Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèzãa Mɔ̃ɖaŋunuwo Nyuiea?

Ðe Nèzãa Mɔ̃ɖaŋunuwo Nyuiea?

Videofefewo ƒoƒo zu numame na Jenni. Egblɔ be: “Meƒoa videofefewo gaƒoƒo enyi gbe sia gbe, eye nye ŋutɔ mekpɔe be ezu kuxi sesẽ aɖe nam.”

Dennis tee kpɔ be yeanɔ anyi kwasiɖa ɖeka elektrɔnikmɔ̃wo kple Internet mazamazãe. Gake gaƒoƒo 40 ko wòte ŋu wɔ.

Menye sɔhɛwoe Jenni kple Dennis nye o. Jenni nye vidada si si vi ene le eye wòxɔ ƒe 40. Dennis ya xɔ ƒe 49.

ÈZÃA mɔ̃ɖaŋunuwoa? * Ame geɖewo alɔ̃ be yewozãnɛ, eye naneke megblẽ le eŋu o. Elektrɔnikmɔ̃wo wɔa akpa vevi aɖe le dɔwɔnyawo, hadomegbenɔnɔ kple modzakaɖeɖe me.

Gake abe ale si wòle le Jenni kple Dennis gome ene la, ame geɖewo zãa mɔ̃ɖaŋunu siawo dometɔ aɖewo fũu akpa. Le kpɔɖeŋu me, Nicole si xɔ ƒe 20 gblɔ be: “Etena ɖe dzinye be magblɔe, gake nyateƒeae nye be nye asitelefon ye va zu xɔ̃nye vevitɔ. Mekpɔa egbɔ be ele gbɔnye ɣesiaɣi. Ne mele teƒe aɖe si asitelefon mele dɔ wɔm le o la, metsia dzodzodzoe eye ne gaƒoƒo afã va yi la, medina vevie be makpɔ ɖa be ame aɖe ŋlɔ nane ɖo ɖem hã. Eɖi kokoe vie!”

Ame aɖewo tsɔa mɔ̃ɖaŋunu aɖewo dana ɖe wo ɖokui gbɔ tsɔ nɔa nyatakaka yeyewo xɔm le zã me. Eye ne woƒe mɔ̃ɖaŋunua mele wo gbɔ o la, woƒe lãme mekɔna o. Numekula  aɖewo yɔ nɔnɔme sia be numame, ate ŋu anye be mɔ̃ɖaŋunuwo katã alo internet loo alo asitelefon deŋgɔwo zazãe zu numame na wo. Ame aɖewo medina be yewoayɔ nɔnɔme sia be “numame” o, eya ta woyɔnɛ boŋ be kuxi alo dzodzro si nu sẽ.

Eɖanye ŋkɔ ka kee numekulawo yɔ na mɔ̃ɖaŋunuwo mazamazã nyuie o, ate ŋu azu kuxi na ame. Le go aɖewo me la, enana be ƒometɔwo megakpɔa vovo ɖe wo nɔewo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbui aɖe si xɔ ƒe 20 fa konyi be: “Fofonye meganyaa nu siwo me tom mele le agbe me o. Enɔa anyi ɖe asadzi nɔa e-mail ŋlɔm na amewo hafi nɔa dze ɖom kplim. Metea ŋu daa eƒe asitelefon la ɖi o. Anɔ eme be fofonye tsɔa ɖe le eme nam ya, gake ɣeɖewoɣi la ɖeko wòwɔna nam abe ɖe metsɔ ɖeke le eme nam o ene.”

Numamenutsiƒewo

Woɖo numamenutsiƒewo ɖe dukɔ siwo nye China, South Korea, United Kingdom (Royaume-Uni) kple United States (États-Unis) me be woatsɔ akpe ɖe ame siwo mɔ̃ɖaŋunuwo mazamazã nyuie zu numame na ŋu. Le teƒe siawo la, wonana be ameawo mezãa internet alo mɔ̃ɖaŋunuwo o hena ŋkeke geɖewo. Le kpɔɖeŋu me, ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Brett gblɔ be ɣeaɖeɣi va yi la, yenɔa internet-dzifefe aɖe ƒom gaƒoƒo 16 sɔŋ gbe sia gbe. Egblɔ be: “Ne mele internet-dzifefe sia ƒom la, ɖeko wònɔna abe gbekuie meno ene.” Kaka Brett nava yi numamenutsiƒe be woakpe ɖe ye ŋu la, dɔ ge le esi, megaléa be na eɖokui o, eye exɔlɔ̃wo hã ka le eŋu xoxo. Nu kae nàwɔ be nublanuinya sia nagadzɔ ɖe dziwò o?

LÉ ŊKU ÐE ALE SI NÈZÃA MƆ̃ÐAŊUNUWOE ŊU. De ŋugble tso ŋusẽ si kpɔm mɔ̃ɖaŋunuwo zazã le ɖe wò agbe dzi la ŋu. Bia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò:

  • Ðe metsia dzodzodzoe alo doa dziku gɔ̃ hã ne nyemekpɔ internet alo mɔ̃ɖaŋunuwo oa?

  • Ne meɖo game aɖe ɖi na internet alo mɔ̃ɖaŋunuwo zazã la, ɖe megbɔa gamea dzia?

  • Ðe menɔa nu siwo amewo ŋlɔna nam xlẽm kaka doa kpo alɔ̃dɔdɔa?

  • Ðe mɔ̃ɖaŋunuwo zazã wɔe be nyemegatea ŋu kpɔa vovo ɖe nye ƒomea ŋu oa? Ðe nye ƒomea alɔ̃ ɖe ale si maɖo nyabiase sia ŋui la dzia?

Ne mɔ̃ɖaŋunuwo zazã wɔe be mègakpɔa vovo ɖe “nu siwo le vevie wu” siwo dometɔ aɖewoe nye wò ƒomea kple agbanɔamedzi bubuwo ŋu o la, ehiã be nàtrɔ asi le nɔnɔmea ŋu fifia. (Filipitɔwo 1:10) Aleke nàwɔe?

ÐO ƔEYIƔI SI SƆ LA ÐE EZAZÃ ŊU. Ne wovu ɖe nu nyuitɔ kekeake gɔ̃ hã ŋu akpa la, etea ŋu gblẽa nu. Eya ta eɖanye dɔmenyawo alo modzakaɖeɖe tae nèzãa mɔ̃ɖaŋunuwo ɖo o, ehiã be nàɖo game ɖe wo zazã ŋu eye nàwɔ ɖe gamea dzi pɛpɛpɛ.

Aɖaŋuɖoɖo: Anyo be nàna wò ƒometɔ alo xɔlɔ̃ aɖe nakpe ɖe ŋuwò. Biblia gblɔ be: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, . . . Elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, evelia afɔe ɖe tsitre.”Nyagblɔla 4:9, 10.

Mègaɖe mɔ vivisese na wo zazã nawɔe be woava zu “numame” na wò o

Mɔ̃ɖaŋunu yeyewo wɔe be nyatakakawo ɖoɖo ɖa kple wo xɔxɔ va le bɔbɔe wu, gake ɖikeke mele eme o be wo mazamazã nyuie ƒe kuxia hã ayi edzi anɔ dzidzim ɖe edzi. Ke hã mègaɖe mɔ vivisese na wo zazã nawɔe be woava zu “numame” na wò o. Ne èwɔa wò “ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu” la, àƒo asa na mɔ̃ɖaŋunuwo mazamazã nyuie ƒe kuxia.Efesotɔwo 5:16.

^ mm. 5 “Mɔ̃ɖaŋunu” siwo míewɔnɛ le nyati sia me la lɔ elektrɔnikmɔ̃ siwo wozãna tsɔ xɔa nyatakaka alo ɖoa wo ɖa la ɖe eme. Wo dometɔ aɖewoe nye esiwo wozãna tsɔ ɖoa e-mail alo text message ɖe ame alo ƒoa ka na ame.