Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Nyɔ!  |  March 2015

Ðe Ya Kple Ɣe Ƒe Keklẽ Wua Dɔlékuiwoa?

Ðe Ya Kple Ɣe Ƒe Keklẽ Wua Dɔlékuiwoa?

ESI dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖe dɔlékuiwutike ŋu le ƒe 1900-awo ƒe domedome la, ɖɔktawo kpɔ mɔ be atike yeye siawo akpe ɖe yewo ŋu yewoaɖe dɔléle aɖewo ɖa. Le gɔmedzedzea me la, atikeawo wɔ dɔ eteƒe mekɔ o. Gake ale si ame geɖewo va le atikeawo zãm wògbɔ eme la wɔe be womegate ŋu va le dɔlékuiwo wum o.

Esi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le ŋugble dem tso ale si woawɔ awu dɔlékuiwo ŋu la, wogava le tɔtrɔm ɖe mɔnu siwo wozãna tsɔ wua dɔlékuiwo le blema la ŋu. Esiawo dometɔ ɖekae nye ale si ya kple ɣe ƒe keklẽ wua dɔlékuiwoe.

Nu Si Míesrɔ̃ Tso Blematɔwo Gbɔ

Eŋlisiawo dometɔ geɖe ƒo nu tso ale si ɣe ƒe keklẽ kple ya si ƒona le gota tea ŋu wua dɔlékuiwo la ŋu. Atikewɔla John Lettsom (ƒe 1744-1815) gblɔ be ɖevi siwo ŋu yɔmekpe le la nagbɔ ya si ƒona le ƒuta eye woanɔ ɣe ƒe keklẽ nu ale be woahaya. Le ƒe 1840 me la, amekola George Bodington de dzesii be ame siwo wɔa dɔ le gota abe agbledelawo kple alẽkplɔlawo ene mexɔa yɔmekpe o, gake dɔwɔla siwo zãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ le xɔ me la tea ŋu xɔa yɔmekpe bɔbɔe.

Aƒenɔ Florence Nightingale (ƒe 1820-1910) va xɔ ŋkɔ ŋutɔ le nu siwo wòto vɛ esime wònɔ Britain-ʋawɔla siwo xɔ abi le Crimea-ʋaa me gbɔ kpɔm la ta. Ebia be: “Ðe mège ɖe ame aɖe ƒe xɔ dɔme me le zã me alo ŋdi kanya esime womekpɔ ʋu fesre o eye nèkpɔ be ya si le xɔa me la bla hele ʋeʋẽm ɖe ƒomevie kpɔ oa?” Egblɔ be ele be woana ya si le dɔnɔ ƒe xɔ me la nasɔ kple esi le gota, evɔ womana vuvɔ nawɔ dɔnɔa atso eme o. Egblɔ kpee be: “Nu siwo katã teƒe mekpɔ la ɖo kpe edzi be nu eve ye dɔnɔ hiã vevie, woawoe nye gotaya kple keklẽ . . . Gake menye keklẽ ɖe sia ɖe ko o, ke boŋ ɣe ƒe keklẽ.” Ɣemaɣi la, ame geɖewo xɔe se be ne wosia  abadzivɔwo kple awuwo ɖe ŋdɔgbe la, edea lãmesẽ dzi.

Togbɔ be amegbetɔwo yi ŋgɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me tso ƒe 1800-awo me hã la, egbegbe nusɔsrɔ̃wo hã ɖo kpe edzi nenema. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si Chinatɔwo wɔ le ƒe 2011 me ɖee fia be sukuvi siwo sɔ gbɔ ɖe xɔ dɔmewo me wu ale si dze, evɔ ya megena ɖe xɔ siawo me tututu o la “xɔa akɔtadɔ.”

Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be ele vevie be woana gotaya nage ɖe xɔwo me ale be wòate ŋu awɔ avu kple dɔlékuiwo. Nyateƒee, habɔbɔ sia gblɔ le mɔfiamegbalẽ aɖe si wòɖe ɖe go le ƒe 2009 me la me be woaɖe mɔ ya siawo nage ɖe kɔdzixɔwo me ale be woaɖe dɔlékuiwo dzi akpɔtɔ le afi mawo. *

Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Nya siawo nya se loo. Gake kpeɖodzi kae le wo ŋu? Aleke ya kple ɣe ƒe keklẽ ate ŋu awu dɔlékuiwo?’

Dzɔdzɔmenu Siwo Wua Dɔlékuiwo

United Kingdom (Royaume-Uni) ƒe dɔwɔƒe si kpɔa lãmesẽnyawo gbɔ ƒe numekuku aɖe ɖo nyabiase siawo ŋu. Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le dukɔ sia me la di be yewoanya ɣeyiɣi didi si wòaxɔ hafi dɔlékuiwo navɔ le ya me ne woda dɔlékuiʋawɔnuwo ɖe London dua me. Esi numekulawo di be yewoanya ɣeyiɣi didi si dɔlékuiawo ate ŋu anɔ agbe le ya me la, wotsɔ dɔlékui si woyɔna be E. coli de yiyiɖɔ ŋu tsɔ da ɖe ya nu le gota. Wowɔ nu sia le zã me, elabe wonya be ɣe ƒe keklẽ wua dɔlékuiwo. Nu kawoe do tso eme?

Le gaƒoƒo eve megbe la, dɔlékuiawo ƒe akpa gãtɔ ku. Gake esi wowɔ dodokpɔ ma ke eye wotsɔ dɔlékuiawo de aɖaka me hetu nu ɖe enu eye wotsɔ aɖakaa da ɖe teƒe si tututu woda yiyiɖɔa ɖo va yi eye yame ƒe dzoxɔxɔ sɔ kple gbãtɔ nu la, dɔlékui akpa gãtɔ gakpɔtɔ le agbe le gaƒoƒo eve si woɖo la megbe. Nu ka tae? Edze ƒãa be nane le ya me si wua dɔlékuiwo. Gake womekpɔ nya nu si tututu wònye o. Ke hã, numekulawo gblɔ be nu vovovo aɖewo anya nɔ “ya me siwo wua dɔlékuiwo.”

Ɣe ƒe keklẽ hã wua dɔlékuiwo. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Journal of Hospital Infection) gblɔ be: “Dɔlékui geɖe siwo nɔa ya me la metea ŋu nɔa te ɖe ɣe ƒe keklẽ nu o.”

Nu kae nàwɔ be wòaɖe vi na wò? Ðewohĩ àdi be yeanɔ ŋdɔ nu vie ale be yeaxɔ ya nyui ma. Ate ŋu ade wò lãmesẽ dzi.

^ mm. 8 Susu aɖewo ate ŋu anɔ anyi siwo ta masɔ be woaʋu fesrewo da ɖi o. Wo dometɔ aɖewoe nye toɣliɖeɖe, sedede siwo ku ɖe dzobibi ŋu, dedienɔnɔ kple ya me ƒe ɖiƒoƒo.