Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Nyɔ!  |  February 2015

 GBEBIAME | ANTONIO DELLA GATTA

Nu Si Ta Fada Aɖe Do Le Eƒe Tsɔtsi Me

Nu Si Ta Fada Aɖe Do Le Eƒe Tsɔtsi Me

ESI Antonio Della Gatta srɔ̃ nu le Roma abe ƒe asieke ene vɔ la, woɖoe fada le ƒe 1969 me. Emegbe la, eva zu fadasuku aɖe dzi kpɔla le Naples le Italy. Esi wònɔ afi ma srɔ̃ nu geɖe hede ŋugble ʋuu megbe la, eƒo nya ta be menye Biblia dzie wotu Katolikoha la ƒe nufiafiawo ɖo o. Egblɔ nu siwo me wòto le Mawu didi me na Nyɔ! talawo.

Taflatsɛ ƒo nu tso wò ɖevimenɔɣi ŋu na mí.

Wodzim le ƒe 1943 me le Italy. Nye kple nɔvinyewo míetsi le kɔƒe sue aɖe me; mía fofo nye agbledela kple atikpala le kɔƒe ma me. Mía dzilawo he mí míeva zu Katolikotɔ akuakuawo.

Nu ka tae nèdi be yeanye fada?

Esi menye ɖevi la, melɔ̃ fadawo ƒe mawunyawo sese le tsɔtsi. Ale si woƒoa nui kple woƒe kɔnu kpeɖiawo wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Eya ta meɖoe kplikpaa be nye hã mava zu fada godoo. Esi mexɔ ƒe 13 la, danye kplɔm yi sukukpo aɖe dzi be maɖade suku le afi ma; le suku sia me la, wonaa hehe ŋutsuviwo be woava su te nyuie ade fadawo ƒe suku.

Ðe Biblia-sɔsrɔ̃ hã kpe ɖe miaƒe hehexɔxɔa ŋua?

Menye ale o. Esi mexɔ ƒe 15 la, nye nufiala aɖe na Nyanyuigbalẽm, eye mexlẽnɛ zi geɖe. Agbalẽ sia mee Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋuti nyawo le. Esi mexɔ ƒe 18 la, meyi Roma ɖade yunivɛsiti siwo le papa ƒe ŋusẽ te tẽe la dometɔ aɖewo. Mesrɔ̃ Latingbe, Helagbe, blemaŋutinya, xexemenunya, susuŋutinunya kpakple mawuŋununya le yunivɛsiti mawo me. Togbɔ be míeléa mawunyakpukpui aɖewo me nyawo ɖe susu me hegblɔna le Kwasiɖagbe ƒe tsɔtsia me hã la, menye ɖe míesrɔ̃a Biblia ŋutɔ ale o.

Esi nèva zu fadasukudzikpɔla la, ɖe nèfia nu hã?

Sukua dzi kpɔkpɔ koŋue kpɔ ŋkunyeme. Gake mefiaa Vatikan ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe Evelia ƒe sededewo hã sukuviawo.

Nu ka tae mègava kana ɖe Katolikoha dzi o?

Nu etɔ̃ aɖewoe ɖe fu nam. Míaƒe tsɔtsia dea nu dunyahehe me. Eŋea aɖaba ƒu hakplɔlawo kple hameviwo ƒe nu gbegblẽ wɔwɔwo dzi. Katolikoha ƒe nufiafia aɖewo menye nyateƒe o. Le kpɔɖeŋu me, aleke wòate ŋu adzɔe be Mawu si lɔ̃ ame la nawɔ fu amewo tegbee le ku megbe? Eye ɖe Mawu di ŋutɔŋutɔ be míalé gbedodoɖawo ɖe susu me anɔ gbɔgblɔm zi geɖe ahanɔ rosario xlẽm ɖe wo dzia? *

Ke nu kae nèwɔ?

Menɔa avi dzi nɔa gbe dom ɖa na Mawu be wòafia mɔm. Meƒle Katolikotɔwo ƒe Biblia si nye Jerusalem Bible si le Italygbe me si woɖe ɖe go eteƒe medidi o la, eye medze exexlẽ gɔme. Gbe ɖeka le Kwasiɖagbe ŋdi esi míekpa le tsɔtsi eye meɖe nye awu nɔ nu kum la, ŋutsu eve aɖewo va fadasukua me. Wogblɔ be Yehowa Ðasefowoe yewonye. Míedzro Biblia me abe  gaƒoƒo ɖeka ene eye míedzro nu siwo Biblia gblɔ be woatsɔ ade dzesi subɔsubɔha vavãtɔ la hã me.

Aleke nèkpɔ ame siwo va gbɔwò lae?

Ale si woka ɖe woƒe nyawo dzi kple ale si wotea ŋu ʋua mawunyakpukpuiawo bɔbɔe le Katoliko Biblia me la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Emegbe la, Ðasefo bubu aɖe si ŋkɔe nye Mario va srɔ̃a nu kplim. Enye ame si gbɔa dzi ɖi hewɔa nuteƒe. Nu ka kee ɖadzɔ o, le Memleɖa ɖe sia ɖe ŋdi kaka ga asieke naƒo la, eƒoa sukua ƒe agbonuga godoo.

Aleke fada susɔeawo wɔa nu ne eva le Biblia srɔ̃m kpli wò?

Mekpea wo be woava wɔ ɖeka kple mí le nusɔsrɔ̃a me, gake wo dometɔ aɖeke metsɔe vevie o. Ke hã nusɔsrɔ̃a vivia nunye ŋutɔ. Mesrɔ̃ nu nyui geɖewo. Nu siawo dometɔ aɖewoe nye nu si ta Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ŋu. Nya siawo ɖe fu nam ƒe geɖe.

Ðe wò tatɔwo xe mɔ ɖe wò Biblia-sɔsrɔ̃ nua?

Le ƒe 1975 me la, meyi Roma zi geɖe ɖaɖe nu me na wo ku ɖe nye dzixɔse yeyeawo ŋu. Nye tatɔwo dze agbagba geɖe be yewoana matrɔ susu, gake wo dometɔ aɖeke mezã Biblia o. Mlɔeba le January 9, 1976 dzi la, meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Roma be nyemeganye Katolikotɔ o. Le ŋkeke eve megbe la, meʋu le fadasukua eye meɖo keteke yi Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe, esiae nye zi gbãtɔ mede woƒe kpekpe. Takpekpee wònye; hame geɖewoe va ƒo ƒu wɔ takpekpe sia. Le takpekpea me la, nu sia nu to vovo kura tso nu siwo katã menya gbɔ. Biblia le Ðasefo ɖe sia ɖe si eye woʋunɛ ne nuƒolawo le nyati vovovoawo me dzrom.

Aleke wò ƒometɔwo wɔ nui?

Wo dometɔ geɖe tsi tsitre ɖe ŋunye vevie. Gake meva se be Ðasefowo le nu srɔ̃m kple nɔvinye ŋutsuawo dometɔ ɖeka le Lombardy si le Italy ƒe dziehe. Meyi ɖakpɔe, eye Ðasefo siwo le afi ma di dɔ kple xɔ nam. Le ƒe ma ƒe nuwuwu lɔƒo la, wonyrɔm eye mezu Yehowa Ðasefo.

Azɔ ko mese le ɖokuinye me be mete ɖe Mawu ŋu

Ðe wòte ɖe dziwò be yewɔ tiatia sia?

Mevem kura o. Azɔ ko mese le ɖokuinye me be mete ɖe Mawu ŋu, elabena nu siwo menya tso eŋu la azɔ la nɔ te ɖe Biblia dzi, menye xexemenunya alo tsɔtsikɔnuwo dzie wotu wo ɖo o. Fifia mate ŋu akɔ dzi me afia nu amewo kple kakaɖedzi.

^ mm. 13 Biblia ɖo nyabiase siawo kple bubu geɖewo ŋu wo me kɔ nyuie. Ele BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO.