Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Te Ðe Yehowa Ŋu

 TA 28

“Wò Ðeka Hɔ̃ Koe Nye Nuteƒewɔla”

“Wò Ðeka Hɔ̃ Koe Nye Nuteƒewɔla”

1, 2. Nukata woate ŋu agblɔ be nuteƒemawɔmawɔ teƒe kpɔkpɔ menye nu yeye na Fia Dawid o?

NUTEƑEMAWƆMAWƆ teƒe kpɔkpɔ menye nu yeye na Fia Dawid o. Ɣeaɖeɣi eƒe dziɖuɖu va ɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me esi woɖo tame vɔ̃ ɖe eŋu, eye eya ŋutɔ ƒe dukɔmeviwoe ɖo nugbe ɖe eŋu. Esi gavɔ̃ɖi wu la, Dawid ŋutɔ ƒe ame siwo wònɔ mɔ kpɔm be woanɔ ye ŋu kplikplikpli la dometɔ aɖewoe va gbugbɔ le eyome. Bu Dawid srɔ̃ gbãtɔ Mixal ŋu kpɔ. Le gɔmedzedzea la, enye amesi “lɔ̃ Dawid ƒe nya,” ɖikeke mele eme o be ekpe asi ɖe eŋu le eƒe fiadɔwo wɔwɔ me. Gake emegbe la, eva nɔ ‘fewu ɖum le eŋu le eƒe dzi me,’ eye wòbu Dawid ‘abe yakame aɖe ene’ gɔ̃ hã.—Samuel I, 18:20; Samuel II, 6:16, 20.

2 Ame bubu hã enye Dawid ŋutɔ ƒe aɖaŋuɖola, Axitofel. Wobua eƒe aɖaŋuɖoɖo abe Yehowa ŋutɔ gbɔe eƒe nyawo tso tẽ ene. (Samuel II, 16:23) Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amesia si ŋu woɖoa ŋu ɖo eye woka ɖe edzi vevie la va gbugbɔ le eyome, eye wòva wɔ ɖeka kple aglãdzela siwo ho ɖe Dawid ŋu. Eye amekae le megbe na nugbeɖoɖo sia? Dawid ŋutɔ ƒe vi Absalom ye! Nugbeɖola nugãdila sia “fi Israel-ŋutsuwo ƒe dzi,” eye wòɖo eɖokui fia si le zikpui ʋlim kplii. Absalom ƒe aglãdzedzea va kpɔ ŋusẽ ale gbegbe be eva hiã be Fia Dawid nasi aɖe eƒe agbe.—Samuel II, 15:1-6, 12-17.

3. Kakaɖedzi kae nɔ Dawid si?

3 Ðe ame aɖeke meli si yi edzi wɔ nuteƒe na Dawid oa? Le Dawid ƒe xaxawo katã me la, enyae nyuie be nuteƒewɔla aɖe li. Amekae? Menye ame bubu aɖeke tsɔ wu Yehowa Mawu o. Dawid gblɔ le Yehowa ŋu be: “Àwɔ nuteƒe na amesi nye nuteƒewɔla.” (Samuel II, 22:26, NW) Nukae nye  nuteƒewɔwɔ, eye aleke Yehowa ɖo nɔnɔme sia ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖii?

Nukae Nye Nuteƒewɔwɔ?

4, 5. (a) Nukae nye “nuteƒewɔwɔ”? (b) Aleke nuteƒewɔwɔ to vovo na nyateƒetɔnyenyee?

4 Alesi wozã nya “nuteƒewɔwɔ” le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la fia dɔmenyonyo ƒe kukuɖeameŋu lɔlɔ̃tɔe si me womana ta le o vaseɖe esime taɖodzinu si le eŋu la va eme. Esia de ŋgɔ wu anukwareɖiɖi alo nyateƒetɔnyenye ko. Nya lae nye be ame aɖe ate ŋu ato nyateƒe le esi wobiae tso esi ta ko. Gake lɔlɔ̃ dzi koŋue nuteƒewɔwɔ ya nɔ te ɖo. * Azɔ hã woate ŋu azã nya “nyateƒetɔ” ɖe nusiwo me agbe mele o ŋu. Le kpɔɖeŋu me, hakpala la yɔ dzinu be enye ‘ɖasefo nyateƒetɔ si le dziŋgɔli me,’ le esi wòdona edziedzi le zã me ta. (Psalmo 89:38) Gake womate ŋu agblɔ le dzinu ŋu be enye nuteƒewɔla o. Nukatae? Elabena nuteƒewɔwɔ nye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia—enye nɔnɔme si nusiwo me agbe mele o mate ŋu aɖe afia o.

Woyɔ dzinu be ɖasefo nyateƒetɔ, gake nuwɔwɔ nyanu siwo me agbe le koe ate ŋu aɖe Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ afia ŋutɔŋutɔ

5 Le Ŋɔŋlɔawo me gɔmesese nu la, nuteƒewɔwɔ ɖeɖe fia nye nusi me xɔlɔ̃wɔwɔ le. Be woawɔ nuteƒe ŋutɔ fia be ƒomedodo  aɖe le amesi le nuteƒea wɔm na ame kple amesi wòle ewɔm na dome. Nuteƒewɔwɔ sia tɔgbe menye nusi trɔna o. Mele abe ƒutsotsoe si yaƒoƒo ƒe tɔtrɔ vovovowo nyamana ene o. Ke boŋ nuteƒewɔwɔ, alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃, lia ke sesĩe eye wòte ŋu nɔa te ɖe kplamatsedonu sesẽtɔ kekeake nu.

6. (a) Mɔ kawo nue nuteƒewɔwɔ mebɔ ɖe amegbetɔwo dome o le, eye aleke woɖe esia gblɔ le Biblia mee? (b) Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi míato asrɔ̃ nu tso nusi nuteƒewɔwɔ fia ŋu, eye nukatae?

6 Míalɔ̃ ɖe edzi be nuteƒewɔwɔ sia ƒomevi mebɔ egbea o. Zi geɖe la, zɔhɛ kplikplikpliwoe ‘kplɔa ame dea aʋli me.’ Míesea srɔ̃tɔ siwo dzo le wo srɔ̃wo gbɔ alo megatsɔ ɖeke le eme na wo srɔ̃wo o ŋu nya zi geɖe. (Lododowo 18:24; Maleaxi 2:14-16) Nuteƒemawɔmawɔ nuwɔnawo va bɔ egbea ale gbegbe be anɔ eme be míegblɔa nya siwo sɔ kple nyagblɔɖila Mixa tɔ, be: “Nuteƒewɔlawo nu yi le anyigba dzi.” (Mixa 7:2) Togbɔ be amegbetɔwo mete ŋu vea ame nu lɔlɔ̃tɔe zi geɖe o hã la, Yehowa ya ƒe nuteƒewɔwɔ ɖe dzesi ale gbegbe. Le nyateƒe me la, mɔ nyuitɔ si dzi míato asrɔ̃ nusi nuteƒewɔwɔ fia enye be míadzro alesi Yehowa ɖea eƒe lɔlɔ̃ ƒe akpa vevi sia fianae la me.

Yehowa ƒe Nuteƒewɔwɔ si Ðeke Mesɔ Kplii O

7, 8. Nukata woate ŋu agblɔ be Yehowa ɖeka hɔ̃ koe nye nuteƒewɔla?

7 Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Wò ɖeka hɔ̃ koe nye nuteƒewɔla.” (Nyaɖeɖefia 15:4, NW) Nukata wònye eya koe? Ðe amegbetɔwo kple mawudɔlawo siaa mewɔ nuteƒe ɣeaɖewoɣi wòɖe dzesi ŋutɔ oa? (Hiob 1:1; Nyaɖeɖefia 4:8) Ke Yesu Kristo hã ɖe? Ðe menye eyae nye “nuteƒewɔla” gãtɔ na Mawu oa? (Psalmo 16:10, NW) Ekema aleke woate ŋu agblɔ be Yehowa ɖeka hɔ̃ koe nye nuteƒewɔla?

8 Gbã la, ɖo ŋku edzi be nuteƒewɔwɔ nye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia ƒe akpa aɖe. Esi ‘Mawu enye lɔlɔ̃’—nɔnɔme siae nye eƒe amenyenye bliboa—ta la, amekae agate ŋu aɖe nuteƒewɔwɔ afia bliboe wu Yehowa? (Yohanes I, 4:8) Nyateƒee, mawudɔlawo kple amegbetɔwo ate ŋu aɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo afia ya,  gake Yehowa ɖeka koe nye nuteƒewɔla deblibo le go sia go me ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake. Esi eyae nye “Amesi Li tso Blema Ʋĩ Ke” ta la, eyi edzi ɖe amenuveve si me lɔlɔ̃ le fia ɣeyiɣi didi wu nuwɔwɔ bubu ɖesiaɖe si le dziƒo loo alo anyigba dzi. (Daniel 7:9, NW) Eyata nuteƒewɔwɔ nye nɔnɔme si yɔ Yehowa me fũ. Eɖea nɔnɔme sia fiana le mɔ si nu nuwɔwɔ bubu aɖeke mate ŋu agogoe le kura o nu. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

9. Aleke Yehowa nye ‘nuteƒewɔla le eƒe dɔwo katã mee’?

9 Yehowa nye “nuteƒewɔla le eƒe dɔwo katã me.” (Psalmo 145:17, NW) Le mɔ ka nu? Míakpɔ esia ƒe ŋuɖoɖo le Psalmo 136 lia me. Woyɔ Yehowa ƒe ɖeɖedɔ aɖewo le teƒe ma, siwo dome Israel-viwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ nukutɔe le Ƒudzĩa me hã le. Eɖe dzesi be wotsɔ nyagbɔgblɔ aɖe wu kpukpuiawo dometɔ ɖesiaɖe nu, be: “Elabena eƒe amenuveve [alo, nuteƒewɔwɔ] li tegbee.” Míetsɔ psalmo sia de Biabiawo Hena Ŋugbledede me le axa 289. Ne èle kpukpui mawo xlẽm la, àkpɔe be mɔ vovovo siwo dzi Yehowa ve eƒe amewo nu lɔlɔ̃tɔe le la awɔ dɔ ɖe dziwò godoo. Ẽ, Yehowa vea esubɔla wɔnuteƒewo nu le alesi wòsea woƒe gbedodoɖa heɖoa wo ŋu le ɣeyiɣi si sɔ me la me. (Psalmo 34:7) Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si le eme na esubɔlawo nu metsina o zi alesi woawo hã yi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi nɛ ko.

10. Aleke Yehowa wɔa nuteƒe na esubɔlawo le eƒe dzidzenuwo mee?

10 Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa wɔa nuteƒe na esubɔlawo le alesi wòléa eƒe dzidzenuwo me ɖe asi nyateƒetɔe me. Yehowa ƒe susu le nyui kple vɔ̃ ŋu metrɔna abe alesi wòle le ame aɖewo siwo nɔa te ɖe woƒe seselelãme kple nukpɔsusu dzi trɔa woƒe nuŋububu ɣesiaɣi la ene o. Le ƒe akpewo katã me la, alesi wòbua nuwo abe gbɔgbɔyɔyɔ, trɔ̃subɔsubɔ, kple amewuwu ene la metrɔ o. Egblɔ to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã.” (Yesaya 46:4) Eyata kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be ne míezɔ ɖe Mawu ƒe Nya la ƒe mɔfiame siwo me kɔ ku ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu dzi la, viɖe geɖe ye wòahe vɛ na mí.—Yesaya 48:17-19.

11. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖewo siwo fia be Yehowa naa eƒe ŋugbedodowo vaa eme pɛpɛpɛ.

 11 Yehowa gawɔa nuteƒe le eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ anukwaretɔe me. Ne egblɔ nane ɖi la, evaa eme pɛpɛpɛ. Le esia ta Yehowa gblɔ be: “Nye nya, si do tso nye nu me la . . . magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.” (Yesaya 55:11) Yehowa wɔa nuteƒe na eƒe amewo le eƒe nya dzi wɔwɔ me pɛpɛpɛ nyateƒetɔe. Mena wonɔa mɔ kpɔm na nane vevie evɔ mana wòava eme o. Alesi wòle nyanya nyuie be Yehowa medoa kpo nu le esia me o tae esubɔla Yosua te ŋu gblɔ ɖo be: “Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la me o, wo katã va eme pɛpɛpɛ.” (Yosua 21:45) Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe mɔkpɔkpɔwo magbe emevava na mí gbeɖe le esi wòanye Yehowa gbɔe wòatso be mete ŋu wɔ eƒe ŋugbedodowo dzi o ta o.—Yesaya 49:23; Romatɔwo 5:5.

12, 13. Mɔ kawo nue Yehowa ƒe amenuveve “li tegbee” le?

12 Abe alesi míekpɔe va yi ene la, Biblia gblɔ na mí be Yehowa ƒe “amenuveve” si me lɔlɔ̃ le la li tegbee. (Psalmo 136:1) Le mɔ ka nu? Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye be Yehowa tsɔa nuvɔ̃wo kena keŋkeŋ tegbee. Abe alesi míedzro emee le Ta 26 lia me ene la, Yehowa megahea susu yia nuvɔ̃ si wowɔ va yi si wòtsɔ ke xoxo la dzi ake o. Esi wònye nyateƒe be “[amewo] katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo” katã ta la, ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nada akpe be Yehowa ƒe amenuveve si me lɔlɔ̃ le la li na mí tegbee.—Romatɔwo 3:23.

13 Gake Yehowa ƒe amenuveve si me lɔlɔ̃ le la li tegbee le susu bubu aɖe hã nu. Eƒe Nya la gblɔ be ame dzɔdzɔe la “ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!” (Psalmo 1:3) Bu ati dama si ƒe aŋgbawo melũa xe gbeɖe o ŋu kpɔ! Nenema ke míawo hã ne míena Mawu ƒe Nya la doa dzidzɔ na mí vavã la, míanɔ agbe didi, le tomefafa  me, eye nuwo adze edzi na mí. Yehowa ayi edzi adudu eƒe yayra akɔ ɖe esubɔla wɔnuteƒewo dzi tegbee, nuteƒewɔwɔtɔe. Vavãe, le dzɔdzɔenyenye xexe yeye si Yehowa ahe vɛ me la, ameƒomea me tɔ toɖolawo ayi edzi akpɔ eƒe amenuveve si me lɔlɔ̃ le yi ɖe mavɔmavɔ me.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Yehowa “Magblẽ Eƒe Nuteƒewɔlawo Ði O”

14. Aleke Yehowa ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe esubɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋui?

14 Yehowa ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ fia zi geɖe. Esi Yehowa metrɔna ɣeaɖekeɣi o ta la, eƒe nuteƒewɔwɔ na esubɔla anukwareɖilawo nu matsi gbeɖe o. Hakpala la ŋlɔ bena: “Menɔ ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o. Elabena Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe [nuteƒewɔlawo, NW] ɖi o.” (Psalmo 37:25, 28) Nyateƒee, Yehowa, si nye Wɔla la, dze na míaƒe tadedeagu. (Nyaɖeɖefia 4:11) Ke hã esi Yehowa nye nuteƒewɔla ta la, edea asixɔxɔ míaƒe nuwɔwɔ anukwaretɔe ŋu.—Maleaxi 3:16, 17.

15. Ðe alesi Yehowa ƒe nuwɔwɔ ɖe Israel-viwo ŋu ɖe Eƒe nuteƒewɔwɔ fiae la me.

15 Le Yehowa ƒe amenuveve si me lɔlɔ̃ le ta la, exɔna na eƒe amewo zi geɖe ne woɖo xaxa me. Hakpala la gblɔ na mí be: “Ekpɔa eƒe ame wɔnuteƒewo ƒe luʋɔ ta; eɖea wo tsoa ame vɔ̃ɖiwo si me.” (Psalmo 97:10, NW) Bu alesi wòwɔ nu ɖe Israel-dukɔa ŋui ŋu kpɔ. Esi wòɖe Israel-viwo nukutɔe wotso Ƒudzĩa vɔ la, wogblɔ le ha si wodzi na Yehowa me be: “Le wò amenuveve [alo, “nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃,” etenuŋɔŋlɔ] me nèkplɔ amesiwo nèɖe la.” (Mose II, 15:13, NW) Ðeɖe si wokpɔ le Ƒudzĩa me la nye nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si Yehowa ɖe fia nyateƒe. Eyata Mose gblɔ na Israel-viwo be: “Menye esi miesɔ gbɔ wu dukɔwo katã ta Yehowa ku ɖe mia ŋu, eye wòtia mi ɖo o, elabena miele ʋɛ le dukɔwo katã dome; ke boŋ esi Yehowa lɔ̃ mi, eye wòwɔ eƒe atam, si wòka na mia fofowo dzi ta Yehowa tsɔ asi sesẽ kplɔ mi tso  kluvinyenyeƒe me, eye wòɖe mi tso Farao, Egipte-fia si me.”—Mose V, 7:7, 8.

16, 17. (a) Aleke Israel-viwo gbe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia nukutɔe, ke hã aleke Yehowa ɖe nublanuikpɔkpɔ fia woe? (b) Aleke Israel-vi akpa gãtɔ ɖee fiae be ‘ɖɔɖɔɖowɔwɔ aɖeke meganɔ yewoƒe nuwɔna ŋu o,’ eye nuxlɔ̃ame kpɔɖeŋu kae esia nye na mí?

16 Nyateƒee wònye be abe dukɔ ene la, Israel gbe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe amenuveve si wòɖe fia wo lɔlɔ̃tɔe la ŋu, elabena le woƒe ɖeɖekpɔkpɔ megbe la, “woyi dzi gawɔ nuvɔ̃ ɖe [Yehowa ŋu], eye wodze aglã ɖe dziƒoʋĩtɔ la ŋu.” (Psalmo 78:17) Le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo me la, woyi edzi dze aglã zi geɖe, wogbugbɔ le Yehowa yome va de ta agu na alakpamawuwo eye woƒo wo ɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ si he gbɔɖiɖi va wo dzii me. Ke hã Yehowa metu eƒe nu si wòbla kpli wo o. Yehowa to nyagblɔɖila Yeremya dzi ɖe kuku boŋ na eƒe amewo be: “Israel dzeaglã, . . . gatrɔ, nyemaɖo adã ɖe mia ŋu o, elabena [nuteƒewɔla] menye.” (Yeremya 3:12) Gake abe alesi míede dzesii le Ta 25 lia me ene la, nya siawo meʋã dzi na Israel-vi akpa gãtɔ o. Nyateƒee, “woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu.” Nukae va do tso eme? Mlɔeba la, “Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.”—Kronika II, 36:15, 16.

17 Nukae míesrɔ̃ tso nusia me? Eyae nye be Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ mefia be etsɔa nusianu ko alo be woate ŋu aflui o. Nyateƒee wònye be Yehowa ƒe “amenuveve . . . sɔ gbɔ,” eye wòdzɔa dzi nɛ be yeakpɔ nublanui ne nane li si dzi wòanɔ te ɖo akpɔe ya. Gake nukae dzɔna ne nuvɔ̃wɔla aɖe va nye ame vɔ̃ɖi si gbe tɔtrɔ wɔwɔ kura? Le nɔnɔme mawo me la, Yehowa léa eya ŋutɔ ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi drɔ̃a toheʋɔnu amea. Abe alesi wògblɔe na Mose ene la, Yehowa “megbea tohehe o.”—Mose II, 34:6, 7.

18, 19. (a) Aleke Yehowa ƒe tohehe na ame vɔ̃ɖiwo la ŋutɔ hã nye eƒe nuteƒewɔwɔe? (b) Mɔ ka nue Yehowa awɔ nuteƒe na esubɔla siwo yome woti vaseɖe ku me ke le?

18 Mawu ƒe tohehe si vaa ame vɔ̃ɖiwo dzi la ŋutɔ hã nye eƒe  nuteƒewɔwɔ. Le mɔ ka nu? Míekpɔ esia ƒe kpeɖodzi le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me le se si Yehowa de na mawudɔla adreawo me, be: “Miheyi, ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekpluawo akɔ ɖe anyigba dzi.” Esi mawudɔla etɔ̃lia trɔ eƒe kplua “kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsi dzidziwo me” la, wotrɔ zu ʋu. Eye mawudɔla la gblɔ na Yehowa bena: “Wò amesi li, eye nènɔ anyi, [wò Nuteƒewɔla la, “NW”] wòe nye dzɔdzɔetɔ, le esi nèdrɔ̃a ʋɔnu ale la ŋuti; elabena wotrɔ ame kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kɔ ɖe anyi, eye nètsɔ ʋu na wo, bena woano, eye wòdze wo nenema.”—Nyaɖeɖefia 16:1-6.

Yehowa aɖo ŋku amesiwo wɔ nuteƒe nɛ vaseɖe ku me ke gɔ̃ hã dzi afɔ wo ɖe tsitre nuteƒewɔwɔtɔe

19 De dzesii be le ʋɔnudrɔ̃gbedasi mawo gbɔgblɔ me la, mawudɔla la yɔ Yehowa be enye “Nuteƒewɔla.” Nukatae? Elabena to ame vɔ̃ɖiwo tsɔtsrɔ̃ me la, Yehowa le nuteƒe wɔm na esubɔlawo, amesiwo dometɔ geɖe yome woti vaseɖe ku me ke. Nuteƒewɔwɔtɔe la, amesiawo kpɔtɔ le agbe ŋutɔŋutɔ le Yehowa ƒe susu me. Ele edzrom vevie be yeakpɔ nuteƒewɔla siawo siwo ku la ake, eye Biblia ɖo kpe edzi be eƒe tameɖoɖo enye be yeaɖo eteƒe na wo to wo fɔfɔ ɖe tsitre me. (Hiob 14:14, 15) Yehowa meŋlɔa esubɔla wɔnuteƒewo be le esi woku ta ko o. Ke boŋ “wo katã wole agbe nɛ.” (Luka 20:37, 38)  Yehowa ƒe tameɖoɖo be yeagagbɔ agbe amesiwo le yeƒe susu me la nye eƒe nuteƒewɔwɔ ƒe kpeɖodzi sẽŋu aɖe.

Nazitɔwo wu Bernard Luimes (etame) kple Wolfgang Kusserow (titina)

Dunyaheha aɖe me tɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe tɔ akplɔ Moses Nyamussua wòku

Yehowa ƒe Nuteƒewɔwɔ ƒe Lɔlɔ̃ Ʋua Mɔ na Ðeɖekpɔkpɔ

20. Amekawoe nye “nublanuikpɔkpɔ ƒe ze” la, eye aleke Yehowa wɔ nuteƒe na woe?

20 Le ŋutinyawo katã me la, Yehowa wɔ nuteƒe na amegbetɔ wɔnuteƒewo wòɖe dzesi ale gbegbe. Le nyateƒe me la, Yehowa yi edzi “lé dziku ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena gbegblẽ la, ɖe asi” ƒe akpe geɖe enye sia. Nukatae? “Bene yeana woanya eƒe ŋutikɔkɔe ƒe agbɔsɔsɔ hã ɖe nublanuikpɔkpɔ ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena ŋutikɔkɔe la ŋu.” (Romatɔwo 9:22, 23) “Nublanuikpɔkpɔ ƒe ze” siawoe nye amesiwo si nɔnɔme si dze le, siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na be woanye Kristo ƒe hatidziɖulawo le eƒe Fiaɖuƒea me. (Mateo 19:28) Alesi Yehowa  ʋu ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ ɖi na nublanuikpɔkpɔ ƒe ze siawo la ɖee fia be ewɔ nuteƒe na Abraham, amesi wòdo ŋugbe sia na le nubabla me be: “Anyigba dzi dukɔwo katã ayra wo ɖokui to wò dzidzimevi dzi, elabena èɖo to nye gbe.”—Mose I, 22:18, NW.

Esi Yehowa nye nuteƒewɔla ta la, etsɔme mɔkpɔkpɔ vavã aɖe le esubɔlawo wɔnuteƒewo katã si.

21. (a) Aleke Yehowa wɔa nuteƒe na “ameha gã” la me tɔ siwo le mɔ kpɔm be yewoatso “xaxa gã” lae? (b) Nukae Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ ʋã wò be nàwɔ?

21 Yehowa wɔa nuteƒe alea na “ameha gã” la me tɔwo hã, amesiwo ƒe mɔkpɔkpɔ enye be yewoatso “xaxa gã” la ahanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14) Togbɔ be Yehowa subɔlawo nye ame madeblibowo hã la, ena mɔnukpɔkpɔ wo nuteƒewɔwɔtɔe be woanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi. To mɔ ka dzi? To tafevɔsa la dzi—si nye Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ ɖeɖe fia gãtɔ kekeake. (Yohanes 3:16; Romatɔwo 5:8) Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ hea amesiwo ɖee fia le woƒe dzi me be dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ le yewo wum la ɖe eyama ŋu. (Yeremya 31:3) Ðe nèsee le ɖokuiwò me be nuteƒewɔwɔ deto si Yehowa ɖe fia eye wòayi edzi aɖee afia la na nète ɖe eŋu kplikplikpli wua? Esi wònye míaƒe didi be míate ɖe Mawu ŋu ta la, neva eme be míawɔ nu alesi dze ɖe eƒe lɔlɔ̃ si wòɖe fia mí la nu, to alesi míado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe me.

^ mm. 4 Enyo be míade dzesii be nya si gɔme woɖe le Samuel II, 22:26 be “nuteƒewɔwɔ” la ke gɔme wogaɖe le teƒe bubuwo be “amenuveve” alo “nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃.”