Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòsɔ be Mase Le Ðokuinye Me Alea?

Ðe Wòsɔ be Mase Le Ðokuinye Me Alea?

AME aɖe si dzi ku dzɔ ɖo ŋlɔ be: “Esime menye ɖevi le England la, wofiam be magaɖe nye seselelãmewo fia le dutoƒo o. Meɖo ŋku edzi be fofonye si wɔ asrafodɔ kpɔ la klẽ ŋku dom gblɔ nam kpɔ be, ‘Mègafa avi o!’ esi nuvevi aɖe wɔm. Nyemate ŋu aɖo ŋku edzi ne danye gbugbɔ nu na mí ɖeviawo dometɔ aɖe kpɔ o (mí ɖevi enee nɔ egbɔ). Mexɔ ƒe 56 esi mekpɔ fofonye ƒe ku teƒe. Mebui be nu gã aɖe bu nam. Gake gbã la, nyemete ŋu fa avi o.”

Le teƒe aɖewo la, amewo ɖea woƒe seselelãme fiana wokpɔna faa. Ne dzi le wo dzɔm alo ne dzi mele wo dzɔm o, amewo nyaa woƒe seselelãmewo. Gake le xexeame ƒe akpa aɖewo, vevietɔ le Europa ƒe anyiehe kple Britain la, wona hehe amewo, ŋutsuwo koŋ, be woaɣla woƒe seselelãmewo, be woazi woƒe seselelãmewo dzi, be woadze akɔ anyi ne nya dzɔ ɖe wo dzi eye be womagana amewo nanya woƒe seselelãmewo o. Gake ne lɔlɔ̃tɔ aɖe ku na wò la, ɖe nane gblẽ le eŋu ne èɖe wò nuxaxa fiaa? Nukae Biblia gblɔ?

Amesiwo Fa Avi Siwo ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe

Hebritɔ siwo nɔ Mediterranea ƒe ɣedzeƒenutowo mee ŋlɔ Biblia la, eye wonye amesiwo ɖea woƒe seselelãme fiana. Fia Dawid fa viaŋutsu Amnon si wowu ƒe ku. Le nyateƒe me la, ‘efa avi ŋutɔ.’ (Samuel II, 13:28-39) Efa viaŋutsu Absalom si ɖo nugbe ɖe eŋu eye wòdi be yeaxɔ fiaɖuƒea le esi sesẽe gɔ̃ hã ƒe ku. Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: “Tete fia [Dawid] ƒo kpakpakpa heyi ɖe agbo la ƒe akpata me, eye wòfa avi; eye esi wòle yiyim la, ele gbɔgblɔm be: Vinye Absalom, vinye! Vinye Absalom, ɖe meku ɖe tewòƒe la, ne enyo wu! Vinye Absalom, vinye!” (Samuel II, 19:1) Dawid xa nu abe alesi vifofo ɖesiaɖe axa nui ene. Eye zi gbɔ zi nenie vifofowo medina be yewoaku ɖe yewo viwo teƒee o! Medze nusi le dzɔdzɔme nu kura be vi naku do ŋgɔ na dzila o.

Aleke Yesu wɔ nui esi exɔlɔ̃ Lazaro ku? Esi wògogo eƒe yɔdo la, efa avi. (Yohanes 11:30-38) Emegbe Maria Magdalatɔ la fa avi esi wògogo Yesu ƒe yɔdo to. (Yohanes 20:11-16) Nyateƒee, Kristotɔ si nya nusi Biblia ƒe mɔkpɔkpɔ si li na ame kukuwo nye la mexaa nu kakaka si woafa akɔ nɛ do kpoe, abe amesiwo ƒe dzixɔse le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu metso Biblia me o la dometɔ aɖewo xaa nui ene o. Gake esi  Kristotɔ vavãtɔ nye amegbetɔ si ƒe seselelãmewo sɔ kple amegbetɔ bubu ɖesiaɖe tɔ ta la, exaa nu eye wòfaa na eƒe lɔlɔ̃tɔ si ku, togbɔ be tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ la le esi hã.—Tesalonikatɔwo I, 4:13, 14.

Enyo be Woafa Avia alo Menyo O?

Ke mí amesiwo li egbea hã ƒe seselelãmewo ɖe? Ðe nèkpɔnɛ be esesẽna na ye be yeaɖe yeƒe seselelãmewo afia alo ɖe wòkpea ŋu na wòa? Nukae aɖaŋuɖolawo kafu be woawɔ? Nunya si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me si le Biblia me tso gbaɖegbe ke la koe dzena le woƒe egbegbe nukpɔsusuwo me zi geɖe. Wogblɔna be míaɖe míaƒe veveseese afia, mele be míazi edzi o. Esia na míeɖo ŋku nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema, abe Hiob, Dawid, kple Yeremya ene, amesiwo ƒe nuxaxa woŋlɔ ɖe Biblia me la dzi. Le nyateƒe me la, womemia nu ɖe woƒe seselelãmewo dzi o. Eyata nunya mele eme be nàɖe ɖokuiwò ɖe aga tso amewo gbɔ o. (Lododowo 18:1) Gake woɖea nuxaxa fiana le mɔ vovovo nu le dukɔ vovovo me, eye  esiawo hã kuna ɖe subɔsubɔdzixɔse siwo bɔ ɖe afisi wole ŋu. *

Ke ne èdi be yeafa avi ɖe? Enye nusi le dzɔdzɔme nu na amegbetɔ be woafa avi. Gaɖo ŋku esime Lazaro ku, eye Yesu ‘xa nu le gbɔgbɔ la me eye wòfa avi’ la dzi. (Yohanes 11:33, 35) Eɖee fia le esia me be avifafa nye nusi sɔ le dzɔdzɔme nu ne ame ƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku.

Esɔ be woaxa nu eye woafa avi ne lɔlɔ̃tɔ aɖe ku na ame

Nusi dzɔ ɖe vidada aɖe si ŋkɔe nye Anne si ƒe vi fẽ Rachel ku kpata eye womenya nusi wɔe o la ɖo kpe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Srɔ̃a gblɔ be: “Nusi wɔ nukue nye be nye loo alo Anne, mía dometɔ aɖeke mefa avi le kua teƒe o. Ame bubu ɖesiaɖe fa avi.” Anne gblɔ le nya sia ŋu be: “Nyateƒee, gake mefa avi ŋutɔ ɖe mí ame evea nu. Mexɔ se be ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔŋutɔ kwasiɖa ʋee aɖewo le nublanuinya sia ƒe dzɔdzɔ megbe, esime wòva susɔ nye ɖeɖe ɖe aƒea me. Mefaa avi ŋkeke bliboa katã. Gake mexɔ se be ekpe ɖe ŋunye. Ena nye lãme haya wu. Ele be mafa vinyea ƒe ku. Mexɔe se ŋutɔŋutɔ be ele be woaɖe mɔ na amesiwo le nu xam be woafa avi. Togbɔ be nusi amewo wɔna zi geɖe enye be woagblɔ be ‘Mègafa avi o’ hã la, le nyateƒe me, ema mekpena ɖe ame ŋu o.”

Alesi Ame Aɖewo Wɔa Nui

Aleke ame aɖewo wɔ nui esi woƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe gblẽ wo ɖi? Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nya si dzɔ ɖe Juanita dzi ŋu kpɔ. Enya alesi vidzĩ ƒe kuku na ame venae. Ƒo gblẽ nɛ zi atɔ̃ sɔŋ. Fifia egafɔ fu ake. Eyata esi ʋufɔku aɖe na woxɔe ɖe kɔdzi la, eme kɔ be etsi dzi. Le kwasiɖa eve megbe la, elé ku—hafi eƒe ŋkeke nade. Emegbe kpuie ko la, edzi via sue Vanessa, eye nu vi aɖe koe wòtsɔ kpe wu gram 900. Juanita gblɔ be: “Dzi dzɔm ŋutɔ. Vi ayɔ nye hã be dada azɔ!”

Gake eƒe dzidzɔkpɔkpɔa menɔ anyi didi o. Le ŋkeke ene megbe la, Vanessa ku. Juanita gblɔ be: “Metsi yame ŋutɔ. Nye vidadanyenye me gblẽ. Ewɔ nam be nyemegale blibo o. Evena ŋutɔ be mava aƒeme ayi kpɔ xɔ si me míedzra ɖo na  Vanessa la me eye makpɔ awutewuivi siwo meƒle nɛ. Le dzinu eve siwo kplɔe ɖo me la, meɖoa ŋku nusiwo dzɔ le edziɣi la dzi. Nyemedi be made nu ame aɖeke ŋu o.”

Ðe esia nye nuwɔna si gbɔ emea? Ðewohĩ eme sese asesẽ na ame aɖewo ya, gake amesiwo dzi wòdzɔ ɖo kpɔ la gblɔna be yewofa yewo vi vidzĩwo ƒe ku abe alesi yewoafa amesi nɔ agbe eteƒe didi wu tɔe ene. Wogblɔna be ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na ɖevia dzidzi la, edzilawo lɔ̃nɛ. Kadodo tɔxɛ aɖe va ɖoa wo kple dadaa dome. Ne vidzĩ ma ku la, dadaa sena le eɖokui me be amegbetɔ ŋutɔŋutɔ aɖee ku. Eye nusia mee wòhiã be ame bubuwo nase.

Alesi Dzibibi Kple Fɔbubuameɖokui Ate Ŋu Akpɔ Ŋusẽ Ðe Dziwòe

Vidada bubu hã gblɔ alesi wòwɔ nui esi wogblɔ nɛ be dzidɔ si nɔ viaŋutsu si xɔ ƒe ade ŋu tso edziɣi ke la wui kpata la ŋu be: “Meto nɔnɔme vovovowo me—lãnyeme tu, nyemexɔe se o, mebu fɔ ɖokuinye, eye mekpɔ dziku ɖe srɔ̃nye kple ɖɔkta la ŋu be womekpɔ alesi gbegbe eƒe dɔa sesẽe dze si o.”

Dziku ate ŋu anye nuxaxa ƒe dzesi bubu. Ate ŋu anye dzikukpɔkpɔ ɖe ɖɔktawo kple dɔnɔdzikpɔlawo ŋu le esi wòawɔ na ame be ele be woadze agbagba le amesi ku ŋu wu hafi ta. Alo ate ŋu anye dzikukpɔkpɔ ɖe xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo wòawɔ abe wole nusi mesɔ o alo nusi medze o wɔm ene ŋu. Stella gblɔ be: “Meɖo ŋku edzi be mekpɔ dziku ɖe srɔ̃nye ŋu, elabena menya be anye ne mayi nenema hafi o. Eƒe dɔa sẽ, gake mewɔ ɖe se siwo ɖɔktawo de nɛ dzi o.” Eye ɣeaɖewoɣi hã wokpɔa dziku ɖe ame kukua ŋu le agba si eƒe kua da ɖe agbagbeawo dzi ta.

Le dziku ta ame aɖewo sena le wo ɖokui me be yewoɖi fɔ—efia be wobua fɔ wo ɖokui le esi wokpɔ dziku ta. Ame bubuwo bua fɔ wo ɖokui ɖe woƒe lɔlɔ̃tɔ la ƒe ku ta. Wogblɔna na wo ɖokui be: “Ne ɖe mekplɔe yi ɖe ɖɔkta gbɔ kaba” alo be “ne ɖe mekplɔe yi ɖɔkta bubu gbɔe” alo “ne ɖe mena wòle be na eɖokui nyuie wu la, anye ne maku o.”

Vikuname nye dzigbãnya gã aɖe—veveseseɖeamenu vavãtɔ kple ameŋububu nyui ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu

Le ame bubuwo gome la, fɔbubua yia ŋgɔ wu ema, vevietɔ ne woƒe lɔlɔ̃tɔ la ku kpata si womele mɔ kpɔm na eƒe kua o. Woɖoa ŋku ɣeyiɣi siwo me wokpɔ dziku ɖe ame kukua ŋu alo wohe nya kplii  la dzi. Alo awɔ na wo be yewomewɔ nusiwo wòle be yewoawɔ na ame kukua la nɛ wòde edeƒe o.

Nuxaxa ƒomevi vovovo siwo me vidada geɖe tona ɣeyiɣi didi aɖe la ɖo kpe nusi amesiwo nya nu le nya la ŋu dometɔ geɖe gblɔna la ƒe nyateƒenyenye dzi be ɖevi ƒe kuku nye nu vevi aɖe si bu na dzilawo, si womaŋlɔ be akpɔ o, vevietɔ dadaa.”

Ne Srɔ̃wò Ku

Ame srɔ̃ ƒe ku nye dzigbãnya ƒomevi bubu, vevietɔ ne wo ame evea wɔ nuwo ɖekae le woƒe agbenɔnɔ me. Ate ŋu afia alesi wonɔ agbe ɖekae le mɔzɔzɔ, dɔwɔwɔ, modzakaɖeɖe, kple ŋuɖoɖo ɖe wo nɔewo ŋu me ƒe nuwuwu.

Eunice ɖe nusi dzɔ esi dzidɔ wu srɔ̃a kpata me na mí. “Le kwasiɖa gbãtɔ me la, nye seselelãmewo nu ku nyemegasea naneke o, abe ɖe nye ŋutilã megale dɔ wɔm o ene. Nyemegate ŋu sea nu ƒe vivi alo nu ƒe ʋeʋẽ gɔ̃ hã o. Gake nye susu ya nɔ dɔ wɔm. Esi menɔ srɔ̃nye gbɔ esime wonɔ agbagba dzem be woakpe ɖe eŋu ne wòagagbɔ agbe le esime eƒe dzi ƒe dɔwɔwɔ tɔ te megbe eye wonɔ atike bubuwo hã wɔm nɛ ta la, alesi wogbenae be menye nyateƒee wònye be amea ku o la medzɔ ɖe dzinye o. Gake wɔnavɔleameŋu ƒe seselelãme sesẽ  aɖe ƒo ɖe dzinye, abe alesi makpɔ ʋu le abu gã aɖe nu wòayina ʋe me dze ge gake nyemate ŋu awɔ naneke le eŋu o ene.”

Efa avia? “Ẽ, mefae, vevietɔ ne mexlẽ fafanamegbalẽ alafa geɖe siwo mexɔ. Ne mexlẽ ɖesiaɖe la, mefaa avi. Ekpena ɖe ŋunye be manɔ te ɖe ŋkekea ƒe akpa susɔea nu. Gake esi wobiam zi gbɔ zi geɖe be aleke nye nye seselelãme hã la, naneke mete ŋu lé avum o. Edze kɔte be nye nu wɔ nublanui ŋutɔ.”

Nukae kpe ɖe Eunice ŋu be wòte ŋu to eƒe nuxaxa la me do? Egblɔ be: “Esi nye ŋutɔ nyemenɔ nyanyam o la, mewɔ nyametsotso be mayi nye agbea dzi. Gake nusi gale fu ɖem nam kokokoe nye ne meɖo ŋku alesi srɔ̃nye si lɔ̃a agbe vevie la meli ase vivi na enɔnɔ o la dzi.”

“Mègana Ame Bubuwo Naɖo Nu . . . O”

Agbalẽ si nye Leavetaking—When and How to Say Goodbye ŋlɔlawo ɖo aɖaŋu be: “Mègana ame bubuwo naɖo nu na wò alo alesi wòle be nàse le ɖokuiwò me na wò o. Alesi amesiame xaa nui to vovo na ame bubu ɖesiaɖe tɔ. Ame aɖewo asusu be èle nu xam akpa alo mèle nu xam tututu o—eye woagblɔe na wò hã be nenemae yewosusu. Tsɔe ke wo eye nàɖe susu ɖa le edzi. Ne èbe yeanɔ agbe ɖe alesi ame bubuwo alo amesiwo dome nèle dii nu kokoko la, ahe alesi wò seselelãmewo nahaya la ɖe megbe.”

Enye nyateƒe be ame vovovowo kpɔa woƒe nuxaxa gbɔ le mɔ vovovo nu. Menye ɖe míele gbɔgblɔm be nuxaxamɔnu aɖe nyo wu bubu o. Gake afɔku doa tso eme ne wotɔ te nusianu wɔwɔ, eye amesi dzi nya dzɔ ɖo la megate ŋu nɔa agbe ɖe alesi nɔnɔmea le nu o. Ne edzɔ alea la, ekema ahiã be xɔlɔ̃ siwo sea veve ɖe ame ti nakpe ɖe eŋu. Biblia gblɔ be: “Xɔlɔ̃ [vavãtɔ] lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” Eyata mègavɔ̃ na kpekpeɖeŋu biabia, nuƒoƒo, kple avifafa o.—Lododowo 17:17.

Ne ku dzɔ ɖe ame dzi la, esɔ be woaxa nu, eye menye nu gbegblẽ be ame bubuwo nakpɔe be èle nu xam o. Gake nyabiabia bubuwo gahiã ŋuɖoɖo: ‘Aleke mawɔ anɔ te ɖe nye nuxaxa la nu? Ðe wòsɔ be mabu fɔ ɖokuinye eye makpɔ dzikua? Aleke mawɔ nusiawo nafa nam? Nukae akpe ɖe ŋunye be mado dzi ne ame ku nam kple le nuxaxa me?’ Akpa si kplɔe ɖo aɖo biabia mawo kple bubuwo hã ŋu.

^ mm. 8 Le kpɔɖeŋu me, Yorubatɔ siwo le Nigeria la xɔ edzi se be luʋɔ gagbugbɔ dzɔna. Eyata ne nyɔnu aɖe ƒe vi ku la, woxaa nu vevie gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe woxanɛ, elabena abe alesi Yoruba lododo aɖe gblɔe ene la: “Tsia ye ƒu gbe. Menye trea ye gbã o.” Yorubatɔwo ƒe nyagbɔgblɔ sia fia be tsikutre la si nye vinɔa agate ŋu adzi vi bubu ɖe eteƒe—ɖewohĩ amesi ku lae agagbugbɔ adzɔ. Yehowa Ðasefowo mewɔa kɔnu siwo wotu ɖe aʋatsodzixɔse siwo tso luʋɔ makumaku kple gbugbɔgadzɔ ƒe aʋatsonufiafiawo me, si dzi Biblia meda asi ɖo o la ƒe ɖeke o.—Nyagblɔla 9:5, 10; Xezekiel 18:4, 20.