Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYABIASE 4

Aleke Wòle Be Mawɔ Nu Ne Meda Vo?

Aleke Wòle Be Mawɔ Nu Ne Meda Vo?

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ne èlɔ̃na ɖe wò vodadawo dzi la, ana amewo naka ɖe dziwò ahaɖo ŋu ɖe ŋuwò wu.

NU KAE NÀWƆ?

Kpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Esi Tim nɔ bɔl ƒom la, èƒo bɔl la wòyi ɖagbã woƒe aƒelika aɖe ƒe fesre.

Ne wòe nye Tim ɖe, nu kae nàwɔ?

TƆ NÀBU EŊU KPƆ!

ÀTE ŊU AWƆ NU ETƆ̃ SIAWO:

  1. A. Àsi adzo.

  2. B. Àbu fɔ ame bubu.

  3. D. Àgblɔ nu si dzɔ la na wò aƒelika ahadoe ɖe egbɔ be yeadzrae ɖo nɛ.

Ðewohĩ adzro wò be yeatia gbãtɔ. Gake edea ame dzi ɣesiaɣi ne míelɔ̃ ɖe míaƒe vodadawo dzi, eɖanye nue míegblẽ le ame aɖe ƒe fesre ŋu alo vodada bubu aɖee míewɔ o.

 SUSU ETƆ̃ SIWO TA WÒLE BE NÀLƆ̃ ÐE WÒ VODADAWO DZI

  1. Esiae nye nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ.

    Biblia gblɔ be: “Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—Hebritɔwo 13:18.

  2. Amewo tsɔa ame siwo lɔ̃na ɖe woƒe vodadawo dzi la ƒe agɔdzedze kea wo bɔbɔe.

    Biblia gblɔ be: “Ame si tsyɔa nu eƒe dzidadawo dzi la, madze edzi nɛ o, ke ame si ʋua eme, eye wòɖea asi le wo ŋu la, woakpɔ nublanui nɛ.”—Lododowo 28:13.

  3. Vevietɔ wu la, edzea Yehowa Mawu ŋu.

    Biblia gblɔ be: “Yehowa nyɔa ŋu ameflula, ke tsi metoa Eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.”—Lododowo 3:32.

Karina, si nye ɖetugbui aɖe si xɔ ƒe 20 la, ku ʋu sesĩe akpa eye kpovitɔwo lée tsɔ tikiti nɛ be wòava xe fe, gake eɣla tikiti la ɖe tɔa. Ke hã, mete ŋu ɣlae ɖee ɖaa o. Karina gblɔ be: “Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, Papa va kpɔ tikiti la. Mede ɖokuinye nya gã aɖe me!”

Nu kae wòsrɔ̃ tso eme? Karina gblɔ be: “Ðeko vodadawo ɣaɣla gblẽa nyaa ɖe edzi boŋ. Àva nɔ enu godoo!”

ALE SI NÀSRƆ̃ NU TSO WÒ VODADAWO ME

Biblia gblɔ be: “Mí katã míedaa vo zi geɖe.” (Yakobo 3:2) Eye abe ale si míekpɔe ene la, ne míeʋua míaƒe vodadawo me enumake la, eɖenɛ fiana be míebɔbɔ mía ɖokuiwo eye míenye nunyalawo.

Nu bubu si hiãe nye be nàsrɔ̃ nu tso wò vodadawo me. Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Vera gblɔ be: “Medzea agbagba be mabu nye vodadawo be wonye nuteƒekpɔkpɔ nam, be masrɔ̃ nu le wo dometɔ ɖe sia ɖe me ale be wòakpe ɖe ŋunye manye ame ɖɔʋu wu eye ne megaɖo nɔnɔme ma tɔgbi me ake la, makpɔ nyawo gbɔ le mɔ nyuitɔ nu.” Na míakpɔ ale si nàte ŋu awɔ esiae ɖa.

Èɣe tɔwò ƒe gasɔ, eye wògblẽ. Nu kae nàwɔ?

  • Àzi kpi ɖe edzi ahasusui be made dzesii o.

  • Àgblɔ nu si tututu dzɔ la na tɔwòa.

  • Àgblɔe nɛ be gasɔa gblẽ, gake abu fɔ ame bubu.

Mèɖu dzi le dodokpɔ me o, elabe mèsrɔ̃ nu o. Nu kae nàwɔ?

  • Àgblɔ be dodokpɔa sesẽ akpa.

  • Àlɔ̃ ɖe edzi be ye ŋutɔe mesrɔ̃ nu o.

  • Àgblɔ be nufiala melɔ̃a yeƒe nya gbɔ o.

Ne èbua vodada siwo nèwɔ va yi la ŋu fũu akpa la, ɖeko wòanɔ abe ale si nànɔ ʋu kum evɔ anɔ ʋua ƒe megbekpɔhuhɔ̃e ɖeɖe ko me kpɔm ene

 Azɔ trɔ ɖe kpɔɖeŋu siwo va yi ŋu, eye nàtsɔe be wòe nye (1) tɔwòa alo (2) wò nufialaa. Aleke tɔwò alo wò nufiala abu wò ne èlɔ̃ ɖe wò vodada dzi? Eye aleke woabu wò ne mèlɔ̃ ɖe wò vodadaa dzi o?

Azɔ ɖo ŋku vo aɖe si nèda le ƒe si va yi me dzi eye nàɖo nyabiase siwo gbɔna la ŋu.

Vodada kae? Aleke nèwɔ nui?

  • Nyemelɔ̃ ɖe edzi o.

  • Meda fɔbubua ɖe ame bubu dzi.

  • Melɔ̃ ɖe edzi enumake.

Ne mèlɔ̃ ɖe wò vodada dzi o la, ke aleke nèva se le ɖokuiwò me emegbe?

  • Dzi dzɔm be meblee!

  • Nye dzitsinya ɖe fu nam, ɖe wòle be mato nyateƒe hafi.

Aleke wòle be nàwɔ nu le mɔ si sɔ wu nu?

Nu kae nèsrɔ̃ tso wò vodadaa me?

NU KAE NÈSUSU?

Nu ka tae ame aɖewo melɔ̃na ɖe woƒe vodada dzi o?

Aleke amewo abu wò ne mèlɔ̃na ɖe wò vodada dzi o, eye aleke woabu wò ne èlɔ̃na ɖe wò vodada dzi?—Luka 16:10.