Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA 19

Xɔtudɔ Siwo Dea Bubu Yehowa Ŋu

Xɔtudɔ Siwo Dea Bubu Yehowa Ŋu

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Ale si míaƒe xexea me katã ƒe xɔtudɔa le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dom ɖe ŋgɔe

1, 2. (a) Nu ka wɔwɔ ŋue Yehowa subɔlawo kpɔa dzidzɔ ɖo tso blema ke? (b) Nu ka ŋue Yehowa dea asixɔxɔe?

TSO blema ke la, Yehowa subɔla wɔnuteƒewo tsɔa dzidzɔ tua teƒe siwo ahe kafukafu vɛ na eƒe ŋkɔ. Le kpɔɖeŋu me, Israel viwo tsɔ dzonɔameme kpe asi ɖe avɔgbadɔa tutu ŋu eye wotsɔ woƒe nunɔamesiwo na faa be woatsɔ ado alɔ dɔa.—2 Mose 35:30-35; 36:1, 4-7.

2 Menye nu siwo wozã tsɔ tu xɔ na Yehowa koŋue dea bubu eŋu o, eye menye nu mawo ŋue wòkpɔa ŋudzedze ɖo wu o. (Mat. 23:16, 17) Nu si koŋ ŋu Yehowa dea asixɔxɔe nye subɔsubɔ si esubɔlawo tsɔna nɛ, si ƒe akpa aɖee nye wo ɖokuiwo tsɔtsɔ na faa kple dzotsɔtsɔ ɖe dɔ ŋu. Nunana siawoe dea bubu eŋu wu ɖe sia ɖe. (2 Mose 35:21; Marko 12:41-44; 1 Tim. 6:17-19) Nyateƒenya vevi aɖee nya sia nye. Nu ka tae? Tadeaguƒe siwo wotuna menɔa anyi ɖaa o. Le kpɔɖeŋu me, avɔgbadɔa kple gbedoxɔa megali egbea o. Togbɔ be tadeaguƒe siawo nu yi gbe aɖe gbe ke hã la, Yehowa meŋlɔ esubɔla wɔnuteƒe siwo kpe asi ɖe etutu ŋu la ƒe dɔwɔwɔwo kple dɔmenyonunanawo be o.—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 15:58; Hebritɔwo 6:10.

3. Nu kawo mee míadzro le ta sia me?

3 Yehowa subɔla siwo li egbea hã kua kutri geɖe le tadeaguƒewo tutu me. Eye dɔ siwo gbegbe míete ŋu wɔ le míaƒe Fia Yesu Kristo ƒe mɔfiafia te la ɖe dzesi ŋutɔ! Edze ƒãa be Yehowa le yayram ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi. (Ps. 127:1) Le ta sia me la, míadzro dɔ siawo dometɔ aɖewo kple ale si wodea bubu Yehowa ŋui me. Míase ame siwo kpɔ gome le xɔtudɔ siawo me la dometɔ aɖewo hã ƒe numenyawo.

Fiaɖuƒe Akpatawo Tutu

4.(a)Nu ka tae wòhiã be woatu tadeaguƒe geɖewo? (b) Nu ka tae woƒo alɔdzedɔwɔƒe aɖewo nu ƒu wozu ɖeka? (Kpɔ aɖaka si nye “ Alɔdzedɔwɔƒewo Tutu—Tɔtrɔ Ðe Hiahiã Siwo Li Ŋu”.)

4 Abe ale si míekpɔe le Ta 16 me ene la, Yehowa bia tso mía si be míanɔ kpekpem hena tadedeagu. (Heb. 10:25) Míaƒe kpekpewo doa ŋusẽ míaƒe xɔse eye wodea dzo yeye mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Yehowa yi edzi le tsɔtsɔe dom dɔ sia le ŋkeke mamlɛ siawo me. Esia wɔe be ame akpe alafa geɖewo le zi nyem va eƒe habɔbɔa me ƒe sia ƒe. (Yes. 60:22) Fiaɖuƒea teviwo ƒe dzidziɖedzi sia na wòva hiã be woatu teƒe geɖe siwo  woanɔ Biblia srɔ̃gbalẽwo tam le. Ena wòva hiã be woatu tadeaguƒe geɖewo hã.

5. Nu ka tae ŋkɔ Fiaɖuƒe Akpata sɔ ŋutɔ? (Kpɔ aɖaka si nye “ Kekeli Yeye Sɔlemexɔ”.)

5 Tso Yehowa ƒe ame siwo li egbea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, Biblia Nusrɔ̃viwo kpɔe be ehiã be kpekpewɔƒe nanɔ yewo ŋutɔ si. Anɔ eme be tadeaguƒe gbãtɔ siwo wotu la dometɔ ɖekae nye esi nɔ West Virginia, U.S.A., si wotu le ƒe 1890 me. Va se ɖe ƒe 1930-awo me la, Yehowa ƒe amewo tu kpekpewɔƒe geɖewo alo dzra wo ɖo, gake ŋkɔ gobii aɖeke meli woyɔna na teƒe siawo o. Ke hã, le ƒe 1935 me la, Nɔviŋutsu Rutherford ɖi tsa yi Hawaii, eye wòwɔ ɖoɖo be woatu kpekpewɔƒe aɖe ɖe teƒe si woɖo be woatu alɔdzedɔwɔƒe yeye hã ɖo. Esi wobia Nɔviŋutsu Rutherford be aleke woayɔ kpekpewɔƒeae hã la, eɖo eŋu be: “Ðe manyo be míayɔe be ‘Fiaɖuƒe Akpata’ oa? Elabe gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuiae nye míaƒe dɔ vevitɔ.” (Mat. 24:14) Ŋkɔ sia sɔ ale gbegbe, eye eteƒe medidi o, menye xɔ ma ɖeka koe wozãe na o, ke boŋ eva zu ŋkɔ si woyɔna na teƒe siwo Yehowa ƒe amewo ƒe hamewo wɔa kpekpewo le le xexea me godoo la dometɔ akpa gãtɔ.

6, 7. Dɔ kae ale si míetua Fiaɖuƒe Akpatawo kaba la wɔna ɖe amewo dzi?

6 Kaka ƒe 1970-awo naɖo la, hiahiã si li be woatu Fiaɖuƒe Akpata geɖe la va le dzidzim ɖe edzi kabakaba. Eya ta mía nɔvi siwo le United States la to mɔnu nyui aɖe vɛ, si dzi woato atu akpata dzeani siwo sɔ nyuie la le ŋkeke ʋɛ aɖewo ko me. Va se ɖe ƒe 1983 me la, wotu Fiaɖuƒe Akpata siawo ƒomevi 200 aɖewo ɖe United States kple Canada. Be dɔa natsɔ afɔ nyuie la, nɔviawo te nutome xɔtukɔmitiwo ɖoɖo. Xɔtukɔmiti ƒe ɖoɖo sia na dɔa zɔ nyuie ale gbegbe be le ƒe 1986 me la, Dɔdzikpɔhaa da asi ɖe edzi be wòazu ɖoɖo si koŋ dzi woato atu akpatawo le teƒe bubuwo hã, eye kaka ƒe 1987 naɖo la, woɖo Nutome Xɔtukɔmiti 60 ɖe United States. * Va se ɖe ƒe 1992 me la, woɖo Nutome Xɔtukɔmitiwo ɖe Argentina, Australia, France, Germany, Japan, Mexico, South Africa, Spain kple dukɔ bubuwo me. Míalɔ̃ ɖe edzi godoo be ele be míakpe asi ɖe mía nɔvi siwo le kutri kum le Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo tum la ŋu, elabena subɔsubɔdɔ kɔkɔe wònye wɔm wole.

7 Fiaɖuƒe Akpata siawo siwo wotuna le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la zua ɖaseɖiɖi nyui aɖe na nuto siwo me wotu wo le la me tɔwo. Le kpɔɖeŋu me, tanya sia dze le Spain nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ƒe ŋgɔgbekpa dzi be: “Woƒe Xɔse Ho Towo Ða.” Nyadzɔdzɔgbalẽa ƒo nu tso Fiaɖuƒe Akpata siawo tɔgbi si wotu ɖe Martos la ŋu hebia be: “Aleke wòdzɔe be le ɖokuitɔdidi ƒe xexe sia mea, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo zɔ mɔ tso [Spain ƒe] nuto vovovowo me va tu akpata sia ɖe Martos eye wotsɔ dzo ɖe dɔa ŋu wɔe kaba, wɔe nyuie, eye wòzɔ ɖe ɖoɖo nu wu ɖe sia ɖe si teƒe  míekpɔ kpɔ?” Nyadzɔdzɔgbalẽa yɔ Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo tu xɔa la dometɔ ɖeka ƒe nyawo tsɔ ɖo nyabiasea ŋu be: “Míete ŋu wɔa esiawo katã le esi míenye ame siwo Yehowa fiaa nui ta.”

Xɔtudɔa Wɔwɔ Le Dukɔ Siwo Me Ganyawo Mede Ame Dzi Le O Me

8. Ðoɖo yeye ka gɔmee Dɔdzikpɔhaa na wodze tso ƒe 1999 me, eye nu ka tae?

Kaka ƒe alafa 20 lia ƒe nuwuwu naɖo la, ame gbogbo aɖewo va Yehowa ƒe habɔbɔa me le dukɔ siwo me nu mede mía nɔviwo dzi le o me. Hame siwo le dukɔ mawo me la wɔ wo tɔ sinua tu kpekpewɔƒe aɖewo. Ke hã, le teƒe aɖewo la, ne wotsɔ Fiaɖuƒe Akpata si mía nɔviwo zãna sɔ kple subɔsubɔha bubuwo ƒe tadedeaguƒewo la, ele tsɛ ale gbegbe be nutoa me tɔwo ɖua fewu le nɔviawo ŋu eye womedina be yewoade ha kpli wo o. Gake tso ƒe 1999 me la, Dɔdzikpɔhaa wɔ ɖoɖo aɖe be woato edzi atu Fiaɖuƒe Akpata nyui geɖewo le dukɔ madeŋgɔwo hã me. Wozãa ga siwo nɔviwo dzɔ le dukɔ deŋgɔwo me la tsɔ kpea asi ɖe xɔ siawo tutu ŋu ale be woƒe “nu siwo sɔ gbɔ tsi edzi la, naxɔ ɖe wo [nɔviwo] tɔ ƒe mademade teƒe.” (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 8:13-15.) Eye mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo tsɔa wo ɖokuiwo nana faa be yewoakpe asi ɖe dɔ sia ŋu le dukɔ bubuwo me.

9. Hiahiã kae dze abe egbɔ manya kpɔ o ene, gake aleke wole hiahiã ma gbɔ kpɔmee?

9 Gbã la, ɖeko wòdze abe hiahiã si gbegbe li la gbɔ manya kpɔ o ene. Wona nyatakaka le ƒe 2001 me be Fiaɖuƒe Akpata 18,300 kple edzivɔwo hiã le dukɔ madeŋgɔ 88 me. Gake le Mawu ƒe gbɔgbɔa kple míaƒe Fia Yesu Kristo ƒe kpekpeɖeŋu  me la, naneke mate ŋu awu wɔwɔ o. (Mat. 19:26) Le ƒe 15 ko me, tso ƒe 1999 va ɖo ƒe 2013 me la, Mawu ƒe amewo to ɖoɖo yeyea dzi tu Fiaɖuƒe Akpata 26,849 sɔŋ. * Esi Yehowa yi edzi le yayram ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi ta la, va se ɖe ƒe 2013 me la, egahiã be woatu Fiaɖuƒe Akpata 6,500 aɖewo le dukɔ madeŋgɔwo me, eye va se ɖe fifia, alafa geɖewo hiãna ƒe sia ƒe.

Fiaɖuƒe Akpatawo tutu le dukɔ siwo me ganyawo mede ame dzi le o me mele bɔbɔe o

10-12. Aleke Fiaɖuƒe Akpatawo tutu nana amewo dea bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋui?

10 Aleke Fiaɖuƒe Akpata yeye siawo dea bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋui? Zimbabwe alɔdzedɔwɔƒea ka nya ta be: “Zi geɖe la, ne wonya tu Fiaɖuƒe Akpata yeye aɖe ko la, kpekpea valawo ƒe xexlẽme dzina ɖe edzi zi gbɔ zi eve le ɣleti ɖeka pɛ ko me.” Le dukɔ geɖe me la, edze abe ɖetsɔlemetɔwo hena ɖe megbe na kpekpeawo vava ene va se ɖe esime wokpɔe be tadeaguƒe nyui aɖe su mía si. Eya ta kaka woatu Fiaɖuƒe Akpata aɖe ko la, eteƒe medidina hafi wòyɔna o, eye wògahiãna be woatu bubu. Gake menye akpataa ƒe dzedzeme ɖeɖe koe hea amewo vaa Yehowa gbɔ o. Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ akuakua si nɔviwo ɖena fiana le xɔ siawo tuɣi hã nana susu nyui va sua amewo si ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu. Mina míadzro eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo me kpɔ.

11 Indonesia. Esi ŋutsu aɖe si nɔ ŋku lém ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖe tutu ŋu va de dzesii be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo sɔŋ ye le dɔa wɔm la, egblɔ be: “Miawo ya mieto vovo kura! Togbɔ be womexea fe na mi o hã la, mekpɔ ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe tsɔ dzidzɔ le dɔa wɔm tso dzi blibo mee. Nyemeka ɖe edzi be subɔsubɔha aɖeke gali, si le abe miawo ene o!”

12 Ukraine. Nyɔnu aɖe si va toa afi si wonɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe tum le gbe sia gbe la ŋutɔ ƒo nya ta be Yehowa Ðasefowo kokokoe anya nɔ xɔa tum eye be Fiaɖuƒe Akpatae wòanye. Egblɔ be: “Nɔvinyenyɔnu nye Ðasefo eye eyae ƒo nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu mese zi gbãtɔ. Esi melé ŋku ɖe ale si wonɔ xɔtudɔa wɔm ŋu la, metso nya me be nye hã mazu gbɔgbɔmeƒome nyui sia me tɔ. Mekpɔ ale si woɖe lɔlɔ̃ fia wo nɔewoe le dɔa wɔɣi.” Nyɔnu sia lɔ̃ wosrɔ̃ Biblia kplii eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2010 me.

13, 14. (a) Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si atsu kple asi aɖe wɔ nu esi wolé ŋku ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖe tutu ŋu la me? (b) Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ ana be miaƒe tadeaguƒea nade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu?

13 Argentina. Atsu kple asi aɖe te ɖe nɔviŋutsu si nɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe tutu dzi kpɔm la ŋu. Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Míenɔ ŋku lém ɖe mia ŋu esi mienɔ xɔa tum, eye . . . míeɖoe be míava srɔ̃ nu tso Mawu ŋu le teƒe sia.” Azɔ ebia be: “Nu kae míawɔ be míadze ava kpekpe le afi sia?” Esi wodoe ɖe atsu kple asia gbɔ be woasrɔ̃ Biblia kpli wo la, wogblɔ be ne woalɔ̃ be ƒome bliboa nakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me la, ke yewoada asi ɖe edzi. Nɔviawo tsɔ dzidzɔ lɔ̃ ɖe woƒe susua dzi.

14 Ne mɔnukpɔkpɔ mesu asiwò nèkpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata si me nèdea kpekpe le fifia tutu ŋu o hã la, nu geɖe li nàte ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe eŋu be miaƒe tadeaguƒea nade  bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu atsɔ dzonɔameme anɔ wò Biblia nusrɔ̃viwo, ame siwo nèɖea gbeƒã na edziedzi, kple ɖetsɔlemetɔ bubuwo kpem be woava kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpataa me. Àte ŋu akpe asi ɖe miaƒe tadeaguƒea dzadzraɖo kple beléle nɛ hã ŋu. Ne èwɔ ɖoɖo nyuie la, àte ŋu adzɔ nu hã atsɔ akpe asi ɖe beléle na miaƒe Fiaɖuƒe Akpataa alo akpata siawo tutu le xexea ƒe teƒe bubuwo ŋu. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 16:2.) Esiawo katã wɔa akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe ŋkɔa kafukafu me.

Dɔwɔla Siwo ‘Tsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa’

15-17. (a) Ame kawoe wɔa xɔtudɔawo ƒe akpa gãtɔ? (b) Nu kae nèsrɔ̃ tso nya siwo atsu kple asi siwo kpɔa gome le dukɔwo dome xɔtudɔwo me gblɔ la me?

15 Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le nuto siwo me wole Fiaɖuƒe Akpata alo Takpexɔ aɖe tum le me koŋue wɔa dɔa ƒe akpa gãtɔ. Gake zi geɖe la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nya nu tso xɔtutu ŋu nyuie hã tsoa duta va kpea asi ɖe wo ŋu. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo siwo tso duta la dometɔ aɖewo trɔa asi le woƒe ɖoɖowo ŋu be yewoava kpe asi ɖe dɔa ŋu hena kwasiɖa ʋɛ aɖewo. Bubuwo hã tsɔ wo ɖokuiwo na be yewoawɔ dɔ sia hena ƒe geɖe, eye woɖea wo yia dukɔ vovovowo me.

Timo kple Lina Lappalainen (Kpɔ memama 16)

16 Kuxi geɖewo dzea ŋgɔ dukɔwo dome xɔtudɔwɔla siawo, gake wokpɔa yayra geɖe hã. Le kpɔɖeŋu me, Timo kple Lina wokpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, kple alɔdzedɔwɔƒewo tutu ŋu le Asia, Europa, kple Dziehe Amerika. Timo gblɔ be: “Le ƒe 30 siwo va yi me la, woɖenam yia dukɔ bubu me ƒe eve ɖe sia ɖe le mama dedie nu.” Lina si nye Timo srɔ̃nyɔnu ƒe 25 ye nye esia la gblɔ be: “Nye kple Timo míewɔ dɔ le dukɔ vovovo ewo me. Ehiã be manɔ tɔtrɔm ɖe nuɖuɖu yeyewo, yamenutome yeyewo, gbegbɔgblɔ  yeyewo, gbeƒãɖeɖe le anyigbamama yeyewo me, kple xɔlɔ̃ yeyewo dzedze ŋu; esiawo katã bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe.” * Ðe wokpɔ viɖe aɖe tso kutrikuku siawo katã mea? Lina gblɔ be: “Míekpɔ yayra geɖe tso míaƒe agbagbadzedzewo me. Mía nɔvi Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo ɖea vi na mí le mɔ geɖe nu, eye míekpɔe be Yehowa léa be na mí lɔlɔ̃tɔe. Ŋugbe si Yesu do na eƒe nusrɔ̃lawo le Marko 10:29, 30 hã va eme na mí. Míexɔ teƒeɖoɖo teƒe alafawo, elabena gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, kple dada geɖewo su mía si.” Timo gblɔ be: “Dzidzɔ gã aɖee wònye na mí be míazã míaƒe ŋutetewo atsɔ akpe asi ɖe Fia la ƒe nunɔamesiwo dzidzi ɖe edzi ŋu, si nye dɔ si ŋu asixɔxɔ gãtɔ kekeake le.”

17 Darren kple Sarah, siwo kpe asi ɖe xɔtudɔwo ŋu le Afrika, Asia, Titina Amerika, Europa, Anyiehe Amerika, kple Anyiehe Pasifik nutowo me hã se le wo ɖokuiwo me be yayra siwo yewokpɔ la ƒo nu siwo yewotsɔ sa vɔe la ta sãsãsã. Togbɔ be wodo go kuxi aɖewo hã la, Darren gblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míawɔ dɔ kple mía nɔviwo le xexea ƒe teƒe vovovowo. Ena míekpɔe be lɔlɔ̃ si le Yehowa ƒe amewo si na eyama la bla wo ɖekae le xexea me godoo abe ale si wotɔa dzonu ɖe ka ŋui ene.” Sarah gblɔ be: “Mesrɔ̃ nu geɖe tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒe dekɔnuwo to vovo na mía tɔ la gbɔ! Nu siwo gbegbe wotsɔ sa vɔe hafi le Yehowa subɔm la ʋãm be nye hã mayi edzi atsɔ nye ŋutete katã asubɔe.”

18. Alekee nyagblɔɖi si le Psalmo 110:1-3 la le eme vam?

18 Fia David gblɔe ɖi be togbɔ be Mawu Fiaɖuƒea teviwo ato kuxi aɖewo me hã la, ‘woatsɔ wo ɖokuiwo ana faa’ be yewoado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. (Mixlẽ Psalmo 110:1-3.) Ame siwo katã kpɔa gome le dɔ siwo doa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ me la le akpa aɖe wɔm le nyagblɔɖi sia me vava me. (1 Kor. 3:9) Alɔdzedɔwɔƒe geɖe, Takpexɔ alafa geɖe, kple Fiaɖuƒe Akpata akpe geɖe siwo wotu le xexea me godoo la nye kpeɖodzi sẽŋu be nu ŋutɔŋutɔe Mawu Fiaɖuƒea nye eye be ele dzi ɖum fifia vavã. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wònye na mí be míakpɔ gome le míaƒe Fia Yesu Kristo ƒe dɔwo wɔwɔ me atsɔ ade bubu si Yehowa dze na vevie la eŋu!

^ mm. 6 Le ƒe 2013 me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wu 230,000 dzie woda asi ɖo be woawɔ dɔ le Nutome Xɔtukɔmiti 132 siwo le United States la me. Le dukɔ ma me la, kɔmiti siawo xɔa ŋgɔ na Fiaɖuƒe Akpata yeye 75 kloe tutu eye wokpea asi ɖe akpata 900 kloe dzadzraɖo ŋu ƒe sia ƒe.

^ mm. 9 Fiaɖuƒe Akpata gbogbo siwo wotu le dukɔ siwo me ɖoɖo sia mele o ya ƒe xexlẽme mekpe ɖe esia ŋu o.

^ mm. 16 Togbɔ be dukɔwo dome xɔtudɔwɔlawo zãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ ɖe xɔtudɔwo ŋu hã la, woyia gbeadzi kple nɔvi siwo le hame siwo me woda wo ɖo la me le kwasiɖanuwuwuwo kple fiẽsiwo me.