Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 12

‘Ðe Mawu Wɔa Nu Madzɔmadzɔa?’

‘Ðe Mawu Wɔa Nu Madzɔmadzɔa?’

1. Aleke nu madzɔmadzɔ siwo wowɔna ate ŋu awɔ dɔ ɖe mía dzii?

WOTAFA ahosi tsitsi aɖe xɔ ga siwo katã le gadzraɖoƒe nɛ la le esi. Vidada vevemaseɖeamenula aɖe gblẽ eƒe vidzĩ ɖi hedzo le egbɔ. Wode ŋutsu aɖe gaxɔ me togbɔ be menye eyae wɔ hlɔ̃nu o hã. Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso nudzɔdzɔ siawo tɔgbe ŋui? Anɔ eme be nudzɔdzɔ siawo dometɔ ɖesiaɖe ate ɖe dziwò, eye esɔ be wòate ɖe dziwò. Seselelãme sẽŋu aɖe le mí amegbetɔwo me ɖe nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu. Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ame ŋu la, eɖua dzi na mí. Míedina be woaxɔ na amesi ŋu wowɔe ɖo eye woahe to na amesi wɔ nu madzɔmadzɔa. Ne nuwo meyi alea o la, ɖewohĩ míabia be: ‘Ðe Mawu le nusiwo le edzi yim la kpɔma? Nukata mewɔ naneke tso eŋu o?’

2. Aleke Xabakuk wɔ nu ɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ ŋu, eye nukatae Yehowa meka mo nɛ ɖe eta o?

2 Le ŋutinya katã me la, Yehowa subɔla wɔnuteƒewo bia nya siawo tɔgbe. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Xabakuk bia Mawu le gbedodoɖa me be: “Nukaŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku, gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me, avuwɔwɔ li, eye dzre dzɔ?” (Xabakuk 1:3) Yehowa meka mo na Xabakuk ɖe eƒe biabia sia si tso dzi me la ta o, elabena Eyae nye amesi tsɔ dzɔdzɔenyenye ŋuti nukpɔsusu de amegbetɔwo me. Ẽ, Yehowa tsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye deŋgɔ la ƒe akpa sue aɖe na mí.

Yehowa Lé Fu Numadzɔmadzɔwɔwɔ

3. Nukata míate ŋu agblɔ be Yehowa nya numadzɔmadzɔwɔwɔ siwo le edzi yim nyuie wu mí?

3 Yehowa menye amesi numadzɔmadzɔwɔwɔ metsɔa fu lãme na o. Ele nusiwo le edzi yim la kpɔm. Biblia gblɔ na mí le Noa ƒe ŋkekea ŋu be: “Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo  ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.” (Mose I, 6:5) Bu nusi nya mawo fia ŋu kpɔ. Zi geɖe la, míenɔa te ɖe nudzɔdzɔ ʋɛ aɖewo siwo míese alo esiwo me míeto dzi dea dzesi numadzɔmadzɔwɔwɔ. Gake Yehowa ya nya numadzɔmadzɔwɔwɔ siwo le edzi yim le xexeame katã. Ekpɔa wo katã! Gawu la, ete ŋu nyaa nusi le amewo ƒe dzime—tamesusu gbegblẽ si le megbe na numadzɔmadzɔwɔwɔ mawo.—Yeremya 17:10.

4, 5. (a) Aleke Biblia ɖee fiae be Yehowa tsɔ ɖe le eme na amesiwo ŋu wowɔa nu madzɔmadzɔ ɖo? (b) Aleke wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Yehowa ŋutɔ hã ŋui?

4 Gake menye ɖeko Yehowa nya numadzɔmadzɔwɔwɔ siwo le edzi yim la ko evɔ o. Etsɔa ɖe le eme na amesiwo ŋu wowɔe ɖo la hã. Esi dukɔ siwo nye futɔwo nɔ ŋuta sẽm le Yehowa ƒe amewo ŋu la, “woƒe hũɖeɖe le fuɖenametɔwo kple ŋutasẽlawo ŋuti na be [eƒe] dɔme trɔ ɖe wo ŋu.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:18) Ðewohĩ ède dzesii be zi alesi amewo le numadzɔmadzɔwɔwɔ teƒe kpɔm la, zi nenemae megatɔa dzi na woe o. Menye aleae wòle kura le Yehowa ya gome o! Ele numadzɔmadzɔwɔwɔ siwo katã le edzi yim la teƒe kpɔm anɔ ƒe 6,000 sɔŋ enye sia, ke hã alesi gbegbe wòlé fu nuwɔna mawoe la metrɔ o. Ke boŋ Biblia na kakaɖedzi mí be nusiawo abe “aʋatsoɖe,” “asi, siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi,” kple “amesi ɖua aʋatsoɖasefo hedaa alakpa” ene la, wonye ŋunyɔnuwo nɛ.—Lododowo 6:16-19.

5 Gabu alesi gbegbe Yehowa bu fɔ Israel ƒe kplɔla madzɔmadzɔwo vevie ŋu kpɔ. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã eƒe nyagblɔɖila wòbia be: “Ðe menye miaƒe dɔ wònye be, miadze si se la oa?” Esi Yehowa ɖɔ alesi wole woƒe ŋusẽ zãm madzemadzee tsitotsito vɔ la, egblɔ nusi ado tso eme na ŋutsu gblẽku mawo ɖi be: “Woado ɣli ayɔ Yehowa, ke matɔ na wo o, eye wòaɣla ŋku me ɖe wo ɣemaɣi le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta.” (Mixa 3:1-4) Aleke gbegbe Yehowa lé fu numadzɔmadzɔwɔwɔ enye si! Ne míagblɔe la, eya ŋutɔ ŋue wowɔe ɖo gbã! Satana yi edzi le alɔme dzodzro ɖem le eŋu ƒe akpe geɖe  enye sia. (Lododowo 27:11) Gakpe ɖe eŋu la, nu madzɔmadzɔ vɔ̃ɖitɔ kekeake si wowɔ ɖe Via ŋu, esi wowui abe hlɔ̃dola ene togbɔ be “mewɔ nuvɔ̃ aɖeke o” la, ɖu dzi na Yehowa vevie ŋutɔ. (Petro I, 2:22; Yesaya 53:9) Edze ƒã be Yehowa meŋe aɖaba ƒu amesiwo ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖo la dzi o, eye menye ɖe metsɔ ɖeke le eme na wo hã o.

6. Aleke míate ŋu awɔ nui ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu, eye nukatae?

6 Ke hã ne míekpɔ numadzɔmadzɔwɔwɔ teƒe—alo ne wowɔ nusi mesɔ o ɖe mía ŋutɔwo ŋu—la, esɔ be míaɖe alesi gbegbe wòte ɖe mía dzii la afia. Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo, eye numadzɔmadzɔwɔwɔ tsi tre ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme ɖesiaɖe ŋu le go sia go me. (Mose I, 1:27) Ekema nukata Mawu ɖe mɔ numadzɔmadzɔwɔwɔwo le edzi yim ɖo?

Mawu ƒe Dziɖulanyenye ƒe Nya La

7. Ƒo nu tso alesi wotɔ gbe Yehowa ƒe dziɖulanyenyee ŋu.

7 Biabia sia ƒe ŋuɖoɖo ku ɖe dziɖulanyenye ƒe nya la ŋu. Abe alesi míekpɔe va yi ene la, Wɔla lae dze be wòanye anyigba la kple nusiwo katã le eme dzi ɖula. (Psalmo 24:1; Nyaɖeɖefia 4:11) Gake wotɔ gbe Yehowa ƒe dziɖulanyenye le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze. Aleke wòdzɔe? Yehowa de se na ame gbãtɔ, Adam, be megaɖu ati aɖe si le abɔ si nye eƒe Paradisoƒe la me ƒe tsetse o. Ke ne egbe toɖoɖo ɖe? Mawu gblɔ nɛ be: “Ku ke nàku.” (Mose I, 2:17) Se si Mawu de la dzi wɔwɔ mahe fukpekpe aɖeke vɛ na Adam alo srɔ̃a Xawa o. Gake Satana ble Xawa wòxɔ edzi se be Mawu le nane ƒe mɔ xem ɖe wo madzemadzee. Ne eɖu atia ƒe tsetse ɖe? Satana gblɔ na Xawa kaŋ be: ‘Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.’—Mose I, 3:1-5.

8. (a) Nukae Satana ƒe nya si wògblɔ na Xawa la fia? (b) Nuka ŋue Satana tsi tre ɖo ku ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu?

8 Le nya siawo me la, menye ɖeko Satana le gbɔgblɔm be  Yehowa tsɔ nya vevi aɖe ɣla ɖe Xawa ko evɔ o, ke ele gbɔgblɔm hã be Mawu da alakpa nɛ. Satana kpɔ egbɔ be yemedo nya aɖeke ɖa si ku ɖe alesi wònye nyateƒe be Mawue nye dziɖula gãtɔ kekeake ŋu o. Ke boŋ etsi tre ɖe eƒe se nu nɔnɔ, eƒe dzedze be wòanyee, kple eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu. Ne míagblɔe bubui la, ele fiafiam be Yehowa mele Eƒe dziɖulanyenye ŋudɔ wɔm le mɔ dzɔdzɔe kple mɔ nyuitɔ si aɖe vi na Eteviwo nu o.

9. (a) Nukae nye tomaɖomaɖo me tsonu na Adam kple Xawa, eye biabia vevi kawoe esia fɔ ɖe te? (b) Nukatae Yehowa metsrɔ̃ aglãdzelawo ko nyaa navɔ o?

9 Nusi do tso eme enye be Adam kple Xawa siaa gbe toɖoɖo Yehowa esi woɖu atikutsetse si ŋu wode se ɖo la. Woƒe tomaɖomaɖo na wodze na tohehe si nye ku, abe alesi Mawu gblɔe pɛpɛpɛ ene. Satana ƒe aʋatsokaka la fɔ biabia vevi aɖewo ɖe te. Ðe Yehowa dze nyateƒe be wòaɖu ameƒomea dzia, alo ɖe wòle be amegbetɔ ŋutɔ naɖu eɖokui dzi? Ðe Yehowa le eƒe dziɖulanyenye ŋudɔ wɔm le mɔ nyuitɔ kekeake nua? Yehowa ate ŋu azã eƒe ŋusẽkatãtɔnyenye atsrɔ̃ aglãdzela mawo le afima enumake hafi. Gake nya si fɔ ɖe te la ku ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu, menye eƒe ŋusẽ o. Eyata Adam, Xawa, kple Satana tsɔtsrɔ̃ ɖa maɖo kpe Mawu ƒe dzedze be wòanye dziɖula dzi o. Ðe wo tsɔtsrɔ̃ ɖa agafɔ nya bubu geɖe ɖe te ku ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu boŋ. Mɔ ɖeka kolia si dzi woato anya nenye be amegbetɔwo ate ŋu aɖu wo ɖokui dzi dzidzedzetɔe, Mawu manɔmee, enye be woaɖe mɔ ɣeyiɣi nava yi.

10. Nukae ŋutinya ɖe fia tso amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ŋu?

10 Nukae ɣeyiɣi siwo va yi la ɖe fia? Le ƒe akpe geɖe siwo va yi me la, amegbetɔwo te dziɖuɖu ƒomevi vovovowo kpɔ, siwo dometɔ aɖewoe nye ame ɖeka ko si kpɔ ŋusẽ ɖe nuwo dzi ƒe dziɖuɖu, amehawo ƒe dziɖuɖu, dziɖuɖu siwo me dukɔa ƒe kesinɔnuwo nye amewo katã tɔ sɔsɔe, kple dziɖuɖu siwo me womedea vovototo amegãwo kple ame tsɛwo me o eye nunɔamesiwo nye amesiame tɔ. Nusi do tso wo katã me  la ɖo kpe nya si Biblia gblɔ kaŋ la ƒe nyateƒenyenye dzi, be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Eyata nya si nyagblɔɖila Yeremya gblɔ la sɔ pɛpɛpɛ be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremya 10:23.

11. Nukatae Yehowa na amegbetɔƒomea to fukpekpe me?

11 Yehowa nya tso gɔmedzedzea me be amegbetɔƒomea ƒe eɖokui si nɔnɔ, alo eɖokui dzi ɖuɖu, ahe fukpekpe manyagblɔwo vɛ. Ekema nu madzɔmadzɔe wònye be wòɖe mɔ nusi ado tso eme godoo la le dodom tso emea? Kura o! Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be ehiã be woawɔ dɔ na viwò bene woada dɔléle aɖe si ate ŋu awui la nɛ. Ènya be viwòa ase veve ne wokoe, eye esia te ɖe dziwò vevie. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ènya hã be dɔwɔwɔ na viwòa ana wòatsi agbe eye wòava nɔ lãmesẽ me. Nenema ke Mawu hã nya—eye egblɔe ɖi gɔ̃ hã—be yeƒe mɔɖeɖe ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ŋu ahe vevesese kple fukpekpe aɖewo vɛ. (Mose I, 3:16-19) Gake enya hã be ne yeɖe mɔ ameƒomea katã kpɔ aglãdzedzea me tsonu gbegblẽwo koe woate ŋu akpɔ gbɔdzɔe tegbee eye gɔmesese nanɔ eŋu. Le mɔ sia nu la, woate ŋu akpɔ nyaa gbɔ tegbee, yi ɖe mavɔmavɔ me.

Amegbetɔwo ƒe Nuteƒewɔwɔ ƒe Nya La

12. Abe alesi wòdze le Hiob gome ene la, nutsotso kae Satana tsɔ ɖe amegbetɔwo ŋu?

12 Nya sia ƒe akpa bubu aɖe hã li. Esi Satana nɔ nya tsɔm ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze kple eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu la, menye ɖeko wòtsi tre ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu ko o; eƒo nu tsi tre ɖe Mawu subɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi nya si Satana gblɔ na Yehowa tso ame dzɔdzɔe Hiob ŋu: “Ðe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya  ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa? Èyra eƒe aƒe kpakple eƒe asinudɔwɔwɔwo, eye eƒe lãhawo gbagba ɖe anyigba dzi. Ke do asi ɖa, ne nàde asi nusiwo katã le esi la ŋu kpɔ, be magbe wò nya ɖe ŋkuwò me keŋ oa?”—Hiob 1:10, 11.

13. Nuka fiamee Satana nɔ esi wòtsɔ nya ɖe Hiob ŋu, eye aleke esia ku ɖe amegbetɔwo katã ŋui?

13 Satana ʋli nya be Yehowa nɔ Eƒe ametakpɔŋusẽ zãm be yeatsɔ able Hiob nu ne wòasubɔ ye. Esia le fiafiam hã be Hiob ƒe nuteƒewɔwɔa nye ameŋkumenuwɔwɔ ko, be nusi wòakpɔ tso Mawu gbɔ ta koe wòle esubɔm ɖo. Satana gblɔ tɔteteɖedzitɔe be ne Mawu ƒe yayra mele Hiob dzi o la, eya gɔ̃ hã aƒo fi ade Ewɔla. Satana nya be ame aɖeke mede Hiob nu o elabena enye “ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.” * Le esia ta ne Satana te ŋu gblẽ Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ me la, nukae wòafia na ameƒomea me tɔ mamlɛawo? Eyata Satana nɔ nya tsɔm ɖe amesiwo katã di be yewoasubɔ Mawu la ƒe nuteƒewɔwɔ nɛ ŋu. Nyateƒee, Satana keke nyaa ɖe enu hegblɔ na Yehowa be: “Nusiwo katã le amegbetɔ [menye Hiob ɖeɖeko o] si la, atsɔe ana ɖe eƒe agbe ta.”—Hiob 1:8; 2:4, NW.

14. Nukae ŋutinya ɖe fia le nya si Satana tsɔ ɖe amegbetɔwo ŋu me?

14 Ŋutinya ɖee fia be, abe Hiob ene la, ame geɖe yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa le yometiti me—esi to vovo na nya si Satana gblɔ. Woto woƒe nuteƒewɔwɔ me do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi, eye esia na Yehowa te ŋu ɖo Satana ƒe alɔmeɖenya siwo wògblɔ dadatɔe be amegbetɔwo adzudzɔ Mawu subɔsubɔ ne woto nɔnɔme sesẽwo me la ŋu. (Hebritɔwo 11:4-38) Ẽ, amesiwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le la gbe be yewomatrɔ megbe ade Mawu o. Ne nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake mimi wo ɖo gɔ̃ hã la, woyia edzi ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖe  edzi boŋ be wòado ŋusẽ yewo ne yewoado dzi.—Korintotɔwo II, 4:7-10.

15. Biabia kae ate ŋu afɔ ɖe te ku ɖe Mawu ƒe ʋɔnu siwo wòdrɔ̃ va yi kple esiwo wòagadrɔ̃ le etsɔme ŋu?

15 Gake Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ yi ŋgɔ wu eƒe dziɖulanyenye kpakple amegbetɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe nya la ko. Alesi Yehowa drɔ̃ ʋɔnu ame ɖekaɖekawo kple dukɔ blibowo gɔ̃ hã ŋuti nuŋlɔɖi le Biblia me na mí. Ʋɔnu siwo wòadrɔ̃ le etsɔme hã ŋuti nyagblɔɖiwo le eme. Nukata míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo le dzɔdzɔe eye woayi edzi anɔ dzɔdzɔe ɣesiaɣi?

Nusita Mawu ƒe Dzɔdzɔenyenye De Ŋgɔ Wu

Yehowa ‘matsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpakple ame vɔ̃ɖiwo siaa’ gbeɖe o

16, 17. Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu se ɖe afi aɖe ko le ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋutɔŋutɔ ƒe nyawo me?

16 Woate ŋu agblɔ le Yehowa ŋu wòasɔ be: “Eƒe mɔwo katã dzɔ.” (Mose V, 32:4) Mía dometɔ aɖeke meli si ate ŋu aƒu asi akɔ be yeƒe mɔwo katã dzɔ o, elabena zi geɖe la, míaƒe nukpɔsusu si se ɖe afi aɖe ko la wɔnɛ be nusi nye dzɔdzɔetɔ la doa viviti ɖe mí. Le kpɔɖeŋu me, bu Abraham ŋu kpɔ. Eɖe kuku na Yehowa ɖe Sodom tsɔtsrɔ̃ ta—togbɔ be vɔ̃ɖinyenye xɔ aƒe ɖe afima hã. Ebia Yehowa be: “Ðe àtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa mahã?” (Mose I, 18:23-33) Edze ƒã be ŋuɖoɖoae nye ao. Esi ame dzɔdzɔe Lot kple vianyɔnuviwo va ɖo Zoar dedie vɔ ko hafi Yehowa na “aŋɔ kple dzo dza” ɖe Sodom dzi. (Mose I, 19:22-24) Gake ‘dzi ku Yona ya vevie’ esi Mawu kpɔ nublanui na Niniwetɔwo. Le esi Yona do ŋgɔ gblɔ tsɔtsrɔ̃ si gbɔna wo dzi ŋu nya ɖi ta la, eƒe dzidzɔe wòanye be wòakpɔe be wotsrɔ̃ wo—metsɔ le eme alesi gbegbe wotrɔ dzime anukwaretɔe o.—Yona 3:10–4:1.

17 Yehowa na kakaɖedzi Abraham be menye ɖeko Yeƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ bia be yeatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ko o, ke ebia hã be yeakpɔ ame dzɔdzɔewo ta. Gake le Yona ya gome la, ele be wòasrɔ̃e be nublanuikpɔlae Yehowa nye. Ne ame  vɔ̃ɖiwo trɔ tso woƒe mɔwo dzi la, ‘elɔ̃na faa be yeatsɔe ake wo.’ (Psalmo 86:5) Yehowa mele abe amegbetɔ siwo vɔ̃na ɖe woƒe ɖoƒe ta la ene o, eyata medrɔ̃a toheʋɔnu be yeatsɔ aɖe yeƒe ŋusẽ afia o, eye megbea nublanuikpɔkpɔ hã le vɔvɔ̃ be woava bui be ŋusẽe mele ye si o ta o. Eƒe nɔnɔme enye be yeaɖe nublanuikpɔkpɔ afia nenye be nane li si dzi wòanɔ te ɖo akpɔ nublanui.—Yesaya 55:7; Xezekiel 18:23.

18. Zã Biblia nàtsɔ aɖee fia be Yehowa menɔa te ɖe seselelãme dzro ko dzi wɔa nu o.

18 Gake seselelãme dzro ko meflua Yehowa o. Esime Yehowa ƒe amewo ƒo wo ɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ me vĩ la, egblɔ kaŋ be: “Madrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe wò zɔzɔme nu, eye mahe wò ŋunyɔnuwo katã ava dziwò; nye ŋku makpɔ nublanui na wò o, eye nyemakpɔ tawò o; ke boŋ mahe wò zɔzɔme ava dziwò.” (Xezekiel 7:3, 4) Eyata ne amegbetɔwo lé woƒe mɔ tsɔ dzimesesẽtɔe la, Yehowa drɔ̃a ʋɔnu si dze wo la wo. Gake kpeɖodzi sẽŋu dzie wònɔa te ɖo drɔ̃a ʋɔnu. Eyata esime ‘ɣlidodo’ ɖe Sodom kple Gomora ta ɖo Yehowa ƒe tome la, egblɔ be: “Maɖi ayi, ne makpɔ bena, nya, siwo katã sem mele le wo ŋuti la, le eme loo, alo mele eme o, ne manya.” (Mose I, 18:20, 21) Aleke gbegbe míate ŋu ada akpee nye si be Yehowa mele abe amegbetɔ siwo tsia klokloklo tsoa nya me hafi va sea kpeɖodzinyawo la ene o! Nyateƒee, Yehowa le abe alesi Biblia ƒo nu tso eŋui ene pɛpɛpɛ, be “Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o.”—Mose V, 32:4.

Ka Ðe Yehowa ƒe Dzɔdzɔenyenye Dzi

19. Nukae míate ŋu awɔ nenye be biabia aɖewo siwo tɔtɔa ame le mía si ku ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu?

19 Menye nusianu si Yehowa wɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me ŋue Biblia ƒo nu tsoe tsitotsito o; eye mena alesi Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu ame ɖekaɖekawo kple ƒuƒoƒowo le etsɔme ŋuti numeɖeɖe tsitotsito hã o. Ne míaƒe susu le mía wɔm evevevee le nudzɔdzɔ alo nyagblɔɖi aɖewo siwo le Biblia me siwo me womeɖe tsitotsito o ŋu la, míate ŋu aɖe nuteƒewɔwɔ si  tɔgbe nyagblɔɖila Mixa ɖe fia la afia, esi wòŋlɔ be: “Makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu.”—Mixa 7:7.

20, 21. Nukatae kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be Yehowa awɔ nusi dzɔ ɣesiaɣi?

20 Kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be le nɔnɔme ɖesiaɖe me la, Yehowa awɔ nusi dzɔ. Ne edze abe ɖe amegbetɔwo ŋe aɖaba ƒu numadzɔmadzɔwɔwɔ dzi ene hã la, Yehowa ya do ŋugbe be: “Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe.” (Romatɔwo 12:19) Ne míelala kpɔ esinu la, míagblɔ kple kakaɖedzi sẽŋu abe apostolo Paulo ene be: “Alo Mawu tɔ medzɔ oa? Gbeɖe!”—Romatɔwo 9:14.

21 Gake fifia la, míekpɔtɔ le “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sẽ” me. (Timoteo II, 3:1, NW) Numadzɔmadzɔwɔwɔ kple “ameteteɖeanyi” siwo le edzi yim na be wowɔ ŋutasẽnu geɖe ɖe amewo ŋu. (Nyagblɔla 4:1) Gake Yehowa metrɔ o. Ekpɔtɔ lé fu numadzɔmadzɔwɔwɔ, eye etsɔ ɖe le eme na amesiwo ŋu wowɔnɛ ɖo la vevie. Ne míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa eye míenɔ eƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi la, ado ŋusẽ mí be míado dzi le numadzɔmadzɔwɔwɔwo katã me vaseɖe esime eƒe ɣeyiɣi ɖoɖia nade be wòaɖe wo ɖa le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te.—Petro I, 5:6, 7.

^ mm. 13 Yehowa gblɔ le Hiob ŋu be: “Ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o.” (Hiob 1:8) Le esia ta anɔ eme be Hiob nɔ agbe le Yosef ƒe ku megbe kpakple do ŋgɔ na ɣeyiɣi si wotia Mose wòva zu Israel-viwo kplɔla. Eyata woate ŋu agblɔ le ɣeyiɣi ma me be ame aɖeke mewɔa nuteƒe abe Hiob ene o.