Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 14

“Esiae Nye Se Si Le Gbedoxɔ La Ŋu”

“Esiae Nye Se Si Le Gbedoxɔ La Ŋu”

EZEKIEL 43:12

NYA VEVITƆ: Gbedoxɔ si dze le ŋutegaa me—nu si Ezekiel ŋɔlimetɔwo srɔ̃ tso eme kple nu si wòfia na mí egbea

1, 2. (a) Nu kae míesrɔ̃ tso gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me le ta si do ŋgɔ la me? (b) Nyabiase eve kawo mee míadzro le ta sia me?

MENYE gbɔgbɔmegbedoxɔ gã si apostolo Paulo ɖɔ ƒe alafa aɖewo megbe ye Ezekiel kpɔ le ŋutega me o. Míesrɔ̃ esia le ta si do ŋgɔ la me. Míesrɔ̃e hã be taɖodzinu si le ŋutegaa ŋue nye be wòafia ale si dzidzenu siwo Mawu ɖo ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu la le vevie la, eƒe amewo. Ne ameawo wɔ ɖe dzidzenu mawo dzi ko hafi wo kple Yehowa dome aganɔ nyuie. Esia na míekpɔ susu si ta Yehowa te gbe ɖe nya vevi sia dzi zi eve sɔŋ le kpukpui sia ɖeɖe me be: “Esiae nye se si le gbedoxɔ la ŋu.”—Xlẽ Ezekiel 43:12.

2 Fifia anyo be míagade ŋugble le biabia eve bubu ŋu. Gbãa: Nu vevi kawoe Yudatɔ siwo nɔ anyi le Ezekiel ƒe ŋkekea me la, anya srɔ̃ tso ŋutega sia si ku ɖe Yehowa ƒe dzidzenu siwo ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu la me? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo akpe ɖe mía ŋu míaɖo nyabiase evelia ŋu. Ebia be: Nu kawoe ŋutegaa fia na mí le ŋkeke mamlɛ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ la me?

 Nu Kae Ame Siwo Nɔ Anyi Le Blema La Srɔ̃ Tso Ŋutegaa Me?

3. Nu ka tae teƒe si gbedoxɔ si dze le ŋutega me nɔ le to kɔkɔ aɖe dzi la na ŋukpe lé ame siwo si dzi nyui le?

3 Hafi míaɖo biabia gbãtɔ ŋu la, na míade ŋugble tso gbedoxɔ si dze le ŋutega me la ƒe akpa vevi aɖewo ŋu kpɔ. To kɔkɔ ŋutɔ la. Anɔ eme be ameawo tsɔ afi si gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me nɔ la sɔ kple Yesaya ƒe nyagblɔɖi fakɔname si ku ɖe gbugbɔgaɖɔɖoa ŋu. (Yes. 2:2) Gake nu kae wosrɔ̃ tso Yehowa ƒe aƒe si wokpɔ wònɔ to kɔkɔ ŋutɔ aɖe dzi la me? Wosrɔ̃e be ele be woado tadedeagu dzadzɛa ɖe dzi, akɔe ɖe dzi wòagbɔ ɖe sia ɖe ŋu. Le nyateƒe me la, wodo tadedeagu dzadzɛa ɖe dzi xoxo, elabena enye ɖoɖo si tso Ame si ‘ƒo mawuwo katã ta sãsãsã’ la gbɔ. (Ps. 97:9) Gake ameawo gbe nu si wòle be woawɔ la wɔwɔ. Woɖe mɔ tadedeagu dzadzɛa dome gblẽ, woɖe asi le eŋu, eye woƒo ɖii hena ƒe alafa geɖe. Esi wokpɔ be wodo Mawu ƒe aƒe kɔkɔea ɖe dzi wòva le ɖoƒe si wòle be wòanɔ eye ŋutikɔkɔe kple gãnyenye va le eŋu la, ena ŋukpe lé ame siwo si dzi nyui le.

4, 5. Nu kae ame siwo nɔ to ɖom Ezekiel srɔ̃ tso gbedoxɔa ƒe agbo gãwo me?

4 Agbo gãwo. Le ŋutegaa ƒe gɔmedzedze la, Ezekiel kpɔ mawudɔla si kplɔe nɔ tsa ɖim la wònɔ agboawo dzidzem. Agbo mawo kɔkɔ abe afɔ 100 ene! (Eze. 40:14) Dzɔlawo ƒe xɔviwo le wo me. Nu kae esiawo katã fia na ame siwo srɔ̃ nu tso agboawo ƒe nɔnɔme ŋu? Yehowa gblɔ na Ezekiel be: “Lé ŋku ɖe gbedoxɔ la ƒe mɔnu” ŋu. Nu ka tae? Elabena ameawo kplɔa “aʋamatsomatsotɔ siwo meɖe woƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa o” la vaa Mawu ƒe aƒe kɔkɔe si me wosubɔna le la me. Nu kae do tso esia me? Yehowa gblɔ be: ‘Woƒo ɖi nye gbedoxɔa.’—Eze. 44:5, 7.

5 “Aʋamatsomatsotɔ siwo meɖe woƒe . . . boloyiwo ɖa o” gbe be yewomawɔ ɖe se si Mawu de si me kɔ tso Abraham ƒe ŋkekea me ke la dzi o. (1 Mose 17:9, 10; 3 Mose 12:1-3) Gake “aʋamatsomatsotɔ siwo meɖe woƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa o” ya tɔ nyra wu. Wodze aglã vevie, eye wogbe be yewomawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi o. Mele be woaɖe mɔ na ame mawo tɔgbi be woage ɖe Yehowa ƒe aƒe kɔkɔe si me wosubɔna le la me o! Yehowa lé fu alakpanuwɔwɔ, eye amewo ɖe mɔ alakpanuwɔwɔ dzi ɖe edzi le eƒe aƒea me. Agboawo kple dzɔlawo ƒe xɔvi siwo dze le gbedoxɔ ƒe ŋutegaa me la te gbe ɖe nu vevi sia dzi be: Womagaɖe mɔ ɖe nu mawo tɔgbi ŋu o! Ele be woaɖo dzidzenu deŋgɔ siwo gbɔ wòle be ame naɖo la gbɔ hafi age ɖe Mawu ƒe aƒea me. Ema ko hafi Yehowa ayra woƒe subɔsubɔa.

6, 7. (a) Aleke Yehowa zã gli si woɖo ƒo xlã gbedoxɔa ƒe gbadzaƒe la tsɔ gblɔ gbedeasi aɖe na eƒe amewo? (b) Aleke Yehowa ƒe amewo wɔ nu ɖe eƒe aƒea ŋu tsã? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

6 Gli si woɖo ƒo xlã gbadzaƒea. Nu si ɖe dzesi ŋutɔ le gbedoxɔ si dze le ŋutegaa me ŋue nye gli si woɖo ƒo xlã gbedoxɔ bliboa. Ezekiel gblɔ be edzidze gliawo tso akpa ɖeka yi akpa kemɛ wole dzidzeti 500 alo afɔ 5,100, si ade kilometa 1.6.  (Eze. 42:15-20) Ke hã, gbedoxɔa kple xɔxɔnuawo katã le dzogoe ene me si ƒe didime nye abɔklugui 500, alo afɔ 850 pɛ ko le akpa sia akpa. Eya ta teƒe gbadzaa aɖe ƒo xlã gbedoxɔa, eye wotɔ kpɔ si nye egodotɔ ƒo xlãe. * Ðe susu ka ta?

7 Yehowa gblɔ be: “Azɔ na woaɖe woƒe gbɔgbɔmehasiwɔwɔ kple woƒe fiawo ƒe kukuawo ɖa le gbɔnye, ekema manɔ wo dome tegbee.” (Eze. 43:9) Anye legbawo ŋue “woƒe fiawo ƒe kukuawo” ku ɖo. Eya ta Yehowa zã gbedoxɔa ƒe gbadzaƒe si woɖe fia Ezekiel le ŋutegaa me tsɔ le gbɔgblɔm be: “Miɖe ŋunyɔnu mawo katã ɖa. Migana woagogo teƒe sia o.” Eya ta ne wona woƒe subɔsubɔ le dzadzɛ la, Yehowa anɔ wo dome eye wòayra wo.

8, 9. Nu kae amewo srɔ̃ tso nuxlɔ̃ame sesẽ si Yehowa na ŋgɔxɔlawo me?

8 Enye nuxlɔ̃ame sesẽ na ŋgɔxɔlawo. Azɔ hã Yehowa xlɔ̃ nu ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm le dukɔa me la vevie lɔlɔ̃tɔe. Eɖɔ Lewi vi siwo trɔ ɖa le eyome esime dukɔa va nɔ trɔ̃wo subɔm la ɖo vevie, eye wòkafu Zadok viwo, “ame siwo kpɔ [eƒe] kɔkɔeƒe la ƒe dɔwo gbɔ esime Israel tra mɔ.” Ewɔ nu ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu nyuie eye wòkpɔ nublanui na wo wòsɔ kple nu si wòwɔ. (Eze. 44:10, 12-16) Nenema kee wòɖɔ Israel ƒe amegãwo hã ɖo vevie.—Eze. 45:9.

9 Yehowa to esia dzi ɖee fia eme kɔ be ame siwo le ŋusẽnɔƒewo eye woxɔa ŋgɔ la ana akɔnta ye tso ale si wowɔa woƒe dɔwoe ŋu. Womegbɔ aɖaŋuɖoɖo, ɖɔɖɔɖo kple tohehe ŋu o. Ke boŋ ele be woaxɔ ŋgɔ awɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo dzi!

10, 11. Nu kae ɖee fia be aboyomeawo dometɔ aɖewo srɔ̃ nane tso ŋutega si Ezekiel kpɔ la me?

10 Ðe ame siwo trɔ gbɔ tso aboyo me la wɔ ɖe nufiame siwo le ŋutega si Ezekiel kpɔ me la dzia? Nyateƒeae nye be, míate ŋu anya nu si tututu nɔ susu me na ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi tso ŋutega wɔdɔɖeamedzi sia ŋu o. Ke hã, Mawu ƒe Nyaa megblɔ nu boo aɖeke tso nu si aboyome siwo trɔ gbɔ la wɔ kple ale si wobu Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛ la o. Ðe wowɔ ɖe nufiame siwo le Ezekiel ƒe ŋutegaa me la dzia? Wowɔe va se ɖe afi aɖe ya—elabe wo tɔ ka ɖe eme wu wo tɔgbui siwo dze aglã siwo wova ɖe aboyoe yi Babilon la tɔ.

11 Nuteƒewɔlawo abe nyagblɔɖila Hagai kple Zakariya, nunɔla kple nugbugbɔgaŋlɔla Ezra kpakple nutodziɖula Nehemiya ku kutri vevie te gbe ɖe nufiame siwo le gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la dzi na dukɔa. (Ezra 5:1, 2) Wofia dukɔa be ele be woado tadedeagu dzadzɛa ɖe dzi wòaxɔ nɔƒe gbãtɔ, menye ŋutilãmenuwo kple ame ŋutɔ ƒe nuwo o. (Hag. 1:3, 4) Wote gbe ɖe edzi be ele be woade bubu dzidzenu siwo dzi wòle be woazɔ ɖo le tadedeagu dzadzɛa me la dzi. Le kpɔɖeŋu me, Ezra kple Nehemiya xlɔ̃ nu ameawo ŋkubiãtɔe be ele be woanya  wo srɔ̃ dutanyɔnu siwo nɔ dukɔa me tɔwo ƒe subɔsubɔ dome gblẽm la. (Xlẽ Ezra 10:10, 11; Neh. 13:23-27, 30) Ke trɔ̃subɔsubɔ ya ɖe? Esi wogbɔ tso aboyo me la, edze abe wova lé fu nu vɔ̃ si nye trɔ̃subɔsubɔ si zu mɔ̃ ɖe wo zi geɖe la ene mlɔeba. Ke nunɔlawo kple amegãwo hã ɖe? Abe ale si wòdze le ŋutega si Ezekiel kpɔ me ene la, wole ame siwo Yehowa xlɔ̃ nui eye wòɖɔ ɖo la dome. (Neh. 13:22, 28) Wo dometɔ geɖe wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi.—Ezra 10:7-9, 12-14; Neh. 9:1-3, 38.

Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si wodzidze nuwo wode pɛpɛpɛ la me? (Kpɔ Memama 11)

12. Mɔ kawo nue Yehowa yra aboyome siwo trɔ gbɔ la le?

12 Esia na Yehowa yra eƒe amewo. Wo kple Yehowa dome va le nyuie, wonɔ lãmesẽ me eye wowɔ nuwo ɖe ɖoɖo nu na ɣeyiɣi didi aɖe. (Ezra 6:19-22; Neh. 8:9-12; 12:27-30, 43) Nu ka tae? Elabe wova nɔ zɔzɔm ɖe dzidzenu dzɔdzɔe siwo Yehowa ɖo ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu la dzi. Azɔ hã ame siwo si dzi nyui le la va nɔ wɔwɔm ɖe nufiame siwo le gbedoxɔ si dze le ŋutegaa me la dzi. Kpuie ko la, míate ŋu agblɔ be gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me la ɖe vi na aboyomeawo le mɔ vevi eve nu. (1) Ena wosrɔ̃ dzidzenu siwo dzi wòle be woazɔ ɖo le tadedeagu dzadzɛa me kple ale si woawɔ ɖe dzidzenu mawo dzi. (2) Enye nyagblɔɖi si gana kakaɖedzi wo. Nyagblɔɖia fia be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi, eye wògblɔ ale si Yehowa ayra eƒe amewo ne woyi edzi lé tadedeagu dzadzɛa me  ɖe asi. Ke hã, míawo hã míadi be míakpɔ ŋuɖoɖo na nya sia: Ðe ŋutegaa gale eme vam egbea?

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Ŋutega Si Ezekiel Kpɔ La Me Egbea

13, 14. (a) Aleke míewɔ nya be gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la ku ɖe míaƒe ŋkekea hã ŋu? (b) Mɔ eve kawo nue ŋutegaa ɖea vi na míawo hã le egbea? (Kpɔ aɖaka si nye 13A, “Gbedoxɔ Vovovowo, Nufiame Vovovowo.”)

13 Ðe míate ŋu agblɔ be ŋutega si Ezekiel kpɔ la ku ɖe mía ŋu egbea? Ɛ̃! Ðo ŋku edzi be Mawu ƒe aƒe kɔkɔe si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la nɔ “to kɔkɔ ŋutɔ aɖe dzi,” eye esia ɖi Yesaya ƒe nyagblɔɖi si gblɔ be “Yehowa ƒe aƒe ƒe to la ali ke sesĩe, akɔ ta agbɔ towo ŋu” la. Yesaya gblɔ na mí kaŋ be yeƒe nyagblɔɖia ava eme “le ŋkeke mamlɛawo me,” alo “ŋkekeawo ƒe nuwuɣi.” (Eze. 40:2; Yes. 2:2-4 etenuŋɔŋlɔ; Mika 4:1-4.) Nyagblɔɖi siawo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu tso ƒe 1919 esime wodo tadedeagu dzadzɛa ɖe dzi, gbugbɔe ɖo te, abe ɖe wotsɔe ɖo to kɔkɔ aɖe dzi ene la ŋu. *

14 Ekema ɖikeke mele eme o be ŋutega si Ezekiel kpɔ la ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu egbea hã. Abe ale si ko ŋutegaa ɖe vi na Yudatɔ aboyomeawo le blema ene la, nenema kee wòɖea vi na míawo hã egbea le mɔ eve nu. (1) Ena míekpɔ ale si wòle be míawɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenu siwo ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu la dzi. (2) Eƒo nu tso nyagblɔɖi siwo ŋu kakaɖedzi le siwo ku ɖe ale si woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi kple Yehowa ƒe yayrawo ŋu.

Dzidzenu Siwo Ku Ðe Tadedeagu Dzadzɛa Ŋu Egbea

15. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí esi míele nu srɔ̃m tso gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la me?

15 Azɔ na míaƒo nu tso ŋutega si Ezekiel kpɔ ƒe akpa vevi aɖewo ŋu. Kpɔe ɖa le susu me be míedze Ezekiel yome esime wokplɔe nɔ tsa ɖim le gbedoxɔa me le ŋutega wɔdɔɖeamedzi ma me. Ðo ŋku edzi be menye gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la kpɔmee míele o; ke boŋ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ wòaɖe vi na mí le míaƒe subɔsubɔ me egbea koŋ ŋue míaƒe susu le. Nu siwo míate ŋu asrɔ̃ ƒe ɖewo ɖe?

16. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si wodzidze nuwo le ŋutega si Ezekiel kpɔ la me? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

16 Nu ka tae wòle be woadzidze teƒea katã? Ezekiel nɔ ekpɔm esime mawudɔla si ƒe dzedzeme le abe akɔbli ene la dzidze gbedoxɔ la, gliawo, agboawo, dzɔlawo ƒe xɔviwo, xɔxɔnuawo kple vɔsamlekpuia pɛpɛpɛ. Nu gbogbo siwo wodzidze tsitotsito la awu tsɔtsɔ na ame si ava xlẽ nu tso wo ŋu ale gbegbe. (Eze. 40:1–42:20; 43:13, 14) Gake bu nu vevi siwo míate ŋu asrɔ̃ tso nu siwo wodzidze tsitotsito alea me ŋu kpɔ. Yehowa to esia dzi te gbe ɖe ale si eƒe dzidzenuwo le vevie la dzi. Eya ŋutɔe ɖo dzidzenu mawo, menye amegbetɔwo o. Ame siwo gblɔna be mɔ si dzi ame ato asubɔ Mawu mele vevie o la da ƒu wòwɔ nublanui ŋutɔ. Azɔ hã, esi wodzidze gbedoxɔa tsitotsito  la, Yehowa to esia dzi ka ɖe edzi na mí be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi godoo. Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme pɛpɛpɛ abe ale si wodzidze nuawo wode pɛpɛpɛ ene. Eya ta Ezekiel to esia dzi ɖo kpe edzi be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi le ŋkeke mamlɛawo me godoo!

Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si wodzidze nuwo wode pɛpɛpɛ la me? (Kpɔ Memama 16)

17. Nu ka dzie gli si woɖo ƒo xlã gbedoxɔa ƒe gbadzaƒea ɖoa ŋkui na mí egbea?

17 Gli si woɖo ƒo xlã gbadzaƒea. Abe ale si míegblɔe va yi ene la, Ezekiel kpɔ be wotɔ kpɔ ƒo xlã gbedoxɔ si wòkpɔ le ŋutegaa me la. Gli si woɖo ƒo xlã gbedoxɔa ɖo ŋku edzi na Mawu ƒe amewo be mele be woana nu makɔmakɔ aɖeke nagogo tadedeagu dzadzɛa ale be wòaƒo ɖi Mawu ƒe aƒea kura o. (Xlẽ Ezekiel 43:7-9.) Aɖaŋuɖoɖo ma sɔ na míawo hã egbea ŋutɔ! Esime Mawu ƒe amewo do le Babilon Gã la ƒe gbɔgbɔmeboyo si me wonɔ ƒe alafa geɖe me megbe la, Kristo ɖo kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela le ƒe 1919 me. Tso ɣemaɣi la, Mawu ƒe amewo ku kutri ɖe asi le alakpanufiafiawo kple nuwɔna siwo dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me la ŋu. Míekpɔa egbɔ be míagatsɔ nu makɔmakɔ aɖeke atsaka tadedeagu dzadzɛa o. Azɔ hã, míetsaa asi le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me o ale be míaɖe asitsanyawo ɖe vovo tso míaƒe subɔsubɔ gbɔ.—Marko 11:15, 16.

18, 19. (a) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso agbo kɔkɔ siwo nɔ gbedoxɔa ŋu si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la me? (b) Aleke míawɔ nu ɖe ame siwo gblɔna be Yehowa ƒe dzidzenu deŋgɔwo me sẽ akpa la ŋui? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

18 Agbo gãwo. Ne míede ŋugble tso agbo gã siwo Ezekiel kpɔ ŋu la, nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso eme? Ðikeke mele eme o be ŋutegaa ƒe akpa ma fia Yudatɔ aboyomeawo be Yehowae ɖo agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo. Ne aleae wònɔ le blemaa, ke egbea ya ɖe? Míesubɔna le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la me. Eya ta ɖe agbe nyui nɔnɔ si me alakpanuwɔwɔ mele o la mele vevie fifia wu oa? (Rom. 12:9; 1 Pet. 1:14, 15) Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, Yehowa le eƒe amewo fiam vivivi be woawɔ ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo dzi. * Le kpɔɖeŋu me, woɖea nu vɔ̃ wɔla siwo gbe dzimetɔtrɔ la ɖa le hamea me. (1 Kor. 5:11-13) Azɔ hã dzɔlawo ƒe xɔvi siwo le agboawo ƒe mɔnu ɖoa ŋku edzi na mí egbea be womeɖea mɔ na ame siwo ŋu Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖo o la be woasubɔe o. Le kpɔɖeŋu me, ame si le agbe eve nɔm la ava Fiaɖuƒe Akpata me ya gake Yehowa makpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o negbe ɖe wòtrɔ nɔnɔme hafi ko. (Yak. 4:8) Ðe esia menye ta kpɔkpɔ na tadedeagu dzadzɛa le xexe sia si me agbe nyui nɔnɔ yi to le me oa!

19 Biblia gblɔe ɖi be xexe sia ƒe agbe nyui nɔnɔ ayi to hafi nuwuwua nava. Biblia gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo anɔ vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi, woanɔ amewo flum, eye amewo hã anɔ wo flum.” (2 Tim. 3:13) Woflu ame geɖe wosusuna be Yehowa ƒe dzidzenu deŋgɔwo me sẽ akpa, wozu tsigãdzinu alo be womesɔ o. Ðe nàɖe mɔ woaflu wò hã? Le kpɔɖeŋu me, ne ame  aɖe le agbagba dzem be yeana nàxɔe ase be naneke megblẽ le ŋutsu ŋutsugbɔdɔla alo nyɔnu nyɔnugbɔdɔlawo ƒe nuwɔnawo ŋu o la, àlɔ̃ ɖe edzia? Alo ɖe wò susu awɔ ɖeka kple Yehowa Mawu, ame si ƒe Nyaa gblɔe eme kɔ be ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe nuwɔna mawo me la le “ŋukpenanuwo wɔm” la tɔa? Mawu xlɔ̃ nu mí be míagada asi ɖe agbe manyomanyo dzi o. (Rom. 1:24-27, 32) Ne nya mawo tɔgbi dze ŋgɔ mí la, anyo be míaɖo ŋku gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me kple agbo gã siwo le eŋu la dzi be: Yehowa magbɔdzɔ eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo me, ne xexe vɔ̃ɖi sia le ezim ɖe amewo dzi be woawɔe nenema gɔ̃ hã o. Ðe míanɔ mía Fofo si le dziƒo la ƒe akpa dzi awɔ nu si sɔa?

Ne míetsɔ tadedeagu dzadzɛ na Mawu la, ke efia be míele ‘kafukafuvɔ’ sam nɛ

20. Ŋkuɖodzinya siwo doa ŋusẽ ame kawoe “ameha gã” la me tɔwo ate ŋu akpɔ le ŋutega si Ezekiel kpɔ la me?

20 Xɔxɔnuawo. Esi Ezekiel kpɔ gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu gotatɔ gbadzaa la la, dzi anya dzɔe elabe Yehowa subɔla gbogbo aɖewo siwo le dzidzɔ kpɔm la ate ŋu ava ƒo ƒu ɖe afi ma. Egbea, Kristotɔwo le subɔsubɔm le gbedoxɔ si lolo wu la me. Ame siwo nye “ameha gã” la me tɔ siwo subɔna le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu gotatɔ me la kpɔnɛ be ŋkuɖodzinya siwo doa ŋusẽ ame le ŋutega si Ezekiel kpɔ la me. (Nyaɖ. 7:9, 10, 14, 15) Ezekiel kpɔe be nuɖuxɔwo le xɔxɔnuawo eye afi mae ame siwo va vɔ sa ge la ɖua lã si wotsɔ vɛ be woatsɔ asa ŋutifafavɔ la ƒe ɖe le. (Eze. 40:17) Ne míagblɔe la, wole nu ɖum  kple Yehowa Mawu, eye esia fia be ŋutifafa le wo dome! Egbea la, míawo ya míesaa vɔ̃wo abe ale si Yudatɔ siwo nɔ Mose ƒe Sea te la wɔnɛ ene o. Ke boŋ míetsɔa “kafukafuvɔsa” nanɛ ne míewɔ tadedeagu dzadzɛa ƒe akpa aɖewo abe nyaŋuɖoɖo si nye míaƒe xɔse me ʋuʋu le kpekpeawo me alo ne míeɖe gbeƒã ene. (Heb. 13:15) Gbɔgbɔmenuɖuɖu si Yehowa nana mí la hã nyia mí. Mewɔ nuku o be míawo hã míesena le mía ɖokui me abe Kora vi siwo dzi ha na Yehowa be: “Ŋkeke ɖeka le wò xɔxɔnu nyo wu ŋkeke akpe ɖeka le teƒe bubu” la ene!—Ps. 84:10.

21. Nu kae Kristotɔ amesiaminawo ate ŋu asrɔ̃ tso ŋutega si Ezekiel kpɔ ku ɖe nunɔlawo ŋu la me?

21 Nunɔlawo. Ezekiel kpɔe be nunɔlawo kple Lewi viwo toa agbowo nu gena ɖe xɔxɔnu emetɔ la me, eye agbo siawo le abe esiwo nu ame siwo menye nunɔlawo o la tona gena ɖe xɔxɔnu gotatɔ me la ke ene. Ema nye ŋkuɖodzi nyui aɖe na ame siwo nye nunɔlawo be ele be woawo hã naɖo dzidzenu siwo Yehowa ɖo ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu la gbɔ. Ke egbea ɖe? Nunɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖeke megale Mawu subɔlawo dome fifia o, gake wogblɔ na Kristotɔ amesiaminawo be: “Miawo la, mienye ‘dzidzime tiatia, nunɔla siwo nye fiawo.’” (1 Pet. 2:9) Nunɔla siwo nɔ anyi le blema Israel la subɔna le xɔxɔnu bubu. Egbea, womeɖe Kristotɔ amesiaminawo ɖe vovo tso wo hati subɔla bubuwo gbɔ o, ke hã, esi woxɔ wo abe viwo ene ta la, wo kple Yehowa dome le nyuie etɔxɛe. (Gal. 4:4-6) Azɔ hã, amesiaminawo ate ŋu akpɔ ŋkuɖodzinya siwo aɖe vi na wo la le ŋutega si Ezekiel kpɔ la me. Le kpɔɖeŋu me, wonya be nunɔlawo megbɔ aɖaŋuɖoɖo kple tohehe me o. Ele be Kristotɔwo katã naɖo ŋku edzi be “alẽha ɖeka” me tɔwoe mí katã míenye, eye míele subɔsubɔm le “alẽkplɔla ɖeka” te.—Xlẽ Yohanes 10:16.

22, 23. (a) Nu kae Kristotɔ hamemetsitsi siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso amegã si ŋu woƒo nu tsoe le ŋutega si Ezekiel kpɔ me ŋu la gbɔ? (b) Nu kae ava dzɔ le etsɔme?

22 Amegã la. Le ŋutega si Ezekiel kpɔ me la, amegã la nye ame vevi aɖe. Metso nunɔlawo ƒe toa me o, eye le ɖoɖo si wowɔ le gbedoxɔa me nu la, ele be wòanɔ nunɔlawo te. Ke hã, ele abe dzikpɔla ene na dukɔa eye wòkpena ɖe wo ŋu be woasa vɔwo. (Eze. 44:2, 3; 45:16, 17; 46:2) Eya ta enye kpɔɖeŋu na Kristotɔ hamemetsitsi siwo li egbea, siwo wɔa dɔ vevi aɖewo le hamea me. Nya lae nye be, ele be Kristotɔ hamemetsitsiwo kple dzikpɔla mɔzɔlawo nanɔ kluvi amesiamina wɔnuteƒewo te. (Heb. 13:17) Hamemetsitsiwo wɔa dɔ sesĩe be yewoakpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu woasa woƒe kafukafuvɔwo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me kple gbeadzi. (Ef. 4:11, 12) Eye hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ nu tso ale si Yehowa gbe nya na amegã siwo nɔ Israel siwo mewɔ woƒe ŋusẽ ŋu dɔ nyuie o la me. (Eze. 45:9) Nenema kee mele be hamemetsitsiwo nabui be yewogbɔ aɖaŋuɖoɖo kple ɖɔɖɔɖo ŋu o. Ke boŋ wobɔbɔa wo ɖokuiwo wɔa  mɔnukpɔkpɔ siwo le ʋuʋu ɖi be Yehowa naɖɔ yewo ɖo ale be yewoate ŋu anye alẽkplɔla kple dzikpɔla nyuiwo la ŋu dɔ.—Xlẽ 1 Petro 5:1-3.

23 Yehowa ayi edzi aɖo dzikpɔla siwo dze, siwo lɔ̃a ame la na eƒe amewo le Paradiso si ava la me. Wole hehe nam hamemetsitsi geɖe egbea ale be woate ŋu ava nye alẽkplɔla siwo dze ana kpekpeɖeŋu le Paradisoa me. (Ps. 45:16) Ne míebu ale si ŋutsu siawo anye yayra na mí le xexe yeyea me ŋu la, ɖe dzi medzɔa mí oa? Ale si míase ŋutega si Ezekiel kpɔ kple nyagblɔɖi bubu siwo ku ɖe ale si woagbugbɔ aɖɔ nuwo ɖo ŋu la, me ava kɔ na mí wu le ɣeyiɣi nyuitɔ si Yehowa ŋutɔ ɖo la dzi. Ðewohĩ nyagblɔɖi sia ƒe akpa aɖewo ava eme le mɔ dodzidzɔnamewo nu le etsɔme, eya ta míate ŋu ase ale si woava emee gɔme keŋkeŋ fifia o. Ðeko míanɔ ŋgɔgbea kpɔm ɖa.

Nu kae agbo kɔkɔawo kple xɔxɔnuawo fia mí tso míaƒe subɔsubɔ ŋu? (Kpɔ Memama 18-21)

Yehowa Ayra Tadedeagu Dzadzɛa

24, 25. Aleke ŋutega si Ezekiel kpɔ la ɖee fia be Yehowa ayra eƒe amewo ne woyi edzi lé tadedeagu dzadzɛa me ɖe asi?

24 Mlɔeba la, na míagaɖo ŋku nu vevi aɖe si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me dzi. Yehowa va gbedoxɔ ma me le ŋutegaa me, eye wòdo ŋugbe na eƒe amewo be yeanɔ afi ma zi ale si woyi edzi lé yeƒe dzidzenu siwo ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe. (Eze. 43:4-9) Ŋusẽ kae Yehowa ƒe afi ma vava akpɔ ɖe eƒe amewo kple woƒe anyigbaa dzi?

25 Ŋutegaa ɖɔ mɔ siwo nu Mawu ayra wo le la le nyagblɔɖi eve siwo naa kakaɖedzi ame la me ale: (1) Tsi aɖe nɔ sisim tso gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒea, ena lãwo gbɔ agbe eye wòna anyigba la wɔ nu; eye (2) woma anyigba la pɛpɛpɛ ɖe ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu, eye gbedoxɔa kple eƒe gbadzaƒea le titina. Aleke míase nya mawo gɔme egbea? Míele agbe le ɣeyiɣi si me Yehowa va gbedoxɔa me, va kɔ eŋu, eye woda asi ɖe mɔ si deŋgɔ wu si le kɔkɔe si dzi wosubɔnɛ le la dzi. Esiae nye gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la. (Mal. 3:1-4) Míaƒo nu tso nyagblɔɖi eve mawo siwo woɖe fia la ŋu le agbalẽ sia ƒe Ta 19 va ɖo 21 lia me.

^ mm. 6 Yehowa di be woakpɔ vovototo le ale si eƒe amewo wɔ nu ɖe eƒe aƒe kɔkɔea ŋu le blema dome adze sii esi wògblɔ be: “Esi wotsɔ woƒe kpui ɖo nye kpui nu, kple woƒe ʋɔtrutiwo ɖo nye ʋɔtrutiwo xa, ale be gli koe tso nye kpli wo dome, eye wotsɔ woƒe ŋunyɔnu siwo wowɔ la ƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔea.” (Eze. 43:8) Le blema Yerusalem la, gli koe tso Yehowa ƒe gbedoxɔa kple amewo ƒe aƒewo dome. Esi ameawo tra ɖa tso Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo gbɔ la, wotsɔ woƒe nu makɔmakɔwo, woƒe trɔ̃subɔsubɔ gogo Yehowa ƒe aƒea. Yehowa meda asi ɖe nuwɔna mawo dzi kura o!

^ mm. 13 Gbedoxɔ si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la wɔ ɖeka kple nyagblɔɖi siwo ku ɖe ale si woagbugbɔ aɖɔ nuwo ɖo si va eme le ŋkeke mamlɛawo me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi nu siwo ɖi wo nɔewo le Ezekiel 43:1-9 kple Malaki 3:1-5; Ezekiel 47:1-12 kple Yoel 3:18.

^ mm. 18 Gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la te dɔwɔwɔ tso ƒe 29 K.Ŋ. esi wonyrɔ Yesu ɖe tsi me eye wòdze Nunɔlagã ƒe dɔa gɔme. Ke hã, le Yesu ƒe apostoloawo ƒe ku megbe la, amewo va trɔ megbe de tadedeagu dzadzɛa le anyigba dzi ƒe alafa geɖe. Ƒe 1919 me koŋue wodo tadedeagu vavãtɔ ɖe dzi.