“Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum . . . míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, zi ale si miekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom.”—HEB. 10:24, 25.

HADZIDZI: 90, 87

1. Nu ka tae apostolo Paulo gblɔ na Hebri Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la be woade dzi ƒo na wo nɔewo “geɖe wu”?

NU KA TAE wòle be míadze agbagba geɖe wu be míade dzi ƒo na amewo? Apostolo Paulo gblɔ susu siwo tae la ɖe agbalẽ si wòŋlɔ na Hebri Kristotɔwo la me. Egblɔ na wo be: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, zi ale si miekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Heb. 10:24, 25) Le ƒe atɔ̃ pɛ ko me la, Yudatɔ Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem la akpɔe be “Yehowa ƒe ŋkeke” si gbɔna Yerusalem dzi la tu aƒe eye woakpɔ dzesi si Yesu gblɔ, si afia be ele be woasi adzo le dua me ɖe woƒe agbe ta. (Dɔw. 2:19, 20; Luka 21:20-22) Yehowa ƒe ŋkeke ma va le ƒe 70 K.Ŋ. esime Romatɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem.

2. Nu ka tae wòle be dzidede ƒo na amewo nanɔ vevie na mí geɖe wu egbea?

2 Egbea, susu geɖe li siwo tae wòle be míaxɔe ase be Yehowa ƒe ŋkeke ‘gã dziŋɔ’ la tu aƒe. (Yoel 2:11) Nyagblɔɖila Zefaniya gblɔ  be: “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe! Etu aƒe, eye wòle du dzi sesĩe gbɔna!” (Zef. 1:14) Nuxlɔ̃amenya ma ku ɖe míaƒe ŋkekea hã ŋu. Esi Yehowa ƒe ŋkekea tu aƒe ŋutɔ ta la, Paulo gblɔ na mí be “míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.” (Heb. 10:24) Eya ta, ele be míagatsɔ ɖe le eme na mía nɔvi Kristotɔwo geɖe wu, ale be míate ŋu ade dzi ƒo na wo ɣesiaɣi si wòhiã.

AME KAWOE WÒLE BE MÍADE DZI ƑO NA?

3. Nya kae apostolo Paulo gblɔ ku ɖe dzidede ƒo na ame ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

3 Biblia gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me ɖe wòtea ame ƒe dzi ɖe anyi, ke nya nyui nana dzi kpɔa dzidzɔ.” (Lod. 12:25) Nya sia nye nyateƒe le mí katã gome. Ehiãna be woade dzi ƒo na mí katã ɣeaɖewoɣi. Paulo ɖee fia be ehiã be woade dzi ƒo na ame siwo dzi agba le be woanɔ dzi dem ƒo na ame bubuwo la gɔ̃ hã. Eŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma la be: “Ele dzroyem vevie be makpɔ mi ɖa, be mana gbɔgbɔmenunana aɖe mi, ne ŋusẽ naɖo mia ŋu; alo be míade dzi ƒo na mía nɔewo boŋ; ame sia ame ƒe xɔse nado ŋusẽ nɔvia tɔ, mia tɔ kple tɔnye siaa.” (Rom. 1:11, 12) Ɛ̃, togbɔ be Paulo nye ame si dea dzi ƒo na amewo ale gbegbe hã la, ehiã be woade dzi ƒo na eya ŋutɔ hã ɣeaɖewoɣi.—Xlẽ Romatɔwo 15:30-32.

4, 5. Ame kawoe míate ŋu ade dzi ƒo na egbea, eye nu ka tae?

4 Ame siwo tsɔ nu geɖe sa vɔe ale be yewoate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa la dze na kafukafu. Wo dometɔ aɖewoe nye gbesiagbe mɔɖela wɔnuteƒewo. Nɔvi aɖewo tsɔ nu geɖe sa vɔe ale be yewoate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Alea kee wòle le dutanyanyuigblɔlawo, Betel dɔwɔlawo, nutome sue dzikpɔlawo kple wo srɔ̃wo, kple nɔvi siwo le dɔ wɔm le gbegɔmeɖeƒe siwo mele alɔdzedɔwɔƒea o la gome. Nɔvi siawo katã tsɔ nuwo sa vɔe ale be yewoate ŋu akpɔ vovo ɖe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ŋu. Eya ta, ele be míanɔ dzi dem ƒo na wo. Ame aɖewo hã di vevie be yewoayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi, gake nɔnɔmeawo meɖe mɔ na wo o. Ne míede dzi ƒo na ame siawo hã la, edzɔa dzi na wo ŋutɔ.

5 Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo gakpɔtɔ nye trewo le esi woɖoe be yewoawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidi si nye be míaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko” la dzi. (1 Kor. 7:39) Nenema kee wòdzɔa dzi na srɔ̃nyɔnu dɔ sesẽ wɔlawo ne wo srɔ̃wo kafu wo. (Lod. 31:28, 31) Azɔ hã, ehiã be míade dzi ƒo na Kristotɔ siwo yi edzi wɔ nuteƒe le yometitiwo me alo le dɔléɣiwo la hã. (2 Tes. 1:3-5) Yehowa kple Kristo faa akɔ na nuteƒewɔla siawo katã.—Xlẽ 2 Tesalonikatɔwo 2:16, 17.

HAMEMETSITSIWO DZEA AGBAGBA DEA DZI ƑO NA MÍ

6. Le Yesaya 32:1, 2 ƒe nyaa nu la, akpa kae hamemetsitsiwo wɔna?

6 Xlẽ Yesaya 32:1, 2. Yesu Kristo toa nɔvia amesiaminawo kple kpekpeɖeŋu si ‘amegã’ siwo nye alẽ bubuawo me tɔwo nana dzi dea dzi ƒo na ame siwo dzi nu te ɖo kple ame siwo ƒo dzi ɖe le le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la hefiaa mɔ wo. Alea hãe wòle be wòanɔ, elabe hamemetsitsi siawo meɖua “aƒetɔ” ɖe ame bubuwo ƒe xɔse dzi o, ke boŋ wonye “hadɔwɔlawo” hena wo nɔviwo ƒe dzidzɔ.—2 Kor. 1:24.

7, 8. Tsɔ kpe ɖe dzidede ƒo na nɔviawo ŋu la, aleke hamemetsitsiwo ate ŋu atu wo ɖoe?

7 Hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua. Eŋlɔ nya siawo na Kristotɔ siwo nɔ yometiti me tom le Tesalonika la be: “Esi míelɔ̃a nu le mia gbɔ o ta la, edzɔ dzi na mí vevie be, menye Mawu ƒe nya nyui la ɖeɖe ko míatsɔ ana mi o, ke míawo ŋutɔ mía ɖokuiwo hãe, elabena mieva zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.”—1 Tes. 2:8.

 8 Esi Paulo di be yeana hamemetsitsi siwo tso Efeso nanya be ɣeaɖewoɣi la, dzideƒonyawo ɖeɖe mesu o la, egblɔ na wo be: “[Mikpe] ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, eye . . . Aƒetɔ Yesu ƒe nya siawo nanɔ susu me na mi, esi eya ŋutɔ gblɔ be: ‘Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.’” (Dɔw. 20:35) Menye ɖeko Paulo dea dzi ƒo na nɔviawo ko evɔ o, ke edi hã be ‘yeazã yeƒe nuwo katã, eye woazã ye bliboe’ ɖe wo ta. (2 Kor. 12:15) Le mɔ ma ke nu la, menye nyagbɔgblɔ koe wòle be hamemetsitsiwo natsɔ ade dzi ƒo na nɔviawo ahafa akɔ na wo o, ke ele hã be woawɔ nu siwo aɖee afia be wotsɔ ɖe le eme na wo vavã.—1 Kor. 14:3.

9. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu aɖo aɖaŋu na nɔviwo le mɔ si ade dzi ƒo na wo nu?

9 Mía nɔewo tutu ɖo bia be míaɖo aɖaŋu na mía nɔewo, gake le go sia hã me la, ele be hamemetsitsiwo nasrɔ̃ Biblia me kpɔɖeŋua, ale be woaɖo aɖaŋu na amewo le mɔ si ade dzi ƒo na wo nu. Yesu ŋutɔ ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi na mí le eƒe ku kple tsitretsitsi megbe. Eɖo aɖaŋu na hame siwo nɔ Asia Sue la ŋkubiãtɔe, gake de dzesi ale si wòwɔe. Hafi wòaɖo aɖaŋu na hame siwo nɔ Efeso, Pergamo kple Tiatira la, ekafu wo ɖe dɔ nyui siwo wɔm wonɔ ta gbã. (Nyaɖ. 2:1-5, 12, 13, 18, 19) Egblɔ na hame si nɔ Laodikea la be: “Ame siwo katã gbɔ nyemelɔ̃a nu le o la, mekaa mo na wo, eye mehea to na wo. Eya ta do vevie nu eye nàtrɔ dzi me.” (Nyaɖ. 3:19) Esia ta, anyo be hamemetsitsiwo nasrɔ̃ Kristo ƒe kpɔɖeŋua ne wole aɖaŋu ɖom na nɔviawo.

MENYE HAMEMETSITSIWO KOE WÒLE NA BE WOADE DZI ƑO NA AMEWO O

Dzilawo, ɖe miele hehe nam mia viwo be woade dzi ƒo na ame bubuwoa? (Kpɔ memama 10)

10. Aleke mí katã míate ŋu atu mía nɔewo ɖoe?

10 Menye hamemetsitsiwo ɖeɖe koe wòle na be woade dzi ƒo na amewo o. Paulo gblɔ na Kristotɔwo katã be woagblɔ “nya siwo nyo hena tutuɖo le ale si nɔnɔmea le nu, ale be wòaɖe vi na” amewo. (Ef. 4:29) Ele be mí katã míanɔ ŋudzɔ be míade dzesi “ale si nɔnɔmea” le na mía nɔviwo. Paulo ɖo aɖaŋu na Hebri Kristotɔwo be: “Mido ŋusẽ asi siwo wɔ gblɔdɔɔ kple klo siwo gbɔdzɔ  la, eye miyi edzi mianɔ mɔ dzɔdzɔe ɖem na miaƒe afɔwo, ne nu si gli la nagaɖe ɖa le enu o, ke woada gbe le eŋu boŋ.” (Heb. 12:12, 13) Mí katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, míate ŋu ato dzideƒonyawo gbɔgblɔ na mía nɔewo me atu mía nɔewo ɖo.

11. Aleke wokpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Marthe ŋu esime wòlé blanui vevie?

11 Marthe, * si nye nɔvinyɔnu aɖe si lé blanui vevie ɣeaɖeɣi va yi la gblɔ be: “Gbe ɖeka, esi medo gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽm la, meva do go nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si wɔ nu ɖe ŋunye le lɔlɔ̃ kple veveseɖeamenu me; eye nu ma tututue mehiã na ɣemaɣi. Azɔ hã, eƒo nu tso ale si eya ŋutɔ hã to nɔnɔme si me tom menɔ la tɔgbi me la ŋu nam, eye esia na mekpɔe be menye nye ɖeka koe le nɔnɔme sesẽ ma me tom o.” Anɔ eme be nɔvinyɔnu tsitsia ŋutɔ menya ale si gbegbe eƒe nyawo ɖe vi na Marthe o.

12, 13. Aleke míate ŋu awɔ nya siwo le Filipitɔwo 2:1-4 la ŋu dɔe?

12 Paulo ɖo aɖaŋu na hame si nɔ Filipi la me tɔwo katã be: “Eya ta ne dzideƒoname aɖe li le Kristo me, ne akɔfafa na ame lɔlɔ̃tɔe aɖe li, ne gbɔgbɔmehadede aɖe li, ne lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ li la, mina nye dzidzɔ la nagba go to esia me be, susu ɖeka kple lɔlɔ̃ ɖekae le mia si, miewɔ ɖeka, eye tamesusu ɖeka le mia si. Migawɔ naneke le dzrehehe alo bubu dzodzro didi ta o, ke boŋ mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi, ale be miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.”—Flp. 2:1-4.

13 Ɛ̃, ele be mí katã míadze agbagba adi ame bubuwo ƒe nyonyo, ‘míafa akɔ na wo lɔlɔ̃tɔe,’ akpɔ gome le ‘gbɔgbɔmehadedewo’ me, eye míaɖe “lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ” afia mía nɔviwo atsɔ ade dzi ƒo na wo.

MƆ AÐEWO SIWO DZI MÍATO ADE DZI ƑO NA AMEWO

14. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na amewo?

14 Ame siwo ŋu míekpe ɖo va yi ƒe nuteƒewɔwɔ ŋuti nyawo sese ate ŋu ade dzi ƒo na mí, abe ale si wònɔ le apostolo Yohanes gome ene. Egblɔ be: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia o: be mase be vinyewo yi edzi le zɔzɔm le nyateƒe la me.” (3 Yoh. 4) Mɔɖela geɖewo ate ŋu aɖi ɖase be esi yewose be ame siwo ŋu yewokpe ɖo wova xɔ nyateƒea ƒe aɖewoe nye esi va yi la le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe, eye kura gɔ̃ hã, wole mɔɖeɖedɔa wɔm la, esia de dzi ƒo na yewo ŋutɔ. Ne dzi ɖe le mɔɖela aɖe ƒo la, ŋkuɖoɖo ale si wòkpɔ dzidzɔ va yi la dzi nɛ ɖeɖe ate ŋu afa akɔ nɛ.

15. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na ame siwo le subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe?

15 Nutome sue dzikpɔla geɖewo gblɔ be, ne nya kpui aɖe gɔ̃ hãe nɔvi aɖe ŋlɔ tsɔ da akpe na yewo kple yewo srɔ̃wo le hame aɖe sasrã kpɔ vɔ megbe la, edea dzi ƒo na yewo ŋutɔ. Nenema kee hamemetsitsiwo, dutanyanyuigblɔlawo, mɔɖelawo kple Betel-ƒomea me tɔwo hã sena le wo ɖokuiwo me ne nɔvi aɖe gblɔ nya aɖe tsɔ da akpe na wo ɖe subɔsubɔdɔ si wɔm wole nuteƒewɔwɔtɔea ta.

MÍA DOMETƆ ÐE SIA ÐE ATE ŊU ADE DZI ƑO NA AME

16. Nu bɔbɔe kae míate ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na ame?

16 Ke ne ewɔ na mí be míate ŋu ade dzi ƒo na amewo o le esi nu menya ƒona na mí o ta ya ɖe? Menye nu boo aɖekee hiã hafi míate ŋu ade dzi ƒo na ame o—ɖewohĩ nu si hiã koe nye be míako alɔgbɔnu esime míele gbe dom na amea. Ne amea ya meko alɔgbɔnu o la, ke ate ŋu afia be ele kuxi aɖe me tom, eye toɖoɖo ase eƒe nyawo ɖeɖe dzaa ate ŋu afa akɔ nɛ.—Yak. 1:19.

17. Aleke wode dzi ƒo na nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe esime wònɔ nɔnɔme sesẽ aɖe me tom?

 17 Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Henri la se veve ŋutɔ esi fofoa si nye hamemetsitsi si ŋu wodea bubui la kple ƒometɔ kplikplikpli bubuwo do le nyateƒea me. Nutome sue dzikpɔla aɖe kplɔ Henri yi kɔfinoƒe aɖe woyi ɖano kɔfi, eye wòɖe mɔ nɛ wòɖe eƒe dzimenyawo gblɔ. Esia de dzi ƒo nɛ ŋutɔ. Henri de dzesii be nu si ko yeate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe yeƒe ƒometɔwo ŋu woatrɔ ava nyateƒea me ye nye be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Mawunyakpukpui siwo xexlẽ faa akɔ nɛ geɖe ye nye Psalmo 46; Zefaniya 3:17; kple Marko 10:29, 30.

Mí katã míate ŋu atu mía nɔewo ɖo ahade dzi ƒo na mía nɔewo (Kpɔ memama 18)

18. (a) Nu kae Fia Salomo ŋlɔ tso dzidede ƒo na ame ŋu? (b) Aɖaŋu kae apostolo Paulo ɖo na mí?

18 Marthe kple Henri ƒe ŋutinyawo ɖee fia be míate ŋu ade dzi ƒo na nɔvi aɖe si hiã akɔfafa. Fia Salomo ŋlɔ bena: “Nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la vivina loo! Mokɔkɔ [ɖe ame] doa dzidzɔ na dzi; eye nya nyui dea agbe ƒuwo me.” (Lod. 15:23, 30, etenuŋɔŋlɔ) Gakpe ɖe eŋu la, Gbetakpɔxɔ alo nyati siwo le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea xexlẽ ate ŋu ade dzi ƒo na ame si dzi nu te ɖo vevie. Paulo ɖee fia be Fiaɖuƒehawo dzidzi ɖekae ate ŋu ade dzi ƒo na ame si wòhiã be woade dzi ƒo na. Eŋlɔ bena: “Miyi edzi mianɔ nu fiam mia nɔewo, eye mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo kple psalmowo, Mawu kafukafu nyawo, kple gbɔgbɔmehawo dzidzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe, eye midzi ha le miaƒe dziwo me na Yehowa.”—Kol. 3:16; Dɔw. 16:25.

19. Nu ka tae wòahiã be míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo geɖe wu le ŋkeke siwo gbɔna me, eye nu kae wòle be míawɔ?

19 Dzidede ƒo na mía nɔewo agava hiã geɖe wu zi ale si míekpɔe be Yehowa ƒe ŋkekea “le ɖoɖom.” (Heb. 10:25) Eya ta, abe ale si Paulo gblɔe na ehati Kristotɔwo le eƒe ŋkekea me ene la, “miyi edzi mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo, eye mianɔ mia nɔewo tum ɖo, abe ale si ko miele ewɔm vavã hã ene.”—1 Tes. 5:11.

^ mm. 11 Míetrɔ ŋkɔawo.