KUXIA

Ðe wòsesẽna na mia kple srɔ̃wò be mialé nyawo kpɔ le ŋutifafa mea? Ðe nètsia mavoe ɣesiaɣi le esi mènya ne nya si nàgblɔ la ade dzre mia kple srɔ̃wò dome o ta?

Ne nenemae la, ke ka ɖe edzi be nuwo ate ŋu aɖɔ ɖo. Gake gbã la, ele be nànya nu si tae mia kple srɔ̃wò miewɔa dzre zi geɖe ɖo.

NU SI GBƆ WÒTSONA

Masɔmasɔwo.

Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Jillian * gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, nyawo medona le nunye abe ale si tututu medi be magblɔe na srɔ̃nyea hafi la ene o. Alo mekana ɖe edzi be megblɔ nya aɖe na srɔ̃nye, evɔ wònye ɖeko mesusui be megblɔe nɛ, gake le nyateƒe me la, nyemegblɔe nɛ hafi o!”

Ne miaƒe susuwo mewɔ ɖeka o.

Aleke kee mia kple srɔ̃wò miesɔ na mia nɔewoe o, miaƒe susuwo ato vovo le nya aɖewo ya gome. Nu ka tae? Elabena ame eve aɖeke mesɔ kple wo nɔewo pɛpɛpɛ o, eye nyateƒenya sia ate ŋu ana srɔ̃ɖegbenɔnɔ navivi loo alo wòahe kuxiwo vɛ. Le srɔ̃tɔ geɖe gome la, kuxiwoe wòhena vɛ.

Dzilawo ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽ.

Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Rachel gblɔ be: “Dzinyelawo wɔa dzre zi geɖe, eye wodaa gbe ɖe wo nɔe gbɔ, eya ta esi meva ɖe srɔ̃ la, meƒoa nu na srɔ̃nye abe ale si danye ƒoa nu na fofonye ene. Nyemesrɔ̃ ale si made bubu ame ŋu o.”

Nyaa ƒe ke.

Zi geɖe la, nu si gbɔ dzre sesẽwo tsona la yi ŋgɔ wu nudzɔdzɔ si do dzrea ɖa. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe gblɔ ɖe srɔ̃a ŋu be “Wò ya megbe koe nètsina!” la, ɖewohĩ menye megbetsitsia koŋue nye kuxia o, ke boŋ ese le eɖokui me be wowɔ nu ɖe ye ŋu ameŋumabumabutɔe.

Aleke kee nyaa ɖale o, ne miewɔa dzre edziedzi la, ate ŋu agblẽ nu le miaƒe lãmesẽ ŋu, alo be wòana miava  gbe mia nɔewo gɔ̃ hã. Ekema aleke miawɔ ana dzrewɔwɔa natɔ?

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Nu vevi aɖe si ana miadzudzɔ dzrewɔwɔe nye be miade dzesi nu si tututu dea dzrea mia dome. Ne miaƒe dzi va dze eme la, mite egbɔkpɔkpɔ ƒe mɔnu sia kpɔ.

1. Mi ame evea mitsɔ pepa vovovo miaŋlɔ nu si ŋu miewɔ dzre le nyitsɔ laa la ɖe wo dzi. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ŋutsua ate ŋu aŋlɔ bena, “Xɔ̃wòwo gbɔ koe nèyi ɖanɔ ŋkeke bliboa, eye meyɔm hegblɔ afi si nènɔ la nam o.” Ðewohĩ srɔ̃nyɔnua hã aŋlɔ bena, “Èdo dziku le esi meyi ɖasrã xɔ̃nyewo kpɔ ta.”

2. Dzro nya siwo gbɔna la me kple srɔ̃wòa anukwaretɔe: Ðe wònye nya gã nenema gbegbea? Ðe miate ŋu aŋe aɖaba aƒu edzi hafia? Ðewohĩ le go aɖewo me la, anyo be mialɔ̃ ɖe edzi be mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe susu to vovo na nɔvia tɔ, eye lɔlɔ̃ nana miaɖe asi le nyaa ŋu.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 17:9.

Ne miekpɔe be menye nya gã aɖekee nye ema o la, miɖe kuku na mia nɔewo, eye miaɖe asi le nyaa ŋu.—Biblia ƒe mɔfiame: Kolosetɔwo 3:13, 14.

Ne mi ame evea alo mia dometɔ ɖeka kpɔe be enye nya gã la, ke miɖe afɔ si kplɔe ɖo.

3. Ŋlɔ ale si nèse le ɖokuiwò me esime mienɔ dzrea wɔm la ɖe pepa dzi, eye nàna srɔ̃wòa hã nawɔe nenema. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ŋutsua ate ŋu aŋlɔ be, “Ewɔ nam be hadede kple xɔ̃wòwo dze ŋuwò wu gbɔnyenɔnɔ ene.” Srɔ̃nyɔnua ate ŋu aŋlɔ be, “Mese le ɖokuinye me be èle nu wɔm ɖe ŋunye abe ɖevi si wòhiã be wòabia mɔ le fofoa gbɔ hafi ado go la ene.”

4. Ame sia ame nexɔ nɔvia ƒe pepa ne wòaxlẽ. Nu ka koŋue ɖe fu na srɔ̃wòa si tae mienɔ dzrea wɔm? Midzro nu si wòle be mia dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ atsɔ akpɔ nu si tututu he dzrea vɛ la gbɔ nyahehemanɔmee hafi la me.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 29:11.

5. Midzro nu si miesrɔ̃ tso afɔɖeɖe siawo me la me. Aleke nu si miesrɔ̃ la ŋu dɔwɔwɔ ate ŋu ana miaƒo asa na nyahehe le etsɔme alo akpɔ wo gbɔe?

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔawo.