Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Ale Si Woatsi Numaƒomaƒo Na Ame Nɔewo Nu

Ale Si Woatsi Numaƒomaƒo Na Ame Nɔewo Nu

KUXIA

Aleke wòdzɔe be ame eve siwo ka atam be yewoalɔ̃ yewo nɔewo la nagbe nuƒoƒo na wo nɔewo gaƒoƒo geɖe alo ŋkeke geɖe kura gɔ̃ hã? Wogblɔna na wo ɖokuiwo be: ‘Ena míedzudzɔa dzrewɔwɔ ya teti.’ Ke hã kuxia gakpɔtɔ li, eye womele dzidzɔ kpɔm hã o.

NU SI GBƆ WÒTSONA

Be woawɔ wɔɖenui. Srɔ̃tɔ aɖewo gbea nuƒoƒo na wo srɔ̃wo be yewoatsɔ aɖo nu si wowɔ ɖe yewo ŋu la teƒe na wo. Tsɔe be srɔ̃ŋutsu aɖe wɔ ɖoɖo be yeawɔ nane le kwasiɖa ƒe nuwuwu, evɔ megblɔe na srɔ̃a o. Esi nyɔnua va see la, edo dziku hegblɔ be ye srɔ̃ mebua ye ŋu o. Ŋutsua hã ɖo eŋu nɛ be edoa dziku kabakaba akpa. Nyɔnua dzo kple dziku eye wògbe nuƒoƒo na srɔ̃a. Efia be edi be yeagblɔ be, “Èdo dziku nam, eya ta nye hã mado dziku na wò.”

Be woawɔ yeƒe didi dzi. Ame aɖewo gbea nuƒoƒo na wo srɔ̃wo kple susu be woawɔ yewoƒe didi dzi na yewo. Le kpɔɖeŋu me, atsu kple asi aɖe wɔ ɖoɖo be yewoazɔ mɔ, eye nyɔnua di be ye dzilawo nayi kpli yewo. Ŋutsua melɔ̃ o. Egblɔ be: “Nyee nèɖe, menye dziwòlawoe o.” Esia ta ŋutsua gbe nuƒoƒo na nyɔnua kple susu be ne ɖeɖi te eŋu ko la, atrɔ susu eye wòawɔ yeƒe didi dzi.

Enye nyateƒe be ɖoɖoeziɣi kpui sia ate ŋu ana be srɔ̃tɔawo ƒe dzi nadze eme vie nenye be nya la di be yeazu dzre. Ðoɖoezizi sia tɔgbi ate ŋu aɖe vi. Biblia gblɔ be, “ɖoɖoeziɣi li.” (Nyagblɔla 3:7) Gake ne ame gbe nuƒoƒo na srɔ̃a be wòatsɔ awɔ wɔɖenui alo ana woawɔ yeƒe didi dzi na ye la, enana be masɔmasɔwo nɔa anyi eteƒe didina, eye wònana hã be srɔ̃tɔawo megadea bubu wo nɔewo ŋu o. Aleke nàwɔ aƒo asa na nɔnɔme sia?

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Nu gbãtɔ si akpe ɖe ŋuwò nàɖu numaƒomaƒo na srɔ̃wò ƒe kuxia dzie nye be nànyae be ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòɖea vi. Enye nyateƒe be numaƒomaƒo na srɔ̃wò ana be wòawɔ wò didiwo dzi na wò ya. Gake nenemae nàdi be yeawɔ nu ɖe ame si nèka atam be yealɔ̃ la ŋua? Mɔ nyui geɖewo li siwo dzi miato akpɔ masɔmasɔwo gbɔ.

Se nu gɔme. Biblia gblɔ be lɔlɔ̃ “mebia dzi kabakaba o.” (1 Korintotɔwo 13:4, 5) Eya ta ɖu wò dziku dzi ne srɔ̃wò gblɔ nya veame siawo tɔgbi na wò be, “Mèɖoa tom gbeɖe o,” alo “Megbe ko wò ya nètsina.” Ke boŋ dze agbagba nàse nu si tae wògblɔ nya mawo gɔme. Le kpɔɖeŋu me, nya si wògblɔ be “mèɖoa tom gbeɖe o” ate ŋu afia ŋutɔŋutɔ be “ewɔ nam be mèdina be yeanya nye susuwo le nuwo ŋu o.”—Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 14:29.

Bu srɔ̃wòa abe wò hadɔwɔla ene ke menye wò aɖikatɔ o

Ƒo nu kple gbe blewuu. Zi geɖe la, nyahehe si ŋu womeɖe asi le o la ɖe wòva zua dzre gã. Gake woate ŋu atrɔ mo na nyahehea. Le mɔ ka nu? Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Nuƒoƒo kple gbe blewuu kple agbagbadzedze be woase ame srɔ̃ ƒe susuwo gɔme nye mɔ vevi aɖe si dzi wotona tsia nyaʋiʋli kple dzrehehe nu. Zi geɖe la, nu siawo koe wòhiãna.” (Fighting for Your Marriage)—Biblia ƒe gɔmeɖose: Lododowo 26:20.

Nɔ mi ame evea siaa ƒe nyonyo dim. Biblia gblɔ be: “Ame aɖeke neganɔ ye ŋutɔ ƒe nyonyo dim o, ke ame bubu tɔ boŋ.” (1 Korintotɔwo 10:24) Bu srɔ̃wòa abe wò hadɔwɔla ene ke menye wò aɖikatɔ o, eye esia awɔe be eƒe nyawo manɔ dzi kum na wò kabakaba o, eye mànɔ nya hem kplii ahagbe nuƒoƒo kplii o.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Nyagblɔla 7:9.

Biblia meda asi ɖe numaƒomaƒo na ame nɔewo dzi o. Eya ta egblɔ be: “Mia dome ŋutsu ɖe sia ɖe hã nelɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene; ke ele be srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.” (Efesotɔwo 5:33) Ðe manyo be wò kple srɔ̃wòa miagblɔe aɖo kpe edzi be yewomaɖe mɔ ɖe numaƒomaƒo na ame nɔewo ŋu le yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me oa?