Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowae Kplɔa Eƒe Amewo

Yehowae Kplɔa Eƒe Amewo

“Yehowa akplɔ wò ɖaa.”—YES. 58:11.

HADZIDZI: 152, 22

1, 2. (a) Aleke ame siwo xɔa ŋgɔ le Yehowa Ðasefowo dome la to vovo na subɔsubɔhawo ƒe kplɔlawo? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me?

“AME kae nye miaƒe kplɔla?” Ame geɖe biaa nya sia Yehowa Ðasefowo. Eye mewɔ nuku o! Elabe le subɔsubɔha geɖe me la, ŋutsu alo nyɔnu aɖee nyea woƒe kplɔla alo woƒe tatɔ. Gake enye dzidzɔ na mí be míagblɔ na ame siwo biaa nya sia be menye amegbetɔ madebliboe nye míaƒe Kplɔla o. Ke boŋ, Kristo si wofɔ ɖe tsitre lae kplɔa mí, eye eya hã le Fofoa, Yehowa, ƒe kpɔkplɔ te.—Mat. 23:10.

2 Ke hã, amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe, si Biblia yɔ be “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la xɔa ŋgɔ le Mawu ƒe amewo dome egbea. (Mat. 24:45) Eya ta, aleke míewɔ nya be Yehowa ŋutɔe le mía kplɔm to Via si míekpɔna o la dzi? Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, míadzro ale si Yehowa to amegbetɔ aɖewo dzi kplɔ eƒe amewo ƒe akpe geɖewoe nye esia la me. Nyati eveawo siaa adzro kpeɖodzi etɔ̃ siwo ɖee fia be Yehowae nɔ megbe na ame mawo, si ɖee fia kɔtɛ be eya ŋutɔe nye eƒe amewo Kplɔla le blema, eye eya kee gale eƒe amewo kplɔm egbea hã me.—Yes. 58:11.

GBƆGBƆ KƆKƆE LA DO ŊUSẼ WO

3. Nu kae kpe ɖe Mose ŋu wòte ŋu kplɔ Israel dukɔa?

3 Gbɔgbɔ kɔkɔe la do ŋusẽ Mawu teƒenɔlawo. Bu Mose, si  Mawu de dɔ asi na be wòakplɔ Israel-viwo la ŋu kpɔ. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu wɔ dɔ sesẽ ma? Yehowa “tsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe de eya amea me.” (Xlẽ Yesaya 63:11-14.) Eya ta, Yehowa ŋutɔe nɔ eƒe dukɔa kplɔm, elabena eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye nɔ ŋusẽ dom Mose.

4. Aleke Israel-viwo akpɔe adze sii be Mawu ƒe gbɔgbɔa le Mose dzi? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

4 Esi wònye be gbɔgbɔ kɔkɔe la nye ŋusẽ makpɔmakpɔ la, aleke Israel-viwo awɔ anya be gbɔgbɔ kɔkɔea nɔ kpekpem ɖe Mose ŋu? Gbɔgbɔ kɔkɔea na Mose wɔ nukunuwo, ekpe ɖe eŋu hã wòɖe Mawu ƒe ŋkɔ la fia Farao. (2 Mose 7:1-3) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Mose ŋu wòtu nɔnɔme nyuiwo, abe lɔlɔ̃, tufafa kple dzigbɔɖi ene ɖo, siwo wɔe be wòdze be wòakplɔ Israel dukɔa. Aleke gbegbe wòto vovo na dukɔ bubuwo ƒe kplɔla siwo sẽa ŋuta eye wonye ɖokuitɔdilawoe nye esi! (2 Mose 5:2, 6-9) Eɖe dzesi ƒãa be Yehowae tia Mose be wòakplɔ yeƒe dukɔa.

5. Gblɔ ale si Yehowa do ŋusẽ Israel-vi bubuwo wokplɔ eƒe dukɔa.

5 Emegbe, Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ ŋutsu bubu siwo wòtia be woakplɔ yeƒe dukɔa. “Nunya ƒe gbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun vi la fũu.” (5 Mose 34:9) “Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Gideon dzi.” (Ʋɔn. 6:34) Eye “Yehowa ƒe gbɔgbɔ va David [hã] dzi.” (1 Sam. 16:13) Ŋutsu siawo katã ɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu, eye gbɔgbɔa do ŋusẽ wo wowɔ nu siwo womate ŋu awɔ le woawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me gbeɖe o. (Yos. 11:16, 17; Ʋɔn. 7:7, 22; 1 Sam. 17:37, 50) Esia ta, esɔ nyuie be wotsɔ kafukafua na Yehowa ɖe nu dzɔtsu siwo wowɔ ta.

6. Nu ka tae Mawu di tso Israel-viwo si be woade bubu dukɔa ƒe kplɔlawo ŋu?

6 Aleke wòle be Israel-viwo nawɔ nui esi wokpɔ kpeɖodzi siwo dze ƒãa be gbɔgbɔ kɔkɔea nɔ ŋusẽ dom ŋutsu mawo? Esi dukɔa ƒo nu tsi tsitre ɖe ale si Mose nɔ wo kplɔmee ŋu la, Yehowa bia be: “Va se ɖe ɣekaɣie dukɔ sia agbe bubudede ŋunye?” (4 Mose 14:2, 11) Vavãe, Yehowa ye tia Mose, Yosua, Gideon kple David be woanɔ ye si nye dukɔa Kplɔla la teƒe. Ne dukɔa ɖo to ŋutsu siawo la, ekema, Yehowa, ame si nye wo Kplɔla ŋutɔŋutɔ lae wonɔ to ɖomee.

MAWUDƆLAWO KPE ÐE WO ŊU

7. Aleke mawudɔlawo kpe ɖe Mose ŋu?

7 Mawudɔlawo kpe ɖe Mawu teƒenɔlawo ŋu. (Xlẽ Hebritɔwo 1:7, 14.) Yehowa dɔ mawudɔlawo be woade dɔ asi na Mose, akpe ɖe eŋu ahafia mɔe. Mawu ɖo Mose ‘dziɖula kple ʋɔnudrɔ̃lae to mawudɔla si ɖe eɖokui fiae le ŋuve la me dzi.’ (Dɔw. 7:35) Yehowa ‘to mawudɔlawo dzi tsɔ’ Se la na Mose be wòafia nu dukɔ la. (Gal. 3:19) Eye Yehowa gblɔ nɛ be: “[Kplɔ] dukɔ la miayi afi si megblɔ na wò la. Kpɔ ɖa! Nye dɔla adze ŋgɔwò.” (2 Mose 32:34) Biblia megblɔ be Israel-viwo kpɔ mawudɔla aɖe kple ŋku wònɔ dɔ mawo wɔm o. Ke hã, ale si Mose fia nu dukɔa hekplɔ wo la ɖee fia kɔtɛ be ŋusẽ aɖe si de ŋgɔ wu amegbetɔwo tɔ la nɔ megbe nɛ.

8. Aleke mawudɔlawo kpe ɖe Yosua kple Hizkiya ŋu?

8 Le Mose ƒe ku megbe la, “Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe amegã” do ŋusẽ Yosua si va xɔ ɖe Mose teƒe la be wòanɔ ŋgɔ na Mawu ƒe amewo woawɔ aʋa kple Kanaantɔwo; eye Israel-viwo ɖu aʋa la dzi. (Yos. 5:13-15; 6:2, 21) Emegbe, le Fia Hizkiya ƒe dziɖuɣi la, Asiriatɔwo ƒe aʋakɔ gã nyadri aɖe ho ɖe Yerusalem ŋu. Le zã ɖeka me la, “Yehowa ƒe dɔla do yi ɖawu ame akpe alafa ɖeka blaenyi vɔ atɔ̃ le Asiriatɔwo ƒe asaɖa la me.”—2 Fia. 19:35.

9. Ðe Israel-viwo tɔ dzɔ be woaxa ɖe Mawu teƒenɔlawo ƒe blibomademade ta agbe woƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔa? Ðe eme.

 9 Le nyateƒe me la, mawudɔlawo de blibo, gake ame siwo ŋu wonɔ kpekpem ɖo ya mede blibo o. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka, Mose do kpo ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Yehowa. (4 Mose 20:12) Yosua mebia Mawu ƒe mɔfiafia hafi bla nu kple Gibeontɔwo o. (Yos. 9:14, 15) Eye ɣeaɖeɣi la, Hizkiya ƒe “dzi de asi dada me.” (2 Kron. 32:25, 26) Togbɔ be ŋutsu siawo mede blibo o hã la, Yehowa kpɔ mɔ be Israel-viwo nawɔ ɖe woƒe mɔfiafia dzi. Yehowa to eƒe dɔlawo dzi nɔ kpekpem ɖe ŋutsu mawo ŋu. Ɛ̃, Yehowae nɔ eƒe amewo kplɔm.

MAWU ƑE NYA LA FIA MƆ WO

10. Aleke Mawu ƒe Se la fia mɔ Mose?

10 Mawu ƒe Nya la fia mɔ Mawu teƒenɔlawo. Le Biblia me la, woyɔ Se si wotsɔ na Israel-viwo la be “Mose ƒe Se la.” (1 Fia. 2:3) Ke hã, Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Yehowa ŋutɔe nye Senalaa, eye ele na Mose ŋutɔ hã be wòawɔ Sea dzi. (2 Kron. 34:14) Esi Yehowa na mɔfiamewo ku ɖe avɔgbadɔa tutu ŋu vɔ la, “Mose wɔ se siwo katã Yehowa de nɛ la dzi. Ewɔe nenema pɛpɛpɛ.”—2 Mose 40:1-16.

11, 12. (a) Nu kae wobia tso Yosua kple fia siwo ɖu Mawu ƒe amewo dzi la si be woawɔ? (b) Aleke Mawu ƒe Nyaa fia mɔ ame siwo kplɔ Mawu ƒe amewoe?

11 Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la nɔ Yosua si tso esime wòzu Mawu ƒe amewo kplɔla. Mawu gblɔ nɛ be: “Xlẽe kple gbe blewu zã kple keli, be nàwɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi pɛpɛpɛ.” (Yos. 1:8) Emegbe, Israel fia siwo va ɖu fia ɖe Mawu ƒe amewo dzi la hã wɔ ɖe sedede ma dzi. Wobia tso wo si be woaxlẽ Se la gbe sia gbe, woaŋlɔ emenyawo ɖi na wo ɖokuiwo, eye ‘woalé Se la me nyawo katã kple ɖoɖo siwo le eme la me ɖe asi ahawɔ wo dzi.’—Xlẽ 5 Mose 17:18-20.

12 Dɔ kae Mawu ƒe Nya la wɔ ɖe ŋutsu siwo nɔ ŋgɔ xɔm la dzi? Bu Fia Yosiya ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi wofɔ agbalẽ aɖe si me Mose ƒe Sea le la, Yosiya ƒe agbalẽŋlɔla dze exexlẽ nɛ. * Aleke fia la wɔ nui? “Esi fia la se Segbalẽ la me nyawo ko la, edze eƒe awuwo.” Mese ɖe afi ma o. Yosiya wɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa ƒe mɔfiafia dzi heho aʋa ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu, eye wòwɔ ɖoɖo woɖu Ŋutitotoŋkekenyui gã si tɔgbi womeɖu le Israel kpɔ o. (2 Fia. 22:11; 23:1-23) Esi Mawu ƒe Nyaa fia mɔ Yosiya kple kplɔla wɔnuteƒe bubuwo ta la, wolɔ̃ faa wɔ ɖɔɖɔɖo le mɔfiame siwo wonɔ Mawu ƒe amewo nam la ŋu. Esia kpe ɖe Mawu ƒe dukɔa ŋu wowɔ eƒe lɔlɔ̃nu.

13. Vovototo kae nɔ Mawu ƒe amewo kplɔlawo kple trɔ̃subɔlawo ƒe kplɔlawo dome?

13 Vovototo gã ka gbegbee nye esi nɔ fia wɔnuteƒe mawo kple dukɔwo ƒe kplɔla siwo amegbetɔwo ƒe nunya fiaa mɔe eye womebua nuwo ŋu nyuie o la dome! Le kpɔɖeŋu me, Kanaantɔwo ƒe kplɔlawo kple wo teviwo wɔ nu baɖabaɖawo, abe ƒometɔ kplikplikpliwo gbɔ dɔdɔ, ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, lãwo gbɔ dɔdɔ, vidzĩwo tsɔtsɔ sa vɔe kple trɔ̃subɔsubɔnuwɔna dziŋɔwo ene. (3 Mose 18:6, 21-25) Gakpe ɖe eŋu la, Babilon kple Egipte ƒe kplɔlawo mezɔna ɖe dzadzɛnyenye ƒe mɔfiame nyui siwo Mawu tsɔ na Israel-viwo, siwo sɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu la dzi o. (4 Mose 19:13) To vovo na ema la, kpɔɖeŋu nyui si Mawu ƒe amewo ƒe kplɔlawo ɖo ɖi la do mawusubɔsubɔ vavãtɔ, agbe dzadzɛ nɔnɔ kple dzadzɛnyenye ɖe ŋgɔ le dukɔa me. Edze ƒãa be Yehowae nɔ wo kplɔm.

14. Nu ka tae Yehowa he to na eƒe dukɔa kplɔla aɖewo?

 14 Menye fia siwo katã ɖu Mawu ƒe amewo dzi le blema lae wɔ ɖe eƒe mɔfiafiawo dzi o. Wo dometɔ siwo meɖo to Yehowa o la gbe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, mawudɔlawo kple Eƒe Nyaa ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ. Le go aɖewo me la, Yehowa he to na wo alo ena ame bubuwo xɔ ɖe wo teƒe. (1 Sam. 13:13, 14) Le Yehowa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, etia ame aɖe si de blibo be wòanye yeƒe amewo ƒe kpɔla.

YEHOWA TIA KPLƆLA DEBLIBO AÐE

15. (a) Aleke nyagblɔɖilawo ɖee fia be kplɔla tɔxɛ aɖe ava? (b) Ame kae nye kplɔla si ŋu nya wogblɔ ɖi?

15 Yehowa gblɔe ɖi ƒe alafa geɖe be yele kplɔla aɖe si dze nyuie la tia ge na yeƒe amewo. Mose gblɔ na Israel-viwo be: “Yehowa wò Mawu le nyagblɔɖila aɖe ɖo ge na wò tso nɔviwòwo dome abe nye ene. Ele be miaɖo toe.” (5 Mose 18:15) Yesaya gblɔe ɖi be Yehowa aɖo Ame sia ‘kplɔla kple dziɖulae.’ (Yes. 55:4) Eye gbɔgbɔ ʋã Daniel wòŋlɔ nu tso “Mesia Kplɔla la” ƒe vava ŋu. (Dan. 9:25) Mlɔeba, wova de dzesi Yesu Kristo be eyae nye Mawu ƒe amewo ƒe “Kplɔla.” (Xlẽ Mateo 23:10.) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo lɔ̃ faa dze eyama yome, eye wolɔ̃ ɖe edzi be eyae nye ame si Yehowa tia vavã. (Yoh. 6:68, 69) Nu kae na woka ɖe edzi be Yesu Kristoe nye ame si dzi Yehowa to le eƒe amewo kplɔm?

16. Nu kae ɖee fia be gbɔgbɔ kɔkɔea nɔ ŋusẽ dom Yesu?

16 Gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ Yesu. Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela kpɔ “dziƒowo nu ʋu, eye gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi ɖe edzi abe ahɔnɛ ene.” Esia megbe la, “gbɔgbɔ la ƒoe ɖe enu wòyi gbedadaƒo.” (Marko 1:10-12) Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa katã me la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽe be wòawɔ nukunuwo ahaƒo nu le Mawu ƒe ŋusẽ me. (Dɔw. 10:38) Gakpe ɖe eŋu la, gbɔgbɔ kɔkɔea na gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa vovovowo abe lɔlɔ̃, dzidzɔ kple xɔse ene ɖe dzesi le eŋu le mɔ deblibo nu. (Yoh. 15:9; Heb. 12:2) Kpeɖodzi siwo ŋu kakaɖedzi le alea meɖe dzesi le kplɔla bubu aɖeke ŋu nenema gbegbe o. Yesu ye nye ame si Yehowa tia vavã.

Aleke mawudɔlawo kpe ɖe Yesu ŋu le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe teti? (Kpɔ memama 17)

17. Nu kae mawudɔlawo wɔ tsɔ kpe ɖe Yesu ŋu?

17 Mawudɔlawo kpe ɖe Yesu ŋu. Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe kpuie la, “mawudɔlawo va subɔe.” (Mat. 4:11) Gaƒoƒo aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, “mawudɔla aɖe tso dziƒo ɖe eɖokui fiae hedo ŋusẽe.” (Luka 22:43) Yesu ka ɖe edzi be ɣesiaɣi si yehiã mawudɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, Yehowa adɔ wo ɖa.—Mat. 26:53.

18, 19. Aleke Mawu ƒe Nya la fia mɔ Yesu le eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nufiafia me?

 18 Mawu ƒe Nya la fia mɔ Yesu. Tso Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze ke la, eɖe mɔ Ŋɔŋlɔawo fia mɔe. (Mat. 4:4) Le nyateƒe me la, ewɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa ƒe mɔfiafia dzi ale gbegbe be elɔ̃ faa ku le fuwɔameti ŋu gɔ̃ hã. Mesia la ŋuti nyagblɔɖiwo nɔ nya mamlɛtɔ siwo wògblɔ hafi ku la gɔ̃ hã me. (Mat. 27:46; Luka 23:46) Gake subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ŋea aɖaba ƒua Mawu ƒe Nyaa ƒe mɔfiafia dzi ne wokpɔe be etsi tsitre ɖe yewoƒe kɔnyinyiwo ŋu. Yesu yɔ nya si Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi hegblɔ tso woamawo ŋu be: “Dukɔ sia le buyem kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. Dzodzroe wole subɔyem, elabena amegbetɔwo ƒe sededewoe wofiana.” (Mat. 15:7-9) Ðe wòanya wɔ be Yehowa natia ame siawo dometɔ aɖe be wòakplɔ yeƒe amewoa?

19 Yesu ɖe mɔ Mawu ƒe Nya la fia mɔe le eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nufiafia siaa me. Esi wotsɔ mawusubɔsubɔ ŋuti nyaʋiʋli aɖewo ɖo eŋkume la, mezã eya ŋutɔ ƒe nunya alo nuteƒekpɔkpɔ gbogbo siwo su esi tsɔ ɖo nyaawo ŋu o. Ke boŋ, ezã Ŋɔŋlɔawo, eye wòto esia me ɖee fia be Ŋɔŋlɔawo mee Mawu ƒe mɔfiafia le. (Mat. 22:33-40) Eye melɔ nya geɖe kɔ ɖe eƒe nyaselawo dzi ku ɖe nu siwo teƒe wòkpɔ le dziƒo alo xexemewɔwɔ me ŋu o, ke boŋ “[eʋu] woƒe susu be woase Ŋɔŋlɔawo gɔme.” (Luka 24:32, 45) Yesu lɔ̃ Mawu ƒe Nya la, eye edi vevie be yeatsɔe afia nu amewo.

20. (a) Aleke Yesu ɖee fia be yebɔbɔ ɖe Mawu te? (b) Nu kae vovototo si dze le Yesu kple Herodes Agripa I ƒe nuwɔna me la fia mí ku ɖe ame si Yehowa tiana be wòanye kplɔla ŋu?

20 Togbɔ be “nya vivi” siwo Yesu gblɔ la wɔ nuku na eƒe nyaselawo hã la, etsɔ kafukafua na eƒe Nufiala, Yehowa. (Luka 4:22) Esi kesinɔtɔ aɖe yɔ Yesu be “Nufiala Nyui” be yeatsɔ adoe ɖe dzi la, ɖokuibɔbɔtɔe la, Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nu ka tae nèle yɔyem be ame nyui? Ame aɖeke menye ame nyui o, negbe ame ɖeka ko, eyae nye Mawu.” (Marko 10:17, 18) Yesu ƒe nuwɔwɔ alea to vovo kura na ale si Herodes Agripa I, si va zu Yudea fia, alo kplɔla, ƒe enyi aɖewo megbe la wɔ nui! Esi dukɔa ƒe wɔna tɔxɛ aɖe ɖo edzi la, Herodes “do fiawu.” Ameha siwo lɔ̃ eƒe nya la do ɣli be: “Mawu ƒe gbee, menye amegbetɔ tɔe o!” Edze ƒãa be Herodes ƒe ta te wòdo eɖokui ɖe dzi. Nu kae dzɔ le esia yome? “Enumake Yehowa ƒe dɔla ƒoe, elabena metsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu o, eye ŋɔwo ɖui wòku.” (Dɔw. 12:21-23) Kakaɖedzitɔe la, eteƒekpɔla siwo katã bua nuwo ŋu nyuie la akpɔe adze sii be menye Yehowa ye ɖo Herodes kplɔlae o. Gake kpeɖodziawo dze ƒãa le Yesu ya ŋu be Mawue ɖoe, eye ekafua Yehowa ɣesiaɣi be Eyae nye eƒe amewo ƒe Kplɔla Gãtɔ.

21. Nu kawo mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

21 Menye ƒe ʋɛ aɖewo koe Mawu ɖoe be Yesu nanye kplɔla o. Yesu ŋutɔ gblɔ le eƒe tsitretsitsi megbe be: “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de asi nam. . . . Eye kpɔ ɖa, meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:18-20) Gake fifia esi Yesu nye gbɔgbɔ makpɔmakpɔ le dziƒo la, aleke wòakplɔ Mawu ƒe amewo le anyigba dzi? Ame kawoe Yehowa azã be woawɔ dɔ le Kristo ƒe kpɔkplɔ te ahaxɔ ŋgɔ le Mawu ƒe amewo dome? Eye aleke Kristotɔwo awɔ ade dzesi eteƒenɔlawo? Míakpɔ nya siawo ƒe ŋuɖoɖowo le nyati si kplɔ esia ɖo me.

^ mm. 12 Anɔ eme be segbalẽ si Mose ŋutɔ ŋlɔ kple asi lae.