Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 2

Wodzi Fiaɖuƒea Le Dziƒo

Wodzi Fiaɖuƒea Le Dziƒo

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Míakpɔ ale si wodzra Mawu ƒe amewo ɖo ɖe Fiaɖuƒea dzidzi ŋu

1, 2. Nu kae nye nudzɔdzɔ vevitɔ kekeake le xexea ƒe ŋutinya me, eye nu ka tae mewɔ nuku o be amegbetɔwo mekpɔ nudzɔdzɔ ma kple ŋku o?

NE ÈSE ŋutinyamenudzɔdzɔ siwo he tɔtrɔ ɖedzesiwo vɛ ŋu nya ɖe, ɖe wòwɔna na wò be ne ɖee ye ŋutɔ yekpɔ nu mawo teƒea anye ne enyo ŋutɔa? Ewɔna na ame geɖe nenema. Gake bu eŋu kpɔ: Ne ɖe nèli hafi tɔtrɔ ɖedzesi mawo va ɖe, ɖe nàkpɔ nu siwo ŋutɔŋutɔ he tɔtrɔawo vɛ la kple ŋkua? Ðewohĩ màkpɔe o. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖea, nu siwo tututu dzɔna hafi woɖea dziɖula xɔŋkɔ aɖewo le zi dzi eye wòɖina hoo le ŋutinyagbalẽwo me la medzɔna le gaglãgbe amewo kpɔna kple ŋku o. Efia be, ɣaɣlaƒee ŋutinyamenudzɔdzɔ geɖewo dzea egɔme le—le fiasãwo me, le adaŋudetakpekpewo me, alo le dziɖuɖumegãwo ƒe dɔwɔƒe aɖewo. Ke hã, tɔtrɔ siawo kpɔa ŋusẽ ɖe ame miliɔn geɖe ƒe agbe dzi.

2 Ke nu si va zu nudzɔdzɔ vevitɔ kekeake le xexea ƒe ŋutinya me ya ɖe? Nudzɔdzɔ ma kpɔ ŋusẽ ɖe ame miliɔn geɖe ƒe agbe dzi. Gake amegbetɔwo mekpɔ nudzɔdzɔ ma kple ŋku o. Mawu Fiaɖuƒea dzidzi le dziƒo ŋu nya gblɔm míele. Fiaɖuƒe mae nye Mesia dziɖuɖu si ŋugbe wodo ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ be ahe nuɖoanyi sia va nuwuwu. (Mixlẽ Daniel 2:34, 35, 44, 45.) Ke esi amegbetɔwo mekpɔ Fiaɖuƒea dzidzi kple ŋku o ɖe, ɖe míagblɔ be Yehowa ɣla nudzɔdzɔ vevi ma ɖe ameƒomea? Alo ɖe wòdzra esubɔla wɔnuteƒewo ɖo ɖe nudzɔdzɔ sia ŋu do ŋgɔa? Mina míakpɔe ɖa.

‘Nye Dɔla Ata Mɔ Le Ŋgɔnye’

3-5. (a) Ame kae nye “nubabla ƒe dɔla” si ŋu nya wogblɔ le Maleaxi 3:1? (b) Nu kae adzɔ hafi “nubabla ƒe dɔla” la nava gbedoxɔa me?

3 Tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke la, Yehowa ɖo tame be yeadzra ye subɔlawo ɖo ɖe Mesia Fiaɖuƒea ƒe dzidzi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, se nya si wògblɔ ɖi le Maleaxi 3:1 ɖa: “Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ [vavã], si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si dim miele la, le vava ge.”

4 Le egbeŋkekeawo me la, ɣekaɣie Yehowa, “Aƒetɔ vavã” la, va lé ŋku ɖe ame siwo le esubɔm le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu emetɔ le anyigba dzi la ŋu? Nyagblɔɖia gblɔ be Yehowa kple “nubabla ƒe dɔla” ye ava. Ame kae nye dɔla ma? Eyae nye  Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia, Yesu Kristo! (Luka 1:68-73) Esi woɖoe zi dzi teti la, eva lé ŋku ɖe Mawu ƒe ame siwo le anyigba dzi la ŋu hekɔ wo ŋu.1 Pet. 4:17.

5 Ke ame kae nye “dɔla” gbãtɔ si ŋu nya wogblɔ ɖi le Maleaxi 3:1? Ele be dɔla sia nava ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ hafi woaɖo Mesia Fia la zi dzi. Le ƒe siwo do ŋgɔ na ƒe 1914 me la, ɖe ame aɖe va ‘ta mɔ’ le Mesia Fia la ŋgɔa?

6. Ame kawoe va nye “dɔla” si ŋu nya wogblɔ ɖi, siwo dzra Mawu ƒe amewo ɖo ɖe nu siwo le wo ŋgɔ ŋu?

6 Míakpɔ nya sia kple bubuwo ƒe ŋuɖoɖo le Yehowa ƒe ame siwo li egbea ƒe ŋutinya wɔdɔɖeamedzi siwo me míadzro le agbalẽ sia me la me. Ŋutinya sia ana míakpɔe be tso ƒe 1800-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, nuteƒewɔlawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe nɔ anyi, siwo nye Kristotɔ vavã ʋɛ aɖewo ko le aʋatso Kristotɔ gbogboawo dome. Wova yɔ ƒuƒoƒo ma be Biblia Nusrɔ̃viwo. Charles T. Russell kple eƒe zɔhɛ kplikplikpli siwo xɔ ŋgɔ le wo dome lae wɔ dɔ siwo wogblɔ ɖi be “dɔla” la awɔ, elabena wona gbɔgbɔmemɔfiame Mawu ƒe amewo hedzra wo ɖo ɖe nu siwo le wo ŋgɔ ŋu. Mina míadzro mɔ ene siwo dzi “dɔla” la to wɔ esia la me kpɔ.

Wosubɔ Le Nyateƒe Me

7, 8. (a) Le ƒe 1800-awo me la, ame kawoe dze nu koklo le luʋɔ makumaku ƒe alakpanufiafiaa dzi? (b) Alakpanufiafia bubu kawo dzie C. T. Russell kple eƒe zɔhɛ kplikplikpliwo hã va klo nu le?

7 Biblia Nusrɔ̃viawo srɔ̃a nu moveviɖoɖotɔe; wowɔa nyateƒenya siwo me kɔ, siwo dzi wo katã woda asi ɖo la ŋuti nuŋlɔɖi, eye wotaa wo ɖe agbalẽwo me. Ƒe alafa geɖewoe nye esia si Kristodukɔa bu ɖe gbɔgbɔmeviviti tsiɖitsiɖi me. Trɔ̃subɔsubɔkɔnuwo mee woƒe nufiafia geɖewo dzɔ tso. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye luʋɔ makumaku ƒe nufiafiaa. Gake le ƒe 1800-awo me la, ame ɖeka eve aɖewo dzro Biblia me tsitotsito eye wova kpɔe be menye Mawu ƒe Nyaa mee nufiafia ma tso o. Henry Grew, George Stetson, kple George Storrs to nyati aɖewo kple dutoƒonuƒowo dzi klo nu le Satana ƒe alakpanufiafia ma dzi dzinɔameƒotɔe. * Emegbe woƒe agbagbadzedzeawo va kpɔ ŋusẽ ɖe C. T. Russell kple eƒe zɔhɛ kplikplikpliawo dzi vevie.

8 Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue la kpɔe be nufiafia bubu siwo do ƒome kple luʋɔ makumaku nufiafiaa hã nye aʋatsonufiafia siwo tɔtɔa ame. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye be ame nyuiwo katã ayi dziƒo eye be Mawu wɔa funyafunya ame vɔ̃ɖiwo ƒe luʋɔ le dzo mavɔ me tegbee. Russell kple eƒe zɔhɛ kplikplikpliawo to nyati vovovowo, agbalẽwo, agbalẽviwo, traktwo, kple nuƒo siwo wotana ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me dzi klo nu le alakpanufiafia mawo dzi dzinɔameƒotɔe.

9. Aleke Zion Gbetakpɔxɔ klo nu le Mawuɖekaetɔ̃ ƒe alakpanufiafiaa dzii?

9 Biblia Nusrɔ̃viawo klo nu le Mawuɖekaetɔ̃ ƒe alakpanufiafia si dzi ame geɖe xɔ se vevie la hã dzi. Le ƒe 1887 me la, wogblɔ le magazine si nye Zion Gbetakpɔxɔ Kple Kristo Ƒe Anyinɔɣi Ŋuti Gbeƒãɖela (si le yevugbe me) ƒe tata aɖe me be: “Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ ƒãa be vovototo le Yehowa kple mía Aƒetɔ Yesu  dome eye wòna míenya ƒomedodo si tututu le wo ame evea dome hã.” Emegbe nyatia gblɔ be ewɔ nuku ŋutɔ be “Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa, si nye be ame etɔ̃e le Mawu me eye wo katã wonye Mawu ɖeka la, xɔ xexea me katã eye ame geɖe xɔ edzi se bɔbɔe nenema. Gake ale si wòdzɔe la ɖo kpe edzi be sɔlemehaa dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi eye futɔ la va tsɔ alakpanufiafiawo ƒe kɔsɔkɔsɔ blae.”

10. Alekee Gbetakpɔxɔ he susu yi ƒe 1914 dzi be enye ƒe vevi aɖe?

10 Abe ale si Zion Gbetakpɔxɔ Kple Kristo Ƒe Anyinɔɣi Ŋuti Gbeƒãɖela magazinea ƒe ŋkɔa ŋutɔ ɖee fia ene la, nyagblɔɖi siwo ku ɖe Kristo ƒe anyinɔɣi ŋu koŋ ŋue wòƒoa nu tsoe. Amesiamina wɔnuteƒe siwo kpɔa gome le magazine ma ŋɔŋlɔ me la kpɔe be Daniel ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe “azã adre” ŋu la fia asi ɣeyiɣi si Mawu ɖo be Mesia Fiaɖuƒea nadze dziɖuɖu gɔme. Tso ƒe 1870-awo me ke la, woɖe gbeƒãe be ƒe 1914 mee azã adreawo awu enu. (Dan. 4:22; Luka 21:24) Togbɔ be mía nɔviawo mese nu siwo tututu adzɔ le ƒe vevi ma me gɔme bliboe ɣemaɣi o hã la, woɖe gbeƒã tso ƒe ma ŋu yi didiƒe ke, eye woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me tsonu nyuiwo kpɔtɔ li va se ɖe egbea.

11, 12. (a) Ame kawoe Nɔviŋutsu Russell tsɔ nu siwo wòfia la ŋuti kafukafua na? (b) Nu nyui kawoe do tso dɔ si Russell kple eƒe zɔhɛwo wɔ do ŋgɔ na ƒe 1914 la me?

 11 Russell loo alo eƒe zɔhɛ wɔnuteƒeawo dometɔ aɖeke meƒu asi akɔ be yewoe va ɖe Biblia me nyateƒe vevi mawo ɖe go o. Russell tsɔ nu siawo ŋuti kafukafua na ame siwo do ŋgɔ nɛ. Ƒo wo katã ta la, etsɔ kafukafu gãtɔa na Yehowa Mawu, ame si le nu siwo wòdi be Yeƒe amewo nanya la fiam wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Edze ƒãa be Yehowa yra ɖe Russell kple eƒe zɔhɛawo ƒe agbagbadzedzewo dzi ale be wote ŋu ke ɖe nyateƒea ŋu le ɣeyiɣi ma si me alakpanufiafiawo xɔ anyi nɔ la me. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wova ɖe wo ɖokuiwo ɖa le Kristodukɔa ŋu keŋkeŋ eye vovototo si le woa kpli wo dome va dze gaglã.

Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛawo do Biblia me nyateƒea ƒe nufiafiawo ɖe ŋgɔ

12 Ale si nuteƒewɔla mawo ku kutri do nyateƒenufiafiawo ɖe ŋgɔ le ƒe siwo do ŋgɔ na ƒe 1914 me la wɔ nuku ŋutɔ! Esi November 1, 1917 ƒe Gbetakpɔxɔ Kple Kristo Ƒe Anyinɔɣi Ŋuti Gbeƒãɖela nɔ nu ƒom tso ƒe mawo ŋu la, egblɔ be: “Egbea, ame miliɔn geɖewo vo tso vɔvɔ̃ si dzo mavɔ ŋuti nufiafiaa kple alakpanufiafia bubuwo de lãme na wo la si me . . . Nyateƒea ƒe tsi si te sisi ƒe 40 kple edzivɔwoe nye esia la le ta kekem ɖe edzi eye ayi edzi anɔ ta kekem va se ɖe esime wòaxɔ anyigba bliboa katã dzi. Futɔwo adze agbagba be yewoaxe mɔ nɛ, gake womate ŋui o, elabena ɖeko wòanɔ abe ame aɖe si di be yeatsɔ xa axe mɔ na atsiaƒu gã aɖe ƒe ƒutsotsoewo ene.”

13, 14. (a) Aleke “dɔla” la dzra mɔ dzi ɖo na Mesia Fia lae? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso mía nɔvi siwo nɔ anyi ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwoe nye esia la gbɔ?

13 Bu nya sia ŋu kpɔ: Ðe amewo ate ŋu anɔ dzadzraɖoɖi na Yesu Kristo ƒe anyinɔɣia ne ɖee womekpɔ vovototo si le eya kple Fofoa Yehowa dome la dze sii oa? Gbeɖe! Nenema kee ne ɖe woxɔe se be makumakunyenye nye nu si asu amegbetɔ ɖe sia ɖe si ke menye nunana xɔasie wònye asu Kristo yomedzela ʋɛ aɖewo ko si o, alo woxɔe se be Mawu wɔa funyafunya amewo le dzo mavɔ me tegbetegbee la, anye ne womanɔ dzadzraɖoɖi o. Ðikeke mele eme o be “dɔla” la dzra mɔ dzi ɖo na Mesia Fia la vavã!

14 Ke mí ame siwo li egbea ya ɖe? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso mía nɔvi siwo nɔ anyi ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwoe nye esia la gbɔ? Ele be míawo hã míado vevie Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple esɔsrɔ̃. (Yoh. 17:3) Esi xexe sia si vu ɖe ŋutilãmenuwo didi ŋu la yi edzi le ku ɖim glãŋui le gbɔgbɔ me la, neva eme be míawo ya míeyi edzi atsi dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ɖuɖu ŋu vevie ale be míade ami nyuie le gbɔgbɔ me.Mixlẽ 1 Timoteo 4:15.

“Nye Dukɔ, Mido Go Le Eme”

15. Nu ka gɔmee Biblia Nusrɔ̃viwo va se? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

15 Biblia Nusrɔ̃viawo fia nu amewo be ehiã be woado le xexea ƒe sɔlemehawo me. Le ƒe 1879 me la, wozã nya si nye “Babilon sɔlemeha” le Gbetakpɔxɔ me. Papawoe wowɔnɛa? Roma Katolikohaa yea? Ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ la, Protestant sɔlemehawo fiaa nu be Roma Katolikohaa kple eƒe Papawoe nye egbegbe Babilon si ŋu Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsoe. Gake vivivi la, Biblia Nusrɔ̃viwo va se egɔme be Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo  katã nye egbegbe “Babilon” la ƒe akpa aɖe. Nu ka tae? Elabena wo katã wofiaa alakpanuwo, abe esiwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi ene. * Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, míaƒe agbalẽwo va xlɔ̃a nu dzinyuitɔ siwo le Babilon ƒe sɔlemehawo me la tẽe tso nu si wòle be woawɔ ŋu.

16, 17. (a) Alekee Gbetakpɔxɔ kple agbalẽ si nye Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua Gogo xlɔ̃ nu amewo be woado le alakpasubɔsubɔhawo me? (b) Nu kae wɔe be nuxlɔ̃ame mawo mewɔ dɔ tututu ɣemaɣi o? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

16 Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1891 me la, wodzro ale si Mawu gbe egbegbe Babilon la me le agbalẽ si nye Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua Gogo (si le yevugbe me) ƒe Babla Etɔ̃lia me be: “Wogbe wo, wogbe woƒe nuɖoanyi bliboa katã.” Wogblɔ kpee be ele be ame siwo katã “meda asi ɖe woƒe alakpanufiafiawo kple kɔnuwo dzi o la nado go le eme azɔ.”

17 Le January 1900 me la, Gbetakpɔxɔ xlɔ̃ nu dzinyuitɔ siwo katã gadea ha kple Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo eye woƒe ŋkɔwo gale woƒe agbalẽwo me la vevie, elabena ame siawo ɖea wo ɖokuiwo nu be, “Menya be nyateƒea koe nye esia, eya tae ƒãa hafi megadea sɔleme.” Wobia le nyatia me be: “Gake ɖe esia le eteƒea? Ðe wòsɔ be ame nado le Babilon me afã kple afã koa? Ðe esia aɖee fia be míele to ɖom Mawu bliboe . . . be míaƒe nu nadze eŋua? Ao ɖe! Ne ame ge ɖe sɔlemeha aɖe me la, eɖee fia le gaglãgbe be yele nubabla me kple sɔlemeha ma, eye ele be wòalé nubabla ma me ɖe asi va se ɖe esime wòagaɖee fia . . . gaglã be yemeganye ha ma me tɔ o.” Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wogate gbe ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi vevie. * Ele be Yehowa subɔlawo natso kadodo ɖe sia ɖe si le woa kple alakpasubɔsubɔhawo dome la me keŋkeŋ.

18. Nu ka tae wònɔ vevie be amewo nado le Babilon Gã la me?

18 Ne ɖe womexlɔ̃ nu amewo edziedzi be woado le Babilon Gã la me ɣemaɣi o ɖe, ɖe Kristo akpɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si wodzra ɖo la le anyigba dzi esi woɖoe zi dzi tetia? Kpao, elabena Kristotɔ siwo do go le Babilon Gãa me koe ate ŋu asubɔ Yehowa ‘le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.’ (Yoh. 4:24) Ðe míawo hã míeɖoe kplikpaa egbea be míaƒo asa na alakpasubɔsubɔ nuwɔna ɖe sia ɖea? Mina míayi edzi awɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Nye dukɔ, mido go le eme.”Mixlẽ Nyaɖeɖefia 18:4.

Woƒoa Ƒu Dea Ta Agu

19, 20. Alekee wode dzi ƒo na amewo le Gbetakpɔxɔ me be woaƒo ƒu hena tadedeagu?

19 Biblia Nusrɔ̃viawo fia haxɔsetɔwo be woaƒo ƒu ade ta agu ne anya wɔ. Kristotɔ vavãwo kpɔe be dodo le alakpasubɔsubɔhawo me ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ele vevie be woaƒo ƒu akpɔ gome le subɔsubɔ vavãtɔ me. Tso Gbetakpɔxɔ ƒe tata gbãtɔwo dzi ke la, wodea dzi ƒo na exlẽlawo be woaƒo ƒu asubɔ ɖekae. Le kpɔɖeŋu me, le July 1880 me la, Nɔviŋutsu Russell ŋlɔ nu tso ale si kpekpeawo le dzi dem ƒo na nɔviwo le teƒe vovovo siwo wòɖi tsa yi heƒo nuƒowo la ŋu. Azɔ ede dzi ƒo na Gbetakpɔxɔ xlẽlawo be woaɖo nyatakakawo ɖa tso ale si kpekpeawo le afɔ tsɔm le wo gbɔe ŋu ale be yewoanɔ nyatakaka mawo dometɔ aɖewo dem Gbetakpɔxɔ me. Ðe susu ka ta? Egblɔ be: “Mí katã  míedi be míanya . . . ale si Aƒetɔ la le mia yramee; be míanya ne mieyia edzi ƒoa ƒu kple ame siwo katã si xɔse vavãtɔ le abe miawo ke ene.”

Charles Russell kple Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔ aɖewo le ƒe 1909 me; wole Copenhagen, Denmark

20 Le ƒe 1882 me la, wota nyati si nye “Ƒuƒoƒo Hena Tadedeagu” ɖe Gbetakpɔxɔ me. Nyatia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woanɔ kpekpewo wɔm “be woade dzi ƒo na wo nɔewo ahado ŋusẽ wo nɔewo.” Wogblɔ le nyatia me be: “Mehiã be agbalẽnyala alo nunyala gã aɖe nanɔ mia dome kokoko hafi o. Ame sia ame netsɔ eƒe Biblia, pepa, kple nuŋlɔti ɖe asi, eye miawɔ numekuku ale si miate ŋui le Biblia ŋuti numekugbalẽwo . . . me. Mitia nyatia, mibia Gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia hena gɔmesese nyuitɔ, mide ŋugble, eye miatsɔ ŋɔŋlɔawo asɔ kple wo nɔewo, ekema kakaɖedzi li be miake ɖe nyateƒea ŋu.”

21. Kpɔɖeŋu nyui kae hame si nɔ Allegheny, Pennsylvania la ɖo le kpekpeawo dede kple hameviawo tutuɖo gome?

21 Biblia Nusrɔ̃viawo ɖo woƒe dɔwɔƒegã ɖe Allegheny, Pennsylvania (Amerika). Le afi ma la, wowɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame si le Hebritɔwo 10:24, 25 la dzi heƒoa ƒu ɖekae hena tadedeagu be wòanye kpɔɖeŋu na nɔvi bubuawo. (Mixlẽe.) Ƒe geɖe megbe la, nɔviŋutsu tsitsi aɖe si ŋkɔe  nye Charles Capen la ɖo ŋku ale si wòdea kpekpe mawo le eƒe ɖevime dzi. Egblɔ be: “Megaɖoa ŋku mawunyakpukpui siwo woŋlɔ ɖe Habɔbɔa ƒe kpekpexɔa me la dometɔ ɖeka dzi vevie. ‘Ame ɖeka koe nye miaƒe Aƒetɔ, eyae nye Kristo; ke mi katã la, nɔviwoe mienye.’ Mawunyakpukpui ma tsi susu me nam va se ɖe egbe. Osɔfo aɖeke menɔa hameviwo nu le Yehowa ƒe amewo dome o.” (Mat. 23:8) Nɔviŋutsu Capen ɖo ŋku ale si kpekpeawo doa ŋusẽ ame hedea dzi ƒoe, kple ale si Nɔviŋutsu Russell dzea agbagba vevie be yeatu hamea me tɔ ɖe sia ɖe ɖo ɖekaɖeka la hã dzi.

22. Aleke nuteƒewɔlawo wɔ nu ɖe mɔfiame si wona wo be woade Kristotɔwo ƒe kpekpewo la ŋui, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ?

22 Nuteƒewɔlawo srɔ̃ kpɔɖeŋu nyui sia eye wozɔ ɖe mɔfiame siwo wona wo la dzi. Woɖo hamewo ɖe nuto bubuwo me, abe Ohio, Michigan, kple Dziehe Amerika ene, kpakple dukɔ bubuwo me. Bu eŋu kpɔ lo: Ðe nuteƒewɔlawo anɔ dzadzraɖoɖi ɖe Kristo ƒe anyinɔɣia ŋu ne ɖe womefia wo be woawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame dzi anɔ ƒu ƒom ɖekae hena tadedeagu oa? Kura o! Ke mí ame siwo li egbea ya ɖe? Ele vevie be míawo hã míaɖoe kplikpaa be míade Kristotɔwo ƒe kpekpeawo ɣesiaɣi ale be míasubɔ kple mía nɔviwo ahado ŋusẽ mía nɔewo le gbɔgbɔ me.

Wodo Vevie Nu Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me

23. Aleke Gbetakpɔxɔ na eme kɔ ƒãa be ele be amesiaminawo naɖe gbeƒã nyateƒea?

23 Biblia Nusrɔ̃viawo fia nu be ele be amesiaminawo katã naɖe gbeƒã nyateƒea. Wogblɔ le Gbetakpɔxɔ aɖe me le ƒe 1885 me be: “Ele be wòanɔ susu me na mí be ame sia ame si wosi ami na la, ɖe wosi ami nɛ be wòaɖe gbeƒã (Yes. 61:1), be  wòanye subɔla.” Le ƒe 1888 me la, wona nuxlɔ̃ame sia le nyati bubu me be: “Dɔ si wode mía si la dze ƒãa . . . Ne míetsɔ nanewo le taflatsɛ dom hegbe dɔ sia wɔwɔ la, ekema subɔla kuviatɔwo míenye, eye míeto esia dzi le eɖem fia be míedze anye amesiaminawo o.”

24, 25. (a) Nu kae Russell kple eƒe zɔhɛwo wɔ tsɔ kpe ɖe amewo ŋu be woaɖe gbeƒã? (b) Aleke nyanyuikakala aɖe ƒo nu tso ale si wòwɔ dɔ le ɣeyiɣi siwo me ʋu mebɔ le xexea me o ŋu?

24 Menye ɖeko Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛawo de dzi ƒo na amewo be woaɖe gbeƒã ko evɔ o. Wodze trakt si nye Biblia Nusrɔ̃viwo Ƒe Trakt (si le yevugbe me eye wova yɔe emegbe be Mawu Ŋuti Nufiafia Si Nɔ Anyi Le Gɔmedzedzea Me) la tata gɔme be woatsɔ awɔ dɔae. Woɖoa trakt siawo ɖe ame siwo xlẽa Gbetakpɔxɔ la be woamae na amewo femaxee.

25 Woyɔa ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na be yewoawɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɣeyiɣiawo katã la ɣemaɣi be nyanyuikakalawo. Wo dometɔ ɖekae nye Charles Capen, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi. Le ƒe aɖewo megbe la, egblɔ be: “Mezãa anyigbatata aɖe si Amerika dziɖuɖua ƒe dɔwɔƒe si kpɔa anyigbatata nyawo gbɔ ta la be wòakpe ɖe ŋunye le nye anyigbamamaa kpekpeɖo me le Pennsylvania. Mɔdodowo katã dze le anyigbatata sia dzi, si na mekpɔa afi siwo mazɔ afɔ ato aɖo nutoa ƒe akpa vovovowo bɔbɔe. Ɣeaɖewoɣi ne mezɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ yi dua ƒe teƒe vovovowo heƒo ame siwo di be yewoadɔ agbalẽ siwo nye Nusɔsrɔ̃ Le Ŋɔŋlɔawo Me (si le yevugbe me) ƒe nudɔdɔwo nu ƒu vɔ la, mehayaa sɔ si ŋu agbatsɔkeke le tsɔ lɔa agbalẽawo ɖamana na ame siwo dɔe. Zi geɖe la, agbledelawo gbɔe metsina dɔna le agbledzi. Ʋu mebɔ ɣemaɣi o.”

Nyanyuikakala (mɔɖela) aɖe. “Ðoɖo Si Mawu Wɔ Ðe Ɣeyiɣiawo Ŋu Ƒe Nutata” si le agbatsɔkekea ŋu tsɔ fiaa nu amewo

26. (a) Nu ka tae wòle vevie be Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi do ŋgɔ na ƒe 1914 la naƒo wo ɖokuiwo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me hafi anɔ dzadzraɖoɖi na Kristo ƒe anyinɔɣia? (b) Nya kawoe wòanyo be míabia mía ɖokui?

26 Ebia kutrikuku kple dzinɔameƒo hafi woate ŋu aɖe gbeƒã le ɣeyiɣi mawo me. Ðe Kristotɔ vavãwo anɔ dzadzraɖoɖi ɖe Kristo ƒe dziɖuɖua ƒe gɔmedzedze ŋu ne ɖe womefia wo be ele vevie be woaɖe gbeƒã oa? Gbeɖegbeɖe! Elabena dɔ ma va zu Kristo ƒe anyinɔɣi ƒe dzesia ƒe akpa vevi aɖe. (Mat. 24:14) Esɔ ŋutɔ be wodzra Mawu ƒe amewo ɖo ɣemaɣi wotsɔ dɔ ma si axɔ amewo ɖe agbe la ɖo nɔƒe vevitɔ le woƒe agbe me. Anyo be mí ame siwo li egbea hã míabia mía ɖokui be: ‘Ðe gbeƒãɖeɖedɔa xɔ nɔƒe vevitɔ le nye agbe mea? Ðe melɔ̃na faa tsɔa nanewo saa vɔ ale be makpɔ gome le dɔ ma me bliboea?’

Wodzi Mawu Fiaɖuƒea!

27, 28. Nu kae apostolo Yohanes kpɔ le ŋutega me, eye aleke Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔ nui esi wodzi Fiaɖuƒea?

27 Ƒe 1914, si nye ƒe ɖedzesi le ŋutinya me la, va ɖo mlɔeba. Abe ale si míegblɔe le ta sia ƒe ŋgɔdonyaa me ene la, amegbetɔwo mekpɔ nu wɔnuku siwo dzɔ le dziƒo le ƒe ma me la kple ŋku o. Ke hã, apostolo Yohanes kpɔ nudzɔdzɔ mawo ƒe ɖeɖefia le ŋutega aɖe me. Kpɔe ɖaa le susu me: Yohanes kpɔ “dzesi gã aɖe” le dziƒo. Mawu ƒe “nyɔnu” la—si nye eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo, si me gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le la—fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi. Wogblɔ be kpɔɖeŋuŋutsuvi sia “atsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo katã.” Esi wonya dzii teti ko la, eva hiã be  ‘woakɔe ayi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ enumake.’ Gbe gã aɖe ɖi le dziƒo gblɔ be: “Azɔ mía Mawu ƒe xɔname kple ŋusẽ kple Fiaɖuƒe kpakple eƒe Kristo ƒe ŋusẽ la zu nu ŋutɔŋutɔ.”Nyaɖ. 12:1, 5, 10.

28 Edze ƒãa be Mesia Fiaɖuƒea ƒe dzidzie nye ema Yohanes kpɔ le ŋutega me. Dzidzɔnya gã aɖee nudzɔdzɔ sia nye, gake menye ame sia amee kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu o. Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ho aʋa ɖe mawudɔla wɔnuteƒe siwo le Mixael, alo Kristo, ƒe kpɔkplɔ te la ŋu. Nu kae do tso eme? Biblia gblɔ be: “Wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana, ame si le anyigba dzi nɔlawo katã blem la, ƒu gbe; wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe kpe ɖe eŋu.”Nyaɖ. 12:7, 9.

Le ƒe 1914 me la, Biblia Nusrɔ̃viwo dze Kristo ƒe anyinɔɣi ƒe dzesia kpɔkpɔ dze sii

29, 30. Esi wodzi Mesia Fiaɖuƒea la, aleke nɔnɔmeawo trɔ (a) le anyigba dzii? (b) le dziƒo?

29 Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na ƒe 1914 la, Biblia Nusrɔ̃viwo gblɔ be nɔnɔme sesẽ aɖewo ate mododoɖa tso ƒe ɖedzesi ma me. Gake woawo ŋutɔwo gɔ̃ hã menya ale si tututu nya mawo ava emee o. Satana adze fukpekpe geɖe hehe va ameƒomea dzi, elabena wona míenya le Yohanes ƒe ŋutegaa me be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si.” (Nyaɖ. 12:12) Le ƒe 1914 me la, Xexemeʋa Gbãtɔ dze egɔme eye Kristo ƒe anyinɔɣi le Fiaɖuƒeŋusẽ me ƒe dzesia dze eme vava le xexea me godoo. Nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” ye nye ema dze egɔme.2 Tim. 3:1.

30 Ke hã, dzidzɔ xɔ aƒe ɖe dziƒo. Wonyã Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le afi ma tegbee. Yohanes ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esia ta dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple mi ame siwo le wo me!” (Nyaɖ. 12:12) Esi woɖe futɔawo ɖa le dziƒo heɖo Yesu Fiae azɔ ta la, ɣeyiɣia de be Mesia Fiaɖuƒea naɖe afɔ aɖewo atsɔ akpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu le anyigba dzi. Nu kawoe wòawɔ? Abe ale si míegblɔe le ta sia ƒe gɔmedzedze ene la, nu gbãtɔ si Kristo, “nubabla ƒe dɔla” la wɔe nye be eva kɔ Mawu ƒe amewo ŋu le anyigba dzi. Aleke wòwɔ esiae?

Dodokpɔ Ƒe Ɣeyiɣiwo

31. Nya kae Maleaxi gblɔ ɖi tso Mawu ƒe amewo ŋu kɔɣia ŋu, eye alekee nyagblɔɖi ma me vava dze egɔme? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

31 Maleaxi gblɔe ɖi be Mawu ƒe amewo ŋu kɔkɔ ƒe ɣeyiɣia manɔ bɔbɔe kura o. Egblɔ be: “Ame kae ado dzi anɔ anyi le eƒe vavagbe, eye ame kae anɔ te ɖe eƒe dodo nu? Elabena ele abe galólola ƒe dzo ene, eye wòle abe avɔnyãla ƒe adzalẽtsi ene.” (Mal. 3:2) Nya siawo va eme vavã! Tso ƒe 1914 me la, Mawu ƒe amewo to dodokpɔ kple nɔnɔme sesẽ geɖewo me. Le Xexemeʋa Gbãtɔ me la, woti Biblia Nusrɔ̃vi geɖewo yome kutɔkutɔe helé wo de gaxɔ me. *

32. Kuxi sesẽ kawoe do mo ɖa le Mawu ƒe amewo dome tso ƒe 1916 me?

32 Kuxi sesẽ aɖewo hã do mo ɖa le habɔbɔa ŋutɔ me. Le ƒe 1916 me la, Nɔviŋutsu Russell ku esi wòxɔ ƒe 64 pɛ ko, eye esia na Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe tɔtɔ. Eƒe kua na wòva dze ƒãa  be eya dzi koe wo dometɔ aɖewo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ katã da ɖo. Togbɔ be Nɔviŋutsu Russell medi be woade bubu tɔxɛ aɖeke ye ŋu o hã la, ɖeko wòva dze abe eya ko subɔm ame aɖewo ya le ene. Ame geɖe susui be esi wònya ku ko la, ame aɖeke megali ayi edzi ana numekɔkɔ tso nyateƒea ŋu o, eye ame aɖewo tsi tre ɖe ɖoɖo bubu siwo wowɔ be dɔa naɖe zɔ la ŋu kaɖikaɖi. Nuwɔna sia he xɔsegbegbe kple mama va habɔbɔa me.

33. Aleke mɔkpɔkpɔ siwo meva eme o do Mawu ƒe amewo ƒe xɔse kpɔe?

33 Mɔkpɔkpɔ siwo meva eme o hã nye dodokpɔ bubu. Togbɔ be nɔviawo gblɔe le Gbetakpɔxɔ me wòsɔ nyuie be Dukɔwo Ƒe Azã awu enu le ƒe 1914 me hã la, womese nu siwo tututu adzɔ le ƒe ma me la gɔme ɣemaɣi o. (Luka 21:24) Wosusui be Kristo akplɔ eƒe ŋugbetɔ, si nye amesiaminawo ƒe ha la, ayi dziƒo le ƒe 1914 me be woaɖu fia kplii le afi ma. Woƒe mɔkpɔkpɔ ma meva eme o. Le ƒe 1917 ƒe nuwuwu lɔƒo la, wogblɔ le Gbetakpɔxɔ me be ƒe 40 ƒe nuŋeŋedɔa awu enu le ƒe 1918 ƒe adame. Gake gbeƒãɖeɖedɔa mewu enu o. Dɔa yi edzi keke ta le ƒe si woyɔ la megbe. Wogblɔ le Gbetakpɔxɔ ƒe tata bubu me be nuŋeŋedɔa wu enu gake ele be yewoayi nuku siwo dudu ɖi la fɔfɔ dzi hena ɣeyiɣi aɖe. Ke hã, dzi ɖe le ame geɖe ƒo wodzudzɔ Yehowa subɔsubɔ.

34. Dodokpɔ sesẽ kae va le ƒe 1918 me, eye nu ka tae Kristodukɔa susui be Mawu ƒe amewo “ku”?

34 Dodokpɔ sesẽ aɖe va le ƒe 1918 me. Wolé Nɔviŋutsu J. F. Rutherford, si va xɔ ɖe C. T. Russell teƒe xɔa ŋgɔ le Mawu ƒe amewo dome la kple nɔviŋutsu bubu siwo wɔa dɔ kplii. Wolé wo de gaxɔ me madzemadzee le Atlanta, Georgia, (Amerika), be woanɔ afi ma ɣeyiɣi didi aɖe. Esia na wòdze abe Mawu ƒe amewo ƒe dɔa atsi akpo dzi hena ɣeyiɣi aɖe ene. Kristodukɔa ƒe osɔfo geɖewo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Wosusui be esi wolé “ŋgɔxɔlawo” de gaxɔ me, tu dɔwɔƒegã si le Brooklyn, eye woxe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu le Amerika kple Europa ta la, Biblia Nusrɔ̃vi mawo siwo nɔ fu ɖem na yewo la “ku” azɔ, be woƒe fuɖenameawo nu tso. (Nyaɖ. 11:3, 7-10) Gake woda ƒu kura!

Wogagbɔ Agbe!

35. Nu ka tae Yesu ɖe mɔ nɔnɔme sesẽwo va eyomedzelawo dzi, eye nu kae wòwɔ tsɔ kpe ɖe wo ŋu?

35 Nyateƒea ƒe futɔawo menya kura be esi Yehowa bɔbɔ nɔ anyi ɣemaɣi ‘abe ame si lóloa klosalo hedzaa eŋu ene’ tae Yesu ɖe mɔ nɔnɔme sesẽ mawo va eyomedzelawo dzi ɖo o. (Mal. 3:3) Yehowa kple Via woka ɖe edzi be nuteƒewɔlawo ato dodokpɔ mawo me ado dedie, eye wo ŋu akɔ, woanɔ dzadzɛ ahazu dɔwɔnu nyuiwo na Fia la wu tsã. Tso ƒe 1919 ƒe gɔmedzedze la, eva dze ƒãa be Mawu to eƒe gbɔgbɔa dzi wɔ nane si futɔawo susu be mate ŋu adzɔ gbeɖe o. Ena nuteƒewɔlawo gagbɔ agbe ake! (Nyaɖ. 11:11) Kristo na ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesia ƒe akpa vevi aɖe va eme ɣemaɣi. Eyae nye be etia ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la, si nye ŋutsu amesiamina ʋɛ siwo axɔ ŋgɔ le eƒe amewo dome ahana gbɔgbɔmenuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.Mat. 24:45-47.

36. Nu kawoe ɖo kpe edzi be wogbɔ agbe Mawu ƒe amewo le gbɔgbɔ me?

 36 Le March 26, 1919 dzi la, woɖe asi le Nɔviŋutsu Rutherford kple etɔawo ŋu. Wowɔ ɖoɖo enumake be woawɔ takpekpe aɖe le September me. Wowɔ ɖoɖo hã be woadze magazine bubu si woayɔ be Nunyonameɣi (The Golden Age) la tata gɔme. Magazine sia ava kpe ɖe Gbetakpɔxɔ, si tam wole xoxo la ŋu, eye wotrɔ asi le eŋu be woazãe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. * Le ƒe ma ke me la, wota Bulletin alo Nyatakakagbalẽvi (si míeyɔna fifia be Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ) ƒe tata gbãtɔ. Abe ale si ko wòle va se ɖe egbea ene la, ɖe wotrɔ asi le eŋu be wòade dzo gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Eɖe dzesi ŋutɔ be tso ƒe 1919 me la, wova le gbe tem ɖe gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me dzi vevie wu.

37. Le ƒe siwo kplɔ ƒe 1919 ɖo me la, nu kawoe nuteƒemawɔla aɖewo wɔ?

37 Dzodede gbeƒãɖeɖedɔa me hã nye mɔ bubu si dzi woto kɔ Kristo yomedzelawo ŋu, elabena dadala siwo nɔ wo dome la bua wo ɖokuiwo be yewokɔ akpa na dɔ tsɛ ma wɔwɔ. Ame siwo gbe gbidii be yewomawɔ dɔ ma o la va dzudzɔ hadede kple nuteƒewɔlawo. Le ƒe ʋɛ siwo kplɔ ƒe 1919 ɖo me la, nuteƒemawɔla siwo tsɔ dziku do le habɔbɔa me la kaka alakpanya  kple ameŋugblẽnya geɖewo, eye wova wɔ ɖeka kple ame siwo le Yehowa subɔla wɔnuteƒeawo yome tim la gɔ̃ hã.

38. Nu ka dzie dzidzedze siwo Kristo yomedzelawo kpɔ le anyigba dzi la ɖo kpee na mí?

38 Togbɔ be wotso ɖe Kristo yomedzela siwo le anyigba dzi ŋu alea hã la, woyi edzi nɔ dzidzim ɖe edzi henɔ gbɔgbɔmedzidzedze geɖe kpɔm. Dzidzedze siwo katã wokpɔ kple nya siwo katã me woɖu dzi le tso ɣemaɣi la na kakaɖedzi sẽŋu mí be Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum vavã! Ne menye Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple yayra siwo nam wòle to Via kple Mesia Fiaɖuƒea dzi ye o la, ame madeblibowo ƒe ƒuƒoƒo sue ma mate ŋu aɖu Satana kple nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi enuenu nenema gbegbe o!Mixlẽ Yesaya 54:17.

Nɔviŋutsu Rutherford ƒo nuƒo ʋãme aɖe le takpekpe me esi wògbɔ tso gaxɔ me ɣleti ʋɛ aɖewo ko megbe

39, 40. (a) Aleke wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋui? (b) Aleke agbalẽ sia sɔsrɔ̃ aɖe vi na wòe?

39 Le ta siwo kplɔe ɖo me la, míadzro nu siwo Mawu Fiaɖuƒea wɔ le anyigba dzi le ƒe alafa ɖeka siwo va yi me tso esime woɖoe anyi le dziƒo la me. Woma agbalẽ sia ɖe akpa vovovowo me, eye akpa ɖe sia ɖe aƒo nu tso Fiaɖuƒea ƒe dɔ siwo le edzi yim le anyigba dzi la ƒe akpa aɖe koŋ ŋu. Numetotoɖaka aɖe le ta ɖe sia ɖe me, si akpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu míadzro mía ɖokui me kpɔ be aleke gbegbe Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ na míi hã. Míadzro nu siwo míakpɔ mɔ na le etsɔ si gbɔna kpuie me ne Fiaɖuƒea va tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hetrɔ anyigbaa wòzu paradiso la me le ta mamlɛtɔawo me. Vi kae agbalẽ sia sɔsrɔ̃ aɖe na wò?

40 Satana di be yeagblẽ wò xɔse dome ale be nàgaka ɖe Mawu Fiaɖuƒea dzi o. Gake Yehowa ya di be yeado ŋusẽ wò xɔse be wòakpɔ tawò ahalé wò ɖe te sesĩe. (Ef. 6:16) Eya ta míele dzi dem ƒo na wò be nàsrɔ̃ agbalẽ sia moveviɖoɖotɔe. Nɔ ɖokuiwò biam be, ‘Ðe Mawu Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ nama?’ Ne enye nu ŋutɔŋutɔ na wò fifia la, ana nànɔ dzadzraɖoɖi, alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ahakpe asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu veviedodotɔe va se ɖe esime ame sia ame ava kpɔe be Mawu Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ eye wòle dzi ɖum vavã!

^ mm. 7 Àte ŋu akpɔ Grew, Stetson, kple Storrs ŋu nya geɖewo le agbalẽ si nye Jehovah’s WitnessesProclaimers of God’s Kingdom (Les Témoins de Jéhovah: Prédicateurs du Royaume de Dieu) me, axa 45-46.

^ mm. 15 Togbɔ be Biblia Nusrɔ̃viawo kpɔe be ele be yewoaɖe yewo ɖokuiwo ɖa le xexea ƒe sɔlemehawo ŋu hã la, woyi edzi bua ame ɖekaɖeka siwo menye Biblia Nusrɔ̃viwo o gake wogblɔna be yewoxɔ tafea dzi se eye yewotsɔ yewo ɖokui na Mawu la be wonye yewo nɔvi Kristotɔwo.

^ mm. 17 Nu siwo na be nuxlɔ̃ame ma mewɔ dɔ tututu ɣemaɣi o dometɔ ɖekae nye be wosusu be Kristo ƒe alẽha suea, siwo nye ame 144,000 la, me tɔwo koŋue wòyi na. Míava kpɔe le Ta 5 lia me be do ŋgɔ na ƒe 1935 la, wosusui be “ame ha gã” si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 7:9, 10 la anye Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo me tɔ gbogbo aɖewo, eye be woazu dziƒoyilawo ƒe hatsotso evelia le esi woava nɔ Kristo ƒe akpa dzi le gaƒoƒo mamlɛtɔ me ta.

^ mm. 31 Le September 1920 me la, Nunyonameɣi magazinea (si le yevugbe me, eye míeyɔnɛ be Nyɔ! fifia) ƒe tata tɔxɛ aɖe ƒo nu tso yometiti siwo me nɔviwo to le Canada, England, Germany, kple United States le aʋawɔɣia la dometɔ geɖe ŋu tsitotsito, eye yometiti siawo dometɔ aɖewo nu sẽ ŋutɔ. Gake ƒe ʋɛ aɖewo hafi aʋaa nadzɔ la, yometiti ʋɛ aɖewo koe va wo dzi.

^ mm. 36 Hena ƒe geɖe la, alẽha suea me tɔwo koŋue wota Gbetakpɔxɔ la na be woatsɔ atu wo ɖo.

Anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe gbeƒãɖeɖedɔa xɔ nɔƒe vevitɔ le nye agbe mea?’