Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Srɔ̃ Woƒe Xɔse

 TA ENYILIA

Dzigbãnyawo Tui, Gake Edo Dzi

Dzigbãnyawo Tui, Gake Edo Dzi

1. Nu ka tae nuxaxa kple konyifaɣli nɔ ɖiɖim le afi sia afi le Silo?

SAMUEL kpɔ ale si amewo le nu xam le Silo eye wòte ɖe edzi vevie. Ðeko wòle abe ɖe aɖatsi zu tɔʋu le sisim le dua me ene. Aƒe neni mee wole nyɔnuwo kple ɖeviwo ƒe avifafa sem le esi wose be yewo fofowo, srɔ̃ŋutsuwo, viŋutsuwo kple nɔviŋutsuwo matrɔ agbɔ va aƒe o? Nu si míenya koe nye be Filistitɔwo ɖu Israel viwo dzi vevie, eye aʋawɔla 30,000 sɔŋ bu woƒe agbe, evɔ ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na esia la, wowu Israel vi 4,000 le aʋa bubu aɖe me.—1 Sam. 4:1, 2, 10.

2, 3. Afɔku siwo dzɔ tsiã ɖe enu kawoe na ŋutikɔkɔe dzo le Silo wòhenye ŋukpenya?

2 Afɔku siwo dzɔ ɖe wo dzi tsiã ɖe enu la dometɔ ɖeka koe nye esia. Nunɔlagã Eli viŋutsu vɔ̃ɖi eveawo, Xofni kple Pinehas, tsɔ nubablaɖaka kɔkɔe la tso Silo yi aʋagbedzii. Zi geɖe la, aɖaka vevi sia nɔa avɔgbadɔa, si nye gbedoxɔ si wotu wòle abe agbadɔ ene la, ƒe kɔkɔeƒea, eye wònyea dzesi be Mawu le wo dome. Dukɔa tsɔ Aɖakaa yi aʋagbedzi, elabena woble wo ɖokuiwo henɔ susum be akpɔ yewo ta abe atiblɛ ene ahana yewoaɖu aʋa dzi. Gake Filistitɔwo xɔ Aɖakaa le wo si, eye wowu Xofni kple Pinehas.—1 Sam. 4:3-11.

3 Ƒe alafa geɖee nye ema Aɖakaa nɔ avɔgbadɔa me le Silo, eye wòna bubu nɔ teƒe ma ŋu. Gake eyae nye ema wotsɔ dzoe. Esi Eli, si xɔ ƒe 98, se nya sia la, emu le eƒe zikpui dzi dze anyi ɖe megbe, eye wòku. Toyɔvia si zu ahosi gbe ma gbe ke la hã ku le vidziɣi. Hafi wòamia nu la, egblɔ be: “Ŋutikɔkɔe dzo le Israel.” Nya madzɔgbeɖee wònye dzɔ le Silo vavã!—1 Sam. 4:12-22.

4. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

4 Aleke Samuel awɔ anɔ te ɖe dzigbãnya siawo nu? Ðe xɔse sesẽ le esi wòate ŋu akpe ɖe dukɔ sia, si ŋu Yehowa megale ŋudzedze kpɔm ɖo o, eye megale wo ta kpɔm o la, ŋua? Egbea la, mí katã míedoa go nɔnɔme sesẽwo kple dzigbãnyawo ɣeaɖewoɣi, eye esia ate ŋu ado míaƒe xɔse kpɔ. Eya ta na míakpɔe ɖa be nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Samuel gbɔ hã.

 ‘Edo Nu Dzɔdzɔe Wɔwɔ Ðe Ŋgɔ’

5, 6. Nu ka dzie Biblia he susu yi le ƒe 20 siwo me megaƒo nu tso Samuel ŋu o la me, eye nu ka wɔmee Samuel nɔ ɣemaɣi?

5 Le nudzɔdzɔ sia megbe la, Biblia megaƒo nu tso Samuel ŋu boo o, ke boŋ eƒo nu tso ale si Filistitɔwo tsɔ Aɖaka la dzoe, si wɔe be wokpe fu geɖe, eye wòƒoe ɖe wo nu wotrɔe gbɔe la ŋu. Esi Biblia gaƒo nu tso Samuel ŋu la, ƒe 20 va yi. (1 Sam. 7:2) Nu ka wɔmee wònɔ le ƒe mawo me? Ŋuɖoɖoa le Biblia me.

Nu kae Samuel awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo ƒe ƒometɔwo ku eye dzi ɖe le wo ƒo la ŋu?

6 Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be do ŋgɔ na ƒe 20 mawo la, ‘Samuel ƒe nya dea Israel blibo la gbɔ.’ (1 Sam. 4:1) Nuŋlɔɖia ɖee fia le ƒe mawo megbe be Samuel tsana le Israel du etɔ̃ me ƒe sia ƒe ɖanɔa nyawo drɔ̃m henɔa masɔmasɔwo gbɔ kpɔm. Ne ewɔ vɔ la, etrɔna yia wo de, Rama. (1 Sam. 7:15-17) Edze ƒãa be dɔ geɖe nɔ Samuel dzi wònɔ wɔwɔm le ƒe 20 mawo me.

Togbɔ be ƒe 20 va yi le Samuel ƒe ŋutinya me si Biblia meƒo nu tso eŋu o hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be enɔ subɔsubɔdɔ wɔm na Yehowa vevie

7, 8. (a) Esi Samuel dze agbagba le dukɔ la ŋu ƒe blaeve megbe la, nya kae wògblɔ na wo? (b) Aleke dukɔ la xɔ Samuel ƒe dzideƒonyawoe?

7 Eli viŋutsuawo ƒe gbɔdɔnuwɔna gbegblẽawo kple woƒe nu fitifiti wɔwɔ na dukɔ la ƒe xɔse gbɔdzɔ. Edze abe le esia ta ame geɖe trɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu ene. Ke hã, esi Samuel dze agbagba le wo ŋu ƒe 20 sɔŋ megbe la, egblɔ nya sia na wo: “Ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu kple miaƒe dzi blibo la, ekema miɖe mawu bubuwo kple Astartewo ɖa le mia dome; mitsɔ miaƒe tame ɖo Yehowa ŋu, eye misubɔ eya ɖeɖe ko, ne wòaɖe mi tso Filistitɔwo si me!”—1 Sam. 7:3.

8 ‘Filistitɔwo ƒe asi’ sẽ ɖe dukɔ la dzi. Esi wònye be Filistitɔwo ƒe alɔ kpe Israel ƒe aʋakɔa dzi keŋkeŋ ta la, dzi ɖo wo ƒo be woate Mawu ƒe amewo ɖe anyi ale si dze wo ŋu. Gake Samuel ka ɖe edzi na dukɔa be nɔnɔmeawo atrɔ ne wonya trɔ ɖe Yehowa ŋu ko. Ðe wolɔ̃ faa be yewoawɔ esia? Ɛ̃, woɖe woƒe mawuwo katã ɖa, eye “wosubɔ Yehowa ɖeɖe ko,” eye esia dze Samuel ŋu ŋutɔ. Samuel na woƒo ƒu ɖe Mizpa, si le Yerusalem ƒe dziehe tonutowo me. Dukɔ la kpe ta, tsi nu dɔ, eye wotrɔ dzi me tso woƒe trɔ̃subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ geɖeawo me.—Xlẽ 1 Samuel 7:4-6.

Esi Yehowa ƒe ame siwo trɔ dzi me la va kpe ta la, Filistitɔwo bui be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoatu nu kpli wo

9. Mɔnukpɔkpɔ kae Filistitɔwo susu be esu yewo si, eye aleke Mawu ƒe amewo wɔ nui le vɔ̃ si lili wo la ta?

9 Ke hã, Filistitɔwo se be Israel vi gbogbo aɖewo kpe ta, eye wobui be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoatu nu kpli wo. Woɖo woƒe asrafowo ɖe Mizpa be woaɖadze Yehowa subɔlawo dzi. Israel  viwo se be Filistitɔwo gbɔna yewo dzi dze ge. Vɔvɔ̃ ɖo wo, eya ta wobia tso Samuel si be wòado gbe ɖa ɖe yewo ta. Edo gbea ɖa, eye wòsa vɔ hã. Esi tadeaguwɔna vevi sia nɔ edzi yim la, Filisti-ʋakɔa gogo Mizpa. Yehowa ɖo Samuel ƒe gbedodoɖaa ŋu enumake. Yehowa na dzi ɖe gbe le eƒe dziku me. Nuŋlɔɖia gblɔ be ena dzi ɖe “gbe sesĩe ɖe Filistitɔwo dzi gbe ma gbe.”—1 Sam. 7:7-10.

10, 11. (a) Nu ka tae dziɖegbe si tso Yehowa gbɔ ɖe Filistitɔwo ŋu la anya nye nu madzɔkpɔ aɖe? (b) Nu kae va nye aʋa si wowɔ le Mizpa la me tsonu?

10 Ðe wòle be míasusui be Filistitɔ mawo le abe ɖevi sue siwo sina bena ɖe wo dada megbe le vɔvɔ̃ ta ne wose dziɖegbe ŋkɔ la enea? Ao, ŋutsu siawo nye aʋakalẽtɔ sesẽwo. Eya ta anɔ eme be dziɖegbe sia nye esi tɔgbi womese kpɔ o. Ale si gbegbe dzia ɖe gbe “sesĩe” la ko tae wovɔ̃ ɖoa? Ŋdɔkutsu dzatsɛe dzia ɖe gbea, alo ɖe ale si wose dziɖegbea ŋkɔ le towo dome lae na wovɔ̃a? Aleke kee wòɖale o, ena Filistitɔ mawo tɔtɔ, eye ŋɔdzi lé wo ale gbegbe. Esi amedzidzela siawo tɔtɔ alea ta la, ɖeko wode afɔ du me. Israel ŋutsuwo lɔ hoo ti wo yome tso Mizpa, eye wowɔ aʋa kpli wo ɖu wo dzi heyɔ wo ɖe nu agbadroƒe geɖe va se ɖe Yerusalem ƒe anyieheɣetoɖoƒe ke.—1 Sam. 7:11.

11 Aʋa vevi aɖee wònye wowɔ gbe ma gbe. Le ŋkeke siwo katã me Samuel nye ʋɔnudrɔ̃la me la, Filistitɔwo nɔ sisim le Israel viwo nu. Mawu ƒe amewo gbugbɔ xɔ woƒe duwo le wo si ɖekaɖeka.—1 Sam. 7:13, 14.

12. Nya si Biblia gblɔ be Samuel “do nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe ŋgɔ” la gɔme ɖe, eye nɔnɔme nyui kawoe kpe ɖe eŋu wòyi edzi kpɔ dzidzedze?

12 Ƒe alafa geɖe megbe la, apostolo Paulo yɔ Samuel ŋkɔ kpe ɖe ʋɔnudrɔ̃la kple nyagblɔɖila wɔnuteƒe siwo “do nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe ŋgɔ” la ŋu. (Heb. 11:32, 33) Nyateƒee, Samuel kpe ɖe dukɔa ŋu wowɔ nu si le eteƒe kple nu dzɔdzɔe le Mawu ŋkume. Eyi edzi nɔ dzidzedze kpɔm, elabena ekpɔ Yehowa si nu, eye wònɔ dɔ dzi nuteƒewɔwɔtɔe, togbɔ be nu geɖe meyi edzi abe ale si wòkpɔ mɔe ene o hã. Eɖee fia be yekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu hã. Le kpɔɖeŋu me, esi woɖu aʋa dzi le Mizpa la, Samuel na wotu ŋkuɖodzikpe be woatsɔ aɖo ŋku ale si Yehowa ɖe eƒe amewoe la dzi.—1 Sam. 7:12.

13. (a) Ne míedi be míasrɔ̃ Samuel la, nɔnɔme nyui kawoe wòle be míatu ɖo? (b) Ɣekaɣie nèsusu be eyae nye nyuitɔ si me wòle be woatu nɔnɔme siwo tɔgbi Samuel ɖe fia la ɖo?

13 Ðe nèdi be ‘yeado nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe ŋgɔa’? Ne nenemae  la, anyo ŋutɔ be nàsrɔ̃ Samuel ƒe dzigbɔɖi, ɖokuibɔbɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔɖenuŋu. (Xlẽ 1 Petro 5:6.) Ðe mía dometɔ aɖe li si mehiã be wòatu nɔnɔme nyui siawo ɖo oa? Ede Samuel dzi be wòsrɔ̃ nɔnɔme siawo heɖe wo fia esime wònye ɖekakpui, elabena edo go dzigbãnya sesẽwo le eƒe tsitsime.

“Viwòwo Mele Wò Ʋe Me Tom O”

14, 15. (a) Esi Samuel “tsi” ku amegã la, dzigbãnya kae dze ŋgɔe? (b) Ðe Samuel nye vifofo si ŋu mokaka le abe Eli enea? Ðe eme.

14 Esi Biblia gaƒo nu tso Samuel ŋu la, ‘etsi’ ku amegã. Le ɣeyiɣi sia me la, viŋutsuvi tsitsi eve, siwo ŋkɔwoe nye Yoel kple Abiya nɔ Samuel si, eye ede dɔ asi na wo be woakpe ɖe ye ŋu le ʋɔnudrɔ̃nyawo me. Gake nublanuitɔe la, womeva wɔ nuteƒe o. Samuel ŋutɔ nye anukwareɖila kple nuteƒewɔla, gake viaŋutsuwo ya wɔ woƒe ɖoƒea ŋu dɔ tsɔ di wo ɖokui tɔ, eye wote nya dzɔdzɔe ɖe to hexɔ zãnu.—1 Sam. 8:1-3.

15 Gbe ɖeka, Israel ƒe ametsitsiwo va gblɔ nya aɖe si te ɖe wo dzi la na nyagblɔɖila tsitsi sia. Wogblɔ nɛ be: “Viwòwo mele wò ʋe me tom o.” (1 Sam. 8:4, 5) Ðe Samuel nya nu tso nya sia ŋu hafia? Biblia megblɔe o. Gake Samuel ya mele abe Eli ene o, enye vifofo si ŋu  mokaka mele o. Yehowa ka mo na Eli, eye wòhe to nɛ le esi mewɔ naneke tsɔ ɖɔ viawo ƒe nu baɖa wɔwɔ ɖo o eye wòde bubu viawo ŋu wu Mawu ta. (1 Sam. 2:27-29) Samuel meɖi fɔ le Yehowa ŋkume le nya sia me o.

Esi Samuel viŋutsuwo mewɔ nuteƒe o la, aleke wòwɔ nɔ te ɖe dzigbãnya sia nu?

16. Aleke dzila siwo ƒe viwo dze aglã la sena le wo ɖokui me, eye aleke Samuel ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu anye mɔfiame kple akɔfafa na wo?

16 Nuŋlɔɖia meƒo nu tso ale si nyaa dze ŋukpe dzi na Samuel vevie, ale si wòte ɖe edzi, alo ale si wòtsi dzimaɖii esi wòse nu tso viawo ƒe nu baɖa wɔwɔa ŋu o. Ke hã, dzila geɖe nya ale si Samuel anya se le eɖokui mee la nyuie. Le xexe gblẽku sia me la, ɖeviwo ƒe aglãdzedze ɖe wo dzilawo ŋu kple tomaɖomaɖo va xɔ aƒe ɖi abe dɔvɔ̃ ene. (Xlẽ 2 Timoteo 3:1-5.) Dzila siwo le nɔnɔme sesẽ sia tɔgbi me tom la ate ŋu asrɔ̃ nu tso Samuel ƒe kpɔɖeŋua me, eye ate ŋu afa akɔ na wo hã. Samuel meɖe mɔ viawo ƒe mawumavɔmavɔ̃nuwɔnawo na wòtra ɖa le mɔ dzɔdzɔetɔ dzi vie gɔ̃ hã o. Ðo ŋku edzi be, ne nyawo kple tohehe mete ŋu na ɖevi si sẽ dzi me la trɔ o gɔ̃ hã la, dzilawo ƒe kpɔɖeŋu gawɔa akpa vevi aɖe kokoko. Eye mɔnukpɔkpɔa le ʋuʋu ɖi ɣesiaɣi na dzilawo ŋutɔ hã be woadze wo Fofo Yehowa Mawu ŋu, abe ale si Samuel wɔe ene.

“Ðo Fia Na Mí”

17. Nu kae Israel ƒe ametsitsiwo bia tso Samuel si, eye aleke wòse le eɖokui me?

17 Samuel viŋutsuwo menya nu si gbegbe woƒe ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi nuwɔnawo agblẽ o. Israel ƒe ametsitsiwo gblɔ na Samuel be: “Eya ta ɖo fia na mí, ame si adrɔ̃ ʋɔnu na mí, abe ale si wòle le dukɔwo katã dome ene!” Ðe woƒe nya sia na Samuel se le eɖokui me be wogbe yea? Ƒe geɖewoe nye ema Samuel le Yehowa teƒe le woƒe nyawo drɔ̃m na wo. Fifia wodi be woaɖo fia si anye ʋɔnudrɔ̃la anɔ yewo nu la na yewo, womedi nyagblɔɖila tsɛ aɖe abe Samuel ene o. Fiawo nɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la si, eya ta Israel viwo hã di be woaɖo fia na yewo! Aleke Samuel se le eɖokui me? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Nya la medze Samuel ŋu o.”—1 Sam. 8:5, 6.

18. Aleke Yehowa fa akɔ na Samuel heɖe ale si Israel viwo ƒe nu vɔ̃a nye ŋkubiãnyae la fia?

18 De dzesi nya si Yehowa gblɔ tsɔ ɖo eŋu na Samuel esi wòtsɔ nyaa ɖo eŋkume le gbedodoɖa me; egblɔ nɛ be: “Ðo to dukɔ la ƒe gbe le nu sia nu, si woagblɔ na wò la me; elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.” Nya siawo anya fa akɔ na Samuel, ke hã, dukɔ sia ƒe nuwɔna ɖee fia be womede bubu Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu kura o! Yehowa gblɔ na eƒe nyagblɔɖilaa be wòaxlɔ̃ nu Israel viwo ne woanya nu si gbegbe wòagblẽ le wo ŋu ne amegbetɔ ɖu fia ɖe wo dzi. Esi Samuel xlɔ̃ nu wo  abe ale si Yehowa de se nɛ ene la, wote tɔ ɖe edzi be: “Gbeɖe, ke boŋ fia nenɔ mía nu.” Esi Samuel ɖoa to eƒe Mawu ɖaa ta la, eyi ɖasi ami na fia si Yehowa tia la.—1 Sam. 8:7-19.

19, 20. (a) Aleke Samuel wɔ ɖe se si Yehowa de nɛ be wòasi ami na Saul wòazu fia ɖe Israel nu la dzi? (b) Aleke Samuel yi edzi kpe ɖe Yehowa ƒe amewo ŋui?

19 Ke aleke Samuel ɖo toe? Ðe wòte ɖe edzi, si na wòwɔ Mawu ƒe gbe dzi kple dzi afãafã? Togbɔ be menye aleae wòkpɔ mɔ be nuwo nanɔ o hã la, ɖe esia na wòlé dziku ɖe dɔ mea? Ame geɖe awɔ nu nenema, gake menɔ alea le Samuel ya gome o. Esi ami na Saul, eye wòxɔe be eyae nye ame si Yehowa ŋutɔ tia. Egbugbɔ nu na Saul, si fia be elɔ̃ ɖe edzi be eyae nye fia si Mawu tia, eye be yeabɔbɔ ɖe ete. Azɔ egblɔ na dukɔ la be: “Miele ame si Yehowa tia na mi la kpɔma? Ame aɖeke mede enu le dukɔ blibo la dome o!”—1 Sam. 10:1, 24.

20 Samuel ƒe susu menɔ vodadawo dzi o, ke boŋ enɔ nɔnɔme nyui siwo le ame si Yehowa tia si la ŋu. Azɔ hã Samuel ƒe susu nɔ ale si eya ŋutɔ wɔ nuteƒe na Mawu tso ɣeaɖeɣi ke la dzi, ke menye Israel vi dzimevesusulawo ŋu dzedze ŋu o. (1 Sam. 12:1-4) Ewɔ nuteƒe le dɔ si Mawu de esi la hã me, enɔ nu xlɔ̃m Mawu ƒe amewo ku ɖe nu siwo ate ŋu agblẽ nu le woƒe mawusubɔsubɔ ŋu la ŋu, henɔ dzi dem ƒo na wo be woalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa. Eƒe nuxlɔ̃amewo de dzi gbɔ na wo, eye woɖe kuku na Samuel be wòado gbe ɖa ɖe yewo ta. Ale si wòɖo eŋu na woe la wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Egblɔ be: “Nede megbe xaa tso nye hã gbɔnye, be matasi kukuɖeɖe ɖe mia ta, eye magbe mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe fiafia mi ahawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu!”—1 Sam. 12:21-24.

Samuel ƒe kpɔɖeŋua ɖoa ŋku edzi na mí be míagaʋã ŋu alo alé ame ɖe dɔ me kaɖikaɖi gbeɖe o

21. Aleke Samuel ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne ete ɖe mía dzi be wotsɔ ɖoƒe alo mɔnukpɔkpɔ aɖe na ame bubu?

21 Ðe wòte ɖe dziwò kpɔ be wotsɔ ɖoƒe alo mɔnukpɔkpɔ aɖe na ame bubua? Samuel ƒe kpɔɖeŋua nye ŋkuɖodzinya vevi aɖe na mí be míagaʋã ŋu alo alé ame ɖe dɔ me kaɖikaɖi gbeɖe o. (Xlẽ Lododowo 14:30.) Dɔ nyui geɖe siwo naa dzidzeme ame la le Mawu si na esubɔla wɔnuteƒewo katã.

‘Ŋkeke Nenie Nànɔ Konyi Fam Le Saul Ŋu?’

22. Nu ka tae Samuel tɔ dzɔ be wòkpɔ nu nyui le Saul ŋu le gɔmedzedzea me?

22 Samuel tɔ dzɔ be wòkpɔ nu nyui le Saul ŋu, elabena Saul nye ame ɖedzesi aɖe. Ekɔkɔ hedze ɖeka, enye kalẽtɔ, eye wòdze aɖaŋu;  ke hã, le gɔmedzedzea me la, ebɔbɔ eɖokui, eye mekpɔa eɖokui o. (1 Sam. 10:22, 23, 27) Nunana xɔasi aɖe hã nɔ esi kpe ɖe emawo ŋu—eyae nye tiatiawɔblɔɖe, si fia be ate ŋu atia ale si wòdi be yeanɔ agbee ahawɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotsowo. (5 Mose 30:19) Ðe wòwɔ nunana ma ŋu dɔ nyuiea?

23. Nɔnɔme vevi ka ŋue Saul ɖe asi le gbã, eye nu kae ɖee fia be eƒe dadaa ganɔ gã dom ɖe edzi?

23 Nublanuitɔe la, ne wodo ame ɖe dzi wòkpɔ ŋusẽ la, zi geɖe la, ɖokuibɔbɔe nyea nɔnɔme gbãtɔ si ŋu wòɖea asi le. Ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la, Saul de asi dada me. Egbe Yehowa ƒe mɔfiame siwo Samuel gblɔ nɛ la dzi wɔwɔ. Gbe ɖeka, Saul mete ŋu lé eɖokui o eye wòsa vɔ aɖe si Samuel ɖo be yeasa hafi la. Eya ta Samuel gbe nya nɛ vevie, eye wògblɔ ɖi be woaxɔ fianyenyea le Saul ƒe ƒomea si. Le esi teƒe be Saul nasrɔ̃ nu tso tohehe sia me la, eyi edzi sẽ to wu ema.—1 Sam. 13:8, 9, 13, 14.

24. (a) Aleke Saul gbe toɖoɖo Yehowa le aʋa si wowɔ kple Amalekitɔwo ƒe nyaa me? (b) Aleke Saul wɔ nui esi woka mo nɛ, eye nyametsotso kae Yehowa wɔ?

24 Yehowa to Samuel dzi gblɔ na Saul be wòawɔ aʋa kple Amalekitɔwo. Yehowa gblɔ le mɔfiame si wòna Saul la me be wòawu fia vɔ̃ɖi, Agag. Ke hã, Saul kpɔ Agag kpakple aboyonuawo ƒe nu nyuitɔ siwo hã wòle be woatsrɔ̃ hafi la ta. Ale si gbegbe Saul trɔe la dze ƒãa esi Samuel va be yeagbe nya nɛ. Le esi teƒe be wòaxɔ mokanamea ɖokuibɔbɔtɔe la, eɖe eɖokui nu, edo taflatsɛ, ede axa nyaa, eye wòte kpɔ be yeada fɔbubua ɖe dukɔa dzi. Esi Samuel nɔ nya gbem na Saul eye Saul te kpɔ be yeaɖe ye ɖokui nu hegblɔ be ɖe yewodi be yewoatsɔ aboyonuawo ƒe ɖe asa vɔe na Yehowa la, Samuel gblɔ nya sia si amewo va nya nyuie la be: “Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa.” Samuel ka mo na Saul dzinɔameƒotɔe, eye wògblɔ Yehowa ƒe afiatsotso sia nɛ be: Woaxɔ fiaɖuɖua le esi, eye woatsɔe ana ame bubu, si nyo wui. *1 Sam. 15:1-33.

25, 26. (a) Nu ka tae Samuel fa konyi le Saul ŋu, eye aleke Yehowa ɖɔ Eƒe nyagblɔɖilaa ɖo lɔlɔ̃tɔe? (b) Nu kae Samuel srɔ̃ esi wòyi Isai ƒe me?

25 Ale si Saul do kpo nui la te ɖe Samuel dzi vevie. Enɔ avi fam  na Yehowa le nya sia ŋu zã bliboa. Efa konyi le Saul ŋu gɔ̃ hã. Samuel de dzesii be ŋutete kple nɔnɔme nyui geɖe nɔ Saul si, ke azɔ la, nu siwo wònɔ mɔ kpɔm na la meva eme kura o. Saul ƒe nɔnɔme trɔ, eɖe asi le eƒe nɔnɔme nyuiawo ŋu, eye wòtsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Samuel gbe be yemagakpɔ Saul ŋkume azɔ o. Ke hã eva hiã be Yehowa naɖɔ Samuel ɖo lɔlɔ̃tɔe ale: “Ŋkeke nenie nànɔ konyi fam le Saul, ame si megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nàyi; kpɔ ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.”—1 Sam. 15:34, 35; 16:1.

26 Be Yehowa ƒe tameɖoɖo nava eme la, menye amegbetɔ madeblibowo, siwo ƒe nuteƒewɔwɔ melia ke o, dzie wòanɔ te ɖo o. Ne ame aɖe mewɔ nuteƒe o la, Yehowa atia ame bubu be wòawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Eya ta Samuel amegãɖeɖi la dzudzɔ konyifafa le Saul ŋu. Le Yehowa ƒe nya nu la, Samuel yi ɖe Isai ƒe me le Betlexem, afi si wòkpɔ Isai viŋutsu dzeɖekɛwo le. Ke hã tso xoxoetɔ dzi la, Yehowa gblɔ na Samuel be eƒe susu meganɔ gotagomedzedzeme ŋu o. (Xlẽ 1 Samuel 16:7.) Mlɔeba wokplɔ ɖevitɔ vɛ na Samuel, ko wòzu be eyae Yehowa tia—eyae nye David!

Samuel de dzesii be dzigbãnya aɖeke meli si gbɔ Yehowa mate ŋu akpɔ, aɖɔ ɖo, alo atrɔ wòazu yayra gɔ̃ hã o

27. (a) Nu kae na Samuel ƒe xɔse ganɔ sesẽm ɖe edzi? (b) Aleke kpɔɖeŋu si Samuel ɖo ɖi la wɔ dɔ ɖe dziwòe?

27 Le Samuel ƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me la, eva kpɔ ale si Yehowa tɔ dzɔ be wòtia David ɖe Saul teƒe la dze sii kɔtɛ. Saul va zu ŋuʋãla, si na wòdi be yeawu David, eye wòzu xɔsegbela hã. Ke David ya ɖe nɔnɔme nyuiwo abe kalẽ, fɔmaɖimaɖi, xɔse kple nuteƒewɔwɔ ene fia. Esi Samuel ƒe kuɣi nɔ ɖoɖom gɔ̃ hã la, eƒe xɔse ganɔ sesẽm ɖe edzi. Ede dzesii be dzigbãnya aɖeke meli si gbɔ Yehowa mate ŋu akpɔ, aɖɔ ɖo, alo atrɔ wòazu yayra gɔ̃ hã o. Mlɔeba Samuel ku. Le eƒe agbenɔƒe siwo ade alafa ɖeka kloe me la, eɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi wòɖe dzesi. Mewɔ nuku o be Israel blibo la fa na ŋutsu nuteƒewɔla sia! Egbea hã, anyo be Yehowa subɔlawo nabia wo ɖokuiwo be, ‘Ðe nye hã masrɔ̃ Samuel ƒe xɔsea?’

^ mm. 24 Samuel ŋutɔ wu Agag. Fia vɔ̃ɖi ma kple eƒe ƒomea siaa medze na nublanuikpɔkpɔ kura o. Edze ƒãa be Agag ƒe dzidzimevie “Agagitɔ Haman,” si te kpɔ be yeatsrɔ̃ Mawu ƒe amewo katã ɖa ƒe alafa geɖe megbe, la nye.—Ester 8:3; kpɔ agbalẽ sia ƒe Ta 15 kple 16 lia.