?

8, 9. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo kple gaxɔdzikpɔlaa ƒe ŋutinyaa me?

8 Ƒome aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ƒe ŋutinya ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu. (Dɔw. 16:25-33) Le ƒe 50 K.Ŋ. me lɔƒo la, Paulo yi Filipi le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia me. Esime wònɔ afi ma la, woda alakpa ɖe eya kple eƒe zɔhɛ Sila si, eye wolé wo de gaxɔ me. Esi zã do la, anyigba ʋuʋu sesĩe, ale be gaxɔa ƒe gɔmeɖokpewo ʋuʋu, eye gaxɔa ƒe ʋɔtruwo katã ʋu. Esi gaxɔdzikpɔlaa susu be gamenɔlawo si ta la, evɔ̃, eye wòɖe eƒe yi be yeawu ye ɖokui, ke Paulo do ɣli be megawɔe o. Paulo kple Sila te ŋu ɖi ɖase tso Yesu ŋu na gaxɔdzikpɔlaa kple eƒe ƒomea. Woxɔ nya siwo wose tso Yesu ŋu la dzi se eye wokpɔe be ele vevie ŋutɔ be yewoaɖo toe. Eya ta, woxɔ nyɔnyrɔ enumake. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe ŋutinyaa me?

9 Anɔ eme be Roma asrafo si xɔ dzudzɔ le dɔmee gaxɔdzikpɔlaa nye. Menya Ŋɔŋlɔawo o. Eya ta, hafi Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze ƒe gɔmeɖoanyi nyui nasu esi la, ehiã be wòasrɔ̃ Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo, ase nu si wòfia be woanye Mawu subɔla gɔme, eye wòaɖoe kplikpaa be yeawɔ ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi. Ekpɔ ŋudzedze ɖe nu si wòsrɔ̃ le ɣeyiɣi kpui ma me la ŋu ale gbegbe be eʋãe wòdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Ðikeke mele eme o be eyi edzi nɔ nu srɔ̃m le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe. Eya ta, ne viwò gblɔ na wò be yedi be yeaxɔ nyɔnyrɔ, elabe yelɔ̃ Yehowa eye yedi be yeaɖo toe la, nu kae nàte ŋu awɔ? Àte ŋu ana wòagblɔe na hamemetsitsiwo ne woakpɔe ɖa be eɖo nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe nudidiawo gbɔ hã. * Abe ale si wòle le Yesu ƒe nusrɔ̃la xɔnyɔnyrɔ bubuwo gome ene la, ɖevia ayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me yi ɖe mavɔmavɔ me gɔ̃ hã.—Rom. 11:33, 34.

HEHE KA TƆGBIE AÐE VI NA VINYEA WU?

10, 11. (a) Nu kae dzila aɖewo susu? (b) Nu kae wòle be wòanɔ vevie na dzilawo wu?

10 Dzila aɖewo susu be aɖe vi na yewo viwo wu ne wode suku yi ŋgɔ hekpɔ dɔ nyui aɖe le wɔwɔm hafi va xɔ nyɔnyrɔ. Ele eme be le dzila mawo ƒe susu nu la, nyui dimee wole na wo viwo ya, gake ɖe ema akpe ɖe wo ŋu woakpɔ dzidzedze vavãtɔ le agbe mea? Gawu la, ɖe nuŋububu sia wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawoa? Nu kae Yehowa ƒe Nyaa de dzi ƒo na mí be míawɔ?—Xlẽ Nyagblɔla 12:1.

11 Ele vevie be míaɖo ŋku edzi be xexe sia kple emenuwo katã tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe didiwo kple eƒe susuwo ŋu. (Yak. 4:7, 8; 1 Yoh. 2:15-17; 5:19) Ne ƒomedodo kplikplikpli le mia via kple Yehowa dome la, esia anye takpɔnu nyuitɔ kekeake nɛ tso Satana, eƒe xexea kple emenɔlawo ƒe nuŋububu gbegblẽwo me. Ne dzila aɖe  susui be ye vi ƒe sukudede kple dɔ nyui kpɔkpɔ le vevie wu la, ɖevia asusu be xexea me nuwo le vevie wu ƒomedodo nyui si anɔ eya kple Yehowa dome. Ðe dzila Kristotɔwo adi be ale si xexe sia bua dzidzedzekpɔkpɔe la nakpɔ ŋusẽ ɖe yewo viwo dzia? Nyateƒea ye nye be, ne míetsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me la, eya ko hafi míate ŋu akpɔ dzidzɔ kple nudzedziname vavãtɔ.—Xlẽ Psalmo 1:2, 3.

KE NE VINYEA VA WƆ NU VƆ̃ ÐE?

12. Nu ka tae dzila aɖewo susu be anyo wu be yewo viwo nalala vie hafi ava xɔ nyɔnyrɔ?

12 Esi nɔvinyɔnu aɖe nɔ nu si tae wòdi be ye vinyɔnua nalala vie hafi ava xɔ nyɔnyrɔ me ɖem la, egblɔ be, “Enye ŋukpe nam be magblɔ be ameɖeɖe le haa me ƒe ɖoɖoa koŋ tae.” Abe nɔvinyɔnu ma ene la, dzila aɖewo susuna be anyo wu be yewo viwo nalala vie va se ɖe esime wotsi nyuie be woate ŋu aƒo asa na ɖeviwo ƒe bometsinuwɔwɔ hafi woaxɔ nyɔnyrɔ. (1 Mose 8:21; Lod. 22:15) Ðewohĩ, woaƒo nya ta be, ‘Zi ale si vinyea mexɔ nyɔnyrɔ o ko la, womate ŋu aɖee le haa me o.’ Nu ka tae nuŋububu sia mesɔ o?—Yak. 1:22.

13. Ne ame aɖe mexɔ nyɔnyrɔ o la, ɖe esia awɔe be Yehowa mabia akɔnta tso esi oa? Ðe eme.

13 Eme kɔ be dzila Kristotɔwo madi be yewo viwo naxɔ nyɔnyrɔ ne wometsi nyuie ate ŋu aɖe adzɔgbe na Yehowa wòadze eŋu o. Ke hã, anye vodada be woabui be ne ɖevia mexɔ nyɔnyrɔ o la, Yehowa mabia akɔnta tso esi o. Nu ka tae? Menye ame si xɔ nyɔnyrɔ la si koe Yehowa abia akɔnta tsoe o. Ke boŋ, ne ɖevia nya nu si nye nyui kple vɔ̃ le Yehowa ŋkume ko la, Yehowa abia akɔnta tso esi. (Xlẽ Yakobo 4:17.) Eya ta, dzila dzeaɖaŋuwo mehea wo viwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe megbe o. Ke boŋ, wokua kutri vevie ɖoa kpɔɖeŋu nyui ɖi na wo be woasrɔ̃. Wodina be yewoamla yewo viwo tso woƒe ɖevime ke be woalɔ̃ nu si nye nyui le Yehowa ŋkume eye woatsri nu si nye vɔ̃ le eŋkume. (Luka 6:40) Ne ɖeviwo lɔ̃ Yehowa la, esia akpɔ wo ta be womawɔ nu vɔ̃ gã o, elabena woadi be yewoawɔ nu si le dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume.—Yes. 35:8.

KPEKPEÐEŊU SI AME BUBUWO ATE ŊU ANA

14. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe asi ɖe dzilawo ŋu?

14 Hamemetsitsiwo ate ŋu akpe asi ɖe agbagba siwo dzem dzilawo le la ŋu ne woƒoa nu nyui tso gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋu na ɖeviawo. Nɔvinyɔnu aɖe si wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe 70 kple edzivɔ la ɖo ŋku ale si dzeɖoɖo aɖe si yi edzi le eya kple Nɔviŋutsu Charles T. Russell dome esime wòxɔ ƒe ade pɛ ko la kpɔ ŋusẽ ɖe edzii la dzi. Egblɔ be, “Etsɔ miniti 15 ƒo nu nam tso nye gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋu.” Vavãe, nya tuameɖowo kple dzideƒonyawo tea ŋu ɖea vi hena ɣeyiɣi didi aɖe. (Lod. 25:11) Hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo hã be dzilawo kple wo viwo nakpɔ gome le beléle na Fiaɖuƒe Akpataa ŋuti dɔwo me eye woaɖo dɔwo na ɖeviawo le woƒe ƒexɔxɔ kple woƒe ŋutetewo nu.

15. Aleke hamea me tɔ bubuwo hã ate ŋu ade dzi ƒo na ɖeviwo?

15 Hamea me tɔwo ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu ne woɖe ɖetsɔleme fia wo le mɔ nyuitɔ nu. Esia abia be woalé ŋku ɖe dzesi siwo fia be ɖevia le ŋgɔ yim le gbɔgbɔ me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me: Ðe ɖevia ɖo nya aɖe ŋu nyuie wònya sea? Alo ɖe wòwɔ dɔdeasi le kpekpea mea? Ðe sɔhɛ aɖe te ŋu ɖu xɔse ƒe dodokpɔ aɖe dzi dzidzedzetɔea? Alo ɖe wòwɔ mɔnukpɔkpɔ aɖe ŋu dɔ ɖi ɖase na ame aɖe le sukua?  Ekema, wɔ kaba nàkafui ɖe eƒe agbagbadzedzea ta. Azɔ hã, ɖe manyo be nàɖoe wò taɖodzinu be, do ŋgɔ na kpekpea alo le kpakpa megbe la, nàɖo dze kple sɔhɛ aɖe atsɔ aɖe ale si gbegbe nètsɔ ɖe le eme nɛ la afia oa? Míate ŋu ato mɔ siawo kple bubuwo dzi ana ɖeviwo kple sɔhɛwo nakpɔe be yewo hã yewonye “ame geɖewo ƒe ha” la me tɔwo.—Ps. 35:18.

KPE ÐE VIWÒ ŊU WÒAYI ŊGƆ AXƆ NYƆNYRƆ

16, 17. (a) Nu ka tae wòle vevie be ɖeviwo naxɔ nyɔnyrɔ? (b) Dzidzɔ kae dzilawo ate ŋu akpɔ mɔ na? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

16 Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔe wònye na dzila Kristotɔwo be woahe wo viwo le “Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.” (Ef. 6:4; Ps. 127:3) Le blema Israel la, ne wodzi ɖeviwo la, wonyea Israel dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowa la me tɔwo, gake mele alea le dzila Kristotɔwo ƒe viwo ya gome egbea o. Gakpe ɖe eŋu la, womenyia lɔlɔ̃ na Mawu kple nyateƒea dome tso ame dzilawo gbɔ o. Eya ta, ne dzilawo nya dzi vi ko la, ele be woaɖoe woƒe taɖodzinu be yewoawɔ ɖevia wòava nye Yesu ƒe nusrɔ̃la, si fia be woakpe ɖe eŋu wòaɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ ahazu Yehowa subɔla. Ðe nane gale vevie wu esia? Nya lae nye be, ame ƒe adzɔgbeɖeɖe, nyɔnyrɔxɔxɔ kple nuteƒewɔwɔ na Mawu ye ana mɔnukpɔkpɔe be wòatsi agbe le xaxa gã la me.—Mat. 24:13.

Ele be dzilawo naɖoe woƒe taɖodzinu be yewoakpe ɖe yewo vi ŋu wòava zu Yesu ƒe nusrɔ̃la (Kpɔ memama 16, 17)

17 Esi Blossom Brandt tso nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, edzilawo siwo vɔ̃a Mawu la di be yewoaka ɖe edzi nenye be esu te na afɔ vevi ma ɖeɖe. Esi wonya ka ɖe edzi be esu te ko la, woda megbe nɛ. Zã si do ŋgɔ na eƒe nyɔnyrɔxɔgbe la, fofoa wɔ nu nyui aɖe. Blossom gblɔ be: “Ena mí katã míedze klo, eye wòdo gbe ɖa. Egblɔ na Yehowa be yekpɔ dzidzɔ ɖe nyametsotso si ye vinyɔnuvi suea wɔ be wòtsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe nɛ la ŋu ŋutɔ.” Ƒe 60 kple edzivɔ megbe la, Blossom gblɔ be: “Mate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be, nyemaŋlɔ nu si wòwɔ zã ma me la be gbeɖe o!” Neva eme be mi dzilawo miakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme si dona tso eme ne mia viwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa, hexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa subɔlawo.

^ mm. 9 Dzilawo ate ŋu ato nyatakaka nyui siwo le Sɔhɛwo Biana Be gbalẽa, Babla 2 lia, axa 304-310 me kple wo via. Kpɔ “Nyabiaɖaka” si dze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, April 2011 tɔ, axa 2 lia hã.