Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 5

Fia La Na Fiaɖuƒea Ŋu Nyawo Me Le Kɔkɔm Ðe Edzi

Fia La Na Fiaɖuƒea Ŋu Nyawo Me Le Kɔkɔm Ðe Edzi

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Míakpɔ ale si Mawu ƒe amewo va se Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒe veviwo gɔme; eƒe ɖewoe nye ame siwo aɖu dzi le Fiaɖuƒea me, Fiaɖuƒea teviwo, kple nu si nuteƒewɔwɔ bia tso wo si

1, 2. Aleke Yesu ɖee fia be yenye mɔfiala nyui?

TSƆE be èle tsaɖila aɖewo dome miele tsa ɖim le dugã dzeani aɖe me. Amedzroe mia kple tsaɖila bubuawo mienye, gake mɔfiala si kplɔ mi le tsa ɖim la nya dua me nyuie, eya ta miele to lém ɖe nya sia nya si gblɔm wòle na mi ŋu. Sẽ kple sẽa, mia kple tsaɖila bubuawo mietsɔa dzidzɔ gblɔa nya aɖewo tso dua ƒe teƒe aɖewo siwo miede haɖe o ŋu. Ne miebia nya ame si kplɔ mi le tsa ɖim tso teƒe mawo ŋu la, meɖea nu boo aɖeke me na mi o va se ɖe esime mieɖo afi ma hekpɔ ale si wòle hafi. Vivivia, èva kpɔe be mɔfiala nyui aɖe ŋutɔe wònye, elabena ɣeyiɣi siwo me wòhiã be mianya nanewo la tututu mee wòƒoa nu tso wo ŋu na mi.

2 Nɔnɔme si me Kristotɔ vavãwo le la sɔ kple tsaɖila siawo tɔ. Didi vevie le mía me be míanya nu tso du si nyo wu ɖe sia ɖe, “du si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔwo li na,” si nye Mawu Fiaɖuƒea, la ŋu. (Heb. 11:10) Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eya ŋutɔ kpe ɖe eyomedzelawo ŋu wova nya Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒe goglo aɖewo. Gake ɖe wòɖo woƒe nyabiasewo katã ŋu na woa? Ðe wòɖe nu sia nu me na wò tso Fiaɖuƒea ŋu ɣemaɣia? Ao. Egblɔ be: “Nya geɖewo gale asinye magblɔ na mi hafi, gake miate ŋu atsɔ wo fifia o.” (Yoh. 16:12) Yesu, si nye mɔfiala nyuitɔ kekeake la meɖea nu siwo gɔme wòkpɔ be ye yomedzelawo mate ŋu ase haɖe o la me na wo o.

3, 4. (a) Aleke Yesu wɔ yi edzi le nu fiam eyomedzela wɔnuteƒewo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu? (b) Nu kawo mee míadzro le ta sia me?

3 Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ mee wògblɔ Yohanes 16:12 me nyaawo. Ke aleke wòawɔ ayi edzi afia nu eyomedzela wɔnuteƒeawo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu le eƒe ku megbe? Eka ɖe edzi na eƒe apostolowo be: “Nyateƒegbɔgbɔ la . . . afia mɔ mi le nyateƒe blibo la katã me.” (Yoh. 16:13) Míate ŋu atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea hã asɔ kple mɔfiala si gbɔa dzi ɖi na ame. Gbɔgbɔa dzie Yesu tona fiaa nu sia nu si hiã be eyomedzelawo nanya tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu la wo, eye wòfiaa wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.

4 Mina míadzro ale si Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔ Kristotɔ vavãwo be Fiaɖuƒea ŋuti sidzedze deto sua wo sii la  me. Gbã la, míaƒo nu tso ale si wowɔ nya ɣeyiɣi si me Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme la ŋu. Emegbe míadzro ale si wowɔ nya ame siwo aɖu dzi le Fiaɖuƒea me kple ame siwo anye Fiaɖuƒea teviwo, kpakple mɔkpɔkpɔ si le hatsotso evea si la me. Eye mlɔebaa, míakpɔ ale si Kristo yomedzelawo va se nu si nuteƒewɔwɔ na Fiaɖuƒea bia tso wo si la gɔme.

Wode Dzesi Ƒe Vevi Aɖe

5, 6. (a) Aleke Biblia Nusrɔ̃viwo se Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi kple ɣeyiɣi si me nuŋeɣia dze egɔme la gɔmee tsã? (b) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ale si womese nuwo gɔme nyuie o la mefia be menye Yesue le mɔ fiam wo o?

5 Abe ale si míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta Evelia me ene la, Biblia Nusrɔ̃viwo kpɔe ƒe geɖe do ŋgɔ be ƒe 1914 anye ƒe vevi aɖe le Biblia me nyagblɔɖiwo me vava me. Ke hã, nu si gɔme wose ɣemaɣie nye be Kristo ƒe anyinɔɣia dze egɔme le ƒe 1874 me, be edze dziɖuɖu le dziƒo le ƒe 1878 me, eye be ame siwo aɖu dzi le Fiaɖuƒea me la katã aɖo afi ma mlɔeba le October ƒe 1914 me. Wogblɔ be nuŋeɣia anye tso ƒe 1874 va se ɖe ƒe 1914 me eye wòawu enu keŋkeŋ kple amesiaminawo nu ƒoƒo ƒu ɖe dziƒo. Ðe ale si wose nuwo gɔme bubui kura fia be Yesu meto gbɔgbɔ kɔkɔea dzi le mɔ fiam nuteƒewɔla siawo oa?

6 Mefia nenema kura o! Gabu kpɔɖeŋu si míewɔ le ŋgɔdonyaa me ŋu kpɔ. Ne tsaɖilawo tsɔ dzitsitsi gblɔ nya aɖewo siwo mesɔ o tso teƒe siwo womede haɖe o ŋu alo bia nya tso teƒe mawo ŋu gake woƒe mɔfiala meɖo eŋu na wo enumake o la, ɖe ema fia be kakaɖedzi mele mɔfialaa ŋu oa? Gbeɖe! Nenema kee togbɔ be Mawu ƒe amewo dzea agbagba ɣeaɖewoɣi be yewoaɖe ale si Yehowa ƒe tameɖoɖo ava emee la gɔme hafi ɣeyiɣia va dena be gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ wo woase egɔme hã la, edze ƒãa be Yesu li kpli wo. Eya ta nuteƒewɔla siawo lɔ̃na faa trɔa woƒe susu ɖokuibɔbɔtɔe ne Mawu ɖɔ wo ɖo eye wòna gɔmesese nyuitɔ va su wo si.Yak. 4:6.

7. Gbɔgbɔmekekeli kae va klẽ na Mawu ƒe amewo?

7 Le ƒe siwo kplɔ ƒe 1919 ɖo me la, nyateƒea ƒe kekelia me va nɔ kɔkɔm na Mawu ƒe amewo ɖe edzi. (Mixlẽ Psalmo 97:11.) Le ƒe 1925 me la, wota nyati vevi aɖe ɖe Gbetakpɔxɔ me, si ƒe tanyae nye “Dukɔ La Dzidzi.” Wotsɔ Ŋɔŋlɔa ɖo kpe edzi le eme nyuie be ƒe 1914 mee wodzi Mesia Fiaɖuƒea wònye nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia ta 12 la me vava, afi si wotsɔ Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo sɔ kple nyɔnu aɖe si dzi vi la le. * Woɖe eme le nyatia me be yometiti kple xaxa siwo va Yehowa ƒe amewo dzi le ƒe mawo siwo me aʋawɔwɔ nɔ edzi yim me la nye dzesi be wonyã Satana le dziƒo, “eye dzi le ekum vevie, elabena enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si.”Nyaɖ. 12:12.

8, 9. (a) Aleke wova te gbe ɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe vevienyenye dzii? (b) Nyabiase kawo mee míadzro?

8 Aleke gbegbe Fiaɖuƒea le vevie? Tso ƒe 1928 me la, wova dze gbetete ɖe edzi le Gbetakpɔxɔ me be Fiaɖuƒea le vevie wu ɖeɖe si míakpɔ to tafea dzi. Nyateƒee, Mesia Fiaɖuƒea dzie Yehowa ato akɔ eƒe ŋkɔ ŋu, aʋli eƒe dziɖulanyenye ta, eye wòana tame siwo wòɖo ɖe ameƒomea ŋu nava eme.

 9 Ame kawoe aɖu fia kple Kristo le Fiaɖuƒea me? Ame kawoe anye Fiaɖuƒea teviwo le anyigba dzi? Eye dɔ ka ŋue wòle be Kristo yomedzelawo ƒe ŋku nabiã ɖo?

Amesiaminawo Nu Ƒoƒo Ƒu Le Nuŋeɣia

10. Nu ka gɔmee Mawu ƒe amewo se xoxoxo tso xexlẽme si nye 144,000 ŋu?

10 Ƒe geɖe do ŋgɔ na ƒe 1914 la, Kristotɔ vavãwo se egɔme be Kristo yomedzela wɔnuteƒe 144,000 aɖu fia kplii le dziƒo. * Biblia Nusrɔ̃viawo kpɔe be menye kpɔɖeŋue xexlẽme ma nye o, eye be tso ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me kee wodze ame siawo tiatia gɔme.

11. Nu ka mee va kɔ na ame siwo ava zu Kristo ƒe ŋugbetɔ la ku ɖe dɔ si woawɔ le anyigba dzi ŋu?

11 Ke dɔ kae wòle be ame siawo siwo ava zu Kristo ƒe ŋugbetɔ la nanɔ wɔwɔm esime wogakpɔtɔ le anyigba dzi? Wokpɔe be Yesu te gbe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi eye wòtsɔe sɔ kple nuŋeŋedɔ. (Mat. 9:37; Yoh. 4:35) Abe ale si míegblɔe le Ta Evelia me ene la, wose egɔme tsã be nuŋeɣia ƒe didime anye ƒe 40, eye be kaka wòawu enu la amesiaminawo katã ayi dziƒo. Gake esi ƒe 40-awo va yi eye dɔa gakpɔtɔ le edzi eyim la, wova kpɔe be numekɔkɔ yeye hiã. Fifia míenya be ƒe 1914 mee nuŋeɣia dze egɔme. Enye ɣeyiɣi si me woɖe gbe vɔ̃ɖiawo, alo aʋatso Kristotɔwo, ɖa tso luawo, siwo nye Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo, ŋu. Ɣeyiɣia de azɔ be woaƒo ame siawo siwo ayi dziƒo la ƒe ame susɔeawo nu ƒu.

Nuŋeɣia dze egɔme le ƒe 1914 me (Kpɔ memama 11)

12, 13. Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋu siwo wowɔ tso talentoawo kple ɖetugbui ewoawo ŋu la va eme le ŋkeke mamlɛawo me?

12 Tso ƒe 1919 dzi heyi la, Kristo le mɔ fiam kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa be wòate gbe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi geɖe wu. Ƒe alafa gbãtɔ me kee wòde gbeƒãɖeɖedɔ sia asi na eyomedzelawo. (Mat. 28:19, 20) Ehe susu yi nɔnɔme siwo wòle be wòanɔ eyomedzela amesiaminawo si hafi woate ŋu awɔ dɔ sia hã dzi. Le mɔ ka nu? Le ɖetugbui ewoawo ŋuti kpɔɖeŋua me la, ena eme kɔ ƒãa be ne amesiaminawo di be yewoaɖo yewoƒe taɖodzinu si nye gomekpɔkpɔ le srɔ̃ɖeɖe gã si ayi edzi le dziƒo me, esime Kristo awɔ ɖeka kple eƒe “ŋugbetɔ,” si nye ame 144,000-awo la, ele be woanɔ ŋudzɔ ahanɔ ŋute le gbɔgbɔ me. (Nyaɖ. 21:2) Eye le talento ŋuti kpɔɖeŋua hã me la, Yesu ɖee fia be amesiaminawo atsɔ kutrikuku awɔ gbeƒãɖeɖedɔ si wòde wo si.Mat. 25:1-30.

 13 Amesiaminawo ɖee fia le ƒe alafa ɖeka siwo va yi me be yewole ŋudzɔ le gbɔgbɔ me hele kutri kum le dɔ si wode yewo si la wɔwɔ me. Woaɖo woƒe ŋudzɔnɔnɔa teƒe na wo godoo! Gake Kristo ƒe hatidziɖula ame 144,000-awo nu koe woaƒo ƒu le nuŋeŋedɔa mea?

Fiaɖuƒe La Le Etevi Siwo Anɔ Anyigbaa Dzi Nu Ƒom Ƒu!

14, 15. Ame hatsotso ene kawo ŋue woƒo nu tsoe le agbalẽ si nye Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go me?

14 Tso gbe aɖe gbe ke la, mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nuteƒewɔlawo di vevie be yewoase ame siwo “ameha gã” si woyɔ le Nyaɖeɖefia 7:9-14 le tsitre ɖi na la gɔme. Eya ta mewɔ nuku o be hafi ɣeyiɣia nade be Kristo naɖe ame siwo ameha gã la le tsitre ɖi na ŋuti nyateƒe bɔbɔe si míenya egbea helɔ̃ vevie ɖe go la, ale si míeɖea egɔmee tsã la to mɔ bubu kura.

15 Le ƒe 1917 me la, wogblɔ le agbalẽ si nye Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go (si le yevugbe me) me be “dziƒomɔkpɔkpɔ evee li, eye anyigbadzimɔkpɔkpɔ eve hãe li.” Ame hatsotso vovovo kawo sie mɔkpɔkpɔ vovovo ene mawo asu? Wogblɔ be hatsotso gbãtɔe nye ame 144,000 siwo aɖu fia kple Kristo. Eveliae nye ameha gã la. Woxɔe se ɣemaɣi be ameha gã la le tsitre ɖi na xɔsetɔ aɖewo siwo gakpɔtɔ le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo me. Xɔse aɖe sinu le wo si ya, gake enu mesẽ be wòakpe ɖe wo ŋu woalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ale si dze o. Eya ta woanye dziƒoyilawo ƒe hatsotso evelia, gake woƒe ɖoƒe made hatsotso gbãtɔa tɔ nu o. Wogblɔ be hatsotso etɔ̃lia akpɔ agbe le anyigba dzi eye woawoe nye “blematɔ nuteƒewɔlawo,” abe Abraham, Mose, kple bubuawo ene; woatsɔ ame siawo aɖo ŋusẽnɔƒe ɖe ameƒome susɔea, si anye hatsotso enelia la nu le anyigba dzi.

16. Nyateƒea ƒe kekeli ka mee va nɔ kɔkɔm le ƒe 1923 kple 1932 me?

16 Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Kristo yomedzelawo ŋu wova se nya sia ŋuti nyateƒe si dea dzi gbɔ na mí egbea la gɔmee? Ðe eme va nɔ kɔkɔm vivivi esi nyateƒea ƒe kekelia nɔ keklẽm ɖe edzi. Le ƒe 1923 me ke la, Gbetakpɔxɔ gblɔ tso ame siwo mayi dziƒo o ŋu be woanɔ Kristo ƒe dziɖuɖua te le anyigba dzi. Le ƒe 1932 me la, Gbetakpɔxɔ dzro ale si Yonadab va kpe asi ɖe Israel fia Yehu, si Mawu si ami na ŋu le aʋa si wòho ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu me la me. (2 Fia. 10:15-17) Nyatia ɖe eme be ame hatsotso aɖe li egbea siwo le abe Yonadab ene, eye wògblɔ be Yehowa akpɔ ame hatsotso sia ta “le Harmagedon-ʋaa me” be woanɔ agbe le anyigba sia dzi.

17. (a) Gbɔgbɔmekekeli gã kae klẽ le ƒe 1935 me? (b) Ŋusẽ kae ameha gã la ŋuti gɔmesese yeye sia kpɔ ɖe Kristotɔ wɔnuteƒewo dzi? (Kpɔ aɖaka si nye “ Woƒe Dzi Dze Eme Azɔ” hã.)

17 Le ƒe 1935 me la, gbɔgbɔmekekeli gã aɖe klẽ. Le takpekpe aɖe si wowɔ le Washington, D.C me la, woɖe nu me be ameha gã lae nye ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le, eye woawo kee nye alẽ siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa me. (Mat. 25:33-40) Ameha gã la hã le ‘alẽ bubuawo’ dome, ame siwo ŋu Yesu gblɔ le be: “Ele nam be makplɔ woawo hã vɛ.” (Yoh. 10:16) Esi nuƒolaa, si nye J. F. Rutherford bia be: “Mi ame siwo katã le mɔ kpɔm  be yewoanɔ agbe tegbee le anyigbaa dzi la, meɖe kuku miate ŋu atso míakpɔa?” la, ame siwo tso ɖe tsitrenu la wu vavalawo ƒe afã! Nuƒolaa yi edzi be: “Mikpɔ ɖa! Ameha gã lae nye esia!” Ewɔ dɔ ɖe ame geɖe dzi ŋutɔ be yewose etsɔmemɔkpɔkpɔ si le yewo si la gɔme azɔ.

18. Ame kawo nu ƒoƒo ƒu ŋue Kristo yomedzelawo va trɔ susu ɖo, eye nu kae do tso eme?

18 Tso ɣemaɣi la, Kristo le mɔ fiam eƒe amewo be woatrɔ susu ɖe ame siwo ava nye ameha gã la me tɔwo, ame siwo atsi agbe ato xaxa gãa me dedie la nu ƒoƒo ƒu ŋu. Le gɔmedzedzea me la, ɖeko wòdze abe ɖe ame siwo nu woaƒo ƒu masɔ gbɔ tututu o ene. Nɔviŋutsu Rutherford kura gblɔ kpɔ be: “Edze abe ameha gã la megbɔna ha gã aɖeke nye ge o ene.” Gake tso ɣemaɣi va se ɖe fifia la, míekpɔ ale si gbegbe Yehowa yra ɖe nuŋeŋedɔa dzii la gaglã! Le Yesu kple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia te la, amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ va zu “alẽha ɖeka” hele subɔsubɔm le “alẽkplɔla ɖeka” te abe ale si Yesu ŋutɔ gblɔe ɖi ene.

Nɔviŋutsu Rutherford mete ŋu kpɔ ale si gbegbe ameha gãa ava sɔ gbɔe la do ŋgɔ o Tso miame yi ɖusime: Nathan H. Knorr, Joseph F. Rutherford, kple Hayden C. Covington

19. Akpa kae míate ŋu awɔ atsɔ ana be ameha gã la nayi edzi anɔ dzidzim ɖe edzi?

19 Nuteƒewɔla akpa gãtɔ anɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi, le Kristo kple eƒe hatidziɖula 144, 000-awo ƒe dziɖuɖua te. Ðe menye dzidzɔ na mí be míekpɔ ale si Kristo fia mɔ Mawu ƒe amewo wova se etsɔmemɔkpɔkpɔ ma gɔme nyuie abe ale si wòdze ƒãa le Ŋɔŋlɔawo me ene oa? Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye na mí be míegblɔa mɔkpɔkpɔ sia ŋu nya na amewo le gbeadzi! Mina míawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me ale si míate ŋui ale be ameha gãa nayi edzi anɔ dzidzim ɖe edzi be wòahe kafukafu gã vɛ na Yehowa ƒe ŋkɔ!Mixlẽ Luka 10:2.

Ameha gã la yi edzi le dzidzim ɖe edzi

Nu Si Nuteƒewɔwɔ Na Fiaɖuƒea Bia

20. Satana ƒe habɔbɔa ƒe akpa vovovoawo ɖe, eye nu kae Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ bia?

20 Esi Mawu ƒe amewo yi edzi le nu srɔ̃m tso Fiaɖuƒea ŋu la, ehiã be woase nu si nuteƒewɔwɔ na dziƒodziɖuɖu sia bia hã gɔme bliboe. Eya ta ƒe 1922 ƒe Gbetakpɔxɔ aɖe gblɔ be habɔbɔ evee le dɔ dzi, Yehowa ƒe habɔbɔ kple Satana hã tɔ, eye be asitsahawo, subɔsubɔhawo, kple dunyahehawoe ƒo ƒu nye Satana ƒe habɔbɔa. Mele be ame siwo le Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo ƒe kpɔkplɔ te ƒe akpa dzi la naƒo wo ɖokui ɖe Satana ƒe habɔbɔa ƒe akpa aɖeke me o, elabena esia anye nuteƒemawɔmawɔ na Fiaɖuƒea. (2 Kor. 6:17) Nu kae esia fia?

21. (a) Nuxlɔ̃ame kae kluvi nuteƒewɔlaa na Mawu ƒe amewo tso asi gã tsatsa ŋu? (b) Nya kae 1963 ƒe Gbetakpɔxɔ aɖe gblɔ tso “Babilon Gã la” ŋu?

21 Enuenu la, gbɔgbɔmenuɖuɖu si tsoa kluvi nuteƒewɔla gbɔ la kloa nu le nu fitifiti siwo yia edzi le asi gãwo tsatsa me dzi, eye woxlɔ̃a nu Mawu ƒe amewo be woakpɔ nyuie be ŋutilãmenudidi vivivo ƒe mɔ̃ nagaɖe wo o. (Mat. 6:24) Nenema kee míaƒe agbalẽwo yia edzi kloa nu le Satana ƒe habɔbɔa ƒe akpa si nye subɔsubɔhawo hã dzi. Ƒe 1963 ƒe Gbetakpɔxɔ aɖe gblɔe eme kɔ nyuie be “Babilon Gã la” le tsitre ɖi na xexea me alakpasubɔsubɔhawo katã, ke menye Kristodukɔa ɖeɖe ko o. Eya ta abe ale si míava dzro eme le agbalẽ sia ƒe Ta 10 lia me ene la, wokpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu le dukɔ sia  dukɔ kple to sia to me be ‘woado go le Babilon Gã la me’ ahakɔ wo ɖokuiwo ŋu tso alakpasubɔsubɔ ƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me.Nyaɖ. 18:2, 4.

22. Le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi la, aleke Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe se Romatɔwo 13:1 gɔmee?

22 Ke Satana ƒe habɔbɔa ƒe akpa si nye dunyahehawo ya ɖe? Ðe Kristotɔ vavãwo ate ŋu akpɔ gome le dukɔwo ƒe aʋawɔwɔwo kple nyaʋiʋliwo mea? Le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi la, Biblia Nusrɔ̃viwo se egɔme be mele be Kristo yomedzelawo nawu wo havi amegbetɔ o. (Mat. 26:52) Ke hã, wo dometɔ geɖe se nuxlɔ̃ame si le Romatɔwo 13:1 be woaɖo to “ŋusẽtɔwo” la gɔme be ele be yewoalɔ̃ awɔ asrafodɔ, ado asrafowu, ahatsɔ tu gɔ̃ hã, gake ne wobia tso yewo si be yewoawu futɔawo la, yewoada tua ɖe yame.

23, 24. Aleke Kristo yomedzelawo se Romatɔwo 13:1 gɔmee le Xexemeʋa Evelia wɔɣi, eye aleke wokpe ɖe wo ŋu wova se egɔme nyuie wu?

23 Le ɣeyiɣi si tututu me Xexemeʋa Evelia nɔ egɔme dzem le ƒe 1939 me la, wodzro akpaɖekedzimademade ƒe nyaa me tsitotsito le Gbetakpɔxɔ me. Nyatia ɖe nu me eme kɔ nyuie be mele be Kristotɔwo nakpɔ gome le dukɔ siwo dzi Satana le ŋusẽ kpɔm ɖo la ƒe aʋawɔwɔ kple nyaʋiʋli aɖeke me o. Mɔfiame sia va ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi ŋutɔ! Elabena ekpɔ Kristo yomedzelawo ta be ʋukɔkɔɖi dziŋɔ si me dukɔwo kpɔ gome le le aʋa ma me la ƒe fɔɖiɖi aɖeke meva wo dzi o. Ke hã, tso ƒe 1929 me la, wogblɔ le míaƒe agbalẽwo me hã be menye amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwoe nye ŋusẽtɔ siwo woyɔ le Romatɔwo 13:1 kura o, ke boŋ Yehowa kple Yesu ye. Gake gɔmesese si sɔ wu gahiã.

 24 Le ƒe 1962 me la, gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Kristo yomedzelawo ŋu gɔmesese nyuitɔ va su wo si esi wota nyati vevi aɖewo le November 15 kple December 1 ƒe Gbetakpɔxɔ me tsɔ ɖe Romatɔwo 13:1-7 me. Mawu ƒe amewo va se egɔme mlɔeba be Yesu ƒe nya nyanyɛ siwo nye be, “Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, gake nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu” la fia be seɖoƒe li na yewoƒe toɖoɖo dziɖuɖuwo. (Luka 20:25) Kristotɔ vavãwo va se egɔme azɔ be ŋusẽtɔawo le tsitre ɖi na dziɖula siwo le xexea me, eye be ehiã be Kristotɔwo nabɔbɔ wo ɖokui na wo. Ke hã, seɖoƒe li na woƒe toɖoɖo ŋusẽtɔ siawo. Ne amegbetɔ ŋusẽtɔwo bia tso mía si be míawɔ nu si anye Yehowa Mawu ƒe se dzi dada la, ekema míegblɔna abe ale si apostoloawo gblɔ le blema ene be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” (Dɔw. 5:29) Le agbalẽ sia ƒe Ta 13 kple 14 lia me la, míasrɔ̃ nu geɖe tso ale si Mawu ƒe amewo wɔ akpaɖekedzimademade ƒe gɔmeɖosea ŋu dɔe la ŋu.

Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye na mí be míegblɔa agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu nya na amewo!

25. Nu ka tae nèkpɔa ŋudzedze ɖe ale si gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔ mí be míase Mawu Fiaɖuƒea gɔmee ŋu?

25 Bu nu siwo gbegbe wofia Kristo yomedzelawo tso Fiaɖuƒea ŋu le ƒe alafa ɖeka siwo va yi me ŋu kpɔ. Míeva nya ɣeyiɣi si woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le dziƒo kple ale si Fiaɖuƒea le vevie. Míeva se mɔkpɔkpɔ eve siwo li na nuteƒewɔlawo la gɔme nyuie wu; dziƒomɔkpɔkpɔ kple anyigbadzimɔkpɔkpɔ. Eye míeva nya nu si nuteƒewɔwɔ na Fiaɖuƒea bia tso mía si kple afi si míabɔbɔ mía ɖokui na xexea me dziɖulawo ase ɖo. Bia ɖokuiwò be, ‘Ne menye ɖe Yesu Kristo fia mɔ eƒe kluvi wɔnuteƒe si le anyigba dzi la wose nyateƒe xɔasi mawo gɔme hefia mí o ɖe, afi kae míato anya wo?’ Yayra ka gbegbe nye esi wònye na mí be Kristo kple gbɔgbɔ kɔkɔea le mɔ fiam mí!

^ mm. 7 Do ŋgɔ na ɣemaɣi la, wose egɔme be ŋutega ma fia aʋa aɖe si adzɔ ɖe Roma Fiaɖuƒea kple Roma Katolikohaa dome.

^ mm. 10 Le June 1880 me la, wogblɔ le Zion Gbetakpɔxɔ me be ame 144,000-awo anye dzɔdzɔme Yudatɔ siwo ava zu Kristo yomedzelawo hafi ƒe 1914 naɖo. Gake le ƒe 1880 ƒe nuwuwu lɔƒo la, wova na numekɔkɔ bubu si de sɔsɔ ge kple ale si míese egɔmee egbea.