Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Te Ðe Yehowa Ŋu

 TA 11

“Eƒe Mɔwo Katã Dzɔ”

“Eƒe Mɔwo Katã Dzɔ”

1, 2. (a) Nu madzɔmadzɔ gã kawoe wowɔ ɖe Yosef ŋu? (b) Aleke Yehowa ɖɔ numadzɔmadzɔwɔwɔawo ɖoe?

ENYE nu madzɔmadzɔ gã aɖe wowɔ. Ðekakpui dzeɖekɛ la mewɔ hlɔ̃nu aɖeke o, ke hã woda alakpa ɖe esi be edi be yeadɔ ame gbɔ sesẽe, eye wodee tomegaxɔ me. Gake menye esiae nye zi gbãtɔ si wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu o. Ƒe aɖewo do ŋgɔ esime ɖekakpui sia si nye Yosef xɔ ƒe 17 la, eya ŋutɔ nɔviaŋutsuwo da alakpa ɖe esi eye wowui kloe. Wodzrae wòva zu kluvi le dutanyigba dzi. Afimae wògbe ahiãnya siwo eƒe aƒetɔ srɔ̃ nɔ dodom ɖe egbɔ le. Nyɔnu sia si wòzu ŋukpe na la da alakpa ɖe esi, eye aleae wòdzɔe be wòva le gaxɔ me. Nublanuitɔe la, edze abe ɖe ame aɖeke meli si axɔ na Yosef o ene.

Yosef kpe fu madzemadzee le “gaxɔ” me

2 Gake Mawu si ‘lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpakple dzɔdzɔenyenye’ la nɔ eteƒe kpɔm. (Psalmo 33:5) Yehowa ɖɔ numadzɔmadzɔwɔwɔ mawo ɖo esi wòde asi nyawo me ale be wova ɖe Yosef le gaxɔa me mlɔeba. Gawu la, wova tsɔ Yosef—amesi ‘wode gaxɔ me’ va yi—ɖo ɖoƒe kɔkɔ aɖe si ŋu bubu gã aɖe le. (Mose I, 40:15; 41:41-43; Psalmo 105:17, 18) Mlɔeba la, wokɔ Yosef ŋu eye wòzã eƒe ɖoƒe kɔkɔ la tsɔ na Mawu ƒe tameɖoɖo va eme.—Mose I, 45:5-8.

3. Nukata mewɔ nuku be mí katã míedina be woawɔ nu dzɔdzɔe ɖe mía ŋu o?

3 Ðe nudzɔdzɔ siawo mewɔa dɔ ɖe míaƒe dzi dzi oa? Mía dometɔ kae mekpɔ numadzɔmadzɔwɔwɔ teƒe kpɔ alo womewɔe ɖe eŋu kpɔ o? Nyateƒee, edzroa mí katã vevie be woawɔ nu dzɔdzɔe ɖe mía ŋu, ameŋkumemakpɔmakpɔe. Esia mewɔ nuku o, elabena Yehowa tsɔ nɔnɔme siwo nye eya ŋutɔ ƒe amenyenye la de mía me, eye eƒe nɔnɔme vevitɔwo dometɔ ɖekae nye dzɔdzɔenyenye. (Mose I, 1:27) Be míadze si Yehowa nyuie la, ahiã be míase alesi gbegbe wòdea asixɔxɔ  dzɔdzɔenyenye ŋui gɔme. Esia awɔe be míava de asixɔxɔ eƒe mɔ wɔnukuwo ŋu geɖe wu eye wòaʋã mí be míate ɖe eŋu kplikplikpli.

Nukae Nye Dzɔdzɔenyenye?

4. Le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu nu la, aleke wosea ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ gɔmee zi geɖe?

4 Le amegbetɔwo gome la, alesi míesea dzɔdzɔenyenye alo ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ gɔme zi geɖe koe nye be woawɔ sewo alo ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ, ameŋkumemakpɔmakpɔe. Agbalẽ si nye Right and Reason—Ethics in Theory and Practice gblɔ be “ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ do ƒome kple se, agbanɔamedzi, gomenɔamesiwo, kple dɔdasiwo, eye enana wotsoa nya me ameŋkumemakpɔmakpɔe alo le mɔ si dze nu.” Gake Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ de ŋgɔ sasasã wu ɖoɖowo dzi wɔwɔ nu bubuwo ŋu mabumabui le esi wònye eƒe agbanɔamedzi alo esi wòle be wòawɔe ta ko.

5, 6. (a) Nya si wozã na “dzɔdzɔenyenye” le gbegbɔgblɔ gbãtɔ si me woŋlɔ Biblia ɖo la gɔme ɖe? (b) Nukae wòfia be woagblɔ be Mawu le dzɔdzɔe?

5 Míate ŋu ase alesi Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye me gogloe eye wòkeke tae la gɔme nyuie wu to nya siwo wozã le gbegbɔgblɔ si me woŋlɔ Biblia ɖo me la me dzodzro me. Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, edo ƒome kple nya vevi etɔ̃ aɖewo. Woate ŋu aɖe nya si gɔme wolɔ̃a ɖeɖe be “dzɔdzɔenyenye” la gɔme be ‘nusi le dzɔdzɔe.’ (Mose I, 18:25) Woɖea nya eve bubuawo gɔme zi geɖe be “nu dzɔdzɔe wɔwɔ.” Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, woɖe nya si wozã na “dzɔdzɔenyenye” gɔme be “woawɔ nusi dzɔ alo nusi le eteƒe.” Eyata ne míagblɔe la, vovototo aɖeke mele nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye dome o.—Amos 5:24.

6 Eyata ne Biblia gblɔ be Mawu le dzɔdzɔe la, ele gbɔgblɔm na mí be ewɔa nusi sɔ kple nusi le eteƒe ameŋkumemakpɔmakpɔe, eye ewɔnɛ ɣesiaɣi. (Romatɔwo 2:11) Nyateƒee, míate ŋu abu eŋu be ewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o. Nuteƒewɔla  Elihu gblɔ be: “Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ.” (Hiob 34:10) Nyateƒee, mate ŋu adzɔ gbeɖe be Yehowa “nawɔ nu madzɔmadzɔ” o. Nukatae? Le susu vevi eve tae.

7, 8. (a) Nukatae mate ŋu adzɔ be Yehowa nawɔ nu madzɔmadzɔ o? (b) Nukae ʋãa Yehowa wòwɔa nu dzɔdzɔe, alo nusi sɔ?

7 Gbã la, ele kɔkɔe. Abe alesi míede dzesii le Ta 3 lia me ene la, Yehowa le dzadzɛ eye wòle dzɔdzɔe le go sia go me. Eyata mate ŋu adzɔ gbeɖe be wòawɔ nu madzɔmadzɔ alo nusi mesɔ o. Bu nusi nusia fia ŋu kpɔ. Mía Fofo si le dziƒo la ƒe kɔkɔenyenye naa kakaɖedzi sẽŋu mí be mawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe viawo ŋu gbeɖe o. Kakaɖedzi sia nɔ Yesu si. Edo gbe ɖa le zã mamlɛtɔ si me wònɔ anyigba dzi be: “Fofo kɔkɔe, dzra wo [nusrɔ̃laawo] ɖo ɖe wò ŋkɔ, si nètsɔ nam la me.” (Yohanes 17:11) “Fofo kɔkɔe”—le Ŋɔŋlɔawo me la, Yehowa ɖeka koe woyɔna nenema. Esia sɔ, elabena amegbetɔ si nye fofo aɖeke mate ŋu asɔ Kplii le kɔkɔenyenye me kura o. Xɔse blibo nɔ Yesu si be yeƒe nusrɔ̃lawo anɔ dedie le ye Fofo, amesi le dzadzɛ eye wòle dzɔdzɔe le go sia go me, amesi te ɖa xaa tso nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ɖesiaɖe gbɔ la, ƒe asi me.—Mateo 23:9.

8 Evelia, ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ nye Mawu ƒe amenyenye ŋutɔŋutɔ. Lɔlɔ̃ sia ʋãnɛ wòwɔa nu dzɔdzɔe, alo nusi sɔ, le nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu me. Gake madzɔmadzɔnyenye ƒomeviwo katã—si me, vovototodedeameme le ŋutigbalẽ alo teƒe si wotso ta, kple ameŋkumekpɔkpɔ le—tsoa ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi gbɔ, esiwo nye nusiwo tsi tre ɖe lɔlɔ̃ ŋu. Biblia na kakaɖedzi mí ku ɖe lɔlɔ̃ Mawu la ŋu be: “Yehowa enye nuteƒewɔla, eye wòlɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ.” (Psalmo 11:7) Yehowa gblɔ tso eɖokui ŋu be: “Nye Yehowa melɔ̃a nya dzɔdzɔe.” (Yesaya 61:8) Ðe mefaa akɔ na mí be míanya be edzɔa dzi na mía Mawu be yeawɔ nusi le dzɔdzɔe, alo nusi sɔ, oa?—Yeremya 9:24.

 Nublanuikpɔkpɔ Kpakple Yehowa ƒe Ʋɔnu Dzɔdzɔe Dɔdrɔ̃ Deblibo La

9-11. (a) Kadodo kae le Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple eƒe nublanuikpɔkpɔ dome? (b) Aleke Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ dze le alesi wòwɔa nu ɖe amegbetɔ nuvɔ̃mewo ŋui me?

9 Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ de blibo, naneke megblẽ le eŋu o abe alesi eƒe amenyenye bubuawo katã siwo womate ŋu atsɔ asɔ kple ame bubu aɖeke tɔ o la le ene. Mose ŋlɔ tsɔ do Yehowa ɖe dzi be: “Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (Mose V, 32:3, 4) Kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋu o—mewɔa vi na ame o, eye eƒe nya me mesẽ akpa hã o.

10 Kadodo kplikplikpli aɖe le Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kpakple eƒe nublanuikpɔkpɔ dome. Psalmo 116:5 gblɔ be: “Amenuvela kple dzɔdzɔetɔ enye Yehowa, nublanuikpɔla enye Mawu.” Ẽ, Yehowa le dzɔdzɔe eye wòganye nublanuikpɔla hã. Nɔnɔme eveawo metsi tre ɖe wo nɔewo ŋu o. Eƒe nublanuikpɔkpɔ menye tsitɔtɔ eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ o, abe ke nublanuikpɔkpɔ manɔmee la, eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me asẽ akpa ene o. Ke boŋ zi geɖe la, eɖea nɔnɔme eveawo fiana le ɣeyiɣi ɖeka me, le nu ɖeka ma ke wɔwɔ me gɔ̃ hã. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ.

11 Amegbetɔwo katã nyi nuvɔ̃ dome eyata wodze na nuvɔ̃ ŋuti tohehe—si nye ku. (Romatɔwo 5:12) Gake nuvɔ̃wɔlawo ƒe ku mevivia Yehowa nu o. Enye ‘Mawu si tsɔa nuvɔ̃wo kena, enye amenuvela kple nublanuikpɔla.’ (Nexemya 9:17) Ke hã esi wòle kɔkɔe ta la, mate ŋu aŋe aɖaba aƒu numadzɔmadzɔwɔwɔ dzi o. Ekema aleke wòate ŋu aɖe nublanuikpɔkpɔ afia amegbetɔ nuvɔ̃mewoe? Míekpɔ ŋuɖoɖoa le Mawu ƒe Nya la me nyateƒe xɔasiawo dometɔ ɖeka me: Eyae nye tafevɔsa si Yehowa tsɔ na hena ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Míasrɔ̃ nu geɖe tso ɖoɖo sia si me lɔlɔ̃ le ŋu le Ta 14 lia me. Míakpɔe enumake be enye nusi sɔ ale gbegbe eye wòganye  nublanuikpɔkpɔ si ƒo ɖesiaɖe ta hã. Yehowa ate ŋu ato esia dzi aɖe nublanuikpɔkpɔ si me veveseseɖeamenu le afia nuvɔ̃me trɔdzimewo esime wòkpɔtɔ lé eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ debliboa me ɖe asi.—Romatɔwo 3:21-26.

Yehowa ƒe Dzɔdzɔenyenye Léa Dzi Na Ame

12, 13. (a) Nukatae Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ tea mí ɖe eyama ŋu? (b) Aleke Dawid ƒo nya tae tso Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋu, eye aleke esia faa akɔ na míi?

12 Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ menye nɔnɔme si me veveseseɖeamenu mele o si tea mí ɖa le eŋu o, ke enye nɔnɔme lédziname si tea mí ɖe eyama ŋu boŋ. Biblia ɖɔ alesi nublanuikpɔkpɔ dze le Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, alo dzɔdzɔenyenye, me eme kɔ ƒã. Mina míadzro mɔ siwo nu Yehowa ɖea eƒe dzɔdzɔenyenye fiana le wòléa dzi na ame la me.

13 Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ debliboa ʋãnɛ wòɖea nuteƒewɔwɔ fiaa esubɔlawo eye megblẽa wo ɖi o. Hakpala Dawid va se Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ debliboa ƒe akpa sia gɔme nyuie le nusiwo me eya ŋutɔ to me. To Dawid ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ kpakple to nusiwo wòsrɔ̃ tso Mawu ƒe mɔwo ŋu me la, aleke wòƒo nya tae? Egblɔ be: “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee.” (Psalmo 37:28) Kakaɖedzinya fakɔname kawo gbegbee nye si! Mía Mawu magblẽ amesiwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi ɣeaɖekeɣi akpɔ gbeɖe o. Eyata míate ŋu aɖo ŋu ɖe alesi wòtsɔ kpuie ɖe mía gbɔ eye wòléa be na mí lɔlɔ̃tɔe la ŋu. Eƒe dzɔdzɔenyenye na kakaɖedzi le nya sia ŋu!—Lododowo 2:7, 8.

14. Aleke alesi Yehowa tsɔ ɖe le ame tsɛwo me la dze le Se si wòna Israel-viwo mee?

14 Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ na wòtsɔ ɖe le amesiwo wote ɖe anyi la ƒe hiahiãwo me. Alesi Yehowa tsɔ ɖe le eme na amesiwo dzi nu mede o la dze le Se si wòtsɔ na Israel-viwo me. Le kpɔɖeŋu me, wowɔ ɖoɖo tɔxɛwo le Sea me bene woatsɔ akpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ƒe nuhiahiãwo gbɔe. (Mose V, 24:17-21) Esi Yehowa nya alesi agbenɔnɔ  ate ŋu asesẽe na ƒome siawoe ta la, eya ŋutɔ va zu fofo Ʋɔnudrɔ̃la kple Ametakpɔla na wo, “amesi tsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo.” * (Mose V, 10:18; Psalmo 68:6) Yehowa xlɔ̃ nu Israel-viwo be ne wote nyɔnuwo kple ɖeviwo, amesiwo nye wɔnamanɔŋutɔwo ɖe anyi la, godoo la, yease woƒe ɣlidodo. Egblɔ be: “Nye dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu.” (Mose II, 22:21-23) Togbɔ be dɔmedzoedodo menye Yehowa ƒe nɔnɔme veviawo dometɔ aɖeke o hã la, edoa dɔmedzoe si le dzɔdzɔe ne woɖoe koŋ wɔ nu madzɔmadzɔwo, vevietɔ ɖe ame tsɛwo kple wɔnamanɔŋutɔwo ŋu.—Psalmo 103:6.

15, 16. Nukae nye Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ ƒe kpeɖodzi ɖedzesi ŋutɔ aɖe?

15 Yehowa gaka ɖe edzi na mí hã be “amesi medea ame dzi o, eye mexɔa zãnu aɖeke o” ye yenye. (Mose V, 10:17) To vovo na amegbetɔ geɖe siwo si ŋusẽ alo ɖoƒe aɖe le la, wometsɔa ŋutilã me nunɔamesiwo alo gotagome dzedzeme flua Yehowae o. Akpaɖekadzidede alo ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele eme kura o. Bu Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ ƒe kpeɖodzi ɖedzesi aɖe ŋu kpɔ. Menye ame ŋkuta ʋɛ aɖewo koe mɔnukpɔkpɔ si li be woava zu eƒe subɔla vavãwo, bene woakpɔ agbe mavɔ la, le ʋuʋu ɖi na o. Ke boŋ “le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku sia le ʋuʋu ɖi na amewo katã, metsɔ le eme ɖoƒe si wole, ŋutigbalẽ ƒe amadede si le wo ŋu, alo dukɔ ka mee woɖale o. Ðe menye esiae nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ vavãtɔ kple nyuitɔ kekeake oa?

16 Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ debliboa ƒe akpa bubu aɖe hã gali si me wòle be míadzro ahade asixɔxɔ eŋu: eyae nye alesi wòwɔa nu ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi dalawo ŋu.

 Megbea Tohehe O

17. Ðe nusita numadzɔmadzɔwɔwɔ siwo le xexe sia me la metso Yehowa gbɔ le mɔ aɖeke nu o la me.

17 Ame aɖewo abia be: ‘Esi Yehowa meŋea aɖaba ƒua numadzɔmadzɔwɔwɔ dzi o ɖe, ke nukatae fukpekpe madzemadzee kple nugbegblẽwɔwɔ bɔ alea gbegbe ɖe xexeame egbea?’ Numadzɔmadzɔwɔwɔ mawo ƒe fɔbubu mate ŋu ayi na Yehowa le mɔ aɖeke nu o. Nuvɔ̃ si ƒe dome amegbetɔwo nyi tso Adam gbɔe madzɔmadzɔnyenye gbogbo siwo bɔ ɖe xexe vɔ̃ɖi sia me la tso. Le xexe si me amegbetɔ madeblibowo lé woa ŋutɔwo ƒe mɔ vɔ̃ɖiwo tsɔ la, numadzɔmadzɔwɔwɔ sɔŋ koe xɔ aƒe ɖi—gake mayi edzi eteƒe nadidi o.—Mose V, 32:5.

18, 19. Nukae ɖee fia be Yehowa mayi edzi aŋe aɖaba ƒu amesiwo ɖonɛ koŋ daa eƒe se dzɔdzɔeawo dzi la dzi o?

18 Togbɔ be Yehowa ɖea nublanuikpɔkpɔ gã aɖe fiaa amesiwo tena ɖe eŋu anukwaretɔe hã la, maɖe mɔ be nuwɔna siwo hea vlodoame vaa eƒe ŋkɔ kɔkɔea dzi la nayi edzi tegbee o. (Psalmo 74:10, 22, 23) Dzɔdzɔenyenye Mawu la menye amesi ŋu woaɖu fewu le o; makpɔ amesiwo ɖoe koŋ le nuvɔ̃wɔwɔ dzi la ta tso fɔbuʋɔnudɔdrɔ̃ si wodze na me o. Yehowa nye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, . . . ke megbea tohehe o.” (Mose II, 34:6, 7) Le ɖekawɔwɔ me kple nya siawo la, Yehowa kpɔe ɣeaɖewoɣi be ehiã be yeadrɔ̃ toheʋɔnu amesiwo ɖoe koŋ gbe yeƒe se dzɔdzɔewo dzi wɔwɔ.

19 Le kpɔɖeŋu me, bu alesi Mawu wɔ nu ɖe blema Israel ŋu kpɔ. Esi Israel-viwo ɖo Ŋugbedodonyigba dzi gɔ̃ hã la, wotra ɖa hege ɖe nuteƒemawɔmawɔ me zi geɖe. Togbɔ be woƒe nuwɔna gbegblẽawo ‘ɖua dzi’ na Yehowa hã la, megbe wo enumake o. (Psalmo 78:38-41) Ke boŋ ekpɔ nublanui na wo ʋu mɔnukpɔkpɔ geɖe ɖi na wo be woatrɔ tso woƒe mɔwo dzi. Eɖe kuku na wo gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, negbe be, ame vɔ̃ɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme ŋu, ne wòanɔ agbe boŋ ye. Israel ƒe aƒe, miɖe asi le miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo ŋu, miɖe asi le wo ŋu, nukaŋuti miebe, yewoaku ɖo?”  (Xezekiel 33:11) Esi Yehowa bua agbe nu xɔasii ta la, edɔ eƒe nyagblɔɖilawo ɖe Israel-viwo zi gbɔ zi geɖe bene woatrɔ ɖa tso woƒe mɔ vɔ̃wo dzi. Gake dzimesesẽtɔ siawo ƒe akpa gãtɔ gbe toɖoɖo kple dzimetɔtrɔ. Mlɔeba la, le Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe la kple gɔmesese si le eŋu ta la, etsɔ wo de asi na woƒe futɔwo.—Nexemya 9:26-30.

20. (a) Nukae alesi Yehowa wɔ nu ɖe Israel ŋu fia mí tso eyama ŋu? (b) Nukatae dzata nye kpɔɖeŋu si sɔ na Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye?

20 Alesi Yehowa wɔ nu ɖe Israel-viwo ŋu na míenya nu geɖe tso eyama ŋu. Míesrɔ̃e be eƒe ŋku si kpɔa nusianu la le numadzɔmadzɔwɔwɔ ɖesiaɖe kpɔm eye wòdea dzesi wo, eye be nusiwo kpɔm wòle la tena ɖe edzi ŋutɔ. (Lododowo 15:3) Edea dzi ƒo na mí be míanya be edia mɔnukpɔkpɔwo be yeaɖe nublanuikpɔkpɔ afia ne susu aɖe li si ta wòawɔe nenema ɖo. Gakpe ɖe eŋu la, míesrɔ̃e be meyɔna ɖe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋu gbeɖe o. Le Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu ta la, ame geɖe tsɔnɛ vodadatɔe be madrɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo gbeɖe o. Gake mele nenema kura o, elabena alesi Mawu wɔ nu ɖe Israel ŋu la fia mí hã be seɖoƒe le Mawu ƒe dzigbɔgbɔɖi ŋu. Yehowa nɔa te sesĩe le nu dzɔdzɔe wɔwɔ me. Mele abe amegbetɔ siwo zi geɖe gbea tsotso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu ene o, ke boŋ dzi nɔa eƒo ɖe nusi le dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu ɣesiaɣi. Esɔ be wotsɔ dzata si nye dzɔdzɔenyenye yomenɔnɔ dzinɔameƒotɔe ƒe dzesi  la wɔ kpɔɖeŋu na Mawu ƒe nɔƒe godooa alo eƒe ŋkume kple eƒe fiazikpui. * (Xezekiel 1:10; Nyaɖeɖefia 4:7) Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be ana eƒe ŋugbedodo be yeaɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ ɖa le anyigba sia dzi la nava eme. Ẽ, míate ŋu aɖɔ alesi wòdrɔ̃a ʋɔnui la kpuie ale: tenɔnɔ sesĩe le afisi wòhiã le, nublanuikpɔkpɔ le afisiafi si wòanya wɔ le.—Petro II, 3:9.

Tete Ðe Dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la Ŋu

21. Ne míede ŋugble le alesi Yehowa drɔ̃a ʋɔnui ŋu la, aleke wòle be míabu eyamae, eye nukatae?

21 Ne míele ŋugble dem le alesi Yehowa drɔ̃a ʋɔnui ŋu la, mele be míabui be enye ʋɔnudrɔ̃la vevemaseɖeamenula, tamesesẽtɔ, si ƒe didi koe nye be yeadrɔ̃ toheʋɔnu nuvɔ̃wɔlawo o. Ke boŋ ele be míakpɔe be enye Fofo lɔ̃ame si nɔa te sesĩe eye wòwɔa nu ɖe viawo ŋu le mɔ nyuitɔ kekeake nu. Esi Yehowa nye Fofo dzɔdzɔe ta la, eda sɔ le tenɔnɔ sesĩe ɖe nusi sɔ wɔwɔ kpakple nublanuikpɔkpɔ veveseɖeamenutɔe me le eƒe nuwɔwɔ ɖe via siwo le anyigba dzi ŋu me, amesiwo hiã eƒe kpekpeɖeŋu kple tsɔtsɔke.—Psalmo 103:10, 13.

22. Le Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye me la, mɔnukpɔkpɔ kae wòʋu ɖi na mí, eye nukatae wòwɔa nu ɖe mía ŋu le mɔ sia nu?

22 Aleke gbegbe wòle be míada akpee nye si be Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye de ŋgɔ wu ʋɔnudɔdrɔ̃ nuvɔ̃wɔlawo ko! Le Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me la, eʋu mɔ na mí be mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe nasu mía si—esi nye agbe mavɔ nɔnɔ le blibodede me le xexe si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la me. (Petro II, 3:13) Mía Mawu wɔa nu ɖe mía ŋu le mɔ sia nu elabena eƒe dzɔdzɔenyenye ʋãnɛ be wòakpɔ ame ta tsɔ wu be wòabu fɔ ame. Vavãe, alesi gbegbe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye keke tae la gɔmesese nyuie wu tea mí ɖe eyama ŋu! Le ta siwo kplɔe ɖo me la, míadzro alesi Yehowa ɖea nɔnɔme lédziname sia fianae la me ayi ŋgɔe.

^ mm. 14 Togbɔ be Hebrigbe me nya si wozã na “tsyɔ̃evi” la fia ŋutsuvi siwo si fofo mele o hã la, mefia be Yehowa metsɔa ɖeke le eme na nyɔnuvi tsyɔ̃eviwo o. Yehowa tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me nyametsotso si me wona domenyinu Zelofxad vinyɔnu tsyɔ̃eviwo la ŋuti nuŋlɔɖi de Sea me. Nyametsotso ma nye kpɔɖeŋu, hefia be gome le nyɔnuvi tsyɔ̃eviwo hã si.—Mose IV, 27:1-8.

^ mm. 20 Eɖe dzesi be Yehowa tsɔ eɖokui sɔ kple dzata le ʋɔnudɔdrɔ̃ Israel-vi mawɔnuteƒewo me.—Yeremya 25:38; Hosea 5:14.