NU ÐEDZESI aɖe le ɣletivi sia si nɔa adzakpowo me le atsiaƒu me la ƒe ŋuti katã. Gadaglamakui siwo womate ŋu akpɔ kple ŋku ƒuƒlu o la le ɣletivi sia ƒe ŋuti katã, eye esia wɔe be eŋuti katã zu ŋku ƒokpli ɖeka.

Nu lɛlɛlɛ siwo me dza siwo le ɣletivi ƒe ŋuti la nye gadaglamakui suesuesue siwo de ŋgɔ sãsãsã

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Esi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo lé ŋku ɖe ɣletivi sia ŋu la, wokpɔe be “nu lɛlɛlɛ gbogbo aɖewo siwo me dza, eye woƒe titrime mede amegbetɔ ƒe taɖa nu o la le eŋuti katã le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu.” (Natural History) Nu suesuesue (calcium carbonate) siawo siwo me dza la nye gadaglamakui siwo de ŋgɔ sãsãsã, eye woklẽna ɖe lãmeka siwo xɔa kekeli siwo le ɣletivia ƒe ayi te tututu la dzi. Gawu la, gadaglamakuiawo le nɔnɔme si sɔ me si wɔe be lãvi sia tea ŋu kpɔa nuwo nyuie.

Atikedokpɔla Joanna Aizenberg gblɔ be ale si tsro si le ɣletivi ƒomevi sia ŋuti tea ŋu wɔa dɔ ƒomevi eve la “ɖo kpe gɔmeɖose vevi sia dzi be, le nu gbagbe ŋutinunya me zi geɖe la, ele be woatrɔ asi le nuwo ŋu hafi wòate ŋu awɔ dɔ vovovowo.”

Nu siwo numekulawo srɔ̃ tso ɣletivi ƒomevi sia ŋu la na wote ŋu to mɔnu bɔbɔe si melɔ ga geɖe zazã ɖe eme o la dzi zã calcium carbonate tsɔ wɔ gadaglamakui suesuesue vovovowo. Mɔ vovovo siwo nu wozãa ɣletivi ƒomevi sia ƒe ŋutete sia le dometɔ ɖekae nye nyatakakaxɔmɔnu, si me wozã elektrikka si me keklẽ tona bɔbɔe le.

Nu kae nèsusu? Ðe ale si ɣletivi ƒomevi sia ƒe ŋuti katã nye “ŋku” la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?