Yehowa Ðasefowo, ame siwo nye magazine sia talawo medea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o. (Yohanes 17:16; 18:36) Togbɔ be nyati sia ƒo nu tso dukɔmeviwo ƒe gbɔlɔlɔ siwo le edzi yim le dukɔ aɖewo me ŋu hã la, mede dukɔ alo dunyaheha aɖeke dzi o.

LE December 17, 2010 dzi la, Mohamed Bouazizi se le eɖokui me be yemagate ŋu ado dzi atsɔ nu madzɔmadzɔ siwo wɔm wole ɖe ye ŋu o. Ðekakpui sia si xɔ ƒe 26 la dzraa nu le mɔ to le Tunisia, eye dziku aɖe nɔ dɔ me nɛ le esi mekpɔ dɔ gbagbe aɖeke le wɔwɔm o ta. Enya nu tso ale si dziɖuɖumegã nu fitifiti wɔlawo xɔa zãnui la hã ŋu. Gbe ɖeka ŋdi la, kpovitɔwo ƒe amegã aɖe ɖo asi peya, akɔɖu kple yevutɔ siwo dzram wòle la dzi. Esi wonɔ nuawo xɔm le esi la, melɔ̃ nu na wo kura o, eye nuteƒekpɔla aɖewo gblɔ be nyɔnu kpovitɔ aɖe ƒo tome nɛ.

Mohamed do dziku vevie be wodo vlo ye, eye wòyi dziɖuɖudɔwɔƒe si le nutoa me be yeaɖagblɔ nu si wowɔ ɖe ye ŋu la na wo. Gake womelɔ̃ xɔe o. Nuteƒekpɔla aɖewo gblɔ be edo ɣli gblɔ le dɔwɔƒea ŋgɔ be, “Aleke miebe mawɔ akpɔ ɖokuinye dzi?” Ekɔ mɔmemi ɖe eɖokui ŋu hetɔ dzo eɖokui. Efiã vevie, eye mede kwasiɖa etɔ̃ hafi wòku o.

Mohamed Bouazizi ƒe nuwɔna sia wɔ dɔ ɖe ame geɖe dzi le Tunisia kple dukɔ bubuwo me. Ame geɖe bui be eƒe nuwɔna siae na be dukɔmeviwo mu dziɖuɖua ƒu anyi, eye eteƒe medidi o dukɔmeviwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ yi edzi le Arab dukɔ bubuwo me. Togbɔ be Bouazizi ku hã la, eya kple ame ene bubu aɖewoe Europa ƒe Sewɔtakpekpea tia be woana ƒe 2011 Sakharov Susuɖeɖegblɔ Ƒe Ablɔɖe Nunana la, eye London nyadzɔdzɔgbalẽ The Times hã tiae be eyae nye ame si ɖe dzesi wu le ƒe 2011 me.

Kpɔɖeŋu sia ɖee fia be gbɔlɔlɔ ate ŋu ahe tɔtrɔ gãwo avɛ. Gake nu ka gbɔe ʋunyaʋunyawɔwɔ siwo le edzi yi le ŋkeke siawo me la tso? Egbɔkpɔnu bubu aɖe lia?

 Nu Ka Tae Dukɔmeviwo Ƒe Gbɔlɔlɔ Dzi Ðe Edzi?

Nu siwo ta amewo lɔa gbɔ ɖo la dometɔ aɖewoe nye esiawo:

  • Dzidzɔmakpɔmakpɔ ɖe ale si nuwo le edzi yim le woƒe dukɔa me ŋu. Ne dukɔmeviwo kpɔe be dziɖuɖuwo kple asitsahabɔbɔwo le yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm na yewo la, wometsia dzi kura be yewoatsi tre ɖe wo ŋu o, ke ɖe wodzea agbagba boŋ be yewoaƒoe ɖe wo nu woakpɔ kuxiwo gbɔ. Gake ne dukɔmeviwo kpɔe be dukplɔlawo kple asitsalawo nye nu fitifiti wɔlawo kple nu madzɔmadzɔ wɔlawo, eye ame ʋɛ aɖewo koe kpɔa wo tɔ gome la, amewo nɔa klalo na aglãdzedze ɖe dziɖuɖuwo ŋu.

  • Nudzɔdzɔ. Zi geɖe la, nudzɔdzɔ aɖee nana dukɔmeviwo dzea aglã, wokpɔnɛ be manyo be yewoayi edzi aɖo asi glã anɔ nu kpɔm o, ke boŋ ehiã be yewoatso kpla awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Mohamed Bouazizi ƒe nudzɔdzɔa de zitɔtɔ Tunisia dukɔa me. Le India la, Anna Hazare si gbe nuɖuɖu le nu fitifiti wɔwɔ si le edzi yim le dukɔa me ta la na be edzidela gbogbo aɖewo lɔ gbɔ le dugã kple kɔƒe 450 me le dukɔa me godoo.

Abe ale si Biblia gblɔe ɖi tso keke gbe aɖe gbe ke ene la, míele “xexe aɖe si me ŋusẽ le ame aɖewo si, eye ame bubuwo kpea fu le wo te la me.” (Nyagblɔla 8:9, Good News Translation) Nu fitifiti wɔwɔ kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ do agbogbo ɖe edzi egbea wu ɣemaɣi. Le nyateƒe me la, amewo nya nu tso dziɖuɖumegãwo kple asitsalawo ƒe kpododonu ŋu egbea wu tsã. Asitelefon yeyewo, Internet kple nyadzɔdzɔdɔwɔƒe siwo le dɔ dzi zã kple keli wɔe be ne nane dzɔ kikli le teƒe tsoabo aɖe gɔ̃ hã la, amewo senɛ le didiƒe ke hewɔa nu ɖe enu.

Nu nyui kawoe do tso gbɔlɔlɔ siawo me?

Ame siwo dea dukɔmeviwo ƒe gbɔlɔlɔ dzi agblɔ be nu nyui siawo do tso eme:
  • Ame dahewo kpɔ gbɔdzɔe. Esi amewo lɔ gbɔ le xɔhayanyawo ta le Chicago si le Illinois le United States le Ganyawo ƒe Sesẽɣi Gãtɔ me le ƒe 1930 ƒe ƒeawo me la, dziɖuɖua na wodzudzɔ amewo nyanya le woƒe aƒewo me, eye woxɔ gbɔlɔlawo dometɔ aɖewo ɖe dɔ me. Le New York City la, gbɔlɔlɔ ma tɔgbi na ƒome 77,000 siwo wonya le xɔ me la gbugbɔ yi woƒe xɔwo me.

  • Wotsi nu madzɔmadzɔ wɔwɔ nu. Esi ameyibɔwo gbe bɔswo ɖoɖo le ƒe 1955 kple 1956 me le Montgomery, Alabama le United States la, wote fli ɖe se aɖe si wode si de vovototo ameyibɔwo kple yevuwo dome le ʋuɖonyawo me la me.

  • Wodzudzɔ dɔwɔƒe aɖewo tutu. Le December 2011 me la, ame akpe geɖewo lɔ gbɔ tsɔ tsi tre ɖe elektrikŋusẽdɔwɔƒe aɖe si woɖo be woatu le teƒe si gogo Hong Kong la ŋu, elabena wovɔ̃ be atu aɖiya vɔ̃ɖiwo ɖe yame, esia na be wote fli ɖe ɖoɖo ma me.

Togbɔ be gbɔlɔla aɖewo ɖoa woƒe taɖodzinuwo gbɔ hã, Mawu Fiaɖuƒeae akpɔ kuxiwo gbɔ bliboe

 Le nyateƒe me la, menye ɣesiaɣie wowɔa gbɔlɔlawo ƒe didiwo dzi na wo o. Le kpɔɖeŋu me, dukplɔlawo tea ŋu hea to na gbɔlɔlawo vevie, eye womewɔa woƒe didiwo dzi na wo o. Nyitsɔ laa la, Titina Ɣedzeƒedukɔ aɖe ƒe dukplɔla gblɔ le gbɔlɔlɔ aɖe si yi edzi le dukɔa me ŋu be: “Ele be míatu nu kpli gbɔlɔlawo vevie.” Eye ame akpe geɖe ku le gbɔlɔlɔ ma me.Ne gbɔlɔlawo ɖo woƒe taɖodzinuwo gbɔ hã, godoo la, kuxi bubuwo koe gavana ɖe eyome. Le Time magazine ƒe nya nu la, ame aɖe si kpe asi ɖe aglãdzelawo ŋu woɖe dziɖula aɖe le zi dzi le Afrika la gblɔ be: “Zitɔtɔ bliboe va xɔ ɖe mɔkpɔkpɔ na nu nyuiwo teƒe enumake.”

Egbɔkpɔnu si nyo wu aɖe lia?

Bubume geɖewo susui be enye amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dɔdeasi be wòatso ɖe ametete ɖe anyi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Czech Republic dukplɔla tsãtɔ Václav Havel, ame si megale agbe fifia o, si nɔ ga me ƒe geɖe le eƒe amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi ta ʋiʋli ta, ŋlɔ le ƒe 1985 me bena: “Nu si ko [ame si di be nuwo netrɔ] ate ŋu ana lae nye eya ŋutɔ ƒe ŋutilã—eye esi nu bubu aɖeke meli wòawɔ atsɔ ana be wòade bubu nyateƒe si ta ʋlim wòle la ŋu o tae.”Havel ƒe nyawo ɖe nu siwo Mohamed Bouazizi kple ame bubuwo va wɔ mɔkpɔkpɔbuɖeametɔe emegbe la fia. Nyitsɔ laa le  Asia dukɔ aɖe me la, ame gbogbo aɖewo tɔ dzo wo ɖokuiwo be yewoatsɔ aɖe yewoƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe subɔsubɔhawo kple dziɖuɖuwo ƒe nuwɔnawo ŋu la afia. Esi ŋutsu aɖe nɔ nu si tae amewo wɔa nu gbɔme siawo me ɖem la, egblɔ na Newsweek magazine be: “Tu mele mía si o. Evɔ míedi be míawɔ nu vevi ame bubuwo hã o. Ðe nu bubu aɖe li míawɔ wu esia?”Biblia gblɔ nu si ava kpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, nu fitifiti wɔwɔ kple ametete ɖe anyi gbɔ la na mí. Eƒo nu tso dziɖuɖu aɖe si Mawu ɖo le dziƒo si ava xɔ ɖe fifi dziɖuɖu kple asitsanuɖoanyi siwo do kpo nu eye woƒe nuwɔnawo wɔe be amewo dzea aglã ɖe wo ŋu la teƒe. Nyagblɔɖi aɖe si ku ɖe dziɖuɖu sia ƒe Dziɖula ŋu la gblɔ be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. . . . Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”Psalmo 72:12, 14.Yehowa Ðasefowo xɔe se be Mawu Fiaɖuƒe si ahe xexe si me ŋutifafa anɔ avɛ lae nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ vavãtɔ ɖeka kolia. (Mateo 6:9, 10) Eya ta Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le gbɔlɔlɔ aɖeke me o. Gake ɖe susu le eme be woaxɔe ase be Mawu ƒe dziɖuɖu ava ɖe nu siwo tae amewo lɔa gbɔ ɖo la ɖa? Adze abe susu mele eme o ene ya. Ke hã ame geɖewo ya xɔ Mawu ƒe dziɖulanyenye dzi se. Ðe manyo be wò ŋutɔ nàku nya sia me oa?