Marko 4:1-41

4  Eye wògate nufiafia le ƒua nu. Eye ameha gã aɖe ŋutɔ ƒo ƒu ɖe eŋu, eya ta ege ɖe tɔdziʋu aɖe me, eye wòbɔbɔ nɔ eme le ƒua dzi, gake ameha blibo la katã ya nɔ ƒua nu.  Eye wòte nu geɖewo fiafia wo to kpɔɖeŋuwo me, eye le eƒe nufiafia me la, egblɔ na wo be:  “Miɖo to. Kpɔ ɖa! Nukuwula la do go yi nuku wu ge.  Eye esi wònɔ nukua wum la, eƒe ɖe ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔe mi.  Eye bubu ge ɖe kpenyigba dzi, eye abe ale si wònɔna ene la, mekpɔ anyi sɔgbɔ le afi ma o, eye wòmie enumake elabena anyia mede to o.  Gake esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖui, eye esi ke meli nɛ o ta la, eyrɔ.  Eye bubu ge ɖe ŋuwo me, eye ŋuawo va vu tsyɔ edzi, eye metse ku aɖeke o.  Gake bubu aɖewo ya ge ɖe anyigba nyui dzi, eye esi womie hele tsitsim la, wote tsetse, ɖewo teƒe blaetɔ̃, ɖewo blaade, eye ɖewo alafa ɖeka.”  Eya ta egblɔ nya sia kpee be: “Ame si to li na be wòasee la, nesee.” 10  Ke esi eya ɖeka li la, ame siwo le egbɔ kpe ɖe ame wuieveawo ŋu la te nyabiabiae tso kpɔɖeŋuawo ŋu. 11  Eye wògblɔ na wo be: “Miawo la, wona Mawu fiaɖuƒe la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la mi, gake le ame siwo le egodo gome la, kpɔɖeŋuwo koe nuwo katã nye na wo, 12  bene togbɔ be wole nu kpɔm hã la, woakpɔ nu gake womadze sii o, eye togbɔ be wole nu sem hã la, woasee gake womase egɔme o, eye womatrɔ gbeɖe, be woatsɔe ake wo o.” 13  Egagblɔ na wo hã be: “Mienya nu si kpɔɖeŋu sia fia o, ekema aleke miawɔ ase kpɔɖeŋu bubuawo katã gɔme? 14  “Nukuwulaa le nya la wum. 15  Eya ta esiawoe nye ame siwo le mɔ to le afi si wowu nya la ɖo; gake ne wonya see ko la, Satana vana, eye wòɖea nya si wowu ɖe wo me la dzonɛ. 16  Eye nenema kee esiawoe nye esiwo wowu ɖe kpenyigba dzi la: ne wonya se nya la ko la, woxɔnɛ kple dzidzɔ. 17  Ke hã, womeli ke le wo ɖokuiwo me o, gake wonɔa anyi hena ɣeyiɣi aɖe; eye ne xaxa alo yometiti nya va le nya la ta ko la, ezua nukikli na wo. 18  Eye bubuwo hã li, siwo wowu ɖe ŋuwo me; esiawoe nye ame siwo se nya la, 19  gake nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsiwo, kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ, kpakple nu susɔeawo ƒe amedzodzro gena ɖe wo me hevuna tsyɔa nya la dzi, eye metsea ku o. 20  Mlɔeba la, esiwo wowu ɖe anyigba nyui dzi lae nye ame siwo sea nya la, eye woxɔnɛ nyuie, eye wotsea ku, ɖewo teƒe blaetɔ̃, ɖewo blaade, eye ɖewo alafa ɖeka.” 21  Eye wòyi edzi gblɔ na wo be: “Wometsɔa akaɖi vanɛ, be woatsɔ ada ɖe nudokusi alo abati te o, menye nenemae oa? Wotsɔnɛ vana, be woadae ɖe akaɖiti dzi, menye nenemae oa? 22  Elabena womeɣlaa naneke, ne menye kple susu be woava ɖee ɖe go tae o; wometsyɔa nu naneke dzi nyuie, ne menye kple susu be woana wòava dze gaglãa tae o. 23  Ame si to li na be wòasee la, nesee.” 24  Egagblɔ na wo be: “Milé to ɖe nu si sem miele la ŋu nyuie. Nudzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem na amewo la, eya kee woatsɔ adzidze nu na miawo hã, ɛ̃, woagade edzi na mi akpee. 25  Elabena ame si si nu le la, woatsɔ geɖe akpee nɛ; gake ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si le esi la kura gɔ̃ hã le esi.” 26  Eye wòyi edzi gblɔ be: “Mawu fiaɖuƒe la le abe ɣeyiɣi si me ame wua nuku ɖe anyigba ene, 27  eye wòdɔa alɔ̃ le zã me, eye wòfɔna le ŋkeke me, eye nuku la miena hetsina, gake ale si tututu wòdzɔna ya la, menyana o. 28  Anyigba la ŋutɔ nana nuku wɔna le eɖokui si vivivi: gbã la, aŋgba ɖeka, emegbe ta si ŋu kutsetsea ava nɔ, eye mlɔeba kutsetse bliboa. 29  Gake ne kutsetsea ɖe mɔ ko la, etsɔa hɛ gobɛ ɖe eŋu, elabena nuŋeɣi ɖo.” 30  Eye wòyi edzi gblɔ be: “Nu kae míatsɔ Mawu fiaɖuƒe la asɔ kplii, alo kpɔɖeŋu kae míawɔ tso eŋu? 31  Esɔ kple atiku sue aɖe,* si nye anyigba dzi nuku suetɔ kekeake le ɣeyiɣi si me woƒãe ɖe anyigba me— 32  ke ne woƒãe la, emiena, eye wòva lolona wu abɔ me numiemiewo katã, eye wòɖea alɔ gãwo, ale be dziƒoxewo tea ŋu nɔa eƒe vɔvɔli te.” 33  Eya ta egblɔa nya la na wo to kpɔɖeŋu siawo ƒomevi me, zi ale si woate ŋu ase wo gɔme ko. 34  Le nyateƒe me la, meƒoa nu na wo ne menye to kpɔɖeŋu me o, gake ne woa kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã me na wo. 35  Eye gbe ma gbe, esi fiẽsi ɖo la, egblɔ na wo be: “Mina míayi go kemɛ dzi.” 36  Eya ta esi woɖe asi le ameha la ŋu vɔ la, woku tɔdziʋua dzo esime wònɔ eme, eye tɔdziʋu bubuwo kpe ɖe wo ŋu. 37  Azɔ ya sesẽ aɖe te ƒoƒo, eye ƒutsotsoewo nɔ ŋeŋem ɖe tɔdziʋu la me, ale be tsi yɔ ʋua kloe. 38  Gake enɔ tɔdziʋua gɔme le megbe lɔƒo nɔ alɔ̃ dɔm le suɖui aɖe dzi. Eya ta wonyɔe hegblɔ nɛ be: “Nufiala, meka wò be míele tsɔtsrɔ̃m oa?” 39  Tete wòtso, eye wòblu ɖe ya la ta hegblɔ na ƒu la be: “Zi ɖoɖoe! Dze eme!” Eye ya la nu fa, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ. 40  Azɔ egblɔ na wo be: “Nu ka tae vɔvɔ̃ ɖo mi? Ðe xɔse aɖeke mele mia si haɖe oa?” 41  Gake wovɔ̃ ale gbegbe, eye wogblɔ na wo nɔewo be: “Ame ka gɔ̃e nye esia, elabena ya kple ƒu kura gɔ̃ hã ɖoa toe?”

Etenuŋɔŋlɔ

Helagbe, “sinapi.”