Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Nyɔ!  |  December 2013

Kpakpaluʋui Dzeani La—Wova Nya Nu Tso Eŋu Azɔ!

Kpakpaluʋui Dzeani La—Wova Nya Nu Tso Eŋu Azɔ!

TSO gbe aɖe gbe kee kpakpaluʋui dzeani (painted lady, belle-dame) siawo nya kpɔna na Europatɔwo, ke hã womenya nu si tututu dzɔna ɖe wo dzi ne dzomeŋɔli wu enu o. Ðe wokuna ne vuvɔŋɔli dze egɔmea? Numekuku yeye aɖe si wowɔ la ɖe nu tɔxɛ aɖe fia tso kpakpaluʋui siawo ŋu. Ƒe sia ƒe la, kpakpaluʋui siawo ʋuna tso Europa ƒe dziehe vaa Afrika.

Numekulawo zã yamenutomenudimɔ̃ (radar) deŋgɔwo tsɔ ku nu me le kpakpaluʋui siawo ŋu eye ame bubuwo hã tsɔ wo ɖokuiwo na faa le Europa bliboa be yewoanɔ ŋku lém ɖe kpakpaluʋui siawo ŋu. Numekuku siawo ɖee fia be ne dzomeŋɔli le enu wum la, kpakpaluʋui dzeani miliɔn geɖe ʋuna tso Europa ƒe anyiehe vaa Afrika, wotoa yame ʋĩi anɔ abe meta 500 ene, si wɔnɛ be ƒãa hafi amewo tea ŋu kpɔa wo. Kpakpaluʋui siawo lalaa yaƒoƒo aɖe si dea wo dzi si ƒe dusisi nye kilometa 45 le gaƒoƒo ɖeka me, eye yaƒoƒo sia kplɔa wo vaa Afrika. Ƒe sia ƒe la, wozɔa mɔ kilometa 15,000 tso Artik ƒe yɔyrɔe nu le dziehe gome ɖaa heva wua enu ɖe Ɣetoɖoƒe Afrika le anyiehe gome ɖaa. Woƒe mɔzɔzɔ sia nyea esi Dziehe Amerikatɔwo ƒe kpakpaluʋui si woyɔna be monarch zɔna la ƒe teƒe eve. Kpakpaluʋui dzeani siawo ƒe dzidzime ade kuna vɔna hafi woƒe mɔzɔzɔ yiyi-kple-gbɔgbɔ ɖeka wua enu.

Nufialagã Jane Hill si fiaa nu le York Yunivɛsiti si le England gblɔ be: “Kpakpaluʋui dzeani siawo nɔa mɔzɔzɔa dzi henɔa vi ƒom le mɔ dzi.” Ƒe sia ƒe la, wotoa mɔ sia dzi zɔa mɔ tso Europa vaa Afrika hegbugbɔ yia Europa.

Richard Fox si nye Kpakpaluʋuiwo Dzi Kpɔƒe ƒe amegã gblɔ be: “Kpakpaluʋui sia si ƒe kpekpeme mede gram ɖeka teti o, si ƒe ahɔhɔ̃ le abe abui ƒe ta ene eye mesrɔ̃a naneke tso dzidzime si do ŋgɔ nɛ gbɔ o la tea ŋu zɔa Europa kple Afrika mɔ sia.” Aƒetɔ Fox gblɔ kpee be: “Amewo bunɛ tsã be ɖeko ya ƒoa kpakpaluʋui siawo nɔa yiyim va se ɖe esime Britaintɔwo ƒe vuvɔŋɔlimeya na woku, eye alea koe wòyia edzi le woƒe dzidzimeviwo hã gome.” Ke hã numekuku yeye sia “ɖee fia be Kpakpaluʋui Dzeani sia ƒe mɔzɔzɔa le etɔxɛe ŋutɔ.”