Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Te Ðe Yehowa Ŋu

 TA 13

“Yehowa ƒe Se De Blibo”

“Yehowa ƒe Se De Blibo”

1, 2. Nukata ame geɖe medea bubu senyawo ŋu o, gake aleke míate ŋu ava se le mía ɖokui me le Mawu ƒe sewo ŋu?

“SENYAWO hehe do globoe wònye, . . . nusianu buna ɖe eme vĩ.” Nya mawo dze le agbalẽ aɖe si wota le ƒe 1712 me ke la me. Eŋlɔla fa konyi le alesi ɣeaɖewoɣi senyawo hehe xɔa ƒe geɖe le ʋɔnudrɔ̃ƒewoe ŋu, eye wògblẽa ga na amesiwo le didim be woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na yewo la wozua ahedalawo. Le dukɔ geɖe me la, senyawo kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo gɔmesese sẽ ale gbegbe le alesi seawo sɔ gbɔe heto vovoe ta, eye wo me yɔ fũ kple madzɔmadzɔnyenye, nazãbubu, kple nya siwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbe be ame akpa gãtɔ megadea bubu senyawo ŋu o.

2 Gake bu nya siawo siwo to vovo na ema si woŋlɔ anɔ ƒe 2,700 enye si va yi la ŋu kpɔ: ‘Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a nu le wò se la gbɔe o!’ (Psalmo 119:97) Nukatae hakpala la se le eɖokui me vevie nenema? Elabena Yehowa Mawu gbɔe se si kafum wònɔ la tso, ke menye amegbetɔwo ƒe dziɖula aɖeke gbɔe o. Ne èyi edzi srɔ̃ nu tso Yehowa ƒe sewo ŋu la, anɔ eme be àva see le ɖokuiwò me abe hakpala la ene. Nusiawo sɔsrɔ̃ ana nàva se senala gãtɔ kekeake si le xexeame godoo la ƒe susuwo gɔme.

Senala Gãtɔ Kekeake

3, 4. Mɔ kawo nue Yehowa va nye Senala le?

3 Biblia gblɔ na mí be: “Ame ɖeka koe nye sedela kple ʋɔnudrɔ̃la.” (Yakobo 4:12) Nyateƒee, Yehowae nye Senala vavã ɖeka kolia la. Dziƒonuwo gɔ̃ hã le zɔzɔm ɖe eƒe ‘dziƒo ƒe sewo’ dzi. (Hiob 38:33) Yehowa ƒe sewoe le eƒe dɔla kɔkɔe akpe teƒe akpewo hã kplɔm, elabena eɖo wo ɖe hatsotsowo me wo tɔ wo tɔwoe eye wonye Yehowa ƒe subɔla siwo bɔbɔ ɖe ete hewɔa eƒe gbe dzi.—Psalmo 104:4; Hebritɔwo 1:7, 14.

 4 Yehowa tsɔ sewo na ameƒomea hã. Dzitsinya le mía dometɔ ɖesiaɖe si, si ɖee fia be dzɔdzɔenyenye lɔ̃lae Yehowa nye. Esi dzitsinya le abe se aɖe si le mía me ene ta la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade vovototo nyui kple vɔ̃ dome. (Romatɔwo 2:14) Wotsɔ dzitsinya si de blibo na mía dzila gbãtɔwo, eyata se ʋɛ aɖewo koe wohiã. (Mose I, 2:15-17) Gake amegbetɔ madeblibo ya hiã se geɖe be wòakplɔe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. Blemafofowo abe Noa, Abraham, kple Yakob ene xɔ sewo tso Yehowa Mawu gbɔ eye woawo hã wotsɔ wo na woƒe ƒomewo. (Mose I, 6:22; 9:3-6; 18:19; 26:4, 5) Yehowa va nye Senala le mɔ si nu menɔ do ŋgɔ o esi wòtsɔ Sea na Israel-dukɔa to Mose dzi. Se siawo siwo Yehowa wɔ la na míesea alesi wòbua dzɔdzɔenyenyee gɔme nyuie wu.

Mose ƒe Sea—Ŋkuléle Ðe Eƒe Akpa Vevi Aɖewo Ŋu

5. Ðe Mose ƒe Sea nye se sesẽ siwo wotsɔ do agbae na amewoa, eye nukatae nèɖo eŋu nenema?

5 Ewɔna na ame geɖe be Mose ƒe Sea nye se vovovo siwo wotsɔ do agba na amewo eye wosesẽ. Gake mele nenema kura o. Se vovovo siwo wu 600 ye ƒo ƒu nye Se sia. Adze abe ɖe wosɔ gbɔ ŋutɔ ene, gake bu esia ŋu kpɔ ko: Va ɖo ƒe alafa 20 lia ƒe nuwuwu la, United States ƒe dukplɔsewo xɔ segbalẽ siwo katã ƒe axawo wu 150,000. Wogatsɔa se bubu siwo ade 600 kpenɛ ƒe eve ɖesiaɖe! Eyata ne wòanye agbɔsɔsɔ ƒe nyae la, ke amegbetɔwo ƒe se siwo woli kɔe ɖi la na Mose ƒe Sea ƒe agbɔsɔsɔ meɖi naneke kura o. Gake Mawu ƒe Se ma kplɔ Israel-viwo le agbenɔnɔ ƒe akpa siwo gbɔ egbegbesewo meɖo haɖe kura gɔ̃ hã o. Na míada ŋku ɖe eme akpɔ.

6, 7. (a) Nukae na Mose ƒe Sea to vovo na se bubuawo, eye sedede kae nye vevitɔ le Sea me? (b) Aleke Israel-viwo aɖee afiae be yewolɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi?

6 Sea do Yehowa ƒe dziɖulanyenye ɖe dzi. Esia na Mose ƒe Sea de ŋgɔ wu se bubu ɖesiaɖe. Se vevitɔ si le emee nye: “Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe! Eyata tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa,  wò Mawu la.” Aleke wòle be Mawu ƒe amewo nalɔ̃ eyamae? Eyae nye be ele be woasubɔe, eye woabɔbɔ wo ɖokui ɖe eƒe dziɖulanyenye te.—Mose V, 6:4, 5; 11:13.

7 Israel-vi ɖesiaɖe ɖenɛ fiana be yelɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi nenye be ebɔbɔ eɖokui ɖe amesiwo wòtsɔ ɖo wo nu la ƒe ŋusẽ te. Dzilawo, amegãwo, ʋɔnudrɔ̃lawo, nunɔlawo, eye mlɔeba fiawo, wo katã wole Mawu ƒe dziɖulanyenye teƒe. Yehowa bua aglãdzedze ɖesiaɖe ɖe amesiwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu be enye aglãdzedze ɖe ye ŋutɔ ŋu. Eye nenye be amesiwo le ŋusẽnɔƒewo hã wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu alo wɔ nu dadatɔe la, edoa dziku ɖe woawo hã ŋu. (Mose II, 20:12; 22:27; Mose V, 1:16, 17; 17:8-20; 19:16, 17) Eyata agba le akpa evea siaa dzi be woabɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye te.

8. Aleke Sea do Yehowa ƒe dzidzenu le kɔkɔenyenye ŋu ɖe dzii?

8 Sea do Yehowa ƒe dzidzenu le kɔkɔenyenye ŋu ɖe dzi. Nya siwo nye “kɔkɔe” kple “kɔkɔenyenye” dze wu zi gbɔ zi 280 le Mose ƒe Sea me. Sea kpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu be woade vovototo nusi le kɔkɔe kple nusi mele kɔkɔe o dome, woadee nusi le dzadzɛ kple nusi mele dzadzɛ o dome, heyɔ nu vovovo siwo ade 70 siwo ate ŋu ana Israel-viwo ŋuti makɔ o le kɔnu nu la ɖe eme. Se siawo ku ɖe ŋutilã ƒe dzadzɛnyenye, nuɖuɖu, kple nugododede gɔ̃ hã ŋu. Se siawo de wo dzi ŋutɔ le lãmesẽnyawo me. * Gake taɖodzinu si kɔkɔ wu kura ye nɔ wo ŋu—be wòana Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu, eye wòaɖe wo ɖe vovo tso dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe nuwɔna vɔ̃ɖi ɖigbɔwo gbɔ. Bu eƒe kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ.

9, 10. Se kawoe le se ƒe nubabla la me ku ɖe gbɔdɔdɔ kple vidzidzi ŋu, eye viɖe kawoe le se siawo ŋu?

9 Se ƒe nubabla la ƒe akpa aɖewo gblɔ be gbɔdɔdɔ kple vidzidzi —le amesiwo nye srɔ̃tɔwo dome gɔ̃ hã—wɔnɛ be ame ŋuti mekɔ o vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. (Mose III, 12:2-4; 15:16-18) Se mawo meɖi gbɔ nunana kɔkɔe siawo siwo tso Mawu gbɔ la o. (Mose I, 1:28; 2:18-25) Ke boŋ se mawo do Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ɖe dzi, eye wòkpɔ esubɔlawo ta tso ɖiƒoƒo me. Asɔ be míade dzesii be dukɔ siwo ƒo xlã Israel la tsɔa gbɔdɔdɔ kple vidzidzi kɔnuwo tsakana kple woƒe tadedeagu. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ƒe gbolowɔwɔ yia edzi le Kanaantɔwo ƒe subɔsubɔ nuwɔnawo me. Esia na agbe ƒaƒã nɔnɔ ƒomevi vloetɔ kekeake kaka ɖe wo dome. To vovo na esia la, Sea ɖe tadedeagu na Yehowa ɖa tso gbɔdɔdɔ nuwɔnawo gbɔ kura. * Eƒe viɖe bubuwo hã gali.

10 Se mawo ɖe nyateƒenya vevi aɖewo ɖe go. * Ne woagblɔe tututu la, aleke Adam ƒe nuvɔ̃a wɔna kakana tso dzidzime yi dzidzime? Ðe menye to gbɔdɔdɔ kpakple vidzidzi mee oa? (Romatɔwo 5:12) Ẽ, Mawu ƒe Se ɖoa ŋku edzi na eƒe amewo ɣesiaɣi be nuvɔ̃ li ŋutɔŋutɔ. Le nyateƒe me la, nuvɔ̃ mee wodzi mí katã ɖo. (Psalmo 51:7) Míehiã tsɔtsɔke kple xɔname bene míate ŋu ate ɖe mía Mawu kɔkɔe la ŋu.

11, 12. (a) Ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋuti gɔmeɖose vevi kawo tae woʋli le Sea me? (b) Mɔxenu kawoe le Sea me be woagatrɔ gbo nya dzɔdzɔe o?

11 Sea do Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ debliboa ɖe dzi. Le ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ nyawo me la, Mose ƒe Sea bia be nuwo nasɔ pɛpɛpɛ, alo be woada asɔ. Eyata Sea gblɔ be: “Agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe.” (Mose V, 19:21) Le esia ta le nya siwo ku  ɖe nuvlowɔwɔ ŋu me la, ele be tohehea nasɔ kple nuvlowɔwɔa. Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ƒe akpa sia dze le Se bliboa katã me eye vaseɖe egbea la, egɔmesese hiã hafi míate ŋu ase Kristo Yesu ƒe tafevɔsa la gɔme, abe alesi Ta 14 lia aɖee afia ene.—Timoteo I, 2:5, 6.

12 Mɔxenuwo hã le Sea me be woagatrɔ gbo nya dzɔdzɔe o. Le kpɔɖeŋu me, ɖasefo eve ya teti hiã bene woaɖo kpe nutsotsowo ƒe nyateƒenyenye dzi. Tohehe sesẽ li na aʋatsoɖaseɖiɖi. (Mose V, 19:15, 18, 19) Wode se ɖe nufitifitiwɔwɔ kple zãnuxɔxɔ hã nu vevie. (Mose II, 23:8; Mose V, 27:25) Ele be Mawu ƒe amewo naɖo Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu kɔkɔwo gbɔ le woƒe dɔwɔnyawo gɔ̃ hã me. (Mose III, 19:35, 36; Mose V, 23:19, 20) Se ƒe ɖoɖo deŋgɔ ma si me ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele o la nye yayra gã aɖe na Israel!

Se Siwo Na Nublanuikpɔkpɔ Kple Ameŋkumemakpɔmakpɔ le Ʋɔnudrɔ̃nyawo me Dze Ƒã

13, 14. Aleke Sea bia be woawɔ nusi sɔ ɖe fiafitɔ kple amesi ƒe nu wofi la ŋui?

13 Ðe Mose ƒe Sea me sewo sesẽ, eye nublanuikpɔkpɔ mele wo me oa? Kura o! Gbɔgbɔ ʋã Fia Dawid wòŋlɔ be: “Yehowa ƒe se de blibo.” (Psalmo 19:8) Enya nyuie be Sea de nublanuikpɔkpɔ kple ameŋkumemakpɔmakpɔ ƒe dzi ƒo. Le mɔ kawo nu?

14 Le dukɔ aɖewo me egbea la, edze abe sewo me bɔbɔ eye wòdea nuvlowɔlawo dzi wu amesiwo ŋu wowɔ nu vloa ɖo ene. Le kpɔɖeŋu me, woade fiafitɔwo gaxɔ me ɣeyiɣi aɖe. Le ɣeyiɣi sia me la, ete ŋu dzɔna be nusi bu na fukpelawo megasua wo si o, ke hã wogabiana tsoa wo si be woaxe adzɔ si woatsɔ akpɔ nuvlowɔla mawo dzii le gaxɔawo me. Gaxɔwo menɔ anyi le blema Israel abe alesi wòle egbea ene o. Seɖoƒe matrɔmatrɔwo li le afisi gbegbe woahe to sesẽ na ame ase ɖo ŋu. (Mose V, 25:1-3) Ele be fiafitɔ naɖo nusi wòfi la teƒe na nua tɔ. Hekpe ɖe eŋu la, ele be fiafitɔa naxe fe bubuwo akpee. Nenie  wòaxe akpee? Ele vovovo. Edze abe ɖe woɖe mɔ na ʋɔnudrɔ̃lawo be woada nu vovovowo akpɔ ene, abe nuvɔ̃wɔla la ƒe dzimetɔtrɔ ene. Anye susu sia tae nusi wobia tso fiafitɔ si be wòatsɔ aɖo eteƒe le Mose III, 5:20-26 la ɖiɖi kura wu esi wogblɔ le Mose II, 22:6 ɖo.

15. Aleke Sea ɖe nublanuikpɔkpɔ kple dzɔdzɔenyenye siaa fia amesi meɖoe wu ame o?

15 Sea lɔ̃ ɖe edzi nublanuikpɔkpɔtɔe be menye nugbegblẽwɔwɔwo katãe nye nuɖowɔ o. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe meɖoe hafi wu nɔvia o la, womabia tso esi be wòatsɔ agbe aɖo agbe teƒe o nenye be ewɔ afɔɖeɖe si sɔ hesi yi sitsoƒedu siwo woɖo ɖe Israel bliboa ƒe teƒeteƒewo me. Ne ʋɔnudrɔ̃la siwo le du ma me dzro nyaa me vɔ la, ele be amea natsi afima vaseɖe esime nunɔlagã la ku. Ekema evo ayi aɖanɔ afisiafi si wòdi. Esia wɔnɛ be Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ɖea vi nɛ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, se sia na asixɔxɔ si le amegbetɔ ƒe agbe ŋu la dze ƒã.—Mose IV, 15:30, 31; 35:12-25.

16. Aleke Sea kpɔ ame ŋutɔ ƒe gomenɔamesi aɖewo tae?

16 Sea kpɔ ame ɖekaɖekawo ƒe gomenɔamesiwo hã ta. Bu alesi wòkpɔ fenyilawo tae ŋu kpɔ. Sea meɖe mɔ be woage ɖe fenyila ƒe aƒeme atsɔ eƒe nunɔamesi awɔbanui ɖe fe si wònyi ta o. Ke boŋ ele be amesi do nugbana na amea la nanɔ gota eye wòaɖe mɔ na fenyilaa be eya ŋutɔ natsɔ nusi wòatsɔ ada megbee la vɛ. Esia kpɔ egbɔ be womage ɖe amea ƒe xɔ me sesẽe o. Ne nugbanadolaa xɔ fenyilaa ƒe awudziwui awɔbae la, ke ele be hafi zã nado la, wòatrɔe ayi nɛ elabena ɖewohĩ fenyilaa ahiãe atsɔ alé vuvɔe le zã me.—Mose V, 24:10-14.

17, 18. Le aʋawɔnyawo me la, aleke Israel-viwo to vovo na dukɔ bubuwoe, eye nukatae?

17 Wona mɔfiamewo le Sea me ku ɖe aʋawɔwɔ gɔ̃ hã ŋu. Mawu ƒe amewo awɔ aʋa, menye be woatsɔ afia woƒe ŋusẽe alo axɔ dukɔ bubuwo ƒe anyigbae o, ke boŋ be woanye Mawu ƒe dɔtsɔlawo le “Yehowa ƒe aʋawɔwɔwo” me. (Mose IV, 21:14) Le go geɖe me la, ele be Israel-viwo natsɔe aɖo ameawo ŋkume be woana ta gbã. Ne wogbe tanana la, ke Israel-viwo kpɔ mɔ aho ɖe wo ŋu—ke hã ele be woawɔ nu wòasɔ ɖe Mawu ƒe  ɖoɖowo nu. To vovo na asrafo geɖewo ƒe nuwɔnawo le ŋutinya katã me la, womeɖe mɔ na Israel-ŋutsuwo be woadɔ nyɔnuwo gbɔ sesẽe alo awu amewo susumanɔmee ko o. Ele be woade bubu nutoa me nuwo gɔ̃ hã ŋu, womalã futɔawo ƒe atikutsetsetiwo aƒu anyi o. * Mɔxeɖenu siawo tɔgbe menɔ dukɔ bubuwo ƒe asrafowo si o.—Mose V, 20:10-15, 19, 20; 21:10-13.

18 Ðe wòblea fu lãme na wò ne èse be wole hehe nam ɖevi suesuewo le dukɔ aɖewo me be woazu asrafowoa? Le blema Israel la, womexɔa ŋutsu aɖeke si mexɔ ƒe 20 haɖe o la be wòazu asrafo o. (Mose IV, 1:2, 3) Woate ŋu aɖe ŋutsu tsitsiwo gɔ̃ hã le eme nenye be vɔvɔ̃ ɖo wo madzemadzee. Woaɖe ŋutsu si ɖe srɔ̃ yeyee la le eme ƒe ɖeka blibo nava yi hafi wòaƒo eɖokui ɖe dɔ sia si me afɔku le la me, kple susu be wòate ŋu adzi vi si ava nyi eƒe dome. Le mɔ sia nu la, Sea ɖe eme be srɔ̃ŋutsu yeyea ate ŋu ‘ado dzidzɔ na’ srɔ̃anyɔnu yeyea.—Mose V, 20:5, 6, 8; 24:5.

19. Ðoɖo kae wowɔ ɖe Sea me be woatsɔ akpɔ nyɔnuwo, ɖeviwo, ƒomewo, ahosiwo, kple tsyɔ̃eviwo ta?

19 Sea kpɔ nyɔnuwo, ɖeviwo, kple ƒomewo ta eye wòkpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ. Wode se na dzilawo be woalé be na wo viwo ɣesiaɣi eye woafia gbɔgbɔmenuwo wo. (Mose V, 6:6, 7) Etsri ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ ƒomevi ɖesiaɖe, eye ku enye eŋuti tohehe. (Mose III, ta 18) Nenema ke wòtsri ahasiwɔwɔ, si maa ƒomewo me zi geɖe hegblẽa woƒe dedienɔnɔ kple bubunɔameŋu me. Sea kpɔ ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ eye wòtsi tre ɖe wo tafatafa ŋu vevie.—Mose II, 20:14; 22:21-23.

20, 21. (a) Nukata Mose ƒe Sea ɖe mɔ ɖe srɔ̃geɖeɖeɖe ŋu na Israel-viwo? (b) Nukata dzidzenu si Yesu gbugbɔ ɖo anyi ku ɖe srɔ̃gbegbe ŋu la to vovo na esi nɔ Sea me?

20 Gake le nya siawo me la, ame aɖewo abia be, ‘Nukatae Sea  ɖe mɔ ɖe srɔ̃geɖeɖeɖe ŋu ɖo?’ (Mose V, 21:15-17) Ahiã be alesi nuwo le ɣemaɣi nanɔ susu me na mí míatsɔ abu se siawo ŋui. Amesiwo tsɔ egbeŋkekea me nudzɔdzɔwo kple eƒe agbenɔnɔ ŋuti nukpɔsusuwo abu Mose ƒe Sea ŋui la ado kpo egɔmesese godoo. (Lododowo 18:13) Yehowa ƒe dzidzenu si wòɖo tso Eden ke enye be srɔ̃ɖeɖe nanye srɔ̃ŋutsu ɖeka kple srɔ̃nyɔnu ɖeka ƒe ɖekawɔwɔ si anɔ anyi ɖaa. (Mose I, 2:18, 20-24) Gake kaka ɣeyiɣi si Yehowa natsɔ Sea ana Israel naɖo la, nuwɔnawo abe srɔ̃geɖeɖeɖe ene xɔ anyinɔ ƒe alafa geɖe xoxo. Yehowa nya nyuie be yeƒe ame siwo nye ‘dukɔ kɔlialiatɔwo’ agbe se bɔbɔewo abe esi tsri legbasubɔsubɔ ene gɔ̃ hã dzi wɔwɔ. (Mose II, 32:9) Eyata nunyatɔe la, metia ɣeyiɣi ma wònye ɣeyiɣi si wòatsɔ aɖɔ nusiwo katã ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la ɖoe o. Gake nenɔ susu me na wò be menye Yehowae ɖo srɔ̃geɖeɖeɖe anyi o. Ke hã ezã Mose ƒe Sea tsɔ kpɔ srɔ̃geɖeɖeɖe ŋu nyawo gbɔe le eƒe amewo dome ale be woagawɔ nu madzemadzewo le eme o.

21 Nenema ke Mose ƒe Sea ɖe mɔ na ŋutsu be ate ŋu agbe srɔ̃a ɖe nya vovovo siwo nye ŋkubiãnyawo ta. (Mose V, 24:1-4) Yesu gblɔ be Mawu ɖe mɔ ɖe esia ŋu na Yudatɔwo “le [woƒe] dzimesesẽ ŋuti.” Gake mɔɖeɖe si wona wo la nye nusi anɔ anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Yesu gbugbɔ Yehowa ƒe dzidzenu gbãtɔ ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la ɖo anyi na eyomedzelawo.—Mateo 19:8.

Sea De Lɔlɔ̃ ƒe Dzi Ƒo

22. Mɔ kawo nue Mose ƒe Sea de lɔlɔ̃ ƒe dzi ƒo le, eye be woaɖee afia amekawo?

22 Egbegbese ƒe ɖoɖo aɖe si de lɔlɔ̃ ƒe dzi ƒo va susu me na wòa? Mose ƒe Sea de lɔlɔ̃ ƒe dzi ƒo wu nu bubu ɖesiaɖe. Kpɔe ɖa ko be le Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia dzaa ko me la, nya si wozã na “lɔlɔ̃” dze le eme le mɔ vovovowo nu wu zi gbɔ zi 20. Le Se bliboa katã me la, sedede vevitɔ evelia enye: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mose III, 19:18; Mateo 22:37-40) Menye wo nɔviwo ɖeɖekoe wòle be Mawu ƒe amewo nalɔ̃ o ke  ele be Israel-viwo nalɔ̃ amedzro siwo le wo dome hã, eye woaɖo ŋku edzi be yewo hã yewonye amedzroviwo kpɔ le dutanyigba dzi. Ele be woaɖe lɔlɔ̃ afia ame dahewo kple fukpelawo, woakpe ɖe wo ŋu le ŋutilãmenuhiahiãwo gome eye mele be woanɔ te ɖe woƒe nɔnɔme wɔnublanuia dzi atafa wo o. Wobia tso wo si be woawɔ nu ɖe dɔwɔlãwo gɔ̃ hã ŋu le dɔmenyonyo kple nuŋububu me.—Mose II, 23:6; Mose III, 19:14, 33, 34; Mose V, 22:4, 10; 24:17, 18.

23. Afɔɖeɖe kae Psalmo 119 ŋlɔla se le eɖokui me be yeawɔ, eye nukae wòle be míawo hã míaɖoe kplikpaa awɔ?

23 Dukɔ bubu kae gali si wotsɔ se siawo tɔgbe na? Mewɔ nuku o be hakpala la ŋlɔ be: ‘Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a nu le wò se la gbɔe o!’ Gake eƒe lɔlɔ̃ sia menye nusi wòse le eɖokui me dzro ko o. Eʋãe wòwɔ afɔɖeɖe si sɔ, elabena edze agbagba be yeawɔ ɖe se ma dzi eye yeanɔ agbe ɖe enu. Eyi edzi gblɔ kpee be: “Nye ŋugbledede wònye ɖaa.” (Psalmo 119:11, 97) Ẽ, ezãa ɣeyiɣi aɖe tsɔ srɔ̃a Yehowa ƒe seawo ɣesiaɣi. Ðikeke mele eme o be esia wɔwɔ na alesi wòlɔ̃ seawoe la gade to ɖe edzi. Le ɣeyiɣi ma ke me la, lɔlɔ̃ si nɔ eme na Senala, Yehowa Mawu, hã gadzi ɖe edzi. Esi nèyi edzi le nu srɔ̃m tso Mawu ƒe seawo ŋu la, neva eme be wò hã nàte ɖe Yehowa, Senala Gãtɔ kple Mawu dzɔdzɔetɔ la, ŋu kplikplikpli wu.

^ mm. 8 Le kpɔɖeŋu me, se siwo bia be woaɖe do ade nugodo ɖe eme, woaɖe amesiwo ŋu dɔxɔleameŋu le ɖe aga, kple esi bia be amesiame si ka asi ame kuku ŋu nale tsi la katã nye se siwo nɔ ŋgɔ ƒe alafa geɖe na nunya si nɔ amewo si le ɣeyiɣi ma me.—Mose III, 13:4-8; Mose IV, 19:11-13, 17-19; Mose V, 23:13, 14.

^ mm. 9 Esi woɖo xɔ aɖewo koŋ ɖi ɖe Kanaantɔwo ƒe gbedoxɔ me na gbɔdɔdɔ nuwɔnawo la, Mose ƒe Sea ya gblɔ be amesiwo ŋu mekɔ o la mekpɔ mɔ age ɖe gbedoxɔa me kura gɔ̃ hã o. Eyata esi wònye be gbɔdɔdɔ naa ame ŋu mekɔna o vaseɖe ɣeyiɣi aɖe ta la, se meɖe mɔ na ame aɖeke be wòatsɔ gbɔdɔdɔ nuwɔnawo ade tadedeagu na Yehowa le gbedoxɔa me la me o.

^ mm. 10 Sea ƒe taɖodzinu vevi aɖee nye nufiafia. Le nyateƒe me la, Encyclopaedia Judaica de dzesii be Hebrigbe me nya si wozã na “se,” si nye toh·rahʹ, gɔmee nye “nufiame.”

^ mm. 17 Sea bia tẽ be: ‘Agblemeti ame wònye nèva be yeaɖe to ɖeea?’ (Mose V, 20:19) Philo, si nye Yudatɔ agbalẽnyala si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, yɔ se sia eye wòɖe eme be, Mawu bunɛ be “enye nu madzɔmadzɔ be woaɖe dziku si wodo ɖe amewo ŋu la ɖe nusiwo meɖi fɔ aɖeke kura o la ŋu.”