Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 GBEMELÃWO

Ƒeɖekadzoɖekɛ—Gbemelã Klitsu Aɖe

Ƒeɖekadzoɖekɛ—Gbemelã Klitsu Aɖe

“ƑEÐEKADZOÐEKƐ ƒomevi siawo menya kpɔ o. Nu ka tae wokɔkɔ nenema gbegbe? Nu ka tae woƒe nu didi alea?” Ame geɖe alɔ̃ ɖe Henry David Thoreau, si nye agbalẽŋlɔla le ƒe alafa 19 lia me, ƒe nya siawo siwo wògblɔ tso lã klitsu siawo ŋu la dzi. Esi wovloe, womebɔ o, eye womezɔna le ha me o ta la, amewo kpa nyawo gblɔ le ƒeɖekadzoɖekɛ ƒomevi siawo ŋu be wole klayii eye nunya mele tagbɔ na wo o. Nyateƒeea? Numekula siwo le Dziehe Amerika kple Europa kpakple Asia kpɔ nu ɖedzesi aɖewo le lã siawo ŋu.

Ame sia ame alɔ̃ ɖe edzi be ƒeɖekadzoɖekɛ ƒomevi siawo nye lã klitsuwo. Togbɔ be “gbemelã klitsu” siawo ƒe afɔ legbeeawo mena woƒe azɔlime nya kpɔna o hã la, ŋusẽ le woƒe afɔawo ŋu ale gbegbe be wotsɔnɛ tua amegãxiwo ƒua anyi. Ƒeɖekadzoɖekɛ ƒomevi siawo srɔ̃a tsiƒuƒu tso wo dziɣi ke, eye woƒua tsi kilometa geɖe hedoa ɖi yia tsia te meta 6 sɔŋ va ɖua tɔmegbewo!

Ƒeɖekadzoɖekɛ tea ŋu troa ŋku kpɔa nu le megbe esi mahiã be wòanyè kɔ o. Eƒe ŋɔti ƒe nɔnɔme hã kpena ɖe eŋu geɖe. Numekulawo gblɔ be esi eƒe ŋɔtido eveawo dome keke ta la, enana wòsea nu ƒe ʋeʋẽ tso akpa sia akpa. Eƒe towo hã ɖa ŋutɔ. Etea ŋu  trɔa eƒe towo ɖe goawo katã me sea etɔ bubuwo ŋkɔ tso adzɔge abe kilometa 3 sɔŋ ene!

Agbalẽŋlɔla aɖe ɖɔ wo viwo be “womenyra bo o,” wokea ŋku ɖe nu me heɖea dzi ɖi bɔkɔɔ. Wo nɔwo léa be na wo hekpɔa wo ta nyuie, eye woɖea nu sia nu si di be yealé wo viwo la ɖe nu, eɖanye amegãxi, sisiblisi, alo amegbetɔ gɔ̃ hã o. Ke ne wo viwo xɔ abe ƒe ɖeka ene, eye wo nɔwo gafɔ fu la, wonyaa ɖeviawo ɖa le wo ɖokui ŋu.

WONƆA ANYIGBA FAFƐWO DZI

Esi wònye gbe koŋue ƒeɖekadzoɖekɛ ƒomevi siawo ɖuna ta la, nu ka nue wonɔa agbe ɖo le snodzaɣi? Woɖua nu geɖe le dzomeŋɔli. Nu si woɖuna gbe sia gbe ƒe kpekpeme dea kilogram 23, eɖanye le ati si kɔ meta 3 dzi loo, alo tɔmegbe siwo le tsi gɔme meta 3 ye o. Woƒe dɔgbo si ma ɖe akpa ene me la ɖea nunyiame ɖe sia ɖe le nuɖuɖua me ale be wodaa ami nyuie hafi vuvɔŋɔli ɖona. Wogadoa go kuxi bubuwo hã le vuvɔŋɔli.

Ne sno dza sɔ gbɔ eye yame fa miamiamia la, nu tea wo ŋu. Wometsana fũu le vuvɔŋɔli o, be ŋusẽ nagavɔ le wo ŋu kaba o; wo ŋutifu tɔxɛ la léa vuvɔ na wo. Menɔa bɔbɔe na wo be woasi le amegãxiwo nu ne sno dza o, gake amegbetɔwo koŋue nyea afɔku na wo, vevietɔ adelawo kple ʋukulawo.

Le dukɔ siwo me sno dzana le la, wokɔa dze ɖe mɔdodo gã geɖewo dzi be wòana snoa nanyi kaba. Dze vivia ƒeɖekadzoɖekɛ siawo nu. Evɔ esi wònye be woƒe fuwo nyɔ ta la, ʋukulawo mekpɔa wo kaba ne wova le nu ɖum alo le mɔ me tsom le zã me o, eye ʋu ƒoa wo bɔbɔe. Afɔku siawo tea ŋu nana ʋukulawo kple lã siawo ƒe agbe tsia eme.

WOLƆ̃A FEFE

Wokpɔa ƒeɖekadzoɖekɛ ƒomevi siawo wonɔa kpo tim nɔa ƒutsotsoewo kpem, eye wolɔ̃a tsilele le tsita xɔdzowo hã me. Atsuawo faa tu ne wole asi yɔm, eye nɔeawo hã léa be na wo viwo nyuie. Wo vi siwo nyim amewo le le aƒe me gɔ̃ hã lɔ̃a wo nyilawo ale gbegbe. Ðɔkta  Valerius Geist gblɔ be: “Lã wɔmoya klayii siawo nyaa nu, wolɔ̃a wo nɔewo hewɔa nuteƒe.”

Wokea ŋku ɖe nu me heɖea dzi ɖi bɔkɔɔ

Gake kpɔ nyuie: Ƒeɖekadzoɖekɛ ƒomevi siawo nye gbemelã siwo ŋu ŋusẽ le. Ne èva do go ɖe le gbe me la, mègagogoe kura o; vevietɔ ne èkpɔ be viwo le eŋu. Ke hã, ne ètɔ ɖe adzɔge le wo kpɔm la, gbemelã klitsu siawo kpɔkpɔ ado dzidzɔ na wò.