KUXIA

Viwò ƒewuivi be wò nya me sẽ akpa. Gake wò ya mèkpɔe nenema o. Ègblɔ na ɖokuiwò be, ‘Ne nye asi mesẽ ɖe ɖevi sia dzi o la, ava gblẽ!’

Ka ɖe edzi be àte ŋu awɔ se siwo sɔ na viwò ƒewuivi. Gake gbã la, ele be nàse nu si tae viwòa daa wò sewo dzi ɖo la gɔme.

NU SI GBƆ WÒTSONA

Nyakpakpa: Ðeviwo daa sewo dzi godoo ne wote liɔliɔ; ƒewuiviwo ƒe nɔnɔmee.

Nyateƒea: Ƒewuiviwo metsia tre ɖe se siwo sɔ na woƒe ƒexɔxɔ ŋu o nenye be dzilawo na wose nu si tae wode sea ɖo la gɔme.

Togbɔ be nu vovovowoe nana ƒewuiviwo dzea aglã hã la, kuxia ƒe ɖe ate ŋu atso dzilawo gbɔ nenye be woƒe sewo le kpaɖii alo womegasɔ ɖe ɖeviawo ƒe ƒexɔxɔ nu o. Na míade ŋugble le nya siawo ŋu kpɔ:

  • Ne seawo le kpaɖii. Ne dzilawo de se eye womeɖe nu me na wo viwo be woakpɔ viɖe si le edziwɔwɔ me o la, ekema woanɔ seawo kpɔm abe mɔxenu ene ke menye abe ametakpɔnu ene o. Ana woava nɔ nu siwo tututu gbem wole na wo la wɔm le bebeme.
  • Ne seawo megasɔ ɖe ɖeviawo ƒe ƒexɔxɔ nu o. Àte ŋu agblɔ na ɖevi sue be, “Mebe mègawɔe o,” eye ema ɖeɖe sɔ gbɔ nɛ, gake le ƒewuiviwo gome la, ele be nàɖe susu si tae nède sea ɖo me nɛ. Madidi o, viwò ƒewuivia ava nɔ eɖokui si ahanɔ nyametsotso veviwo wɔm. Eya ta anyo be wòanya nu si ta nède se aɖe ale be wòasrɔ̃ nyametsotso nyuiwo wɔwɔ esime wòkpɔtɔ le wò dzikpɔkpɔ te.

Ke nu kae nàte ŋu awɔ ne edze abe viwòa tsia tre ɖe wò se ɖe sia ɖe ŋu ene?

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Gbã la, nyae be ƒewuiviwo hiã sewo, eye woawo ŋutɔwo hã nyae nenema. Eya ta de se siwo sɔ, eye nàɖe wo me nɛ wòase egɔme. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ne wode se siwo me kɔ na ƒewuiviwo eye wokpɔa wo dzilawo sinu be woafia mɔ yewo la, ƒãa hafi woasẽ to.” (Letting Go With Love and Confidence) Gake ne dzilawo na ablɔɖe wo viwo akpa la, esia ana wòadze abe ɖe wometsɔ ɖeke le wo viwo me o ene. Esia boŋue ana ɖeviawo nagblẽ.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 29:15.

Ke aleke nàwɔ ada asɔ? Ðe mɔ na viwò ƒewuivi wòagblɔ eƒe susu le ɖoɖo siwo nèwɔ na ƒomea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne ebia be nàwɔ asitɔtrɔ aɖe le game si wòle be yeagbɔ va aƒe me ŋu la, ɖo to nàse eƒe nyawo. Anɔ bɔbɔe na ƒewuivi si nya be woɖoa to ye la be wòade bubu se siwo nède la ŋu eye wòawɔ ɖe wo dzi—ne mevivi enu o hã.—Biblia ƒe mɔfiame: Yakobo 1:19.

Hafi nàtso nya me le nane ŋu la, nyae be: Ƒewuiviwo dina be woana ablɔɖe geɖe yewo, evɔ dzilawo ya susunɛ be ablɔɖe vi aɖe ko wòle be yewoana wo. Eya ta bu nu si dim viwòa le la ŋu nyuie. Ðe wòɖee fia be yenye ame si dzi woate ŋu aka ɖoa? Ðe nɔnɔmea bia be nàtrɔ asi le se aɖewo ŋua? Lɔ̃ nàwɔ asitɔtrɔ siwo hiã.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Mose 19:17-22.

Menye toɖoɖo viwòa koe hiã o, ke boŋ gblɔ nu siwo ŋu wò hã nètsi dzi ɖo la nɛ. Esia ana wòasrɔ̃ ale si wòabu ame bubuwo hã ƒe seselelãmewo ŋu.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Korintotɔwo 10:24.

Mlɔeba, wɔ nyametsotso si sɔ eye nàɖe nu si tae nèwɔe me nɛ. Ne nyametsotsoa medzɔ dzi nɛ o hã la, anɔ eme be akpɔ dzidzɔ ɖe mi edzilawo ŋu le esi mielɔ̃na ɖoa toe ta. Ðo ŋku edzi be ɖe nèle nu fiam viwò ƒewuivi be wòava ɖɔ ʋu ne eva tsi. Eya ta ne èwɔ se siwo asɔ na viwò ƒewuivi eye nèdzro wo me kplii la, ekema èle kpekpem ɖe eŋu be wòatsi ava zu ame tsitsi ɖɔʋu.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 22:6.