Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Takpekpe tɔxɛ aɖe si wowɔ le ƒe 1919 me la, nye kpeɖodzi sẽŋu aɖe be woɖe Mawu ƒe amewo tso Babilon Gã la ƒe aboyo me mlɔeba

 NUFIAMEÐAKA 9B

Nu Ka Tae Wònye Ƒe 1919?

Nu Ka Tae Wònye Ƒe 1919?

Nu ka tae míegblɔna be ƒe 1919 mee woɖe Mawu ƒe amewo tso Babilon Gã la ƒe aboyo me? Biblia me nyagblɔɖi aɖewo kple ŋutinya me nudzɔdzɔ aɖewoe kpe ɖe mía ŋu míeƒo nya ta alea.

Biblia me nyagblɔɖiwo kple ŋutinya me nudzɔdzɔwo ɖee fia be Yesu zu Fia eye wòdze fiaɖuɖu gɔme le dziƒo le ƒe 1914 me, ɣemaɣie Satana ƒe nuɖoanyi si le anyigba dzi afi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo dze egɔme. Nu kae Yesu wɔ esi wòzu Fia? Ðe wòɖe eyomedzela siwo le anyigba dzi la tso aboyo me le Babilon Gã la me enumakea? Ðe wòɖo eƒe “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la le ƒe 1914 me, eye wòdze nuŋeŋedɔ gã la gɔmea?—Mat. 24:45.

Kura o! Ðo ŋku edzi be gbɔgbɔ ʋã apostolo Petro wògblɔ be ʋɔnudɔdrɔ̃ “adze egɔme tso Mawu ƒe aƒe la dzi.” (1 Pet. 4:17) Nyagblɔɖila Malaki hã gblɔ ɣeyiɣi aɖe si Yehowa kple “nubabla ƒe dɔla,” si nye Mawu ƒe Vi la, ava eƒe gbedoxɔ me la ŋu nya ɖi. (Mal. 3:1-5) Ɣeyiɣi ma anye ɣeyiɣi si me woakɔ wo ŋu ahado wo kpɔ. Ðe nane dzɔ le ŋutinya me si wɔ ɖeka kple nyagblɔɖi siawoa?

 Ɛ̃. Ƒe 1914 va ɖo ƒe 1919 ƒe gɔmedzedzee nye dodokpɔ kple ɣeyiɣi sesẽ aɖe si me wokɔ Biblia Nusrɔ̃viawo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi la ŋu. Dzi ɖe le Mawu ƒe ame siwo le anyigba dzi la ƒo esi nuwuwua meva le ƒe 1914 me abe ale si wonɔ mɔ kpɔm nɛ ene o. Esi Charles T. Russell si nɔ ŋgɔ xɔm na Mawu ƒe amewo ku le ƒe 1916 me la, dzi gaɖe le wo ƒo geɖe wu. Wo dometɔ aɖewo siwo ku ɖe Nɔviŋutsu Russell ŋu vevie la dze aglã ɖe Joseph F. Rutherford si va xɔ ɖe Russell teƒe la ŋu vevie. Mama ɖo wo dome si na habɔbɔa ma kloe le ƒe 1917 me. Emegbe le ƒe 1918 me la, wokplɔ Nɔviŋutsu Rutherford kple nɔviŋutsu adre bubuwo yi ʋɔnu, wobu fɔ wo madzemadzee eye wode wo gaxɔ me, eye edze ƒãa be subɔsubɔhakplɔlawoe nɔ megbe na esia. Wotu dɔwɔƒegã si le Brooklyn. Eme kɔ ƒãa be Mawu ƒe amewo mekpɔ do le Babilon Gã la ƒe aboyo me haɖe o!

Ke hã, nu kae dzɔ le ƒe 1919 me? Mènya o ɖe, nuwo trɔ zi ɖeka kpata! Le ƒe ma ke ƒe gɔmedzedze la, woɖe asi le Rutherford kple eƒe zɔhɛwo ŋu le gaxɔ me. Eye wogatrɔ ɖe dɔ ŋu enumake! Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la wowɔ ɖoɖo ɖe takpekpe tɔxɛ aɖe ŋu, eye wodze magazine yeye aɖe si nye The Golden Age, (si nye Nyɔ! fifia) la tata gɔme. Wotrɔ asi le magazine sia ŋu be woazã le dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa me. Azɔ woɖo dzikpɔlawo le hame ɖe sia ɖe me be woawɔ ɖoɖo eye woaxɔ ŋgɔ na gbeƒãɖeɖedɔa. Le ƒe ma ke me la, wota the Bulletin (si nye Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ fifia) be wòakpe ɖe wo ŋu woawɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu.

Nu kae esia fia? Eme kɔ ƒãa be Kristo ɖe eƒe amewo tso Babilon Gã la ƒe aboyo me. Eɖo kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa. Eye nuŋeŋedɔa dze egɔme. Tso ƒe 1919 si nye ƒe vevi aɖe dzi la, dɔa ɖe zɔ yi ŋgɔ le mɔ gã aɖe nu.