Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Wò Ame Vevi Aɖe Dze Dɔ

Ne Wò Ame Vevi Aɖe Dze Dɔ

“Esi wodi be woaɖe asi le Papa ŋu le kɔdzi la, míebia ɖɔktaa be wòato Papa ƒe ʋu si wodo kpɔ la me kpli mí. Ðɔktaa ka ɖe edzi na mí be nu sia nu nyo, gake egato wo me dɔmenyotɔe. Ewɔ nuku nɛ esi wòkpɔe be wo dometɔ eve menyo o! Eɖe kuku na mí eye wòdzro kuxia me kple ɖɔkta bubu si nya nu tso eŋu nyuie. Papa li nyuie fifia, gake dzi dzɔ mí be míebia nya ma ɖɔktaa ɣemaɣi.”—Maribel.

Hafi miayi kɔa dzi la, kpe ɖe dɔnɔa ŋu wòaŋlɔ ale si nua le ewɔmee kple atike siwo zãm wòle la ɖi

Ðɔkta kpɔkpɔ kple kɔdzi tsitsi ate ŋu ana ame natsi dzodzodzoe. Abe ale si Maribel ƒe nyawo va yii ene la, kpekpeɖeŋu si xɔlɔ̃ alo ƒometɔ ana la ate ŋu aɖe vi geɖe—ate ŋu axɔ ame ɖe agbe gɔ̃ hã. Aleke nàte ŋu akpe ɖe wò ame vevi aɖe si dze dɔ ŋu?

Hafi miayi ɖɔkta gbɔ. Kpe ɖe dɔnɔa ŋu wòaŋlɔ ale si nua wɔnɛ kple atike siwo zãm wòle la ɖi. Azɔ hã na wòaŋlɔ nya siwo wòadi be yeabia ɖɔktaa la hã ɖi. Kpe ɖe eŋu wòaɖo ŋku nu sia nu si wònya tso ale si nua wɔnɛ dzi kple nenye be ƒomea me tɔ aɖe lé dɔ ma kpɔ. Mègasusu be ɖɔktaa ŋutɔ nya nu sia nu tso dɔlélea ŋu xoxo loo alo abia nya siwo katã hiã tso eŋu o.

Ðo to nyuie, bia nyawo bubutɔe eye nàwɔ nuŋlɔɖiwo

Ne mieyi ɖɔktaa gbɔ. Kpɔ egbɔ be wò kple dɔnɔa siaa miese nu si ɖɔktaa gblɔ la gɔme nyuie. Bia nyawo gake ƒo asa na tɔtete ɖe nya siwo nàgblɔ dzi. Ðe mɔ na dɔnɔa ŋutɔ wòaƒo nu eye wòabia nyawo. Ðo to nyuie eye nàwɔ nuŋlɔɖiwo. Bia nya tso dɔdamɔnu vovovo siwo li la ŋu. Le go aɖewo me la, ɖewohĩ asɔ be nàdoe ɖe dɔnɔa gbɔ be wòayi aɖakpɔ ɖɔkta bubu.

Midzro mɔfiame siwo ɖɔktaa na kple ale si wòazã atikeawoe la me

Ne miegbɔ va aƒe me. Dzro ale si miede ɖɔktaa gbɔe la me kple dɔnɔa. Kpɔ egbɔ be atike siwo tututu hiã la ka esi. De dzi ƒo nɛ be wòazã atikeawo pɛpɛpɛ abe ale si ɖɔktaa gblɔe ene, eye wòana ɖɔktaa nanya enumake nenye be atikea zazã na be nu bubu aɖe dzɔ ɖe edzi. De dzi ƒo na dɔnɔa be wòagatsi dzi akpa o eye de dzi ƒo nɛ be wòazɔ ɖe ɖɔktaa ƒe mɔfiame bubuwo abe tɔtrɔ ayi aɖakpɔ ɖɔktaa ake ene dzi. Kpe ɖe eŋu be wòasrɔ̃ nu geɖe tso dɔlélea ŋu.

 Ne Mieva Ðo Kɔa Dzi

Kpɔ egbɔ be yewokpe kɔdzigbalẽviwo ɖo nyuie

Ðe dzi ɖi eye nànɔ ŋudzɔ. Ne dɔnɔ le kɔdzi yim la, ate ŋu atsi dzimaɖi, eye wòakpɔe be wɔna mele ye ŋu o. Gake ne èɖe dzi ɖi hele ŋudzɔ la, awɔe be ame sia ame hã naɖe dzi ɖi, eye esia ana nàƒo asa na vodadawo wɔwɔ. Kpɔ egbɔ be yewokpe kɔdzigbalẽviwo ɖo nyuie. De bubu dɔnɔa ƒe gomenɔamesi be wòatso nya me le atike siwo wòadi be woawɔ na ye la ŋu. Ne lãmea te ɖe edzi ale gbegbe be mate ŋu awɔ esia o la, ekema zɔ ɖe mɔfiame siwo wòŋlɔ ɖi ku ɖe eƒe didi le atikewɔnyawo me ŋu la dzi alo nàwɔ ɖe mɔfiame siwo ame si wòtia be wòaƒo nu ɖe ye nu le atikewɔnyawo me ana la dzi. *

Ne ède dzesi tɔtrɔ aɖewo le dɔnɔa ŋu la na ɖɔktaawo nanya

Ðe afɔ siwo sɔ. Vɔvɔ̃ megaɖo wò nàmia nu o. Ale si nàdo awu le nɔnɔme nyui me kple nɔnɔme nyui si nàɖe afia la aʋã kɔdzidɔwɔlawo be woalé be na dɔnɔa eye ate ŋu aʋã wo kura gɔ̃ hã be ale si woakpɔ dɔnɔa gbɔe naganyo ɖe edzi wu. Le kɔ geɖewo dzi la, ɖɔkta vovovowoe kpɔa dɔnɔwo gbɔ. Àte ŋu agblɔ nu si ɖɔkta si do ŋgɔ wɔ la na ɖɔkta si va xɔ ɖe eteƒe. Wòe nya dɔnɔa nyuie, eya ta ne ède dzesi tɔtrɔ aɖewo le eƒe nuwɔna kple nuŋububu ŋu la na woanya.

Dze agbagba be nàgado kplamatsɛ kɔdzidɔwɔlawo ƒe dɔwo o

De bubu dɔwɔlawo ŋu eye nàda akpe. Zi geɖe la, kɔdzidɔwɔlawo ƒe dɔ tea ɖeɖi wo ŋu. Eya ta wɔ nu ɖe wo ŋu abe ale si nàdi be woawɔ nu ɖe ye ŋui ene. (Mateo 7:12) De bubu woƒe dɔa kple ale si wowɔa dɔae la ŋu, eye nàka ɖe woƒe ŋutetewo dzi ahada akpe na wo ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. Bubudede wo ŋu alea ate ŋu ade dzi ƒo na wo be woawɔ woƒe ŋutetewo katã.

Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu adze dɔ. Gake ne èbu nuwo ŋu nyuie do ŋgɔ eye nèna kpekpeɖeŋu si hiã la, àte ŋu akpe ɖe wò ame vevi si dze dɔ la ŋu.—Lododowo 17:17.

^ mm. 8 Se siwo kplɔa dɔnɔwo kple woƒe gomenɔamesi to vovo le dukɔ ɖe sia ɖe me. Kpɔ egbɔ be wokpe dɔnɔa ƒe ŋuŋlɔɖi siwo ku ɖe eƒe didi le atikewɔnyawo me ŋu la ɖo nyuie eye wode pɛpɛpɛ.