Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Te Ðe Yehowa Ŋu

 TA 15

Yesu ‘Ðo Dzɔdzɔenyenye Anyigba Dzi’

Yesu ‘Ðo Dzɔdzɔenyenye Anyigba Dzi’

1, 2. Ɣekaɣie Yesu do dziku, eye nukatae?

EDZE ƒã be Yesu do dziku—eye susu nyui aɖe tae. Ðewohĩ asesẽ na wò be nàbu nɔnɔme sia ɖe eŋu, elabena enye amesi ƒe dɔme fa ale gbegbe. (Mateo 21:5) Gake le nyateƒe me la, ewɔ nusi sɔ pɛpɛpɛ le eƒe dzikudodo me, elabena dɔmedzoe dzɔdzɔe ye eƒe dzikua nye. * Gake nuka koŋue do dziku na ŋutifafame sia alea gbegbe? Numadzɔmadzɔwɔwɔ gã aɖee na.

2 Yesu de asixɔxɔ gbedoxɔ si nɔ Yerusalem ŋu vevie. Le xexe bliboa katã me la, teƒe ɖeka ma koe nye teƒe kɔkɔe si woɖo anyi va yi hena tadedeagu na Fofoa si le dziƒo. Yudatɔ siwo tso teƒe vovovowo zɔa mɔ didi va dea ta agu le afima. Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ siwo vɔ̃a Mawu gɔ̃ hã vana, eye wogena ɖe gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu, afisi woɖo ɖi na wo be woasubɔ le. Gake esi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme teti la, ege ɖe gbedoxɔa me eye wòkpɔ nane si nyɔ ŋu nɛ vevie. Kpɔe ɖa ko, teƒeae nye ma le abe asime ene le esi teƒe be wòanye tadeaguƒe! Asitsalawo kple gaɖɔlilawo yɔ teƒea fũ. Gake nukae nye numadzɔmadzɔwɔwɔ le nya sia me? Le ame mawo gbɔ la, ɖeko wotsɔ Mawu ƒe gbedoxɔa abe teƒe si woatafa amewo le ene—afisi woda adzo wo le gɔ̃ hã. Le mɔ ka nu?—Yohanes 2:14.

3, 4. Amewo tafatafa ŋukeklẽtɔe kae nɔ edzi yim le Yehowa ƒe aƒea me, eye afɔ kae Yesu ɖe tsɔ ɖɔ nuwo ɖoe?

3 Subɔsubɔhakplɔlawo de se be gaku ƒomevi ɖeka aɖe koe  woate ŋu azã atsɔ axe adzɔe le gbedoxɔa me. Ele be amesiwo tso teƒe vovovowo la nagba woƒe ga axɔ gaku mawo. Le esia ta gaɖɔlilawo va ɖo kplɔ̃ ɖe gbedoxɔa me tututu, henɔ ga gbogbowo xɔm ɖe ɖesiaɖe si woaɖɔ li dzi. Lãwo dzadzra hã va zu asitsadɔ gã aɖe si me wokpɔa viɖe geɖe le. Vavala siwo di be yewoasa vɔ la ate ŋu aƒle lã le edzralawo gbɔ le dua me hafi, gake ɖeko gbedoxɔ me megãwo agbe wo xɔxɔ tsã be womesɔ na vɔsasa o. Ke kakaɖedzi le eŋu be woaxɔ vɔsalã siwo woƒle le gbedoxɔa me ŋutɔŋutɔ ya godoo. Esi wònye be ameawo va le nudzralawo si me ta la, ɣeaɖewoɣi wodzraa nuawo ɖe asi gã dzi na wo. * Woƒe nuwɔna sia gavɔ̃ɖi wu amebaba si yia edzi le asitsatsa me gɔ̃ hã. Esɔ kple adzodada amewo!

“Mitsɔ nu siawo dzoe le afi sia!”

4 Yesu mate ŋu aŋe aɖaba aƒu numadzɔmadzɔwɔwɔ sia dzi o. Eya ŋutɔ Fofoa ƒemee! Etsɔ ka gbi atam eye wònya woƒe nyi kple alẽ gbogboawo do goe le gbedoxɔa me. Eyome etrɔ ɖe gaɖɔlilawo ŋu eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi. Kpɔe ɖa ko le susu me be gaku gbogbo mawo naka hlẽ ɖe xɔa me afisi woɖo kpe zɔzrɔ̃e ɖe anyigba la! Egblɔ na ŋutsu siwo nɔ akpakpawo dzram kple ŋkubiã be: “Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia!” (Yohanes 2:15, 16) Edze abe ame aɖeke mekatse be yeatɔ gbe nusi wɔm ŋutsu dzinɔameƒotɔ sia nɔ o ene.

‘Vi si Ði Fofoa’

5-7. (a) Aleke Yesu ƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu la kpɔ ŋusẽ ɖe alesi wòbua dzɔdzɔenyenyee dzi, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me? (b) Aleke Kristo tsi tre ɖe nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye kple eƒe ŋkɔ ŋu la ŋui?

5 Gake asitsalawo gatrɔ va. Anɔ ƒe etɔ̃ megbe la, Yesu gatso ɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ ma ke ŋu, eye azɔ la, eyɔ nya tso  Yehowa ŋutɔ ƒe nya si wògblɔ tsɔ bu fɔ amesiwo tsɔ Eƒe aƒea wɔ “adzodalawo ƒe doe” me. (Mateo 21:13; Yeremya 7:11) Ẽ, esi Yesu kpɔ ametafatafa ŋukeklẽtɔe si nɔ edzi yim kple alesi wonɔ ɖi ƒom Mawu ƒe gbedoxɔae la, ese le eɖokui me abe alesi Fofoa see ene. Eye esia mewɔ nuku kura o! Elabena Fofoa si le dziƒo fia nu Yesu ƒe miliɔn gbogbo manyaxlẽwo. Esia wɔe be Yehowa ƒe nukpɔsusu le dzɔdzɔenyenye ŋu va su esi. Eva zu kpɔɖeŋu gbagbe si sɔ ɖe nya sia nu be, ‘Vi la ɖi Fofoa.’ Eyata ne míedi be Yehowa ƒe nɔnɔme si nye dzɔdzɔenyenye nadze na mí nyuie la, ke nu nyui aɖeke megali míawɔ wu be míade ŋugble le Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu ŋu o.—Yohanes 14:9, 10.

6 Yehowa ƒe Tenuvi la nɔ anyi esime Satana tɔ gbe Yehowa Mawu madzemadzee be enye aʋatsokala eye wòtsɔ nya ɖe Eƒe dzedze be wòanye dziɖula ŋu. Ameŋugblẽnya kae nye si! Vi la gase nya si Satana fɔ ɖe te emegbe be amegbetɔ aɖeke masubɔ Yehowa faa le eɖokui si, le lɔlɔ̃ me gbeɖe o. Ðikekemanɔmee la, alakpanutsotso siawo ɖu dzi na Vi la, amesi si dzi dzɔdzɔe le la vevie. Aleke gbegbe wòadzɔ dzi nɛ enye si be wòase be yeawɔ akpa vevi aɖe le nya si fɔ ɖe te la gbɔ kpɔkpɔ me! (Korintotɔwo II, 1:20) Mɔ ka nue wòawɔe le?

7 Abe alesi míesrɔ̃e le Ta 14 lia me ene la, Yesu Kristo ɖo Satana ƒe nutsotso si wòtsɔ ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu la ŋuti keŋkeŋ, bliboe. Yesu to esia me ɖo nusi dzi woanɔ te ɖo mlɔeba aʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ahakɔ Eƒe ŋkɔ ŋu la anyi. Yesu si nye Yehowa ƒe Ame Vevitɔ si Dzi Wòato ana eƒe tameɖoɖowo nava eme la ana Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye naxɔ xexe bliboa me. (Dɔwɔwɔwo 5:31) Eƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi hã ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia. Yehowa gblɔ le eŋu be: ‘Matsɔ nye gbɔgbɔ la ada ɖe eyama dzi, eye wòana nusi dzɔdzɔenyenye nye la me nakɔ na dukɔwo.’ (Mateo 12:18) Aleke Yesu na nya mawo va emee?

 Yesu Na ‘Nusi Dzɔdzɔenyenye Nye’ la Me Kɔ

8-10. (a) Aleke Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo ƒe kɔnyinyi siwo wofiana kple nu ko de vlododo amesiwo menye Yudatɔwo o kpakple nyɔnuwo ƒe dzi ƒoe? (b) Mɔ kawo nue se siwo wogblɔ kple nu ko trɔ se si Yehowa de ku ɖe Sabat ŋu wòzu agba gãe le?

8 Yesu lɔ̃ Yehowa ƒe Sea eye wònɔ agbe ɖe enu. Gake subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eŋɔli la tro Sea eye wozãe madzemadzee. Yesu gblɔ na wo be: “Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, . . . miegblẽ nusiwo le kpekpem wu le sedede la me: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse la ɖi.” (Mateo 23:23) Edze ƒã be amesiwo nɔ Mawu ƒe Sea fiam la mena ‘nusi dzɔdzɔenyenye nye’ la me kɔ o. Ðe wona nusi nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la do viviti ɖe amewo boŋ. Le mɔ ka nu? Bu eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

9 Yehowa gblɔ na eƒe amewo be woaɖe wo ɖokui ɖa tso trɔ̃subɔdukɔ siwo ƒo xlã wo gbɔ. (Fiawo I, 11:1, 2) Gake subɔsubɔhakplɔla zazɛ̃nyahela aɖewo ƒoe ɖe ameawo nu be woanyɔ ŋu amesiwo menye Yudatɔwo o eye woagabu wo ɖe naneke me o. Wotsɔ se sia de Mishnah la me gɔ̃ hã be: “Womagblẽ nyi ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe amedzrodzeƒewo o elabena wobui be wodɔa lãwo gbɔ.” Nazãbubu vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ɖe amesiwo katã menye Yudatɔwo o ŋu alea mesɔ o eye eto vovo na nufiame si le Mose ƒe Sea me. (Mose III, 19:34) Amewo ƒe sedede bubuwo ɖi gbɔ nyɔnuwo. Se si wogblɔ kple nu ƒe ɖe gblɔ be mele be nyɔnuwo nanɔ wo srɔ̃ŋutsuwo ƒe axadzi ne wole zɔzɔm o, ele be woanɔ wo megbe. Woxlɔ̃ nu ŋutsuwo be woagaɖo dze kple nyɔnuwo, woa ŋutɔwo srɔ̃ gɔ̃ hã, le dutoƒo o. Se meɖe mɔ na nyɔnuwo be woaɖu ɖasefo le ʋɔnudrɔ̃ƒe o, abe alesi womeɖe mɔ na kluviwoe o ene. Gbedodoɖa aɖe gɔ̃ hã li si wodona ɖa si me ŋutsuwo daa akpe na Mawu be yewomedzɔ nyɔnuwoe o.

10 Subɔsubɔhakplɔlawo tsɔ amegbetɔwo ƒe sedede kple kɔnyinyi gbogbo aɖewo tsyɔ Mawu ƒe Sewo dzii. Le kpɔɖeŋu me, ɖeko Sabat-sea gblɔ be woagawɔ dɔ le Sabat-ŋkeke dzi o, elabena enye ŋkeke si woɖo ɖi na tadedeagu, na ŋusẽdodo ame ɖokui le gbɔgbɔ me, kple na ɖiɖiɖeme. Gake Farisitɔwo na se ma va zu agba gã aɖe. Wotsɔe ɖo wo ɖokui dzi be yewoatso nya  me le nusi “dɔwɔwɔ” nye ŋu. Woyɔ nuwɔna vovovo 39 be wonye dɔwɔwɔ, siwo dometɔ aɖewo ku ɖe nuŋeŋe alo adedada ŋu. Biabia gbogbo aɖewo va fɔ ɖe te le nya siawo me. Ne ame aɖe wu axɔ̃ le Sabat dzi la, ɖe woabui be enye adedada? Ne egbe nuku aɖe esi wòtso eme va yina be yeaɖu la, ɖe woabui be enye nuŋeŋea? Ne woda dɔ na amesi dze dɔ la, ɖe woabui be enye dɔwɔwɔa? Wova wɔ se kluklui gbogbo aɖewo siwo me sẽ be woatsɔ akpɔ nya siawo tɔgbe gbɔe.

11, 12. Aleke Yesu ɖee fiae be yemeda asi ɖe kɔnyinyi siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o siwo Farisitɔwo da ɖe amewo dzi la dzi o?

11 Le nɔnɔme siawo tɔgbe me la, aleke Yesu akpe ɖe amewo ŋui be woase nusi dzɔdzɔenyenye nye la gɔmee? Le eƒe nufiafia kple eƒe nuwɔna me la, etsi tre ɖe subɔsubɔhakplɔla mawo ŋu dzinɔameƒotɔe. Gbã bu eƒe nufiafia aɖewo ŋu kpɔ. Ebu fɔ woƒe se gbogbo siwo wode la tẽ, esi wògblɔ be: “Miena Mawu ƒe nya la tsi mabumabu le miaƒe kɔ, si mieɖo anyi la ŋuti.”—Marko 7:13.

12 Yesu zã nya siwo nu sẽ tsɔ fia nui be Farisitɔwo ƒe nya medzɔ le Sabat-sea me o—be le nyateƒe me la, taɖodzinu si tututu le sea ŋu la bu ɖe wo. Eɖe eme be Mesia lae nye “Sabat ƒe aƒetɔ” eyata yekpɔ mɔ ada dɔ na amewo le Sabat dzi. (Mateo 12:8) Be wòate gbe ɖe eƒe nyaa dzi la, eda dɔ na amewo nukutɔe le gaglãgbe le Sabat dzi. (Luka 6:7-10) Dɔdada mawo nye nusi wòava wɔ le xexeame godoo le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe. Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu ma ŋutɔ anye Sabat gãtɔ le eɖokui si, esime ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo katã adzudzɔ tso dagbadagba le nuvɔ̃ kple ku ƒe agba la te mlɔeba.

13. Se kae va te dɔwɔwɔ to Kristo ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa dzi, eye aleke wòto vovo na esi teƒe wòva xɔ ɖo lae?

13 Yesu gana nusi dzɔdzɔenyenye nye la me kɔ le mɔ sia nu be woɖo se yeye aɖe, si nye “Kristo ƒe se la,” anyi esime wòwu eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa nu vɔ megbe. (Galatiatɔwo 6:2) To vovo na se si teƒe wòva xɔ ɖo, si nye Mose ƒe Sea la, se yeye sia ƒe akpa gãtɔ menɔ te ɖe se gbogbo siwo woŋlɔ ɖi dzi o, ke boŋ ɖe gɔmeɖose dzi. Gake sedede aɖewo le eme siwo wogblɔ tẽ ya. Yesu yɔ wo dometɔ ɖeka be “se yeye.” Yesu fia eyomedzelawo  be woalɔ̃ wo nɔewo abe alesi yelɔ̃ woe ene. (Yohanes 13:34, 35) Ẽ, ele be ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ nanye nu vevi si aɖe dzesi le amesiwo katã nɔa agbe ɖe “Kristo ƒe se la” nu ŋu.

Dzɔdzɔenyenye ƒe Kpɔɖeŋu Gbagbe

14, 15. Aleke Yesu ɖee fiae be yenya afisi yeƒe ŋusẽ se ɖo, eye nukata esia naa kakaɖedzi mí?

14 Menye ɖeko Yesu fia nu tso lɔlɔ̃ ŋu ko evɔ o. Enɔ agbe ɖe “Kristo ƒe se la” nu hã. Edze le eƒe agbenɔnɔ katã me. Bu mɔ siwo dzi kpɔɖeŋu si Yesu ɖo si na nusi dzɔdzɔenyenye nye me kɔ la dometɔ etɔ̃ ŋu kpɔ.

15 Gbã la, Yesu kpɔ nyuie be yemewɔ naneke si anye nu madzɔmadzɔ o. Ðewohĩ ède dzesii be amegbetɔ madeblibowo wɔa nu madzɔmadzɔ geɖe ne dada va ge ɖe wo me eye wowɔ nu wògbɔ afisi woƒe ŋusẽ ɖo ŋu. Yesu mewɔ nu nenema o. Ɣeaɖeɣi la, ŋutsu aɖe va Yesu gbɔ va gblɔ nɛ be: “Nufiala, gblɔ na nɔvinye be, wòamã domenyinyi la me kplim.” Aleke Yesu ɖo eŋui? “Ame, amekae ɖom ʋɔnudrɔ̃la alo numãla ɖe mia dzi mahã?” (Luka 12:13, 14) Ðe esia meɖe dzesi ŋutɔ oa? Yesu ƒe nunya, eƒe nugɔmesese, kple ŋusẽ si Mawu tsɔ nɛ gɔ̃ hã gbɔ amesiame tɔ ŋu le anyigba dzi; ke hã egbe be yemade nu nya sia me o, le esi wometsɔ ŋusẽ ma tututu de esi be wòawɔ dɔ ma o ta. Yesu bɔbɔ eɖokui ɣeawokatãɣi le mɔ sia nu, le ƒe akpe teƒe akpe geɖe siwo wònɔ anyi do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu me gɔ̃ hã. (Yuda 9) Enye nɔnɔme nyui aɖe ŋutɔ be Yesu ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖokuibɔbɔtɔe le nusi le dzɔdzɔe wɔwɔ me.

16, 17. (a) Aleke Yesu ɖe dzɔdzɔenyenye fia le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia mee? (b) Aleke Yesu ɖee fiae be nublanuikpɔkpɔ dze le alesi yebua dzɔdzɔenyenyee me?

16 Evelia, Yesu ɖe dzɔdzɔenyenye fia le alesi wòɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me. Mede vovototo amewo me o. Ke boŋ edze agbagba anukwaretɔe be yeaɖo amewo katã gbɔ, woɖanye kesinɔtɔwo alo ame dahewo o. To vovo na esia la, Farisitɔwo ya gbe ame dahe siwo nye ame tsɛwo eye woyɔ vlodoameŋkɔ na wo be ʽam-ha·ʼaʹrets, alo “amesiwo le anyigba.” Yesu ɖɔ numadzɔmadzɔwɔwɔ ma ɖo dzinɔameƒotɔe. Ne  ele nyanyuia fiam amewo—alo ne ele nu ɖum kple amewo, le nuɖuɖu nam wo, le dɔ dam na wo, alo le ame kukuwo fɔm ɖe tsitre gɔ̃ hã—la, eléa Mawu si ƒe didi wònye be woaɖo “amewo katã” gbɔ la ƒe dzɔdzɔenyenye me ɖe asi. *Timoteo I, 2:4.

17 Etɔ̃lia, nublanuikpɔkpɔ gã aɖe dze le alesi Yesu bua dzɔdzɔenyenyee me. Edze gbagba ɖesiaɖe be yeakpe ɖe nuvɔ̃wɔlawo ŋu. (Mateo 9:11-13) Elɔ̃ faa be yeaxɔ na amesiwo ŋu ŋutete mele be woaxɔ na wo ɖokui o. Le kpɔɖeŋu me, Yesu mewɔ ɖeka kple subɔsubɔhakplɔlawo le Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo mabumabu ɖe naneke me ƒe nɔnɔmea dodo ɖe ŋgɔ me o. Ekpe ɖe amesiawo dometɔ aɖewo ŋu hefia nu wo nublanuikpɔkpɔtɔe, togbɔ be Yudatɔwo koŋ gbɔe wodɔe ɖo gɔ̃ hã. Elɔ̃ faa be yeada dɔ na Roma-ʋafia aɖe ƒe subɔvi, eye wògblɔ tso aʋafia la ŋu be: “Le Israel me hã la nyemekpɔ nenem dzixɔse sia tɔgbe kpɔ o.”—Mateo 8:5-13.

18, 19. (a) Mɔ kawo nue Yesu de bubu nyɔnuwo ŋu le? (b) Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋu kpe ɖe mía ŋu míekpɔ kadodo si le dzinɔameƒo kple dzɔdzɔenyenye dome?

18 Nenema ke Yesu melɔ̃ ɖe nɔnɔme si woɖena fiaa nyɔnuwo dzi o. Ke boŋ ewɔ nusi sɔ dzinɔameƒotɔe. Wobua Samaria-nyɔnuwo be womele kɔkɔe o abe alesi ko wobua Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwoe ene. Ke hã Yesu mehe ɖe megbe le gbeƒãɖeɖe na Samaria-nyɔnua le vudo si le Sixar to o. Le nyateƒe me la, nyɔnu siae nye ame gbãtɔ si Yesu ɖe eɖokui fia kɔte be yee nye Mesia si ŋugbe wodo la. (Yohanes 4:6, 25, 26) Farisitɔwo gblɔ be mele be woafia Mawu ƒe Sea nyɔnuwo o, gake Yesu zã ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe le nufiafia nyɔnuwo me. (Luka 10:38-42) Eye esime woƒe kɔnyinyiwo fia be womate ŋu aka ɖe nyɔnuwo dzi axɔ woƒe ɖaseɖiɖi o la, Yesu ya de bubu nyɔnu geɖe ŋu na mɔnukpɔkpɔ wo be wonye ame gbãtɔ siwo kpɔe le eƒe tsitretsitsi  megbe. Egblɔ na wo gɔ̃ hã be woayi aɖaka nudzɔdzɔ vevi sia ta na yeƒe nusrɔ̃la siwo nye ŋutsuwo!—Mateo 28:1-10.

19 Ẽ, Yesu na nusi dzɔdzɔenyenye nye la me kɔ na dukɔwo. Le go geɖe me la, ewɔ esia togbɔ be ate ŋu anye afɔku gã aɖe nɛ hã. Yesu ƒe kpɔɖeŋua kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be dzɔdzɔenyenye vavãtɔ me lelé ɖe asi bia dzinɔameƒo. Eyata esɔ be woyɔe be “dzata, si tso Yuda ƒe to la me.” (Nyaɖeɖefia 5:5) Ðo ŋku edzi be dzata tsi tre ɖi na dzɔdzɔenyenye dzinɔameƒotɔe. Gake le etsɔ si gbɔna kpuie me la, Yesu aɖo dzɔdzɔenyenye si de ŋgɔ wu gɔ̃ hã anyi. Le gɔmesese bliboa nu la, ‘aɖo dzɔdzɔenyenye anyigba dzi.’—Yesaya 42:4.

Mesia Fia la ‘Ðo Dzɔdzɔenyenye Anyigba Dzi’

20, 21. Le mía ŋutɔwo míaƒe ɣeyiɣia me la, aleke Mesia Fia la do dzɔdzɔenyenye ɖe ŋgɔe le xexe bliboa me kpakple le Kristo-hamea mee?

20 Tso esime Yesu va zu Mesia Fia le ƒe 1914 me la, edo dzɔdzɔenyenye ɖe ŋgɔ le anyigba dzi. Le mɔ ka nu? Ena nyagblɔɖi si le Mateo 24:14 va eme. Yesu yomedzela siwo le anyigba dzi fiaa Yehowa ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyateƒea dukɔwo katã me tɔwo. Abe Yesu ene la, womedea vovototo amewo me le gbeƒãɖeɖe na wo me o eye wowɔnɛ alesi dze, hedina be yewoana mɔnukpɔkpɔ amesiame—ɖeviwo kple tsitsiawo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo—be woava dze si Yehowa, dzɔdzɔenyenye Mawu la.

21 Yesu le dzɔdzɔenyenye dom ɖe ŋgɔ le Kristo-hamea, si wònye Ta na, la hã me. Abe alesi wogblɔe ɖi ene la, enaa ‘nunana siwo nye amewo,’ siwo nye Kristotɔ hamemegã wɔnuteƒewo, be woaxɔ ŋgɔ le hamea me. (Efesotɔwo 4:8-12) Le Mawu ƒe alẽha si ŋu wòdea asixɔxɔe kpɔkplɔ me la, ŋutsu siawo srɔ̃a Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu le dzɔdzɔenyenye dodo ɖe ŋgɔ me. Enɔa susu me na wo ɣesiaɣi be Yesu di be woawɔ nusi sɔ ɖe yeƒe alẽwo ŋu—metsɔ le eme ɖoƒe, ŋkɔxɔxɔ, alo ŋutilãmenunɔamesi kae ɖale wo si o.

22. Aleke Yehowa sena le eɖokui me le numadzɔmadzɔwɔwɔ siwo xɔ aƒe ɖe xexeame egbea ŋu, eye nukae wòtia Via be wòawɔ tso eŋu?

22 Gake le etsɔme kpuie la, Yesu aɖo dzɔdzɔenyenye si teƒe  womekpɔ kpɔ o ɖe anyigba dzi. Madzɔmadzɔnyenye xɔ aƒe ɖe xexe vɔ̃ɖi sia me. Ðevi ɖesiaɖe si aku le dɔwuame ta la nye numadzɔmadzɔwɔwɔ si ta womate ŋu ado taflatse ɖo o, vevietɔ ne míebu ga gbogbo kple ɣeyiɣi geɖe si gblẽm wole ɖe aʋawɔnuwo wɔwɔ kple na hadzela ɖokuitɔdilawo ƒe dzodzrowo gbɔ kpɔkpɔ ŋu la ŋuti. Ame miliɔn geɖe siwo le kukum dzodzro ƒe sia ƒe la nye numadzɔmadzɔwɔwɔ vovovoawo dometɔ ɖeka ko, eye esiawo katã naa Yehowa doa dziku le mɔ dzɔdzɔe nu. Etia Via be wòaho aʋa dzɔdzɔe ɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia katã ŋu eye wòahe numadzɔmadzɔwɔwɔ ƒomevi ɖesiaɖe ava nuwuwui tegbee.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 19:11-15.

23. Le Harmagedon megbe la, aleke Kristo aɖo dzɔdzɔenyenye anyi yi ɖe mavɔmavɔ mee?

23 Gake Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye de ŋgɔ wu nuvlowɔlawo tsɔtsrɔ̃ ɖa ko. Etia Via hã be wòanye “Ŋutifafafia.” Le Harmagedon-ʋa megbe la, Yesu ƒe dziɖuɖu ahe ŋutifafa ava anyigba bliboa dzi, eye aɖu dzi ‘le dzɔdzɔenyenye me.’ (Yesaya 9:5, 6) Anye dzidzɔ na Yesu ɣemaɣi be yeaɖɔ numadzɔmadzɔwɔwɔ siwo katã he nɔnɔme wɔnublanui kple fukpekpe manyagblɔwo vɛ na amewo le xexeame la ɖo. Aku ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye debliboa ŋu goŋgoŋ yi ɖe mavɔmavɔ me. Eyata ele vevie be míadi mɔ siwo dzi míato asrɔ̃ Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye fifia. Mina míakpɔ alesi míate ŋu awɔ esiae ɖa.

^ mm. 1 Le Yesu ƒe dɔmedzoe dzɔdzɔe dodo me la, enɔ abe Yehowa ene, amesi ‘dzi kuna vevie’ ɖe vɔ̃ɖinyenye ƒomevi ɖesiaɖe ŋu. (Naxum 1:2) Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa gblɔ na eƒe ame siwo dze go be wotsɔ yeƒe aƒe wɔ “adzodalawo ƒe do” megbe la, egblɔ kpee be: “Nye dɔmedzoe kple nye dziku atrɔ akɔ ɖe teƒe sia.”—Yeremya 7:11, 20.

^ mm. 3 Le Mishnah la ƒe nya nu la, nyahehe aɖe do mo ɖa le ƒe aɖewo megbe le asi gã si wokana ɖe ahɔ̃newo ŋu le gbedoxɔa me ta. Enumake woɖiɖi eƒe asi va anyi wòade alafa memama 99! Amekawoe nɔ viɖe kpɔm wu tso asitsadɔ gã sia me? Ŋutinyaŋlɔla aɖewo gblɔ be Nunɔlagã Hana ƒe ƒometɔwoe ɖo asiawo ɖe gbedoxɔa me, si na be nunɔla ma ƒe ƒomea va zu hotsuitɔ gãwo.—Yohanes 18:13.

^ mm. 16 Farisitɔwo bua ame tsɛwo, amesiwo mebi ɖe Sea me o la, be wonye ‘fiƒodemewo.’ (Yohanes 7:49) Wogblɔ be mele be woafia nu amesiawo ƒomevi loo alo atsa asi kpli wo, aɖu nu kpli wo, alo ado gbe ɖa kpli wo o. Be ame aɖe natsɔ vianyɔnu ana amesiawo wòaɖe la vɔ̃ɖi wu be wòatsɔe ana lã wɔadãwo. Wobui be tsitretsitsi meli na ame tsɛ siawo o.