Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ  |  No. 3 2016

 NYATI SI LE AKPAA DZI | NE WÒ AME VEVI AÐE KU

Ale Si Nàwɔ Ado Dzi Ne Èle Nu Xam

Ale Si Nàwɔ Ado Dzi Ne Èle Nu Xam

Aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe nya sia ŋu la sɔ gbɔ. Ke hã menye wo katãe ɖea vi o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ame aɖewo aɖo aɖaŋu na wò be nàgafa avi o, alo manyo be nàwɔ esi kple ekemɛ o. Ame bubuwo agblɔ na wò be enyo be nàfa avi eye manyo be nàzi wò seselelãmewo dzi o. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ya da sɔ le nya sia me, eye egbeŋkekea me numekukuwo ɖo kpe edzi.

Le xexea ƒe teƒe aɖewo la, amewo xɔe se be gbɔdzɔgbɔdzɔe wònye be ŋutsu nafa avi. Gake ɖe wòle be wòakpe ŋu na ame be wòafa avi le amewo dome gɔ̃ hã? Susuŋutinunyalawo lɔ̃ ɖe edzi be esɔ le dzɔdzɔme nu be ame nafa avi ne ele nu xam. Eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, avifafa ana wò dzi nadze eme nàyi wò gbe sia gbe dɔwo dzi togbɔ be amea ƒe ku gbã dzi na wò vevie hã. Gake ame ɖokui dzi zizi be yemafa avi o ate ŋu agblẽ nu la ame ŋu. Biblia meda asi ɖe nya si amewo gblɔna be gbɔdzɔgbɔdzɔe wònye be woafa avi ne ame ku na ame la dzi o. Le kpɔɖeŋu me, bu Yesu ŋu kpɔ. Esi Yesu yi exɔlɔ̃ vevi, Lazaro, ƒe ku teƒe la, efa avi le amewo ŋkume, togbɔ be ŋusẽ le esi be wòafɔ ame siwo la ku ɖe tsitre gɔ̃ hã!—Yohanes 11:33-35.

Zi geɖe la, dzikudodo hã kpena ɖe nuxaxa ŋu, vevietɔ ne kua dzɔ kpata le vo me. Susu geɖewo li siwo tae dzi naku ame si dzi kua dzɔ ɖo la ɖo; esia ƒe kpɔɖeŋue nye ne ame aɖe si ŋu wòdea bubui la gblɔ nya aɖe si ŋu mebu nyuie o alo esi mele eteƒe o. Mike, si le South Africa la gblɔ be: “Ƒe 14 koe mexɔ esime fofonye ku. Le kua teƒe la, Anglikan nunɔlaa gblɔ be Mawu hiã ame nyuiwo, eya tae wòkplɔa wo dzonae kaba ɖo. * Nya sia ku dzi nam ŋutɔ, elabena míehiã mía fofoa vevie. Ƒe 63 ye nye esi va yi, gake egaveam kokoko.”

Ke fɔbubu ame ɖokui ya ɖe? Esia dzɔna zi geɖe nenye be kua dzɔ kpata. Eye le go sia me la, ame si dzi kua dzɔ ɖo la ate ŋu anɔ susum be, ‘Ne ɖe mewɔ esi kple ekemɛ la, anye ne amea meku o.’ Alo ɖewohĩ, zi mamlɛtɔ si mia kplii miedo go la, miehe nya. Esia ana nàgabu fɔ ɖokuiwò geɖe wu.

Ne èbua fɔ ɖokuiwò alo doa dziku le amea ƒe ku ta la, manyo be nàmia nu ɖe edzi o. Ke boŋ ele vevie ŋutɔ be nàgblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la na xɔ̃wò aɖe si ase wò nyawo na wò ahaka ɖe edzi na wò be nenemae ame siwo dzi ku dzɔ ɖo la dometɔ geɖe sena le wo ɖokui me. Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi, eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”—Lododowo 17:17.

Mía Wɔla Yehowa Mawue nye Ame nyuitɔ kekeake si ame si le nu xam la ate ŋu adze xɔlɔ̃e. Do gbe ɖa nàgblɔ wò dzimenyawo nɛ, elabena ‘eléa be na wò.’ (1 Petro 5:7) Gawu la, edo ŋugbe be “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la” ana ame siwo katã wɔe alea la ƒe dzi nadze eme eye woƒe susu nadze akɔ anyi. (Filipitɔwo 4:6, 7) Gakpe ɖe eŋu la, na Mawu nada gbe le ŋuwò to eƒe Nya, Biblia, si me nyawo faa akɔ na ame la dzi. Ŋlɔ mawunyakpukpui siwo faa akɔ na ame la ɖi na ɖokuiwò. (Kpɔ  aɖaka si le ete.) Ðewohĩ àdi be yealé wo dometɔ ʋɛ aɖewo ɖe susu me. Ne mawunyakpukpui mawo le susu me na wò la, woate ŋu anye kpekpeɖeŋu gã aɖe na wò,  vevietɔ le zã me ne wò ɖeɖe nèli eye alɔ̃dɔdɔ zu dɔ na wò.—Yesaya 57:15.

Ŋutsu aɖe si míayɔ be Jack, si xɔ ƒe 40 la, srɔ̃ ku nyitsɔ laa le dɔdzẽ (alo kansa) ta. Jack gblɔ be ɣeaɖewoɣi la, yetsi akogo vevie. Ke hã gbedodoɖa kpe ɖe eŋu. Egblɔ be: “Ne medo gbe ɖa na Yehowa la, nyemegasea akogotsitsi ŋkɔ o. Zi geɖe la, menyɔna tso alɔ̃ me eye alɔ̃ meganya dɔna nam o. Gake ne mexlẽ mawunyakpukpui siwo faa akɔ nam hede ŋugble le wo ŋu eye medo gbe ɖa hegblɔ nye dzimenyawo na Mawu la, mekpɔa ŋutifafa le ememe, esia nana nye dzi dzea eme bɔkɔɔ eye nye susu dzea akɔ anyi, si wɔnɛ be megayia alɔ̃ me.”

Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Vanessa la dada dze dɔ eye wòku. Eya hã kpɔ ale si gbegbe gbedodoɖa kpena ɖe ame ŋui. Egblɔ be: “Ne nuxaxa wu tsɔtsɔ nam la, ɖeko meyɔa Mawu ƒe ŋkɔ hedea asi avifafa me. Yehowa se nye gbedodoɖawo eye wòdo ŋusẽm.”

Agbalẽnyala siwo srɔ̃ nu tso nuxaxa ŋu la dometɔ aɖewo ɖo aɖaŋu na ame siwo kpɔtɔ le nu xam le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta la be woawɔ nu siwo aɖe vi na ame bubuwo alo woatsɔ wo ɖokuiwo ana faa akpɔ gome le kpekpeɖeŋunanadɔ aɖe me. Esia wɔwɔ ana amea nakpɔ dzidzɔ eye eƒe nuxaxa dzi naɖe akpɔtɔ. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Kristotɔ siwo le woƒe ame vevi siwo ku fam la dometɔ geɖe kpɔe be kpekpeɖeŋunana ame bubuwo wɔnɛ be yewokpɔa dzidzeme geɖe.—2 Korintotɔwo 1:3, 4.

^ mm. 5 Esia menye Biblia ƒe nufiafia o. Biblia na míenya nu etɔ̃ siwo tae amewo kuna ɖo.—Nyagblɔla 9:11; Yohanes 8:44; Romatɔwo 5:12.