Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

Ale Si Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa Dze Egɔme Le Portugal

Ale Si Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa Dze Egɔme Le Portugal

ESI tɔdziʋua zɔ mɔ tso Brazil ɖo ta Europa eye Atlantik ƒutsotsoewo nɔ ʋua lɔm la, mɔzɔlawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye George Young la tsɔ dzidzɔ bu kutsetse nyui siwo do tso Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si wòwɔ le Brazil la ŋu. * Gake esi wonɔ mɔa dzi la, Nɔviŋutsu Young trɔ susu ɖe eƒe dɔdeasi yeye si nye be wòaɖaɖe gbeƒã le Spain kple Portugal ƒe anyigbamama siwo ƒe akpa gãtɔ womekpɔ ɖe gbeƒã le haɖe o la ŋu. Enɔ mɔ kpɔm be ne yenya ɖo ko la, yeawɔ ɖoɖo ne Nɔviŋutsu J. F. Rutherford nava ƒo Biblia me nuƒowo eye yeama trakt 300,000 sɔŋ!

George Young zɔ mɔ to atsiaƒu dzi zi geɖe le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa me

Esi Nɔviŋutsu Young va ɖo Lisbon le ƒe 1925 ƒe adame la, ʋunyaʋunyawo nɔ edzi yim le dua me. Tɔtrɔ kpata si dukɔa me viwo he vɛ le dziɖunyawo me le ƒe 1910 me la wɔe be fiaƒome ƒe dziɖuɖuɖoɖoa nu yi, eye Katolikohaa ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi la dzi ɖe kpɔtɔ. Ablɔɖe geɖe wu va su dukɔmeviwo si, gake zitɔtɔ gakpɔtɔ nɔ edzi yim le dukɔa me.

Le ɣeyiɣi si me Nɔviŋutsu Young wɔ ɖoɖo ɖe Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒoa ŋu lɔƒo la, ame aɖewo tee kpɔ be yewoaɖe dukplɔlaa le zi dzi sesẽe, si wɔe be dziɖuɖua asrafowo do be woakpɔ egbɔ be nu sia nu yi edzi nyuie le dua me. Habɔbɔ aɖe si taa Biblia, si nye Bristish and Foreign Bible Society la ƒe agbalẽŋlɔla xlɔ̃ nu Nɔviŋutsu Young be ado go tsitretsiɖeŋu geɖe. Togbɔ be enɔ alea hã la, Nɔviŋutsu Young bia mɔ be yewoazã Camões Sekɛndrisuku (lycée) ƒe kamedeƒea, eye woɖe mɔ nɛ!

Azɔ May 13 lia si dzi Nɔviŋutsu Rutherford aƒo nu le la ɖo. Amewo nɔ mɔ kpɔm vevie! Wozã ʋuƒo siwo woklã ɖe xɔwo ŋu kple nyadzɔdzɔgbalẽwo tsɔ do boblo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Ale Si Míawɔ Anɔ Agbe Tegbee Le Anyigba Dzi.” Subɔsubɔha siwo tsi tsitre ɖe ɖoɖoa ŋu la wɔ kaba ta nyati aɖe ɖe woƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me tsɔ xlɔ̃ nu exlẽlawo be woakpɔ nyuie le “aʋatsonyagblɔɖila” siwo va ɖo dua me la ŋu. Tsitretsiɖeŋula siawo va tsi tre ɖe kamedeƒea ƒe agbo nu henɔ agbalẽvi akpe geɖe siwo me woƒo nu tsi tre ɖe nyati siwo ŋu Nɔviŋutsu Rutherford fiaa tsoe ŋu le la mam.

Ke hã, ame 2,000 sɔŋ yɔ teƒea taŋ, eye wona ame akpe eve bubu trɔ dzo le esi womekpɔ nɔƒe o ta. Nyasela aɖewo siwo dzi nuƒoa me nyawo nɔ dɔ wɔm ɖo la ku ɖe atsrɔe siwo wotsɔ ka gbii, siwo nɔ fefewɔƒea ƒe axawo dzi la ŋu; ɖewo hã nɔ gakpo siwo wotsɔ dea kamee la tame.

Nanewo meyi edzi nyuie o. Tsitretsiɖeŋulawo nɔ ɣli dom eye woŋe zikpuiwo. Ke hã, ɖeko Nɔviŋutsu Rutherford ɖe dzi ɖi eye wòde kplɔ̃ aɖe dzi ale be amewo nate ŋu ase eƒe gbe nyuie wu. Esi wòwu nuƒoa nu le zãtitina lɔƒo megbe la, ɖetsɔlemetɔ siwo wu ame 1,200 sɔŋ la va ŋlɔ woƒe ŋkɔwo kple adrɛswo ɖi be yewoaxɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Le ŋkeke si kplɔe ɖo tututu dzi la, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si ŋkɔe nye O Século la ta Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒoa me nyawo.

 Kaka September ƒe 1925 naɖo la, wote Gbetakpɔxɔ tata ɖe Portugalgbe me le Portugal. (Gake wota Gbetakpɔxɔ ɖe Portugalgbe me kpɔ le Brazil.) Ɣeyiɣi si wote Gbetakpɔxɔ tata le Portugal lɔƒo mee Biblia Nusrɔ̃vi aɖe si ŋkɔe nye Virgílio Ferguson dze ɖoɖowɔwɔ gɔme be yeaʋu aɖakpe asi ɖe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le Portugal. Ewɔ dɔ kple Nɔviŋutsu Young kpɔ le Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe alɔdzedɔwɔƒe sue si nɔ Brazil. Eteƒe medidi o, Virgílio kple srɔ̃a Lizzie woɖo tɔdziʋu dze mɔ be yewoaɖawɔ ɖeka kple Nɔviŋutsu Young ake. Nɔviŋutsu Ferguson va ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, elabe Nɔviŋutsu Young le dzodzo ge kpuie aɖaɖe gbeƒã le Soviet Union kple teƒe bubuwo.

Lizzie kple Virgílio Ferguson, ƒe dukɔmenɔnɔ ƒe mɔɖegbalẽ, ƒe 1928

Esi asrafowo ɖe dukplɔla xoxoa ɖa heɖo dzizizidziɖuɖu anyi le Portugal la, tsitretsiɖeŋua nu sẽ ɖe edzi. Nɔviŋutsu Ferguson wɔ nu dzinɔameƒotɔe esi wòkpɔtɔ nɔ dukɔa me, eye ewɔ nu siwo hiã tsɔ kpɔ Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe ƒuƒoƒo suea ta, eye wòdo ŋusẽ wo be woayi dɔa dzi. Ebia mɔ le setɔwo gbɔ be woaɖe mɔ na yewo ne yewoate ŋu awɔ kpekpewo edziedzi le ye ƒe me. Le October 1927 me la, wona mɔe.

Le dzizizidziɖuɖua ƒe ƒe gbãtɔ me la, Portugaltɔ siwo ade 450 sɔŋ la bia be woanɔ Gbetakpɔxɔ ɖom ɖe yewo ɣleti sia ɣleti. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woto traktwo kple agbalẽviwo dzi na Biblia me nyateƒea kaka ɖe dukɔ siwo le adzɔge ʋĩi, siwo le Portugal Fiaɖuƒea ƒe ŋusẽ te, siwo nye Angola, Azores, Cape Verde, East Timor, Goa, Madeira kple Mozambique la me.

Le ƒe 1920-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, Portugaltɔ agbledela ɖokuibɔbɔla aɖe si ŋkɔe nye Manuel da Silva Jordão la va Lisbon. Esime wònɔ Brazil la, ese Nɔviŋutsu Young ƒe nuƒo aɖe. Ede dzesi nyateƒea enumake, eya ta, edi vevie be yeakpe ɖe Nɔviŋutsu Ferguson ŋu yewoakeke gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu. Be wòate ŋu awɔe esia la, Manuel va zu nyanyuikakala, si míeyɔna fifia be mɔɖela. Esi wova wɔ ɖoɖo ɖe agbalẽtata kple wo mama ŋu nyuie ta la, hame yeye si le Lisbon la te ŋu kpɔ dzidzedze geɖe!

Le ƒe 1934 me la, eva hiã be Nɔviŋutsu Ferguson kple srɔ̃a natrɔ ayi Brazil. Ke hã, woƒã nyateƒea ƒe kuwo ɖe dukɔa me. Togbɔ be nuwo tɔ zi le Europa esi Spaniatɔwo Ƒe Dukɔmeviʋa kple Xexemeʋa Evelia nɔ edzi yim hã la, nɔviwo ƒe ƒuƒoƒo si nɔ Portugal la yi edzi wɔ nuteƒe henɔ te sesĩe le gbɔgbɔ me. Wonɔ abe dzoka xɔxɔwo ko ene hena ɣeyiɣi aɖe, gake wova nɔ abe dzo si wotu ɖo wòlé nyuie ene esi John Cooke, va ɖo le ƒe 1947 me. Eyae nye dutanyanyuigblɔla siwo xɔ hehe le Gilead Sukua me la dometɔ gbãtɔ si va dukɔa me. Tso ɣemaɣi la, ɖeko Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo va nɔ dzidzim ɖe edzi eteƒe mekɔ o. Esi dziɖuɖua ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le ƒe 1962 me gɔ̃ hã la, ɖeko woganɔ agbɔ sɔm ɖe edzi. Esi wova da asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le se nu le December ƒe 1974 me la, gbeƒãɖela siwo nɔ dukɔa me la wu 13,000.

Egbea, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo wu 50,000 la le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le Portugal kple ƒukpo gbogbo siwo dzi wodoa Portugalgbe, siwo dome Azores kple Madeira hã le la dzi. Gbeƒãɖela siawo dometɔ aɖewo nye ame siwo yi ɖase Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒo ɖedzesia le ƒe 1925 me la ƒe dzidzime etɔ̃lia.

Míeda akpe na Yehowa kple nɔviŋutsu kpakple nɔvinyɔnu nuteƒewɔla mawo siwo ƒo dzi nɔ eye woxɔ ŋgɔ hekeke gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu abe ‘Kristo Yesu ƒe dutoƒo subɔlawo na dukɔwo’ ene.—Rom. 15:15, 16.—Nu nyui siwo le míaƒe nudzraɖoƒe le Portugal.

^ mm. 3 Kpɔ nyati si nye “Nuŋeŋedɔ Geɖe Li Woawɔ,” si dze le May 15, ƒe 2014 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 31-32.