Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI

Ale Si Nàwɔ Anye Vifofo Nyui

Ale Si Nàwɔ Anye Vifofo Nyui

“Nu kae nyemewɔ nyuie o?” Nya sia ɖe fu na Michael * si le South Africa la vevie. Togbɔ be edze agbagba ɖe sia ɖe be yeanye vifofo nyui hã la, ne eɖo ŋku viaŋutsu si xɔ ƒe 19 si dze aglã dzi la, ebiaa eɖokui be, nu ka kurae wòle be mawɔ abe dzila ene si nyemewɔ o?

Edze abe Terry si le Spain ya kpɔ dzidzedze le vihehe me ene. Viaŋutsu Andrew gblɔ be: “Nu si dzi meɖoa ŋkui zi geɖe le fofonye ŋue nye ale si wòxlẽa nu nam, fena kplim eye wòkplɔam ɖia tsae yia afi si nye kplii ɖeɖe míaɖe modzaka le. Ena nusɔsrɔ̃ tso egbɔ vivia nunye.”

Ele eme baa be mele bɔbɔe be woanye vifofo nyui ya o. Ke hã, mɔfiame vevi siwo akpe ɖe ame ŋu la li. Vifofo geɖe kpɔe be Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ ɖe vi na yewoƒe ƒomea. Na míadzro Biblia ƒe mɔfiame vevi siwo ate ŋu akpe ɖe vifofowo ŋu la dometɔ aɖewo me.

 1. Kpɔ Vovo Ðe Wò Ƒomea Ŋu

Aleke nèɖenɛ fiana viwòwo be wole vevie na ye? Ele eme be èwɔa nu geɖe na viwòwo, eye nèkua kutri dia nuɖuɖu kple mlɔƒe na wo. Màwɔ nu siawo katã ne viwòwo mele vevie na wò o. Gake ne mèkpɔa vovo ɖe viwòwo ŋu o la, woatsɔe be wò dɔwɔɖui, xɔ̃wòwo kple modzakaɖeɖe le vevie na wò wu yewo.

Ɣekaɣie wòle be vifofo nate vovokpɔkpɔ ɖe viawo ŋu? Vidada lɔ̃a via tso keke ɖevia ƒe dɔmenɔɣi ke. Kaka fugboe naxɔ kwasiɖa 16 la, ɖevia ate ŋu ase nu. Eya ta vifofoa ate ŋu adze kadodo gɔme kple vi nɔdɔmea tso ɣemaɣi. Ate ŋu ase ɖevia ƒe dzi ƒe dɔwɔwɔ, eƒe ʋaʋã, ate ŋu aƒo nu nɛ alo adzi ha nɛ gɔ̃ hã.

Biblia Ƒe Mɔfiame: Le Biblia ŋlɔɣi la, ŋutsuwo koŋue fiaa nu wo viwo. Wodi tso vifofowo si be woakpɔ vovo ɖe wo viwo ŋu, abe ale si Biblia ƒe nya siwo le 5 Mose 6:6, 7 ɖee fia ene be: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.”

2. Vifofo Nyui Nye Ame Si Ðoa Dze Faa

Gbɔ dzi ɖi nàɖo to wo, eye mèganɔ fɔ bum wo o

Hafi nàte ŋu aɖo dze kple viwòwo nyuie la, ele be nànye toɖola nyui. Ele be nàsrɔ̃ ale si nàɖo to ase nya eye màtsi nya ɖe wo nu o.

Ne viwòwo kpɔe be èdoa dziku kabakaba eye nèbua fɔ ame la, womadi be yewoagblɔ yewoƒe dzimenyawo na wò o. Gake ne ègbɔa dzi ɖi ɖoa to wo la, woakpɔe be ètsɔ ɖe le eme na yewo vavã. Woawo hã woadi be yewoagblɔ yewoƒe dzimenyawo na wò faa.

Biblia Ƒe Mɔfiame: Àkpɔ mɔfiame nyui siwo sɔ na agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa la le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu le dziku me.” (Yakobo 1:19) Vifofo siwo wɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiame sia dzi la tea ŋu ɖoa dze kple wo viwo bɔbɔe.

 3. Na Hehe Wo Le Lɔlɔ̃ Me Eye Nàkafu Wo

Esi wònye be xe bidzi medzona kple atɔ o ta la, ne edzɔ be nèdo dziku ɖe viwòwo ŋu hã la, na ale si nàwɔ nu ɖe wo ŋui la naɖee afia be nèlɔ̃ wo eye nèdi be eme nanyo na wo le etsɔme. Amehehe fia aɖaŋuɖoɖo, ɖɔɖɔɖo, nufiafia kple tohehe ne ehiã.

Gawu la, tohehe ɖea vi ne vifofo kafua viawo edziedzi. Blemalododo aɖe gblɔ be: “Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.” (Lododowo 25:11) Ne èkafua viwòwo la, ana nɔnɔme nyuiwo nasu wo si. Ne dzilawo dea dzesi wo viwo ƒe nɔnɔme nyuiwo, eye wokafua wo ɖe wo ta la, enana dzi ɖoa wo ƒo. Vifofo si dia mɔnukpɔkpɔ tsɔ kafua viawo la kpena ɖe wo ŋu be kakaɖedzi sua wo si, eye wònana wowɔa nu nyui.

Biblia Ƒe Mɔfiame: “Mi vifofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, bene dzi nagaɖe le wo ƒo o.”Kolosetɔwo 3:21.

4. Lɔ̃ Srɔ̃wò, De Bubu Eŋu

Ale si vifofo wɔa eƒe ɖoƒe ŋu dɔe la kpɔa ŋusẽ nyui alo ŋusẽ gbegblẽ ɖe viawo dzi. Numekuha aɖe si srɔ̃ nu tso ɖeviwo ŋu gblɔ be: “Nu nyui siwo vifofo ate ŋu awɔ na viawo la dometɔ ɖekae nye be wòade bubu ɖeviawo dada ŋu. . . . Ne ɖeviwo kpɔnɛ be yewo fofo kple yewo dada dea bubu wo nɔewo ŋu la, wokpɔa dzidzɔ hesena le wo ɖokuiwo me be yewo dzilawo lɔ̃ yewo.”—The Importance of Fathers in the Healthy Development of Children. *

Biblia Ƒe Mɔfiame: “Srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo, . . . Mia dome ŋutsu ɖe sia ɖe . . . nelɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene.”Efesotɔwo 5:25, 33.

 5. Wɔ Ðe Biblia Ƒe Mɔfiamewo Dzi

Vifofo siwo lɔ̃a Mawu la, ate ŋu ana nu vevitɔ kekeake wo viwo, si nye ƒomedodo nyui si anɔ eya kple wo Fofo si le dziƒo la dome.

Antonio, si nye Yehowa Ðasefo si nyi vi ade wotsi la, xɔ lɛta tso vianyɔnuawo dometɔ ɖeka gbɔ. Lɛta me nyawo yi ale: “Papa, medi be mada akpe na wò ɖe ale si nèkpe ɖe ŋunye be malɔ̃ Yehowa Mawu kple hanyevi, eye malɔ̃ ɖokuinye hã ta—ɛ̃, èkpe ɖe ŋunye be mada asɔ. Èna mekpɔe be yelɔ̃ Yehowa eye be yetsɔ ɖe le eme nam vevie. Papa, akpe na wò kakaka be nètsɔ Yehowa ɖo nɔƒe vevitɔ le wò agbe me eye nèlé be na viwòwo abe nunana xɔasiwo tso Yehowa gbɔ ene!”

Biblia Ƒe Mɔfiame: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la. Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò.”5 Mose 6:5, 6.

Nu siwo wodi tso vifofowo si la sɔ gbɔ wu nu vevi atɔ̃ siwo me míedzro le nyati sia me, eye enye nyateƒe be ne èdze agbagba ɖe sia ɖe be yeanye vifofo nyui hã la, màde blibo o. Gake ne èyi edzi wɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame siawo dzi heɖee fia viwòwo be yelɔ̃ wo vavã la, àte ŋu anye vifofo nyui. *

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

^ mm. 19 Ne edzɔ be vifofo aɖe gbe srɔ̃a gɔ̃ hã la, ne ewɔa nu ɖe ɖeviawo dada ŋu bubutɔe la, esia akpe ɖe ɖeviawo ŋu be ƒomedodo nyui nanɔ eya kple wo dada dome.

^ mm. 25 Àkpɔ nyati bubu siwo aɖe vi na ƒomewo le agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe yevugbetɔ me le Internet dzi le www.jw.org.