Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Fia Viwò Ale Si Wòaɖu Eɖokui Dzi

Fia Viwò Ale Si Wòaɖu Eɖokui Dzi

KUXIA

Edze abe viwò si xɔ ƒe ade menya naneke tso ɖokuidziɖuɖu ŋu o ene. Ne ekpɔ nane si dzroe la, edina be yeƒe asi nasu edzi enumake! Ne edo dɔmedzoe la, edoa ɣli sesĩe. Eya ta èbiaa ɖokuiwò be ‘alea koe ɖeviwo wɔa nuia? Ðe wòava ɖe asi le nɔnɔme siawo ŋu ne eva tsia alo ɖe ɣeyiɣia de be mafia ale si wòaɖu eɖokui dzia?’

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Egbea amewo megatea ŋu ɖua wo ɖokui dzi o. Agbalẽnyalagã David Walsh gblɔ be: “Le xexe si ɖea mɔ ɖe nu sia nu ŋu me la, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa sea nya si dea dzi ƒo na ame gbe sia gbe be wòawɔ nu si dze eŋu. Aɖaŋuɖola siwo si susu nyui le kple esiwo dia viɖe le ame ŋu siaa ɖoa aɖaŋu ɣesiaɣi be ame nawɔ nu sia nu si dzroe.” *

Ðokuidziɖuɖu fiafia ɖevi kaba le vevie. Le numekuku aɖe si xɔ ɣeyiɣi didi aɖe me la, numekulawo tsɔ kpetike ɖekaɖeka na ɖevi siwo xɔ ƒe ene ƒe hatsotso aɖe, eye wogblɔ na wo be woate ŋu atiae be yewoaɖui enumake loo alo alala vie hafi aɖui, gake ne wolala vie la, woaɖo woƒe dzigbɔɖia teƒe na wo kple kpetike bubu ɖeka. Esi ɖeviawo wu sekɛndrisuku (lycée) nu la, ɖevi siwo ɖu wo ɖokuiwo dzi esi woxɔ ƒe ene wɔ dɔ nyuie le suku, eye le seselelãme kple hadomegbenɔnɔ gome la, wodzea agbagba wu wo tɔ siwo ɖu kpetikea enumake.

Ðokuidziɖuɖu mafiamafia ɖevi ate ŋu agblẽ nu geɖe. Numekulawo de dzesii be nu siwo me ɖeviwo tona kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe ahɔhɔ̃ dzi. Agbalẽnyalagã Dan Kindlon ŋlɔ be: “Ne míewɔa vi na mía viwo la, míenaa wosrɔ̃a ale si woalala wòaɖo wo dzi, azi woƒe nudzodzrowo dzi, anɔ te ɖe tetekpɔ nu la wo o, tɔtrɔ siwo yia edzi le míaƒe ahɔhɔ̃ me si nana be ame tea ŋu nɔa te sesĩe la, masu ɖeviwo si o.” *

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Ðo kpɔɖeŋu. Ðe wò ŋutɔ ètea ŋu ɖua ɖokuiwò dzia? Ne èle ʋu me le mɔ si dzi ʋuwo sɔ gbɔ ɖo la, ɖe viwòwo kpɔnɛ be èdoa dzikua, ɖe nètsoa ame bubuwo ŋgɔ le fiase mea, xɔa nya le amewo nu ne èle dze ɖom kpli woa? Aƒetɔ Kindlon yi edzi be: “Mɔ bɔbɔe si dzi míato akpe ɖe mía viwo ŋu woasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖue nye be mía ŋutɔwo míaɖu mía ɖokui dzi.”—Biblia ƒe mɔfiame: Romatɔwo 12:9.

Fia viwò nu si ado tso eme ne meɖu eɖokui dzi o. Le eƒe ƒexɔxɔ nu la, fiae viɖe siwo ado tso eme ne eɖu eɖokui dzi kple nu siwo agblẽ ne meɖu eɖokui dzi o. Le kpɔɖeŋu me, ne viwò do dziku le esi ame aɖe mewɔ nu ɖe eŋu nyuie o ta la, na wòabia eɖokui be: ‘Ðe wɔɖenui akpɔ kuxia gbɔ loo alo agblẽe ɖe edzia? Ðe mɔ bubu aɖe li si dzi woato akpɔ kuxia gbɔ, ɖewohĩ axlẽ nu tso ɖeka va se ɖe ewo be dzikua nu nafaa? Ðe wòanyo be woadzo le teƒea?’—Biblia ƒe mɔfiame: Galatiatɔwo 6:7.

Wɔ nu si ade dzi ƒo na viwò. Kafu viwòa ne eɖu eɖokui dzi le nane me. Na wòanya be manɔ bɔbɔe ɣesiaɣi be wòaɖu eƒe dzodzrowo dzi o, gake ne eɖu eɖokui dzi le nane me la, ke ele eɖem fia be yenye ame si li ke! Biblia gblɔ be: “Ame si meɖua eƒe dziku dzi o la le abe du si ŋu wogbã gli le wòtsi nuvo ene.” (Lododowo 25:28) To vovo na ema la, “ame si gbɔa ɖi dzi blewu la nyo wu kalẽtɔ.”—Lododowo 16:32.

Miwɔ wɔwɔfia. Miwɔ wɔwɔfia aɖe si miayɔ be “Nu Kae Nàwɔ Le Nɔnɔme Sia Me?” alo “Tiatia Nyuiwo, Tiatia Gbegblẽwo” alo bubu aɖe. Midzro nɔnɔme siwo viwòa ate ŋu ado goe kple ale si wòawɔ nui la me, gblɔ ale si wòawɔ nui la nɛ—“nyuitɔ” kple “gbegblẽtɔ” siaa. Miwɔ nu ŋutɔŋutɔwo: Ne mielɔ̃ la, miate ŋu azã atividzĩwo, nutatawo, alo nu bubu siwo ana fefea navivi, eye nufiame nyuiwo nanɔ eme. Wò taɖodzinu nanye be nàkpe ɖe viwòa ŋu wòasrɔ̃ ale si wòaɖu eɖokui dzi tsɔ wu be wòanye ame si metea ŋu ɖua eɖokui dzi o.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 29:11.

Gbɔ dzi ɖi. Biblia gblɔ be: “Bometsitsi bla ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu.” (Lododowo 22:15) Eya ta mègakpɔ mɔ be viwòa asrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu le zãdodo ɖeka kple eƒe ŋukeke me o. Agbalẽ si nye Fia Nu Viwò Nyuie (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be, “esia nye dɔ si woawɔ dzigbɔɖitɔe hena ɣeyiɣi didi, ɣeaɖewoɣi nuwo mayi nyuie o, gake mègana ta o.” Ke hã wò agbagbadzedzewo mazu dzodzro o. Agbalẽa gblɔ kpee be: “Anɔ bɔbɔe na ɖevi si tea ŋu ɖua eɖokui dzi la be wòagbe ne wodo atikevɔ̃ɖi zazã ɖe egbɔ esime wòxɔ ƒe wuieve alo ne wodo gbɔdɔnyawo ɖe egbɔ esime wòxɔ ƒe wuiene.”

^ mm. 6 Etso agbalẽ si nye, Gbeɖe: Nu Si Tae Wòhiã Be Ðeviwo Katã Nasee Kple Mɔ Siwo Dzi Dzilawo Ato Agblɔe me. (Ele Eŋlisigbe me.)

^ mm. 8 Etso agbalẽ si nye, Ne Nu Nyuiwo Sɔ Gbɔ Akpa—Vihehe Be Wòaɖɔ Ʋɔ Le Xexe Si Ðea Mɔ Ðe Nu Ŋu Me. (Ele Eŋlisigbe me.)