KUXIA

Wò kple srɔ̃wò mieʋli nya aɖe vɔ koe nye ema. Ègblɔ na ɖokuiwò be, ‘mehiã be maɖe kuku o, menye gbɔnyee agɔdzedzea tso o!’

Mieɖe asi le nyaa ŋu gake dziku gakpɔtɔ li. Èkpɔe be ele be yeaɖe kuku na ye srɔ̃, gake ele sesẽm na wò be nàbɔbɔ ɖokuiwò ahagblɔ nya bɔbɔe mawo be, “Tɔnye medzɔ o.”

NU SI GBƆ WÒTSONA

Dada. Charles * si nye srɔ̃ŋutsu la lɔ̃ ɖe edzi be, “ɣeaɖewoɣi la esesẽna nam be magblɔ be tɔnye medzɔ o, elabena mesena le ɖokuinye me be bubu si le ŋunye la aɖiɖi.” Dada ate ŋu ana ŋu nakpe ame ne elɔ̃ ɖe edzi be vodada aɖewo tso ye gbɔ.

Susu si le amewo si. Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me be ne ye gbɔe vodadaa tso la ke kukuɖeɖe asɔ. Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Jill gblɔ be: “Ne menya be gbɔnyee vodadaa katã tso la, enɔa bɔbɔe nam be magblɔ be ‘tɔnye medzɔ o.’ Gake ne vodadaa tso mi ame evea gbɔ la, esesẽna nam be maɖe kuku. Nu ka ta wòle be nyee aɖe kuku evɔ wònye mi ame evea siaae wɔ nu si mesɔ o?”

Àte ŋu ase le ɖokuiwò me hã be esɔ be yeagbe kukuɖeɖe, elabena èkpɔe be srɔ̃wò gbɔe vodadaa katã tso. Joseph si nye srɔ̃ŋutsu gblɔ be: “Ne èka ɖe edzi vevie be menye ye gbɔe vodadaa tso o la, agbe kukuɖeɖe atsɔ aɖee afia be ye tɔ dzɔ.”

Ale si wohe míi. Ðewohĩ wohe wò le aƒe si me mebɔ be ame naɖe kuku ne edze agɔ o la me. Ne nenemae la, ke mèsrɔ̃ ale si wolɔ̃na ɖe ame ƒe vodadawo dzi o. Esi mèsrɔ̃e le ɖevime o ta la, esi nèva tsi la, kukuɖeɖe tso dzi me va zu nu sesẽ na wò.

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Kukuɖeɖe ate ŋu atsi dzre si fe ati abe dzobibi ene la nu

Wò susu nènɔ srɔ̃wòa ŋu. Dze agbagba nàɖo ŋku ɣeyiɣi si me ame aɖe ɖe kuku na wò kple ale si esia na wò dzi dze emee la dzi. Nu ka ta màna srɔ̃wò hã ƒe dzi nadze eme nenema o? Ne èse le ɖokuiwò me be yemedze agɔ kura gɔ̃ hã o la, àte ŋu aɖe kuku ɖe veve si srɔ̃wòa se alo ɖe wò nuwɔna si menye ɖe nèɖoe hafi o la ta. Ne èɖe kuku alea la ana srɔ̃wò ƒe dzi nafa.—Biblia ƒe mɔfiame: Luka 6:31.

Wò srɔ̃ɖeɖea nenɔ vevie na wò. Mègabu kukuɖeɖe be enye ye dzi ɖuɖu ƒe dzesi o, ke boŋ enye nu si ana wò srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze. Lododowo 18:19 gblɔ be, ame si dzi wodze agɔ le eye wòdo dziku la, “tri akɔ wu du sesẽ.” Manɔ bɔbɔe alo anya wɔ be nàwɔ ŋutifafa le nɔnɔme sia me o. Gake ne èɖe kuku la, awɔe be nɔnɔmea mado gã ɖe edzi o. Ne èwɔe alea la, èle eɖem fia be yeƒe srɔ̃ɖeɖea le vevie na ye.—Biblia ƒe mɔfiame: Filipitɔwo 2:3.

Nye ame si ɖea kuku kaba. Enye nyateƒe be kukuɖeɖe manɔ bɔbɔe ne menye gbɔwòe vodada katã tso o. Gake masɔ be nàtsɔ srɔ̃wò ƒe vodada aɖe ɖokuiwò nu ale be wò hã nàwɔ nu si mesɔ o. Eya ta mègahe kukuɖeɖe ɖe megbe ahanɔ susum be ne ɣeyiɣiawo va le yiyim ko la ye srɔ̃a aŋlɔ vodadaa be o. Kukuɖeɖe ana wòate ŋu anɔ bɔbɔe na srɔ̃wò hã be wòaɖe kuku ne eda vo ɖe ŋuwò. Ne èɖea kuku ɖe wò vodadawo ta la, ava nɔ bɔbɔe na wò.—Biblia ƒe mɔfiame: Mateo 5:25.

Ðee fia be etso yeƒe dzi me. Ame ɖokui nu ɖeɖe mefia be ame le kuku ɖem o. Eye ɖewohĩ gbɔgblɔ ko be, “Tɔnye medzɔ o, nyemenya be nu sue ma hã ave wò o,” la menye kukuɖeɖe kura o! Ne èsusu be nu si yewɔ menye nane si ana ame nase veve o gɔ̃ hã la, lɔ̃ ɖe wò vodadaa dzi eye lɔ̃ ɖe edzi hã be yewɔ nu si ve ye srɔ̃.

Lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Lɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be yeawɔ vodada godoo. Elabena ame sia ame wɔa vodada. Ne èsusui be yemeda vo le nɔnɔme aɖe me o hã la, menye ale si wò ya nèle esusum ye afia kokoko be tɔwò dzɔ o. Biblia gblɔ be: “Ame gbãtɔ si va gblɔ eƒe nya la dzena ame dzɔdzɔe, va se ɖe esime ame evelia va bia gbee.” (Lododowo 18:17) Ne èlɔ̃ ɖe edzi be yeate ŋu awɔ vodada la, anɔ bɔbɔe na wò be nàɖe kuku ne èwɔ nu si mesɔ o.

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.