Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 19

‘Mawu Ƒe Nunya Ƒe Nya Ɣaɣla Kɔkɔe’

‘Mawu Ƒe Nunya Ƒe Nya Ɣaɣla Kɔkɔe’

1, 2. “Nya ɣaɣla kɔkɔe” kae wòle be wòaka mí, eye nukatae?

NYA ƔAƔLAWO! Esi amewo doa vivi ɖe wo ŋu, wo sese dzɔa dzi na ame, eye wowɔa nuku na ame ta la, zi geɖe esesẽna na amegbetɔwo be woana nya ɣaɣlawo nanɔ ɣaɣla. Gake Biblia gblɔ be: “Mawu ƒe bubue wònye be, wòaɣla nya.” (Lododowo 25:2) Ẽ, esɔ be Yehowa, Dziɖulagã kple Wɔla Gã la, tsɔa nanewo ɣlana ɖe amegbetɔƒomea vaseɖe esime eƒe ɣeyiɣia de be wòaɖe wo ɖe go.

2 Gake nya ɣaɣla dodzidzɔname wɔnuku aɖe li si Yehowa ʋu goe le eƒe Nya la me. Woyɔe be “[Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla [kɔkɔe] la.” (Efesotɔwo 1:9) Nusɔsrɔ̃ tso nya sia ŋu ana nànya nusi wònye eye wòate ŋu ahe viɖe geɖe vɛ na wò. Nya ɣaɣla sia nyanya ate ŋu ana nàkpɔ xɔxɔ eye wòagate ŋu ana nàkpɔ Yehowa ƒe nunya si seɖoƒe meli na o la ƒe akpa sue aɖe hã.

Woɖee Ðe Go Vivivi

3, 4. Aleke nyagblɔɖi si le Mose I, 3:15 naa mɔkpɔkpɔ amee, eye “nya ɣaɣla kɔkɔe” kae le eme?

3 Esi Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ la, adze abe ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo be anyigba la nanye paradiso si me amegbetɔƒome deblibo nanɔ la me gblẽ ene. Gake Mawu kpɔ kuxia gbɔ enumake. Egblɔ be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.”—Mose I, 3:15.

4 Nya siawo nye nya ɣaɣla siwo tɔtɔa ame. Amekae nye nyɔnu sia? Amekae nye da la? Amekae nye ‘dzidzimevi’ si agbã ta na da la? Ne Adam kple Xawa bu eŋu hã, womekpɔ ŋuɖoɖoawo o. Gake Mawu ƒe nya sia na mɔkpɔkpɔ srɔ̃tɔ mawɔnuteƒe mawo ƒe dzidzimevi ɖesiaɖe si awɔ nuteƒe. Dzɔdzɔenyenye  aɖu dzi godoo. Yehowa ƒe tameɖoɖo ava eme. Gake aleke wòava emee? Aa, enye nya ɣaɣla vavã! Biblia yɔe be “Mawu ƒe nunya, si le ɣaɣla la, le nya ɣaɣla [kɔkɔe] me.”—Korintotɔwo I, 2:7.

5. Wɔ nusita Yehowa ɖe eƒe nya ɣaɣla ɖe go vivivi la ƒe kpɔɖeŋu.

5 Yehowa, “amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go,” ava ɖe alesi nya ɣaɣla sia ƒe akpa vovovoawo ava emee la ɖe go mlɔeba. (Daniel 2:28) Gake aɖee afia vivivi, ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu atsɔ susu ayi alesi vifofo lɔ̃ame aɖo nya ŋu na viaŋutsu sue si biae be, “Papa, aleke mewɔ va dzɔ?” la dzi. Nya ʋɛ siwo gɔme ɖevi sue ma ate ŋu ase la koe vifofo nyanu agblɔ nɛ. Ne ɖevia le tsitsim la, fofoa anɔ nya bubuwo gblɔm kpee nɛ. Nenema ke Yehowa nya ɣeyiɣi si sɔ na eƒe amewo be wòaʋu go eƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖo na wo.—Lododowo 4:18; Daniel 12:4.

6. (a) Taɖodzinu kae le nubabla, alo ɖoɖo si woŋlɔ ɖi ŋu? (b) Nukatae wònye nusi ɖe dzesi be Yehowa nawɔ nubabla kple amegbetɔwo?

6 Aleke Yehowa ɖe nya mawo ɖe goe? Ewɔ nubabla, alo ɖoɖo, vovovowo tsɔ ɖe nya geɖe ɖe goe. Anɔ eme be nèwɔ ɖoɖo aɖe kple ame aɖe kpɔ si mieŋlɔ ɖi—ɖewohĩ be nàƒle aƒe alo be nàdo ga le ame aɖe gbɔ loo alo be wò nàdo ga na amea. Ðoɖo ma si mieŋlɔ ɖi va zu kpeɖodzi le se nu be miawɔ ɖe nusiwo dzi mielɔ̃ ɖo le eme la dzi. Gake nukatae wòhiã be Yehowa nawɔ nubabla, alo ɖoɖo si woŋlɔ ɖi kple amegbetɔwo? Godoo la, eƒe nya si wògblɔ la nye kpeɖodzi deblibo le eƒe ŋugbedodowo ŋu xoxo. Ema le eme baa, gake le ɣeyiɣi aɖewo dzi la, Mawu wɔ ɖoɖo si sɔ le se nu dɔmenyotɔe tsɔ da megbe na eƒe nyawoe. Ðoɖo matrɔmatrɔ siawo na kpeɖodzi siwo sẽ ŋu wu la mí amegbetɔ madeblibowo be míaka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi.—Hebritɔwo 6:16-18.

 Eƒe Nubabla Kple Abraham

7, 8. (a) Nu kae Yehowa bla kple Abraham, eye aleke wòna nya ɣaɣla kɔkɔe la me gakɔ ɖe edzii? (b) Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, aleke Yehowa na ƒome si me Dzidzimevi si ŋugbe wòdo adzɔ tso la me kɔe?

7 Ƒe akpe eve kple edzivɔ tso esime wonya amegbetɔ tso Paradiso me megbe la, Yehowa gblɔ na esubɔla wɔnuteƒe Abraham be: “Mana wò dzidzimevi nadzi asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo ene . . . eye anyigba dzi dukɔwo katã ayra wo ɖokui to wò dzidzimevi dzi, elabena èɖo to nye gbe.” (Mose I, 22:17, 18, NW) Nya siawo de ŋgɔ wu ŋugbedodo dzaa ko; Yehowa gblɔe abe alesi wowɔa nubabla le se nu ene eye wòtsɔ eƒe atamkaka si metrɔna o la da megbe nɛ. (Mose I, 17:1, 2; Hebritɔwo 6:13-15) Aleke gbegbe wòwɔ nuku enye si be Aƒetɔ Dziɖulagã la nawɔ ɖoɖo si woŋlɔ ɖi ŋutɔŋutɔ be yeayra ameƒomea!

‘Mana viwòwo nasɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo ene’

8 Abraham ƒe nubabla la ɖee fia be Ŋugbedodovi si ava la anye amegbetɔ, elabena anye Abraham ƒe dzidzimevi. Gake amekae wòanye? Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa ɖee fia be le Abraham ƒe viŋutsuawo dome la, Isak ye anye Dzidzimevia ƒe tɔgbui. Le Isak viŋutsu eveawo dome la, Yakob ye wotia. (Mose I, 21:12; 28:13, 14) Emegbe Yakob gblɔ nyagblɔɖinya siawo na viaŋutsu 12-awo dometɔ ɖeka, be: “Atamkayi magbe Yuda si nɔnɔ o, eye womaɖe fiatikplɔ ɖa le ekɔme o, vaseɖe esime [Silo,] amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.” (Mose I, 49:10) Azɔ wova nya be Dzidzimevia anye fia, amesi adzɔ tso Yuda-toa me!

Nubabla Kple Israel

9, 10. (a) Nu kae Yehowa bla kple Israel-dukɔa, eye takpɔkpɔ kae nubabla la nye? (b) Aleke Sea ɖe alesi ameƒomea hiã tafee la fiae?

9 Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, Yehowa wɔ ɖoɖo aɖe si ʋu mɔ na nya geɖe ɖeɖe ɖe go ku ɖe nya ɣaɣla kɔkɔea ŋu. Ebla nu kple Abraham ƒe dzidzimevi siwo nye Israel-dukɔa. Togbɔ be Mose ƒe Sea megale dɔ wɔm egbea o hã la, se ƒe  nubabla la wɔ akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe tameɖoɖo ku ɖe Ŋugbedodovia ƒe vava ŋu me. Le mɔ ka nu? Bu mɔ etɔ̃ aɖewo ŋu kpɔ. Gbã, Sea nɔ abe gli si tɔ kpɔ ɖe wo ŋu ene. (Efesotɔwo 2:14) Eme ɖoɖo dzɔdzɔeawo nɔ abe mɔxenu si ma Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo dome ene. Eyata Sea kpɔ dzidzime si me Ŋugbedodovia adzɔ tso la ta. Enyo ŋutɔ be takpɔkpɔ sia na dukɔa kpɔtɔ nɔ anyi esime Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia de be woadzi Mesia la ɖe Yuda-toa me.

10 Evelia, Sea ɖee fia kɔte be ameƒomea hiã tafe. Esi wònye Se deblibo ta la, eɖe alesi amegbetɔ nuvɔ̃mewo mete ŋu wɔ ɖe edzi bliboe o la fia. Eyata ena wòdze ƒã be “vodadawo ŋuti wotsɔe [na ɖo], vaseɖe ɣeyiɣi, si dzi [dzidzimevi] si ŋugbe wodo ɖi la ava.” (Galatiatɔwo 3:19) To lãwo ƒe vɔsawo dzi la, Sea lé avu ɖe nuvɔ̃wo ta vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Gake abe alesi Paulo ŋlɔe ene la, esi wònye be “nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o” ta la, ɖeko vɔsa mawo nye vɔvɔli na Kristo ƒe tafevɔsa la ŋutɔ. (Hebritɔwo 10:1-4) Eyata le Yudatɔ wɔnuteƒewo gome la, nubabla ma va zu “nufiala, si kplɔa [ame] yia Kristo gbɔe.”—Galatiatɔwo 3:24.

11. Mɔkpɔkpɔ gã wɔnuku kae Se ƒe nubabla la tsɔ ɖo Israel-viwo ŋkume, gake nukatae mɔnukpɔkpɔa to dukɔa ŋu?

11 Etɔ̃lia, nubabla ma na mɔkpɔkpɔ gã wɔnuku aɖe Israel-dukɔa. Yehowa gblɔ na wo be ne wowɔ nuteƒe le nubabla la me léle ɖe asi me la, woava zu “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe.” (Mose II, 19:5, 6) Mlɔeba la, dzɔdzɔme Israel-viwo te ŋu va zu nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe si anɔ dziƒo la me tɔ gbãtɔwo ya. Gake abe dukɔ ene la, Israel-viwo dze aglã ɖe Se ƒe nubabla la ŋu, wogbe Dzidzimevi si nye Mesia la, eye mɔnukpɔkpɔ ma to wo ŋu. Ekema amekawo mee woakpɔ nunɔlawo ƒe fiaɖuƒea me tɔwo ƒe xexlẽmea tsoe hafi wòade? Eye ƒomedodo kae anɔ dukɔ yayra ma kple Ŋugbedodovia dome? Woava ɖe nya ɣaɣla kɔkɔe la ƒe akpa siawo ɖe go le Mawu ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.

 Dawid ƒe Fiaɖuƒe Nubabla La

12. Nu kae Yehowa bla kple Dawid, eye aleke wòna kekeli klẽ ɖe Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea dzii?

12 Le ƒe alafa 11 lia D.M.Ŋ. me la, Yehowa gana kekeli klẽ ɖe nya ɣaɣla kɔkɔea dzi esime wògawɔ nubabla bubu. Edo ŋugbe na nuteƒewɔla Fia Dawid bena: “Maɖo viwò . . . ɖe yowòme, eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke. . . . Maɖo eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui tè dzi ɖaa.” (Samuel II, 7:12, 13; Psalmo 89:4) Fifia wova tɔ asi Dawid ƒe aƒea dzi tẽ be eya mee Dzidzimevi si ƒe ŋugbe wodo la adzɔ tso. Gake ɖe amegbetɔ gbɔlo ate ŋu aɖu dzi ‘ɖaa tegbeea’? (Psalmo 89:21, 30, 35-37) Eye ɖe fia si nye amegbetɔ ate ŋu aɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku mea?

13, 14. (a) Abe alesi wòdze le Psalmo 110 ene la, ŋugbe kae Yehowa do na Fia si wòsi ami na la? (b) Nya bubu kawoe wogato Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo dzi ɖe ɖe go le Dzidzimevia ŋu?

13 Gbɔgbɔ ʋã Dawid wòŋlɔ be: “Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui! Yehowa ka atam, eye mavee akpɔ o be: Wòe nye nunɔla tegbee le Melxizedek ƒe kɔa nu.” (Psalmo 110:1, 4) Dzidzimevi si ŋugbe wodo, si nye Mesia la, ŋue Dawid ƒe nyawo ku ɖo tẽ. (Dɔwɔwɔwo 2:35, 36) Menye Yerusalem ye Fia sia aɖu dzi atsoe o, ke boŋ tso dziƒo, le Yehowa ƒe “nuɖusi me.” Ema fia be menye Israel-nyigba dzi koe wòakpɔ dziɖuŋusẽ ɖo o ke boŋ ɖe xexe bliboa katã dzi. (Psalmo 2:6-8) Wogaɖe nya bubu aɖe ɖe go le afisia. De dzesii be Yehowa ka atam kɔkɔe be Mesia la anye “nunɔla . . . tegbee le Melxizedek ƒe kɔa nu.” Abe Melxizedek si nye fia kple nunɔla le Abraham ƒe ŋkekea me ene la, Dzidzimevi si gbɔna anye amesi Mawu ŋutɔ tia tẽ be wòanye Fia kple Nunɔla!—Mose I, 14:17-20.

14 Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Yehowa to eƒe nyagblɔɖilawo dzi ɖe nya geɖe ɖe go tso eƒe nya ɣaɣla kɔkɔea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yesaya ɖee fia be Dzidzimevia aku vɔsaku. (Yesaya 53:3-12) Mixa gblɔ afisi woadzi Mesia la le ɖi. (Mixa 5:1) Daniel gblɔ ɣeyiɣi si tututu Dzidzimevia ado kple ɣeyiɣi si wòaku gɔ̃ hã ɖi.—Daniel 9:24-27.

 Woʋu Go Nya Ɣaɣla Kɔkɔe La!

15, 16. (a) Aleke wòva emee be ‘nyɔnu aɖe dzi’ Yehowa ƒe Vi la? (b) Gome kae su Yesu si tso edzila siwo nye amegbetɔwo gbɔ, eye ɣekaɣie eya si nye Dzidzimevi si ŋugbe wodo la va do?

15 Alesi tututu nyagblɔɖi siawo ava emee la menɔ nyanya o vaseɖe esime Dzidzimevia va do ŋutɔŋutɔ. Galatiatɔwo 4:4 gblɔ be: “Esi azãgbe la ɖo vɔ la, Mawu dɔ ye ŋutɔ Via ɖo ɖa, eye nyɔnu aɖe dzii.” Le ƒe 2 D.M.Ŋ. me la, mawudɔla aɖe gblɔ na Yuda ɖetugbi nɔaƒe Maria be: “Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nàyɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; . . . Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋĩtɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.”—Luka 1:31, 32, 35.

16 Emegbe Yehowa trɔ Via ƒe agbe tso dziƒo va de Maria ƒe vidzidɔ me, eye wòva eme be nyɔnu aɖe dzii. Maria nye nyɔnu si mede blibo o. Ke hã Yesu menyi blibomademade ƒe dome tso egbɔ o, elabena ‘Mawu ƒe Vie’ wònye. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yesu dzila siwo nye amegbetɔwo, amesiwo nye Dawid ƒe dzidzimeviwo, na gome su Esi le dzɔdzɔme nu kpakple le se nu be wòanye Dawid ƒe fiazikpuia domenyila. (Dɔwɔwɔwo 13:22, 23) Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ le ƒe 29 M.Ŋ. me la, Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami nɛ hegblɔ be: “Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o.” (Mateo 3:16, 17) Dzidzimevia va do mlɔeba! (Galatiatɔwo 3:16) Fifia ɣeyiɣia de be woaɖe nya geɖe ɖe go ku ɖe nya ɣaɣla kɔkɔea ŋu.—Timoteo II, 1:10.

17. Aleke kekelia klẽ ɖe gɔmesese si le Mose I, 3:15 ŋu la dzii?

17 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, eɖe amesi da si woyɔ le Mose I, 3:15 nye la fia be eyae nye Satana, eye da la ƒe dzidzimevie nye amesiwo le Satana yome. (Mateo 23:33; Yohanes 8:44) Emegbe wova ʋu go alesi woagba ta na amesiawo tegbee. (Nyaɖeɖefia 20:1-3, 10, 15) Eye woɖe amesi nyɔnua nye la fia be eyae nye “dziƒo Yerusalem,” si nye Yehowa  ƒe gbɔgbɔ me nuwɔwɔwo ƒe habɔbɔ si le abe srɔ̃a ene le dziƒo. *Galatiatɔwo 4:26; Nyaɖeɖefia 12:1-6.

Nubabla Yeye La

18. Nukae nye “nubabla yeye” la ƒe taɖodzinu?

18 Ðewohĩ nya si wɔ dɔ ɖe ame dzi wu ɖesiaɖe si woʋu goe lae nye esi Yesu gblɔ le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me esime wòƒo nu tso “nubabla yeye” ŋu na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo. (Luka 22:20) Abe Mose ƒe Se ƒe nubabla si do ŋgɔ nɛ ene la, “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe” adzɔ tso nubabla yeye sia me. (Mose II, 19:6; Petro I, 2:9) Gake menye ŋutilã me dukɔ ye nubabla sia adzi o ke boŋ gbɔgbɔ me tɔe, “Mawu ƒe Israel,” si me tɔwo anye Kristo yomedzela wɔnuteƒe siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na. (Galatiatɔwo 6:16) Nubabla yeye sia me nɔlawo akpe ɖe Yesu ŋu le yayrawo hehe vɛ na amegbetɔƒomea me!

19. (a) Nukatae nubabla yeyea kpɔ dzidzedze le “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe” ɖoɖo anyi me? (b) Nukata woyɔa Kristotɔ amesiaminawo be “nuwɔwɔ yeye,” eye ame nenie asubɔ kple Kristo le dziƒo?

19 Gake nukatae nubabla yeye la kpɔ dzidzedze le “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe” ɖoɖo anyi me be woayra ameƒomea? Ekpɔ dzidzedze elabena le esi wòabu fɔ Kristo ƒe nusrɔ̃lawo be wonye nuvɔ̃wɔlawo teƒe la, eʋu mɔ na woƒe nuvɔ̃wo tsɔtsɔke to Kristo ƒe vɔsa dzi boŋ. (Yeremya 31:31-34) Zi alesi tenɔnɔ dzadzɛ su wo si le Yehowa ŋkume ko la, exɔa wo wozua eƒe dziƒo ƒomea me tɔwo eye wòtsɔa gbɔgbɔ kɔkɔe sia ami na wo. (Romatɔwo 8:15-17; Korintotɔwo II, 1:21) Eyata mɔnukpɔkpɔ su wo si be ‘wogbugbɔ gadzi wo yeyee hena mɔkpɔkpɔ gbagbe si wodzra ɖo ɖi na wo le dziƒo.’ (Petro I, 1:3, 4) Esi ɖoƒe kɔkɔ sia si su wo si la nye nu yeye kura na amegbetɔwo ta la, woyɔa Kristotɔ amesiamina siawo siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la be wonye “nuwɔwɔ yeye.” (Korintotɔwo II, 5:17)  Biblia ɖee fia be ame 144,000 ye akpɔ gome le eme mlɔeba aɖu ameƒomea me tɔ siwo kpɔ ɖeɖe la dzi tso dziƒo.—Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1-4.

20. (a) Nya kae woʋu goe ku ɖe nya ɣaɣla kɔkɔea ŋu le ƒe 36 M.Ŋ. me? (b) Amekawoe ase vivi le yayra si ƒe ŋugbe wodo na Abraham me?

20 Amesiamina siawo, kpakple Yesu, va zu ‘Abraham ƒe dzidzimevi’ la. * (Galatiatɔwo 3:29) Ame gbãtɔ siwo wotia la nye ŋutilã me Yudatɔwo. Gake le ƒe 36 M.Ŋ. me la, wogaʋu go nya ɣaɣla kɔkɔea ƒe akpa bubu: Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo, alo amesiwo menye Yudatɔwo o, hã akpɔ gome le dziƒo mɔkpɔkpɔa me. (Romatɔwo 9:6-8; 11:25, 26; Efesotɔwo 3:5, 6) Kristotɔ amesiaminawo koe ase vivi le yayra siwo ƒe ŋugbe wodo na Abraham mea? Ao, elabena Yesu ƒe vɔsa ɖea vi na xexe blibo la. (Yohanes I, 2:2) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa ʋu goe be “ameha gã” siwo xexlẽme meli na o la atsi agbe le Satana ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Woafɔ ame gbogbo aɖewo hã ɖe tsitre eye mɔkpɔkpɔ asu wo si be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me!—Luka 23:43; Yohanes 5:28, 29; Nyaɖeɖefia 20:11-15; 21:3, 4.

Mawu ƒe Nunya Kple Nya Ɣaɣla Kɔkɔe La

21, 22. Mɔ kawo nue Yehowa ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea ɖe eƒe nunya fia le?

21 Nya ɣaɣla kɔkɔe la nye “Mawu ƒe nunya bubu ƒomevi geɖe la” ɖeɖe fia si wɔ nuku ŋutɔ. (Efesotɔwo 3:8-10) Nunya ka gbegbe enye si Yehowa ɖe fia le nya sia ɣaɣla me, kple le eɖeɖe ɖe go vivivii me! Le nunya me, ebu amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye wòɖe mɔ na wo be woaɖe alesi woƒe dzi ƒe nɔnɔme le ŋutɔŋutɔ afia.—Psalmo 103:14.

22 Yehowa gaɖe eƒe nunya si nu bubu aɖeke mede o fia le Yesu tiatia be wòanye Fia me. Yehowa ƒe Vi lae nye amesi dzi woate ŋu aka ɖo wu nuwɔwɔ bubu ɖesiaɖe le xexeame godoo.  Yesu to fukpekpe ƒomevi vovovowo me esime wònye amegbetɔ ŋutilã kple ʋu. Ese amegbetɔwo ƒe kuxiwo gɔme bliboe. (Hebritɔwo 5:7-9) Ke Yesu ƒe hati dziɖulawo hã ɖe? Le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, wosi ami na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa—wotia wo tso ameƒomeviwo katã, gbegbɔgblɔwo, kple nɔnɔme vovovowo me. Kuxi aɖeke meli si me amesiawo dometɔ ɖekaɖekawo meto kpɔ eye wònɔ te ɖe enu o. (Efesotɔwo 4:22-24) Fia nunɔla nublanuikpɔla siawo ƒe dziɖuɖu te nɔnɔ anye dzidzɔ ale gbegbe!

23. Mɔnukpɔkpɔ gã kae su Kristotɔwo si ku ɖe Yehowa ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea ŋu?

23 Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Nya ɣaɣla, si woɣla ɖi tso ŋɔli mavɔwo kple dzidzimewo me ke . . . la eɖee fia eƒe ame kɔkɔewo.” (Kolosetɔwo 1:26) Ẽ, Yehowa ƒe ame kɔkɔe siwo wòsi ami na la va se nu geɖe gɔme tso nya ɣaɣla kɔkɔe la ŋu, eye woawo hã na sidzedze sia su ame miliɔn geɖe si. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si su mí katã si! Yehowa na “míenya eƒe lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla [kɔkɔe] la.” (Efesotɔwo 1:9) Mina míagblɔ nya ɣaɣla wɔnuku sia na amewo eye míakpe ɖe woawo hã ŋu be woadzro Yehowa Mawu ƒe nunya si seɖoƒe meli na o me alesi woate ŋui!

^ mm. 17 Yesu mee woɖe “mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la” ɖe go le. (Timoteo I, 3:16) Be ame aɖe nate ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa bliboe la nye nya si nɔ ɣaɣla ɣeyiɣi didi aɖe. Yesu ɖe ŋuɖoɖoa ɖe go. Elé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le dodokpɔ ɖesiaɖe si Satana he va edzii me.—Mateo 4:1-11; 27:26-50.

^ mm. 20 Yesu hã wɔ ‘fiaɖuƒe ƒe nubabla’ kple ƒuƒoƒo ma ke. (Luka 22:29, 30) Le nyateƒe me, Yesu bla nu kple ‘alẽha sue’ sia me tɔwo be woaɖu dzi kpli ye le dziƒo ahanye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa evelia.Luka 12:32.