Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Kae Le Mawu Ƒe Amewo Kplɔm Egbea?

Ame Kae Le Mawu Ƒe Amewo Kplɔm Egbea?

“Miɖo ŋku ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la dzi.”HEB. 13:7.

HADZIDZI: 125, 43

1, 2. Esi Yesu dzo yi dziƒo la, nya kawoe apostoloawo anya bia wo ɖokuiwo?

YESU ƒe apostoloawo le tsitre ɖe Amitoa dzi hele yame kpɔm gãa. Ðeko wokpɔ eteƒe wokɔ Yesu, si nye woƒe aƒetɔ kple wo xɔlɔ̃ la, yi dzi eye alilikpo aɖe va xe wo ŋkume koe nye ema. (Dɔw. 1:9, 10) Ƒe eve aɖewoe nye ema Yesu fia nu wo, de dzi ƒo na wo hexɔ ŋgɔ na wo. Gake azɔ la, edzo le wo gbɔ. Nu kae woawɔ?

2 Yesu de se na eyomedzelawo be: “Mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Aleke gɔ̃ woawɔ awu dɔ gã ma nu? Ele eme be Yesu ka ɖe edzi na wo be eteƒe madidi o, woaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ya. (Dɔw. 1:5) Ke hã, ehiã be woanya mɔfiame si dzi woazɔ ɖo kple ɖoɖo si nu woawɔ dɔa le ale be woate ŋu aɖe gbeƒã va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke. Le blema la, Yehowa to eteƒenɔla siwo nye amegbetɔwo dzi fia mɔ eƒe amewo wowɔ nu le ɖoɖo nu. Eya ta, apostoloawo anya bia wo ɖokuiwo be: ‘Ðe Yehowa aɖo kplɔla bubu na mía?’

3. (a) Esi Yesu yi dziƒo megbe la, nyametsotso vevi kae eƒe apostolo wɔnuteƒeawo wɔ? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

 3 Le Yesu ƒe dziƒoyiyi megbe la, mede kwasiɖa eve o, eƒe nusrɔ̃lawo dzro Ŋɔŋlɔawo me, do gbe ɖa bia Mawu ƒe mɔfiafia hetia Matias be wòaxɔ ɖe Yuda Iskariot teƒe anye apostolo 12 lia. (Dɔw. 1:15-26) Nu ka tae apostolo 12 lia tiatia nɔ vevie na woa kple Yehowa siaa ɖo? Matias tiatia wɔ akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe ɖoɖowo me. * Menye ɖeko Yesu tia eƒe apostolowo be woanɔ ye ŋu le yeƒe subɔsubɔdɔa me o, ke ɖe wòtia wo be woava wɔ akpa vevi aɖe le Mawu ƒe amewo dome. Akpa vevi kae wòle be woawɔ, eye aleke Yehowa to Yesu dzi dzra wo ɖo ɖe eŋu? Ðoɖo ma tɔgbi kae le Mawu ƒe amewo dome egbea? Eye aleke míate ŋu ‘aɖo ŋku ame siwo le ŋgɔ xɔm le mía dome,’ vevietɔ ame siwo nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi?—Heb. 13:7; Mat. 24:45.

YESU FIA MƆ DƆDZIKPƆHA LA

4. Akpa kae apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem la wɔ le ƒe alafa gbãtɔ me?

4 Le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, apostoloawo va nye ame siwo xɔa ŋgɔ le Kristo hamea me. Le ŋkeke ma dzi la, “Petro kple Ame Wuiɖekɛawo tsi tsitre” eye wogblɔ nyateƒenya siwo xɔa ame ɖe agbe la na Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo; wonye ameha gã aɖe. (Dɔw. 2:14, 15) Ame siawo dometɔ geɖe va zu xɔsetɔwo. Esia megbe la, Kristotɔ yeye siawo ‘yi edzi lé fɔ ɖe apostoloawo ƒe nufiafiawo ŋu vevie.’ (Dɔw. 2:42) Apostoloawo kpɔ hamea ƒe ganyawo gbɔ. (Dɔw. 4:34, 35) Wokpɔ Mawu ƒe amewo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo hã gbɔ, abe ale si woawo ŋutɔwo gblɔe ene be: “Míalé fɔ ɖe gbedodoɖa kple mawunya la fiafia ŋu.” (Dɔw. 6:4) Gakpe ɖe eŋu la, wotia Kristotɔ siwo kpɔ nu teƒe la hede dɔ asi na wo be woakaka nya nyuia ayi ɖe nuto bubuwo me. (Dɔw. 8:14, 15) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, hamemetsitsi bubu siwo nye amesiaminawo la va wɔ ɖeka kple apostoloawo le hamea ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Woawoe nye dɔdzikpɔha si fiaa mɔ hameawo katã.—Dɔw. 15:2.

5, 6. (a) Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe dɔdzikpɔhaa ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Aleke mawudɔlawo kpe ɖe dɔdzikpɔha la ŋui? (d) Aleke Mawu ƒe Nyaa fia mɔ dɔdzikpɔhaa?

5 Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la nya be Yehowa Mawue to yewoƒe Kplɔla Yesu dzi nɔ mɔ fiam dɔdzikpɔha la. Aleke wowɔ ka ɖe esia dzi? Gbã, gbɔgbɔ kɔkɔe la kpe ɖe dɔdzikpɔhaa ŋu. (Yoh. 16:13) Kristotɔ amesiaminawo katã xɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la, ke hã, le apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem gome la, gbɔgbɔa kpe ɖe wo ŋu etɔxɛe be woawɔ dzikpɔladɔ si wode wo si. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 49 K.Ŋ. me la, gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ dɔdzikpɔhaa wòtso nya me le aʋatsotso ƒe nyaa ŋu. Hameawo wɔ ɖe woƒe mɔfiafia dzi eye woƒe “xɔse nɔ ŋu sẽm ɖe edzi, eye woƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi gbe sia gbe.” (Dɔw. 16:4, 5) Lɛta si me woŋlɔ woƒe nyametsotsoa ɖo na hameawo la ɖee fia hã be dɔdzikpɔhaa ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea, si ƒe akpa aɖewoe nye lɔlɔ̃ kple xɔse la fia.—Dɔw. 15:11, 25-29; Gal. 5:22, 23.

6 Evelia, mawudɔlawo kpe ɖe dɔdzikpɔhaa ŋu. Hafi woanyrɔ Kornelio wòazu Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔ gbãtɔ si zu Kristotɔ la, mawudɔla aɖe gblɔ nɛ be wòadɔ woaɖayɔ apostolo Petro vɛ. Esi Petro ɖe gbeƒã na Kornelio kple eƒe ƒometɔwo la, woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la, togbɔ be ŋutsuawo metso aʋa o  hã. Esia na apostoloawo kple nɔviŋutsu bubuawo kpɔe be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be woaxɔ Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔwo hã ɖe Kristo hamea me. (Dɔw. 11:13-18) Azɔ hã, mawudɔlawo nɔ megbe na gbeƒãɖeɖedɔ si dzi kpɔm dɔdzikpɔhaa nɔ eye wodo tsɔtsɔe. (Dɔw. 5:19, 20) Etɔ̃lia, Mawu ƒe Nyaa fia mɔ dɔdzikpɔhaa. Hamemetsitsi amesiamina mawo wɔ Ŋɔŋlɔawo ŋu dɔ tsɔ wɔ nyametsotsowo le Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo kple mɔfiame siwo wonaa hameawo la ŋu.—Dɔw. 1:20-22; 15:15-20.

7. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yesu fia mɔ Kristotɔ gbãtɔwo?

7 Togbɔ be dɔdzikpɔhaa ye nɔ ŋgɔ xɔm le Kristo hame gbãtɔ me hã la, wolɔ̃ ɖe edzi be yewoƒe Kplɔla ye nye Yesu. Paulo gblɔ be: ‘Kristo tsɔ ame aɖewo na wonye apostolowo.’ Egblɔ kpee be: Mina “míato lɔlɔ̃ me atsi le nuwo katã me le Kristo, si nye ta la me.” (Ef. 4:11, 15) Kristotɔ gbãtɔwo meda apostolo aɖe si ŋu bubu le la ƒe ŋkɔ ɖe wo ɖokuiwo dzi o, ke boŋ “woyɔ nusrɔ̃lawo . . . be Kristotɔwo le Mawu ƒe mɔfiafia te.” (Dɔw. 11:26) Enye nyateƒe be Paulo lɔ̃ ɖe edzi be ele be ‘woalé ɖoɖoawo,’ alo Ŋɔŋlɔawo me nufiafia siwo apostoloawo kple ŋutsu bubu siwo nɔ ŋgɔ xɔm le hamea me tsɔ de asi na hameawo la “me ɖe asi goŋgoŋ” ya. Ke hã, egblɔ kpee be: “Ke medi be mianyae be ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo; nyɔnu hã ƒe tae nye ŋutsu; eye Kristo hã ƒe tae nye Mawu.” (1 Kor. 11:2, 3) Ɛ̃, Kristo Yesu, si womekpɔna o, si wodo ŋutikɔkɔe na la nɔ hamea kplɔm le Yehowa Mawu, si nye eƒe Ta ƒe kpɔkplɔ te.

“MENYE AMEGBETƆ ƑE DƆE DƆ SIA NYE O”

8, 9. Tso ƒe alafa 19 lia me la, akpa vevi kae Nɔviŋutsu Russell wɔ?

8 Le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu lɔƒo la, Nɔviŋutsu Charles Taze Russell kple eƒe zɔhɛwo dze agbagba be yewoagbugbɔ aɖo Kristotɔ vavãwo ƒe tadedeagu anyi. Be woate ŋu akaka Biblia me nyateƒea le gbegbɔgblɔ vovovowo me la, woɖo Zion’s Watch Tower Tract Society (alo Zion Ƒe Gbetakpɔxɔ Trakt Habɔbɔ) le se nu, le ƒe 1884 me, eye Nɔviŋutsu Russell ye nye eƒe zimenɔla. * Enye Biblia nusrɔ̃vi dovevienu, eye wòkloa nu le Mawuɖekaetɔ̃ kple luʋɔ makumaku ƒe nufiafiaawo dzi vɔvɔ̃manɔmee be wonye aʋatsonufiafiawo. Ede dzesii be ne Kristo trɔ va la, womakpɔe kple ŋku o, eye ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo awu enu’ le ƒe 1914 me. (Luka 21:24) Nɔviŋutsu Russell meve nu le eƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple ga ŋu le kpekpe ɖe amewo ŋu be woanya Biblia me nyateƒeawo me o. Eme kɔ ƒãa be Yehowa kple Yesu si nye hamea ƒe ta la zã Nɔviŋutsu Russell le ɣeyiɣi vevi ma me.

9 Nɔviŋutsu Russell medi amegbetɔwo ƒe bubu o. Le ƒe 1896 me la, eŋlɔ bena: “Mímedi be woade bubu mía ŋu, alo woado mí ɖe dzi le agbalẽ siwo míeŋlɔna ta o; nenema kee míedi be woayɔ mí be Bubudzenatɔ alo Rabi o. Mímedi hã be woayɔ míaƒe ŋkɔ atɔ ɖe ame aɖeke ŋu o.” Egblɔ emegbe be: “Menye amegbetɔ ƒe dɔe dɔ sia nye o.”

10. (a) Ɣekaɣie Yesu ɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la? (b) Ƒo nu tso ale si vivivi la, wona eme va kɔ nyuie be Dɔdzikpɔhaa le vovo na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔ si woɖo le se nu la ŋu.

10 Le ƒe 1919 me, si nye ƒe etɔ̃ le Nɔviŋutsu Russell ƒe ku megbe la, Yesu ɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la. Kple taɖodzinu ka? Taɖodzinua ye nye be wòana “nuɖuɖu” eƒe aƒemesubɔviwo “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” (Mat. 24:45) Le ɣeyiɣi mawo gɔ̃ hã me la, nɔviŋutsu amesiamina ʋɛ aɖewo siwo subɔna le dɔwɔƒegã si le Brooklyn,  New York, lae trɔa asi le gbɔgbɔmenuɖuɖua ŋu hemanɛ na Yesu yomedzelawo. Ŋkɔnya si nye “dɔdzikpɔha” va te dzedze le míaƒe agbalẽwo me le ƒe 1940-awo me, eye ɣemaɣi la, vovototo aɖeke menɔ dɔdzikpɔhaa kpakple Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ, si woɖo le se nu la dome o. Ke hã, le ƒe 1971 me la, wona eme va kɔ nyuie be Dɔdzikpɔhaa le vovo na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, elabena nu siwo do ƒome kple senyawo gbɔ koe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa kpɔna. Tso ɣemaɣi la, nɔviŋutsu amesiaminawo ate ŋu anye Dɔdzikpɔhaa me tɔwo evɔ mahiã be woanye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔ si woɖo le se nu la ƒe akametiwo o. Ƒe aɖewoe nye esia la, nɔviŋutsu siwo nye ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo la va nye Habɔbɔ sia si woɖo le se nu kple dɔwɔha bubu siwo Mawu ƒe amewo zãna ƒe akametiwo, si wɔe be Dɔdzikpɔhaa tea ŋu léa fɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo fiafia kple mɔfiafia hameawo ŋu. (Yoh. 10:16; Dɔw. 6:4) July 15, 2013, ƒe Gbetakpɔxɔ ɖe eme be nɔviŋutsu amesiaminawo ƒe ha sue aɖe si nye Dɔdzikpɔha lae nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la.

Dɔdzikpɔha si nɔ anyi le ƒe 1950-awo me

11. Aleke Dɔdzikpɔhaa wɔa dɔe?

11 Dɔdzikpɔhaa me tɔwo tsoa nya me le nya veviwo ŋu ɖekae. Aleke wowɔnɛ? Woƒoa ƒu kwasiɖa sia kwasiɖa hedzroa nyawo me nyuie le ɖekawɔwɔ me. (Lod. 20:18) Wo dometɔ ɖeka nyea zimenɔla le kpekpe si wowɔna me, gake ne ƒea trɔ la, wotiaa wo dometɔ bubu wònyea zimenɔla, elabena Dɔdzikpɔhaa me tɔwo mebua wo dometɔ aɖeke be ele vevie wu ame bubuawo o. (1 Pet. 5:1) Dɔdzikpɔhaa ƒe kɔmiti adeawo hã ɖɔa li woƒe zimenɔlawo nenema ke. Eye Dɔdzikpɔhaa me tɔ aɖeke mebua eɖokui be yee nye ame susɔeawo ƒe tatɔ o, ke boŋ wo dometɔ ɖe sia ɖe bunɛ be ye ŋutɔ hã yenye ‘aƒemesubɔvi,’ si xɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu tso kluvi nuteƒewɔlaa gbɔ hezɔna ɖe eƒe mɔfiafia dzi.

Kluvi nuteƒewɔlaa kpɔtɔ le gbɔgbɔmenuɖuɖu nam Mawu ƒe amewo tso esime woɖoe le ƒe 1919 me (Kpɔ memama 10, 11)

“AME KA TUTUTUE NYE KLUVI NUTEƑEWƆLA KPLE AÐAŊUDZELA?”

12. Esi Dɔdzikpɔhaa me tɔwo mede blibo o eye woƒe mɔfiamewo metso gbɔgbɔ me tẽe o ta la, nya kawoe fɔ ɖe te?

12 Dɔdzikpɔhaa me tɔwo mede blibo o eye woƒe mɔfiamewo metso gbɔgbɔ me tẽe o. Esia ta, woate ŋu ada vo le hamenufiafia kple hakplɔɖoɖo ƒe nyawo me. Le nyateƒe me la, Ŋɔŋlɔawo ŋuti numekɔkɔ siwo su mía si tso ƒe 1870 me la dze le tanya si nye “Beliefs Clarified” (Dzixɔsewo Ŋuti Numekɔkɔ) te, le Watch Tower Publications Index (Index des publications Watch Tower) gbalẽa me. * Yesu megblɔ na mí be kluvi nuteƒewɔlaa ana gbɔgbɔmenuɖuɖu deblibo mí o. Eya ta, aleke míate ŋu aɖo Yesu ƒe nya si wòbia be, “Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ŋu? (Mat. 24:45) Kpeɖodzi kae li be Dɔdzikpɔha lae nye kluvi si ŋu Yesu ƒo nu tsoe? Na míagalé ŋku ɖe nu etɔ̃ siwo fia mɔ dɔdzikpɔhaa le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu.

13. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Dɔdzikpɔhaa ŋu?

13 Kpeɖodzi li be gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe wo ŋu. Gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Dɔdzikpɔhaa ŋu wose Ŋɔŋlɔawo me nyateƒenya siwo gɔme womese tsã o la gɔme. Le kpɔɖeŋu me, bu numekɔkɔ yeye siwo ku ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu, si ŋu míeƒo nu tsoe le memama si do ŋgɔ me ŋu kpɔ. Kakaɖedzitɔe la, ‘Mawu ƒe nu goglo’ mawo ŋuti gɔmesese siwo va su mía si la ŋuti kafukafua mayi na amegbetɔ aɖeke o! (Xlẽ 1 Korintotɔwo 2:10.) Dɔdzikpɔhaa lɔ̃ ɖe nya siwo apostolo Paulo gblɔ la dzi, si nye be: “Nu siawoe míegblɔna hã, menye kple nunya si míesrɔ̃ tso amegbetɔwo gbɔ o, ke esi gbɔgbɔ la fia mí boŋ.” (1 Kor. 2:13) Esi aʋatsonufiafiawo  kple gbɔgbɔmeviviti xɔ aƒe ɖi ƒe alafa geɖe la, ɖe gbɔgbɔmenumekɔkɔ siwo va su mía si kabakaba tso ƒe 1919 me la anya wɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu manɔmeea?

14. Le Nyaɖeɖefia 14:6, 7 ƒe nyaa nu la, aleke mawudɔlawo kpena ɖe Mawu ƒe amewo ŋu egbea?

14 Kpeɖodzi li be mawudɔlawo kpe ɖe wo ŋu. Dɔ gã nyadri aɖe le Dɔdzikpɔhaa dzi egbea be woakpɔ xexea me godoo ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si me nya nyui gblɔla miliɔn enyi sɔŋ le gome kpɔm le la dzi. Nu ka tae dɔa dze edzi nenema gbegbe? Susu ɖekae nye be, mawudɔlawo le asi kpem ɖe dɔa ŋu. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 14:6, 7.) Edzɔna zi geɖe be ame aɖe nanɔ gbe dom ɖa anɔ kpekpeɖe ŋu biam Mawu, ko kasia gbeƒãɖelawo va do! * Ale si gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa le ta kekem togbɔ be nɔviwo le yometiti sesẽwo me tom le dukɔ aɖewo me la nye kpeɖodzi be mawudɔlawo le megbe na dɔa vavã.

15. Nu kae to vovo le Dɔdzikpɔhaa kple Kristodukɔa ƒe kplɔlawo ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

15 Woɖo ŋu ɖe Mawu ƒe Nyaa ŋu. (Xlẽ Yohanes 17:17.) Bu nu si dzɔ le ƒe 1973 me ŋu kpɔ. Le June 1 ƒe Gbetakpɔxɔ me la, wobia nya sia be: “Ðe . . . ame siwo meɖu atamanono ƒe numamea dzi o la dze na nyɔnyrɔxɔxɔa?” Woɖo eŋu be: “Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodziwo ɖee fia be womedze na  nyɔnyrɔxɔxɔ o.” Le Gbetakpɔxɔa me la, wodzro ŋɔŋlɔ vovovo siwo ku ɖe nyaa ŋu la me tsɔ ɖe susu si tae wòle be woaɖe atamanola matrɔdzime ɖa le hamea me la me. (1 Kor. 5:7; 2 Kor. 7:1) Wogblɔ yi edzi be: “Menye míawo ŋutɔwo koe tso le mía ɖokui si le nu ɖom na amewo alo le tɔ tem ɖe nu dzi o. Dzidzenu kɔkɔ sia tso Mawu, ame si nana míenyaa eƒe susuwo to eƒe Nya si wòna woŋlɔ ɖi dzi la gbɔ.” Ðe subɔsubɔha bubu aɖe li si ɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe Nyaa ŋu bliboe nenema nenye be esia wɔwɔ asesẽ na hameviawo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã? Nyitsɔ laa la, agbalẽ aɖe si ƒo nu tso subɔsubɔha siwo le Amerika ŋu la gblɔ be: “Enuenu la, xɔsehawo ƒe kplɔlawo trɔa asi le woƒe nufiafiawo ŋu be woasɔ ɖe susu kple dzixɔse siwo dzi hameviwo kple ame hahoowo va le asi dam ɖo la dzi.” Ke ne Dɔdzikpɔhaa me tɔwo ya tua woƒe nyametsotsowo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi, ke menye ɖe nu si dzi ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖo o la, ekema ame ka tututue le Mawu ƒe amewo kplɔm egbea?

‘MIÐO ŊKU AME SIWO LE ŊGƆ XƆM LA DZI’

16. Mɔ siwo nu míaɖo ŋku Dɔdzikpɔhaa dzi le dometɔ ɖeka ɖe?

16 Xlẽ Hebritɔwo 13:7. Nya si gɔme woɖe be “miɖo ŋku” la agate ŋu afia “miƒo nu tso.” Eya ta, mɔ ɖeka si dzi nàto aɖo “ŋku ame siwo le ŋgɔ xɔm” la dzi ye nye be nànɔ gbe dom ɖa ɖe Dɔdzikpɔhaa ta. (Ef. 6:18) Wò susu nenɔ agba si le wo dzi ŋu; wonaa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí, wokpɔa xexea me godoo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi eye wokpɔa habɔbɔa ƒe gazazãwo gbɔ. Ðikeke mele eme o be ehiã be míanɔ gbe dom ɖa ɖe wo ta madzudzɔmadzudzɔe!

17, 18. (a) Aleke míewɔa nu aduadu kple Dɔdzikpɔha la? (b) Aleke míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa kpena ɖe kluvi nuteƒewɔlaa kple Yesu siaa ŋu?

17 Eme kɔ ƒãa be menye gbedodoɖa dzi koe míato aɖo ŋku Dɔdzikpɔhaa dzi o, ke ele hã be míazɔ ɖe woƒe mɔfiamewo dzi. Mɔfiame siwo míexɔna to míaƒe agbalẽwo, kpekpeawo kple takpekpewo dzi la tso Dɔdzikpɔhaa gbɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖoa nutome sue dzikpɔlawo, eye nutome sue dzikpɔlawo hã ɖoa hamemetsitsiwo. Nutome sue dzikpɔlawo kple hamemetsitsiwo siaa ɖoa ŋku Dɔdzikpɔhaa dzi ne wozɔna ɖe mɔfiame siwo wona wo la dzi pɛpɛpɛ. Mí katã míeɖenɛ fiana be míedea bubu míaƒe Kplɔla Yesu ŋu ne míeɖoa to ŋutsu siwo dzi tom wòle le mɔ fiam mí eye míebɔbɔa mía ɖokui na wo.—Heb. 13:17.

18 Ne míedoa vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa me la, esia hã ɖenɛ fiana be míele ŋku ɖom Dɔdzikpɔhaa dzi. Ele eme nenema, elabena Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woasrɔ̃ ame siwo le ŋgɔ xɔm le wo dome la ƒe xɔse. Kluvi nuteƒewɔla la ɖe xɔse fia le mɔ ɖedzesi nu to ale si wòxɔa ŋgɔ le Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gbɔgblɔ kple edodo ɖe ŋgɔ dzonɔamemetɔe me. Ðe nèle alẽ bubuawo me tɔ siwo kpena ɖe amesiaminawo ŋu le dɔ vevi sia wɔwɔ me la domea? Aleke gbegbe dzi adzɔ wòe nye esi ne míaƒe Kplɔla, Yesu, gblɔ na wò be: ‘Zi ale si nèwɔe na nɔvinye suetɔ siawo dometɔ ɖeka ko la, nyee nèwɔe na.’—Mat. 25:34-40.

19. Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yeanɔ míaƒe Kplɔla, Yesu, yome?

19 Esi Yesu trɔ yi dziƒo la, megblẽ eyomedzelawo ɖi o. (Mat. 28:20) Eya ŋutɔ nya ale si gbegbe gbɔgbɔ kɔkɔea, mawudɔlawo kpakple Mawu ƒe Nyaa kpe ɖe eŋu wòxɔ ŋgɔ na eyomedzelawo esime wònɔ anyigba dzi. Eya ta, mɔ ma ke dzie wòtona kpena ɖe kluvi nuteƒewɔlaa ŋu egbea. Kluvi sia, si me tɔwo nye Kristotɔ amesiaminawo la, “dzea Alẽvi la yome yia afi sia afi si wòyina.” (Nyaɖ. 14:4) Eya ta, ne míewɔ woƒe mɔfiamewo dzi la, ekema míele míaƒe Kplɔla, Yesu, yome dzem. Eteƒe madidi o, ana míakpɔ agbe mavɔ. (Nyaɖ. 7:14-17) Eye dziɖula amegbetɔ aɖeke mate ŋu ado esia ƒe ŋugbe na mí o!

^ mm. 3 Edze ƒãa be Yehowa ɖoe be apostolo 12 nanye Yerusalem Yeye la ƒe ‘gɔmeɖokpe wuieveawo.’ (Nyaɖ. 21:14) Eya ta, mehiã be woatia ame bubu aɖo apostolo wɔnuteƒe si wu eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nu la teƒe o.

^ mm. 8 Tso ƒe 1955 me la, wova yɔa habɔbɔ ma be Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania (alo Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ Si Le Pennsylvania).

^ mm. 12 Kpɔ tanya si nye “Numekɔkɔ Yeyewo Ku Ðe Míaƒe Dzixɔsewo Ŋu” le Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo me.

^ mm. 14 Kpɔ agbalẽ si nye Bearing Thorough Witness” About God’s Kingdom, alo  Rends pleinement témoignage au sujet du Royaume de Dieu, “ axa 58-59.