Le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe adame la, wowu Yesu Nazaretetɔ la. Wotso enu alakpatɔe be ele eƒom ɖe amewo nu be woadze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu, woƒoe tagbɔsesẽtɔe, eye woklãe ɖe ati ŋu. Ese veve helĩhelĩ yi ɖe ku me. Gake Mawu fɔ Yesu tso ku me, eye wòyi dziƒo le ŋkeke 40 megbe.

Nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia ŋuti nya dze le Nyanyuigbalẽ ene siwo le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, siwo wogayɔna be Nubabla Yeye la me. Ðe nu mawo dzɔ ŋutɔŋutɔa? Biabia sia sɔ eye wòle vevie hã. Ne nu siawo medzɔ ŋutɔŋutɔ o la, ekema Kristotɔwo ƒe xɔse la nye nu dzodzro eye drɔ̃e gbɔlo koe agbenɔnɔ le Paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔa hã nye. (1 Korintotɔwo 15:14) Gake ne wodzɔ vavã la, ekema etsɔme nyui aɖe le ŋgɔ na ameƒomea, eye wò hã àte ŋu akpɔ gome le eme. Eya ta biabia lae nye be, nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo ŋue Nyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖiawo ƒo nu tsoe loo alo nyakpakpawoe wonye?

NU SI NYATEƑENYAWO ÐE FIA

Nyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖiwo mele abe glitoto siwo woɖe ami ɖo ene o, ke boŋ wonye nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖi beléletɔe eye wogblɔ nyawo tsitotsito. Le kpɔɖeŋu me, woyɔ du geɖewo ŋkɔ le wo me, eye duawo dometɔ geɖe li egbea amewo ate ŋu aɖi tsa ayi. Nuŋlɔɖiawo ƒo nu tso ame siwo nɔ anyi kpɔ, siwo ŋu ŋutinyaŋlɔlawo hã ŋlɔ nu tsoe la ŋu.—Luka 3:1, 2, 23.

 Ŋutinyaŋlɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia me siaa ŋlɔ nu tso Yesu ŋutɔ hã ŋu. * Nya siwo Nyanyuigbalẽawo ŋlɔlawo gblɔ tso ale si wowui ŋu la wɔ ɖeka kple ale si Romatɔwo wua ame siwo wotso kufia na le ɣeyiɣi mawo me. Gakpe ɖe eŋu la, nu siwo dzɔ ŋutɔŋutɔ ŋue woƒo nu tsoe eye woyi nyaawo gbɔ tẽe—woƒo nu tso Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo gɔ̃ hã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. (Mateo 26:56; Luka 22:24-26; Yohanes 18:10, 11) Esiawo katã nye kpeɖodzi sẽŋu siwo ɖee fia be nya siwo Nyanyuigbalẽawo ŋlɔlawo gblɔ tso Yesu ŋu la nye nyateƒe eye wode pɛpɛpɛ.

KE YESU ƑE TSITRETSITSIA YA ÐE?

Togbɔ be ame geɖe xɔe se be Yesu nɔ anyi kpɔ heku hã la, ame aɖewo agblɔ be womefɔe ɖe tsitre o. Eƒe apostolowo gɔ̃ hã mexɔe se gbã be wofɔe ɖe tsitre o. (Luka 24:11) Gake esi apostoloawo kple nusrɔ̃la bubuawo ŋutɔ kpɔ Yesu si wofɔ ɖe tsitre la le ɣeyiɣi vovovowo me la, wodzudzɔ ɖikeke. Le nyateƒe me la, ame siwo wu 500 sɔŋ la kpɔe le ɣeyiɣi ɖeka me.—1 Korintotɔwo 15:6.

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã eƒe tsitretsitsia dzinɔameƒotɔe na amewo katã, woɖe gbeƒãe na ame siwo wui la gɔ̃ hã, togbɔ be wonyae be woate ŋu alé yewo ahawu yewo hã. (Dɔwɔwɔwo 4:1-3, 10, 19, 20; 5:27-32) Ne ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo meka ɖe edzi bliboe be wofɔe ɖe tsitre vavã o la, ɖe dzi aɖo wo ame gbogbo mawo ƒo nenema gbegbea? Le nyateƒe me la, esi wofɔ Yesu ɖe tsitre vavã tae Kristotɔnyenye xɔ aƒe ɖi le blemaxexea kple egbeŋkekea me siaa ɖo.

Nu siwo katã ɖea dzesi le ŋutinya me nuŋlɔɖi si de pɛpɛpɛ ŋu la dze le nya si Nyanyuigbalẽawo gblɔ tso Yesu ƒe ku kple tsitretsitsia ŋu la ŋu. Ne ègbɔ dzi ɖi xlẽ nuŋlɔɖi mawo nyuie la, àva ka ɖe edzi be nu siwo ŋu woƒo nu tsoe la dzɔ ŋutɔŋutɔ. Eye ne èva se nu si tututu tae nu mawo dzɔ ɖo gɔme la, wò kakaɖedzia me agasẽ ɖe edzi wu. Nyati si kplɔe ɖo la aɖe nya sia me.

^ mm. 7 Tacitus, si wodzi le ƒe 55 K.Ŋ. me lɔƒo la, ŋlɔ bena “Pontio Pilato, si nye míaƒe nutodziɖulawo dometɔ ɖeka la tso kufia na Kristo, ame si ƒe ŋkɔ me ŋkɔ [Kristotɔwo] dzɔ tso la, le Tiberio ƒe dziɖuɣi.” Ŋutinyaŋlɔla bubu siwo hã ƒo nu tso Yesu ŋue nye Suetonius (ƒe alafa gbãtɔ); Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus (ƒe alafa gbãtɔ); Pliny Suetɔ, si nye Bitinia ƒe nutomefia (ƒe alafa evelia ƒe gɔmedzedze).