KUXIA

Èva de dzesii be viwò ƒewuivi ɖoe koŋ le nu vevi wɔm eɖokui. Èbia ɖokuiwò be, ‘Eƒe nuwɔna sia gɔme ɖe? Ðe wòdi be yeawu ye ɖokuia?’

Anɔ eme be menye nenemae nya le o. Ke hã, ne viwò ƒewuivi wɔa nu vevi eɖokui la, * ehiã be nàkpe ɖe eŋu. Aleke nàte ŋu akpe ɖe eŋui? Gbã la, dze agbagba nànya nu si na wòle nu trama sia wɔm.

NU SI GBƆ WÒTSONA

Esi wònye nu si ame geɖe le wɔwɔm ta koea? Enye nyateƒe be sɔhɛ aɖewo wɔa nu vevi wo ɖokuiwo le esi wose be ame bubuwo hã le ewɔm ta. Togbɔ be susu ma tae ame aɖewo wɔnɛ ɖo hã la, menye nenemae wòle le ame akpa gãtɔ gome o. Susu bubu ka tae woagate ŋu awɔe ɖo? Ame si wɔa nu vevi eɖokui la wɔnɛ le adzame, eye nuwɔna sia kpea ŋu nɛ vevie. Celia * si xɔ ƒe 20 la gblɔ be: “Nyemedi be ame aɖeke nanya nu tso nye nuwɔna sia ŋu o. Eya ta medzea agbagba ɣlaa nye abiawo ɖe amewo.”

Ðeko wowɔnɛ be yewoahe susu ava yewo ɖokuiwo dzia? Ame aɖewo ate ŋu awɔe kple susu sia. Gake ame siwo wɔa nu vevi wo ɖokuiwo, siwo ŋu míele nu ƒom tsoe le nyati sia me la ya ɣlaa woƒe nuwɔna kple woƒe abiwo ɖe amewo, eye menye ɖe wowɔnɛ be yewoatsɔ ahe amewo ƒe susu ava yewo ɖokuiwo dzi o. Ke hã, ame aɖe si wɔa nu vevi eɖokui tsã la gblɔ be ne ɖe ame aɖe nya nu tso eŋu hekpe ɖe ye ŋu kaba la ne enyo hafi.

Ke nu ka tae sɔhɛwo wɔa nu vevi wo ɖokuiwo? Susu geɖewo tae sɔhɛwo wɔa nu vevi wo ɖokuiwo ɖo, gake susu si koŋ tae wowɔnɛ ɖoe nye seselelãmekuxi sesẽ aɖe si mele bɔbɔe na sɔhɛwo be woaɖe agblɔ o. Susuŋutinunyala Steven Levenkron ɖɔ ame siwo wɔa nu vevi wo ɖokuiwo le eƒe agbalẽ si nye Cutting me be, “woxɔe se be nu vevi wɔwɔ yewo ɖokuiwo ate ŋu ana yewoatsi seselelãmekuxiwo nu.”

Seselelãmekuxi sesẽ siwo mele bɔbɔe na sɔhɛwo be woaɖe agblɔ o lae nana wowɔa nu vevi wo ɖokuiwo

Ke ne èsusu be ye gbɔe wòtso ya ɖe? Le esi nànɔ fɔ bum ɖokuiwò be ye gbɔe wòtso be ye vi ƒewuivia wɔa nu vevi eɖokui teƒe la, wò susu nenɔ kpekpeɖeŋu si nàte ŋu ana viwòa be wòadzudzɔ nuwɔna sia ŋu boŋ.

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

De dzi ƒo na viwòa be wòagblɔ nu si le fu ɖem nɛ la na wò. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

Fa akɔ nɛ. Ne viwòa gblɔ na wò be yewɔa nu vevi ye ɖokui la, mègawɔ nu wòadze be eɖe fu na wò alo dzika tso ƒowò o. Ke boŋ ɖe dzi ɖi nàƒo nu, eye nàfa akɔ nɛ.Biblia ƒe gɔmeɖose: 1 Tesalonikatɔwo 5:14.

Bia nya siwo mana wòavɔ̃ o. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abiae be: “Menya be menye ɣesiaɣie nèkpɔa ŋudzedze ɖe ɖokuiwò ŋu o. Nu kae ɖea fu na wò wu?” alo “Aleke mate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne ètsi dzimaɖi alo ne nu te ɖe dziwò?” alo “Nu kae nèdi vevie be mawɔ na ye be nye kpli wò dome nanɔ kplikplikpli wu?” Ðo to nàse nya si wòagblɔ, eye mègatso nya le enu o.Biblia ƒe gɔmeɖose: Yakobo 1:19.

Kpe ɖe viwòa ŋu wòade dzesi nu nyui siwo wòwɔna. Esi wònye ame siwo wɔa nu vevi wo ɖokuiwo ƒe susu katã nɔa nu si womete ŋu wɔ nyuie o dzi ta la, ɖewohĩ àte ŋu ade dzi ƒo na viwò ƒewuivia be wòakpɔ nɔnɔme nyui siwo le esi la adze sii. Àte ŋu aɖo aɖaŋu nɛ gɔ̃ hã be wòaŋlɔ nu siwo doa dzidzɔ nɛ le eɖokui ŋu la dometɔ etɔ̃ ya teti ɖi. Ðetugbui si ŋkɔe nye Briana gblɔ be: “Esi meŋlɔ nu nyui siwo metea ŋu wɔna ɖi la, ekpe ɖe ŋunye mekpɔe be nɔnɔme nyuiwo le asinye.” *

De dzi ƒo na viwò ƒewuivia be wòado gbe ɖa na Yehowa Mawu. Biblia gblɔ be: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.’ (1 Petro 5:7) Lorena si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Medzea agbagba ɖea nye dzimenyawo gblɔna na Yehowa, vevietɔ ne mese le ɖokuinye me be mawɔ nu vevi ɖokuinye. Esia kpena ɖe ŋunye medzea agbagba vevie ƒoa asa na nuwɔna sia.”Biblia ƒe gɔmeɖose: 1 Tesalonikatɔwo 5:17.

^ mm. 5 Nu vevi wɔwɔ ame ɖokui nye eɖoɖo koŋ anɔ ame ɖokui sim, anɔ abi dem ame ɖokui ŋu, anɔ ame ɖokui ƒom, kple bubuawo.

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

^ mm. 15 Zi geɖe la, nu vevi wɔwɔ ame ɖokui nyea nuteɖeamedzi alo susumedɔléle bubuwo ƒe dzesi. Le go ma me la, ahiã be woana atikewɔlawo nakpɔ amea gbɔ. Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o. Ke hã, ele be Kristotɔwo nakpɔ egbɔ be dɔdamɔnu ɖe sia ɖe si dzi yewoalɔ̃ ɖo matsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o.