Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!

 TA 17

Hehenana Fiaɖuƒea Ƒe Subɔlawo

Hehenana Fiaɖuƒea Ƒe Subɔlawo

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Ale si woto teokrasi sukuwo dzi le hehe nam Fiaɖuƒea ƒe subɔlawo be woawɔ woƒe dɔdeasiwo nyuie

1-3. Ðoɖo kae Yesu wɔ be ame geɖewo nakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye nyabiase kawoe esia fɔ ɖe te?

YESU nɔ gbeƒã ɖem le Galilea nutoa me hena ƒe eve sɔŋ. (Mixlẽ Mateo 9:35-38.) Eyi du kple kɔƒe geɖewo me ɖafia nu le ƒuƒoƒewo heɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Afi sia afi si wòle gbeƒã ɖem le la, amehawo ƒoa zi ɖe eŋu. Yesu kpɔe be “nuŋeŋe la sɔ gbɔ” eye dɔwɔla geɖewo hiã.

2 Eya ta Yesu wɔ ɖoɖo be ame geɖewo nakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ðoɖo kae wòwɔ? Edɔ eƒe apostolo 12-awo “be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe la.” (Luka 9:1, 2) Apostoloawo anya bia wo ɖokuiwo be aleke tututu yewole dɔ ma wɔ gee hã. Gake hafi Yesu nadɔ wo ɖa la, ena hehe wo lɔlɔ̃tɔe, abe ale si ko Fofoa si le dziƒo hã na hehee ene.

3 Esia fɔ nyabiase siwo gbɔna ɖe te: Hehe kae Yesu xɔ tso Fofoa gbɔ? Hehe kae Yesu na eƒe apostoloawo? Ke egbea ya ɖe, ɖe Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia le hehe nam eyomedzelawo le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ mea? Ne nenemae la, ke aleke wòle hehe sia nam woe?

“Ale Si Fofo La Fiam La, Nya Siawo Megblɔna”

4. Ɣekaɣie Yesu Fofo fia nui, eye afi kae wòfia nui le?

4 Yesu ŋutɔ gblɔe tẽe be ye Fofo fia nu ye. Esime wònɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm la, egblɔ be: “Ale si Fofo la fiam la, nya siawo megblɔna.” (Yoh. 8:28) Ɣekaɣie Fofoa fia nui, eye afi kae wòfia nui le? Edze ƒãa be esi Mawu nya wɔ eƒe Ŋgɔgbevi sia teti ko la, edze hehenanae. (Kol. 1:15) Vi sia nɔ Fofoa, si nye ‘Nufiala Gãtɔ’ la gbɔ le dziƒo ƒe gbogbo manyaxlẽ aɖewo, eye wòɖo toe hesrɔ̃ nu tso egbɔ le ɣeyiɣi mawo katã me. (Yes. 30:20) Alea wòdzɔe be Vi la xɔ hehe nyuitɔ kekeake tso Fofoa ƒe nɔnɔmewo, eƒe dɔwɔwɔwo, kple eƒe tameɖoɖowo ŋu.

5. Hehe kae Fofo la na Vi la tso subɔsubɔdɔ si wòava wɔ le anyigba dzi ŋu?

5 Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Yehowa fia nu Via tso subɔsubɔdɔ si wòava wɔ le anyigba dzi hã ŋu. Mina míadzro nyagblɔɖi aɖe si ƒo nu tso ale si Nufiala Gãtɔ la fia nu eƒe Ŋgɔgbeviae ŋu la me kpɔ. (Mixlẽ Yesaya 50:4, 5.) Nyagblɔɖia gblɔ be Yehowa nyɔa Via “ŋdi sia ŋdi.” Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia he susu yi ale si dɔsrɔ̃vi aɖe ƒe aƒetɔ nyɔnɛ ŋdikanya be yeafia nui la dzi. Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be:  “Yehowa . . . kplɔa Yesu yia sukuxɔ me abe sukuvi ene, be yeafia nui tso nya siwo wòaɖe gbeƒãe kple ale si wòaɖe gbeƒãe ŋu.” Yehowa fia ‘nya si Via agblɔ, kple ale si wòaƒo nui’ lae le “suku” ma me le dziƒo. (Yoh. 12:49) Fofo la na hehe Via tso ale si wòafia nui hã ŋu. * Esi Yesu va anyigba dzi la, ewɔ hehe si wòxɔ la ŋu dɔ nyuie, eye esia dze le ale si eya ŋutɔ wɔ eƒe subɔsubɔdɔa kple ale si wòna hehe eyomedzelawo be woawɔ woƒe subɔsubɔdɔae siaa me.

6, 7. (a) Hehe kae Yesu na eƒe apostoloawo, eye nu kae esia kpe ɖe wo ŋu wote ŋu wɔ? (b) Nu kawo mee Yesu le egbɔ kpɔm be woana hehe eyomedzelawo le egbea?

6 Hehe kae Yesu na eƒe apostoloawo abe ale si míegblɔe le ŋgɔdonyaa me ene? Míakpɔe le Mateo ta 10 lia me be ena mɔfiame aɖewo koŋ eƒe apostoloawo tso ale si woawɔ subɔsubɔdɔae ŋu. Esia ƒe ɖewoe nye: afi si woaɖe gbeƒã le (kpukpui 5, 6), nya si woaɖe gbeƒãe (kpukpui 7), ale si wòle vevie be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu (kpukpui 9, 10), nu si woawɔ ne woge ɖe aƒe aɖe me (kpukpui 11-13), nu si woawɔ ne ame aɖe mexɔ wo o (kpukpui 14, 15), kple nu si woawɔ ne woti wo yome (kpukpui 16-23). * Hehe si Yesu na eƒe apostoloawo memie la na wote ŋu va su te nyuie xɔ ŋgɔ na gbeƒãɖeɖe nya nyuia le ƒe alafa gbãtɔ me.

7 Ke egbea ya ɖe? Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia Yesu de dɔ vevitɔ kekeake asi na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mat. 24:14) Ðe Fia la le hehe nam mí le dɔ vevi sia wɔwɔ mea? Ɛ̃! Míaƒe Fia sia si le dziƒo la le egbɔ kpɔm be woana hehe eyomedzelawo tso ale si woaɖe gbeƒã kple ale si woatsɔ agbanɔamedzi veviwo le hamea mee siaa ŋu.

Hehenana Subɔlawo Be Woanye Nyanyuigblɔlawo

8, 9. (a) Nu kae nye Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe taɖodzinu vevitɔ? (b) Aleke Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kpe ɖe ŋuwò nèva bi ɖe edzi le subɔsubɔdɔa me?

8 Tso gbe aɖe gbe ke la, Yehowa ƒe habɔbɔa toa takpekpewo kple hamea ƒe kpekpewo (abe Subɔsubɔ Kpekpea ene) dzi naa hehe Mawu ƒe amewo tso gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu. Ke hã, tso ƒe 1940-awo me la, nɔvi siwo xɔa ŋgɔ le míaƒe dɔwɔƒegãa la wɔ ɖoɖo ɖe suku vovovowo ŋu be woatsɔ ana hehe mí.

9 Teokrasi Subɔsubɔ Suku. Abe ale si míekpɔe le ta si do ŋgɔ me ene la, ƒe 1943 mee wodze suku sia gɔme. Hehenana mí be míawɔ dɔdeasiwo nyuie le kplɔ̃ta le hamea ƒe kpekpewo me koe nye suku sia ƒe taɖodzinua? Ao. Tso esime woɖo suku sia va se ɖe fifia la, taɖodzinu si koŋ le eŋue nye be woato edzi ana hehe Mawu ƒe amewo be woazã nuƒoƒo ŋutete si Yehowa na wo la nyuie atsɔ akafu eyama le subɔsubɔdɔa me. (Ps. 150:6) Sukua kpena ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe eme la ŋu be woanye Fiaɖuƒegbeƒãɖela nyuiwo.

10, 11. Ame kawoe dea Gilead Sukua fifia, eye taɖodzinu kae le hehe si wonana le sukua me ŋu?

10 Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku. Dzoɖa, February 1, 1943 dzie wodze suku si míeyɔna egbea  be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku la gɔme. Ðe woɖo suku sia le gɔmedzedzea me be woatsɔ ana hehe mɔɖelawo kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla bubuwo be woazu dutanyanyuigblɔlawo aɖasubɔ le xexea ƒe teƒe vovovowo. Gake tso October ƒe 2011 me la, ame siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa wɔm xoxo la koe dea suku sia—ame siawoe nye mɔɖela veviwo, dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo, Betel dɔwɔlawo, kple dutanyanyuigblɔla siwo mede Gilead Sukua kpɔ o.

11 Taɖodzinu kae le hehe si wonana le Gilead Sukua ŋu? Nɔviŋutsu aɖe si le nu fiam le suku sia me ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la ɖo nya sia ŋu ale: “Eyae nye be sukuviawo nato Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ tsitotsito dzi ado ŋusẽ woƒe xɔse, eye woakpe ɖe wo ŋu woatu mawumenɔnɔme nyui siwo hiã ɖo be woate ŋu akpe akɔ kple kuxi siwo woado goe le woƒe dɔdeasiwo me la dzidzedzetɔe. Sukua ƒe taɖodzinu vevi bubu hãe nye be wòaƒã nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ ƒe didi vevie ɖe sukuviawo me.”—Ef. 4:11.

12, 13. Ŋusẽ nyui ka kpɔm Gilead Sukua le ɖe xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Ŋusẽ nyui ka kpɔm Gilead Sukua le ɖe xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi? Tso ƒe 1943 me la, ame 8,500 kple edzivɔwoe de Gilead Sukua, * eye woɖo dutanyanyuigblɔla siwo xɔ hehe le suku sia me la ɖe dukɔ siwo wu 170 me le xexea me godoo. Dutanyanyuigblɔla siawo wɔ hehe si woxɔ la ŋu dɔ nyuie to ale si woɖoa kpɔɖeŋu nyui le subɔsubɔdɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe me kple ale si wonaa hehe ame bubuwo be woawo hã woawɔe nenema dzi. Zi geɖe la, dutanyanyuigblɔlawo xɔa ŋgɔ le subɔsubɔdɔa me le teƒe siwo Fiaɖuƒegbeƒãɖela ʋɛ aɖewo ko le alo dzea egɔme le teƒe siwo gbeƒãɖela aɖeke kura mele o.

13 Bu nu si dzɔ le Japan esi dutoƒogbeƒãɖeɖedɔa va tɔ te kura le Xexemeʋa Evelia wɔɣi la ŋu kpɔ. Le August 1949 me la, gbeƒãɖela siwo nye Japan vidzidziwo le dukɔa me la mede ame ewo o. Kaka ƒe ma nawu enu la, dutanyanyuigblɔla 13 siwo xɔ hehe le Gilead Sukua me la ƒe ŋku biã ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu vevie le Japan. Wogaɖo dutanyanyuigblɔla bubu geɖewo ɖa emegbe. Gbã la, dugãawo me koŋue wowɔa dɔ le, gake emegbe wova trɔ ɖe duviwo hã ŋu. Wodea dzi ƒo na woƒe nusrɔ̃viwo kple ame bubuwo vevie be woawɔ mɔɖeɖedɔa. Nu nyui geɖewo do tso agbagba siwo dutanyanyuigblɔla siawo dze kutrikukutɔe la me. Fiaɖuƒegbeƒãɖela 216,000 kple edzivɔwoe le Japan fifia, eye wo dometɔ 40 le 100 me kloe nye mɔɖelawo! *

14. Nu ka dzie Teokrasi sukuwo ɖo kpee? (Kpɔ aɖaka si nye “ Suku Siwo Dzi Woto Le Hehe Nam Fiaɖuƒea Ƒe Subɔlawo” hã, le axa 188.)

14 Teokrasi Suku Bubuwo. Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku, Kristotɔ Srɔ̃tɔwo Ƒe Bibliasrɔ̃suku, kple Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃sukua le kpekpem ɖe ame siwo de la ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me ahatsɔ dzonɔameme axɔ ŋgɔ  le nyanyuigbɔgblɔdɔa me. * Teokrasi suku siawo katã nye kpeɖodzi sẽŋu be míaƒe Fia la le hehe nam eyomedzelawo nyuie be woate ŋu awɔ woƒe subɔsubɔdɔa bliboe.—2 Tim. 4:5.

Hehenana Nɔviŋutsuwo Be Woatsɔ Agbanɔamedzi Vevi Aɖewo

15. Mɔ ka nue nɔvi siwo le agbanɔamedzinɔƒewo dina be yewoasrɔ̃ Yesu le?

15 Èɖo ŋku Yesaya ƒe nyagblɔɖi si ƒo nu tso ale si Mawu na hehe Yesui ŋu dzia? Le “suku” ma si Vi la de le dziƒo me la, esrɔ̃ ‘ale si wòazã nya siwo sɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo ŋu ɖeɖi te la ŋu.’ (Yes. 50:4) Yesu tsɔ nu si wòsrɔ̃ la de dɔwɔwɔ me; esi wòva anyigba dzi la, eto eƒe nuƒoƒo dzi na gbɔdzɔe “ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le [wo] wum.” (Mat. 11:28-30) Ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo hã dina be yewoasrɔ̃ Yesu ahana gbɔdzɔe wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo. Le susu sia ta la, woɖo suku vovovowo be woatsɔ ana hehe nɔviŋutsu siwo dze na agbanɔamedzi aɖewo la be woasubɔ wo nɔviwo nyuie.

16, 17. Nu kae nye Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua ƒe taɖodzinu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

16 Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku. March 9, 1959 dzie wodze suku sia gɔme zi gbãtɔ le South Lansing, New York, le  Eŋlisigbe me. Wokpe dzikpɔla mɔzɔlawo kple hame subɔlawo be woade suku sia si woawɔ ɣleti ɖeka. Emegbe wova dze sukua wɔwɔ ɖe gbe bubuwo hã me, si wɔe be woto edzi le hehe nam nɔviŋutsuwo vivivi le xexea me godoo. *

Nɔviŋutsu Lloyd Barry le nu fiam le Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku aɖe me le Japan, le ƒe 1970 me

17 Yehowa Ðasefowo Ƒe Ƒegbalẽ Ƒe 1962 Tɔ (si le yevugbe me) gblɔ tso Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua ƒe taɖodzinu ŋu be: “Togbɔ be vovo meganɔa ame ŋu kura le egbexexea me o hã la, ele be ame siwo nye dzikpɔlawo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la nawɔ ɖoɖo ɖe woƒe agbe ŋu nyuie ale be woate ŋu akpɔ vovo ɖe hamea me tɔwo katã ŋu ale si dze, eye woanye yayra na wo. Gake mele be vovokpɔkpɔ ɖe hamea ŋu nana woagblẽ woƒe ƒomea ɖi o, ke boŋ ele be woaɖɔ ŋu ɖo ahada sɔ. Eya ta mɔnukpɔkpɔ nyui kae nye esi su hame subɔlawo katã si le xexea me godoo be woade Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua ahaxɔ hehe tso nu si Biblia bia tso dzikpɔlawo si be woawɔ ŋu!”—1 Tim. 3:1-7; Tito 1:5-9.

18. Aleke Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua ɖea vi na Mawu ƒe amewo katãe?

 18 Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua le vi ɖem na Mawu ƒe amewo katã. Le mɔ ka nu? Ne hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo tsɔ nu siwo wosrɔ̃ le suku sia me de dɔwɔwɔ me la, abe Yesu ene la, wozua gbɔdzɔetsoƒe na wo nɔviwo. Ðe wò dzi medzea eme ŋutɔ ne hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla aɖe tsɔ ɖe le eme na wò hegblɔ nya fakɔname aɖe na wò, alo ɖo to se wò kuxiwo, alo va srã wò kpɔ hede dzi ƒo na wò oa? (1 Tes. 5:11) Ɛ̃, yayrae nɔvi siawo tɔgbi nye na woƒe hameawo vavã!

19. Suku bubu kawo dzie Nufiafia Kɔmitia kpɔna, eye nu ka tae woɖo suku siawo?

19 Teokrasi Suku Bubuwo. Dɔdzikpɔha ƒe Nufiafia Kɔmitia kpɔa suku bubu siwo hã naa hehe nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le habɔbɔa me la dzi. Suku siawoe nye esiwo wowɔna na hamemetsitsiwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, kple Alɔdzekɔmiti me tɔwo be wòakpe ɖe wo ŋu woasu te nyuie na woƒe agbanɔamedzi vovovoawo tsɔtsɔ. Biblia me hehe si nɔviŋutsu siawo xɔna le suku siawo me la dea dzi ƒo na wo be woado ŋusẽ woawo ŋutɔwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye ahawɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le nuwɔwɔ kple alẽ xɔasi siwo Yehowa tsɔ de woƒe dzikpɔkpɔ te la me.—1 Pet. 5:1-3.

Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasuku gbãtɔ si wowɔ le Malawi, le ƒe 2007 me

20. Nu ka tae Yesu gblɔ be mí katã míanye ame siwo “Yehowa afia nu,” eye nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

20 Edze ƒãa be Mesia Fia la le egbɔ kpɔm be ye yomedzelawo naxɔ hehe nyuie. Hehexɔxɔ siawo katã tso Yehowa gbɔ; eyae na hehe Via gbã, eye Via hã le hehe nam eyomedzelawo. Eya tae Yesu gblɔ be mí katã míanye ame siwo “Yehowa afia nu.” (Yoh. 6:45; Yes. 54:13) Mina míaɖoe kplikpaa be míana hehe si míaƒe Fia la le mía nam naɖe vi na mí. Eye mina míaɖo ŋku edzi be hehe siawo ƒe taɖodzinue nye be wòakpe ɖe mía ŋu míayi edzi asẽ ŋu le gbɔgbɔ me ale be míate ŋu awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe.

^ mm. 5 Aleke míewɔ nya be Fofo la na hehe Vi la tso ale si wòafia nui ŋu? Bu nya sia ŋu kpɔ: Ale si Yesu zã lododo geɖewo le eƒe nufiafia me la na nyagblɔɖi aɖe si woŋlɔ ɖi ƒe alafa gbogbo aɖewo hafi wova dzii la va eme. (Ps. 78:2; Mat. 13:34, 35) Ðikeke mele eme o be esi Yehowa, Ame si gbɔ nyagblɔɖi ma tso la na hehe Via xoxoxo do ŋgɔ tae wònya be ava zã lododowo alo kpɔɖeŋuwo le eƒe nufiafia me.—2 Tim. 3:16, 17.

^ mm. 6 Le ɣleti aɖewo megbe la, Yesu “tia ame blaadre bubu, eye wòdɔ wo eveveve” be woaɖaɖe gbeƒã. Ena hehe woawo hã.—Luka 10:1-16.

^ mm. 12 Ame siawo dometɔ aɖewo de Gilead Sukua wu zi ɖeka.

^ mm. 13 Woɖe nu geɖe me tso ŋusẽ nyui si dutanyanyuigblɔla siwo xɔ hehe le Gilead Sukua me le kpɔkpɔm ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le xexea me godoo la ŋu le agbalẽ si nye Jehovah’s WitnessesProclaimers of God’s Kingdom (Les Témoins de Jéhovah: Prédicateurs du Royaume de Dieu) ƒe ta 23 lia me.

^ mm. 14 Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukuae va xɔ ɖe suku eve mamlɛawo teƒe fifia.

^ mm. 16 Egbea, wowɔa Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua na hamemetsitsiwo katã ne ƒe ʋɛ aɖewo va yi, eye ɣeyiɣi didi si sukua xɔna hã te ŋu trɔna. Tso ƒe 1984 me ke la, wonaa hehe subɔsubɔdɔwɔlawo hã le suku sia me.