Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  February 2017

Mɔɖela siwo nye George Rollston kple Arthur Willis tɔ woƒe ʋua hele tsi dem eme.—Dziehe Nutowo me, ƒe 1933

 NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

“Mɔ Aɖeke Megblẽ Akpa Alo Didi Akpa O”

“Mɔ Aɖeke Megblẽ Akpa Alo Didi Akpa O”

LE MARCH 26, 1937, dzi la, ŋutsu eve aɖewo siwo ŋu mɔzɔzɔ te ɖeɖi belibeli la ku woƒe agbatsɔʋu si ƒo ɖi kpanyakpanya la blewublewu va Sydney dua me le Australia. Tso esime wodze mɔ tso dugãa me ƒe ɖeka ye nye ema la, wozɔ mɔ kilometa 19,300 sɔŋ to nuto saɖeaga dzekpodzeʋeewo me le Australia anyigbagã la dzi. Menye duyeyedilawo alo tsaɖilawo wonye o. Mɔɖela dovevienu siwo ɖoe kplikpaa be yewoatsɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia ayi na amewo le Australia anyigbagã la ƒe nuto saɖeagawo me koe ŋutsu eve mawo siwo ŋkɔwoe nye Arthur Willis kple Bill Newlands nye.

Tso esime nyateƒea ɖo Australia ʋuu keke va ɖo ƒe 1920-awo me la, ƒuta dugãwo kple du suewo me koŋue Biblia Nusrɔ̃vi * ʋɛ siwo nɔ Australia la ɖea gbeƒã nya nyuia le. Australia ƒe nuto siwo metsɔ ƒu gbɔ o la nye nuto saɖeaga siwo ƒu kplakplakpla, eye nuto mawo lolo wu Amerika-nyigba ƒe afã. Ke hã, nɔviawo nyae be ele be Yesu yomedzelawo naɖi ɖase le eyama ŋu “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke,” eye Australia ƒe nuto saɖeagawo hã le eme. (Dɔw. 1:8) Gake aleke woawɔ akpe anyigba gã ma ɖo? Esi woxɔe se tso dzi blibo me be Yehowa ayra ɖe yewoƒe agbagbadzedzewo dzi ta la, woɖoe kplikpaa be yewoawɔ nu sia nu si yewoate ŋui.

MƆÐELAWO ÐE MƆA

Le ƒe 1929 me la, hame siwo nɔ Queensland kple Western Australia la trɔ asi le agbatsɔʋuwo ŋu etɔxɛe hena mɔ legbeewo zɔzɔ kple susu be yewoaɖaɖe gbeƒã nya nyuia le saɖeaganutowo me. Nɔviŋutsu mɔɖela siwo le lãmesẽ me, siwo ate ŋu ado dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye woate ŋu adzra ʋuawo ɖo ne wogblẽ lae zã ʋuawo tsɔ yi dɔa gbe. Mɔɖela siawo yi nuto geɖe siwo me womeɖe gbeƒã nya nyuia le kpɔ o la me.

Mɔɖela siwo ŋu ŋutete mele be woaƒle ʋu o la do gasɔ yi nuto saɖeagawo me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1932 me la, Bennett Brickell si xɔ ƒe 23 la, dze mɔ tso Rockhampton, Queensland, eye wòɖe gbeƒã ɣleti atɔ̃ sɔŋ yi keke saɖeaganuto siwo le dukɔa ƒe dziehe gome la me. Etsɔ kuntruwo, awuwo, nuɖuɖu kple agbalẽ gbogbo aɖewo do agba na eƒe gasɔa. Esi gasɔa ƒe tayawo gbã la, eyi mɔzɔzɔa dzi kple kakaɖedzi be Yehowa afia mɔ ye. Etutu gasɔa le mɔzɔzɔa ƒe akpa mamlɛa si didi kilometa 320 la to nuto siwo me tsikɔ wu amewo woku le kpɔ la me.  Le ƒe 30 me la, Nɔviŋutsu Brickell zã gasɔ, dzokeke kple ʋu tsɔ zɔ mɔ kilometa akpe alafa geɖe yi Australia dukɔ bliboa ƒe teƒeteƒewo. Etsɔ nya nyuia yi na Australia-vidzidziwo eye wòkpe asi ɖe eŋu woɖo hame yeyewo. Ame geɖe va nyae nyuie le saɖeaganuto mawo me eye wodea bubu eŋu.

WOÐU KPLAMATSƐDONUWO DZI

Le dukɔ ƒe lolome gome la, Australia nye dukɔ siwo me amewo le ʋɛ wu le xexea me la dometɔ ɖeka, eye amenɔƒewo dome didi ŋutɔ tso wo nɔewo gbɔ le saɖeaganutoawo me. Eya ta, Yehowa ƒe amewo ku kutri vevie ke ɖe amewo ŋu le anyigbagã la ƒe nuto saɖeagawo me.

Mɔɖela siwo ŋkɔwoe nye Stuart Keltie kple William Torrington hã ku kutri nenema. Le ƒe 1933 me la, wotsò Simpson Gbegbe gã si nye ke sɔŋ la yi ɖaɖe gbeƒã le du si nye Alice Springs, si le Australia-nyigbaa titina. Esi woƒe ʋu suea gblẽ tsi mɔ dzi la, Nɔviŋutsu Keltie si ƒe afɔ ɖeka nye afɔ wɔwɔe la, do kposɔ tsɔ yi mɔzɔzɔa dzi yi ɖaɖe gbeƒã! Kutsetse nyuiwo do tso mɔɖela siawo ƒe agbagbadzedzewo me esi woɖi ɖase na Charles Bernhardt si si amedzrodzeƒe le le William Creek, si nye ketekedzeƒe saɖeaga aɖe. Eva xɔ nyateƒea, edzra eƒe amedzrodzeƒea, eye eya ɖeka yi ɖawɔ mɔɖeɖedɔa ƒe 15 sɔŋ le Australia ƒe nuto siwo tso abo wu, siwo me ƒu kplakplakpla la dometɔ aɖewo me.

Arthur Willis le agba dom be yeadze mɔ ayi aɖaɖe gbeƒã le Australia ƒe nuto saɖeagawo me.—Perth, Western Australia, ƒe 1936

Edze ƒãa be mɔɖela gbãtɔ mawo hiã dzinɔameƒo kple kutrikuku be woaɖu kplamatsɛdonu geɖe siwo wodo goe la dzi. Edzɔ ɣeaɖeɣi be Arthur Willis kple Bill Newlands siwo ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la kpe fu ŋutɔ le kilometa 32 ƒe mɔ aɖe si wozɔ kwasiɖa eve sɔŋ la me, elabena tsi gã aɖe dza si wɔe be gbegbe gã ma zu ba ɖeɖe sɔŋ. Ɣeaɖewoɣi hã, wotutua woƒe agbatsɔʋua toa ke si li kɔ ɖi zu kpo gãwo la dzi, to bali siwo me agakpewo le kple tɔʋu siwo me yɔ kple ke sɔŋ la me esime wote fifia vlevlevle le ŋdɔkutsu dzatsɛ. Woƒe ʋua gblẽna edziedzi, eye ne edzɔ alea la, wozɔna alo doa gasɔ ŋkeke geɖe yia du si tsɔ wo gbɔ wu la me, eye wolalana le afi ma kwasiɖa aɖewo va se ɖe esime ʋua ƒe akpa si gblẽ, si wodɔ la va ka wo si. Togbɔ be nɔnɔmeawo sesẽ alea gbegbe hã la, dzi meɖe le wo ƒo o. Emegbe esi Arthur Willis gbugbɔ nɔ The Golden Age ƒe magazine (si nye Nyɔ! fifia) la me nya aɖe gblɔm la, egblɔ be: “Mɔ aɖeke megblẽ akpa alo didi akpa o.”

Charles Harris si wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe geɖe la gblɔ be teƒe tsoabowo nɔnɔ kple nɔnɔme sesẽ siwo me yeto le nuto saɖeaga mawo me na yete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Egblɔ kpee be: “Agbea nyona sãsãsã wu ne nu ʋɛ aɖewo koe le ame si le agbe me. Ne Yesu lɔ̃ faa mlɔ gota le zã me le hiahiãa nu la, ke ele be míawo hã míalɔ̃ kple dzi blibo awɔe nenema ne míaƒe subɔsubɔdɔa na wòva hiã.” Nu ma tututue mɔɖela geɖewo wɔ. Woƒe kutrikuku alea tse ku geɖe, elabena ewɔe be nya nyuia ɖo anyigbagã ma ƒe teƒeteƒewo, si wɔe be ame geɖe va nɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi.

^ mm. 4 Biblia Nusrɔ̃viawo tsɔ ŋkɔ si nye Yehowa Ðasefowo le ƒe 1931 me.—Yes. 43:10.