Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

“Ɣekaɣie Míagawɔ Takpekpe Bubu?”

“Ɣekaɣie Míagawɔ Takpekpe Bubu?”

ƑE 1932 mee, le Mexico City, le November ƒe nuwuwu lɔƒo. Kwasiɖa ɖeka koe nye ema woli ʋutɔkaɖiti gbãtɔ ɖe dugã sia si me amewo sɔ gbɔ ɖo ŋutɔ la me. Dua me nɔlawo wu ame miliɔn ɖeka. Gake fifia, amewo megale nu ƒom tso ʋutɔkaɖitia ŋu kura o. Dugã ma me nyakakadɔwɔlawo trɔ susu ɖe nu bubu aɖe si le edzi yim le kwasiɖa sia me ŋu. Wo katã wolé woƒe fotoɖemɔ̃wo ɖe asi le mɔ kpɔm vevie na amedzro vevi aɖe. Ame kae? Eyae nye Joseph F. Rutherford, si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi. Ðasefo siwo nɔ nutoa me hã nɔ lalam vevie be yewoado wòezɔ na Nɔviŋutsu Rutherford, si va be yeade ŋkeke etɔ̃ takpekpe si wowɔ le dukɔa me la vividoɖeameŋutɔe.

The Golden Age, alo Nunyonameɣi magazinea, gblɔ be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be takpekpe sia anye wɔna ɖedzesi aɖe le ŋutinya me, si awɔ akpa vevi aɖe le Nyateƒea ƒe ŋgɔyiyi me le Mexico dukɔa me.” Gake nu kae na takpekpe sia si ame siwo ade 150 pɛ ko de la ɖe dzesi nenema gbegbe?

Do ŋgɔ na takpekpe ma la, Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa menɔ ku tsem tututu le Mexico o. Tso ƒe 1919 me ke la, wowɔa takpekpe suewo, ke hã, hameawo ƒe xexlẽme dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ esi ƒeawo va nɔ yiyim. Esi woɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe Mexico City le ƒe 1929 me la, edze abe nuwo atsɔ afɔ nyuie ene. Ke hã, kplamatsɛdonuwo nɔ anyi. Esi habɔbɔa gblɔ na nyanyuikakalawo (alo mɔɖelawo) be mele be woatsɔ asitsatsa atsaka kple gbeƒãɖeɖedɔa o la, esia ɖe fu na nyanyuikakala aɖe ale gbegbe be edo le nyateƒea me heyi ɖaɖo eya ŋutɔ ƒe Biblia-sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, alɔdzedzikpɔlaa va nɔ agbe aɖe si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o, eye wotsɔ ame bubu ɖɔ lii. Eya ta, ehiã be woade dzo yeye Ðasefo nuteƒewɔla siwo le Mexico la me.

Esi Nɔviŋutsu Rutherford va dukɔa me la, ede dzi ƒo na nuteƒewɔlawo ale gbegbe. Eƒo nuƒo ʋãme eve le takpekpea me eye wòƒo nuƒo wɔdɔɖeamedzi atɔ̃ le radio dzi. Emae nye zi gbãtɔ si nɔviwo zã radio tsɔ kaka nya nyuia le Mexico dukɔ bliboa me. Le takpekpea megbe la, alɔdzedzikpɔla yeye si woɖo la wɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu, eye Ðasefo dovevienuwo yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi kple dzo yeye, eye Yehowa yra ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi.

Takpekpe si wowɔ le ƒe 1941 me, le Mexico City

Le ƒe si kplɔe ɖo me la, menye takpekpe ɖeka koe wowɔ o, ke takpekpe eve; wowɔ ɖeka le melidzeƒedu si nye Veracruz me, eye wowɔ evelia le Mexico City. Dɔ si wɔm nɔviawo nɔ kutrikukutɔe la va nɔ ku tsem azɔ. Le ƒe 1931 me la, gbeƒãɖela 82 ye nɔ dukɔa me. Le ƒe ewo megbe la, wodzi ɖe edzi teƒe ewo sɔŋ! Ame siwo ade 1,000 ye de Teokrasi Takpekpe la, le Mexico City, le ƒe 1941 me.

“WODO ÐE ABLƆWO DZI BIBIBI”

Le ƒe 1943 me la, Ðasefowo kpla pepa siwo dzi woŋlɔ nu ɖo la ɖe akɔta kple dzime helɔ hoo tsa le ablɔwo dzi tsɔ do boblo “Ablɔɖe Dukɔ” ƒe Teokrasi Takpekpe si wowɔ le Mexico ƒe dugã 12 me. * Dzesiwo kpakpla alea nye mɔnu aɖe si Ðasefowo tsɔ ɖea gbeƒã takpekpewo tso ƒe 1936 me.

Foto aɖe si dze le ƒe 1944 ƒe magazine aɖe me, si ɖe ale si wokpla boblodonuwo ɖe akɔta kple dzime le Mexico City la fia

 Magazine aɖe (La Nación) gblɔ tso ale si nɔviwo ƒe boblodomɔnua kpɔ dzidzedze le Mexico City ŋu be: “Le [takpekpea] ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wobia tso [Ðasefoawo] si be woagakpe ame geɖe wu ava takpekpea. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, vavalawo va sɔ gbɔ ale gbegbe be wo katã womete ŋu kpɔ mɔ le takpekpewɔƒea o.” Ale si gbegbe amewo va takpekpea le Ðasefoawo ƒe boblododoa ta la medze Katolikohaa ƒe kplɔlawo ŋu o, eya ta wotsi tsitre ɖe Ðasefoawo ŋu. Ke hã, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒo dzi nɔ la gakpɔtɔ nɔ boblo dom takpekpea le ablɔwo dzi. Magazine ma ke ka nya ta be: “Ŋutsu kple nyɔnu siwo kpla boblodonuawo ɖe akɔta kple dzime la zu nukpɔkpɔ . . . na dua me tɔwo katã.” Foto aɖe si me nɔvi siwo le ablɔ dzi le Mexico City dze le la hã kpe ɖe nyatakakaa ŋu le magazinea me. Woŋlɔ ɖe fotoa te be: “Wodo ɖe ablɔwo dzi bibibi.”

“ABA SIAWO BƆBƆ HELÉA FAFA NU WU SIMINTIKPE ƑUƑLUA”

Le ƒe mawo me la, Ðasefo akpa gãtɔ tsɔa nu geɖe ŋutɔ saa vɔe hafi tea ŋu dea takpekpe ʋɛ siwo wowɔna le Mexico. Takpekpevala geɖewo tsoa kɔƒe totroe siwo me ketekemɔwo kple ʋumɔwo meto o la me. Hame aɖe ka nya ta be, “Telegrafkawo koe to míaƒe kɔƒea me.” Le esia ta, ele be ame siwo yina takpekpe la nado tedzi alo azɔ afɔ ŋkeke geɖe hafi aɖo afi si woaɖo keteke le ayi du si me woawɔ takpekpea le la me.

Ðasefo akpa gãtɔ da ahe, eye bebli hafi wotea ŋu kpɔa ga si asu na mɔzɔzɔ ayi takpekpewɔƒea teti gɔ̃ hã. Wo dometɔ geɖe dzea Ðasefo siwo le dua me la gbɔ, eye nɔvi siwo le dua me la xɔa wo nyuie ɖe woƒe aƒewo me hewɔa nu ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe. Wo dometɔ aɖewo hã mlɔa Fiaɖuƒe Akpatawo me. Le takpekpe aɖe wɔɣi la, takpekpevala siwo ade 90 la tsi alɔdzedɔwɔƒea dɔ, eye wofɔ “agbalẽgo blaeveblaeve siwo me agbalẽwo le la kpe na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòamlɔ edzi.” Ƒegbalẽa gblɔ be nɔviawo kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu ŋutɔ, elabena wokpɔe be “aba siawo bɔbɔ heléa fafa nu wu simintikpe ƒuƒlua.”

Ðasefo mawo siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la kpɔe be nu siwo katã yewotsɔ saa vɔ ale be yewoate ŋu ade ha kple haxɔsetɔwo le Kristotɔwo ƒe takpekpewo me la ɖea vi ŋutɔ. Egbea, esi gbeƒãɖela siwo le Mexico ƒe xexlẽme le miliɔn ɖeka gogom la, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu ƒe gbɔgbɔ ma gakpɔtɔ le wo me. * Le ƒe 1949 me la, Mexico alɔdzedɔwɔƒea ka nya ta le nɔviawo ŋu be: “Nɔnɔme sesẽ siwo me wotona la menana dzo si le wo me ɖe Teokrasiwɔnawo ŋu la ɖiɖina o, elabe ɣesiaɣi si míede takpekpe aɖe la, takpekpea va nyea nu si koŋ ŋu woɖoa dze tsoe hena ɣeyiɣi didi aɖe, eye nya si nɔviawo biana enuenu ye nye, Ɣekaɣie míagawɔ takpekpe bubu?” Nyatakaka sia gakpɔtɔ nye nyateƒe egbea abe ale si wònɔ ɣemaɣi ene.—Nu nyui siwo le míaƒe nudzraɖoƒe, le Central America.

^ mm. 9 Ƒe 1944 ƒe Ƒegbalẽa ka nya ta be takpekpe siae “na Yehowa ɖasefowo ƒe ŋkɔ de du le Mexico.”

^ mm. 14 Le Mexico la, ame 2,262,646 sɔŋ ye de Ŋkuɖodzia le ƒe 2016 me.