‘Woakafu Mawu, ame si dea dzi ƒo na mí le míaƒe tetekpɔwo katã me.’—2 KOR. 1:3, 4, etenuŋɔŋlɔ.

HADZIDZI: 7, 3

1. Esi Adam kple Xawa dze aglã le Eden-bɔa me megbe la, dzideƒonya kae Yehowa gblɔ?

TSO esime amegbetɔwo wɔ nu vɔ̃ hezu ame madeblibowo la, Yehowa ɖee fia be yenye Mawu si dea dzi ƒo na ame. Le Adam kple Xawa ƒe aglãdzedzea megbe teti ko la, Yehowa gblɔ nya aɖe si va zu dzideƒonya na woƒe dzidzimeviwo. Nya ma ɖee fia be mɔkpɔkpɔ gali na amegbetɔwo. Ne amegbetɔwo nya se nyagblɔɖi me ŋugbedodo si dze le 1 Mose 3:15 la gɔme ko la, ana mɔkpɔkpɔ wo be, mlɔeba la, woava tsrɔ̃ “da xoxo la,” si nye Satana Abosam, eye woagblẽ eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo katã me.—Nyaɖ. 12:9; 1 Yoh. 3:8.

YEHOWA DE DZI ƑO NA ESUBƆLAWO LE BLEMA

2. Aleke Yehowa de dzi ƒo na Noa?

2 Xexe si me ame mavɔ̃mawuwo xɔ aƒe ɖo mee Noa si nye Yehowa subɔla la nɔ, eye eƒe ƒomea me tɔwo koe ganye ame siwo subɔa Yehowa ɣemaɣi. Ŋutasẽnuwɔwɔ kple gbɔdɔnuwɔna siwo mele dzɔdzɔme nu o, siwo xɔ aƒe ɖi le Noa ŋɔli  la, ate ŋu ana dzi naɖe le eƒo hafi. (1 Mose 6:4, 5, 11; Yuda 6) Gake Yehowa gblɔ nya siwo de dzi ƒo nɛ, ale be wòte ŋu yi edzi “zɔ kple Mawu.” (1 Mose 6:9) Yehowa gblɔ na Noa be yele xexe vɔ̃ɖi ma tsrɔ̃ ge, eye wògblɔ nu siwo wòle be Noa nawɔ atsɔ akpɔ eƒe ƒomea ta la nɛ. (1 Mose 6:13-18) Noa kpɔe be Yehowa nye Mawu si dea dzi ƒo na ame vavã.

3. Aleke Yehowa de dzi ƒo na Yosua? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

3 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu de dɔ sesẽ aɖe asi na Yosua be wòakplɔ yeƒe dukɔa ayi Ŋugbedodonyigbaa dzi. Esia bia be woaɖu futɔ sesẽ siwo nɔ anyigba ma dzi la ƒe aʋakɔwo dzi. Yehowa nyae be dɔa ate ŋu ana vɔvɔ̃ naɖo Yosua. Eya ta, egblɔ na Mose be wòade dzi ƒo na Yosua. Mawu gblɔ na Mose be: “De dɔ asi na Yosua, de dzi ƒo nɛ, eye nàdo ŋusẽe, elabena eyae adze dukɔ sia ŋgɔ atso tɔ la, eye eyae ana woanyi anyigba si nàkpɔ la dome.” (5 Mose 3:28) Hafi Yosua nadze dɔa gɔme la, Yehowa de dzi ƒo nɛ, esi wògblɔ nɛ be: “Ðe nyemede se na wò be nàlé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu oa? Mègavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o, elabena Yehowa wò Mawu li kpli wò le afi sia afi si nàyi.” (Yos. 1:1, 9) Aleke gbegbe nya mawo ade dzi ƒo nɛ ye nye esi!

4, 5. (a) Aleke Yehowa de dzi ƒo na eƒe amewo le blema? (b) Aleke Yehowa de dzi ƒo na Via?

4 Menye ame ɖekaɖekawo koe Yehowa de dzi ƒo na o, ke egblɔ dzideƒonyawo na eƒe dukɔ bliboa hã. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ nya siwo de dzi ƒo na Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon la le nyagblɔɖinya aɖe me be: “Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu. Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò. Matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusi alé wò ɖe te.” (Yes. 41:10) Nya mawo de dzi ƒo na Kristotɔ gbãtɔwo, eye wodea dzi ƒo na Mawu ƒe ame siwo li egbea hã.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4.

5 Yehowa de dzi ƒo na Via, Yesu hã. Esi wonyrɔ Yesu la, ese gbe aɖe tso dziƒo gblɔ bena: “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.” (Mat. 3:17) Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe nya mawo anya do ŋusẽ Yesu le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi la le susu mea?

YESU DE DZI ƑO NA AMEWO

6. Aleke talentowo ŋuti lododoa dea dzi ƒo na mí?

6 Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe kpɔɖeŋu. Talentowo ŋuti lododo si Yesu tsɔ wɔ kpɔɖeŋui le eƒe nyagblɔɖi si ku ɖe nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu ŋu me la dea dzi ƒo na nuteƒewɔlawo. Kluvi mawo ƒe aƒetɔ la kafu kluvi wɔnuteƒeawo dometɔ ɖe sia ɖe be: “Kluvi nyui kple nuteƒewɔla, wòe wɔ dɔ kakaka! Èwɔ nuteƒe le nu ʋɛwo me. Matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu. Ge ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me.” (Mat. 25:21, 23) Nya mawo de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo woyi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe!

7. Aleke Yesu de dzi ƒo na eƒe apostoloawo, vevietɔ Petro?

7 Yesu ƒe apostolowo hea nya zi geɖe le ame si nye gãtɔ le wo dome ŋu, gake Yesu gbɔ dzi ɖi blewuu de dzi ƒo na wo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo eye woasubɔ wo nɔewo, ke menye be woaɖu aƒetɔ ɖe wo nɔewo dzi o. (Luka 22:24-26) Petro koŋue da vo enuenu hewɔ nu siwo ate ŋu ate ɖe Yesu dzi vevie. (Mat. 16:21-23; 26:31-35, 75) Ke hã, Yesu megbe Petro o, ke boŋ ede dzi ƒo nɛ, eye wòde  dɔ asi nɛ gɔ̃ hã be wòado ŋusẽ nɔviawo.—Yoh. 21:16.

ALE SI MAWU ƑE AMEWO DE DZI ƑO NA WO NƆEWO LE BLEMA

8. Aleke Hizkiya de dzi ƒo na aʋafiawo kpakple Yuda dukɔ la?

8 Hafi Yehowa ƒe Vi la nava anyigba dzi ahaɖo dzidede ƒo na ame ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí gɔ̃ hã la, Yehowa subɔla wɔnuteƒewo kpɔe be ele vevie be yewoade dzi ƒo na yewo nɔviwo. Esime Asiriatɔwo ho aʋa ɖe Yuda ŋu la, Hizkiya ƒo aʋafiawo kple dukɔ la nu ƒu hede dzi ƒo na wo. Biblia gblɔ be eƒe “nyawo do ŋusẽ dukɔ la.”—Xlẽ 2 Kronika 32:6-8.

9. Nu kae míesrɔ̃ tso dzidede ƒo na ame ŋu le Hiob ƒe agbalẽa me?

9 Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso Hiob gbɔ ku ɖe dzidede ƒo na ame ŋu. Togbɔ be eya ŋutɔ hiã akɔfafa hã la, eɖo dzidede ƒo na ame ƒe kpɔɖeŋu nyui na “akɔfala” etɔ̃ ‘siwo nɔ nuxaxa dom’ nɛ. Egblɔ na wo be: ‘Ne ɖe miele tenyeƒe la, anye ne matsɔ nye numenyawo ado ŋusẽ mi, eye nye akɔfanyawo afa dzi na mi boŋ.’ (Hiob 16:1-5) Mlɔeba, Elihu va de dzi ƒo na Hiob, eye Yehowa hã de dzi ƒo nɛ.—Hiob 33:24, 25; 36:1, 11; 42:7, 10.

10, 11. (a) Nu ka tae wòhiã be woade dzi ƒo na Yefta vinyɔnua? (b) Ame kawoe wòhiã be míade dzi ƒo na nenema ke egbea?

10 Ame siwo wòhiã be woade dzi ƒo na le blema la ƒe kpɔɖeŋu bubue nye Yefta vinyɔnua. Hafi Ʋɔnudrɔ̃la Yefta nayi aɖawɔ aʋa kple Amonitɔwo la, eɖe adzɔgbe na Yehowa be, ne ena yeɖu wo dzi la, yeatsɔ ame gbãtɔ si ado tso yeƒe aƒe me ava kpe ye esime yetrɔ gbɔ tso aʋagbedzi la ana Yehowa be wòasubɔe le eƒe avɔgbadɔa me ɖaa. Eva dzɔ be vianyɔnua, si nye eƒe akogovi lae va kpee kple dzidzɔ le esi wòɖu futɔwo dzi ta. Yefta ƒe dzi gbã gudugudu. Ke hã, ewɔ adzɔgbe si wòɖe la dzi eye wòkplɔ vianyɔnu leaƒe la yi Silo be wòasubɔ le avɔgbadɔa me le eƒe agbemeŋkekewo katã me.—Ʋɔn. 11:30-35.

11 Ke hã, aleke kee adzɔgbe sia dzi wɔwɔ sesẽ na Yefta o, anya sesẽ na vianyɔnua ya wu. Gake elɔ̃ faa wɔ ŋugbe si fofoa do la dzi. (Ʋɔn. 11:36, 37) Le esia ta, maɖe srɔ̃ o, madzi vi ale be wòalé ƒomea ƒe ŋkɔ ɖe te o, eye dzidzimevi aɖeke manɔ anyi axɔ ƒomea ƒe domenyinuwo o. Eya ta, ehiã be woafa akɔ nɛ ahade dzi ƒo nɛ geɖe. Biblia gblɔ be: “Eye wòzu kɔnu le Israel be, ƒe sia ƒe la, Israel ɖetugbuiwo yina ɖakafua Gileadtɔ Yefta ƒe vinyɔnu la, ŋkeke ene le ƒe ɖeka me.” (Ʋɔn. 11:39, 40) Ðe mele be míanɔ mía nɔvinyɔnu tre siwo léa fɔ ɖe “Aƒetɔ la ƒe nuwo ŋu” geɖe wu la kafum ahanɔ dzi dem ƒo na wo nenema ke oa?—1 Kor. 7:32-35.

APOSTOLOAWO DE DZI ƑO NA WO NƆVI KRISTOTƆWO

12, 13. Aleke Petro ‘do ŋusẽ nɔviawo’?

12 Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, egblɔ na apostolo Petro be: “Simon, Simon, kpɔ ɖa, Satana le didim be yeagbɔ mi katã abe ale si wogbɔa lu ene. Ke meɖe kuku ɖe tawò, be wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, ne ètrɔ la, do ŋusẽ nɔviwòwo.”—Luka 22:31, 32.

Agbalẽ siwo apostoloawo ŋlɔ la de dzi ƒo na hameawo le ƒe alafa gbãtɔ me ale gbegbe, eye wotua mí ɖo egbea hã (Kpɔ memama 12-17)

13 Petro va nye ame siwo zu sɔtiwo le Kristo hame gbãtɔa me la dometɔ ɖeka. (Gal. 2:9) Ale si wòwɔ nu dzinɔameƒotɔe le Pentekoste ŋkekea dzi kple emegbe siaa la de dzi ƒo na nɔviawo. Esi wòwɔ subɔsubɔdɔa ƒe geɖe megbe la, eŋlɔ agbalẽ na ehati Kristotɔwo. Eɖe nu si tae wònɔ agbalẽa ŋlɔm na wo la me  ale: “Meŋlɔ nya ʋɛ siawo ɖo ɖe mi . . . be made dzi ƒo na mi ahaɖi ɖase na mi vevie be, esiae nye Mawu ƒe amenuveve vavãtɔ la. Milé eme ɖe asi sesĩe.” (1 Pet. 5:12) Agbalẽ siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Petro wòŋlɔ la yi edzi de dzi ƒo na Kristotɔwo tso blema va de asi na egbea. Míehiã na dzideƒonya mawo ŋutɔ esi míele Yehowa ƒe ŋugbedodowo me vava lalam!—2 Pet. 3:13.

14, 15. Aleke agbalẽ siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wòŋlɔ la de dzi ƒo na Kristotɔwo tso blema va de asi na egbea?

14 Apostolo Yohanes hã nye sɔti le Kristo hame gbãtɔa me. Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋuti Nyanyuigbalẽ wɔdɔɖeamedzi si wòŋlɔ la de dzi ƒo na Kristotɔwo ƒe alafa geɖe, eye nenema kee wògale egbea hã. Eƒe Nyanyuigbalẽa me koe nya si Yesu gblɔ be lɔlɔ̃e nye nu si dea dzesi Kristotɔ vavãwo la dze le.—Xlẽ Yohanes 13:34, 35.

15 Nyateƒe xɔasi geɖewo le lɛta etɔ̃ siwo Yohanes ŋlɔ na Kristo hamea hã me. Ne míaƒe nu vɔ̃wo na dzi ɖe le mía ƒo la, ɖe míekpɔa gbɔdzɔe ne míexlẽ nya si wòŋlɔ be, “Yesu ƒe ʋu klɔa nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu” la oa? (1 Yoh. 1:7) Eye ne míaƒe dzi gakpɔtɔ le fɔ bum mí la, ɖe míaƒe dzi medzea eme ne míexlẽ nya si wòŋlɔ be, “Mawu nye gã wu míaƒe dziwo” la oa? (1 Yoh. 3:20) Azɔ hã, Yohanes ɖeka koe ŋlɔ bena, “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yoh. 4:8, 16) Eƒe lɛta evelia kple etɔ̃lia kafu Kristotɔ siwo yia edzi ‘zɔna le nyateƒe la me.’—2 Yoh. 4; 3 Yoh. 3, 4.

16, 17. Aleke apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔ gbãtɔwo?

16 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, anɔ eme be apostolo si de dzi ƒo na Kristotɔwo wu lae nye apostolo Paulo. Edze abe esi woɖo Kristo hamea anyi teti la, apostoloawo dometɔ akpa gãtɔ nɔ Yerusalem  si nye afi si dɔdzikpɔhaa nɔ ene. (Dɔw. 8:14; 15:2) Kristotɔ siwo nɔ Yudea la ɖe gbeƒã Kristo la na ame siwo xɔ Mawu dzi se xoxo, le esi wonye Yudatɔwo ta. Gake le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia nu la, apostolo Paulo ya yi ɖaɖe gbeƒã na Helatɔwo, Romatɔwo kple dukɔ bubu me tɔ siwo subɔa mawu vovovowo.—Gal. 2:7-9; 1 Tim. 2:7.

17 Paulo zɔ mɔ yi teƒe didiwo; eyi keke teƒe siwo woyɔna egbea be Turkey kpakple Greece kple Italy, eye wòɖo Kristo hamewo ɖe dukɔ siwo me tɔwo menye Yudatɔwo o la me. Ame siawo siwo va zu Kristotɔ yeyewo la ‘kpe fu le woawo ŋutɔwo wo deviwo si me,’ eya ta, ehiã be woade dzi ƒo na wo. (1 Tes. 2:14) Le ƒe 50 K.Ŋ. me lɔƒo la, Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hame yeye si nɔ Tesalonika la hegblɔ na wo be: “Míeɖoa ŋku mi katã mia dzi le míaƒe gbedodoɖawo me hedaa akpe na Mawu ɣesiaɣi, elabena míeɖoa ŋku miaƒe xɔsedɔwo kple dɔ siwo miewɔna le lɔlɔ̃ me kpakple miaƒe dzidodo . . . la dzi.” (1 Tes. 1:2, 3) Ede dzi ƒo na wo hã be woanɔ ŋusẽ dom wo nɔewo, esi wògblɔ be: “Miyi edzi mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo, eye mianɔ mia nɔewo tum ɖo, abe ale si ko miele ewɔm vavã hã ene.”—1 Tes. 5:11.

DƆDZIKPƆHAA DEA DZI ƑO NA NƆVIAWO

18. Aleke dɔdzikpɔha si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la de dzi ƒo na Filipo?

18 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, dɔdzikpɔhaa de dzi ƒo na ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm la kple Kristo hame bliboa. Esime nya nyui gblɔla Filipo ɖe gbeƒã tso Kristo ŋu na Samariatɔwo la, dɔdzikpɔhaa me tɔwo da megbe nɛ bliboe. Wodɔ wo dometɔ eve, siwo nye Petro kple Yohanes, ɖa be woaɖado gbe ɖa ɖe xɔsetɔ yeyeawo ta ne woaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la. (Dɔw. 8:5, 14-17) Ðikeke mele eme o be, kpekpeɖeŋu sia si dɔdzikpɔhaa na la de dzi ƒo na Filipo kple Kristotɔ yeyeawo siaa!

19. Dɔ kae lɛta si dɔdzikpɔhaa ŋlɔ ɖo ɖe Kristo hame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔ ɖe hameawo dzi?

19 Emegbe, eva hiã be dɔdzikpɔhaa natso nya me nenye be ele be woatso aʋa na Kristotɔ siwo menye Yudatɔwo o, abe ale si Mose ƒe Sea bia tso Yudatɔwo si ene. (Dɔw. 15:1, 2) Dɔdzikpɔhaa do gbe ɖa bia gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia eye wodzro Ŋɔŋlɔawo me. Eye le gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu me la, wotso nya me be esia megahiã o, eye woŋlɔ lɛta ɖo ɖe hameawo tso nyametsotso sia ŋu. Dɔdzikpɔhaa ƒe amedɔdɔwo tsɔ lɛtaa yi na hameawo. Nu kae do tso eme? Biblia gblɔ be: “Esi woxlẽe la, wokpɔ dzidzɔ le dzideƒonamenya sia ta.”—Dɔw. 15:27-32.

20. (a) Aleke Dɔdzikpɔha si li egbea la dea dzi ƒo na nɔviwo le xexea me godoo? (b) Biabia kae míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati si kplɔ esia ɖo me?

20 Egbea, Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa dea dzi ƒo na Betel-ƒomea me tɔwo kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla bubuwo kpakple Kristotɔ vavãwo ƒe dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔwo katã. Míawo hã míekpɔa dzidzɔ le woƒe dzideƒonyawo ta abe ale si ko wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene!Gakpe ɖe eŋu la, Dɔdzikpɔhaa ɖe agbalẽ gbadza si nye Trɔ Va Yehowa Gbɔ la ɖe go le ƒe 2015 me. Agbalẽ sia me nyawo de dzi ƒo na ame geɖe ŋutɔ le xexea me godoo. Gake ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo la koe wòle na be woasrɔ̃ Yehowa le dzidede ƒo na amewo mea? Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia le nyati si kplɔ esia ɖo me.