Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Nyɔ!  |  January 2013

 NYATI SI LE AKPAA DZI

Ale Si Nàhe Viwò Le Xexe Si Me Ðokuitɔdidi Xɔ Aƒe Ðo

Ale Si Nàhe Viwò Le Xexe Si Me Ðokuitɔdidi Xɔ Aƒe Ðo

MƆNUKPƆKPƆWO sua mía si gbe sia gbe be míawɔ nyui na amewo. Gake edze abe tɔnye-ko-nenyo ƒe susue le ame akpa gãtɔ si egbea ene. Àkpɔ esia ƒe kpeɖodzi le afi sia afi kloe—le ale si ametafatafa megakpea ŋu na amewo o, ale si amewo kua ʋu ameŋumabumabutɔe, kple ale si amewo zãa dzugbewo kabakaba hedoa dziku heliheli ɖe nu sue aɖe ko ta.

Míekpɔa ɖokuitɔdidinuwɔnawo le aƒe geɖewo hã me. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo gbea srɔ̃ le esi wova le sesem le wo ɖokuiwo me be “yewomegasɔ na yewo nɔewo o” ta. Dzila aɖewo hã ƒãa ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme ɖe wo viwo me le manyamanya me. Le mɔ ka nu? Le esi wowɔa nu sia nu si dim ɖeviawo le na wo, evɔ womelɔ̃na be yewoahe to na wo o ta.

Gake enyo ŋutɔ be dzila bubu aɖewo li egbea siwo le hehe nam wo viwo be woaganye ɖokuitɔdilawo o. Enɔa bɔbɔe na ɖevi siwo bua ame ŋu henyoa dɔme be woadze xɔlɔ̃ nyuiwo eye woƒe xɔlɔ̃dzedzea nali ke. Azɔ hã, nu dzea wo ŋu wu. Nu ka ta? Elabena Biblia ƒe nya siawo le eteƒe: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Aleke dzilawo awɔ akpe ɖe wo viwo ŋu be woanye ameŋubulawo kple dɔmenyolawo eye woatsri tɔnye-ko-nenyo ƒe xexea ƒe ya si le ƒoƒom ɖe wo la? De ŋugble le nu etɔ̃ siwo gbɔna, siwo ate ŋu aƒã ɖokuitɔdidi ɖe viwòwo me ŋu, eye  nàkpɔ ale si nàwɔ aƒo asa na mɔtetre siawo.

1 Amekafukafu Si Gbɔ Eme

Kuxia. Numekulawo de dzesii be nɔnɔme ɖefuname aɖe va le ɖekakpui kple ɖetugbui geɖe siwo xɔm wole ɖe dɔ me egbea si sum. Wosena le wo ɖokui me be yewodze na nu nyuitɔ kekeake—wole mɔ kpɔm be nu nadze edzi na yewo godoo, ne womete ŋu le nu boo aɖeke wɔm o gɔ̃ hã. Ewɔna na wo dometɔ aɖewo be ele be woado yewo ɖe ŋgɔ kabakaba, evɔ womebi ɖe dɔa wɔwɔ me hã o. Bubu aɖewo hã susu be yewonye ame veviwo, eya ta ele be woawɔ nu ɖe yewo ŋu etɔxɛe. Ke ne wova kpɔe be amewo mebua yewo nenema o la, dzi ɖena le wo ƒo.

Nu si gbɔ wòtso. Ne èdo afɔ na nɔnɔme sia si le egbeviwo me la, ɣeaɖewoɣi àkpɔe be etso ale si wohe ɖeviawoe gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, dzila aɖewo ɖe mɔ ame ɖokui bubu ame vevii ƒe gbɔgbɔ si va bɔ le ŋkeke siawo me la kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi akpa. Nu si dzi wotu nukpɔsusu sia ɖoe nye be: Ne ɖeviwo kafukafu vie nyo na wo la, ke wo kafukafu geɖe anyo awu. Edze abe ɖe nukpɔsusu sia sɔ ene. Gake nu si esia fiae nye be, ne ègbe nya na viwò alo ègbe lɔlɔ̃ ɖe nane dzi nɛ la, ekema èle dzi ɖem le eƒo. Egbea wobe dzila si makpe ɖe via ŋu be wòabu eɖokui ame vevii o la menye dzila ɖɔʋu o. Nu si esia fia koe nye be, mele be dzilawo nana wo viwo nabu fɔ wo ɖokuiwo gbeɖe o.

Esiae na vifofo kple vidada geɖewo va le kesekuku ɖɔm na wo viwo, elabena wokafua wo, evɔ womewɔ naneke si dze kafukafu hafi o. Ɣesiaɣi si ɖevia wɔ nane, ne eganye nu sue aɖe hã, wokafunɛ vevie ɖe eta; ɣesiaɣi si ɖevia wɔ nu gbegblẽ aɖe, ne eganye bometsinu aɖe hã, woŋea aɖaba ƒua edzi. Dzila siawo ƒe susue nye be, nu si ana ɖevia nade asixɔxɔ eɖokui ŋue nye esi: be yewoamia nu ɖe eƒe gbegblẽƒewo dzi ahakafu eƒe nyuiƒewo. Esia va le vevie na dzilawo kura wu nu siwo wòle be ɖeviawo nawɔ wòahe dzidzɔ avɛ na wo la fiafia wo.

Nya si Biblia gblɔ. Biblia lɔ̃ ɖe edzi be esɔ be woakafu ame nenye be amea dze nɛ. (Mateo 25:19-21) Gake kesekuku ɖɔɖɔ na ɖeviwo mana nukpɔsusu si sɔ nasu wo si tso wo ɖokuiwo ŋu o. Biblia ƒe nya siawo nye nyateƒe be: “Ne ame aɖe susuna be yenye nane, evɔ menye naneke o la, eɖokui blem wòle.” (Galatiatɔwo 6:3) Eya ta Biblia gblɔ na dzilawo wòsɔ be: ‘Mègagbe tohehe na viwò o; ne èƒoe kple ati la, menye kuku ge wòala o.’ *Lododowo 23:13.

Nu si nàte ŋu awɔ. Na wòanye wò taɖodzinu be nàɖɔ viwòwo ɖo ɣesiaɣi si wòhiã, eye nàkafu wo ɣesiaɣi si wodze nɛ. Mèganɔ kesekuku ɖɔm na viwòwo o. Esia maɖe vi na wo o. Agbalẽ si nye Generation Me gblɔ be: “Kakaɖeameɖokuidzi vavãtɔ sua ame si ne etu eƒe ŋutetewo ɖo eye wòsrɔ̃ nu geɖe, ke menye be woanɔ ekafum be ele agbagba dzem ŋutɔ evɔ mewɔ naneke si dze kafukafu o.”

‘Mègabu ɖokuiwò ŋu wu ale si dze o; ke boŋ bɔbɔ ɖokuiwò.’—Romatɔwo 12:3

 2 Ametakpɔkpɔ Si Gbɔ Eme

Kuxia. Edze abe ɖekakpui kple ɖetugbui geɖe siwo xɔm wole ɖe dɔ me egbea medzra ɖo ɖe tenɔnɔ ɖe nɔnɔme sesẽwo nu o ene. Ne wobu fɔ wo le nu suetɔ kekeake me la, egbãa dzi na wo vevie. Nu medzea wo dometɔ aɖewo hã ŋu o, eye dɔ si ŋu wosusu be bubu le koe wodina be yewoawɔ. Le kpɔɖeŋu me, Ðk. Joseph Allen gblɔ le agbalẽ si nye Escaping the Endless Adolescence me be, esi yenɔ gbe biam ɖekakpui aɖe be yeaxɔe ɖe dɔ me la, ɖekakpuia gblɔ be: “Ewɔ nam be dɔ si wòle be mawɔ la ƒe akpa aɖewo ati ame vie, evɔ nyemedi be nye dɔ natim o.” Ðk. Allen gblɔ kpee be: “Mekpɔe be ɖekakpui sia mese egɔme be dɔ sia dɔ ƒe akpa aɖe ati ame vie godoo o. Mebia ɖokuinye be, nu kawoe wòwɔ tso ɖevime kakaa tsi xɔ ƒe blaeve vɔ etɔ̃ eye menya esia o?”

Nu si gbɔ wòtso. Le ƒe siawo me la, dzila geɖe di be yewoakpɔ yewo viwo ta tso nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me. Tsɔe be viwòa do kpo nu le sukudodokpɔ me. Ðe nàyi ava kpɔ eƒe nufiala be wòatrɔ xexlẽdzesi si ɖevia xɔa? Tsɔe be kpovitɔwo do fe na viwò be eda ʋukuse aɖe dzi. Ðe nàxe fea ɖe enua? Tsɔe be ame si viwòa di be yeava ɖe la tso srɔ̃ɖeŋugbedodoa me. Ðe nàda fɔbubua katã ɖe ame kemɛa dzia?

Togbɔ be ele dzɔdzɔmenu be nàkpɔ viwòwo ta hã la, ametakpɔkpɔ si gbɔ eme ate ŋu ana nɔnɔme madeamedziwo nasu ɖeviawo si—womakpɔe be ele be yewoatsɔ yewoƒe nuwɔnawo ƒe agba o. Agbalẽ si nye Positive Discipline for Teenagers gblɔ be: “Ne edzɔ alea la, ɖeviwo manyae be yewoate ŋu ado dzi ato nɔnɔme sesẽwo kple dziɖeleameƒowo me ahasrɔ̃ nu tso wo me gɔ̃ hã o, ke boŋ wotsina va zua ɖokuitɔdilawo, eye wotsɔnɛ be, yewo dzilawo kple ame bubuwo li akpe ɖe yewo ŋu ɣesiaɣi.”

Nya si Biblia gblɔ. Míato nɔnɔme sesẽwo me godoo le agbe me. Biblia gblɔ be: “Azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” (Nyagblɔla 9:11) Ame nyuiwo hã toa xaxawo me. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo to nɔnɔme sesẽ vovovowo me esi wònɔ nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm. Ke hã, tenɔnɔ ɖe xaxawo nu ɖe vi nɛ! Egblɔ be: “Mesrɔ̃e be ele be nu siwo le asinye la nadze ŋunye. Ɛ̃, . . . mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia: be manya ale si woɖia ƒo kple ale si dɔ wua ame, ale si nu bɔna ɖe ame si kple ale si nu hiãa ame.”—Filipitɔwo 4:11, 12.

Nu si nàte ŋu awɔ. Bu afi si viwòwo tsi se ɖo ŋu eye nàdze agbagba awɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame sia dzi: ‘Ame sia ame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.’ (Galatiatɔwo 6:5) Ne kpovitɔwo do fe na viwò be eda ʋukuse aɖe dzi la, ɖewohĩ anyo wu be nàna ɖevia ŋutɔ nawɔ dɔ atsɔ axe fea. Ne viwòa do kpo nu le sukudodokpɔ me la, na wòakpɔe be esia fia be ele be wòasrɔ̃ nu nyuie wu. Ne ame si viwòa di be yeava ɖe tso srɔ̃ɖeŋugbedodoa me la, fa dzi nɛ—gake le ɣeyiɣi si sɔ me la, kpe ɖe eŋu wòade ŋugble le nya siawo tɔgbi ŋu: ‘Ne ètrɔ kpɔ megbe la, ɖe nuteƒekpɔkpɔ sia na nèkpɔ ale si nàwɔ nuwo wòaganyo wu ɣebubuɣia?’ Ðevi siwo xɔa mɔfiame tsɔ kpɔa woƒe kuxiwo gbɔe la tua dzinɔameƒo ɖo, eye wova kana ɖe wo ɖokui dzi. Nɔnɔme siawo masu wo si nenye be ame bubu aɖe tsɔa woƒe agba na wo ɣesiaɣi o.

‘Ame sia ame nado nu si ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ nye la kpɔ, ekema akpɔ susu si ta wòatso aseye ɖo.’—Galatiatɔwo 6:4

 3 Nunana Si Gbɔ Eme

Kuxia. Numekuku aɖe si wowɔ tso sɔhɛwo ŋu ɖee fia be wo dometɔ 81 le alafa me gblɔ be nu si le vevie wu na yewo le agbe mee nye be ‘yewoava zu kesinɔtɔwo’—womebu kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu ya be ele vevie kura o. Gake kesinɔnuwo didi vivivo mehea dzidzɔ vanɛ o. Numekulawo gblɔ be ame siwo ƒe susu katã le kesinɔnuwo ŋue nye ame siwo mekpɔa dzidzɔ boo o eye woléa blanui hã wu. Wokpɔa lãmesẽkuxiwo kple susumedɔwo hã bɔbɔe wu.

Nu si gbɔ wòtso. Kuxia ƒe ɖe tso ƒome si me wonyi ɖevia le—si tsia dzi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu fũu akpa—gbɔ. Agbalẽ si nye The Narcissism Epidemic gblɔ be: “Dzilawo di be yewoana yewo viwo nakpɔ dzidzɔ, eye ɖeviwo di be nu geɖe nasu yewo si. Eya ta nuwo ƒeƒle dzi ko dzilawo le na wo. Ðeviawo kpɔa dzidzɔ ya, gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe wokpɔnɛ. Kasia, wogale nu bubuwo dim kpee.”

Edzɔa dzi na dɔwɔƒe siwo wɔa adzɔnuwo be nunɔamesiwo meɖia ƒo na amewo o, eya ta wogale dzo ƒlɔm ɖe amewo te geɖe wu be woanɔ nuwo ƒeƒle dzi. Wogblɔna be, ‘Ele be nyuitɔ kekeake nasu asiwò,’ alo, ‘Esia tɔgbie dze wò.’ Sɔhɛ geɖewo zu fenyilawo le esi nu siwo le tsia dzi ‘su wo si,’ evɔ wònye ɖe woƒlee agbanae ta.

Nya si Biblia gblɔ. Biblia lɔ̃ ɖe edzi be míehiã ga. (Nyagblɔla 7:12) Gake exlɔ̃ nu mí hã be, “nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃.” Egblɔ kpee be: “Esi ame aɖewo ti lɔlɔ̃ sia ƒomevi yome la, . . . wotsɔ vevesese geɖe ŋɔ wo ɖokuiwo flofloflo.” (1 Timoteo 6:10) Biblia xlɔ̃ nu mí be míagati ŋutilãmenuwo yome o, ke boŋ míana agbemenuhiahiã vevi siwo le mía si la nadze mía ŋu.—1 Timoteo 6:7, 8.

‘Ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe me.’—1 Timoteo 6:9

Nu si nàte ŋu awɔ. Ne dzilae nènye la, ekema dzro ɖokuiwò me nàkpɔ susu si le asiwò ɖe gakpɔkpɔ kple nunɔamesiwo ƒeƒle ŋu. Tsɔ nu siwo le vevie wu la ɖo nɔƒe gbãtɔ, eye nàkpe ɖe viwòwo hã ŋu be woawɔe nenema. Agbalẽ si nye The Narcissism Epidemic, si me nyawo míeyɔ va yi, ɖo aɖaŋu be: “Dzilawo kple ɖeviwo ate ŋu adzro nya siawo tɔgbi me ɖekae: ‘Ɣekaɣiwoe wòanyo be nàƒle nu siwo ƒe asi dzi woɖe kpɔtɔ? Ɣekaɣiwoe manyo be nàƒlee o?’ ‘Viɖe kae nàkpɔ tso nu sia ƒeƒle me?’ ‘Ɣekaɣie nèƒle nane le esi wòwɔ na ame bubu aɖe be ele be wòanɔ asiwò ta ko?’”

Kpɔ nyuie be nàgazã “nuwo ƒeƒle na ame” atsɔ aŋe aɖaba aƒu ƒomekuxi siwo gbɔ wòle be woakpɔ dzi o. Agbalẽ si nye The Price of Privilege gblɔ be: “Nunɔamesiwo menye nu si woatsɔ aɖɔ li ƒomekuxiwo gbɔ kpɔkpɔ kura o. Ele vevie be woazã nuŋububu nyui, gɔmesese deto, kple veveseseɖeamenu atsɔ akpɔ kuxiwo gbɔe, ke menye be woazã afɔkpa yeye kple nu bubu siwo ga ate ŋu aƒle atsɔ akpɔ wo gbɔe o.”

^ mm. 11 Biblia meda asi ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu dzi o, eɖanye le ŋutilã me loo alo seselelãme o. (Efesotɔwo 4:29, 31; 6:4) Taɖodzinu si le ɖeviwo ɖɔɖɔɖo ŋue nye be dzilawo nafia nu wo, ke menye be woatsɔ aɖe woƒe dziku ɖe go o.