Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpeɖodzi Aɖe Si Na Míekpɔ Ale Si Nyagblɔɖiwo De Pɛpɛpɛ

Kpeɖodzi Aɖe Si Na Míekpɔ Ale Si Nyagblɔɖiwo De Pɛpɛpɛ

WOLI ŊKUÐODZIKPE SIA ÐE ITALY LE ROME DUGÃ ME SI AMEWO ÐIA TSA TSO XEXEA ƑE AKPA SIA AKPA VA KPƆNA TSƆ ÐOA ŊKU AƲADZIÐUÐU GÃ LA DZI. WOLI KPE SIA BE WOATSƆ ADE BUBU ROMATƆWO ƑE FIAGÃWO DOMETƆ ÐEKA SI NYE TITUS ŊU.

Titus Ƒe Ŋkuɖodzikpe nye kpe gã eve siwo ŋu woɖe nutatawo ɖo, siwo ɖoa ŋku ŋutinyamenudzɔdzɔ nyanyɛ aɖe dzi. Gake nu si ame geɖe menya o ye nye be ŋkuɖodzikpe sia tɔ asi Biblia me nya vevi aɖe dzi. Eyae nye be, Titus Ƒe Ŋkuɖodzikpe la ɖo kpe ale si Biblia me nyagblɔɖiwo de pɛpɛpɛ la dzi numaƒomaƒoe.

DU SI WOBU FƆ

Le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe gɔmedzedzea, Roma Fiaɖuƒea keke ta tso Britain kple Gaul (si nye France fifia) va ɖo Egipte, nu dze edzi na emenɔlawo eye woɖe dzi ɖi. Gake nuto aɖe si nɔ adzɔge nye taɖui gã aɖe na Roma, nuto mae nye Yudea, si di be woana ablɔɖe yewo la.

Agbalẽ aɖe (The Encyclopedia of Ancient Rome) gblɔ be: “Nuto ʋɛ aɖewo siwo nɔ Roma ƒe kpɔkplɔ te le akpa evea medi kura be Roma naɖu yewo dzi o, wo dometɔ ɖekae nye Yudea. Yudatɔwo gbe be du bubu me tɔ siwo metsɔ ɖeke le yewoƒe dekɔnuwo me o la naɖu yewo dzi o, eye esia na Romatɔwo hã te Yudatɔwo ɖe anyi.” Yudatɔ geɖe nɔ mɔ kpɔm be dziɖula aɖe ava nya Romatɔ sẽŋutawo eye Israel navo. Gake le ƒe 33 K.Ŋ. la, Yesu Kristo gblɔe ɖi be vɔ̃ gã aɖe boŋue ava dzɔ ɖe Yerusalem dzi.

Yesu gblɔ be: “Ŋkekewo gbɔna na wò esime wò futɔwo atu ati biɖoebiɖoewo aƒo xlã wò godoo va kpe, woaɖe to ɖe wò eye woaxaxa wò ɖo le goawo katã me. Woatsɔ wò kple viwò siwo le mewò la axlã ɖe anyi, eye womagblẽ kpe ɖe kpe dzi le mewò o.”Luka 19:43, 44.

Yesu ƒe nyawo anya wɔ nuku na eƒe nusrɔ̃lawo. Ŋkeke eve megbe esi nusrɔ̃lawo nɔ ŋku lém ɖe Yerusalem gbedoxɔa ŋu la, wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nufiala, kpɔ kpe siawo kple xɔ siawo gbegbe ɖa!” Le nyateƒe me la, woka nya ta be kpe siwo wotsɔ tu gbedoxɔa la dometɔ aɖewo didi afɔ 35 (meta 11), keke afɔ 15 (meta 5), eye wokɔ afɔ 10 (meta 3)! Gake Yesu gblɔ be: “Nu siawo siwo kpɔm miele la, ŋkekewo gbɔna, esime womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le afi sia, si womamu aƒu anyi o.”Marko 13:1; Luka 21:6.

Yesu gblɔ kpe ɖe eŋu na wo be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem la, ekema minyae be eƒe aƒedozuɣi gogo. Ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi, eye ame siwo le Yerusalem la nadzo, eye ame siwo le agbletawo la nagatrɔ ayi eme o.” (Luka 21:20, 21) Ðe Yesu ƒe nyawo va emea?

WOTSRƆ̃ DUGÃ AÐE

Ƒe blaetɔ̃ vɔ etɔ̃ va yi, eye ekua dzi na Yudatɔwo be yewogakpɔtɔ le Romatɔwo ƒe ŋusẽ te. Gake le ƒe 66 K.Ŋ., esi Roma dziɖuɖumegã Gessius Florus si nɔ Yudea nutoa dzi kpɔm fi ga le gbedoxɔ kɔkɔea ƒe nudzraɖoƒea la, eho dzi na Yudatɔwo, eglo wo azɔ. Eya ta Yudatɔwo tso ɖe Roma-srafo siwo le Yerusalem dua me la ŋu hewu woƒe asrafoha ɖeka, eye wogblɔ be yewomegale Roma dziɖuɖua te o.

 Anɔ ɣleti etɔ̃ megbe la, Roma-srafo siwo wu 30,000 si Cestius Gallus nɔ ŋgɔ na la ho ɖe Yerusalem ŋu be yewoatsi aglãdzedzea nu. Roma-srafoawo ge ɖe dua me, eye wote gbedoxɔa ƒe gliawo te kuku be yewoage ɖe eme. Gake kasia wodzudzɔ eye wotrɔ dzo. Dzi dzɔ Yudatɔ aglãdzelawo eye woti wo yome. Esi aʋawɔlawo katã do le dua me la, Kristotɔ siwo di be yewoawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi la, si le Yerusalem yi towo dzi le Yordan Tɔsisia godo.—Mateo 24:15, 16.

Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Roma-ʋafia Vespasian kple via, Titus gbugbɔ ho aʋa ɖe Yudea ŋu. Ke hã esi Fiagã Nero ku le ƒe 68 K.Ŋ. la, Vespasian trɔ yi Roma be yeaxɔ fiazia, eye wogblẽ aʋa si woho ɖe Yuda ŋu la ɖe via Titus kple asrafo 60,000 la si me.

Le June ƒe 70 K.Ŋ. la, Titus ɖe gbe na eƒe asrafowo be woalã ati siwo katã le Yudea nutowo me, eye woakpa enu biɖoebiɖoe atsɔ atɔ kpɔ si ƒe didime nye kilometa 7 ƒo xlã Yerusalem. Kaka September naɖo la, Romatɔwo ha dua me nuwo eye wotɔ dzo dua kple gbedoxɔa eye womegblẽ kpe aɖeke ɖe kpe dzi o, abe ale si tututu Yesu gblɔe ɖi do ŋgɔ ene. (Luka 19:43, 44) Le akɔntabubu aɖe ƒe nya nua, “ame siwo ade 500,000 sɔŋ ye ku le Yerusalem kple du siwo ƒo xlãe me.”

FIA AÐE ƑE AƲADZIÐUÐU

Le ƒe 71  K.Ŋ. la, Titus trɔ yi Italy eye Romatɔwo do bibibi ɖe eŋu. Dua me tɔwo katã ɖu aʋadziɖuɖu ƒe azã gã si tɔgbi womeɖu kpɔ o la le dugãa me.

Kesinɔnu gbogbo siwo wolɔ yi Roma la kpɔkpɔ wɔ nuku na wo ale gbegbe. Tɔdziʋu siwo woxɔ, Gbedoxɔmenu gbogbo siwo wolɔ le aʋaa me tso Yerusalem va dua me siwo wokpɔ la na woƒe nu ku.

Titus va zu fiagã ɖe fofoa Vespasian teƒe le ƒe 79 K.Ŋ. Gake le ƒe eve pɛ ko megbe la, Titus ku kpata. Nɔviaŋutsu Domitian, va xɔ ɖe eteƒe eye wòɖi aʋadziɖuɖu ƒe ŋkuɖodzikpe be woatsɔ ade bubu Titus ŋu.

NU SI ŊKUÐODZIKPEA FIA EGBEA

Titus Ƒe Ŋkuɖodzikpe si le Rome egbea

Egbea Titus Ƒe Ŋkuɖodzikpea wɔa nuku na ame akpe gbogbo siwo ɖia tsa yia Rome. Ame aɖewo bua ŋkuɖodzikpea be enye nu ɖedzesi, ame bubuwo bunɛ be enye Roma dziɖuɖua ƒe bubu, eye ame bubuwo hã bunɛ be enye nu si ɖoa ŋku Yerusalem kple eƒe gbedoxɔ si wogbã la dzi.

Ke hã ame siwo xlẽa Biblia eye wodea dzesi nuwo ya bua Titus Ƒe Ŋkuɖodzikpea be ewɔa nu bubu aɖe kura. Eɖo kpe edzi numaƒomaƒoe be Biblia me nyagblɔɖiwo nye nu si dzi woate ŋu aka ɖo, wode pɛpɛpɛ eye be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo wogblɔ nyawo ɖi.—2 Petro 1:19-21.