Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 3

“Mekpɔ Ŋutega Siwo Tso Mawu Gbɔ”

“Mekpɔ Ŋutega Siwo Tso Mawu Gbɔ”

EZEKIEL 1:1

NYA VEVITƆ: Nu siwo Ezekiel kpɔ le ŋutega me ku ɖe dziƒotasiaɖam la ŋu

1-3. (a) Ƒo nu tso nu si Ezekiel kpɔ kple nu si wòse la ŋu. (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Ŋusẽ kae nɔ megbe na nu si Ezekiel kpɔ la, eye aleke wòwɔ dɔ ɖe edzii?

EZEKIEL tɔ ɖe gbegbe aɖe le adzɔge kpɔm ɖaa. Emia ŋku vie, emegbe wòke ŋku ɖi gãa. Meka ɖe edzi be nu ŋutɔŋutɔ kpɔm yele o. Ekpɔ be ahom gã aɖe tu tso adzɔge gbɔna. Gake menye ahom dzro aɖe koe o. Ya sesẽ si tso dziehe la ɖo eƒe taɖa kple eƒe awu me, eye wòkpɔ alilikpo dodo gã aɖe. Dzo nɔ bibim le alilikpo la me, eye dzoa ƒe bibi na wòɖo ŋku ale si wolóloa ga xɔasiwo la dzi. * Esi alilikpo la nɔ Ezekiel gogom la, gbe aɖe nɔ ɖiɖim sesĩe henɔ dzi dem, abe aʋakɔ gã aɖee le zɔ ɖem ene.—Eze. 1:4, 24.

2 Ðekakpui sia si xɔ abe ƒe 30 ene la le nudzɔdzɔ vovovo siwo maŋlɔ be akpɔ o la ƒe gbãtɔwo kpɔm. Ese le eɖokui me be “Yehowa ƒe asi,” si nye Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea si ame mate ŋu axe mɔ na o la le ye dzi. Nu si gbɔgbɔ ma ana wòakpɔ eye wòase la anɔ etɔxɛ kura wu film wɔdɔɖeamedzi siwo wowɔna egbea la sãsãsã. Ezekiel ƒe ŋutegaa ana wòatsyɔ mo anyi, eye gbɔgblɔ nabu ɖee.—Eze. 1:3, 28.

 3 Ke hã, menye ɖeko Yehowa di be ŋutegaa nawɔ dɔ ɖe ŋutsu sia dzi ko evɔ o. Gɔmesese deto le ŋutega gbãtɔ si Ezekiel kpɔ ŋu na eya kple Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo li egbea, abe ŋutega bubu siwo le eƒe nyagblɔɖigbalẽ wɔdɔɖeamedzi la me ene. Eya ta na míalé ŋku ɖe nu si Ezekiel kpɔ kple nu si wòse la ŋu nyuie kpɔ.

Nɔnɔme Si Me Nua Dzɔ Le

4, 5. Nɔnɔme ka mee woɖe ŋutegaa fia Ezekiel le?

4 Xlẽ Ezekiel 1:1-3. Gbãa, na míalé ŋku ɖe nɔnɔme si me wòkpɔ ŋutegaa le ŋu. Ƒe 613 D.Y. mee. Abe ale si míekpɔe le ta si va yi me ene la, Ezekiel kple aboyome bubuwo nɔ Babilon, le teƒe aɖe si te ɖe Kebar-tɔsisia to. Edze ƒãa be tɔsisi sia nye tɔʋu aɖe si woɖe be Frat-tɔsisia me tsiwo nato eme ale be tɔdziʋuwo nato edzi. Kebar-tɔsisi sia gava de nu Frat-tɔsisia me.

Ezekiel nɔ etɔ aboyomeawo dome le afi si gogo Kebar-tɔsisia (Kpɔ Memama 4)

5 Yerusalem si nye aboyomeawo de la, didi kilometa 800. * Alakpasubɔsubɔ kple trɔ̃subɔsubɔ va xɔ aƒe ɖe gbedoxɔ si me Ezekiel fofo nye nunɔla le kpɔ la me. Yerusalem afi si fiazikpui si dzi David kple Salomo nɔ ɖu fia le le ŋutikɔkɔe me kpɔ la va zu ŋukpe na wo. Fia Yehoyakin xɔsemanɔsitɔ la hã le aboyomeawo dome le Babilon. Zedekiya si wotsɔ ɖo fia ɖe eteƒe la, nye ame si Babilon-fia ɖoa nu na eye wòvɔ̃ɖi.—2 Fia. 24:8-12, 17, 19.

6, 7. Nu ka tae Ezekiel se le eɖokui me be yewole ɣeyiɣi sesẽwo me?

6 Nɔnɔme si me wole la nye ɣeyiɣi sesẽ aɖe na Ezekiel si si xɔse le. Ðewohĩ etɔ aboyomeawo dometɔ aɖewo anɔ wo  ɖokuiwo biam be: ‘Ðe Yehowa ŋlɔ mí be tegbeea? Ðe Babilon, dziɖuɖu vɔ̃ɖi sia kple eƒe alakpamawu gbogboawo abu mo na Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛa eye wòaɖe eƒe dziɖuɖu ɖa le anyigba dzi keŋkeŋua?’

7 Esi esia le susu me na mí ta la, ɖe manyo be wò ŋutɔ nàɖoe be yeasrɔ̃ nu tso Ezekiel ƒe ŋutega gbãtɔ si ŋu wòƒo nu tsoe tsitotsito la ŋu oa? (Eze. 1:4-28) Ne èle esia wɔm la, tsɔ ɖokuiwò ɖo Ezekiel teƒe eye nàdze agbagba akpɔ nu siwo wòkpɔ kple nu siwo wòse.

Frat-tɔsisia ƒe akpa si le nuto si te ɖe Karkemis ŋu (Kpɔ Memama 5-7)

Ʋu Aɖe Si Ðeke Mesɔ Kplii O

8. Nu kae Ezekiel kpɔ le ŋutega me, eye nu kae nu si wòkpɔ la le tsitre ɖi na?

8 Nu ka koŋue Ezekiel kpɔ? Ekpɔ nane si le abe ʋu gã wɔnuku aɖe ene, si woɖɔ be enye tasiaɖam. Afɔti gã ene si ŋu gbɔgbɔmenuwɔwɔ wɔnuku ene, si wogblɔ emegbe be wonye kerubiwo le la le eŋu. (Eze. 10:1) Gbadzaƒe gã aɖe le wo tame abe tsikpe ene, eye eya dzie Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fiazikpui si dzi Yehowa ŋutɔ nɔ anyi ɖo la le! Gake nu kae tasiaɖam sia tsi tre ɖi na? Nu ɖeka koe Ezekiel ƒe ŋutegaa ate ŋu atsi tre ɖi na: eyae nye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo. Nu ka tae míegblɔe nenema? Na míade ŋugble tso nu etɔ̃ siwo na míeƒo nya ta alea la ŋu.

9. Aleke ƒomedodo si le Yehowa kple eƒe gbɔgbɔmenu- wɔwɔwo dome la sɔ kple ale si woɖɔ ʋua?

 9 Ƒomedodo si le Yehowa kple eƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo dome. De dzesii be le ŋutega sia me la, Yehowa ƒe fiazikpui la le kerubiawo tame. Le teƒe bubuwo le Mawu ƒe Nyaa me la, woɖɔ Yehowa be ebɔbɔ nɔ fiazikpui dzi le kerubiwo tame alo le kerubiwo dome. (Xlẽ 2 Fiawo 19:15; 2 Mose 25:22; Ps. 80:1) Le nyateƒe me la, menɔ anyi ɖe kerubiwo tame ŋutɔŋutɔ abe ɖee wòhiã be gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu siawo nakɔe ene o, eye mehiã be tasiaɖam ŋutɔŋutɔ nanɔ esi wòanɔ dodom o. Gake kerubiawo le eƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi, eye ate ŋu adɔ wo ɖe xexea ƒe akpa sia akpa be woawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Woawo hã wɔna ɖe Yehowa ƒe nyametsotsowo dzi abe mawudɔla kɔkɔe bubu siwo nye esubɔlawo alo dɔtsɔlawo ene. (Ps. 104:4) Le susu ma ta, Yehowa si nye woƒe dziɖulagã la, le wo katã “dom” eye wòfiaa mɔ wo, abe ɖe wo katã ƒo ƒu zu ʋu gã ɖeka ene.

10. Nu kae ɖee fia be menye kerubi ene koe le dziƒo tasiaɖam la ŋu o?

10 Menye kerubiwo koe ʋu la tsi tre ɖi na o. Ezekiel kpɔ kerubi ene. Wozãa xexlẽme ma le Biblia me zi geɖe wòfiaa blibonyenye, si fia be ame alo naneke meto le eme o. Le ema ta, kerubi eneawo tsi tre ɖi na Yehowa ƒe gbɔgbɔmevi wɔnuteƒeawo katã. De dzesii hã be ŋkuwo sɔŋ le afɔtiawo kple  kerubiawo ŋutɔ hã ŋu si fia be gbɔgbɔmenuwɔwɔ gbogbo bubuwo hã le ŋudzɔ, ke menye ene siwo Ezekiel kpɔ la ko o. Eye ale si wòɖɔ ʋua be eloloe la na kerubi siwo ƒe dzedzeme wɔ dɔ ɖe ame dzi la dze nu sue. (Eze. 1:18, 22; 10:12) Nenema kee Yehowa ƒe habɔbɔ ƒe akpa si le dziƒo la hã lolo, eye esia fia be gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo le eme la wu kerubi ene.

Yehowa ƒe dziƒotasiaɖam si Ezekiel kpɔ le ŋutega me na eƒe nu ku (Kpɔ Memama 8-10)

11. Ŋutega si ɖi esia tɔgbi kae Daniel kpɔ, eye nya ta kae esia na míeƒo?

11 Daniel kpɔ dziƒo ŋuti ŋutega sia tɔgbi. Nyagblɔɖila Daniel nɔ Babilon dugã la me le woƒe aboyomenɔɣi la katã, eye woɖe dziƒo fiae le ŋutega me. Ewɔ nuku be le ŋutega sia hã me la, tasiaɖamfɔwo le Yehowa ƒe fiazikpuia ŋu. Nu si ŋu Daniel ƒe ŋutega ku ɖo koŋ ye nye Yehowa ƒe gbɔgbɔmeƒome gã si le dziƒo la. Daniel kpɔ “ame akpe teƒe akpewo . . . eye ame akpe ewo teƒe akpe ewo” siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo le tsitre ɖe Yehowa ŋkume. Woɖi Ʋɔnu le dziƒo, eye ame sia ame le enɔƒe si wonae. (Dan. 7:9, 10, 13-18) Ekema ɖe masɔ be míaƒo nya ta be dziƒotakpekpe gã sia kee ŋutega si Ezekiel hã kpɔ la le tsitre ɖi na oa?

12. Nu ka tae wònye ametakpɔkpɔ na mí be míasrɔ̃ nu tso dziƒotasiaɖam si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la ŋu?

12 Yehowa nya be ametakpɔkpɔe wònye na mí amegbetɔwo be míaƒe susu nanɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu. Apostolo Paulo yɔ esia be “nu siwo womekpɔna o.” Nu ka tae? Esi míenye amegbetɔwo taa, míaƒe susu nɔa “nu siwo wokpɔna” siwo nye ŋutilãmenu siwo ŋu míetsia dzi ɖo siwo nɔa anyi ɣeyiɣi vi aɖe ko la ŋu fũu akpa. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 4:18.) Satana nya esia, eya ta zi geɖe la, edzea agbagba be yeana míaƒe susu nanɔ ŋutilãmenuwo ŋu. Esi Yehowa lɔ̃ mí ta la, ena woŋlɔ nyagblɔɖiwo abe ŋutega siwo Ezekiel kpɔ la tɔgbi ɖi be woaɖo ŋku ale si gbegbe Yehowa ƒe dziƒoƒomea loloe eye wòwɔ nukui la dzi na mí, ale be míate ŋu agbe Satana ƒe nyaƒoɖeamenua!

“Tasiaɖamfɔwo”

13, 14. (a) Aleke Ezekiel ɖɔ tasiaɖamfɔ siwo wòkpɔ lae? (b) Nu ka tae wòsɔ be woɖɔ Yehowa ƒe tasiaɖam la be enye nu si ŋu afɔtiwo le?

13 Gbãa, Ezekiel ƒo nu tso kerubi eneawo ŋu, eye le agbalẽ sia ƒe Ta 4 lia me la, míava kpɔ nu si nu gbagbeawo kple nu si woƒe nɔnɔme fia mí tso Yehowa ŋu. Ke hã, Ezekiel kpɔ tasiaɖamfɔ ene mawo le dzogoe ene dzi le kerubiawo ŋu. (Xlẽ Ezekiel 1:16-18.) Edze abe krisolit-kpe, si nye kpe xɔasi si me le lãlãlã si me woate ŋu akpɔ nu to eye eƒe amadede nye aŋutiɖiɖi alo aŋutiɖiɖi kple gbemu tsaka ene lae wotsɔ wɔe. Kpe sia si nya kpɔ la nɔ keklẽm.

14 Ŋutega si Ezekiel kpɔ la he susu yi tasiaɖamfɔawo koŋ dzi. Mebɔ be tasiaɖamfɔwo nanɔ fiazikpui ŋu o. Tasiaɖamfɔwo le fiazikpui ŋua! Zi geɖe la, teƒe ɖeka koe míenya be fiazikpui  nɔna, elabe ema koe anyigbadzifiawo ate ŋu awɔ. Gake Yehowa ƒe dziɖuɖu to vovo tso amegbetɔwo tɔ gbɔ kura. Abe ale si Ezekiel ava de dzesii ene la, seɖoƒe meli na Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ o. (Neh. 9:6) Le nyateƒe me la, Dziɖula sia ate ŋu akeke eƒe ŋusẽ ɖe enu wòade afi sia afi!

15. Nu kae Ezekiel de dzesii le tasiaɖamfɔawo kple woƒe lolome ŋu?

15 Tasiaɖamfɔawo ƒe lolome na Ezekiel ƒe nu ku. Egblɔ be: “Woƒe tasiaɖamfɔawo kɔ ale gbegbe be wodzi ŋɔ.” Ðewohĩ míakpɔe le susu me be Ezekiel wu mo dzi hafi te ŋu kpɔ tasiaɖamfɔ gã siwo nɔ keklẽm ɖo ta yame la. Eye wògblɔ nya wɔmoya sia kpee be: “Ŋkuwo le tasiaɖamfɔ eneawo katã ŋu godoo va kpe.” Gake nu si ɖe dzesi wue nye be ale si tasiaɖamfɔwo le la mebɔ o. Egblɔ be: “Woƒe wɔwɔme le abe ɖe tasiaɖamfɔ ɖeka le nɔvia me ene.” Nu kae nya ma fia?

16, 17. (a) Gɔmesese ka nue tasiaɖamfɔ ɖe sia ɖe le nɔvia me le? (b) Nu kae tasiaɖamfɔ siawo ɖe fia tso ale si Yehowa ƒe ʋua tea ŋu yia go sia go me ŋu?

16 Edze ƒãa be tasiaɖamfɔ siwo Ezekiel kpɔ la dometɔ ɖe sia ɖe le nɔvia me, si fia be ɖeka tsoga nɔvia me. Esia ɖe nu si tae tasiaɖamfɔawo wɔa dɔ abe ale si Ezekiel ɖɔe ene la me. Egblɔ be: “Ne woɖe zɔ la, wotea ŋu yia go eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si me wodi be yewoayi la me, eye ne wole yiyim la wometrɔna o.” Nu kae tasiaɖamfɔ siawo ɖe fia tso dziƒoʋu si Ezekiel kpɔ la ŋu?

17 Ne tasiaɖamfɔ kɔkɔ siawo trɔ to eme zi ɖeka pɛ gɔ̃ hã la, menye teƒe vi ye woade o. Le nyateƒe me la, edze le ŋutegaa me be ʋu sia ƒua du abe dzikedzo ene! (Eze. 1:14) Azɔ hã, ale si tasiaɖamfɔawo tea ŋu yia go eneawo dometɔ ɖe sia ɖe me la nye nu wɔnuku aɖe si egbegbe mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo adi be yewoawɔ gake womate ŋui o. Ʋu sia ate ŋu ayi go sia go me evɔ maɖiɖi eƒe dusisi alo atrɔ gɔ̃ hã o! Gake ʋua metsona ko yia go sia go me o. Ŋku siwo le tasiaɖamfɔ eneawo katã ŋu godoo va kpe la fia kɔtɛ be ʋu sia kpɔa nu sia nu si yia edzi ƒo xlãe la nyuie.

Tasiaɖamfɔawo lolo eye woƒua du sesĩe (Kpɔ Memama 17)

18. Nu kae míesrɔ̃ tso ʋua ƒe afɔti gãawo kple ale si ŋkuwo sɔ gbɔ ɖe eŋu fũu la me?

18 Eya ta nu ka fiamee Yehowa le Ezekiel kple nuteƒewɔlawo katã ku ɖe eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo la ŋu? De ŋugble tso nu siwo míekpɔ va yi la ŋu kpɔ. Nu si wotsɔ wɔ ʋua ƒe afɔti gãwoe na wonɔ keklẽm eye wodzi ŋɔ ŋutɔ. Ŋku gbogbo siwo le afɔtiawo ŋu ɖee fia be ekpɔa nu sia nu. Yehowa ŋutɔ ƒe ŋkuwo kpɔa nu sia nu. (Lod. 15:3; Yer. 23:24) Azɔ hã, mawudɔla akpeakpewo le esi si wòate ŋu adɔ ɖe afi sia afi, eye woate ŋu alé ŋku ɖe nuwo ŋu tsitotsito atrɔ ava ka nya ta na woƒe Dziɖulagã la.—Xlẽ Hebritɔwo 1:13, 14.

Ale si wowɔ tasiaɖamfɔawoe na wote ŋu yia go eneawo dometɔ ɖe sia ɖe me pɛpɛpɛ (Kpɔ Memama 17, 19)

19. Nu kae ale si tasiaɖam la tea ŋu yia go sia go me eye wòƒua du sesĩe fia mí tso Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo ŋu?

19 Gakpe ɖe eŋu la, míekpɔe be tasiaɖam la ƒua du ale gbegbe eye wòtea ŋu yia go sia go me. Wò ya bu vovototo si le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo kple amegbetɔwo ƒe  dziɖuɖuwo kpakple woƒe habɔbɔwo dome ŋu kpɔ! Ðeko dziɖuɖuwo kple habɔbɔ siawo nɔa nu wɔm ko, wometea ŋu trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu o, esia ta womekpɔa dzidzedze o eye wo nu ava yi. Gake Yehowa ƒe tasiaɖam la ɖe ale si Mawu, ame si le mɔ fiam tasiaɖam sia dana sɔna, eye wòtrɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu la fia. Abe ale si gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu fia ene la, eva nyea nu sia nu si hiã ale be eƒe tameɖoɖo nava eme. (2 Mose 3:13, 14) Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ava nye Aʋawɔla kalẽtɔ si wɔa aʋa ɖe eƒe amewo nu, gake agate ŋu atrɔ kpata ava zu nublanuikpɔla si tsɔa nu vɔ̃wo kena eye wòfaa akɔ na nu vɔ̃ wɔla trɔdzime siwo ƒe dzi gbã la.—Ps. 30:5; Yes. 66:13.

20. Nu ka tae wòle be Yehowa ƒe tasiaɖam la nawɔ nuku na mí?

20 Va se ɖe fifia la, ele be Ezekiel ƒe ŋutegaa naʋã mía dometɔ ɖe sia ɖe wòabia eɖokui be, ‘Ðe Yehowa ƒe tasiaɖam la wɔa nuku nama?’ Ele be míaɖo ŋku edzi be nu ŋutɔŋutɔ si li fifi laa ye tasiaɖam la le tsitre ɖi na. Mele be wòava susu me na mí be ɖewohĩ Yehowa, Via kple mawudɔlawo mekpɔa kuxi siwo ɖea dzi le mía ƒo la o. Eye mele be míatsi dzi be Mawu makpɔ míaƒe hiahiãwo gbɔ na mí kaba o alo be eƒe habɔbɔa mate ŋu atrɔ ɖe ale si nɔnɔmeawo le le xexea me fifia ŋu o. Ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa ƒe habɔbɔa le dɔ dzi eye wòle zɔ ɖem. Le nyateƒe me la, Ezekiel se gbe aɖe le dziƒo wògblɔ be: “Tasiaɖamfɔwo mitro!”—edze ƒãa be esia nye se si wode na tasiaɖamfɔawo be woaɖe zɔ. (Eze. 10:13) Ne míebu ale si Yehowa le mɔ fiam eƒe habɔbɔa ŋu la, ɖe mewɔa nuku na mí oa? Gake Yehowa ŋutɔ ƒe nue wòle be wòawɔ nuku na mí wu.

Ame Si Le Tasiaɖam La Dom

21, 22. Aleke nàɖe nu si lé tasiaɖam la ƒe akpa vovovoawo ɖe te la me?

21 Emegbe wohe Ezekiel ƒe susu tso tasiaɖamfɔawo ŋu yi dzi eye wòkpɔ nane “abe dziŋgɔli si le dzo dam abe tsikpe gã wɔnuku aɖe ene.” (Eze. 1:22) Le kerubiawo tame ɖaa la, dziŋgɔlia keke eye wònɔ dzo dam ŋeŋeŋe. Gake va se ɖe afi sia la, biabia geɖewo ate ŋu ava tame na ame aɖe si nya nu tso mɔ̃wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo abia be: ‘Nu kae lé gbadzaƒe ma ɖe te ɖe tasiaɖamfɔawo tame? Eye nu kae na tasiaɖamfɔawo tea ŋu wɔa dɔ togbɔ be dometsoga aɖeke melé wo ɖe du o?’ Ðo ŋku edzi be menye amegbetɔwoe wɔ ʋu sia o, ke boŋ nu ŋutɔŋutɔ si le dziƒo la ƒe kpɔɖeŋue wònye. De dzesi nya vevi siawo hã: “Gbɔgbɔ si le nu gbagbeawo me la le tasiaɖamfɔawo hã me.” (Eze. 1:20, 21) Gbɔgbɔ kae le kerubiawo kple tasiaɖamfɔawo me?

 22 Ðikeke mele eme o be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, si nye ŋusẽ triakɔtɔ kekeake si le xexea me lae. Dɔwɔŋusẽ mae lé ʋu bliboa ɖe te, eye wòdoa ŋusẽe henana eƒe nu sia nu wɔa dɔ ɖe du pɛpɛpɛ. Esi esia le susu me na mí la, na míagakpɔ nu si Ezekiel kpɔ esi wòtrɔ susu ɖe Ame si le tasiaɖam la dom ŋu la ɖa.

Ele na Ezekiel be wòadi nya siwo wòatsɔ aɖɔ nu siwo wòkpɔ siwo mekpɔ kpɔ o la

23. Nya kawo tɔgbie Ezekiel dze agbagba zã tsɔ ɖɔ Yehowae, eye nu ka tae?

23 Xlẽ Ezekiel 1:26-28. Le Ezekiel ƒe ŋutega bliboa me la, ezã nyawo abe “dzedzeme,” “wòle abe,” “nane si le abe” kple “nane si dze abe” tsɔ ɖɔ nu siwo wòkpɔ. Gake le kpukpui siawo me la, ezã wo geɖe wu. Edze agbagba be yeadi nyawo atsɔ aɖɔ nu siwo gɔme sese sesẽ la. Ekpɔ nane si “ɖi safir-kpe . . . eye wòle abe fiazikpui ene.” Kpɔe ɖa le susu me be wokpa fiazikpui tso safir-kpe gã aɖe si le blɔ la me! Eye Ame aɖe bɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi. Eƒe “dzedzeme ɖi amegbetɔ tɔ.”

24, 25. (a) Nu ka dzie anyieʋɔ si ƒo xlã Yehowa ƒe fiazikpuia nana míeɖoa ŋkui? (b) Ŋusẽ kae ŋutega siawo tɔgbi kpɔ ɖe mawusubɔla siwo si xɔse le la dzi?

24 Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la menɔ dzedzem nyuie o elabena Yehowa nɔ keklẽm tso eƒe alime yi anyime kple eƒe alime yi dzi. Ðewohĩ míakpɔe le susu me be nyagblɔɖilaa mia ŋku vie alo ɖo asi ŋku ta be yeakpɔ ame si nɔ keklẽm la.  Emegbe Ezekiel gblɔ nu gã bubu si wòkpɔ kpee be: “Keklẽ ƒo xlãe godoo va kpe abe anyieʋɔ si dona ɖe alilikpo dodo me le tsidzagbe ene.” Ðe dzi dzɔ wò kpɔ esi nèkpɔ anyieʋɔa? Aleke gbegbee esia ɖoa ŋku mía Wɔlaa ƒe ŋutikɔkɔe dzi na mí enye esi! Amadede vovovo mawo siwo nya kpɔ le yame la ɖoa ŋku ŋutifafa ƒe nu, si Yehowa bla kple amegbetɔwo le Tsiɖɔɖɔa megbe la dzi na mí. (1 Mose 9:11-16) Togbɔ be ŋusẽ geɖe le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la si hã, enye ŋutifafame. (Heb. 13:20) Ŋutifafa yɔ dzi me nɛ fũu eye wòɖenɛ fiana ame siwo katã subɔnɛ le anukwareɖiɖi me.

Anyieʋɔ si le keklẽm ƒo xlã Yehowa ƒe fiazikpuia ɖoa ŋku edzi na mí be ŋutifafa Mawu lae míesubɔna (Kpɔ Memama 24)

25 Ŋusẽ kae Yehowa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe si Ezekiel kpɔ la kpɔ ɖe edzi? Egblɔ be: “Esi mekpɔe la, metsyɔ mo anyi.” Esi nua wɔ nuku na Ezekiel eye wovɔ̃ Mawu la, etsyɔ mo anyi. Nyagblɔɖila bubuwo hã wɔ nu alea esi Yehowa ɖe ŋutegawo fia wo; nu siwo wokpɔ la na wokpɔe be yewomeɖi naneke o eye dzidzi ƒo wo. (Yes. 6:1-5; Dan. 10:8, 9; Nyaɖ. 1:12-17) Gake emegbe la, nu siwo Yehowa ɖe fia ŋutsu mawo la do ŋusẽ wo ale gbegbe. Edo ŋusẽ Ezekiel hã. Ne míele Ŋɔŋlɔawo me nudzɔdzɔ siawo tɔgbi xlẽm la, dɔ kae wòle be woawɔ ɖe míawo hã dzi?

26. Aleke ŋutega siwo Ezekiel kpɔ la do ŋusẽe?

26 Ne nɔnɔme si me Mawu ƒe amewo nɔ le Babilon na ɖikeke ɖo Ezekiel me alo na wòtɔtɔ la, ke ŋutega ma anya do ŋusẽe. Eme kɔ be, Mawu ƒe amewo ɖale Yerusalem alo Babilon alo teƒe bubu aɖe o, ema mele vevie o. Yehowa ƒe tasiaɖam gã la ate ŋu aɖo wo gbɔ! Ðe Satana ƒe ŋusẽ ate ŋu atsi tre ɖe Mawu ƒe habɔbɔ wɔnuku si le dziƒo si eya ŋutɔ fiaa mɔe la ŋua? (Xlẽ Psalmo 118:6.) Ezekiel kpɔ hã be dziƒoʋu sia medidi tso amegbetɔwo gbɔ o. Eƒe afɔtiawo le anyigba kam! (Eze. 1:19) Eya ta edze ƒãa be Yehowa tsɔ ɖe le eme na esubɔla wɔnuteƒe siwo nɔ aboyo me. Wo Fofo si lɔ̃ wo vevie la akpe ɖe wo ŋu ɣesiaɣi.

Tasiaɖam La—Ale Si Wòka Wòe

27. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutega si Ezekiel kpɔ la me egbea?

27 Ðe míate ŋu asrɔ̃ nane tso ŋutega si Ezekiel kpɔ la me egbea? Ɛ̃! Nenɔ susu me na wò be, Satana yi edzi le tame vɔ̃ ɖom ɣesiaɣi ɖe ale si wòawɔ adze Yehowa ƒe tadeadegu vavãtɔ dzi la ŋu. Adi be míaxɔe ase be míetsi asi, kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na mí o eye mía Fofo si le dziƒo kple eƒe habɔbɔa mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o. Mègatsɔ alakpanya mawo de tame o! (Ps. 139:7-12) Abe Ezekiel ene la, ele be dziƒoʋu sia nawɔ nuku na míawo hã. Míawo ya míatsyɔ mo anyi abe ale si Ezekiel wɔe ene o. Ke hã, ɖe mele be ŋusẽ si le ʋua ŋu,  eƒe duƒuƒu, ale si wòtea ŋu yia go sia go me, ale si wòtrɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu kple ŋutikɔkɔe si le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo ŋu la nawɔ nuku na mí oa?

28, 29. Nu kae ɖee fia le ƒe alafa ɖeka siwo va yi me be Yehowa ƒe tasiaɖam la le zɔ ɖem?

28 Ðo ŋku edzi hã be Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa aɖe le anyigba dzi. Le nyateƒe me la, amegbetɔ madeblibowoe le habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la me. Gake de ŋugble le nu si Yehowa wɔ le anyigba dzi afi sia ŋu kpɔ ko! Le xexea me godoo la, Yehowa kpe ɖe amegbetɔ tsɛwo ŋu be woawɔ nu siwo anye ne womate ŋu awɔ le wo ɖokui si o. (Yoh. 14:12) Ne èda ŋku ɖe Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum! ƒe agbalẽa me la, àkpɔ ale si gbegbe wowɔ gbeƒãɖeɖedɔae le ƒe alafa ɖeka si va yi me. Míagakpɔ ale si gbegbe Yehowa ƒe habɔbɔa le nu fiam Kristotɔ vavãwo, ale si wòɖu dzi le senyawo me kple ale si wòle mɔ̃ɖaŋununya zãm tsɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la le agbalẽ ma ke me!

29 Ne míede ŋugble le nu siwo katã wowɔ be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛ siawo me ŋu la, eme agakɔ na mí wu be Yehowa ƒe tasiaɖam la le zɔ ɖem. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míele habɔbɔ sia me eye míele Dziɖulagã sia subɔm!—Ps. 84:10.

Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la le zɔ ɖem (Kpɔ Memama 28, 29)

30. Nu ka ŋue míasrɔ̃ nu tsoe le ta si kplɔe ɖo me?

30 Ke hã nu geɖe gale Ezekiel ƒe ŋutegaa me na mí míasrɔ̃. Le ta si kplɔe ɖo me la, míasrɔ̃ nu tso ‘nu gbagbe’ eneawo alo kerubiawo ŋu tsitotsito. Nu kae woate ŋu afia mí tso Dziɖulagã Yehowa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ŋu?

^ mm. 1 Ezekiel ɖɔ nu si wòkpɔ la be ele abe sika kple klosalo si wotsaka ene.

^ mm. 5 Esia nye mɔ tẽe tɔ, gake anye be mɔ si aboyomeawo to la didi abe ema ƒe teƒe eve ene.