DIANA xɔ ƒe 80 kple edzivɔ. Dɔléle si woyɔna be Alzheimer, si gblẽa nu le ame ƒe susu ŋu la ɖe fu na srɔ̃a vevie, eye wònɔ ame tsitsiwo dzi kpɔƒe ƒe aɖewo hafi ku. Viaŋutsu eve hã va ku, eye no me kansa le fu ɖem na eya ŋutɔ hã. Ke hã, Diana ƒe hamea me tɔwo de dzesii be ɣesiaɣi si yewokpɔe le Fiaɖuƒe Akpataa me alo le gbeƒãɖeɖedɔa me la, enɔa dzidzɔ kpɔm.

John nye dzikpɔla mɔzɔla ƒe 43 sɔŋ. Elɔ̃ subɔsubɔdɔ ma vevie—dɔ mae nye eƒe agbemedɔ! Ke hã, eva dzudzɔ dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa ale be yeate ŋu akpɔ yeƒe ƒometɔ kplikplikpli aɖe si le dɔ lém la dzi, eye fifia, ele subɔsubɔm le hame aɖe me. Ne ame siwo nya John tsã la do goe le nutome sue takpekpewo kple nutome gã takpekpewo me la, wokpɔnɛ be naneke metrɔ le eŋu kura o. Egakpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm.

Nu kae na be Diana kple John gakpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm? Aleke wòate ŋu adzɔe be ame aɖe si le nɔnɔme sesẽwo me tom la nakpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm? Eye aleke wòate ŋu adzɔe be ame aɖe si si subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si wòlɔ̃na vevie megale o la nakpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm? Biblia kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ŋuɖoɖoa, esi wògblɔ be: “Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu.” (Ps. 64:10) Míate ŋu ase nyateƒenya vevi sia gɔme nyuie wu ne míede dzesi nu siwo nana míekpɔa dzidzɔ vavãtɔ kple nu siwo nana míekpɔa dzidzɔ o.

DZIDZƆ SI MENƆA ANYI ÐAA O

Nanewo li siwo nana ame kpɔa dzidzɔ godoo. Wò ya bu ŋutsu kple nyɔnu siwo lɔ̃ wo nɔewo vevie eye wole ɖoɖo wɔm be yewoaɖe yewo nɔewo ŋu kpɔ. Ke ame si dzi vi yeyee alo ame si xɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ yeye ya ɖe? Nu siawo nana ame kpɔa dzidzɔ, elabena Yehowa gbɔe wotso. Eyae ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi, eyae na vidzidzi ƒe ŋutete amegbetɔwo, eye eyae dea dɔ asi na amewo le Kristo hamea me.—1 Mose 2:18, 22; Ps. 127:3; 1 Tim. 3:1.

Ke hã, nu siwo nana ame kpɔa dzidzɔ la dometɔ aɖewo menɔa anyi ɖaa o. Nublanuitɔe la, ame srɔ̃ ate ŋu awɔ ahasi alo aku. (Eze. 24:18; Hos. 3:1) Ðevi aɖewo meɖoa to wo dzilawo kple Mawu o, eye ɖewohĩ, woɖea wo le haa me gɔ̃ hã. Samuel viŋutsuwo mesubɔ Yehowa wòdze eŋu o, eye David ƒe nuwɔnawo he vɔ̃ va edzi tso  eya ŋutɔ ƒe me. (1 Sam. 8:1-3; 2 Sam. 12:11) Nu siawo tɔgbi hea vevesese kple nuxaxa vanɛ. Womenana míekpɔa dzidzɔ kura o.

Nenema kee lãmesẽkuxiwo, ƒomegbanɔamedziwo, alo tɔtrɔ siwo wowɔ le teokrasiɖoɖowo me la ate ŋu awɔe be subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si le nɔvi aɖe si le Mawu ƒe amewo dome la magava nɔ esi o. Nɔvi siwo le nɔnɔme sia me la dometɔ geɖe gblɔ be dzidzeme kple dzidzɔ si le dɔa wɔwɔ me la gadzroa yewo kokoko.

Míate ŋu ade dzesii bɔbɔe be, nu siawo kple nu bubu aɖewo siwo nana míekpɔa dzidzɔ la menɔa anyi ɖaa o. Eya ta, ɖe dzidzɔ bubu aɖe li si nɔa anyi ɖaa ne nɔnɔmeawo le sesẽm gɔ̃ hã? Ɛ̃ ɖe li, elabena Samuel, David kple ame bubu aɖewo yi edzi kpɔ dzidzɔ aɖe sinu le ɣeyiɣi si me wonɔ nɔnɔme sesẽwo me tom.

DZIDZƆ SI NƆA ANYI ÐAA

Yesu nya nu si dzidzɔ vavãtɔ nye. Esime wònɔ dziƒo, le ɣeyiɣi si me nu sia nu le edzi yim nyuie hafi wòava anyigba dzi la, ‘etsoa aseye le Yehowa ŋkume ɣeawokatãɣi.’ (Lod. 8:30) Gake, esi wòva anyigba dzi la, edo go nɔnɔme sesẽwo ɣeaɖewoɣi. Ke hã, Yesu kpɔ dzidzɔ le Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. (Yoh. 4:34) Ke le gaƒoƒo mamlɛtɔ siwo me wòse veve helĩhelĩ le ya ɖe? Biblia gblɔ be: “Le dzidzɔ si wotsɔ ɖo eŋkume ta la, edo dzi kpe fuwɔameti ŋuti fu.” (Heb. 12:2) Eya ta, enyo be míadzro nya siwo Yesu gblɔ tso dzidzɔ vavãtɔ ŋu la dometɔ eve me.

Gbe ɖeka, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la 70 be woaɖaɖe gbeƒã. Esi wowu dɔa nu la, wotrɔ gbɔ va egbɔ. Wonɔ dzidzɔ kpɔm, elabe wowɔ nukunuwo, eye wonya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me gɔ̃ hã. Ke Yesu gblɔ na wo be: “Migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔawo naa ta mi o, ke boŋ mikpɔ dzidzɔ le esi woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒowo ta.” (Luka 10:1-9, 17, 20) Ɛ̃, nu si le vevie wu subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛ ɖe sia ɖe ye nye Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu. Yehowa aɖo ŋku nusrɔ̃la wɔnuteƒe mawo dzi hena woƒe nyui—esiae nye nu si hea dzidzɔ geɖe vanɛ.

Yesu gagblɔ nya aɖe hã ɣebubuɣi esime wònɔ nu fiam ameha aɖe. Esi Yesu nɔ nu fiam amehaa la, nyɔnu Yudatɔ aɖe gblɔ be dzidzɔtɔe nye nyɔnu si dzi nufiala bibi sia. Gake Yesu ɖɔe ɖo esi wògblɔ nɛ be: “Ao, ke boŋ dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!” (Luka 11:27, 28) Enyea dada na dzilawo  ne wo viwo wɔ nu nyui aɖe, eye esia nana wokpɔa dzidzɔ. Ke hã, toɖoɖo Yehowa kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kplii ye nana míekpɔa dzidzɔ si nɔa anyi ɖaa.

Vavãe, nu si nana míekpɔa dzidzɔ geɖe le dzi me ye nye sese le mía ɖokui me be míaƒe nu dzea Yehowa ŋu. Togbɔ be nɔnɔme sesẽwo ate ŋu ado nuxaxa na mí hã la, womate ŋu axe mɔ ɖe dzidzɔ ma nu o. Ke hã, ne míeyi edzi wɔ nuteƒe le nɔnɔme sesẽwo me la, míaƒe dzi dzea eme. (Rom. 5:3-5) Azɔ hã, Yehowa naa eƒe gbɔgbɔa ame siwo ɖoa ŋu ɖe eyama ŋu, eye dzidzɔ nye gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22) Esia kpe ɖe mía ŋu míese nu si tae Psalmo 64:10 gblɔ be, “Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu” ɖo la gɔme.

Nu kae kpe ɖe John ŋu wòyi edzi le dzidzɔ kpɔm?

Esia na míese nu si tae Diana kple John gakpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm, togbɔ be woto nɔnɔme sesẽwo me hã la gɔme. Diana gblɔ be: “Mesi Yehowa tso, abe ale si ɖevi aɖe asi edzila atso ene.” Aleke wòwɔ nya be yeƒe nu dzea Yehowa ŋu? Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be ena ŋutetem mete ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm edziedzi kple nukomo.” John hã yi edzi wɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me tso esime wòɖe asi le dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔ si ŋu wòdea asixɔxɔe la ŋu. Egblɔ nu si kpe ɖe eŋu ale: “Tso esime wode dɔ asi nam be mafia nu le Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasukua me le ƒe 1998 me la, melé fɔ ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu geɖe wu tsã.” Esi wònɔ nu ƒom ɖe woa kple srɔ̃a nu la, egblɔ be enɔ bɔbɔe be ye kple ye srɔ̃ yewoawɔ tɔtrɔ siwo hiã, elabe yewonɔ klalo be yewoawɔ dɔ ɖe sia ɖe si Yehowa de yewo si. Egblɔ kpee be: “Meve mí kura be míewɔ dɔ siwo Yehowa de mía si la o.”

Nɔvi geɖewo hã kpɔ nya siwo le Psalmo 64:10 ƒe nyateƒenyenye dze sii. Le kpɔɖeŋu me, bu atsu kple asi siwo subɔ le Betel le Amerika ƒe 30 aɖewo ŋu kpɔ. Wova de dɔ asi na wo be woawɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa. Wogblɔ be: “Enye nu si le dzɔdzɔme nu be míaxa nu ne nane si míelɔ̃ la do le mía si.” Gake wogblɔ kpee be: “Màte ŋu anɔ nuxaxa dzi ɖaa o.” Woƒo wo ɖokuiwo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me kple hamea enumake. Atsu kple asia gblɔ hã be: “Míedo gbe ɖa tso nanewo koŋ ŋu. Eyome, esi míekpɔ ŋuɖoɖo na míaƒe gbedodoɖawo la, esia de dzi ƒo na mí eye wòna míekpɔ dzidzɔ. Esi míeɖo anyigbamamaa me la, eteƒe medidi o, nɔvi siwo nɔ hamea me la dometɔ aɖewo dze mɔɖeɖedɔa gɔme, eye mɔnukpɔkpɔ su mía si míesrɔ̃ Biblia kple ame eve aɖewo siwo nɔ ŋgɔyiyi wɔm.”

“MIKPƆ DZIDZƆ TEGBEE”

Ele eme be menɔa bɔbɔe be míanɔ dzidzɔ kpɔm ɣesiaɣi o, eye míato nɔnɔme madeamedziwo hã me. Ke hã, Yehowa na woŋlɔ dzideƒonya siwo le Psalmo 64:10 la ɖi na mí. Le ɣeyiɣi siwo me dzi ɖe le mía ƒo gɔ̃ hã me la, míate ŋu aka ɖe edzi be, ne míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa, nu ka kee ɖava mía dzi o la, ‘míakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu.’ Azɔ hã, míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Yehowa ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ŋu la ava eme. Ɣemaɣi la, ame sia ame ade blibo. Mawu ƒe amewo katã ‘atso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ tegbee’ ɖe nu si wɔm wòle la ŋu.—Yes. 65:17, 18.

Bu nu si esia fia ŋu kpɔ. Míanɔ lãmesẽ deblibo me, eye ŋdi sia ŋdi si míafɔ la, míase le mía ɖokui me be ŋusẽ geɖe gaɖo mía ŋu. Nu ka kee ɖana míelé blanui hese veve va yi o, míagaɖo ŋku wo dzi ahase veve azɔ o. Yehowa ka ɖe edzi na mí be “tsãnuwo magava susu me na ame, alo ava ame ƒe dzi me o.” Tsitretsitsia awɔe be míagawɔ ɖeka kple míaƒe ame vevi siwo ku la ake. Ame miliɔn gbogbowo ase le wo ɖokuiwo me abe ale si dzila eve aɖewo se le wo ɖokuiwo me esime Yesu fɔ wo vinyɔnu, si xɔ ƒe 12 la ɖe tsitre ene. Biblia gblɔ be: “Gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo eye wogli kple dzidzɔ.” (Marko 5:42) Mlɔeba la, ame ɖe sia ɖe si anɔ anyigba dzi la anye “ame dzɔdzɔe” le gɔmesese deblibo nu, eye “akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu.”