Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme na ame dahewoa?

“Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me . . . Elabena [Mawu gblɔ] be: ‘Nyemaɖe asi le ŋuwò gbeɖe o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.’” —Hebritɔwo 13:5.

ALE SI MAWU ÐENƐ FIANA BE YETSƆ ÐE LE EME

Ne Yehowa Mawu subɔla aɖe le nɔnɔme sesẽwo me tom la, Mawu ɖenɛ fiana le mɔ vovovowo nu be yetsɔ ɖe le eme nɛ. Mɔ siawo dometɔ ɖekae nye kpekpeɖeŋu si hati Kristotɔwo nanɛ lɔlɔ̃tɔe. * Yakobo 1:27 gblɔ be: “Subɔsubɔ si le dzadzɛ, si ŋu ɖiƒoƒo mele o, le mía Mawu si nye mía Fofo ŋkume lae nye esi: be woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxa me.”

Kristotɔ gbãtɔwo kpena ɖe wo nɔewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi wogblɔ ɖi be dɔ sesẽ aɖe ato le Yudea la, Kristotɔ siwo nɔ Siria ƒe dugã Antioxia me la ɖoe kplikpaa be yewoawɔ “kpekpeɖeŋudɔ to nane ɖoɖo ɖe nɔvi siwo le Yudea la dzi.” (Dɔwɔwɔwo 11:28-30) Esia na wo nɔvi Kristotɔ siwo hiã tu la ƒe asi su nu siwo hiã wo la dzi. Woto lɔlɔ̃nu faa nunana sia dzi ɖe Kristotɔwo ƒe nɔvilɔlɔ̃ fia.—1 Yohanes 3:18.

 Aleke ame dahewo ate ŋu akpe ɖe wo ɖokuiwo ŋu?

“Nye Yehowa, wò Mawu, enye ame si fia nu si nyo na wò la wò.”—Yesaya 48:17, 18.

MAWU FIAA MÍ ALE SI MÍAKPE ÐE MÍA ÐOKUIWO ŊU

Ame miliɔn geɖe de dzesii be nunya si le Biblia me la ɖea vi, eye wòƒo ɖe sia ɖe ta. Lododowo 2:6, 7 gblɔ be: “Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso; edzraa dzɔgbenyui vavã ɖo ɖi na nuteƒewɔlawo.” Ne amewo wɔ nunya sia ŋu dɔ la, eɖea vi na wo.

Le kpɔɖeŋu me, enana woƒoa asa na nuwɔna siwo gblẽa ga na ame hegblẽa nu le ame ŋu, abe atike vɔ̃ɖi zazã kple aha tsu nono ene. (2 Korintotɔwo 7:1) Wonyea anukwareɖilawo, veviedonulawo kple ame ɖɔʋuwo hã, si wɔnɛ be dɔkpɔkpɔ nɔa bɔbɔe na wo wu, eye dɔtɔwo hã kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. Efesotɔwo 4:28 gblɔ be: “Fiafitɔ la nagafi fi azɔ o, ke boŋ newɔ dɔ sesẽ, . . . ne wòakpɔ nane ana ame si nu hiã.”

Ðe kpeɖodzi li be nunya si le Biblia me la ɖea vi na ame dahewoa?

“Mawu ƒe nunya tsoa afia na eɖokui to eƒe nuwɔnawo me.”—Mateo 11:19, Agbenya La.

NUTEƑEKPƆKPƆWO ÐEE FIA BE EÐEA VI

Woxɔ Wilson, si le Ghana la ɖe dɔ aɖe me hena ɣeyiɣi kpui aɖe, eye azã de be wòaɖe asi le dɔa ŋu. Esi Wilson nɔ dɔmemegã la ƒe ʋu klɔm le eƒe dɔwɔŋkeke mamlɛtɔ dzi la, ekpɔ ga aɖe le ʋua me. Eƒe dɔnunɔlaa gblɔ nɛ be netsɔ gaa. Wilson, si nye Yehowa Ðasefo la, melɔ̃ be yeafi gaa o. Etrɔ gaa yi na nua tɔ. Le esia ta la, womegaxa ɖe asi le Wilson ŋu le dɔa me o, ke boŋ woxɔe ɖe dɔa me koŋ, eye wòva zu dɔmemegãwo dometɔ ɖeka emegbe.

Le Europa la, dɔ ge le Géraldine si le esi eƒe dɔtɔ melɔ̃ Yehowa Ðasefowo ƒe nya o ta. Dɔtɔa dada gblɔ na via be ewɔ vodada gã aɖe. Egblɔ kpee be, “Ne èdi dɔwɔla si dzi nàte ŋu aka ɖo, si aɖo mo vevi ɖe dɔ ŋu la, ke Yehowa Ðasefo koe nàte ŋu akpɔ.” Esi dɔtɔa ku nu me tso Ðasefowo ŋu vɔ la, egbugbɔ xɔ Géraldine ɖe dɔa me.

Esi Sarah, si nye dzilaɖekɛ le South Africa, nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la, ekpɔ Kristotɔwo ƒe nɔvilɔlɔ̃ teƒe esi eƒe hametɔwo na nuɖuɖu eƒe ƒomea hekpɔ woƒe ʋuɖonyawo gbɔ na wo. Viawo gblɔ emegbe be, “Dzila geɖewo le mía si le hamea me.”

Nuteƒekpɔkpɔ bubu geɖewo abe esiawo ene gali. Esiawo ɖoa ŋku Lododowo 1:33 me nyawo dzi na mí, afi si gblɔ be: “Ke ame si ɖoa [to Yehowa] la, anɔ anyi bɔkɔɔ.” Nya mawo le eme vavã!

^ mm. 5 Le dukɔ aɖewo me la, dziɖuɖua naa gakpekpeɖeŋu ame dahewo. Le dukɔ siwo me ɖoɖo sia mele o me la, ƒometɔwo koŋ ƒe agbae wònye be woana kpekpeɖeŋu wo.—1 Timoteo 5:3, 4, 16.