A B D Ð E F Ƒ G Ɣ H X I K L M N Ŋ O P R S T U V Ʋ W Y Z

A

  • Ab.

    Esiae nye ŋkɔ si woyɔ na ɣleti atɔ̃lia le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ kɔkɔe la dzi tso esime wotrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon, eye wònye wuiɖekɛlia le dukɔa ƒe ɣletigbalẽ dzi. Edzea egɔme tso July (Siamlɔm) ƒe domedome va se ɖe August (Dasiamime) ƒe domedome. Womeyɔ eŋkɔ le Biblia me o; ɖeko woyɔe be “ɣleti atɔ̃lia.” (4Mo 33:38; Ezr 7:9)—Kpɔ Megbenyawo B15.

  • Abib.

    Esiae nye ŋkɔ si wonya na Yudatɔwo ƒe ɣleti gbãtɔ le woƒe ɣletigbalẽ kɔkɔe la dzi, eye wònye adrelia le dukɔa ƒe ɣletigbalẽ dzi. Egɔmee nye “Nuku Yeyewo,” eye edzea egɔme tso March (Tedoxe) ƒe domedome va se ɖe April (Afɔfiɛ) ƒe domedome. Esi Yudatɔwo trɔ gbɔ tso Babilon la, wova yɔe be Nisan. (5 Mo 16:1)—Kpɔ Megbenyawo B15.

  • Ablɔɖeƒe.

    Enye ƒe 50 sia ƒe 50, si wobuna tso esime Israel-viwo yi ɖe ŋugbedodonyigbaa dzi. Womedea agble ɖe anyigbaa dzi le ablɔɖeƒea me o, eye ele be woaɖe asi le Hebrivi siwo nye kluviwo ŋu. Wogaxɔa anyigba si nye domenyinu si wodzra la hã. Ablɔɖeƒea nye kpɔɖeŋu na ƒe blibo ƒe azã, si nana dukɔa gaɖoa ŋku ale si wònɔ esime Mawu ɖoe anyi la dzi.—3Mo 25:10.

  • Ablɔɖeme.

    Le Romatɔwo ƒe dziɖuɣi la, “ablɔɖeme” nye ame si wodzi ablɔɖevii, ame si si dukɔmevinyenye ƒe gomewo le bliboe. To vovo na esia la, kluvi si wona ablɔɖee hã nye “ablɔɖeme.” Ne ame aɖe zu ablɔɖeme le mɔ sia nu la, efia be ezu Roma dukɔa me tɔ, gake mate ŋu anye dumegã o. Ablɔɖemezuzu le gɔmesese gbadza nu fia be wona ablɔɖe ame tso kluvinyenye me gake womena dukɔmevinyenye ƒe ablɔɖee bliboe o.—1Ko 7:22.

  • Abosam.

    Enye ŋkɔ si wotsɔ ɖɔ Satana le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me, si gɔmee nye “Amegɔmezɔla.” Wotsɔ ŋkɔ Abosam na Satana elabena eyae nye amegɔmezɔla gãtɔ kple gbãtɔ si tsò Yehowa nu, eye wòtsi tre ɖe eƒe nya kple eƒe Ŋkɔ kɔkɔe la ŋu.—Mt 4:1; Yh 8:44; Nyɖ 12:9.

  • Aboyo.

    Enye amewo kpɔkplɔ dzoe le wo denyigba dzi alo woƒe aƒe me akpasesẽtɔe le esi woɖu wo dzi le aʋa me ta. Hebrigbe me nya la fia, “ʋuʋu dzo.” Zi eve sɔŋ ye woɖe aboyo Israel-viwo. Asiriatɔwo ɖe aboyo dziehe to ewo fiaɖuƒea, eye emegbe Babilontɔwo ɖe aboyo to eve fiaɖuƒea. Le Persia-fia Kores ƒe dziɖuɣi la, eɖe asi le aboyomeawo ƒe ame susɔeawo ŋu wotrɔ gbɔ va wo de.—2Fi 17:6; 24:16; Ezr 6:21.

  • Aboyonuwo.

    Enye ame ƒe aƒemetɔwo alo aƒemenuwo, lãwo, alo nu xɔasi bubu siwo woha le ame siwo dzi woɖu le aʋa me la si.—Yos 7:21; 22:8; Heb 7:4.

  • Abɔklugui.

    Enye dzidze si tso abɔklugui nu va se ɖe asibidɛ diditɔ nu. Israel-viwo zã abɔklugui si ƒe didime le abe sentimeta 44.5 ene, gake wogazã abɔklugui bubu si didi wu ema asiƒome ɖeka, si ƒe didime le sentimeta 51.8. (1Mo 6:15; Lk 12:25)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Ada asi ɖe ame dzi; aɖo asiwo nane tame.

    Wodaa asi ɖe ame dzi tsɔ ɖonɛ dɔ tɔxɛ aɖe nu alo yranɛ, alo ada dɔ nɛ, alo ana wòaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nunana la. Ɣeaɖewoɣi la, woɖoa asi lãwo hã ƒe tame hafi tsɔa wo saa vɔe.—2Mo 29:15; 4Mo 27:18; Dw 19:6; 1Ti 5:22.

  • Adar.

    Esiae nye ŋkɔ si woyɔ na ɣleti wuievelia le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ kɔkɔe la dzi tso esime wotrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon, eye wònye adelia le dukɔa ƒe ɣletigbalẽ dzi. Edzea egɔme tso February (Dzodze) ƒe domedome va se ɖe March (Tedoxe) ƒe domedome. (Es 3:7)—Kpɔ Megbenyawo B15.

  • Adzagba.

    Enye kpe sesẽ ƒomevi aɖe si ƒumelã suesuesuewo ƒe ƒuwo ƒo ƒu wɔ. Enɔa atsiaƒu me, eye wonɔa amadede vovovo siwo nye dzĩ, ɣi kple yibɔ me. Ƒudzĩ la me koŋ ye adzagba siawo bɔ ɖo. Le Biblia ŋlɔɣi la, wodea asixɔxɔ adzagba dzĩwo ŋu ŋutɔ, eye wotsɔnɛ wɔa dzonuwo kple atsyɔ̃ɖonu bubuwo.—Lod 8:11.

  • Adzɔ.

    Enye nu si dukɔ alo dziɖula aɖe xena na dukɔ bubu tsɔ fiana be yebɔbɔ ɖe ete be yeawɔ ŋutifafa kplii alo wòakpɔ ye ta. (2Fi 3:4; 18:14-16; 2Kr 17:11) Wogazãa nya sia na adzɔ si wokana na ame ɖekaɖekawo be woaxe la hã.—Neh 5:4; Ro 13:7.

  • Adzɔgbeɖeɖe.

    Enye ame ŋutɔ ƒe ŋugbedodo na Mawu be yeawɔ nane, asa vɔ aɖe alo ana  nane, awɔ subɔsubɔdɔ aɖe alo atsri nanewo siwo wɔwɔ megblẽ hafi o la dometɔ aɖewo. Esɔ kple atamkaka.—4Mo 6:2; Nyg 5:4; Mt 5:33.

  • Adzɔgbeɖeɖe ƒe dzesi kɔkɔe.

    Enye ga falɛ keklẽ aɖe si wotsɔ sika nyuitɔ wɔ, si dzi woɖe nuŋɔŋlɔ ɖo le Hebrigbe me be, “Kɔkɔenyenye nye Yehowa tɔ.” Wolée ɖe nunɔlagã la ƒe tablanu la ŋgɔ. (2Mo 39:30)—Kpɔ Megbenyawo B5.

  • Adzɔgbeɖenunana.

    Enye lɔlɔ̃nu faa nunana si wotsɔ kpena ɖe adzɔgbeɖeɖe aɖewo ŋu.—3Mo 23:38; 1Sa 1:21.

  • Aɖa.

    Enye ŋkɔ si míeza na gbe ƒomevi vovovo aɖewo siwo miena ɖe tsiteƒewo. Gbe si wowɔnɛ le teƒe vovovoawo ye nye Arundo donax. (Hio 8:11; Yes 42:3; Mt 27:29; Nyɖ 11:1)—Kpɔ DZIDZETI.

  • Afakala.

    Enye ame si gblɔna be yeate ŋu agblɔ nu siwo ava dzɔ la ɖi. Biblia ƒo nu tso akunyawɔlawo, afakalawo, ɣletivimefakalawo kple bubu geɖe ŋu.—3Mo 19:31; 5Mo 18:11; Dw 16:16.

  • Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu.

    Enye nuɖuɖu ŋutɔŋutɔ si nye amɔwɔ maʋamaʋã bolo kple wain siwo le tsitre ɖi na Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu; enye Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzi. Esi wònye nu si wobia tso Kristotɔwo si le Ŋɔŋlɔawo me be woanɔ wɔwɔm ta la, wogayɔnɛ wòsɔ nyuie be “Ŋkuɖodzi.”—1Ko 11:20, 23-26.

  • Aƒla.

    Míezã ŋkɔ sia na aƒla ƒomevi aɖe si miena ɖe tsiteƒewo, si wozãna tsɔ wɔa nuwo abe kusiwo, nugowo kple tɔdziʋuwo ene. Wogazãnɛ tsɔ wɔa nu siwo dzi woŋlɔa nu ɖo si le abe agbalẽ ene, eye wozãe tsɔ wɔ agbalẽ xatsaxatsa geɖewo.—2Mo 2:3.

  • Agbadɔŋkekenyui.

    Wogayɔnɛ be Nukuƒoƒoƒu Ŋkekenyui. Woɖunɛ le Etanim 15 va ɖo 21 lia dzi. Woɖunɛ tsɔ ɖoa ŋku nuŋeɣi si nye agbledeɣia ƒe nuwuwu le ƒea me la dzi, eye wònye ɣeyiɣi si me wokpɔa dzidzɔ hedaa akpe na Yehowa ɖe ale si wòyra woƒe agblemenukuwoe ta. Le azãɖuɣia la, amewo nɔa agbadɔwo me, tsɔ ɖoa ŋku woƒe ʋuʋu tso Egipte dzi. Enye ŋkekenyui etɔ̃ siwo wobia tso ŋutsuwo katã si be woayi Yerusalem aɖaɖu la dometɔ ɖeka.—3Mo 23:34; Ezr 3:4.

  • Agbadroƒe.

    Enye didime si dze zi ɖeka pɛ ko le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe nuŋlɔɖi gbãtɔ me le Mateo 5:41, si ɖewohĩ efia Romatɔwo ƒe agbadroƒe si ade meta 1,479.5. Le teƒe etɔ̃ bubu siwo “agbadroƒe” dze le le Luka 24:13, Yohanes 6:19 kple Yohanes 11:18 la, efia agbadroƒe siwo dzi woda asi ɖo, siwo nɔ te ɖe blema stadio siwo woɖo la dzi bu.—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Agbalẽ xatsaxatsa.

    Enye lãgbalẽ alo aƒlagbalẽ aɖe si didi, si ƒe akpa ɖeka woŋlɔa nu ɖo, si woxatsana ɖe ati ŋu zi geɖe. Agbalẽ xatsaxatsawo, si nye agbalẽ si nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣi, koŋ dzie woŋlɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo eye eya ke dzie wogbugbɔa wo ŋlɔna ɖo.—Yr 36:4, 18, 23; Lk 4:17-20; 2Ti 4:13.

  • Agbalẽfiala.

    Enye Hebri Ŋɔŋlɔawo gbugbɔŋlɔla. Le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, ŋkɔ sia fia amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe koŋ si nya Sea nyuie. Wotsi tre ɖe Yesu ŋu.—Ezr 7:6, etenuŋɔŋlɔ; Mr 12:38, 39; 14:1.

  • Agbeti.

    Enye ati aɖe si nɔ Eden-bɔa me. Biblia megblɔ be nu si nana wonɔa agbe didi la nɔ eƒe tsetsewo me o; ke boŋ efia Mawu ƒe kpeɖoɖo agbe mavɔ nɔnɔ dzi na ame siwo wòaɖe mɔ na be woaɖu eƒe tsetsea.—1Mo 2:9; 3:22.

  • Ahasiwɔwɔ.

    Srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu aɖe si dɔ kple ame bubu si menye srɔ̃a o.—2Mo 20:14; Mt 5:27; 19:9.

  • Ahiã.

    Enye srɔ̃ evelia si nyea kosi zi geɖe.—2Mo 21:8; 2Sa 5:13; 1Fi 11:3.

  • Akafo.

    Enye lãgbalẽ si wowɔ abe ka ene alo ka si wotsɔ lãwo ƒe lãmeka, alo lãfu lɔ̃. Eƒe domedome si keke lae wodea nu si wodana la, si nyea kpe zi geɖe. Woxatsaa akafo la ƒe akpa ɖeka ɖe asi ŋu alo alɔnu, eye woléa eƒe akpa kemɛa ɖe asi me eye woɖea asi le eŋu ne wonyè akafoa sesĩe le yame. Blema dukɔwo xɔa akafodalawo ɖe asrafowo dome.—Ʋɔn 20:16; 1Sa 17:50.

  • Akaya.

    Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, enye Roma nuto si le Hela ƒe anyiehe si ƒe fiadue nye Korinto. Pelopones ƒukpo afã la katã kple Hela ƒe titinanutowo katã nye Akaya ƒe akpa aɖe. (Dw 18:12)—Kpɔ Megbenyawo B13.

  • Akɔtaɖonu.

    Enye akɔtaɖonu sue aɖe si me wode kpe xɔasiwoe, si nɔa Israel-viwo ƒe nunɔlagã la ƒe akɔta ɣesiaɣi si wòyina Kɔkɔeƒea. Woyɔnɛ be “ʋɔnudrɔ̃kɔtaɖonu” elabena eya mee Urim kple Tumim siwo wotsɔ gblɔa Yehowa ƒe afiatsotsowo nɔ. (2Mo 28:15-30)—Kpɔ Megbenyawo B5.

  • Akpedavɔsa.

    Enye nuɖuvɔ si wosana tsɔ kafua Mawu ɖe nu siwo wòwɔ kple eƒe amenuveve ta. Woɖua lã si wotsɔ sa vɔ la kple amɔwɔ  maʋamaʋã bolo kpakple amɔwo ʋaʋã bolo siaa. Ele be woaɖu lã la gbe ma gbe ke.—2Kr 29:31.

  • Alabastro.

    Enye ŋkɔ si woyɔ na ami ʋeʋĩ goe sue si wotsɔ kpe aɖe si wokpɔna le Alabastron, Egipte la wɔe. Zi geɖe la, goe siawo ƒe nugbɔ nɔa lɔbɔe ale be woate ŋu atre enu be ami ʋeʋĩ xɔasi si le eme la nagaɖuɖu o. Wova yɔ kpe sia hã be Alabastro.—Mr 14:3.

  • Alamot.

    Enye hadzidzimenya si fia “Ðetugbuiwo,” eye anɔ eme be enye ɖetugbuiwo ƒe gbe le hadzidzi me. Ðewohĩ wozãnɛ tsɔ fiana be ele be haƒoƒoa alo hagbea nayi dzi.—1Kr 15:20; Ps 46:Etamenuŋɔŋlɔ.

  • Alfa kple Omega.

    Esia nye Helatɔwo ƒe alfabeta ŋɔŋlɔdzesi gbãtɔ kple mamlɛtɔ; zi etɔ̃ sɔŋ wozã nya siawo ɖekae le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me wònye Mawu ƒe bubuŋkɔ. Le teƒe vovovo siawo katã la, nya sia gɔmee nye “gbãtɔ kple mlɔetɔ” kpakple “gɔmedzedze kple nuwuwu.”—Nyɖ 1:8; 21:6; 22:13.

  • Ame si trɔ dzi me zu Yudatɔ.

    Wozãa nyagbɔgblɔ sia le Ŋɔŋlɔawo me wòfiaa ame si ɖe asi le eƒe subɔsubɔ ŋu heva zu Yuda subɔsubɔha me tɔ; eye ne ŋutsue amea nye la, wotsoa aʋa nɛ.—Mt 23:15; Dw 13:43.

  • Ame tata.

    Enye ŋutsu si wota. Zi geɖe la, woɖoa ŋutsu siawo le fiasãwo me be woanye fiasrɔ̃ alo fia ƒe ahiãwo dzi kpɔlawo. Nya sia ke agate ŋu afia ame si menye ame tata ŋutɔŋutɔ o ke boŋ ame si wode dɔ asi na be wòakpɔ fiasã me dɔwo dzi. Wozãe le kpɔɖeŋumɔ nu na ame si wɔ eɖokui ‘ame tata le fiaɖuƒea ta,’ ame si ɖua eɖokui dzi ale be wòate ŋu awɔ geɖe le Mawu subɔsubɔdɔa me.—Mt 19:12; Es 2:15; Dw 8:27.

  • Amegbetɔvi.

    Nya sia dze abe zi 80 sɔŋ ene le Nyanyuigbalẽawo me. Wozãe na Yesu Kristo eye wòfia be esi wodzii le ŋutilã me ta la, eva zu amegbetɔ ke menye gbɔgbɔmenuwɔwɔ si do amegbetɔŋutilã o. Nya sia fia hã be Yesu ana nyagblɔɖi si le Daniel 7:13, 14 la nava eme. Wozã nya sia na Ezekiel kple Daniel le Hebri Ŋɔŋlɔawo me, tsɔ fia vovototo si le nyanuɖela siawo kple Mawu si gbɔ gbedeasia tso la dome.—Eze 3:17; Da 8:17; Mt 19:28; 20:28.

  • Amen.

    “Neva eme,” alo “nenɔ alea.” Nya sia tso Hebrigbe me nya aman me si gɔmee nye “woawɔ nuteƒe, alo aɖi anukware.” Wogblɔa “Amen” tsɔ lɔ̃na ɖe atamkaka, gbedodoɖa alo nya aɖe dzi. Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, wozãe wònye bubuŋkɔ na Yesu.—5Mo 27:26; 1Kr 16:36; Nyɖ 3:14.

  • Amenuveve.

    Le Helagbe me la, nya sia ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔe nye nu si dzea ame ŋu alo nu si nyoa ame ŋu. Wozãa nya sia zi geɖe wòfiaa dɔmenyonunana alo nu si wona dɔmenyotɔe. Ne wole nu ƒom tso Mawu ƒe amenuveve ŋu la, nya la fiaa nu si Mawu na faa dɔmenyotɔe, eye mele mɔ kpɔm be woaɖo eteƒe na ye o. Eya ta nya sia ɖe ale si Mawu naa nu gbogbowo mí, ale si gbegbe wòlɔ̃ mí kple ale si wònyoa dɔme na míi la fia. Wogaɖea Helagbe me nya amenuveve gɔme be “dɔmenyonunana.” Enye nunana si ŋu womekpe fu ɖo loo alo dze na o, si nunalaa ŋutɔ tso le eɖokui si na dɔmenyotɔe.—2Ko 6:1; Ef 1:7.

  • Amɔwɔ maʋamaʋã.

    Wotsɔ mèa abolo, eye wònyea abolo si me amɔwɔʋãnu mele o.—5Mo 16:3; Mr 14:12; 1Ko 5:8.

  • Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui.

    Enye azã vevi etɔ̃ siwo Israel-viwo ɖuna ƒe sia ƒe la ƒe gbãtɔ. Wodzea eɖuɖu gɔme tso Nisan 15 lia, si nye ŋkeke si kplɔ Ŋutitotoŋkekea ɖo dzi, eye woɖunɛ ŋkeke adre. Amɔwɔ maʋamaʋã bolo koe woate ŋu aɖu be woatsɔ aɖo ŋku woƒe ʋuʋu tso Egipte dzi.—2Mo 23:15; Mr 14:1.

  • Amɔwɔʋãnu.

    Enye nu si wodea amɔwɔ, tsi, alo aha me be wòaʋã; zi geɖe la, enyea amɔwɔ tsitsi si wodzra ɖo. Wozãe le Biblia me zi geɖe wòtsia tre ɖi na nu vɔ̃ kple nu si gblẽ; wogazãe na nu si menya kpɔna dzea si bɔbɔe o si kakana alo tsina kabakaba.—2Mo 12:20; Mt 13:33; Ga 5:9.

  • Anyidɔ; Kpodɔ.

    Enye ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi. Le Ŋɔŋlɔawo me la, menye anyidɔ si wonya egbea kokokoe wònye o, elabena menye amewo ŋu koe wokpɔnɛ le o, edona ɖe nudodowo me kple aƒewo ŋu hã. Woyɔa ame si ŋu dɔa do ɖo be anyidɔléla alo kpodɔléla.—3Mo 14:54; Lk 5:12.

  • Anyinɔɣi.

    Wozã nya sia le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo tsɔ fia Yesu Kristo ƒe anyinɔnɔ le fiaɖuƒeŋusẽ me le dziƒo tso esime woɖoe zi dzi wònye Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me. Kristo ƒe anyinɔɣi mefia eƒe vava kple eƒe tɔtrɔ dzo enumake o; ke boŋ ɣeyiɣi ƒe didime aɖe koŋue wònye.—Mt 24:3.

  • Apostolo.

    Gɔmesese vevitɔ si le nya sia ŋue nye, “ame si wodɔ ɖa,” eye wozãe na Yesu kple ame aɖewo siwo wodɔ ɖa be woasubɔ  ame bubuwo. Wozãe zi geɖe na nusrɔ̃la 12 siwo Yesu ŋutɔ tia abe ƒuƒoƒo ene heɖo be woanye ye teƒenɔlawo.—Mr 3:14; Dw 14:14.

  • Aram; Aramtɔwo.

    Wonye Aram, ame si nye Sem vi, ƒe dzidzimevi siwo nɔ tso Lebanon tonutoa me yi Mesopotamia, eye woganɔ Taurus tonutowo me le dziehe va ɖo Damasko le anyiehe. Nuto sia si woyɔ le Hebrigbe me be Aram lae wova yɔ emegbe be Siria, eye woyɔ teƒe ma nɔlawo be Siriatɔwo.—1Mo 25:20; 5Mo 26:5; Ho 12:12.

  • Aramgbe.

    Enye blemagbe aɖe si do ƒome kple Hebrigbe, eye wozãa Hebri alfabetawo. Aramtɔwo koŋ ye doa gbe sia tsã, gake emegbe eva zu dutagbe si wodona le Asiria kple Babilon fiaɖuƒeawo ƒe dziɖuɣi le asitsatsa kple gbe sia gbe ƒe kadodowo me. Gbe sia kee wodo le Persiatɔwo ƒe dziɖuɣia. (Ezr 4:7) Woŋlɔ Ezra, Yeremiya kple Daniel ƒe agbalẽawo ƒe akpa aɖewo ɖe Aramgbe me.—Ezr 4:8–6:18; 7:12-26; Yr 10:11; Da 2:4b–7:28.

  • Areopago.

    Enye togbɛ aɖe le Atene, le Akropolis ƒe dziehe kple ɣetoɖoƒe dome. Eganye ŋkɔ si woyɔna na ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo si kpea ta le teƒe ma hã. Epikurotɔwo kple Stoatɔwo ƒe xexemenunyala aɖewo kplɔ Paulo yi Areopago la be wòaɖe eƒe dzixɔsewo me.—Dw 17:19.

  • Armagedon.

    Woɖe nya sia tso Hebrigbe me nya Harmagedon si gɔmee nye “Megido To” la me. Wozã nya sia wòku ɖe “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” si me ‘anyigbadzifiawo katã’ ƒo ƒu be yewoawɔ aʋa kple Yehowa la ŋu. (Nyɖ 16:14, 16; 19:11-21)—Kpɔ XAXA GÃ.

  • Aron viwo.

    Wonye Aron, si nye Lewi tɔgbuiyɔvi, ame si nye ame gbãtɔ si wotia wònye nunɔlagã le Mose ƒe Sea te la ƒe dzidzimeviwo. Aron viwo wɔ nunɔladɔwo le avɔgbadɔa kple gbedoxɔa me.—1Kr 23:28.

  • Aselgia.

    Kpɔ ŊUKPENANUWƆWƆ DZIMESESẼTƆE.

  • Asera-ti.

    Hebrigbe me nya si nye (asherah) fia (1) ati si le tsitre ɖi na Kanaantɔwo ƒe vidzidzimawunɔ Asera, alo (2) mawunɔ Asera la ŋutɔ ƒe legba. Edze ƒãa be enye nu si wotu ɖe tsitrenu eye wotsɔa ati wɔa eƒe akpa aɖewo ya teti. Anɔ eme be enye atikpo siwo womekpa o loo alo atiwo ŋutɔŋutɔ.—5Mo 16:21; Ʋɔn 6:26; 1Fi 15:13.

  • Asia.

    Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, enye Roma nutoa ƒe akpa si míenya egbea be Turkey ƒe ɣetoɖoƒe kple ƒutanyigba siwo nye Samos kple Patmo ƒe akpa aɖewo. Eƒe fiadu ye nye Efeso. (Dw 20:16; Nyɖ 1:4)—Kpɔ Megbenyawo B13.

  • Asi ɖeka.

    Enye dzidze si ƒe didime anɔ tso asidegblefetsu nu va ɖo asibidɛ suetɔ nu ne woke asi me. Ne wobui ɖe abɔklugui si ƒe didime nye sentimeta 44.5 dzi la, ke asi ɖeka ƒe didime anɔ sentimeta 22.2. (2Mo 28:16; 1Sa 17:4)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Astoret.

    Enye Kanaantɔwo ƒe aʋawɔwɔ kple vidzidzi ƒe mawunɔ, si nye Baal srɔ̃.—1Sa 7:3.

  • Atamkaka.

    Enye atamkanya si wogblɔna tsɔ ɖenɛ fiana be nane nye nyateƒe alo enyea ŋugbe si ame do be yeawɔ nane alo yemawɔe o. Enyea adzɔgbe si woɖe na ame si le nɔƒe kɔkɔ, vevietɔ na Mawu. Yehowa ɖo kpe nu, si wòbla kple Abraham la dzi nɛ kple atamkaka.—1Mo 14:22; Heb 6:16, 17.

  • Ati (esi ŋu wowua ame ɖo).

    Enye ati dzɔdzɔe si ŋu wohea nu vlo wɔlawo ɖo. Le dukɔ aɖewo me la, wohea ame siwo woɖo be woawu la ɖe eŋu alo hea ame kukuwo ɖe eŋu be wòanye nuxɔxlɔ̃ na ame bubuwo loo alo nyea vlododo ame le dutoƒo. Asiriatɔ siwo wonya be wonye aʋawɔla sẽŋutawo la, ƒoa ati siwo ƒe nugbɔ le tsutsuẽ la ɖe woƒe aboyomewo ƒe dɔme wòdona ɖe eƒe akɔta tsɔ kɔa amea ɖe dzi. Le Yudatɔwo ƒe sea me ya la, ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo, abe busunyagbɔgblɔ alo trɔ̃subɔsubɔ ene la, woƒua kpe wo, alo wua wo to mɔ bubu aɖe nu gbã hafi hea woƒe kukua ɖe ati ŋu be wòanye nuxɔxlɔ̃ na ame bubuwo. (5Mo 21:22, 23; 2Sa 21:6, 9) Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko Romatɔwo blaa nu vɔ̃ wɔlaa ɖe ati ŋu, si wɔnɛ be amea tea ŋu nɔa agbe ŋkeke geɖe hafi va kuna le vevesese, tsikɔwuame, dɔwuame kple ŋdɔkutsuɖuame ta. Le go bubu me la, woƒoa gatagbadzɛwo ɖe amea ƒe asiwo kple afɔwo me ɖe ati ŋu abe ale si wònɔ le Yesu wuwu me ene. (Lk 24:20; Yh 19:14-16; 20:25; Dw 2:23, 36)—Kpɔ FUWƆAMETI.

  • Atsa.

    Enye ati vovovo siwo vena ŋutɔ siwo ƒe ʋeʋẽ nu sẽ. Wozã atsa le kpɔɖeŋumɔ nu le Biblia me tsɔ ƒo nu tso ale si gbɔdɔdɔ manɔsenu, kluvinyenye, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple xɔsegbegbe me tsonuwo venae. Le Nyaɖeɖefia 8:11 la, “atsa” fia aɖinu si vena, eye wogayɔnɛ hã be absinte.5Mo 29:18; Lod 5:4; Yr 9:15; Am 5:7.

  • Avɔgbadɔ.

    Enye agbadɔ si Israel-viwo tsɔna tso teƒe yi teƒe si wozã na tadedeagu esi  woʋu tso Egipte megbe. Emee woda Yehowa ƒe nubablaɖaka, si nye Mawu ƒe wo dome nɔnɔ ƒe dzesi la ɖo, eye wòganye teƒe si wosaa vɔ hedea ta agu le. Wogayɔnɛ ɣeaɖewoɣi be “takpegbadɔ.” Atie wotsɔ tui, eye wotsɔ avɔ si me wolɔ̃ kerubiwo ɖo la gbae godoo va kpe. Woma eme ɖe akpa eve, woyɔ gbãtɔa be Kɔkɔeƒe, eye woyɔ evelia be Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe. (Yos 18:1; 2Mo 25:9)—Kpɔ Megbenyawo B5.

  • Avuléle.

    Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, eku ɖe vɔ siwo wosana si wɔnɛ be amewo tea ŋu tena ɖe Mawu ŋu hesubɔnɛ ŋu. Le Mose ƒe Sea te la, wosaa vɔwo ƒe sia ƒe le Avuléŋkeke la dzi be woatsɔ adzra ame ɖekaɖekawo alo dukɔ bliboa kpakple Mawu dome ɖo le woƒe nu vɔ̃wo ta. Vɔsa mawo nye kpɔɖeŋu na Yesu ƒe vɔsa si lé avu ɖe amegbetɔƒomea ƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, si ʋu mɔ na amewo be woadzra wo kple Yehowa dome ɖo.—3Mo 5:10; 23:28; Kol 1:20; Heb 9:12.

  • Avulénutunu.

    Enye nubablaɖaka la ƒe nutunu, eye nutunu sia ŋgɔe nunɔlagã la hlẽa nuvɔ̃vɔsa ƒe ʋu ɖo le Avuléŋkekea dzi. Hebrigbe me dɔwɔnya si me woɖe nya sia tsoe la fia “tsyɔ nu nu (nu vɔ̃) dzi” alo ɖewohĩ be “woatutu (nu vɔ̃) ɖa.” Sika wotsɔ tui, eye wowɔ kerubi eve ɖe edzi, ɖeka ɖe eƒe akpa si eye evelia ɖe akpa kemɛ. Ɣeaɖewoɣi woyɔnɛ kpuie ko be “nutunu la.” (2Mo 25:17-22; 1Kr 28:11; Heb 9:5)—Kpɔ Megbenyawo B5.

  • Avuléŋkeke.

    Israel-viwo ƒe ŋkeke kɔkɔe vevitɔ, si wogayɔna be Yom Kippur (si tso Hebrigbe me nya yomhakipurim “avulélewo ƒe ŋkeke” me); wowɔa esia le Etanim ƒe ŋkeke 10 lia dzi. Ŋkeke sia dzi koe nunɔlagã la gena ɖe avɔgbadɔa ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea. Afi mae wòtsɔa lãwo ƒe ʋu si wòatsɔ asa vɔ ɖe eƒe nu vɔ̃wo, Lewi vi bubuwo kple dukɔa ƒe nu vɔ̃wo ta la saa vɔe le. Enyea takpegbe kɔkɔe kple nutsitsidɔɣi, eye wòganyea sabat kple ɣeyiɣi si womawɔ dɔ aɖeke o.—3Mo 23:27, 28.

  • Aʋatsotso.

    Enye ŋutsuwo ƒe aʋanuyi ɖeɖeɖa. Se wònye wode na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo, gake menye se na Kristotɔwo o. Wogazãe le kpɔɖeŋumɔ vovovowo nu le nya vovovowo me.—1Mo 17:10; 1Ko 7:19; Flp 3:3.

  • Aʋawɔnuwo.

    Enye nu siwo asrafowo zãna tsɔ kpɔa wo ɖokuiwo ta; esiawo ƒe ɖewoe nye, gakuku, gawu, alidziblanu, afɔblanuwo kple akpoxɔnuwo.—1Sa 31:9; Ef 6:13-17.

  • Aʋli.

    Woɖe nya sia tso Helagbe me nya abyssos me, eye egɔmee nye “nu si goglo wu gbɔgblɔ” alo “nu si goglo ale gbegbe be womenya ta le enu o.” Wozãe le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me tsɔ fia teƒe alo nɔnɔme aɖe si me wosika ame ɖo. Ate ŋu afia yɔdo, gake egafia nu bubuwo hã.—Lk 8:31; Ro 10:7; Nyɖ 20:3.

  • Awɔbanu.

    Enye nu si wotsɔ nana ame si gbɔ wodo nu le alo ame si ŋu wonyi fe le la be wòanye megbedanu be woava xe fea. Wogayɔnɛ be megbedanu. Mɔfiamewo le Mose ƒe Sea me ku ɖe awɔbanuwo ŋu be wòakpɔ ame dahewo kple ame siwo ŋu wɔna mele o le dukɔa me la ta.—2Mo 22:26; Eze 18:7.

  • Azazel.

    Ðewohĩ Hebrigbe me ŋkɔ sia fia “Gbɔ̃ Si Bú.” Le Avuléŋkekea dzi la, woɖoa gbɔ̃ si nye Azazel tɔ la ɖe gbedzi, eye le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, etsɔa nu vɔ̃ si dukɔa wɔ le ƒe si va yi me la dzonɛ.—3Mo 16:8, 10.

B

  • Baal.

    Kanaantɔwo ƒe mawu si wobu be enye yame ƒe aƒetɔ, si nana tsi dzana, eye wònye vidzidzi ƒe mawu. Wogazã ŋkɔ “Baal” na mawu suesuesue bubuwo. Hebrigbe me ŋkɔ sia gɔmee nye “Aƒetɔ.”—1Fi 18:21; Ro 11:4.

  • Baf.

    Enye nudzidzenu si wotsɔ dzidzea tsinuwo, eye le ze kakɛ siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo siwo woyɔ ŋkɔ sia ke na ŋu la, eƒe lolome ade tsi lita 22. Wobua nudzidzenu bubu geɖe siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ƒe lolome ɖe Baf nudzidzenu la dzi. (1Fi 7:38; Eze 45:14)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Beelzebul.

    Enye ŋkɔ si woyɔna na Satana, ame si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amegã alo woƒe fia. Ðewohĩ enye ŋkɔ Baal-Zebub, si nye Baal si Filistitɔ siwo nɔ Ekron subɔna si ŋu wowɔ asitɔtrɔ le.—2Fi 1:3; Mt 12:24.

  • Bul.

    Esiae nye ŋkɔ si wona Yudatɔwo ƒe ɣleti enyilia le woƒe ɣletigbalẽ kɔkɔe la dzi, eye wònye evelia le dukɔa ƒe ɣletigbalẽ dzi. Afi si ŋkɔ sia dzɔ tso la fia, “tse; tse ku”; edzea egɔme tso October (Kele) ƒe domedome va se ɖe November (Adeɛmekpɔxe) ƒe domedome. (1Fi 6:38)—Kpɔ Megbenyawo B15.

D

  • Dagon.

    Enye Filistitɔwo ƒe mawu. Womenya afi si tututu ŋkɔ sia dzɔ tso o, gake agbalẽnyala aɖewo gblɔ be ɖewohĩ edzɔ tso Hebrigbe me nya dagh (tɔmelã) me.—Ʋɔn 16:23; 1Sa 5:4.

  • Dariko.

    Enye Persiatɔwo ƒe sikagaku si ƒe kpekpeme nye gram 8.4. (1Kr 29:7)—Kpɔ Megbenyawo, B14.

  •  David Ƒe Du.

    Ŋkɔ si wova yɔ na Yebus esi David ɖu edzi vɔ megbe eye wòtu eƒe fiasã ɖe afi ma. Wogayɔnɛ be Zion. Eyae nye Yerusalem ƒe anyieheɣedzeƒekpa dzi kple dua ƒe akpa xoxotɔ.—2Sa 5:7; 1Kr 11:4, 5.

  • David Vi.

    Enye nya si wozãna na Yesu zi geɖe, si fia be eyae nye nubabla si Mawu wɔ hena Fiaɖuƒe si ava to David ƒe ƒomea dzi la ƒe Domenyila.—Mt 12:23; 21:9.

  • Dekapoli.

    Enye Hela du aɖewo ƒe ƒuƒoƒo; le gɔmedzedzea me la, du ewo ye ƒo ƒu wɔ nuto sia (ŋkɔ sia tso Helagbe deka, si gɔmee nye “ewo,” kple polis si gɔmee nye “du” me.) Eganye ŋkɔ si woyɔna na nuto si le Galilea-ƒua kple Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome, afi si nuto sia ƒe du akpa gãtɔ nɔ. Helatɔwo ƒe kɔnuwo kple asitsatsa koŋ ye kpɔ ŋusẽ ɖe nuto sia dzi. Yesu to nuto sia me, gake nuŋlɔɖi aɖeke meli be eyi ɖe du siawo dometɔ aɖe me o. (Mt 4:25; Mr 5:20)—Kpɔ Megbenyawo A7 kple B10.

  • Denario.

    Enye Romatɔwo ƒe klosalogaku si ƒe kpekpeme le gram 3.85, eye Kaisaro ƒe tata le eƒe akpa ɖeka. Enye apaɖila ƒe ŋkeke ɖeka fetu kple “adzɔ” si Romatɔwo biana tso Yudatɔwo si be woaxe ɣemaɣi. (Mt 22:17; Lk 20:24)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Domenɔla.

    Enye ame si léa avu le ame eve dome kple susu be yeadzra wo dome ɖo. Le Ŋɔŋlɔawo me la, Mose nye domenɔla na Se ƒe nubabla la eye Yesu hã nye domenɔla na nubabla yeyea.—Ga 3:19; 1Ti 2:5.

  • Dɔvɔ̃.

    Enye dɔléle ɖe sia ɖe si woxɔna si kakana ɖe amewo dome kabakaba eye wòwua amewo. Wotsɔnɛ sɔna kple Mawu ƒe toheʋɔnu zi geɖe.—4Mo 14:12; Eze 38:22, 23; Am 4:10.

  • Drakma.

    Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, nya sia fia Helatɔwo ƒe sikagaku si ƒe kpekpeme le gram 3.4 ɣemaɣi. Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, woƒo nu tso sika drakma si wozã le Persiatɔwo ƒe ɣeyiɣia me ŋu eye wotsɔe sɔ kple dariko. (Neh 7:70; Mt 17:24)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Dza; Dzadzɛ.

    Menye ŋutilãmedzadzɛnyenye koe nya sia fia o, ke boŋ egafia nɔnɔme si ŋu kpɔtsɔtsɔ alo ɖi mele o me léle ɖe asi, nu si woɖe ɖa tso nu sia nu si ate ŋu agblẽ alo atɔtɔ la gbɔ, alo tso nu sia nu si ƒoa ɖi ame le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me la gbɔ. Le Mose ƒe Sea me la, nya sia fia ame ɖokui ŋu kɔkɔ le ɖoɖo aɖe koŋ nu.—3Mo 10:10; Ps 51:7; Mt 8:2; 1Ko 6:11.

  • Dzadzraɖoŋkeke.

    Enye ŋkeke si doa ŋgɔ na Sabat, si dzi Yudatɔwo wɔa dzadzraɖo ɖe sia ɖe si hiã la le. Ŋkeke ma wua enu le ŋkeke si woyɔna egbea be Fiɖa ƒe ɣeɖoto, ɣemaɣie Sabat la dzea egɔme. Yudatɔwo ƒe ŋkeke dzea egɔme tso fiẽ va se ɖe fiẽ.—Mr 15:42; Lk 23:54.

  • Dzesi.

    Enye nu ŋutɔŋutɔ aɖe, nuwɔna, nɔnɔme, alo wɔna aɖe si mebɔ o si ŋu gɔmesese le be enye nane si li alo si ava dzɔ le etsɔme ƒe kpeɖodzi.—1Mo 9:12, 13; 2Fi 20:9; Mt 24:3; Nyɖ 1:1.

  • Dzidada.

    Enye se dzi dada. Eganye nya bubu si wozãna na “nu vɔ̃” le Biblia me.—Ps 51:3; Ro 5:14.

  • Dzidzeti.

    Dzidzeti ɖeka didi abɔklugui ade. Ne wobui ɖe dzidzeti si wonya wu dzi la, ele meta 2.67; ne wobui ɖe legbetɔ dzi la, ele meta 3.11. (Eze 40:3, 5; Nyɖ 11:1)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Dziƒofianyɔnu.

    Enye bubuŋkɔ na mawunɔ si Israel-vi xɔsegbelawo subɔ le Yeremiya ƒe ŋkekeawo me. Ame aɖewo gblɔ be eyae nye Babilontɔwo ƒe mawunɔ Ishtar (Astarte). Mawu bubu aɖe si Sumertɔwo subɔ le mawunɔ Ishtar ŋɔli, si ŋkɔe nye Inanna, la hã gɔmee nye “Dziƒofianyɔnu.” Togbɔ be woyɔe be dziƒofianyɔnu hã la, eganye vidzidzimawunɔ. Wogayɔ Astarte le Egiptetɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ aɖe me be “Dziƒo ƒe Aƒenɔ.”—Yr 44:19.

  • Dzikpɔla.

    Enye ŋutsu si ƒe agbanɔamedzi koŋ ye nye be wòakpɔ alẽha la ta eye wòakplɔ hame la. Gɔmesese si koŋ le Helagbe me nya episkopos ŋue nye, ame siwo le ame ƒe dzikpɔkpɔ te la ta kpɔkpɔ. Nya siwo nye “dzikpɔla” kple “hamemetsitsi” (presbyteros) siaa fia ɖoƒe ɖeka ma ke le Kristo hamea me; ŋkɔ “hamemetsitsi” fia tsitsi ƒe nɔnɔme vovovo siwo anɔ ame si, eye “dzikpɔla” fia agbanɔamedzi siwo ɖoƒe sia nɔnɔ bia.—Dw 20:28; 1Ti 3:2-7; 1Pe 5:2.

  • Dzimetɔtrɔ.

    Ne wozãe le Biblia me la, efia be woatrɔ susu ahase veve tso dzi me ɖe agbe si ame nɔ tsã ŋu, ɖe nuwɔna gbegblẽ aɖe ŋu loo alo ɖe nu si ame mete ŋu wɔ o ta. Dzimetɔtrɔ vavãtɔ tsea ku, si nye be ame trɔ eƒe agbenɔnɔ kura.—Mt 3:8; Dw 3:19; 2Pe 3:9.

  • Dzinu yeye; Ɣletidzedzi.

    Enye Yudatɔwo ƒe ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ le woƒe ɣletigbalẽ dzi, ŋkeke si dzi woƒoa ƒu ɖekae, ɖua nu, eye wosaa vɔ tɔxɛwo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ŋkekea va zu ŋkekenyui si dukɔa ɖuna, eye  amewo mewɔa dɔ le ŋkeke ma dzi o.—4Mo 10:10; 2Kr 8:13; Kol 2:16.

  • Dzo; Lãdzo.

    Enye lãwo ƒe dzo siwo wozãna abe kpluwo, amigoewo, nugoe siwo me wokɔa nuŋlɔtsi kple lekewɔnuwo ɖo eye wòganye haƒonu alo kpẽ si wotsɔ naa nyatakakawo. (1Sa 16:1, 13; 1Fi 1:39; Eze 9:2) Zi geɖe la, wozãa “dzo” le kpɔɖeŋumɔ nu na ŋusẽ, aʋadziɖuɖu alo dziɖuɖu.—5Mo 33:17; Mik 4:13; Zak 1:19.

  • Dzogoedzikpe.

    Enye kpe si woɖo xɔ ƒe dzogoe dzi le afi si gli eve akpe le; kpe sia le vevie be wòalé gli eveawo ɖe te. Dzogoedzikpe vevitɔe nye esi le gɔmeɖoanyia me. Le xɔ gãwo kple du ƒe gliwo me la, wotiaa kpe siwo sesẽ wu la tsɔ ɖoa wo. Wozã nya sia le kpɔɖeŋumɔ nu na anyigba la gɔme ɖoɖo anyi, eye woƒo nu tso Yesu ŋu be enye Kristo hamea si wotsɔ sɔ kple gbɔgbɔmexɔ la ƒe “gɔmeɖoanyia ƒe dzogoedzikpe.”—Ef 2:20; Hio 38:6.

  • Dzosasa.

    Enye ŋusẽ si wonya be etso gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔ la zazã.—2Kr 33:6.

  • Dzota.

    Enye kpɔɖeŋuteƒe si “dzokpe le bibim le,” eye wogayɔnɛ be “ku evelia.” Woatsɔ nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo, Abosam kple ku kpakple Tsiẽƒe (alo Hades) gɔ̃ hã aƒu gbe ɖe afi ma. Esi wotsɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe, ku kple Hades, siwo dzo mate ŋu afiã o hã ƒu gbe ɖe teƒe ma ta la, efia be dzota sia nye kpɔɖeŋunu aɖe ko, mefia fuwɔwɔ ame tegbee o, ke boŋ efia tsɔtsrɔ̃ mavɔ.—Nyɖ 19:20; 20:14, 15; 21:8.

  • Dzotsinuwo.

    Wonye dɔwɔnu siwo ŋu dɔ wowɔ le avɔgbadɔa kple gbedoxɔa me; sika alo akɔbli ye wotsɔ wɔ woe. Ðewohĩ wole abe sakisi (talũhɛwo) ene, eye wotsɔa wo lãa akaɖimeɖovuawo ƒe nugbɔ.—2Fi 25:14.

  • Dzɔdzɔenyenye.

    Le ŊɔŋIɔawo me la, enye nu si le dzɔdzɔe le Mawu ƒe dzidzenu si ku ɖe nu si sɔ alo nu si mesɔ o ŋu nu.—1Mo 15:6; 5Mo 6:25; Lod 11:4; Zef 2:3; Mt 6:33.

  • Dzudzɔdonu ʋeʋĩ.

    Enye gbe ʋeʋĩ vovovo siwo wotsɔ tsaka kple balsam, si bina vivivi, eye wòʋẽna lilili. Wotrɔ asi le nu ʋeʋĩ ene aɖewo ŋu tsɔ wɔ dzudzɔdonu ʋeʋĩ si wozãna le avɔgbadɔa kple gbedoxɔa me. Wotɔa dzo dzudzɔdonu ʋeʋĩ la le ŋdi kple fiẽ le dzudzɔdomlekpui si le Kɔkɔeƒe la dzi, eye le Avuléŋkekea dzi la, wotɔa dzo dzudzɔdonu ʋeʋĩa le Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea. Ele tsitre ɖi na Mawu subɔla wɔnuteƒewo ƒe gbedodoɖa siwo dzea eŋu. Womebia tso Kristotɔwo si be woazã dzudzɔdonu ʋeʋĩ o.—2Mo 30:34, 35; 3Mo 16:13; Nyɖ 5:8.

  • Dzudzɔdosonu; Dzoɖenu; Dzofilɔnu.

    Enye ŋudɔwɔnu siwo wotsɔ sika, klosalo kple akɔbli wɔ, siwo wozãna le avɔgbadɔa kple gbedoxɔa me, si wotsɔ doa dzudzɔ ʋeʋĩ, tsɔ ɖea dzo le vɔsamlekpuia me, eye wotsɔnɛ lɔa dzofi le sikakaɖiti la dzi.—2Mo 37:23; 2Kr 26:19; Heb 9:4.

Ð

  • Ðaseɖiɖikpe.

    “Ðaseɖiɖikpe” sia fiaa kpe gbadzɛ eve siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo tsɔ na Mose la.—2Mo 31:18.

  • Ðovulãnuwo.

    Enye dɔwɔnu si wotsɔ sika nyuitɔ wɔ, si sɔ kple abè, siwo wozãna le avɔgbadɔa me alo le gbedoxɔa me tsɔ tsia akaɖiawo.—2Mo 37:23.

E

  • Edom.

    Enye ŋkɔ bubu si wogayɔna na Esau si nye Isak vi. Esau (Edom) ƒe dzidzimeviwo nɔ Seir, si nye tonuto si le Ƒu Kukua kple Akaba ƒukɔme dome la me. Wova yɔ nuto ma be Edom. (1Mo 25:30; 36:8)—Kpɔ Megbenyawo B3 kple B4.

  • Efa.

    Enye nu agbɔsɔsɔme aɖe kple nudzidzenua siaa ŋkɔ. Eƒe lolome sɔ kple baf si wotsɔ dzidzea tsinuwo, eya ta ele lita 22. (2Mo 16:36; Eze 45:10)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Efrayim.

    Enye Yosef viŋutsu evelia ƒe ŋkɔ; wova yɔ ŋkɔ sia na Israel-toawo dometɔ ɖeka emegbe. Esime Israel-dukɔa va ma la, Efrayim si nye to si xɔ ŋkɔ ɣemaɣi la va le tsitre ɖi na to ewo fiaɖuƒea.—1Mo 41:52; Yr 7:15.

  • Elul.

    Enye ŋkɔ si woyɔ na ɣleti adelia le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ kɔkɔe la dzi tso esime wotrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon, eye wònye wuievelia le dukɔa ƒe ɣletigbalẽ dzi. Edzea egɔme tso August (Dasiamime) ƒe domedome va se ɖe September (Anyɔnyɔ) ƒe domedome. (Neh 6:15)—Kpɔ Megbenyawo B15.

  • Epikurotɔwo ƒe xexemenunyalawo.

    Helatɔwo ƒe xexemenunyala Epikuro (ƒe 341-270 D.Y.) yomedzelawo. Woƒe nufiafia vevitɔe nye be, nu bubu aɖeke megale vevie na amegbetɔ wu be wòakpɔ dzidzɔ le agbe me o.—Dw 17:18.

  • Etamenuŋɔŋlɔ.

    Enye tanya si dzena le psalmo aɖe tame si dea dzesi eŋlɔla, si nana wonyaa nɔnɔme si me woŋlɔ psalmo la le, si naa haa dzidzi ŋuti mɔfiamewo, alo gblɔa ale si woazã psalmo lae loo alo taɖodzinu si le psalmo la ŋu.—Kpɔ etamenuŋɔŋlɔ siwo dze le Psalmowo 3, 4, 5, 6, 7, 30, 38, 60, 92, 102.

  •  Etanim.

    Enye ŋkɔ si woyɔ na ɣleti adrelia le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ kɔkɔe dzi, eye wònye ɣleti gbãtɔ le dukɔa ƒe ɣletigbalẽ dzi. Edzea egɔme tso September (Anyɔnyɔ) ƒe domedome va se ɖe October (Kele) ƒe domedome. Esi Yudatɔwo trɔ gbɔ tso Babilon la, wova yɔe be Tishri. (1Fi 8:2)—Kpɔ Megbenyawo B15.

  • Etiopia.

    Enye blema dukɔ aɖe si nɔ Egipte ƒe anyiehe. Dukɔ sia nɔ egbegbe Egipte ƒe anyiehe kekeake kple egbegbe Sudan ƒe dziehe ƒe afã. Ɣeaɖewoɣi la, Hebritɔwo yɔnɛ be “Kus.”—Es 1:1.

F

  • Farao.

    Enye Egipte-fiawo ƒe bubuŋkɔ. Woyɔ Farao atɔ̃ ƒe ŋkɔ le Biblia me (Sisak, So, Tirhaka, Neko kple Hofra), ke hã womeyɔ bubuawo ya ƒe ŋkɔwo o, wo dometɔ aɖewoe nye esiwo do ka kple Abraham, Mose kple Yosef zi geɖe.—2Mo 15:4; Ro 9:17.

  • Farisitɔwo.

    Enye ƒuƒoƒo xɔŋkɔ aɖe le Yuda-subɔsubɔ me le ƒe alafa gbãtɔ me. Womenye nunɔlawo ƒe dzidzimeviwo o, gake wonye ame siwo wɔna ɖe Sea me nu suetɔ kekeake dzi, eye wodo kɔnyinyi siwo woawo ŋutɔwo fiana hã ɖe ŋgɔ nenema ke. (Mt 23:23) Wotsi tre ɖe Helatɔwo ƒe dekɔnu ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu, eye esi wonya Sea kple kɔnyinyiwo nyuie ta la, wokpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe dukɔa dzi. (Mt 23:2-6) Wo dometɔ aɖewo hã nye Sanhedrin la me tɔwo. Wotsia tre ɖe Yesu ŋu zi geɖe be mewɔna ɖe Sabat sea kple kɔnyinyiwo dzi o eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo kpakple adzɔxɔlawo. Wo dometɔ aɖewo va zu Kristotɔwo, ame siwo dome Saul si tso Tarso hã le.—Mt 9:11; 12:14; Mr 7:5; Lk 6:2; Dw 26:5.

  • Fatom.

    Enye dzidzeti si wotsɔ dzidzea tsi ƒe goglome, eƒe didime le meta 1.8. (Dw 27:28)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Fiatikplɔ.

    Enye ati alo kpo tɔxɛ aɖe si dziɖula léna ɖe asi wònyea dziɖuŋusẽ ƒe dzesi.—1Mo 49:10; Heb 1:8.

  • Fiƒode.

    Enye nya si wotsɔ doa ɖiŋu na ame alo vɔ̃ si adzɔ ɖe ame alo nane dzi gbɔgblɔ. Esia menye amedzudzu alo dziku helĩhelĩ dodo o. Zi geɖe la, fiƒode nyea fɔbunya alo vɔ̃ si adzɔ la gbɔgblɔ ɖi, eye ne Mawu alo Mawu teƒenɔla aɖee gblɔe la, nya si wògblɔ la ava eme godoo.—1Mo 12:3; 4Mo 22:12; Ga 3:10.

  • Filistia; Filistitɔwo.

    Enye anyigba aɖe si le Israel ƒe anyieheƒuta si wova yɔ emegbe be Filistia. Woyɔa ame siwo ʋu tso Kreta va tsi afi ma la be Filistitɔwo. David ɖu wo dzi, gake wokpɔtɔ nɔ wo ɖokui si eye wonye Israel ƒe futɔwo ɖaa. (2Mo 13:17; 1Sa 17:4; Am 9:7)—Kpɔ Megbenyawo B4.

  • Fɔɖivɔsa.

    Enye vɔ si wosana ɖe nu vɔ̃ si ame wɔ ta. Esia to vovo vie tso nuvɔ̃vɔsa bubuwo gbɔ le susua nu be wowɔnɛ be woagatsɔe aɖo nubabla aɖe te be mɔnukpɔkpɔ aɖewo siwo ge le nu vɔ̃ wɔla trɔdzimea si esi wòwɔ nu vɔ̃ la nagasu esi ne woagahe to nɛ o.—3Mo 7:37; 19:22; Yes 53:10.

  • Frat.

    Eyae nye tɔsisi si didi wu, eye wònye vevitɔ kekeake le anyieheɣetoɖoƒe Asia, eganye tɔsisi gã eve siwo le Mesopotamia la dometɔ ɖeka. Woyɔe zi gbãtɔ le 1 Mose 2:14 be enye tɔsisi ene siwo dzɔ tso Eden la dometɔ ɖeka. Zi geɖe la, woyɔnɛ be “Tɔsisi la.” (1Mo 31:21) Eyae nye anyigba si wotsɔ na Israel-viwo la ƒe dzieheliƒo. (1Mo 15:18; Nyɖ 16:12)—Kpɔ Megbenyawo B2.

  • Fuwɔame.

    Le Hebri ŊɔŋIɔawo me la, wozãa nya sia na dɔvɔ̃, dɔléle, alo vɔ̃ si tso Yehowa gbɔ abe tohehe ene. Le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, efia ameƒoƒo kple atam aɖe si wowɔ koŋ be wòade abi ame ŋu.—4Mo 16:49; Yh 19:1.

  • Fuwɔameti.

    Woɖe nya sia tso Helagbe me nya stauros me; egɔmee nye ati dzɔdzɔe, abe esi ŋu wohe Yesu ɖo ene. Kpeɖodzi aɖeke meli be Helagbe me nya sia fia atitsoga si trɔ̃subɔlawo zã wònye subɔsubɔdzesi hena ƒe alafa geɖe hafi Kristo va la o. “Fuwɔameti” ɖe gɔmesese blibo si le nya sia ŋu le gbe gbãtɔ me fia, elabena wozã nya stauros tsɔ fia fuwɔame, fukpekpe kple ŋukpe si ava Yesu yomedzelawo dzi. (Mt 16:24; Heb 12:2)—Kpɔ ATI.

Ƒ

  • Ƒuƒoƒe.

    Egɔmee nye “ƒuƒoƒo; takpekpe,” gake le ŋɔŋlɔ geɖewo me la, efia xɔ alo teƒe si Yudatɔwo ƒoa ƒu ɖo xlẽa Ŋɔŋlɔawo, xɔa nufiamewo, ɖea gbeƒã, alo doa gbe ɖa le. Le Yesu ƒe ɣeyiɣia me la, ƒuƒoƒe nɔ du sue ɖe sia ɖe me le Israel, eye ƒuƒoƒe si wu ɖeka nɔa du siwo lolo wu la me.—Lk 4:16; Dw 13:14, 15.

G

  • Gbedoxɔ.

    Enye xɔ ŋutɔŋutɔ si wotu ɖe Yerusalem si xɔ ɖe avɔgbadɔ si Israel-viwo zã le tadedeagu me la teƒe. Salomo ye tu gbedoxɔ gbãtɔ si Babilontɔwo va tsrɔ̃ emegbe la. Zerubabel ye tu evelia esime wogbɔ tso aboyo me le Babilon eye emegbe Herodes Gãtɔ gagbugbɔe tu. Woyɔa gbedoxɔa le Ŋɔŋlɔawo  me be “Yehowa ƒe xɔ.” (Ezr 1:3; 6:14, 15; 1Kr 29:1; 2Kr 2:4; Mt 24:1)—Kpɔ Megbenyawo B8 kple B11.

  • Gbedoxɔŋukɔkɔŋkekenyui.

    Enye azã si woɖuna ƒe sia ƒe tsɔ ɖoa ŋku gbedoxɔa ŋu kɔkɔ dzi tso esime Antiochus Epiphanes gblẽ kɔ ɖo nɛ megbe. Wodzea azãa ɖuɖu gɔme tso Kislev 25 lia dzi, eye woɖunɛ ŋkeke enyi sɔŋ.—Yh 10:22.

  • Gbetakpɔla.

    Enye ame si nɔa ŋudzɔ, zi geɖe le zã me, be wòate ŋu akpɔ nu sia nu si ate ŋu agblẽ nu le amewo alo amewo ƒe nunɔamesiwo ŋu, eganyea ame si naa nyanya amewo ne afɔku aɖe gbɔna. Zi geɖe la, gbetakpɔlawo nɔa dua ƒe gliwo dzi alo xɔ kɔkɔwo tame be woate ŋu akpɔ ame siwo gbɔna tso didiƒe hafi woava ɖo. Woyɔa gbetakpɔla si nye asrafo be dzɔla zi geɖe. Le kpɔɖeŋumɔ nu la, nyagblɔɖilawo subɔ abe gbetakpɔlawo ene na Israel dukɔa hexlɔ̃ nu wo tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la ŋu.—2Fi 9:20; Eze 3:17.

  • Gbolo.

    Enye ame si dɔna kple ame bubu si menye srɔ̃a o, vevietɔ ɖe ga ta. (Helagbe me nya porne, si gɔme woɖe be “gbolo,” gɔmee nye “be woadzra nu.”) Togbɔ be woyɔ ŋutsu gbolowo le Biblia me hã la, nyɔnuwo koŋ ye wozãnɛ na zi geɖe. Mose ƒe Sea tsi tre ɖe gbolowɔwɔ ŋu, eye womexɔa ga si wokpɔ tso gbolowɔwɔ me la le Yehowa ƒe gbedoxɔa me wònyea nudzɔdzɔ o, si to vovo na nu si trɔ̃subɔlawo wɔna be woakpɔ ga to gbedoxɔmegbolowo dzi. (5Mo 23:17, 18; 1Fi 14:24) Biblia zã nya ma le kpɔɖeŋumɔ nu na amewo, dukɔwo, alo habɔbɔ siwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi aɖe me evɔ wogblɔna be Mawu subɔlawoe yewonye. Le kpɔɖeŋu me, woƒo nu tso subɔsubɔhawo ƒe ƒuƒoƒo si woyɔna be “Babilon Gã la” ŋu le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me be enye gbolo, le esi wòdea ha kple xexe sia me dziɖulawo be yeakpɔ ŋusẽ kple kesinɔnuwo ta.—Nyɖ 17:1-5; 18:3; 1Kr 5:25.

  • Gbɔdɔdɔ manɔsenu.

    Woɖe nya sia tso Helagbe me nya pornia me; nya sia keke ta helɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu nuwɔna ɖe sia ɖe ɖe eme. Esiawo dometɔ aɖewoe nye ahasiwɔwɔ, gbolowɔwɔ, ame siwo meɖe wo nɔewo o ƒe dɔdɔ, ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, kpakple lãwo gbɔ dɔdɔ. Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, wozãe le kpɔɖeŋumɔ nu na gbolo si le tsitre ɖi na subɔsubɔhawo ƒe ƒuƒoƒo si woyɔna be “Babilon Gã la” tsɔ ɖɔ eƒe hadede kple xexe sia me dziɖulawo be yeakpɔ ŋusẽ kple kesinɔnuwo. (Nyɖ 14:8; 17:2; 18:3; Mt 5:32; Dw 15:29; Ga 5:19)—Kpɔ GBOLO.

  • Gbɔgbɔ kɔkɔe.

    Enye ŋusẽ makpɔmakpɔ si ŋu dɔ Mawu wɔna be eƒe lɔlɔ̃nu nava eme. Ele kɔkɔe elabena etso Yehowa, ame si le dzadzɛ hele dzɔdzɔe le goawo katã me la gbɔ, eye Mawu zãnɛ tsɔ wɔa nu kɔkɔewo.—Lk 1:35; Dw 1:8.

  • Gbɔgbɔ.

    Gɔmesese vovovoe le Hebrigbe me nya si nye ruach kple Helagbe me nya pneuma siaa si gɔme woɖena be “gbɔgbɔ” la ŋu. Nya evea siaa fia nu si amegbetɔ mate ŋu akpɔ kple ŋku o, eye wònye kpeɖodzi na ŋusẽ aɖe si le dɔ dzi. Wozãa Hebrigbe kple Helagbe me nya mawo na (1) ya, (2) agbeŋusẽ si le anyigbadzinuwɔwɔwo me, (3) ŋusẽ si ʋãa ame ƒe kpɔɖeŋudzia wògblɔa nya alo wɔa nu le mɔ aɖe nu, (4) nya siwo tso gbɔgbɔ me siwo dzɔtsoƒe womate ŋu akpɔ kple ŋku o, (5) gbɔgbɔmemewo kple (6) Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ, alo gbɔgbɔ kɔkɔe.—2Mo 35:21; Ps 104:29; Mt 12:43; Lk 11:13.

  • Gbɔgbɔ vɔ̃wo.

    Wonye gbɔgbɔmenuwɔwɔ makpɔmakpɔ vɔ̃ɖi siwo tri akɔ wu amegbetɔwo. Woyɔ wo be “Mawu vavã la ƒe viwo” le 1 Mose 6:2, eye woyɔ wo le Yuda 6 be ‘mawudɔlawo.’ Womewɔ wo wonye mawudɔla vɔ̃ɖiwo o, ke boŋ wonye mawudɔla siwo wɔ wo ɖokuiwo Mawu ƒe futɔwoe esi wogbe toɖoɖoe le Noa ƒe ŋkekea me heva wɔ ɖeka kple Satana le aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu me.—5Mo 32:17; Lk 8:30; Dw 16:16; Yak 2:19.

  • Gbɔgbɔyɔyɔ.

    Enye dzixɔse si nye be ame kukuwo ƒe gbɔgbɔ yia edzi nɔa agbe le ŋutilã ƒe ku megbe, eye be woate ŋu aƒo nu kple agbagbeawo alo be woƒoa nu kpli wo, vevietɔ to ame (gbɔgbɔyɔla) si doa ka kple gbɔgbɔwo dzi. Helagbe me nya si wozã na “gbɔgbɔyɔyɔ” ye nye pharmakia, eye ne woaɖe egɔme tẽe la, efia “atike nanɔ ame mum.” Wova zã nya sia na gbɔgbɔyɔyɔ elabena le blemaɣeyiɣiwo me la, wozãa atikewo ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽ biam atsɔ awɔ nanee.—Ga 5:20; Nyɖ 21:8.

  • Gehena.

    Enye Helagbe me nya si fia, Hinom Vi Ƒe Bali, si nɔ blema Yerusalem ƒe anyieheɣetoɖoƒe. (Yr 7:31) Woƒo nu tso eŋu le nyagblɔɖi me be azu teƒe si wotsɔa nu kukuwo ƒua gbe ɖo. (Yr 7:32; 19:6) Kpeɖodzi aɖeke meli be wotsɔ lãwo alo amegbetɔwo ƒu gbe ɖe afi ma agbagbee kple susu be woatɔ dzo wo alo awɔ fu wo o. Eya ta mate ŋu anye teƒe makpɔmakpɔ  aɖe si wowɔa fu amegbetɔwo ƒe luʋɔwo le le dzo ŋutɔŋutɔ me tegbee o. Ke boŋ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zã Gehena wòle tsitre ɖi na “ku evelia” ƒe tohehe mavɔ, si fia, tsɔtsrɔ̃ mavɔ, tsɔtsrɔ̃ ɖikaa.—Nyɖ 20:14; Mt 5:22; 10:28.

  • Gera.

    Eƒe kpekpeme ade gram 0.57. Esɔ kple sekel 1/20. (3Mo 27:25)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Gilead.

    Ne míagblɔe tututu la, enye anyigba wɔnu si le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒekpa dzi si ɖo ta Yabok Bali me le anyiehe kple dziehe. Wozãnɛ ɣeaɖewoɣi wòtsia tre ɖi na Israel-nyigba si le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome, afi si Ruben, Gad kple Manase-to afã la nɔ. (4Mo 32:1; Yos 12:2; 2Fi 10:33)—Kpɔ Megbenyawo B4.

  • Gitit.

    Enye hadzidzimenya aɖe si womenya nu si tututu wòfia o, gake edze abe etso Hebrigbe me nya gat me ene. Ame aɖewo susu be esi gat fia wainfiãƒe ta la, ɖewohĩ enye ha si do ƒome kple wain fiafiã.—Ps 81:Etamenuŋɔŋlɔ.

Ɣ

  • Ɣletivimefakala.

    Ame si srɔ̃a nu tso ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ƒe zɔɖeɖe ŋu kple susu be yeate ŋu agblɔ nu siwo ava dzɔ ɖi.—Da 2:27; Mt 2:1.

H

  • Ha; Hame.

    Enye amewo ƒe ƒuƒoƒo le taɖodzinu aɖe alo ɖoɖo aɖe koŋ ta. Wozãnɛ na Israel dukɔa le Hebri Ŋɔŋlɔawo me zi geɖe. Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, efia Kristotɔwo ƒe hame ɖekaɖekawo, gake zi geɖe la, wogazãnɛ na Kristo hame bliboa.—1Fi 8:22; Dw 9:31; Ro 16:5.

  • Hades.

    Enye Helagbe me nya si ƒe gɔmesese sɔ kple Hebrigbe me nya “Sheol.” Woɖea egɔme be “Tsiẽƒe” (ŋɔŋlɔdzesi gãtɔe dzea egɔme), ne wòafia be enye ameƒomea ƒe yɔdo.—Kpɔ TSIẼƑE.

  • Hamemetsitsi; Ametsitsi.

    Enye ŋutsu tsitsi, gake le Ŋɔŋlɔawo me la, enye ŋgɔxɔla kple ame si le ɖoƒe aɖe le ƒuƒoƒo aɖe me loo alo dukɔa me. Wogazãa nya ma ke na nuwɔwɔ siwo le dziƒo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. Woɖea Helagbe me nya presbyteros gɔme be “hamemetsitsi” ne efia ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me.—2Mo 4:29; Lod 31:23; 1Ti 5:17; Nyɖ 4:4.

  • Hebri; Hebritɔ.

    Abram (Abraham) ye wozã ŋkɔ sia na gbã, si na wòto vovo tso Amoritɔ siwo ƒo xlãe la gbɔ. Wozãe emegbe tsɔ ƒo nu tso Abraham ƒe dzidzimevi siwo dzɔ tso Yakob me ŋu, eye wogazãe na woƒe gbegbɔgblɔ hã. Kaka Yesu ƒe ɣeyiɣia naɖo la, Aramgbe me nya geɖe va tsaka Hebrigbea eye wònye gbe si Kristo kple eƒe nusrɔ̃lawo do.—1Mo 14:13; 2Mo 5:3; Dw 26:14.

  • Hela; Helatɔ.

    Enye gbe si Helatɔwo dona; eganye ŋkɔ si wɔyɔna na Hela vidzidziwo alo ame si ƒe ƒome dzɔ tso afi ma. Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, wogazãa nya sia le mɔ si lolo wu nu wòfiaa ame siwo katã menye Yuda vidzidziwo o alo ame siwo dzi Helagbe kple Helatɔwo ƒe dekɔnuwo kpɔ ŋusẽ ɖo la.—Yoe 3:6; Yh 12:20.

  • Henɔ.

    Le ale si wozãe le Psalmowo me nu la, ɖewohĩ nya si wozã le Hebrigbe me fia ame si ɖoa hawo ɖe ɖoɖo nu, eye wòkpɔa wo dzidzi dzi, hefiaa wo dzidzi Lewi vi hadzilawo, eye wògaxɔa ŋgɔ le mɔ bubuwo nu hã. Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo yɔe be “hadzila bibi” alo “hadzihakplɔla.”—Ps 4:Etamenuŋɔŋlɔ; 5:Etamenuŋɔŋlɔ.

  • Hermes.

    Enye Helatɔwo ƒe mawu, si nye Zeus viŋutsu. Woyɔ Paulo vodadatɔe le Listra be Hermes wòfia mawu ma si wobuna be enye mawuwo ƒe ame dɔdɔ kple mawu si bi le nuƒoƒo me.—Dw 14:12.

  • Herodes.

    Enye fiaƒomeŋkɔ si woyɔna na fia siwo Romatɔwo ɖo woɖu Yudatɔwo dzi. Herodes Gãtɔ xɔ ŋkɔ ŋutɔ elabena egbugbɔ Yerusalem gbedoxɔa tu, eye wòna wowu ɖeviwo kple susu be yeatsrɔ̃ Yesu. (Mt 2:16; Lk 1:5) Woɖo Herodes Arkelao kple Herodes Antipa siwo nye Herodes Gãtɔ ƒe viwo la wo fofo ƒe fiaɖuƒea ƒe akpa aɖewo nu. (Mt 2:22) Antipa nye nutodziɖula, ame si woyɔna zi geɖe be “fia,” eɖu dzi le Kristo ƒe subɔsubɔdɔ si xɔ ƒe etɔ̃ kple afã la wɔɣi va se ɖe nuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo ta 12 lia me dzi. (Mr 6:14-17; Lk 3:1, 19, 20; 13:31, 32; 23:6-15; Dw 4:27; 13:1) Emegbe mawudɔla aɖe wu Herodes Agripa I, si nye Herodes Gãtɔ ƒe tɔgbuiyɔvi, le eƒe fiaɖuɖu ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. (Dw 12:1-6, 18-23) Via Herodes Agripa II, xɔ zia eye wòɖu fia va se ɖe esime Yudatɔwo dze aglã ɖe Roma ŋu.—Dw 23:35; 25:13, 22-27; 26:1, 2, 19-32.

  • Herodes habɔbɔ me nɔlawo.

    Wogayɔa wo be Herodestɔwo. Wonye dukɔmeviwo ƒe habɔbɔ aɖe si de Herodes ƒe dunyaheha dzi le Roma dziɖuɖua te. Anɔ eme be Zadukitɔ aɖewo hã nɔ habɔbɔ sia me. Herodestɔwo kple Farisitɔwo wɔ ɖeka tsi tsitre ɖe Yesu ŋu.—Mr 3:6.

  •  Herodestɔwo.

    Kpɔ HERODES HABƆBƆ ME NƆLAWO.

  • Heteku.

    Enye nukuwo ƒe dɔléle si ŋɔviwo hena vɛ. Ame aɖewo susu be heteku si woyɔ le Biblia mee nye esi nana nukuwo nyɔna yibɔɔ (Puccinia graminis).—1Fi 8:37.

  • Higayon.

    Enye nya aɖe si hafialawo zãna. Abe ale si wozãe le Psalmo 9:16 ene la, ɖewohĩ efia saŋku si woƒo kple moveviɖoɖo kpakple gbe si tò si woƒona tsɔ tsòa wɔna aɖe me loo alo saŋkuƒoƒo si me wotɔna le vie si nana amewo dea ŋugble.

  • Hin.

    Enye tsinu agbɔsɔsɔme aɖe kple nudzidzenua siaa ŋkɔ. Hin ɖeka le lita 3.67. Eye esia nɔ te ɖe nya aɖe si ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ dzi be hin ɖeka le Atenetɔwo ƒe koes eve. (2Mo 29:40)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Homer.

    Enye nudzidzenu si ƒe lolome sɔ kple kor. Baf nudzidzenu dzie wonɔa te ɖo bunɛ, eƒe lolome nye lita 220. (3Mo 27:16)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Horeb; Horeb To.

    Enye tonuto si ƒo xlã Sinai To la. Enye ŋkɔ bubu si woyɔna na Sinai To la. (2Mo 3:1; 5Mo 5:2)—Kpɔ Megbenyawo B3.

X

  • Xaxa gã.

    Helagbe me nya si gɔme woɖe be “xaxa” fia fukpekpe si nɔnɔme sesẽ aɖewo he vɛ. Yesu ƒo nu tso “xaxa gã” si tɔgbi meva kpɔ o, si ava Yerusalem dzi kple vevietɔ esi ava amegbetɔƒomea dzi emegbe ne “wògbɔna le ŋutikɔkɔe me” ŋu. (Mt 24:21, 29-31) Paulo gblɔ tso xaxa sia ŋu be enye afɔ dzɔdzɔe si Mawu aɖe atsɔ ahe to na ‘ame siwo menya Mawu o kple ame siwo meɖoa to Yesu Kristo ŋuti nya nyui la o.’ Nyaɖeɖefia ta 19 ɖee fia be Yesue le ŋgɔ na dziƒoʋakɔ la be woawɔ aʋa kple “lã wɔadã la kple anyigbadzifiawo kpakple woƒe aʋakɔwo.” (2Te 1:6-8; Nyɖ 19:11-21) Woɖee fia be “ameha gã” aɖe atsi agbe le xaxa ma me. (Nyɖ 7:9, 14)—Kpɔ ARMAGEDON.

  • Xɔxɔnu.

    Gbadzaƒe si ŋu wotɔ kpɔ ɖo ƒo xlã takpegbadɔa, kple emegbe gbadzaƒe siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo ƒo xlã gbedoxɔa ŋutɔ. Numevɔsamlekpui la nɔ avɔgbadɔa ƒe xɔxɔnu eye emegbe enɔ gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu emetɔ. (Kpɔ Megbenyawo B5, B8, B11.) Biblia gayɔa xɔxɔnu wòfiaa aƒewo kple fiasãwo ƒe xɔxɔnuwo.—2Mo 8:13; 27:9; 1Fi 7:12; Es 4:11; Mt 26:3.

  • Xɔmetsovɔ.

    Enye avɔ si wolɔ̃ nyuie wònya kpɔ, si me wolɔ̃ kerubiwo ɖo, si tsò Kɔkɔeƒea kple Kɔkɔƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea dome le avɔgbadɔa kple gbedoxɔa siaa me. (2Mo 26:31; 2Kr 3:14; Mt 27:51; Heb 9:3)—Kpɔ Megbenyawo B5.

  • Xɔsegbegbe.

    Woɖe Helagbe me nya (apostasia) tso dɔwɔnya si ne woaɖe egɔme tẽe la, efia “woanɔ adzɔge” la me. Gɔmesese si le eƒe ŋkɔnya ŋue nye “megbedede, amegbegbe, alo aglãdzedze.” Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, wozãa “xɔsegbegbe” zi geɖe wòkuna ɖe ame siwo de megbe tso subɔsubɔ vavãtɔ gbɔ la ŋu.—Lod 11:9; Dw 21:21; 2Te 2:3.

I

  • Iliriko.

    Enye Roma fiaɖuƒea ƒe nuto si le Hela ƒe dzieheɣetoɖoƒe. Paulo zɔ mɔ de teƒe sia ke, gake womegblɔe nenye be eɖe gbeƒã le Iliriko nutoa me loo alo ɖeko wòɖo afi ma o. (Ro 15:19)—Kpɔ Megbenyawo B13.

  • Isop.

    Enye ati aɖe si to alɔ kple aŋgbawo nyuie, si wozãna tsɔ hlẽa ʋu kple tsi ɖe nuwo ŋu le wo ŋu kɔɣi. Anɔ eme be eyae nye ati si woyɔna be marjoram (Origanum maru; Origanum syriacum). Ale si wozãe le Yohanes 19:29 fia be ɖewohĩ enye marjoram si wotsɔ ɖo aɖa ƒomevi aɖe (Sorghum vulgare) nu, elabena ati sia tea ŋu didina, si na wote ŋu tsɔ ƒumekutsa si me wain le la ɖo enu na Yesu.—2Mo 12:22; Ps 51:7.

  • Israel.

    Enye ŋkɔ si Mawu tsɔ na Yakob. Ŋkɔ sia va tsi tre ɖi na Yakob ƒe dzidzimeviwo ƒe ƒuƒoƒo bliboa emegbe. Woyɔa Yakob vi wuieveawo ƒe dzidzimeviwo be Israel-viwo, Israel ƒe aƒe, alo Israeltɔwo. Wogazã Israel wònye ŋkɔ na dziehe to ewo fiaɖuƒe si ma ɖa tso anyiehe fiaɖuƒea gbɔ, eye emegbe wogazãe na Kristotɔ amesiamina siwo nye “Mawu ƒe Israel” la.—Ga 6:16; 1Mo 32:28; 2Sa 7:23; Ro 9:6.

K

  • Kab.

    Enye nudzidzenu si ƒe lolome nye lita 1.22, eye wobui ɖe eƒe agbɔsɔsɔme si ayi baf nudzidzenu me dzi. (2Fi 6:25)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Kaisaro.

    Enye Roma ƒomeŋkɔ si va zu bubuŋkɔ na Roma fiagãwo. Woyɔ Augusto, Tiberio kple Klaudio ƒe ŋkɔwo le Biblia me, eye togbɔ be womeyɔ Nero ŋkɔ o hã la, eya hã le wo dome. Woyɔ “Kaisaro” le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me wòle tsitre ɖi na dziɖuɖu alo Dukɔ.—Mr 12:17; Dw 25:12.

  • Kaldea; Kaldeatɔwo.

    Anyigba la kple ame siwo nɔ Tigris kple Frat tɔsisiwo ƒe azizã nu; le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova yɔ ŋkɔ sia na Babilon-du bliboa kple eƒe amewo. Ŋkɔ “Kaldeatɔwo” gafia agbalẽnyalawo ƒe ƒuƒoƒo  siwo srɔ̃ dzɔdzɔmeŋutinunya, ŋutinya, gbegbɔgblɔwo kple ɣletiviŋutinunya, gake wonye ame siwo wɔa akunya hekaa ɣletivimefa.—Ezr 5:12; Da 4:7; Dw 7:4.

  • Kanaan.

    Noa tɔgbuiyɔvi si nye Ham vi enelia. To wuiɖekɛ siwo dzɔ tso Kanaan me la nɔ Domeƒu la ƒe ɣedzeƒekpa dzi le Egipte kple Siria dome. Woyɔ nuto ma be “Kanaan-nyigba.” (3Mo 18:3; 1Mo 9:18; Dw 13:19)—Kpɔ Megbenyawo B4.

  • Kasia.

    Enye kasiati ƒe akpa (Cinnamomum cassia), enye sinamɔnti ƒomevi aɖe. Wozãnɛ abe atike ʋeʋĩ ene, eye enye nu siwo wozã tsɔ wɔ ami kɔkɔea dometɔ ɖeka.—2Mo 30:24; Ps 45:8; Eze 27:19.

  • Kemos.

    Moabtɔwo ƒe mawu gã.—1Fi 11:33.

  • Kerubiwo.

    Mawudɔla siwo si ɖoƒe kɔkɔ le siwo wode dɔ tɔxɛwo asi na. Woto vovo na serafiwo.—1Mo 3:24; 2Mo 25:20; Yes 37:16; Heb 9:5.

  • Kislev.

    Esiae nye ŋkɔ si wona Yudatɔwo ƒe ɣleti asiekelia le woƒe ɣletigbalẽ kɔkɔe la dzi, eye wònye etɔ̃lia le dukɔa ƒe ɣletigbalẽ dzi. Edzea egɔme tso November (Adeɛmekpɔxe) ƒe domedome va se ɖe December (Dzome) ƒe domedome. (Neh 1:1; Zak 7:1)—Kpɔ Megbenyawo B15.

  • Konyifafa.

    Enye nuxaxa ɖe ame aɖe ƒe ku ta alo ɖe afɔku bubu aɖe ta gaglã. Le Biblia ŋlɔɣi la, ebɔ be amewo faa konyi hena ɣeyiɣi aɖe. Tsɔ kpe ɖe avifafa sesĩe ŋu la, konyifalawo doa awu tɔxɛwo, kɔa dzofi ɖe tame, dzea woƒe awuwo eye wonɔa akɔta ƒom. Ɣeaɖewoɣi wokpea ame siwo nye konyifala bibiwo be woava fa avi le kuteƒewo.—1Mo 23:2; Es 4:3; Nyɖ 21:4.

  • Konyifaha.

    Nya siwo ɖea nuxaxa vevie fiana la nu ƒoƒo ƒu wòanye hadzidzi, abe konyi si wofana ne xɔlɔ̃ alo ame vevi aɖe ku ene.—2Sa 1:17; Ps 7:Etamenuŋɔŋlɔ.

  • Kɔkɔe; Kɔkɔenyenye.

    Enye Yehowa ƒe nɔnɔme vevi aɖe; nɔnɔme sia fia ale si woanɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ me ahanɔ kɔkɔe le goawo katã me. (2Mo 28:36; 1Sa 2:2; Lod 9:10; Yes 6:3) Ne wozã nya sia na amegbetɔwo (2Mo 19:6; 2Fi 4:9), lãwo (4Mo 18:17), nuwo (2Mo 28:38; 30:25; 3Mo 27:14), teƒewo (2Mo 3:5; Yes 27:13), ɣeyiɣiwo (2Mo 16:23; 3Mo 25:12), kple dɔwɔnawo (2Mo 36:4) la, gɔmesese si le eŋu le Hebrigbea mee nye nu si woɖe ɖe vovo, alo nu si ŋu wokɔ na Mawu kɔkɔe la; si fia nu si woɖe ɖe vovo hena Yehowa ƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ. Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, nya si gɔme woɖe be “kɔkɔe” kple “kɔkɔenyenye” fia nu si woɖe ɖe vovo na Mawu. Wogazãa nya mawo tsɔ fiaa ale si ame aɖe le dzadzɛ le agbenɔnɔ gome hã.—Mr 6:20; 2Ko 7:1; 1Pe 1:15, 16.

  • Kɔkɔeƒe.

    Zi geɖe la, enyea teƒe si woɖo ɖi koŋ na tadedeagu, si nye teƒe kɔkɔe. Wozã ŋkɔ sia enuenu na avɔgbadɔ la alo na gbedoxɔ si nɔ Yerusalem. Wogazãnɛ na Mawu ƒe nɔƒe si le dziƒo hã.—2Mo 25:8, 9; 2Fi 10:25; 1Kr 28:10; Nyɖ 11:19.

  • Kɔkɔeƒe la.

    Enye avɔgbadɔa alo gbedoxɔa ƒe xɔ gbãtɔ alo esi lolo wu, si to vovo na xɔ ememetɔ si nye Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la. Nu siwo nɔ Kɔkɔeƒea le avɔgbadɔa mee nye, sikakaɖiti, sikadzudzɔdomlekpui, ŋkumeɖobolokplɔ̃ kple sikaŋudɔwɔnuawo; nu siwo nɔ gbedoxɔ si wotu mee nye sikavɔsamlekpui, sikakaɖiti ewo kple ŋkumeɖobolokplɔ̃ ewo. (2Mo 26:33; Heb 9:2)—Kpɔ Megbenyawo B5 kple B8.

  • Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la.

    Enye avɔgbadɔa kple gbedoxɔa ƒe xɔ ememetɔ, afi si woda nubablaɖaka la ɖo. Le Mose Ƒe Sea nu la, ame si ko woɖe mɔ na be wòage ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒeae nye nunɔlagã la, eye Avuléŋkeke la dzi koe wòate ŋu age ɖe afi ma zi ɖeka ƒe sia ƒe.—2Mo 26:33; 3Mo 16:2, 17; 1Fi 6:16; Heb 9:3.

  • Kɔkuti.

    Enye ati si ame tsɔna ɖe eƒe abɔ ta, si ƒe nugbɔ agba nɔna, alo ati eve si wotsɔna dea kɔ na lã eve (enyea nyi zi geɖe) ne wole agbleŋlɔnu alo tasiaɖam hem. Esi kluviwo zãa kɔkuti tsɔ tsɔa agba kpekpewo zi geɖe ta la, wozã kɔkuti le kpɔɖeŋumɔ nu na kluvinyenye alo ametenɔnɔ kple ameteteɖeanyi loo alo fukpekpe. Kɔkutia ɖeɖe alo eŋeŋe fia gbɔdzɔe kpɔkpɔ tso kluvinyenye, ameteteɖeanyi kple amebaba me.—3Mo 26:13; Mt 11:29, 30.

  • Kɔmama.

    Amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si lé dzixɔse aɖe me ɖe asi alo dzea woƒe ŋgɔnɔla yome heléa woawo ŋutɔ ƒe dzixɔsewo me ɖe asi. Wozãe na ƒuƒoƒo xɔŋkɔ eve siwo nɔ Yuda-subɔsubɔha me siwo nye Farisitɔwo kple Zadukitɔwo. Ame siwo menye Kristotɔwo o hã yɔa Kristotɔwo be “kɔmama” alo “Nazaretetɔwo ƒe kɔmama,” eye wobua wo be wonye ame siwo ma ɖa tso Yuda-subɔsubɔhaa gbɔ. Vivivi la, kɔmamawo va ɖo Kristo hamea me; woyɔ “Nikolai ƒe kɔmama la” kã le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me.—Dw 5:17; 15:5; 24:5; 28:22; Nyɖ 2:6; 2Pe 2:1.

  •  Kɔmewu.

    Enye akɔtawu si nunɔlawo dona. Nunɔlagã la doa kɔmewu tɔxɛ aɖe si ƒe ŋgɔgbe akɔtaɖonu sue aɖe le, si me wode kpe xɔasi 12. (2Mo 28:4, 6)—Kpɔ Megbenyawo B5.

  • Kɔr.

    Enye tsinuwo kple nu siwo menye tsinuwo o ƒe nudzidzenu. Kɔr ɖeka le lita 220, eye baf nudzidzenu agbɔsɔsɔme aɖee wotsɔ bunɛ. (1Fi 5:11)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Kpẽ.

    Enye nu si wotsɔ ga wɔ, si me woɖoa ƒuƒu ɖo tsɔ naa nyatakaka alo tsɔ ƒoa ha. Le 4 Mose 10:2 la, Yehowa na mɔfiame be woatu klosalokpẽ eve si woaku atsɔ ana nyatakaka tɔxɛwo ha la be woaƒo ƒu loo, aho adzo loo, alo atsɔ ana woanya be aʋahoɣi ɖo. Edze abe kpẽ siawo le lɔbɔɔ ene, eye womele abe esiwo xa siwo wotsɔ “lãdzowo” wɔ la ene o. Kpẽ siwo womegblɔ ale si tututu wowɔ woe o la hã nɔ haƒonu siwo nɔ gbedoxɔa me la dome. Zi geɖe la, kpẽwo ƒe ɖiɖi nyea dzesi be Yehowa agblɔ eƒe ʋɔnudrɔ̃nya alo be nu ɖedzesi aɖe si tso Mawu gbɔ la adzɔ.—2Kr 29:26; Ezr 3:10; 1Ko 15:52; Nyɖ 8:7–11:15.

  • Kplɔla Vevitɔ.

    Gɔmesese si koŋ le Helagbea ŋue nye “Ŋgɔnɔla Vevitɔ.” Eku ɖe akpa vevi si Yesu Kristo wɔ tsɔ na ablɔɖe amegbetɔ nuteƒewɔlawo tso nu vɔ̃ ƒe nugbegblẽ si me be agbe mavɔ nasu wo si la ŋu.—Dw 3:15; 5:31; Heb 2:10; 12:2.

  • Kpo.

    Enye teƒe kɔkɔ si David ƒe Du la nɔ alo dua ƒe nɔnɔme. Anye be woɖo gli ɖe kpoa ŋu godoo loo alo wɔ nu bubu aɖe si lé kpoa ɖe te.—2Sa 5:9; 1Fi 11:27.

  • Kpodzo; Kpo.

    Enye nu si me wolóloa ga le; wogazãnɛ tsɔ mèa ze kple anyinu bubuwo. Le Biblia ŋlɔɣiwo la, anyikpewo alo kpewoe wotsɔna wɔa kpo siawoe.—1Mo 15:17; Da 3:17; Nyɖ 9:2.

  • Kristo.

    Enye Yesu ƒe bubuŋkɔ, si tso Helagbe me nya Kristos me, si sɔ kple Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “Mesia,” alo “Amesiamina.”—Mt 1:16; Yh 1:41.

  • Kristo ƒe futɔ la.

    Gɔmesese evee le nya sia ŋu le Helagbe me. Efia Kristo ƒe futɔ alo tsitretsiɖeŋula. Agate ŋu afia aʋatso Kristo, alo ame si tsɔ eɖokui ɖo Kristo teƒe. Woate ŋu ayɔ ame sia ame, habɔbɔ alo ƒuƒoƒo ɖe sia ɖe si agblɔ alakpatɔe be yenye Kristo loo alo Mesia la, alo tsia tsitre ɖe Kristo kple eyomedzelawo ŋu be Kristo ƒe futɔ.—1Yh 2:22.

  • Kristotɔ.

    Ŋkɔ si wotsɔ na Yesu Kristo yomedzelawo le Mawu ƒe mɔfiafia nu.—Dw 11:26; 26:28.

  • Kutsetse gbãtɔ; Nuku gbãtɔ.

    Nuŋeɣi ƒe nuku gbãtɔwo; nu sia nu me tsonu gbãtɔwo. Yehowa bia tso Israel-viwo si be woatsɔ woƒe kutsetse gbãtɔwo ana ye, eɖanye amegbetɔ, lã, alo anyigbadzikutsetsewo o. Israel dukɔ bliboa tsɔa kutsetse gbãtɔwo nana Mawu le Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyuia kple Pentekoste ŋkekea dzi. Wozã nya “kutsetse gbãtɔ” le kpɔɖeŋumɔ nu na Kristo kple eyomedzela amesiaminawo hã.—1Ko 15:23; 4Mo 15:21; Lod 3:9; Nyɖ 14:4.

L

  • Lãgbalẽ.

    Enye alẽ, gbɔ̃, alo nyivi ƒe agbalẽ si ŋu wotrɔ asi le nyuie si dzi woŋlɔa nu ɖo. Enyo wu aƒlagbalẽ eye wozãe tsɔ wɔ agbalẽ xatsaxatsa siwo dzi woŋlɔ Biblia ɖo. Anɔ eme be lãgbalẽ siwo Paulo bia tso Timoteo si be wòatsɔ vɛ na ye la nye Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo. Ƒu Kukua Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsa siwo ŋu woke ɖo la dometɔ aɖewo nye lãgbalẽ siwo dzi woŋlɔ nu ɖo.—2Ti 4:13.

  • Lebanon togbaka.

    Enye togbaka eve siwo le Lebanon-nyigba dzi la dometɔ ɖeka. Lebanon togbaka la le ɣetoɖoƒe, eye Lebanon To la dze ŋgɔe le ɣedzeƒe. Bali wɔnu legbee aɖe le to eve siawo domee. Lebanon togbaka la dzena tẽe kloe tso Domeƒua ta, eye eƒe kɔkɔme anɔ meta 1,800 kple 2,100 dome. Le blema la, sederti gãgãwo nɔ Lebanon Toa dzi, si dukɔ siwo te ɖe Lebanon ŋu la buna ati xɔasiwoe. (5Mo 1:7; Ps 29:6; 92:12)—Kpɔ Megbenyawo B7.

  • Legba; Trɔ̃subɔsubɔ.

    Legba nye nane ƒe nɔnɔmewɔwɔ, nu si li ŋutɔŋutɔ loo alo esi wosusu wɔ, si amewo zãna le subɔsubɔ me. Trɔ̃subɔsubɔ nye bubudede legba aɖe ŋu, elɔlɔ̃, alo esubɔsubɔ.—Ps 115:4; Dw 17:16; 1Ko 10:14.

  • Lepta.

    Enye Yudatɔwo ƒe gaku suetɔ kekeake si wotsɔ akɔbli alo gadzẽ wɔ si woɖuna le ɣeyiɣi siwo me woŋlɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo. (Mr 12:42; Lk 21:2; etenuŋɔŋlɔ.)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Leviatan.

    Enye lã si ŋu woƒoa nu tsoe zi geɖe be ele tsi me, ɖewohĩ enye lã aɖe le tɔ me. Le Hiob 3:8 kple 41:1 la, anye lo alo lã bubu aɖe si nɔa tsi me si ŋu ŋusẽ le ye wowɔnɛ. Le Psalmo 104:26 la, anye boso ƒomevi aɖee. Wozãe le teƒe bubuwo le kpɔɖeŋumɔ nu, eye womegblɔ lã si koŋ wònye la o.—Ps 74:14; Yes 27:1.

  • Lewi; Lewitɔ.

    Lewi ye nye viŋutsu etɔ̃lia si Lea dzi na Yakob; wotsɔ eƒe ŋkɔ na toawo dometɔ  ɖeka. Lewi viŋutsu etɔ̃awo mee Lewitɔwo ƒe hatsotso vevi etɔ̃awo dzɔ tso. Ɣeaɖewoɣi la, wozãa nya “Lewi viwo” wòfiaa to bliboa, gake zi geɖe la, Aron ƒe ƒomea si nye nunɔlawo mekpena ɖe eŋu o. Womena anyigba Lewi viwo le Ŋugbedodonyigbaa dzi o, gake wona du 48 wo le to bubuawo ƒe anyigba siwo wona wo la dzi.—5Mo 10:8; 1Kr 6:1; Heb 7:11.

  • Lifi.

    Enye atimitsi ƒuƒu si woɖe tso ati kple gbe ƒomevi aɖewo koŋ me. Ne wodee dzo me la, eʋẽna lilili. Enye nu siwo wotsɔ wɔ dzudzɔdonu ʋeʋĩ si wozãna le avɔgbadɔa kple gbedoxɔa me la dometɔ ɖeka. Wotsɔnɛ kpena ɖe nuɖuvɔsawo ŋu, eye woda ɖe ɖe ŋkumeɖobolo si le Kɔkɔeƒea hã dzi.—2Mo 30:34-36; 3Mo 2:1; 24:7; Mt 2:11.

  • Lododo.

    Enye nyagbɔgblɔ kpui aɖe si ƒe gɔmesese de to eye wòɖea nyateƒenya veviwo ɖe go kpokploe. Biblia me lododowo ate ŋu anɔ abe abebubu alo adzototo ene. Lododowo gblɔa nyateƒenyawo ale si tututu wole, eye wonyea kpɔɖeŋuwo zi geɖe. Lododo aɖewo va zu alɔmeɖenyawo alo vlodonyawo na amewo.—Nyg 12:9; 2Pe 2:22.

  • Lɔg.

    Enye tsinuwo dzidzenu suetɔ kekeake si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me. Le Yudatɔwo ƒe Talmud la me la, wogblɔ be lɔg ɖeka le hin me mama ɖe wuieve ƒe akpa ɖeka, si fia be lɔg ƒe lolome anye lita 0.31. (3Mo 14:10)—Kpɔ Megbenyawo. B14.

  • Lɔlɔ̃ si nu metsina o.

    (Míeɖe nya sia ke gɔme le kpukpui aɖewo me be: lɔlɔ̃ vavã; amenuveve; lɔlɔ̃ deto; dɔmenyonyo.) Woɖea nya sia gɔme zi geɖe tso Hebrigbe me nya si nye chesedh me, eye wòfia ɖokuitsɔtsɔna ƒe lɔlɔ̃, nuteƒewɔwɔ kple kukuɖeameŋu vevie. Wozãnɛ enuenu wòkuna ɖe ale si Mawu lɔ̃ amegbetɔwoe ŋu, gake eganye lɔlɔ̃ si amewo ɖena fiana le wo nɔewo dome.—2Mo 34:6; Ru 3:10.

  • Lu dzĩ.

    Enye lu ƒomevi aɖe (Triticum spelta) si mexɔ asi boo o, eye tsroɖeɖe le eŋu sesẽ.—2Mo 9:32.

  • Luʋɔ.

    Alea koŋ ye woɖe Hebrigbe me nya nephesh kple Helagbe me nya psykhe gɔmee. Ne míelé ŋku ɖe ale si wozã nya siawoe le Biblia me ŋu la, edze ƒãa be wofia (1) amewo, (2) lãwo, alo (3) amegbetɔ loo alo lã ƒe agbe. (1Mo 1:20; 2:7; 4Mo 31:28; 1Pe 3:20; kpɔ etenuŋɔŋlɔawo hã.) To vovo na ale si wozãa nya “luʋɔ” le subɔsubɔha geɖe ƒe nyawo mee la, Biblia ya ɖee fia be nephesh kple psykhe siaa si wozã na anyigbadzinuwɔwɔwo la fia nu siwo nye ŋutilã, nu si ŋu woate ŋu aka asii, nu si woate ŋu akpɔ kple ŋku, kple nu si ate ŋu aku. Le Biblia gɔmeɖeɖe sia me la, wozã nya si dze le gbe gbãtɔa me le mɔ vovovowo nu be wòasɔ kple gɔmesese si le eŋu le nya si me wòdze le la me, eye wozã nyawo abe “agbe,” “nuwɔwɔ,” “ame,” “ameti bliboa” ene, alo zã ŋkɔnyateƒenɔnyawo ko (le kpɔɖeŋu me, wozã “nye” ɖe “nye luʋɔ” teƒe). Le teƒe geɖe la, etenuŋɔŋlɔwo zã “luʋɔ.” Ne wozã “luʋɔ” le kpukpui aɖe me loo alo le etenuŋɔŋlɔ aɖe me la, gɔmesese si le eŋu la sɔ kple nya si míegblɔ do ŋgɔ. Ne woƒo nu tso nane wɔwɔ kple luʋɔ blibo ŋu la, efia be woawɔe kple ameti blibo, dzi blibo, alo kple ame ƒe agbe blibo. (5Mo 6:5; Mt 22:37) Le teƒe bubuwo la, wotea ŋu zãa nya si dze le gbe gbãtɔa me wòfiaa dzodzro si le nu gbagbe aɖe me. Wogazãnɛ na ame kuku alo nu kukuwo hã.—4Mo 6:6; Lod 23:2; Yes 56:11; Hag 2:13.

M

  • Mahalat.

    Enye hadzidzimenya aɖe si dze le Psalmo 53 kple 88 ƒe etamenuŋɔŋlɔa me. Ðewohĩ edzɔ tso Hebrigbe me dɔwɔnya si nye “gbɔdzɔ; dze dɔ” me, si fia blanuiléle kple gbe wɔnublanui, si wɔ ɖeka kple nublanuinya siwo le ha eve siawo me.

  • Makedonia.

    Enye nuto si le Hela ƒe dziehekpa dzi si ƒe ŋkɔ de du le Aleksanda Gãtɔ ƒe dziɖuɣi, eye wònye nuto si nɔ eɖokui si va se ɖe esime Romatɔwo va tsrɔ̃e. Makedonia nye Roma nuto esime apostolo Paulo yi Europa zi gbãtɔ. Paulo zɔ mɔ yi afi ma zi etɔ̃ sɔŋ. (Dw 16:9)—Kpɔ Megbenyawo B13.

  • Makɔmakɔ.

    Ate ŋu afia ɖiƒoƒo ŋutɔŋutɔ le ŋutilã me alo be woada le agbe nyui nɔnɔ ƒe sewo dzi. Le Biblia me la, nya sia fia nu si mesɔ alo le kɔkɔe o, abe ale si Mose ƒe Sea gblɔe ene. (3Mo 5:2; 13:45; Mt 10:1; Dw 10:14; Ef 5:5)—Kpɔ KƆKƆE.

  • Malkam.

    Ðewohĩ eya kee nye Molek, si nye Amonitɔwo ƒe mawu gã. (Zef 1:5)—Kpɔ MOLEK.

  • Mana.

    Eyae nye nuɖuɖu si koŋ Israel-viwo ɖu le gbea dzi ƒe blaene. Yehowae nae wo. Edona ɖe anyigba nukutɔe ŋdi sia ŋdi ne zãmu la ƒu, negbe Sabat dzi koe medona o. Esi Israel-viwo kpɔe zi gbãtɔ la, wogblɔ be, “Nu kae nye esia?” alo le Hebrigbe me la, “man huʼ?” (2Mo 16:13-15, 35) Le teƒe bubuwo la, woyɔe be “nuɖuɖu si tso dziƒo” (Ps 78:24), “abolo tso dziƒo” (Ps 105:40), kple “ŋusẽtɔwo ƒe  abolo” (Ps 78:25). Yesu hã ƒo nu tso mana ŋu le kpɔɖeŋumɔ nu.—Yh 6:49, 50.

  • Maskil.

    Enye Hebrigbe me nya si gɔme womese tututu o, si dze le Psalmo vovovo 13 ƒe etamenuŋɔŋlɔwo me. Ðewohĩ egɔmee nye “ŋugblemeyiyi ƒe hakpanya.” Ame aɖewo susu be nya aɖe si sɔ kplii, si gɔme woɖe be ‘subɔ ŋuɖɔɖotɔe’ la ƒe gɔmesese de sɔsɔ ge kplii.—2Kr 30:22; Ps 32:Etamenuŋɔŋlɔ.

  • Matrewɔwɔ.

    Kpɔ GBƆDƆDƆ MANƆSENU

  • Mawu Fiaɖuƒe.

    Enye nya si koŋ wozãna na Mawu ƒe dziɖuɖu si me wòtia Via Yesu Kristo be wòanye eƒe fia.—Mt 12:28; Lk 4:43; 1Ko 15:50.

  • Mawu vavã la.

    Aleae woɖe Hebrigbe me nya si wozãna na “Mawu la” gɔmee. Le teƒe geɖe la, asitɔnudzinyakui (la) si wozã le Hebrigbea me dea dzesi Yehowa be eya koe nye Mawu vavã la, eye be eto vovo tso alakpamawu bubuwo gbɔ. Eya ta eŋɔŋlɔ be “Mawu vavã la” nana be gɔmesese si tututu le Hebrigbea ŋu la dzena nyuie le nya si me wozãe le.—1Mo 5:22, 24; 46:3; 5Mo 4:39.

  • Mawudɔla Gãtɔ.

    Le Biblia me la, wozãa “mawudɔla gãtɔ” na ame ɖeka, si fia be mawudɔlawo ƒe tatɔ ɖeka koe li. Biblia gblɔ be mawudɔla gãtɔ ŋkɔe nye Mikael.—Da 12:1; Yud 9; Nyɖ 12:7.

  • Mawudɔlawo.

    Hebrigbe malakh kple Helagbe aggelos. Nya evea siaa gɔmeɖeɖe tẽe fia “ame dɔdɔ,” gake woyɔa wo be “mawudɔlawo” ne wole nu ƒom tso ame dɔdɔ siwo nye gbɔgbɔwo ŋu. (1Mo 16:7; 32:3; Yak 2:25; Nyɖ 22:8) Mawudɔlawo nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu siwo Mawu wɔ ɣeyiɣi didi aɖe hafi wɔ amegbetɔwo. Wogayɔ wo le Biblia me be “dɔla kɔkɔe akpeakpewo,” “Mawu viwo” kple “ŋukeɣletiviwo.” (5Mo 33:2; Hio 1:6; 38:7) Womewɔ mawudɔlawo be woadzi mawudɔla bubuwo o ke boŋ ɖe wowɔ wo ɖekaɖeka. Wosɔ gbɔ wu miliɔn alafa ɖeka. (Da 7:10) Biblia gblɔ be ŋkɔ ŋutɔŋutɔ kple amenyenye tɔxɛwo le wo si, ke hã, womelɔ̃na be woade ta agu na yewo o, eye wo dometɔ geɖe melɔ̃ yɔ woƒe ŋkɔwo gɔ̃ hã na amewo o. (1Mo 32:29; Lk 1:26; Nyɖ 22:8, 9) Ðoƒe vovovowoe le wo si, eye wodea dɔ vovovowo asi na wo; dɔ siwo wowɔna dometɔ aɖewoe nye be wosubɔna le Yehowa ƒe fiazikpuia ŋgɔ, wogblɔa eƒe gbedeasiwo, woxɔna na Yehowa subɔla siwo le anyigba dzi, wohea Mawu ƒe tohehe vaa eƒe futɔwo dzi, eye wokpea asi ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu. (2Fi 19:35; Ps 34:7; Lk 1:30, 31; Nyɖ 5:11; 14:6) Le etsɔme la, woakpe ɖe Yesu ŋu woawɔ Armagedon-ʋa la.—Nyɖ 19:14, 15.

  • Mawusosroɖa; Ðokuitsɔtsɔ na Mawu.

    Enye mawuvɔvɔ̃, tadedeagu, subɔsubɔdɔwɔwɔ na Yehowa Mawu, kple susu be woanɔ Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe.—1Ti 4:8; 2Ti 3:12.

  • Media; Mediatɔ.

    Wonye Madai si nye Yafet vi ƒe dzidzimeviwo; wonɔ Iran ƒe tonyigba gbadza si va zu Media dukɔ la dzi. Mediatɔwo wɔ ɖeka kple Babilon eye woɖu Asiria dzi. Ɣemaɣi la, Persia nutoa nɔ Mediatɔwo te, gake Kores dze aglã eye Media kple Persia ƒo ƒu zu Medo-Persia Fiaɖuƒe si ɖu Babilon Fiaɖuƒe Yeyea dzi le ƒe 539 D.Y. Mediatɔwo nɔ Yerusalem le Pentekoste ŋkekea dzi le ƒe 33 K.Ŋ. (Da 5:28, 31; Dw 2:9)—Kpɔ Megbenyawo B9.

  • Merodak.

    Enye Babilontɔwo ƒe mawu gãtɔ. Esi Babilon-fia kple sewɔla Hammurabi wɔ Babilon wònye fiadu na Babilontɔwo la, Merodak (alo, Maduk) va xɔ ŋkɔ, eye mlɔeba la, eva xɔ ɖe mawu bubu siwo do ŋgɔ nɛ la teƒe eye wòva zu Babilontɔwo ƒe mawu gãtɔ. Emegbe wova ɖɔli ŋkɔ Merodak (alo, Maduk) kple bubuŋkɔ si nye “Belu” (“Aƒetɔ”), eye zi geɖe ne wole nu ƒom tso eŋu la, woyɔnɛ be Bel.—Yr 50:2.

  • Mesia.

    Enye nya si woɖe tso Hebrigbe me nya si gɔmee nye “amisiname” alo “amesiamina” me. Ŋkɔ si sɔ kplii le Helagbe mee nye “Kristo.”—Da 9:25; Yh 1:41.

  • Miktam.

    Enye Hebrigbe me nya aɖe si dze le psalmo ade (Ps 16; 56–60) ƒe etamenuŋɔŋlɔwo me. Enye hadzidzimenya si gɔme womese tututu o, togbɔ be edo ƒome kple nya si nye “nuŋɔŋlɔ” hã.

  • Milkom.

    Enye mawu si Amonitɔwo subɔna, ɖewohĩ eya kee nye Molek. (1Fi 11:5, 7) Le Salomo ƒe fiaɖuɖu ƒe nuwuwu lɔƒo la, etu nuxeƒewo na alakpamawu sia.—Kpɔ MOLEK.

  • Mina.

    Woyɔe le Ezekiel ƒe agbalẽa me be mane. Enye nudakpe kple ga si woɖuna siaa. Tomenu siwo ŋu woke ɖo ɖee fia be mina ɖeka le sekel 50, eye sekel ɖeka le gram 11.4, eye mina si ŋu woƒo nu tsoe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me le gram 570. Anye be mina aɖe nɔ anyi si nye fiasã me tɔ koŋ abe ale si wònɔ le abɔklugui la hã gome ene. Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, mina ɖeka le drakma alafa ɖeka. Eƒe kpekpeme nye gram 340. Mina blaade le talento ɖeka. (Ezr 2:69; Lk 19:13)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  •  Mire.

    Enye atimitsi aɖe si ʋẽna lilili si wokpɔna tso ŋùti suesuesue vovovowo alo Commiphora ƒe ati suesuesuewo me. Mire nye nu siwo wotsaka tsɔ wɔ ami kɔkɔea dometɔ ɖeka. Wowunɛ ɖe awuwo me, wunɛ ɖe abawo dzi be woaʋẽ lilili, eye wodenɛ lãmehemiwo kple ami sisiwo hã me. Wogazãa mire hã tsɔ dzra ame kuku ɖo na ɖiɖi.—2Mo 30:23; Lod 7:17; Yh 19:39.

  • Molek.

    Enye mawu si Amonitɔwo subɔna; ɖewohĩ eya kee nye Malkam, Milkom kple Molok. Anɔ eme be bubuŋkɔ koe wònye ke menye mawu aɖe ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ o. Mose ƒe Sea bia be woawu ame si atsɔ via asa vɔe na Molek.—3Mo 20:2; Yr 32:35; Dw 7:43.

  • Molok.

    Kpɔ MOLEK.

  • Mose ƒe Se la.

    Enye Se si Yehowa tsɔ na Israel to Mose dzi le Sinai-gbedzi le ƒe 1513 D.Y. Zi geɖe la, woyɔa Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo be Se la.—Yos 23:6; Lk 24:44.

  • Mɔ la.

    Enye nyagbɔgblɔ si wozãna le Ŋɔŋlɔawo me tsɔ fiaa nuwɔna alo agbenɔnɔ si ŋu Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖo alo esi ŋu mekpɔ ŋudzedze ɖo o. Woƒo nu tso ame siwo va zu Yesu Kristo yomedzelawo ŋu be wonye “Mɔ La,” si fia be, wonɔ agbe wòwɔ ɖeka kple ale si woxɔ Yesu Kristo dzi se hedze eƒe kpɔɖeŋuwo yome.—Dw 19:9.

  • Mut-Laben.

    Enye nya aɖe si dze le Psalmo 9 lia ƒe etamenuŋɔŋlɔ me. Ale si koŋ amewo sea nya sia gɔmee nye “ne vi ku na ame.” Ame aɖewo gblɔ be ŋkɔe wònye alo be enye ha nyanyɛ aɖe ƒe gɔmedzenya siwo wozãna tsɔ dzia psalmo sia.

N

  • Nardomi.

    Enye ami ʋeʋĩ xɔasi si ƒe amadede biã vie, si wokpɔna tso nardoti me (Nardostachys jatamansi). Esi nardomi xɔ asi ta la, wotsɔa ami siwo menyo tututu o la tsakanɛ zi geɖe eye ɣeaɖewoɣi wowɔa eƒe manyomanyoa gɔ̃ hã ŋu dɔ. Esɔ be Marko kple Yohanes siaa gblɔ be “nardomi akuakua” ye wosi na Yesu.—Mr 14:3; Yh 12:3.

  • Nazaretetɔ.

    Enye ŋkɔ bubu si woyɔna na Yesu le esi wòtso du si nye Nazaret me ta. Edo ƒome kple Hebrigbe me nya si wozã le Yesaya 11:1 na “dzedze.” Wova zãe na Yesu yomedzelawo hã emegbe.—Mt 2:23; Dw 24:5.

  • Naziritɔ.

    Enye Hebrigbe me nya si wozãna na “Ame Si Woɖe Ðe Aga,” “Ame Si Ðe Adzɔgbe,” “Ame Si Woɖe Ðe Vovo.” Naziritɔwo ƒe hatsotso evee li: ame siwo tsɔ wo ɖokui na faa be yewoanye Naziritɔwo kple ame siwo Mawu tia be woanye Naziritɔwo. Ŋutsu alo nyɔnu ate ŋu aɖe adzɔgbe na Yehowa etɔxɛe be yeanye Naziritɔ hena ɣeyiɣi aɖe. Ele be ame siwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe faa la natsri nu etɔ̃ aɖewo: mele be woano wain alo aɖu nu sia nu si tso waintsetse me o, mele be woakpa ɖa o, eye mele be woaka asi nu kuku aɖeke ŋu hã o. Ame siwo Mawu tia be woanye Naziritɔwo la nyea Naziritɔwo le woƒe agbemeŋkekewo katã me, eye Yehowa bia nanewo koŋ tso wo si.—4Mo 6:2-7; Ʋɔn 13:5.

  • Nefilim.

    Wonye ame vlo kako siwo mawudɔlawo kple nyɔnu siwo nye amegbetɔwo dzi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa.—1Mo 6:4.

  • Nehilot.

    Enye nya si gɔme womese tututu o, si dze le Psalmo 5 lia ƒe etamenuŋɔŋlɔa me. Ame aɖewo susu be enye haƒonu aɖe si wotsɔ sɔ kple Hebrigbe me nya si do ƒome kple chalil (dze, kpẽ). Ðewohĩ enye hadzidzi.

  • Netinim.

    Wonye gbedoxɔmesubɔla siwo menye Israel-viwo o. Ne woaɖe Hebrigbe me nya la gɔme tẽe la, efia “Ame Siwo Wotsɔ Na,” si fia be wonye ame siwo wotsɔ na hena gbedoxɔmesubɔsubɔdɔwo wɔwɔ. Anye be Netinimwo nye Gibeontɔ siwo Yosua de dɔ asi na be woanye “nakefɔlawo kple tɔmedelawo na ha la kple Yehowa ƒe vɔsamlekpuia” la ƒe dzidzimeviwo.—Yos 9:23, 27; 1Kr 9:2; Ezr 8:17.

  • Nisan.

    Eyae nye ŋkɔ yeye si wova yɔ na Abib, si nye ɣleti gbãtɔ le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ kɔkɔea dzi tso esime wotrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon, eye wònye adrelia le dukɔa ƒe ɣletigbalẽ dzi. Edzea egɔme tso March (Tedoxe) ƒe domedome va se ɖe ƒe April (Afɔfiɛ) ƒe domedome. (Neh 2:1)—Kpɔ Megbenyawo B15.

  • Nu ewolia (nuwo ƒe ewolia).

    Enye nu mama ɖe ewo ƒe akpa ɖeka, alo alafa me mama 10, si wonana alo xena wònyea nudzɔdzɔ, vevietɔ hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ. Wogayɔnɛ hã be “nuwo ƒe ewolia,” eye woyɔa enana be “nu ewolia nana.” (Mal 3:10; 5Mo 26:12; Mt 23:23) Le Mose ƒe Sea te la, wotsɔa agblemenukuwo ƒe ewolia kple woƒe lã siwo dzi ɖe edzi ƒe ewolia nana Lewi viwo ƒe sia ƒe tsɔ kpena ɖe wo ŋu. Lewi viwo hã dzɔa nu ewolia si woxɔ la ƒe ewolia na nunɔla siwo nye Aron ƒe dzidziviwo tsɔ kpena ɖe wo ŋu. Nu ewolia bubuwo hã nɔ anyi si wodzɔna. Womebia tso Kristotɔwo si be woadzɔ nu ewolia o.

  • Nubabla.

    Enye ŋugbedodo alo ɖoɖo si le se nu, si le Mawu kple amegbetɔwo dome, alo le ame kple ehavi dome be yewoawɔ nane loo alo yewomawɔe o. Ɣeaɖewoɣi la, ame ɖeka ko  dzie agbaa le (akpa ɖeka ko ƒe nubabla, si nye ŋugbedodo). Ɣebubuɣiwo la, agbaa nɔa akpa evea siaa dzi (akpa evea ƒe nubabla). To vovo na nubabla si nɔ Mawu kple amegbetɔwo dome la, Biblia ƒo nu tso nubabla siwo nɔ amewo, towo, dukɔwo alo amewo ƒe ƒuƒoƒowo dome ŋu. Nubabla siwo va ɖe vi na amewo wue nye nu, si Mawu bla kple Abraham, David kple Israel dukɔ (Se ƒe nubabla) kpakple nu, si wòbla kple Mawu ƒe Israel (nubabla yeye la).—1Mo 9:11; 15:18; 21:27; 2Mo 24:7; 2Kr 21:7.

  • Nubablaɖaka.

    Enye aɖaka si wotsɔ akasiati kpa, si ŋu wofa sika ɖo, eye wodae ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea le avɔgbadɔa me kple emegbe gbedoxɔ si Salomo tu la ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea. Sikanutunu si sɔ aɖakaa nu la nɔ enu, eye wowɔ kerubi eve siwo dze ŋgɔ wo nɔewo la ɖe edzi. Nu si koŋ le emee nye kpe gbadzɛ eve siwo dzi Se Ewoawo le. (5Mo 31:26; 1Fi 6:19; Heb 9:4)—Kpɔ Megbenyawo B5 kple B8.

  • Nuɖoanyi sia(wo).

    Nya siae wotsɔ ɖea Helagbe me nya aion gɔme ne efia nu siwo le dzɔdzɔm fifia alo nudzɔdzɔ siwo nye dzesi na ɣeyiɣi ƒe didime aɖe. Biblia ƒoa nu tso “nuɖoanyi sia” ŋu tsɔ fiaa ale si nɔnɔmea le le xexea me gbadzaa, eye wògazãnɛ na ale si amewo nɔa agbee le xexea me. (2Ti 4:10) Mawu ɖo nuɖoanyi aɖe anyi to Se ƒe nubabla la dzi, si ame aɖewo yɔ be Israel-viwo alo Yudatɔwo ƒe ɣeyiɣi. Mawu to Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi ɖo nuɖoanyi bubu anyi, si nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame la koŋ. Esiae dze ɣeyiɣi yeye ŋutɔŋutɔ si Se ƒe nubabla la nye vɔvɔli na la gɔme. Ne wozã agbɔsɔsɔfianya kpe ɖe nya sia ŋu la, ke efia nuɖoanyi vovovowo, alo ale si nɔnɔmeawo nɔ va yi loo alo ale si wòava nɔ.—Mt 24:3; Mr 4:19; Ro 12:2; 1Ko 10:11.

  • Nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi.

    Enye ɣeyiɣi ƒe didime si ado ŋgɔ na nuɖoanyi si dzi Satana kpɔ ŋusẽ ɖo la ƒe nuwuwu. Ɣeyiɣi sia kple Kristo ƒe anyinɔɣia siaa ayi edzi le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me. Le Yesu ƒe mɔfiafia te la, mawudɔlawo ‘ama ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo gbɔ’ eye woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiawo. (Mt 13:40-42, 49) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo di vevie be yewoanya “nuwuɣi” sia. (Mt 24:3) Hafi Yesu nadzo ayi dziƒo la, edo ŋugbe na eyomedzelawo be yeanɔ kpli wo va se ɖe ɣemaɣi.—Mt 28:20.

  • Nuxeƒe.

    Zi geɖe la, enyea tadeaguƒe siwo nɔa togbɛwo kple towo dzi alo enyea teƒe kɔkɔ aɖe si amewo ŋutɔwo wɔ. Togbɔ be wodea ta agu na Mawu le teƒe kɔkɔwo alo togbɛwo dzi hã la, zi geɖe enyea teƒe si wodea ta agu na alakpamawuwo le.—4Mo 33:52; 1Fi 3:2; Yr 19:5.

  • Nukpɔla.

    Enye ame si Mawu na ŋutetee be wòanya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, ame si ƒe ŋkuwo woʋu be wòakpɔ nu alo ase nu siwo gɔme amegbetɔwo mate ŋu ase o la gɔme. Hebrigbe me nya si me nya sia dzɔ tso la fia “be woakpɔ nu,” ɖewohĩ woakpɔe ŋutɔŋutɔ loo alo le kpɔɖeŋumɔ nu. Nukpɔla nye ame si gbɔ woyina be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo ne woɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me.—1Sa 9:9.

  • Nukufɔfɔ.

    Enye nuku siwo nuŋelawo ɖo koŋ gblẽ ɖi alo gblẽ ɖi le manyamanya me la nu ƒoƒo ƒu. Mose ƒe Sea gblɔ be amewo megaxa nu siwo le boto loo alo axa amitsetse alo waintsetsewo ƒiaƒiaƒia o. Enye gome si Mawu na ame dahewo, hiãtɔwo, amedzroviwo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, be woafɔ nu siwo tsi anyi le nukuwo xaxa megbe.—Ru 2:7.

  • Nukuƒoƒo; Nukuƒoƒe.

    Enye mɔ si dzi wotona ɖea nukuwo ɖa le atia ŋu alo le eƒe tsro me; eganye ŋkɔ na teƒe si wowɔa dɔ sia le. Kpo ye amewo tsɔ ƒoa nukuwo zi geɖe, alo ne nukua sɔ gbɔ la, wozãa dɔwɔnuwo abe luƒotasiaɖam alo nukuƒomɔ̃ si lãwo hena. Wohea luƒotasiaɖam la toa nuku siwo wokaka ɖe luƒoƒea dzi; luƒoƒea nyea gbadzaƒe aɖe si le teƒe kɔkɔ aɖe si ya ƒona le.—3Mo 26:5; Yes 41:15; Mt 3:12.

  • Nukunuwo; Ŋusẽdɔwo.

    Wonye nudzɔdzɔ siwo ƒo amegbetɔwo ƒe ŋutetewo katã ta, si wogblɔna be enye ŋusẽ aɖe si gbɔ amegbetɔwo tɔ ŋu. Wozã nyawo abe “dzesi” kple “nukunu” ene le teƒe vovovowo le Biblia me wòfia nu ɖeka ma ke.—2Mo 4:21; Dw 4:22; Heb 2:4.

  • Numevɔsa.

    Enye lãwo ƒe vɔsa si me wotɔa dzo lã bliboa le vɔsamlekpuia dzi na Mawu; ame si tsɔ lãa na la mesusɔa eƒe akpa aɖeke ɖi o (eɖanye nyi, agbo, gbɔ̃tsu, akpakpa alo ahɔnɛvi o).—2Mo 29:18; 3Mo 6:9.

  • Nunɔla.

    Enye ŋutsu si nɔa Mawu teƒe hesubɔa dukɔa, efiaa nu wo tso Mawu kple eƒe sewo ŋu. Nunɔlawo ganɔa dukɔa teƒe le Mawu ŋkume, saa vɔwo, biaa tsɔtsɔke na dukɔa heɖea kuku ɖe wo ta. Do ŋgɔ na Mose ƒe Sea la, ƒome ƒe tae nyea nunɔla na eƒe ƒomea. Le Mose ƒe Sea te la, Aron ƒe ƒomea me tɔ siwo nye ŋutsuwo tso Lewi-toa mee nyea nunɔlawo. Lewi ŋutsu mamlɛawo kpena ɖe wo ŋu. Esi woɖo nubabla yeyea anyi la, gbɔgbɔ me  Israel ye va zu nunɔlawo ƒe dukɔ, eye Yesu Kristoe nye Nunɔlagã.—2Mo 28:41; Heb 9:24; Nyɖ 5:10.

  • Nunɔlagã.

    Le Mose ƒe Sea te la, eyae nye nunɔla gãtɔ si nɔa dukɔa teƒe le Mawu ŋkume, eye wòkpɔa nunɔla bubuwo ƒe dɔwo dzi. Wogayɔnɛ be “nunɔlawo ƒe tatɔ.” (2Kr 26:20; Ezr 7:5) Eya ɖeka koe woɖe mɔ na be wòage ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea, si nye xɔ ememetɔ si le avɔgbadɔa kple emegbe gbedoxɔa me. Egena ɖe teƒe ma ƒe sia ƒe le Avuléŋkeke la dzi. Wozã nya “nunɔlagã” na Yesu Kristo hã.—3Mo 16:2, 17; 21:10; Mt 26:3; Heb 4:14.

  • Nunovɔsa.

    Enye wain si wokɔna ɖe vɔsamlekpui dzi tsɔ saa vɔe, eye wotsɔnɛ kpena ɖe vɔsa bubuwo ŋu. Paulo zãe le kpɔɖeŋumɔ nu tsɔ ɖe ale si wòlɔ̃ faa be yeasubɔ ye hati Kristotɔwoe fia.—4Mo 15:5, 7; Flp 2:17.

  • Nunɔlawo ƒe tatɔ.

    Enye ŋkɔ bubu si woyɔna na “nunɔlagã” le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Edze ƒãa be le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, “nunɔlawo ƒe tatɔ” fia nunɔlawo ƒe akametiwo, ɖewohĩ nunɔlawo ƒe tatɔ siwo si woxɔ dɔ le kple ame siwo le nunɔlawo ƒe hatsotso 24-awo nu.—2Kr 26:20; Ezr 7:5; Mt 2:4; Mr 8:31.

  • Nunyèvɔsa.

    Enye vɔsa si me nunɔlaa tsɔa eƒe asiwo dea tadeagula si le vɔa sam, si lé vɔsanua ɖe asi la ƒe asiwo te, eye wònyènɛ yia ŋgɔ kple megbe; alo nunɔla la ŋutɔ nyèa vɔsanua. Nuwɔna sia fia vɔsanua tsɔtsɔ na Yehowa.—3Mo 7:30.

  • Nuŋeŋeŋkekenyui; Kwasiɖawo Ƒe Ŋkekenyui.

    Kpɔ PENTEKOSTE.

  • Nuto gã dziɖula.

    Enye fia teƒenɔla, alo nuto aɖe dzi ɖula, le Babilontɔwo kple Persiatɔwo ƒe fiaɖuƒeawo me. Fia lae tiaa nuto gã dziɖula wònyea nutodziɖulawo ƒe tatɔ.—Ezr 8:36; Da 6:1.

  • Nuto sue dziɖula.

    Enye ame si ƒe ɖoƒe mede nuto gã dziɖula tɔ nu o le Babilontɔwo ƒe dziɖuɣi. Le Biblia me la, nuto sue dziɖulawoe nɔ nunyala siwo nɔ Babilon fiasã me la nu. Woƒo nu tso nuto sue dziɖulawo ŋu le Mediatɔwo ƒe Fia Dario ƒe dziɖuɣi hã.—Da 2:48; 6:7.

  • Nutɔnu.

    Enye atikplɔ legbe si nu wowɔ ga tsutsuẽ aɖe ɖo, si lãkplɔlawo zãna tsɔ fiaa mɔ woƒe lãwo. Wotsɔa nutɔnu alo nyikplɔti sɔna kple nunyala ƒe nya siwo ʋãa esela wòwɔa aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la dzi. Woɖe nyagbɔgblɔ si dze le Biblia me be “afɔ tum nutɔnu” la tso ale si nyi gbea afi si ekplɔla tsɔ nutɔnu fia mɔe be wòato la toto hetua afɔ nutɔnua eye nu vevi wɔnɛ la me.—Dw 26:14; Ʋɔn 3:31.

  • Nutrenu.

    Enye nu si wotsɔ ɖea dzesi ɖe nu bubu dzi (zi geɖe ɖe anyinu alo bosomi dzi) si ɖenɛ fiana be nane nye ame tɔ, enye nu vavã alo be woatsɔ aɖo kpe nya dzi. Blema nutrenuwo nye esiwo wowɔ kple nu sesẽwo (abe kpe, nyiɖu, alo ati ene) siwo dzi woɖe ŋɔŋlɔdzesiwo alo dzesi siwo trɔ gbo la ɖo. Wozã nutrenu le kpɔɖeŋumɔ nu na nu si ŋu kakaɖedzi le, nutɔnyenye ƒe dzesi, nane si le ɣaɣla alo nye nya ɣaɣla.—2Mo 28:11; Neh 9:38; Nyɖ 5:1; 9:4.

  • Nutsitsidɔ.

    Enye nuɖuɖu ɖe sia ɖe ƒomevi tsitsri hena ɣeyiɣi aɖe. Israel-viwo tsia nu dɔna le Avuléŋkeke la dzi, le xaxawo me kple ne wole Mawu ƒe mɔfiame dim le nane ŋu. Yudatɔwo ɖo nutsitsidɔ ene anyi ƒe sia ƒe tsɔ ɖoa ŋku vɔ̃ siwo dzɔ ɖe wo dzi le woƒe ŋutinya me dzi. Womebia tso Kristotɔwo si be woatsi nu adɔ o.—Ezr 8:21; Yes 58:6; Lk 18:12.

  • Nuvɔ̃vɔsa.

    Enye vɔ si wosana ɖe nu vɔ̃ si womeɖo wɔ o le amegbetɔ ƒe ŋutilã madebliboa ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta. Wozãa lã vovovowo, tso nyi dzi va se ɖe ahɔnɛ dzi, eye esia nɔa te ɖe ame si le vɔa sam ƒe ŋutete kple nɔnɔmewo dzi.—3Mo 4:27, 29; Heb 10:8.

  • Nya ɣaɣla kɔkɔe.

    Enye Mawu ƒe tameɖoɖo ƒe akpa aɖe si tso eya ŋutɔ gbɔ, si wòɣla va se ɖe eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi, eye wòɖenɛ fiaa ame siwo wòdi be yeaɖee afia.—Mr 4:11; Kol 1:26.

  • Nya Nyui la.

    Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, enye Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la kple ɖeɖe si woakpɔ to Yesu Kristo dzi xɔxɔ se me.—Lk 4:18, 43; Dw 5:42; Nyɖ 14:6.

  • Nyadrɔ̃lawo; Dumegãwo.

    Le Babilon fiaɖuƒea me la, kpovitɔ siwo nye nyadrɔ̃lawo nyea dumegãwo le nuto vovovoawo me, wonya seawo nyuie eye wokpɔa ʋɔnunyawo gbɔ. Le anyigba siwo dzi Roma fiaɖuƒea ɖu dzi la, dumegãwoe nɔa dziɖuɖua teƒe. Woawoe kpɔa egbɔ be amewo wɔ se dzi, wokpɔa ganyawo gbɔ, wodrɔ̃a ʋɔnu sedzimawɔlawo, eye woawoe ɖea gbe be woahe to na agɔdzelawo.—Da 3:2; Dw 16:20.

  • Nyagblɔɖi.

    Enye nya si tso gbɔgbɔ me, ate ŋu anye esi Mawu ɖe fia loo alo nya si tso egbɔ. Nyagblɔɖi ate ŋu anye agbenɔnɔ ŋuti nufiame si tso Mawu gbɔ, Mawu ƒe se alo ʋɔnudɔdrɔ̃ loo alo nu si ava dzɔ gbɔgblɔ ɖi.—Eze 37:9, 10; Da 9:24; Mt 13:14; 2Pe 1:20, 21.

  •  Nyagblɔɖila.

    Enye ame si dzi Mawu tona ɖea eƒe tameɖoɖowo fiana. Nyagblɔɖilawo nyea Mawu ƒe nyanuɖelawo, gake menye nu siwo ava dzɔ la koe wogblɔna ɖi o ke boŋ wogblɔa Yehowa ƒe nufiamewo, sewo kple ʋɔnudɔdrɔ̃wo hã.—Am 3:7; 2Pe 1:21.

  • Nyɔnyrɔ; Nyrɔ.

    Dɔwɔnya sia fia be ‘woanyrɔ’ nane ɖe tsi me. Yesu gblɔ be ele be woanyrɔ ame siwo anye ye yomedzelawo godoo. Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso Yohanes ƒe amenyɔnyrɔ, gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔtsɔ nyrɔ ame, dzo tsɔtsɔ nyrɔ ame kple etɔgbi bubuwo ŋu.—Mt 3:11, 16; 28:19; Yh 3:23; 1Pe 3:21.

Ŋ

  • Ŋgɔgbevi.

    Zi geɖe la, enyea vifofo ƒe ŋgɔgbeviŋutsu (ke menye vidada ƒe ŋgɔgbevi o). Le Biblia ŋlɔɣi la, ɖoƒe tɔxɛ aɖe le ŋgɔgbeviŋutsu si le ƒomea me, eye ne fofoa ku la, eyae wotsɔa tanyenyea nana. Wogatea ŋu zãa ŋgɔgbevi na lãwo ƒe vi gbãtɔwo; ɣeaɖewoɣi la, woyɔa wo be ‘atsuwo.’—2Mo 11:5; 13:12; 1Mo 25:33; Kol 1:15.

  • Ŋkeke mamlɛawo.

    Wozã nya sia kple etɔgbi bubuwo abe “ŋkekeawo ƒe nuwuɣi” ene le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me tsɔ fia ɣeyiɣi si me ŋutinyamenudzɔdzɔ aɖe ɖo eƒe nuwuƒe. (Eze 38:16; Da 10:14; Dw 2:17) Etea ŋu nyea ƒe ʋɛ aɖewo alo ƒe geɖe le ale si nyagblɔɖia le nu. Zi geɖe la, Biblia zãa nya sia wòkuna ɖe nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” ŋu, si nye Yesu ƒe anyinɔɣi si ŋku makpɔ o la.—2Ti 3:1; Yak 5:3; 2Pe 3:3.

  • Ŋkɔsigɛ.

    Enye asigɛ aɖe si wotsɔ ɖea dzesi ɖe nu bubu dzi si wodona ɖe asibidɛ alo ɖewohĩ esi ŋu wodea kae tsɔ dea kɔme. Ŋkɔsigɛ sia nye dziɖula alo fiaŋume aɖe ƒe ŋusẽ ƒe dzesi. (1Mo 41:42)—Kpɔ NUTRENU.

  • Ŋkuɖodziyɔdo.

    Enye ameɖiƒe si wodaa ame kukuwo ɖo. Nya siae wotsɔ ɖe Helagbe me nya mnemeion gɔme. Woɖe nya sia tso dɔwɔnya si nye “be woaɖo ŋku edzi” la me, si le fiafiam be woɖoa ŋku ame si ku la dzi.—Yh 5:28, 29.

  • Ŋkumeɖobolo.

    Enye abolo wuieve si woɖo adeade ɖe agbaka eve me ɖe kplɔ̃ dzi le avɔgbadɔa kple gbedoxɔa siaa ƒe Kɔkɔeƒea. Wogayɔnɛ be “abolo siwo woɖona ɖe wo nɔewo dzi.” Woɖɔlia abolo siwo woɖo Mawu ŋkume la kple abolo yeyewo le Sabat ɖe sia ɖe dzi. Zi geɖe la, nunɔlawo koe ɖua abolo siwo woɖe ɖa la. (2Kr 2:4; Mt 12:4; 2Mo 25:30; 3Mo 24:5-9; Heb 9:2)—Kpɔ Megbenyawo B5.

  • Ŋɔliyɔla.

    Enye ame si gblɔna be yeƒoa nu kple kukuawo.—3Mo 20:27; 5Mo 18:10-12; 2Fi 21:6.

  • Ŋɔŋlɔ; Ŋɔŋlɔawo.

    Enye Mawu ƒe Nya kɔkɔe siwo wòna woŋlɔ ɖi. Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me koe nya sia dze le.—Lk 24:27; 2Ti 3:16.

  • Ŋukeɣletivi.

    Eyae nye ɣletivi mamlɛtɔ si dzena hafi ɣe dzena, si fiana be ŋu bubu ke.—Nyɖ 22:16; 2Pe 1:19.

  • Ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe.

    Woɖe nya sia tso Helagbe me nya si nye aselgia me, eye wòfia nu siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu wɔwɔ gaglãa ŋumakpemakpee kple dzimesesẽtɔe; nɔnɔme si fia ame mabumabu alo bubumademade ŋusẽ, sewo alo dzidzenu siwo woɖo la ŋu. Nya sia mefia nɔnɔme manyomanyo suesuesue siwo le ame ŋu o.—Ga 5:19; 2Pe 2:7.

  • Ŋutifafavɔ.

    Vɔ si wosana na Yehowa tsɔ biana be ŋutifafa nanɔ yewo dome. Nua nala kple eƒe aƒemetɔwo, nunɔla si le vɔa sam kple nunɔla siwo le subɔsubɔm la katã ɖua nua. Yehowa xɔa vɔsaa ƒe ami ƒe dzudzɔ ʋeʋĩ la le kpɔɖeŋumɔ nu. Wotsɔa ʋua, si le tsitre ɖi na agbe la hã nanɛ. Ðeko wòle abe ɖe nunɔla kple vɔa sala kpakple Yehowa le nu ɖum ɖekae ene, si fiana be wole ŋutifafa me.—3Mo 7:29, 32; 5Mo 27:7.

  • Ŋutitotoŋkekenyui.

    Enye ƒe sia ƒe ƒe azã si woɖuna le ɣleti Abib ƒe ŋkeke 14 lia dzi (wova yɔ ɣleti sia emegbe be Nisan) si Israel-viwo tsɔ ɖoa ŋku ale si woɖe wo tso Egipte dzi. Wowua alẽvi (alo gbɔ̃), womènɛ heɖunɛ kple ama veve kpakple amɔwɔ maʋamaʋã bolo le azã sia ɖuɣi.—2Mo 12:27; Yh 6:4; 1Ko 5:7.

O

  • Omer.

    Enye nudzidzenu, eƒe lolomee nye lita 2.2, alo efa me mama ɖe akpa ewo ƒe ɖeka. (2Mo 16:16, 18)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Oniks.

    Enye kpe aɖe si mexɔ asi boo o, enye agat-kpe ƒomevi aɖe si ƒe sesẽme le vovovo, alo be enɔa amadede vovovowo me abe kalkedon-kpe tɔgbi aɖe ene. Amadede siwo nye ɣi, yibɔ, braɔn, dzĩ, kpii alo gbemu tsò Oniks-kpe sia me keŋ. Wozãe le nunɔlagã la ƒe awu tɔxɛawo me.—2Mo 28:9, 12; 1Kr 29:2; Hio 28:16.

P

  • .

    Enye nane si wotsɔ sikaa ame ɖi wònyea tohehe nɛ. Wodea ɖewo amea ƒe afɔwo ko,  eye bubuwo nana amea xana gobaa, ɖewohĩ wodea amea ƒe afɔwo, asiwo kple kɔ gɔ̃ hã eme.—Yr 20:2; Dw 16:24.

  • Paradiso.

    Enye teƒe alo abɔ dzeani aɖe. Paradiso gbãtɔ ye nye Eden, si Yehowa wɔ na atsu kple asi gbãtɔawo. Esi Yesu nɔ nu ƒom na adzodala siwo wohe ɖe ati ŋu le exa dometɔ ɖeka la, Yesu ɖee fia be anyigba la ava zu paradiso. Le 2 Korintotɔwo 12:4 la, nya sia fia paradiso si ava le etsɔme, eye le Nyaɖeɖefia 2:7 la, efia dziƒo paradiso.—Haw 4:13; Lk 23:43.

  • Pentekoste.

    Enye azã vevi etɔ̃ siwo wobia tso Yuda ŋutsuwo katã si be woaɖu le Yerusalem la ƒe evelia. Pentekoste, si gɔmee nye “(Ŋkeke) Blaatɔ̃lia,” nye ŋkɔ si wozã le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me na azã si woyɔna le Hebri Ŋɔŋlɔawo me be Nuŋeŋeŋkekenyui alo Kwasiɖawo Ƒe Ŋkekenyui. Woɖunɛ le ŋkeke 50 lia dzi, eye woxlẽa ŋkekea tso Nisan 16 lia dzi.—2Mo 23:16; 34:22; Dw 2:1.

  • Persia; Persiatɔwo.

    Enye anyigba kple dukɔ aɖe si me tɔwo woyɔna kpena ɖe Mediatɔwo ŋu, eye edze ƒãa be wodo ƒome. Le blema la, afi si Persiatɔwo nɔe nye Irantɔwo ƒe anyieheɣetoɖoƒe tonyigba gbadza la ƒe akpa aɖe. Le Kores Gãtɔ (blemaŋutinyaŋlɔla aɖewo gblɔ be fofoa nye Persiatɔ eye dadaa nye Mediatɔ) ƒe dziɖuɣi la, Persiatɔwo kpɔ ŋusẽ ɖe Mediatɔwo dzi, togbɔ be fiaɖuƒea kpɔtɔ nye dukɔ eve ƒokpli hã. Kores ɖu Babilon Fiaɖuƒea dzi le ƒe 539 D.Y., eye wòna Yudatɔ siwo nɔ aboyo me la trɔ yi wo denyigba dzi. Persia Fiaɖuƒea tso Indus Tɔsisi si le eƒe ɣedzeƒe dzi va se ɖe Aegea Ƒu si le eƒe ɣetoɖoƒe dzi. Yudatɔwo nɔ Persiatɔwo ƒe dziɖuɖu te va se ɖe esime Aleksanda Gãtɔ va ɖu Persiatɔwo dzi le ƒe 331 D.Y. Daniel kpɔ Persia Fiaɖuƒea le ŋutega me, eye woƒo nu tso eŋu hã le Biblia-gbalẽ siwo nye Ezra, Nehemiya kple Esta me. (Ezr 1:1; Da 5:28)—Kpɔ Megbenyawo B9.

  • Pim.

    Enye nudakpe eye wòganye ga si Filistitɔwo xɔna ne wonyre dɔwɔnu siwo wotsɔ ga tu. Hebrigbe me xaxagbeɖiɖi si nye “pim” dze le nudakpe geɖe siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo le Israel la dzi; woƒe kpekpeme le mama dedie nu le gram 7.8, si anɔ sekel me mama ɖe etɔ̃ ƒe akpa eve.—1Sa 13:20, 21.

  • Pornia.

    Kpɔ GBƆDƆDƆ MANƆSENU.

  • Psalmo.

    Enye kafukafuha na Mawu. Psalmowo nye ha siwo mawusubɔlawo ƒona alo dzina ne wole ta dem agu na Yehowa Mawu le dutoƒo alo le eƒe gbedoxɔa me le Yerusalem.—Lk 20:42; Dw 13:33; Yak 5:13.

  • Purim.

    Enye ƒe sia ƒe ƒe azã si woɖuna le ɣleti Adar ƒe ŋkeke 14 lia kple 15 lia dzi. Woɖunɛ tsɔ ɖoa ŋku ale si woɖe Yudatɔwo tso tsɔtsrɔ̃ me le Fianyɔnu Esta ƒe ɣeyiɣia me dzi. Purim, si menye Hebrigbe me nya o la, gɔmee nye “Nudzidzewo.” Wona ŋkɔ azã sia be Purim Ƒe Azã elabena Haman da Pur (si nye nudzidzenu aɖe) ne wòanya ŋkeke si dzi wòawɔ nugbe si wòɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la dzi.—Es 3:7; 9:26.

R

  • Rahab.

    Wozã ŋkɔ sia le kpɔɖeŋumɔ nu le Biblia gbalẽ siwo nye Hiob, Psalmowo kple Yesaya me (gake menye eyae nye Rahab si ŋu woƒo nu tsoe le Yosua ƒe agbalẽa me o). Le Hiob ƒe agbalẽa me la, nya si me wozãe le ɖee fia be Rahab nye ƒumelã klitsu aɖe; le teƒe bubuwo la, wozã ƒumelã klitsu sia wòle tsitre ɖi na Egipte.—Hio 9:13; Ps 87:4; Yes 30:7; 51:9, 10.

  • Roma fiagã ƒe dzɔlawo.

    Wonye asrafowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si woɖo be woanye Roma fiagã ŋu dzɔlawo. Dzɔla siawo va zu dunyaheha sesẽ aɖe si ɖoa fiagã aɖe zi dzi loo alo ɖenɛ le zi dzi.—Flp 1:13.

  • Roma nuto gã dziɖula.

    Eyae nye nutodziɖula si Roma Sewɔha me tɔwo ɖoa nuto si le woƒe ŋusẽ te la nu. Ʋɔnudrɔ̃ŋusẽ kple asrafoŋusẽ le esi, eye togbɔ be Sewɔha me tɔwo dzroa eƒe dɔwɔnawo me hã la, eyae nye ŋusẽtɔ gãtɔ le nutoa me.—Dw 13:7; 18:12.

S

  • Sabat.

    Enye Hebrigbe me nya si gɔmee nye “gbɔɖeme; woadzudzɔ nane wɔwɔ.” Enye Yudatɔwo ƒe kwasiɖa ƒe ŋkeke adrelia (tso Fiɖa ƒe ɣeɖoto va ɖo Memleɖa ƒe ɣeɖoto). Woyɔa ŋkekenyui bubu siwo woɖuna le ƒea me, kpakple esiwo woɖuna ƒe adrelia kple ƒe 50 lia siaa hã be sabatwo. Womewɔa dɔ aɖeke le Sabat ŋkeke dzi o, negbe nunɔla siwo wɔa dɔ le kɔkɔeƒe la ko. Le Sabat-ƒewo me la, womedea agble o, eye Hebritɔwo mezia wo haviwo dzi be woaxe fe siwo wonyi la o. Le Mose ƒe Sea me la, Sabat ƒe sea menɔ kpaɖii o, gake subɔsubɔhakplɔlawo tsɔ sewo nɔ ekpem vivivi, si wɔe be kaka Yesu ƒe ŋkekea naɖo la, seawo dzi wɔwɔ va sesẽ na amewo ale gbegbe.—2Mo 20:8; 3Mo 25:4; Lk 13:14-16; Kol 2:16.

  • Salomo ƒe Akpata.

    Le gbedoxɔ si nɔ anyi le Yesu ƒe ɣeyiɣia me me la, enye akpata aɖe si  wowɔ be wòanye afi si amewo azɔ afɔ ato si le xɔxɔnu gotatɔ ƒe ɣedzeƒe gome, eye ame geɖe xɔe se be eyae nye Salomo ƒe gbedoxɔa ƒe akpa si tsi anyi. Afi mae Yesu to ‘le vuvɔŋɔli,’ eye afi mae Kristotɔ gbãtɔawo kpena le hedea ta agu. (Yh 10:22, 23; Dw 5:12)—Kpɔ Megbenyawo B11.

  • Samaria.

    Eyae nye Israel-to ewo fiaɖuƒe si nɔ dziehe la ƒe fiadu hena ƒe 200 aɖewo, eye wòganye ŋkɔ si woyɔna na nuto bliboa. Woyɔa to si dzi wotso dua ɖo hã be Samaria. Le Yesu ƒe ɣeyiɣia me la, woyɔa Roma nuto si nɔ Galilea ƒe dziehe kple Yudea ƒe anyiehe la be Samaria. Le Yesu ƒe mɔzɔzɔwo me la, meɖea gbeƒã le nuto sia me o, gake ɣeaɖewoɣi etoa dua me heƒoa nu na dua me tɔwo. Petro zã Fiaɖuƒea ƒe kpɔɖeŋusafui evelia esime Samariatɔwo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea. (1Fi 16:24; Yh 4:7; Dw 8:14)—Kpɔ Megbenyawo B10.

  • Samariatɔwo.

    Tsã la, efia Israel-to ewo fiaɖuƒe si nɔ dziehe la me tɔwo, gake esi Asiriatɔwo va ɖu Samaria dzi le ƒe 740 D.Y. la, dutatɔ siwo Asiriatɔwo kplɔ vɛ la va tsaka kpli wo. Le Yesu ƒe ɣeyiɣia me la, womeganya wo be wonye to aɖe me tɔwo alo fiaɖuƒe aɖe o, ke boŋ ŋkɔa va fia ame siwo le subɔsubɔha aɖe ƒe kɔmama me siwo nɔ blemadu siwo nye Sekem kple Samaria nutowo me. Kɔmama ma me tɔwo lé dzixɔse aɖewo siwo to vovo kura na Yuda subɔsubɔha me tɔwo tɔ la me ɖe asi.—Yh 8:48.

  • Sanhedrin.

    Eyae nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si nɔ Yerusalem. Le Yesu ƒe ɣeyiɣia me la, ame 71 ye nɔ eme, ame siawoe nye nunɔlagã la kple ame bubu siwo nye nunɔlagãwo kpɔ, ame siwo tso nunɔlagã la ƒe ƒometɔwo, ame tsitsiwo, aƒekɔwo kple ƒome tatɔwo kpakple agbalẽfialawo dome.—Mr 15:1; Dw 5:34; 23:1, 6.

  • Satana.

    Enye Hebrigbe me nya si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.” Le gbe gbãtɔa me la, ne wozã asitɔnudzinyakui kpe ɖe eŋu la, efiaa Satana Abosam, Mawu ƒe futɔ gãtɔ kekeake.—Hio 1:6; Mt 4:10; Nyɖ 12:9.

  • Se.

    Ne wotsɔ ŋɔŋlɔdzesi gãtɔ dze nya sia gɔme la, ke efia Mose ƒe Sea alo Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo. Ne ŋɔŋlɔdzesi suetɔe dze nya sia gɔme la, ke efia se ɖekaɖeka siwo le Mose ƒe Sea me loo alo mɔfiame aɖe si le sea me.—4Mo 15:16; 5Mo 4:8; Mt 7:12; Ga 3:24.

  • Sebat.

    Esiae nye ŋkɔ si woyɔ na ɣleti 11 lia le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ kɔkɔea dzi tso esime wotrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon, eye wònye 5 lia le dukɔa ƒe ɣletigbalẽ dzi. Edzea egɔme tso January (Dzove) ƒe domedome va se ɖe February (Dzodze) ƒe domedome. (Zak 1:7)—Kpɔ Megbenyawo B15.

  • Sekel.

    Enye Hebritɔwo ƒe nudakpe eye wòganye ga ƒe home. Eƒe kpekpemee nye gram 11.4. Anɔ eme be wozãa nya “teƒe kɔkɔe la ƒe sekel” tsɔ tea gbe ɖe edzi be enye kpekpeme aɖe koŋ alo be wòasɔ kple esi le avɔgbadɔa me si dzi woda asi ɖo. Ðewohĩ fiasã me sekel (si to vovo na sekel siwo wozãna zi geɖe) alo nudakpe si dzi woda asi ɖo si le fiasãa me hã nɔ anyi.—2Mo 30:13.

  • Sela.

    Enye hadzidzimenya alo nyagbugbɔgblɔ aɖe si dze le Psalmowo kple Habakuk ƒe agbalẽawo me. Ate ŋu anye tɔtɔ vie le haa dzidzi alo eƒoƒo me, alo le evea siaa me, ale be woazi ɖoɖoe ade ŋugble alo be woana seselelãme aɖe si wogblɔ va yi la naɖe dzesi. Helagbe me Septuagint la yɔe be diapsalma, si gɔmee nye “tɔtɔ vie le hadzidzi me.”—Ps 3:4; Hab 3:3.

  • Seminit.

    Enye hadzidzimenya si ƒe gɔmeɖeɖe tẽe nye “enyilia” si ate ŋu afia gbe bɔbɔetɔ, alo atsyã. Nenye haƒonue la, ke ɖewohĩ efia nu siwo nana gbe gã le haƒonua dzi. Ne hadzidzie la, ke ɖewohĩ efia haƒonu si ƒom wole ɖe haa dzi blewuu be woate ŋu adzii ɖe enu pɛpɛpɛ.—1Kr 15:21; Ps 6:Etamenuŋɔŋlɔ; 12:Etamenuŋɔŋlɔ.

  • Serafiwo.

    Wonye nuwɔwɔ siwo nye gbɔgbɔwo le dziƒo siwo ƒo xlã Yehowa ƒe fiazikpuia. Hebrigbe me nya seraphim ƒe gɔmeɖeɖe tẽe nye, “ame siwo nye dzobibi.”—Yes 6:2, 6.

  • Seya.

    Enye nudzidzenu. Ne woabu eƒe lolome ɖe baf dzi la ele lita 7.33. (2Fi 7:1)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Sheol.

    Enye Hebrigbe me nya si sɔ kple Helagbe me nya “Hades.” Woɖea egɔme be “Tsiẽƒe” (ŋɔŋlɔdzesi gãtɔ dzea egɔme), tsɔ fiana be enye ameƒomea ƒe yɔdo, ke menye ame ɖeka aɖe ƒe yɔdo o.—1Mo 37:35; Ps 16:10; Dw 2:31 (etenuŋɔŋlɔawo).

  • Si ami na.

    Hebrigbe me nya si wozã fia be “woasi ami na nu.” Wosia ami na ame alo na nane wònyea adzɔgbeɖeɖe hena subɔsubɔdɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ ƒe dzesi. Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, wozã nya ma ke wòfia gbɔgbɔ kɔkɔea kɔkɔ ɖe ame siwo wotia be woayi dziƒo la dzi.—2Mo 28:41; 1Sa 16:13; 2Ko 1:21.

  •  Sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati.

    Enye ati aɖe si nɔ Eden-bɔa me si Mawu zã wònye dzesi be eyae dze be wòaɖo nu si nye “nyui” kple “vɔ̃” ƒe dzidzenuwo na amegbetɔwo.—1Mo 2:9, 17.

  • Siria; Siriatɔwo.

    Kpɔ ARAM; ARAMTƆWO.

  • Sirte.

    Eyae nye ƒukɔme gã eve siwo me megoglo o siwo le Libia le Dziehe Afrika ƒuta, si nye teƒe si blema ƒudzidɔwɔlawo vɔ̃na na ŋutɔ le esi ƒutsotsoewo nɔa kea tutum va afi ma ta. (Dw 27:17)—Kpɔ Megbenyawo B13.

  • Sitsoƒeduwo.

    Lewitɔwo ƒe du siwo me ame si meɖoe hafi wu ame o asi ayi be wòanɔ dedie tso hlɔ̃biala si me. Sitsoƒedu adee Mose, kple emegbe Yosua, ɖo le Yehowa ƒe mɔfiafia nu le Ŋugbedodonyigba la ƒe akpa vovovowo. Ne sisila aɖe ɖo sitsoƒedu aɖe me la, egblɔa eƒe nya na dumemetsitsiawo le dugboa nu, eye woxɔnɛ. Gake be ame si ɖoe wu ame nagawɔ ɖoɖo sia ŋu dɔ madzemadzee o la, ele be woadrɔ̃ ʋɔnu ame si va di sitsoƒe la le du si me wòwu amea le la me ne wòaɖo kpe edzi be yemeɖoe hafi wu ame o. Ne ete ŋu ɖo kpe edzi be yemeɖoe hafi o la, woana wòanɔ sitsoƒedua me le eƒe agbemeŋkekewo katã me alo anɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã si li ɣemaɣi la ku.—4Mo 35:6, 11-15, 22-29; Yos 20:2-8.

  • Sivan.

    Esiae nye ŋkɔ si woyɔ na ɣleti etɔ̃lia le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ kɔkɔea dzi tso esime wotrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon, eye wònye asiekelia le dukɔa ƒe ɣletigbalẽ dzi. Edzea egɔme tso May (Damɛ) ƒe domedome va se ɖe June (Masa) ƒe domedome. (Es 8:9)—Kpɔ Megbenyawo B15.

  • Sɔti.

    Enye kpe kɔkɔ, ati alo nu bubu aɖe si ɖii si wotu wòdzɔ be wòalé nane ɖe te. Ðewo nye nu siwo wowɔ hena ŋkuɖoɖo nuwɔna alo nudzɔdzɔ aɖe dzi. Wozã sɔtiwo le gbedoxɔa kple Salomo ƒe fiasã siaa tutu me. Trɔ̃subɔlawo tu trɔ̃sɔti siwo do ƒome kple woƒe alakpasubɔsubɔ, eye Israel-viwo hã srɔ̃ nuwɔna sia ɣeaɖewoɣi. (Ʋɔn 16:29; 1Fi 7:21; 14:23)

  • Stoatɔ xexemenunyalawo.

    Enye Hela xexemenunyalawo ƒe suku, si me tɔwo xɔe se be agbenɔnɔ ɖe nu si ame susu kpakple nu si dzɔdzɔme fia nue nana wokpɔa dzidzɔ le agbe me. Le woƒe susu nu la, ame si nye nunyala vavã metsɔa ɖeke le nu si nye fukpekpe loo alo dzidzɔkpɔkpɔ me o.—Dw 17:18.

  • Subɔsubɔdɔ kɔkɔe.

    Enye subɔsubɔdɔ, alo dɔ si le kɔkɔe, eye wòdo ƒome kple ale si míesubɔa Mawui tẽe.—Ro 12:1; Nyɖ 7:15.

  • Subɔsubɔdɔwɔla.

    Enye Helagbe me nya diakonos, si gɔme woɖena zi geɖe be “subɔla” alo “subɔvi.” “Subɔsubɔdɔwɔla” fia ame siwo kpena ɖe hamemetsitsiwo ƒe ha la ŋu le hamea me. Ele be ame sia naɖo Biblia me nudidi aɖewo gbɔ hafi ate ŋu adze na subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ sia.—1Ti 3:8-10, 12.

T

  • Tablanu.

    Enye avɔ si woxatsana ɖe ta wònɔna abe kuku ene. Nunɔlagã la ɖɔa tablanu si wowɔ kple aklala biɖibiɖi, eye wotsɔ ka blɔ lé ga falɛ si wotsɔ sika wɔ la ɖe eŋgɔ. Fia ɖɔa tablanu gbã hafi ɖɔa fiakukua ɖe edzi. Hiob zã nya sia le kpɔɖeŋumɔ nu esi wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye sɔ kple tablanu.—2Mo 28:36, 37; Hio 29:14; Eze 21:26.

  • Tafe.

    Enye fe si woxena be woaɖe asi le ame ŋu alo be woagahe to na ame o, alo be woagakpe fu o, alo ne ame wɔ nu vɔ̃, loo alo di be yeaɖe ta le agbanɔamedzi aɖe te. Menyea ga kokoko ɣesiaɣi o. (Yes 43:3) Wobiaa tafe le nɔnɔme vovovowo me. Le kpɔɖeŋu me, le Israel la, ŋgɔgbeviŋutsuwo katã alo lã ŋgɔgbeawo katã nye Yehowa tɔ, eye ne womazã wo le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me o la, ele be woaxe fe ɖe wo ta hafi woavo. (4Mo 3:45, 46; 18:15, 16) Ne woɖe asi le nyitsu si lɔ̃a dzotutu ame ŋu wòwu ame la, nyia tɔ axe fe si woka nɛ la hafi womawui o. (2Mo 21:29, 30) Ke hã, womexɔa tafe ɖe ame si ɖoe koŋ wu ame la ta o. (4Mo 35:31) Tafe si le vevie wue nye esi ŋu Biblia ƒo nu tsoe, si nye esi Kristo xe to eƒe vɔsakua dzi, be yeatsɔ aɖe amegbetɔƒomea me tɔ toɖolawo tso nu vɔ̃ kple ku me.—Ps 49:7, 8; Mt 20:28; Ef 1:7.

  • Takpegbadɔ.

    Enye nya si wozãna na agbadɔ si Mose tu kple avɔgbadɔ kɔkɔe si wotu le gbea dzi.—2Mo 33:7; 39:32.

  • Takpekpe.

    Ame siwo va ƒo ƒu le taɖodzinu aɖe ta. Zi geɖe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, nya sia fiana Israel-viwo ƒe ƒuƒoƒo na subɔsubɔzãwo, alo na dukɔa ƒe azã vevi bubuwo.—5Mo 16:8; 1Fi 8:5.

  • Talento.

    Enye Hebritɔwo ƒe nudakpe si lolo wu ɖe sia ɖe, eye wòganye ga home aɖe hã. Eƒe kpekpemee nye kilogram 34.2. Helatɔwo ƒe talento le sue wu esia eye eƒe kpekpeme anɔ kilogram 20.4. (1Kr 22:14; Mt 18:24)—Kpɔ Megbenyawo B14.

  • Tamuz.

    (1) Enye trɔ̃ si Hebri nyɔnu xɔsegbelawo fa avi na le Yerusalem la ƒe ŋkɔ. Ame aɖewo gblɔ be Tamuz nye fia aɖe tsã, eye wotsɔe  wɔ mawu le eƒe ku megbe. Le Sumertɔwo ƒe nuŋɔŋlɔwo me la, woyɔ Tamuz be Dumuzi, eye wònye vidzidzimawunɔ Inanna (Babilontɔwo ƒe Ishtar) srɔ̃. (Eze 8:14) (2) Enye ŋkɔ si woyɔ na ɣleti enelia le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ kɔkɔea dzi, tso esime wotrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon, eye wònye ewolia le dukɔa ƒe ɣletigbalẽ dzi. Edzea egɔme tso June (Masa) ƒe domedome va se ɖe July (Siamlɔm) ƒe domedome.—Kpɔ Megbenyawo B15.

  • Tarsis tɔdziʋuwo.

    Enye ŋkɔ si woyɔna na tɔdziʋu siwo yia blema du si nye Tarsis (si nye egbegbe Spain) la tsã. Edze abe emegbe eva zu ŋkɔ na tɔdziʋu siwo tea ŋu dea didiƒewo ene. Salomo kple Yehosafat siaa zã tɔdziʋu mawo tɔgbi le woƒe asitsatsawo me.—1Fi 9:26; 10:22; 22:48.

  • Tartaro.

    Le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, enye gbɔɖiame ƒe nɔnɔme si le abe gaxɔmenɔnɔ ene, si me wotsɔ mawudɔla siwo sẽ to le Noa ƒe ŋkekea me la ƒu gbe ɖo. Le 2 Petro 2:4 la, dɔwɔnya tartaroo (“tsɔ ƒu gbe ɖe Tartaro”) si wozã mefia be wotsɔ “mawudɔla siwo wɔ nu vɔ̃” la ƒu gbe ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe glitoto me Tartaro (si nye tomegaxɔ kple teƒe doviviti si mawuwo nɔna) o. Ke boŋ efia be Mawu ɖi gbɔ wo heɖiɖi wo ɖe anyi tso wo nɔƒe le dziƒo kple ɖoƒe siwo wole, eye wòtsɔ wo de nɔnɔme si na woƒe susu do viviti tsiɖitsiɖi le Mawu ƒe tameɖoɖo siwo me kɔ nyuie la ŋu. Viviti la hã fia nu si ava dzɔ ɖe wo dzi mlɔeba, si Ŋɔŋlɔawo ɖe fia be anye tsɔtsrɔ̃ mavɔ na woawo kple wo dzi ɖula Satana Abosam. Eya ta Tartaro fia gbɔɖiɖi ame kura ƒe nɔnɔme si me mawudɔla dzeaglã mawo le. Menye eyae nye “aʋli” si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 20:1-3 la o.

  • Tasiaɖam.

    Enye keke si wotsina ɖe sɔ ŋu wòhena, si te afɔti eve le eye wozãnɛ zi geɖe le aʋawɔwɔ me.—2Mo 14:23; Ʋɔn 4:13; Dw 8:28.

  • Tebet.

    Enye ŋkɔ si woyɔ na ɣleti ewolia le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ kɔkɔea dzi, tso esime wotrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon, eye wònye enelia le dukɔa ƒe ɣletigbalẽ dzi. Edzea egɔme tso December (Dzome) ƒe domedome va se ɖe January (Dzove) ƒe domedome. Woyɔnɛ zi geɖe be “ɣleti ewolia.” (Es 2:16)—Kpɔ Megbenyawo B15.

  • Terafim.

    Enye aƒeli alo legba siwo wozãna tsɔ kaa afa ɣeaɖewoɣi. (Eze 21:21) Ðewo ƒe lolome kple nɔnɔme sɔ kple amegbetɔ, eye bubuwo ya le sue wu. (1Mo 31:34; 1Sa 19:13, 16) Tomenu siwo ŋu woke ɖo le Mesopotamia ɖee fia be ame si si terafim kpakpɛwo le lae xɔa ƒomea ƒe domenyinu. (Ðewohĩ esia tae Rahel tsɔ fofoa ƒe terafim ɖo.) Edze abe megava nɔ nenema le Israel o ene, togbɔ be wozã terafim le trɔ̃subɔsubɔ me le ʋɔnudrɔ̃lawo kple fiawo ƒe ɣeyiɣiawo me hã la, wonɔ nu siwo Fia nuteƒewɔla Yosiya tsrɔ̃ la dome.—Ʋɔn 17:5; 2Fi 23:24; Ho 3:4.

  • Tévi.

    Enye kpe nogoe aɖe si wodana ɖe kpe bubu aɖe si ɖii la dzi tsɔ tua nukuwo. Woƒoa ati aɖe ɖe kpe gɔmetɔ me le domedome lɔƒo be wòalé kpe etametɔ ɖe te. Le Biblia ŋlɔɣi la, nutukpe siawo nɔa aƒe geɖe me si nyɔnuwo zãna. Esi wònye nutukpe siae ƒomewo zãna gbe sia gbe hafi kpɔa woƒe nuɖuɖu ta la, Mose ƒe Sea gblɔ be ame aɖeke megaxɔe sesẽe wòazu awɔbanu alo axɔ tévi la wòanye megbedanu o. Lãwoe troa té siwo lolo wu.—5Mo 24:6; Mr 9:42.

  • Tishri.

    Kpɔ ETANIM kple Megbenyawo B15.

  • Todzimɔ dzi Hadzidziwo.

    Enye Psalmowo 120-134 ƒe etamenuŋɔŋlɔwo. Togbɔ be susu vovovowo li ku ɖe gɔmesese si le nya sia ŋu hã la, ame geɖe xɔe se be Israel-vi tadeagula siwo le dzidzɔ kpɔm ye dzi Psalmo 15 siawo esime ‘woyina’ Yerusalem, si nɔ Yuda towo dzi ɖaa ke, be woayi azã gã etɔ̃ siwo woɖuna le ƒea me la ɖuƒe.

  • Tɔʋu.

    Enye bali alo tsitoƒe si ƒuna le kuɖiɣiwo; nya sia gatea ŋu fiaa tɔsisia ŋutɔ hã. Tsi dzidziwo dea nu tɔsisi aɖewo me si wɔnɛ be tsi nɔa wo me ɖaa. Woyɔ tɔʋu le teƒe bubuwo be “bali.”—1Mo 26:19; 4Mo 34:5; 5Mo 8:7; 1Fi 18:5; Hio 6:15.

  • Trɔ̃sɔti.

    Enye sɔti si dzɔ kã, si nyea kpe zi geɖe, eye edze ƒãa be wowɔnɛ ɖe ŋutsu ƒe vidzinu, Baal alo alakpamawu bubuwo ƒe vidzinu ƒe nɔnɔme me.—2Mo 23:24.

  • Tsiẽƒe.

    Ne woŋlɔ nya sia kple ŋɔŋlɔdzesi suewo la, efia ame ɖeka ƒe yɔdo; ne ŋɔŋlɔdzesi gãtɔe dze egɔme la, efia ameƒomea ƒe yɔdo, si sɔ kple Hebrigbe me nya “Sheol” kple Helagbe me nya “Hades.” Biblia ɖɔe be enye teƒe aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me alo nɔnɔme aɖe si me womegatea ŋu wɔa naneke alo bua tame le o.—1Mo 47:30; Nyg 9:10; Dw 2:31.

  • Tsitretsitsi.

    Enye fɔfɔ tso ku me. Helagbe me nya anastasis gɔmee nye “fɔfɔ ɖe tsitre; tsotso ɖe tsitrenu.” Biblia ƒo nu tso tsitretsitsi  asieke ŋu; wo dometɔ ɖekae nye esime Yehowa Mawu fɔ Yesu ɖe tsitre. Togbɔ be Eliya, Elisa, Yesu, Petro kple Paulo fɔ amewo ɖe tsitre hã la, Mawu ƒe ŋusẽ ye na wowɔ nukunu siawo katã. “Ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa” fɔfɔ ɖe tsitre le anyigba dzi le vevie be Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme. (Dw 24:15) Biblia gaƒo nu tso tsitretsitsi ayi dziƒo si wòyɔ be tsitretsitsi “si do ŋgɔ” alo “gbãtɔ” ŋu, eye ame siwo woafɔe nye Yesu nɔvi siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na.—Flp 3:11; Nyɖ 20:5, 6; Yh 5:28, 29; 11:25.

  • Tsro.

    Tsro si woɖe le nukuwo ŋu le nukuƒoɣi alo nukugbɔɣi. Wozã tsro le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu wòfia nu si ŋu viɖe mele o alo nane si womedi o.—Ps 1:4; Mt 3:12.

U

  • Urim kple Tumim.

    Wonye nu siwo nunɔlagã la zãna abe ale si ko wodzidzea nu ɖe nu dzi ene tsɔ nyaa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nenye be dukɔa di biabia aɖe ƒe ŋuɖoɖo tso Yehowa gbɔ. Urim kple Tumim la nɔa nunɔlagã la ƒe akɔtaɖonua me ne eyina ɖe avɔgbadɔa me. Ðewohĩ wodzudzɔ wo zazã esime Babilontɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem.—2Mo 28:30; Neh 7:65.

V

  • Vɔ̃ɖitɔ la.

    Enye ŋkɔ si woyɔ na Satana Abosam, ame si tsi tsitre ɖe Mawu kple eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo ŋu.—Mt 6:13; 1Yh 5:19.

  • Vɔsa.

    Enye vɔ si wosana na Mawu tsɔ daa akpe nɛ, tsɔ lɔ̃na ɖe fɔɖiɖi dzi, alo tsɔ dzraa ame kple Mawu dome ɖo. Tso keke Abel dzi la, amegbetɔwo sa lɔlɔ̃nu faa vɔ vovovo siwo dometɔ aɖewo nye lãwo ƒe vɔsawo, va se ɖe esime Se ƒe nubabla la va wɔe wònye nudidi. Esi Yesu tsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe na wònye vɔsa deblibo ta la, womegabia tso amewo si be woatsɔ lãwo asa vɔe o, gake Kristotɔwo saa gbɔgbɔmevɔwo na Mawu.—1Mo 4:4; Heb 13:15, 16; 1Yh 4:10.

  • Vɔsamlekpui.

    Efia nu kɔkɔ si wotsɔ anyi alo kpewo ɖi alo ʋuƒo wɔ hefa ga gbadzɛ ɖe eŋu, si dzi wosaa vɔwo le loo alo doa dzudzɔ ʋeʋĩ le le tadeaguɣiwo. Le takpegbadɔ gbãtɔa kple gbedoxɔa siaa ƒe xɔ gbãtɔ me la, “sikavɔsamlekpui” sue aɖe nɔ afi ma si dzi wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ le. Wowɔe kple ati hefa sika ɖe eŋu. “Akɔblivɔsamlekpui” gã bubu nɔ xɔxɔnua le gota si dzi wosaa numevɔwo le. (2Mo 27:1; 39:38, 39; 1Mo 8:20; 1Fi 6:20; 2Kr 4:1; Lk 1:11)—Kpɔ Megbenyawo B5 kple B8.

  • Vɔsamlekpui la ƒe dzowo.

    Enye dzo ene siwo wowɔ ɖe vɔsamlekpui aɖewo ƒe dzogoe eneawo dzi. (3Mo 8:15; 1Fi 2:28)—Kpɔ Megbenyawo B5 kple B8.

Ʋ

  • Ʋetsuviwo.

    Wonye ʋetra ƒomevi vovovo siwo dzona le ha gã aɖe me. Wobu wo le Mose ƒe Sea me be wo ŋu kɔ woate ŋu aɖu. Wobua woƒe ha gã si ɖua nu sia nu le woƒe toƒewo la be enye fuwɔame.—2Mo 10:14; Mt 3:4.

  • Ʋɔnudrɔ̃gbe.

    Enye ŋkeke alo ɣeyiɣi aɖe koŋ, si Mawu abia akɔnta amewo, dukɔwo alo amegbetɔƒome bliboa. Ate ŋu anye ɣeyiɣi si me woatsrɔ̃ ame siwo wotso kufia na la, alo ɣeyiɣi si aʋu mɔ na ame aɖewo be woakpɔ ɖeɖe eye woanɔ agbe tegbee. Yesu Kristo kple eƒe apostoloawo ƒo nu tso “Ʋɔnudrɔ̃gbe” aɖe si gbɔna si me woadrɔ̃ ʋɔnu agbagbeawo kple kukuawo siaa le la ŋu.—Mt 12:36.

  • Ʋɔnudrɔ̃lawo.

    Wonye ŋutsu siwo Yehowa ɖo be woaɖe yeƒe amewo do ŋgɔ hafi wova ɖo fiawo na Israel.—Ʋɔn 2:16.

  • Ʋɔnudrɔ̃zikpui.

    Zi geɖe la, enyea teƒe aɖe si wowɔ wòkɔ vie tso anyigba, si woliaa atrakpui hafi yina, afi si ame siwo le ŋusẽnɔƒewo nɔa anyi ɖo ƒoa nu na amehawo hegblɔa woƒe nyametsotso le. Nyagbɔgblɔ si nye “Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ” kple “Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ” siaa nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo na ɖoɖo si Yehowa wɔ hena ʋɔnudɔdrɔ̃ amegbetɔƒomea.—Ro 14:10; 2Ko 5:10; Yh 19:13.

W

  • Wainfiãƒe.

    Enye do eve si woɖena ɖe akalokpe me le anyigba zi geɖe, do eve siawo ƒe ɖeka nɔa dzi vie wu evelia, eye woɖea mɔ sue aɖe ɖe wo dome. Ne wole wain la fiãm le do si le dzi me la, esina yia do evelia si le anyime la me. Wozã nya sia le kpɔɖeŋumɔ nu na Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.—Yes 5:2; Nyɖ 19:15.

  • Waingolo.

    Enye lãgbalẽgolo si wotsɔ gbɔ̃ alo alẽ ƒe agbalẽ wɔ, si me wokɔa wain ɖo. Wokɔa wain ɖe lãgbalẽgolo yeyewo me, elabena ne wain la le tsitsim la, enana lãgbalẽgoloa vuna gblotoo. Lãgbalẽgolo yeyewoe vuna gblotoo; lãgbalẽgolo xoxo siwo metea ŋu vuna o la wóna ne aha tsitsi le eme.—Yos 9:4; Mt 9:17.

  • Wodzidze nu; Nudzidze.

    Enye kpeviwo alo ati si wotso kpuikpuikpui si wozãna tsɔ tsoa nya me. Wokɔa wo ɖe awu ƒe akɔnu loo alo ɖe nugoe me heʋuʋua wo. Nudzidzea dzea esi ge alo esi wotia la dzi. Zi geɖe la, wobua nuwɔna  sia ŋkubiãnyae. Wozãa nya ‘nudzidze’ le kpɔɖeŋumɔ nu alo na ale si wodzidzea nu ŋutɔŋutɔ; le evea sia me la, efia “gome” si su ame si alo “domenyinu.”—Yos 14:2; Ps 16:5; Lod 16:33; Mt 27:35.

Y

  • Yakob.

    Enye Isak kple Rebeka viŋutsu. Mawu va tsɔ ŋkɔ nɛ emegbe be Israel, eye eyae nye Israel-viwo (ame siwo wova yɔ emegbe be Yudatɔwo) tɔgbui. Eyae dzi viŋutsu wuieve siwo kple woƒe dzidzimeviwo va nye to wuieve siwo zu Israel dukɔa. Wogazãa ŋkɔ Yakob na dukɔa alo na Israel-viwo.—1Mo 32:28; Mt 22:32.

  • Yedutun.

    Enye nya aɖe si gɔme womese o, si dze le Psalmo 39, 62 kple 77 ƒe etamenuŋɔŋlɔawo me. Edze abe etamenuŋɔŋlɔ siawo nye mɔfiame hena haa dzidzi ene loo alo ɖewohĩ enye atsyã alo haƒonu aɖe. Lewi vi aɖe si nye haƒola ƒe ŋkɔe nye Yedutum, eya ta anye be haa dzidzi ƒe atsyã sia alo haƒonua ku ɖe eya ŋutɔ alo via aɖe ŋu.

  • Yehowa.

    Enye ale si koŋ woŋlɔa Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo nye Mawu ƒe ŋkɔ la le Eʋegbe me; ŋkɔ sia dze wu zi gbɔ zi 7,000 le Biblia gɔmeɖeɖe sia me.—Kpɔ Megbenyawo A4 kple A5.

  • Yevuboɖa.

    Enye atikutsetse si ɖi atɔtɔŋuti, si ƒe gɔmegbɔ le abe fiakuku ene. Ku suesuesue dzĩ gbogbo siwo me tsi le fũu lae le eƒe go sesẽ la me. Wowɔ yevuboɖa ƒe nɔnɔme tsɔ ɖo atsyɔ̃ na awu ʋlaya si ŋu abɔ mele o si nunɔlagã la dona la toga le ete, eye wogawɔ eƒe nɔnɔme ɖe sɔti siwo nye Yakin kple Boaz siwo le gbedoxɔa ŋgɔ ƒe tawo ŋu.—2Mo 28:34; 4Mo 13:23; 1Fi 7:18.

  • Yuda.

    Enye viŋutsu enelia si Lea dzi na Yakob. Esime Yakob nɔ eƒe kuba dzi la, egblɔ ɖi be dziɖula gã aɖe si anɔ anyi tegbee la atso Yuda ƒomea me. Eye Yuda ƒomea mee Yesu dzɔ tso. Wogayɔa ŋkɔ Yuda na Yuda-toa eye wogayɔnɛ na Yuda fiaɖuƒea hã. Israel-to siwo nye Yuda kple Benyamin kpakple nunɔlawo kple Lewi viwoe ƒo ƒu wɔ Yuda-to si woyɔ be anyiehe fiaɖuƒea. Yuda nɔ dukɔa ƒe anyiehe le afi si Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa nɔ.—1Mo 29:35; 49:10; 1Fi 4:20; Heb 7:14.

  • Yudatɔ.

    Enye ŋkɔ si woyɔna na ame si tso Yuda-toa me tso esime Israel-to ewo fiaɖuƒea yi aboyo me. (2Fi 16:6) Le woƒe tɔtrɔ gbɔ tso Babilon megbe la, wozãe na Israel-vi siwo tso to vovovoawo me siwo trɔ va Israel-nyigba dzi. (Ezr 4:12) Emegbe wozãe tsɔ de vovototo Israel-viwo kple dukɔ bubu siwo menye Israel-viwo o dome le xexea me godoo. (Es 3:6) Apostolo Paulo zã ŋkɔ sia le kpɔɖeŋumɔ nu tsɔ ɖe ale si dukɔ si me ame aɖe tso la menye viɖenu boo aɖeke le Kristo hamea me o la me.—Ro 2:28, 29; Ga 3:28.

Z

  • Zadukitɔwo.

    Enye ƒuƒoƒo xɔŋkɔ aɖe le Yuda-subɔsubɔha me si me tɔwo nye ame ŋkutawo kple nunɔlawo, eye wokpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe dɔ siwo katã wowɔna le gbedoxɔa me la dzi. Womelɔ̃ ɖe kɔnyinyi gbogbo siwo wogblɔna kple nu, siwo dzi Farisitɔwo wɔna ɖo kpakple Farisitɔwo ƒe dzixɔse bubuwo dzi o. Womexɔe se be tsitretsitsi loo alo mawudɔlawo li o. Wotsi tre ɖe Yesu ŋu.—Mt 16:1; Dw 23:8.

  • Zemela.

    Enye ame si tsɔa tsu mèa ze, agba kple nu bubuwo. Nya si wozã le Hebrigbe me na zemela fia “mèla.” Wozãa ale si zemela kpɔa ŋusẽ ɖe tsu dzi tsɔ wɔa ale si Yehowa kpɔ mɔ aɖu ame ɖekaɖekawo kple dukɔwo dzi la ƒe kpɔɖeŋu.—Yes 64:8; Ro 9:21.

  • Zeus.

    Enye Helatɔ siwo xɔ mawu geɖewo dzi se la ƒe mawu gã. Le Listra la, woyɔ Barnaba vodadatɔe be Zeus. Blemanuŋɔŋlɔ siwo ŋu woke ɖo le teƒe aɖe si gogo Listra la ƒo nu tso “Zeus nunɔlawo” kple “Zeus ɣemawu” ŋu. Woŋlɔ ɖe tɔdziʋu si Paulo ɖo tso Melite ƒukpo dzi la ŋu be “Zeus Viwo,” si fia venɔvi siwo nye Castor kple Pollux.—Dw 14:12; 28:11.

  • Zion; Zion To.

    Enye ŋkɔ si woyɔna na Yebusitɔwo ƒe du sesẽ si nye Yebus si nɔ Yerusalem ƒe anyieheɣedzeƒe togbɛ la dzi. Esi David xɔe megbe la, etu eƒe fiasã ɖe afi ma, eye wova yɔe be “David ƒe Du” la. (2Sa 5:7, 9) Tso esime David na wokɔ Nubablaɖaka la yi afi ma la, Zion va zu to kɔkɔe na Yehowa. Emegbe la, ŋkɔa va ku ɖe Moria To si dzi wotu gbedoxɔa ɖo hã ŋu, eye ɣeaɖewoɣi la, efiaa Yerusalem du bliboa hã. Wozãe le kpɔɖeŋumɔ nu zi geɖe le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me.—Ps 2:6; 1Pe 2:6; Nyɖ 14:1.

  • Ziv.

    Enye ŋkɔ gbãtɔ si woyɔ na ɣleti evelia le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ kɔkɔe la dzi, eye wònye enyilia le dukɔa ƒe ɣletigbalẽ dzi. Edzea egɔme tso April (Afɔfiɛ) ƒe domedome va se ɖe May (Damɛ) ƒe domedome. Woyɔe le Yudatɔwo ƒe Talmud kple nuŋlɔɖi bubuwo me be lyar esi wotrɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon. (1Fi 6:37)—Kpɔ Megbenyawo B15.