Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo, Ðe Miele Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Minyama?

Sɔhɛwo, Ðe Miele Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Minyama?

“Tsɔ wò dɔ ɖe sia ɖe de asi na Yehowa, ekema wò ɖoɖowo adze edzi.”—LOD. 16:3.

HADZIDZI: 135, 144

1-3. (a) Nɔnɔme kae dze ŋgɔ sɔhɛwo katã, eye aleke míawɔ esia ƒe kpɔɖeŋui? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu kae akpe ɖe sɔhɛ Kristotɔwo ŋu be woaɖe afɔ nyuitɔ le nɔnɔme sia me?

TSƆE be èle mɔ zɔm yina du didi aɖe me ɖe wɔna vevi aɖe ta. Ele be nàɖo bɔs azɔ mɔ legbee aɖe hafi aɖo. Esi nèɖo ʋuɖoƒea la, ètɔtɔ vie le mɔzɔla gbogbowo kple bɔs geɖe siwo le teƒea ta. Gake nu si de dziwòe nye be, taɖodzinu si tae nèva ʋuɖoƒea la le nyanya na wò nyuie—eyae nye be nàɖo bɔs si akplɔ wò ayi teƒe si yim nèle! Ne bɔs si yina teƒe bubu aɖee nèɖo la, ke ɖeko nàbu mɔ.

2 Míate ŋu atsɔ sɔhɛwo asɔ kple mɔzɔlawo. Sɔhɛwo le mɔ legbee aɖe zɔm, gake wo tɔa menye ʋumɔzɔzɔ o, ke agbemɔzɔzɔe. Mɔnukpɔkpɔ gbogbo siwo ŋu dɔ woate ŋu awɔ kple nyametsotso geɖe siwo dze ŋgɔ wo la ate ŋu ana woatɔtɔ. Sɔhɛwo, miate ŋu ana nuwo nanɔ bɔbɔe na mi wu ne afi si mieɖo tae le agbe me la le susu me na mi nyuie. Afi kae wòle be miaɖo tae?

3 Nyati sia aɖo biabia ma ŋu eye ade dzi ƒo na mi be miana Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye nu vevitɔ na mi le agbe me. Esia bia be miaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le agbemenya ɖe sia ɖe me—esia ƒe ɖewoe nye sukudenyawo, dɔwɔnyawo, ƒomegbanɔamedziwo kple  bubuawo. Eye ebia hã be miaminya gbɔgbɔmetaɖodzinuwo. Mika ɖe edzi be, ne Yehowa subɔsubɔ nye nu vevitɔ na mi le agbe me la, Yehowa ayra mi eye agbea adze edzi na mi.—Xlẽ Lododowo 16:3.

NU KA TAE WÒLE BE GBƆGBƆMETAÐODZINUWO NANƆ ASIWÒ?

4. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

4 Nu nyui aɖee wònye be ame naɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo na eɖokui kaba le agbe me. Susu ka tae? Míadzro susu etɔ̃ aɖewo me. Susu eve gbãtɔwo aɖee afia be ne míeminya gbɔgbɔmetaɖodzinuwo la, ana ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Yehowa dome; susu etɔ̃lia ana míakpɔ viɖe si dona tso eme ne míeɖo taɖodzinu siawo na mía ɖokuiwo kaba le agbe me.

5. Nu kae nye susu vevitɔ si tae wòle be míaminya gbɔgbɔmetaɖodzinuwo?

5 Susu vevitɔ si tae míeminyaa gbɔgbɔmetaɖodzinuwoe nye be míaɖee afia Yehowa be míekpɔ ŋudzedze ɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ mí kple nu siwo wòwɔ na mí ŋu. Hakpalaa ŋlɔ bena: “Enyo be woada akpe na wò, Yehowa . . . Elabena Oo Yehowa, ètsɔ wò dɔwɔwɔwo do dzidzɔ nam; metsoa aseye le wò asinudɔwɔwɔwo ta.” (Ps. 92:1, 4) De ŋugble le nu siwo gbegbe nèkpɔ tso Yehowa gbɔ la ŋu: wò agbe, wò xɔse, Biblia, hamea kple etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui si le asiwò. Ne ètsɔa gbɔgbɔmenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ la, afia be èkpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo Mawu tsɔ yra wòe la ŋu, eye esia ana mia kplii dome nanɔ kplikplikpli wu.

6. (a) Aleke wò kple Yehowa dome anɔ ne èɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo na ɖokuiwò? (b) Taɖodzinu kawoe ame ate ŋu aɖo na eɖokui tso ɖevime?

6 Susu eveliae nye be, ne ènya le wò gbɔgbɔmetaɖodzinuwo minyam ko la, ke èto wò dɔ nyuiwo wɔwɔ dzi le ŋkɔ nyui wɔm le Yehowa gbɔ, eye esia awɔe be wò kplii dome nanɔ kplikplikpli. Apostolo Paulo gblɔ be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta” la be o. (Heb. 6:10) Mègagblɔ be yemetsi aɖo taɖodzinuwo na ye ɖokui o. Ƒe ewo koe Christine xɔ, esi wòɖoe eɖokui dzi be yeanɔ Ðasefo wɔnuteƒewo ƒe agbemeŋutinyawo xlẽm edziedzi. Ƒe 12 ye Toby xɔ esi wòɖoe be yeaxlẽ Biblia bliboa hafi axɔ nyɔnyrɔ. Maxim xɔ ƒe 11, eye eyometɔ Noemi xɔ ƒe 10, esi wo ame evea siaa xɔ nyɔnyrɔ. Eyome woɖoe woƒe taɖodzinu be yewoasubɔ le Betel. Wotsɔ dɔwɔwɔ le Betel ƒe dɔbiagbalẽvia klã ɖe gli ŋu le woƒe aƒe me, ale be wòakpe ɖe wo ŋu woƒe susu nanɔ woƒe taɖodzinua ŋu. Ðe manyo ŋutɔ be nàde ŋugble le nu siwo nàtsɔ awɔ wò taɖodzinui la ŋu eye nàminya wo oa?—Xlẽ Filipitɔwo 1:10, 11.

7, 8. (a) Aleke taɖodzinuwo ƒe amesinɔnɔ nana nyametsotsowo wɔwɔ nɔa bɔbɔe wu? (b) Nu ka tae ƒewuivi aɖe tiae be yemade yunivɛsiti o?

7 Susu etɔ̃lia si tae wònyo be nàɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò kabae nye be, akpe ɖe ŋuwò le nyametsotsowo wɔwɔ me. Ele be sɔhɛwo natso nya me le sukudenyawo, dɔwɔnyawo kple nya bubu geɖewo ŋu. Ne nyametsotsowo wɔwɔ dze ŋgɔ wò la, ɖeko wòle abe ɖe nèle mɔ zɔm eye nèva ɖo mɔdzevee aɖe gbɔ ene. Ne ènya afi si nèyina la, ke masesẽ na wò be nànya mɔ si wòle be nàto o. Nenema kee ne taɖodzinuwo le asiwò la, ke anɔ bɔbɔe na wò be nàtso nya me nyuie le agbemenyawo ŋu. Lododowo 21:5 gblɔ be: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ.” Eya ta, ne èwɔ ɖoɖowo kaba to taɖodzinu nyuiwo ɖoɖo me la, àkpɔ dzidzedze kaba wu. Aleae wònɔ le Damaris gome esime nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔe esime wònye sɔhɛ.

8 Damaris dze agbagba ŋutɔ le eƒe sekɛndrisuku (alo lycée) ƒe dodokpɔ mamlɛtɔ me. Sukudede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu esi be wòasrɔ̃ nu tso senyawo ŋu le yunivɛsiti hafi, gake etiae be yeawɔ dɔ si  ana yeakpɔ ɣeyiɣi awɔ mɔɖeɖedɔa boŋ. Nu ka tae? Egblɔ be: “Tso nye ɖevime kee meɖoe be manye mɔɖela. Esia abia be mawɔ dɔ si maxɔ ɣeyiɣi boo le asinye o. Ne ɖe mexɔ yunivɛsiti ɖaseɖigbalẽ hezu senyala la, ɖewohĩ makpɔ ga geɖe ya, gake asesẽ ŋutɔ be makpɔ dɔ si ana makpɔ ɣeyiɣi ɖe mɔɖeɖedɔa ŋu.” Damaris le mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe 20 ye nye esia. Ðe wòkpɔe be yeƒe taɖodzinu ma kple nyametsotso ma si yewɔ esime yenye sɔhɛ lae nye nyuitɔa? Egblɔ be: “Le afi si mele dɔ wɔm le fifia la, medoa go senyala geɖewo. Ne ɖe mesrɔ̃ senyawo la, anye ne dɔ mae manɔ wɔwɔm fifia. Gake wo dometɔ geɖe mele dzidzɔ kpɔm le dɔ si wɔm wole la me o. Nyametsotso si mewɔ be manye mɔɖela la wɔe be meƒo asa na dzidzɔmakpɔmakpɔ si dɔwɔɖui tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ hena vɛ, eye wòna mɔnukpɔkpɔm mele subɔsubɔdɔ wɔm na Yehowa kple dzidzɔ ƒe geɖewoe nye esia.”

9. Nu ka tae sɔhɛ siwo le Kristo hamea me la dze na kafukafu?

9 Sɔhɛ akpe geɖe siwo le hame vovovowo me le xexea me godoo la dze na kafukafu. Wotsɔ woƒe mɔwo katã de asi na Yehowa eye woƒe gbɔgbɔmetaɖodzinuwoe xɔ nɔƒe vevitɔ le woƒe agbe me. Sɔhɛ siawo doa dzidzɔ na wo ɖokuiwo, gake wokpɔa egbɔ hã be yewowɔ Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi le nu sia nu me. Esia lɔ sukudenyawo, dɔwɔnyawo kple nu siwo ku ɖe ƒomegbenɔnɔ ŋu ɖe eme. Salomo ŋlɔ bena: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me . . . Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ana wò mɔwo nadzɔ.” (Lod. 3:5, 6) Yehowa dea asixɔxɔ gã sɔhɛ siwo le Kristo hamea me la ŋu, eye elɔ̃ wo, ekpɔa wo ta, efiaa mɔ wo, eye wòyraa wo.

DZRA ÐO NYUIE BE NÀTE ŊU AÐI ÐASE NA AMEWO TSO YEHOWA ŊU

10. (a) Nu ka tae wòle be gbeƒãɖeɖedɔa nanye nu siwo le vevie na mí wu la dometɔ ɖeka? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa nyuie wu?

10 Gbeƒãɖeɖedɔa nɔa vevie na sɔhɛ siwo tsɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Yesu Kristo gblɔ be “ele be woaɖe gbeƒã nya nyui la le dukɔwo katã me gbã.” (Marko 13:10) Esi wònye be gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata alea ta la, ele be míana wòanye nu siwo le vevie na mí wu la dometɔ ɖeka. Ðe nàte ŋu aɖoe wò taɖodzinu be yeanɔ gbeadzi dem edziedzi wua? Ðe nàte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa? Ke ne mèsea vivi na gbeƒãɖeɖedɔa tututu o ɖe? Nu kae nàte ŋu awɔ be nàgawɔ ɖaseɖiɖidɔa nyuie wu? Nu eve siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò: Dzra ɖo nyuie, eye mègana ta le ɖaseɖiɖi na amewo tso Yehowa ŋu me o. Ðewohĩ dzidzɔ si gbegbe nàva kpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me la awɔ nuku na wò ŋutɔ gɔ̃ hã.

Aleke nèdzrana ɖo be yeaɖi ɖase? (Kpɔ memama 11, 12)

11, 12. (a) Nu kae sɔhɛwo ate ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe ɖaseɖiɖi ŋu? (b) Aleke sɔhɛ aɖe wɔ mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi la ŋu dɔ ɖi ɖase le suku?

11 Ðewohĩ le gɔmedzedzea me la, àte ŋu adi ŋuɖoɖo na biabia aɖe si wò sukuhatiwo biana zi geɖe, abe “Nu ka tae nèxɔ Mawu dzi se?” ene. Wotrɔ asi le nyatiwo ŋu le míaƒe jw.org nyatakakadzraɖoƒea be wòakpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woawo ŋutɔwo woadzra ɖo ɖe nya si woagblɔ atsɔ aɖo biabia ma ŋui la ŋu. Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > SƆHƐWO. Dɔwɔgbalẽvi aɖe le afi ma si ƒe tanyae nye “Nu Ka Tae Mexɔ Mawu Dzi Se?” Akpe ɖe ŋuwò nàdzra nya si wò ŋutɔ nàgblɔ atsɔ aɖo biabia ma ŋui la ɖo. Mawunyakpukpui etɔ̃ siwo ŋu dɔ nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe nu si tae nèxɔ Mawu dzi se me la le agbalẽvia dzi. Woawoe nye, Hebritɔwo 3:4, Romatɔwo 1:20 kple Psalmo 139:14. Dɔwɔgbalẽvi siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdzra ɖo ɖe biabia bubuwo hã ŋu.—Xlẽ 1 Petro 3:15.

12 Wɔ mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi la ŋu dɔ nàde dzi ƒo na wò sukuhatiwo be woayi jw.org nyatakakadzraɖoƒea. Nu sia tututue Luca wɔ. Esime wonɔ nu srɔ̃m tso subɔsubɔha vovovowo ŋu le suku la, Luca de dzesii be woŋlɔ nya siwo menye nyateƒe o tso Yehowa Ðasefowo ŋu ɖe nusrɔ̃gbalẽ si zãm wonɔ la me. Ehe ɖe megbe gbã, gake elé dzi  ɖe ƒo hegblɔ na nufialaa be wòaɖe mɔ na ye yeaɖe nu si tae nya mawo menye nyateƒe o la me. Esi Luca ɖe eƒe dzixɔsewo me vɔ la, egaʋu míaƒe nyatakakadzraɖoƒea na etɔwo katã wokpɔ le sukuxɔa me. Gbe ma gbe la, dɔ si nufialaa de sukuviawo si be woaɖawɔ le aƒe mee nye be, woakpɔ nutata ƒe video si nye Nɔ Te Ðe Anyrawɔlawo Nu Kɔmadamadae. Edzɔ dzi na Luca ŋutɔ be yete ŋu ɖi ɖase nyuie nenema.

13. Ne kplamatsɛdonuwo do mo ɖa la, nu ka tae mele be míana ta o?

13 Ne èdo go kplamatsɛdonuwo le agbemɔ si dzi zɔm nèle gɔ̃ hã la, dzi megaɖe le ƒowò o. (2 Tim. 4:2) Ne kuxiwo do mo ɖa la, yi edzi nàminya wò taɖodzinuawo. Esi Katharina xɔ ƒe 17 la, eƒe taɖodzinue nye be yeaɖi ɖase na yeƒe dɔwɔhatiwo dometɔ ɖe sia ɖe. Wo dometɔ ɖeka dzui enuenu, gake elé dzi ɖe ƒo. Nɔnɔme nyui si Katharina yi edzi ɖe fia la wɔ dɔ ɖe eƒe dɔwɔhati bubu si ŋkɔe nye Hans la dzi ŋutɔ. Eya ta exlẽ míaƒe agbalẽwo, elɔ̃ wosrɔ̃ Biblia kplii, eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Esiawo katã menɔ nyanya na Katharina o, elabena eʋu dzo le afi ma ɣemaɣi. Ƒe 13 megbe esime eya kple eƒe ƒomea wole Fiaɖuƒe Akpata me la, woyɔ Hans ŋkɔ be eyae nye nuƒola si woɖo ɖa be wòaƒo dutoƒonuƒoa. Dzi dzɔ Katharina eteƒe mekɔ o! Aleke gbegbe wònyoe nye esi be Katharina mena ta eƒe taɖodzinu si nye be yeaɖi ɖase na yeƒe dɔwɔhatiwo la o!

ƑO ASA NA SUSUHENUWO

14, 15. (a) Nu kae wòle be wòanɔ susu me na sɔhɛwo ne wo hatiwo le nya ƒom ɖe wo nu? (b) Aleke sɔhɛwo awɔ aɖu hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu dzi?

14 Va se ɖe afi sia la, nyati sia de dzi ƒo na mi sɔhɛwo be miana Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ kple gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo nanye nu vevitɔ na mi le agbe me. Gake agbeɖuɖue nye nu vevitɔ na sɔhɛ bubuwo ya, eye ɖewohĩ woadi be nàwɔ ɖeka kpli yewo. Godoo la, ava hiã be nàna woakpɔ ale si gbegbe taɖodzinu siwo le asiwò la gbɔ ɖoɖo le vevie na wòe. Mègana hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nahe wò susu o. Le bɔsɖoɖo ƒe kpɔɖeŋu si míewɔ va yi me la, ɖikeke mele eme o be màɖo bɔs ɖe sia ɖe ko le esi wòwɔ na wò be emenɔlawo le vivi sem le eme ta o.

15 Mɔ geɖe li siwo dzi nàto aɖu hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu dzi. Le kpɔɖeŋu me, mègaƒo ɖokuiwò ɖe nɔnɔme siwo ana wòasesẽ na  wò be nàɖu woƒe nyaƒoɖeamenuwo dzi la me o. (Lod. 22:3) Eye na fukpekpe kple vevesese si vaa ame dzi ne ede ha kple ame bubuwo le nu gbegblẽ wɔwɔ me la nanɔ susu me na wò. (Gal. 6:7) Azɔ hã, ɖo ŋku edzi be ehiã be nàbɔbɔ ɖokuiwò axɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo. Ðokuibɔbɔ ana nàlɔ̃ axɔ aɖaŋu si dziwòlawo kple nɔvi kpɔnuteƒe bubu siwo le hamea me la ɖo na wò.—Xlẽ 1 Petro 5:5, 6.

16. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖee fia be ɖokuibɔbɔ ɖea vi.

16 Ðokuibɔbɔ wɔe be Christoph wɔ aɖaŋu si woɖo nɛ la dzi. Le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe teti la, eyi ɖanɔ kame dem edziedzi le kamedeƒe aɖe. Sɔhɛ bubu siwo hã yia teƒe ma la nɔ eƒom ɖe enu be wòava ge ɖe yewoƒe kamedehabɔbɔ aɖe me. Eɖe nyaa dzi na hamemetsitsi aɖe, eye hamemetsitsia ɖo aɖaŋu nɛ be wòade ŋugble le nu siwo afɔɖeɖe ma ate ŋu agblẽ le eŋu, abe hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ si ate ŋu ava kpɔ ŋusẽ ɖe edzi ene la, ŋu hafi atso nya me. Ke hã, Christoph ɖo habɔbɔ ma me. Gake emegbe eva kpɔe be wowɔa ŋutasẽnu le kamedefefe si srɔ̃m yele la me eye ate ŋu ana yeadze afɔku gɔ̃ hã. Egaɖo dze kple hamemetsitsi bubuwo tso nyaa ŋu, eye woawo hã wozã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖo aɖaŋu nɛ. Egblɔ be: “Yehowa na aɖaŋuɖola nyuiwom, eye meɖo to wo, togbɔ be exɔ ɣeyiɣi hafi mewɔ aɖaŋuɖoɖoawo dzi hã.” Ðe nènye ɖokuibɔbɔla si xɔa aɖaŋuɖoɖoa?

17, 18. (a) Nu ka dim Yehowa le na sɔhɛwo egbea? (b) Nu wɔnublanui kae ame aɖewo va dea dzesii le woƒe tsitsi me, eye aleke míawɔ aƒo asa na esia? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

17 Biblia gblɔ be: “Ðekakpui [alo ɖetugbui], kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi nakpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuiŋkekewo me.” (Nyagb. 11:9) Ɛ̃, Yehowa di be miakpɔ dzidzɔ le miaƒe sɔhɛme. Le nyati sia me la, míekpɔ mɔ ɖeka aɖe si dzi miato be esia nava eme na mi. Mina gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo nanɔ vevie na mi le agbe me, eye miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòafia mɔ mi le nu sia nu si mieɖo be yewoawɔ me. Zi ale si mietso ɖe esia ŋu kabae la, zi nenemae miakpɔ ale si Yehowa le mɔ fiam mi, le mia ta kpɔm hele mia yram. Mide ŋugble le aɖaŋuɖoɖo nyui siwo gbegbe le Mawu ƒe Nyaa me ŋu, eye miawɔ nya vevi sia dzi: “Ðo ŋku Wɔwòla Gã la dzi le wò sɔhɛmenɔɣi.”—Nyagb. 12:1.

18 Mianye sɔhɛwo ɖaa o. Madidi o, miazu ame tsitsiwo. Nublanuitɔe la, etena ɖe ame tsitsi geɖe dzi be yewomeminya taɖodzinu nyuiwo esime yewonye sɔhɛwo o, alo yewomeminya toɖodzinu aɖeke koŋ o. Gake ne èlé fɔ ɖe wò gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo ŋu la, ne èva tsi hã, dzi adzɔ wò ɖe tiatia siwo nèwɔ la ta. Aleae wònɔ le Mirjana gome. Esime wònye ƒewuivi la, edzea agbagba ŋutɔ le kamedefefewo me. Wobia tso esi be wòakpɔ gome le Vuvɔŋɔli Me Olimpik Kamedefefewo me, gake etiae be yeawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa boŋ. Ƒe 30 kple edzivɔe nye esia, eye Mirjana kple srɔ̃a gakpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Egblɔ be: “Ŋkɔxɔxɔ, bubu, ɖoƒe kple kesinɔnuwo nu va yina kaba, eye menye taɖodzinu vavãwoe wonye o. Be ame nawɔ subɔsubɔdɔwo na Mawu, eye wòawɔ etɔ sinua akpe ɖe amewo ŋu be woanya eyama nye taɖodzinu vavã siwo ŋu viɖe mavɔ le.”

19. Gblɔ viɖe siwo dona tsoa eme ne míeminya gbɔgbɔmetaɖodzinuwo kaba le agbe me.

19 Sɔhɛ siwo le míaƒe hamewo me la dze na kafukafu ɖe ale si wonɔa te ɖe kuxi siwo wodoa goe nu kple ale si woɖoe kplikpaa be Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ na yewo la ta. Ale si sɔhɛwo wɔa esiae ye nye be wominyaa gbɔgbɔmetaɖodzinuwo eye wotsɔa gbeƒãɖeɖedɔa ɖoa nɔƒe gbãtɔ. Gawu la, womeɖea mɔ xexe sia me nuwo hea woƒe susu ɖa le woƒe taɖodzinuwo ŋu o. Sɔhɛwo, mika ɖe edzi be miaƒe agbagbadzedzewo manye dzodzro o. Mia nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃awo le megbe na mi, eye ne mietsɔ miaƒe mɔwo de Yehowa si la, miaƒe ɖoɖowo adze edzi.