Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!

 TA 16

Ƒuƒoƒo Ðekae Hena Tadedeagu

Ƒuƒoƒo Ðekae Hena Tadedeagu

TA SIA ƑE TAÐODZINU

Míakpɔ ale si kpekpe siwo míewɔna egbea dze egɔmee kple vevienyenye si le wo ŋu

1. Kpekpeɖeŋu kae nusrɔ̃lawo xɔ esi woƒo ƒu ɖekae, eye nu ka tae wohiã nɛ?

ƔEYIƔI kpui aɖe le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, eƒe nusrɔ̃lawo ƒo ƒu be yewoade dzi ƒo na yewo nɔewo. Gake wonɔ vɔvɔ̃m na woƒe futɔwo, eya ta wotu ʋɔawo. Kpɔ ale si gbegbe dzi aɖo wo ƒoe ɖa esi Yesu va tɔ ɖe wo titina hegblɔ na wo be: “Mixɔ gbɔgbɔ kɔkɔe”! (Mixlẽ Yohanes 20:19-22.) Ɣebubuɣi esi nusrɔ̃lawo gava ƒo ƒu ɖekae la, Yehowa kɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe wo dzi. Aleke gbegbe esia do ŋusẽ wo ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si le wo ŋgɔ ŋue nye esi!—Dɔw. 2:1-7.

2. (a) Mɔ ka dzie Yehowa tona doa ŋusẽ mí egbea, eye nu ka tae míehiã ŋusẽdodo ma? (b) Nu ka tae Ƒometadedeagu ɖoɖoa le vevie ŋutɔ? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa kple aɖaka si nye “Ƒometadedeagu,” si le axa 175.)

2 Kuxi siwo me mía nɔviwo to le ƒe alafa gbãtɔ me la tɔgbi dzea ŋgɔ míawo hã egbea. (1 Pet. 5:9) Ɣeaɖewoɣi la, mía dometɔ aɖewo vɔ̃na na amegbetɔwo. Azɔ hã, míehiã Yehowa ƒe ŋusẽdodo hafi míate ŋu ayi edzi aɖe gbeƒã. (Ef. 6:10) Yehowa naa ŋusẽdodo sia mí zi geɖe to míaƒe kpekpewo dzi. Egbea, mɔnukpɔkpɔ sua mía si míedea kpekpe tuameɖo eve le kwasiɖaa me: Esi me míesea dutoƒonuƒo hewɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ le kple kwasiɖaa dome kpekpe si míeyɔna be Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ. * Míedea kpekpe ene aɖewo hã zi ɖeka le ƒea me. Woawoe nye: Nutome gã takpekpe, nutome sue takpekpe eve, kple Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Nu ka tae wòle vevie be míade kpekpe siawo katã? Aleke kpekpe vovovo siwo míewɔna egbea la dze egɔmee? Eye nu kae ale si míewɔa nu ɖe kpekpe siawo ŋu la ɖena fiana le mía ŋu?

Nu Ka Ta Wòhiã Be Míaƒo Ƒu Ðekae?

3, 4. Nu kae Yehowa bia tso eƒe amewo si be woanɔ wɔwɔm? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

3 Tso blema ke la, Yehowa bia tso eƒe amewo si be woaƒo ƒu ɖekae asubɔ ye. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, Yehowa na Se Israel viwo, eye kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat ɖoɖoa hã le Sea me kple susu be ƒome sia ƒome nato ɖoɖo ma dzi ade ta agu na ye ahasrɔ̃ Sea. (5 Mose 5:12; 6:4-9) Esi Israel viwo wɔ ɖe ɖoɖo ma dzi la, woƒe ƒomekadodowo me sẽ ɖe edzi eye dukɔ bliboa nɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me eye woa kple Mawu dome nɔ nyuie. Esi Israel viwo va gbe wɔwɔ ɖe Sea dzi, eye womegaƒoa ƒu edziedzi dea ta agu na Yehowa o la, Yehowa megakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o.—3 Mose 10:11; 26:31-35; 2 Kron. 36:20, 21.

 4 Bu kpɔɖeŋu si Yesu ɖo hã ŋu kpɔ. Eyia ƒuƒoƒea le Sabat ŋkekea dzi kwasiɖa sia kwasiɖa. (Luka 4:16) Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi megbe la, eƒe nusrɔ̃lawo hã yi edzi kpena edziedzi, togbɔ be womegale Sabat sea te o hã. (Dɔw. 1:6, 12-14; 2:1-4; Rom. 14:5; Kol. 2:13, 14) Menye ɖeko ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ mawo yia kpekpe mawo be woafia nu yewo ahade dzi ƒo na yewo ko o, ke boŋ be yewoato gbedodoɖa, nyaŋuɖoɖo, kple hadzidziwo hã dzi atsɔ kafukafuvɔsa ana Mawu.—Kol. 3:16; Heb. 13:15.

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpe be yewoade dzi ƒo na yewo nɔewo ahatu yewo nɔewo ɖo

5. Nu ka tae míedea kpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa kple takpekpe siwo míewɔna ƒe sia ƒe? (Kpɔ aɖaka si nye “Takpekpe Siwo Mawu Ƒe Amewo Wɔna Ƒe Sia Ƒe La Nana Wowɔa Ðeka” hã, le axa 176.)

5 Nenema kee egbea hã, ne míedea kpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa kple takpekpe siwo míewɔna ƒe sia ƒe la, míeɖenɛ fiana be Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzie míele, míexɔa gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽdodo, eye míetoa míaƒe xɔsemeʋuʋu dzi dea dzi ƒo na ame bubuwo. Vevietɔ wu la, enaa mɔnukpɔkpɔ mí be míato gbedodoɖa, nyaŋuɖoɖo kple hadzidzi dzi ade ta agu na Yehowa. Ale si míewɔa kpekpewo egbeae la ate ŋu ato vovo na ale si Israel viwo kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔe, gake vevienyenye si nɔ kpekpe mawo ŋu la ke koe gale esiwo míewɔna egbea hã ŋu. Aleke kpekpe siwo míewɔna egbea la dze egɔmee?

Kwasiɖa Sia Kwasiɖa Ƒe Kpekpe Siwo Dea “Lɔlɔ̃ Kple Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ” Ƒe Dzi Ƒo”

6, 7. (a) Taɖodzinu kae le míaƒe kpekpeawo ŋu? (b) Tsã la, aleke mɔ si nu wowɔa kpekpeawo le la to vovo tso teƒe yi teƒee?

6 Esi Nɔviŋutsu Charles Taze Russell dze Mawu ƒe Nyaa me nyateƒea didi gɔme la, ekpɔe be ehiã be ye kple ame siwo si taɖodzinu ma ke le la yewoanɔ kpekpe wɔm. Le ƒe 1879 me la, Russell ŋlɔ ɖe Zion Gbetakpɔxɔ me be: “Nye kple nye zɔhɛwo míewɔ ɖoɖo be míanɔ kpekpe wɔm le Pittsburgh Kwasiɖagbe  ɖe sia ɖe, anɔ numekuku wɔm le Ŋɔŋlɔawo me, eye míelé ɖoɖo ma me ɖe asi.” Wode dzi ƒo na Zion Gbetakpɔxɔ xlẽlawo be woawo hã woanɔ kpekpe wɔm, eye kaka ƒe 1881 naɖo la, kpekpewo yia dzi le Pittsburgh (Pennsylvania) ƒe teƒe vovovowo Kwasiɖagbe kple Kuɖagbewo. November 1895 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be kpekpe siawo ƒe taɖodzinue nye be wòana mɔnukpɔkpɔ “Kristotɔwo be woade ha kple wo nɔewo ahatu lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ ɖo,” eye be vavalawo katã nade dzi ƒo na wo nɔewo.—Mixlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.

7 Hena ƒe geɖe la, ale si Biblia Nusrɔ̃viwo wɔa kpekpeawo kple zi gbɔ zi neni si wowɔa wo la to vovo tso teƒe yi teƒe. Le kpɔɖeŋu me, lɛta aɖe si tso Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le United States gbɔ, si wota ɖe Gbetakpɔxɔ me le ƒe 1911 me la gblɔ be: “Míekpena zi atɔ̃ ya teti kwasiɖa sia kwasiɖa.” Wokpena zi ɖeka Dzoɖa, Kuɖa, kple Fiɖa, eye wokpena zi eve Kwasiɖagbe. Lɛta bubu si tso Afrika, si wota ɖe Gbetakpɔxɔ me le ƒe 1914 me ya gblɔ be: “Míewɔa kpekpe tso Fiɖa va se ɖe Kwasiɖagbe zi eve le ɣletia me.” Gake esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, kpekpeawo va dze zɔzɔ ɖe ɖoɖo aɖe koŋ nu abe ale si wòle egbea ene. Mina míadzro kpekpeawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋutinya me vie kpɔ.

8. Tanya alo nyati siwo ŋu dutoƒonuƒo gbãtɔwo ku ɖo la dometɔ aɖewo ɖe?

8 Dutoƒokpekpe. Ƒe 1879 mee Nɔviŋutsu Russell dze Zion Gbetakpɔxɔ tata gɔme. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, edze gbeƒã ɖeɖe tso du me yi du me abe ale si Yesu wɔe ene. (Luka 4:43) Le Nɔviŋutsu Russell ƒe mɔzɔzɔ siawo me la, eto ɖoɖo aɖe vɛ, si ta mɔ na Dutoƒokpekpe siwo míewɔna egbea. Esi Gbetakpɔxɔ nɔ gbeƒã ɖem eƒe mɔzɔzɔa la, egblɔ be: “Adzɔ dzi na [Nɔviŋutsu Russell] be wòaƒo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye ‘Nu siwo ku ɖe Mawu fiaɖuƒea ŋu’ le eƒe sasrãkpɔɣia.” Kaka ƒe 1911 naɖo la, woɖo hame geɖewo le dukɔ geɖewo me xoxo, eya ta le ƒe ma me la, wode dzi ƒo na hameawo be woaɖo ame siwo ate ŋu aƒo dutoƒonuƒowo la ɖe nuto siwo te ɖe wo ŋu me ne woaƒo nuƒo ade tso nyati vovovowo abe ʋɔnudrɔ̃gbe kple tafea ene ŋu. Le nuƒo ɖe sia ɖe megbe la, woyɔa nuƒo si woagaƒo le kwasiɖa si kplɔe ɖo me ƒe tanya kple nuƒolaa ƒe ŋkɔ.

9. Asitɔtrɔ kawoe wowɔ le Dutoƒokpekpea ŋu esi ƒeawo va nɔ yiyim, eye aleke nàte ŋu akpe asi ɖe kpekpe sia ŋui?

9 Le ƒe 1945 me la, woɖe gbeƒãe le Gbetakpɔxɔ me be woadze Dutoƒokpekpe ƒe ɖoɖo tɔxɛ aɖe gɔme le xexea me katã, si me woanɔ Biblia me nuƒo enyi ƒom tso tanya si nye “kuxi siwo ɖe kpe na ameƒomea fifia” ŋu. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, menye nuƒogbalẽ siwo ŋu kluvi nuteƒewɔlaa trɔ asi le la koe nuƒolawo zãna o, ke boŋ woɖe mɔ na wo be woawo ŋutɔwo hã nadzra nuƒo aɖewo ɖo ana. Gake le ƒe 1981 me la, wobia tso nuƒolawo katã si be woanɔ nuƒogbalẽ siwo habɔbɔa ɖo ɖe hameawo la ɖeɖe ko zãm. * Gbã la, nuƒogbalẽawo dometɔ aɖewo bia be nuƒoa ƒe akpa aɖe nanye numedzodzro kple nyaselawo alo wɔwɔfiawo; gake tso ƒe 1990 me la, wowɔ asitɔtrɔ le esia ŋu  hebia be nuƒolaa ɖeɖe naƒo nuƒoawo katã. Le January 2008 me la, wogawɔ asitɔtrɔ yeye esi woɖe nuƒoawo ƒe didime dzi kpɔtɔ tso miniti 45 va miniti 30. Togbɔ be wowɔ tɔtrɔ vovovo siawo le Dutoƒokpekpea ŋu esi ƒeawo va nɔ yiyim hã la, nuƒo siwo wodzra ɖo nyuie la yi edzi le míaƒe xɔse tum ɖo ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu hele nu fiam mí tso Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa vovovowo ŋu. (1 Tim. 4:13, 16) Ðe nètsɔa dzonɔameme kpea wò Biblia nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔ bubuwo be woava se Biblia me nuƒo vevi mawoa?

10-12. (a) Asitɔtrɔ vovovo kawoe wowɔ le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu va yi? (b) Nya kawoe wòanyo be míabia mía ɖokui?

10 Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃. Le ƒe 1922 me la, nɔvi siwo woyɔna be mɔzɔlawo, siwo Gbetakpɔxɔ habɔbɔa dɔna ɖe hame vovovowo me be woaɖa ƒo nuƒowo ahaxɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me la do susua ɖa be anyo be hameawo nanɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ƒe kpekpe wɔm kwasiɖa sia kwasiɖa. Eya ta ɖoɖo sia dze egɔme, eye gbã la, wosrɔ̃a Gbetakpɔxɔa Kwasiɖagbe loo alo le kwasiɖaa domedome.

Wole Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ wɔm le Ghana, le ƒe 1931 me

11 Wova na mɔfiame yeye le June 15, 1932 ƒe Gbetakpɔxɔ me tso ale si woawɔ kpekpe siae ŋu. Nyatia nɔ te ɖe ale si wowɔa nusɔsrɔ̃a le Betel dzi na mɔfiame be nɔviŋutsu ɖeka nakpɔ nusɔsrɔ̃a dzi. Nɔviŋutsu etɔ̃ bubuwo ate ŋu anɔ anyi ɖe nyaselawo ŋgɔ ahanɔ memamawo xlẽm ɖe wo nɔewo yome ɖekaɖeka. Nyabiasewo mekpena ɖe Gbetakpɔxɔ me nyatiawo ŋu ɣemaɣi o, eya ta nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa ƒe dɔe nye be wòabia tso nyaselawo si be woabia nya aɖewo tso nyati si me dzrom wole ŋu. Ne ame aɖe bia nya la, nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa ayɔ ame bubu be wòaɖo nyabiasea ŋu. Wobia tso nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa si hã be ne ekpɔe be ehiã be yeana numeɖeɖe bubuwo la, ele be eƒe nyawo nanɔ “kpuie eye eme nakɔ.”

12 Le gɔmedzedzea me la, woɖe mɔ na hame ɖe sia ɖe be woawo ŋutɔwo natia Gbetakpɔxɔ si dzi ame akpa gãtɔ da asi ɖo  be yewoasrɔ̃. Gake wova na mɔfiame le April 15, 1933 ƒe Gbetakpɔxɔ me be hame ɖe sia ɖe nanɔ Gbetakpɔxɔ ƒe tata yeyetɔ si woxɔ la srɔ̃m. Le ƒe 1937 me la, wogana mɔfiame be woanɔ nusɔsrɔ̃ sia wɔm Kwasiɖagbe ko. Wogava na numekɔkɔ yeyewo le October 1, 1942 ƒe Gbetakpɔxɔ me tso ale si woawɔ kpekpe siae ŋu, eye ema mee míelé ɖe asi va se ɖe egbea. Gbã, wogblɔ le Gbetakpɔxɔ ma me be nyabiasewo anɔ dzedzem le nusɔsrɔ̃nyatiawo ƒe axa ɖe sia ɖe te eye be nyabiase mawoe woazã atsɔ adzro nyatia me. Wogblɔ hã be nusɔsrɔ̃a naxɔ gaƒoƒo ɖeka ko. Wode dzi ƒo hã be ame siwo aɖo nya ŋu la nagaxlẽ nyawo tso agbalẽa me o, ke boŋ woaɖo nya ŋu “le woawo ŋutɔwo ƒe nyagbewo me.” Va se ɖe egbea, Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ gakpɔtɔ nye kpekpe vevitɔ si dzi kluvi nuteƒewɔlaa tona naa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Mat. 24:45) Eya ta anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe medzrana ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa? Ðe medzea agbagba be maɖo nya ŋu ne anya wɔa?’

13, 14. Nya kae nàgblɔ tso Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ kpekpea ƒe ŋutinya ŋu, eye nu kae doa dzidzɔ na wò le kpekpe sia ŋu?

13 Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃. Esi woɖe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua Gogo gbalẽa ƒe babla geɖewo ɖe go megbe la, Nɔviŋutsu H. N. Rahn, si nye Biblia Nusrɔ̃vi le Baltimore dugãa me le Maryland (U.S.A), do susua ɖa le ƒe 1890-awo ƒe domedome lɔƒo be yewoanɔ kpekpe aɖe wɔm anɔ Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua Gogo gbalẽa srɔ̃m. Woyɔa kpekpe ma be “Dziɖuɖua Gogo Kpekpe.” Le gɔmedzedzea me la, ɖeko wonɔ kpekpe sia tem kpɔ, eye nɔviwo ƒe aƒewo mee wowɔnɛ le zi geɖe. Gake kaka September 1895 naɖo la, Dziɖuɖua Gogo Kpekpea nɔ edzi yim nyuie le United States ƒe dugã geɖewo me. Eya ta ɣleti ma ƒe Gbetakpɔxɔ de dzi ƒo na nyateƒea srɔ̃lawo katã be woanɔ kpekpe ma wɔm. Wona mɔfiame le Gbetakpɔxɔa me be nusɔsrɔ̃a dzikpɔla nanye nuxlẽla bibi. Eƒe dɔe nye be ne exlẽ nyagbe (si woyɔna tsã be nyafɔkpe) ɖeka vɔ la, ele be wòatɔ ale be kpekpea valawo nagblɔ nu si wosrɔ̃ tso eme. Ne wodzro memama ɖe sia ɖe ƒe nyagbeawo me vɔ la, ke ana woaxlẽ mawunyakpukpuiawo. Ne wowu ta aɖe nu la, ame sia ame ƒoa nu tso nu si wòsrɔ̃ le ta ma me ŋu kpuie.

14 Kpekpe sia ƒe ŋkɔ trɔ zi gbɔ zi geɖe. Wova yɔe gbã be Beroia Biblia Nusɔsrɔ̃ Kpekpe kple susu be enye ƒe alafa gbãtɔ me Beroiatɔ siwo dzroa Ŋɔŋlɔawo me tsitotsito la ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃. (Dɔw. 17:11) Emegbe wova trɔ ŋkɔa be Hamea Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃. Fifia, míeyɔnɛ be Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃, eye hame bliboae wɔa nusɔsrɔ̃ sia le Fiaɖuƒe Akpata me, ke menye be woakpe le ƒuƒoƒo suewo me le nɔviwo ƒe aƒewo me o. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wosrɔ̃ agbalẽ kple agbalẽ gbadza vovovowo le kpekpe sia me; wosrɔ̃ Gbetakpɔxɔ me nyatiwo kura gɔ̃ hã kpɔ. Tso gɔmedzedzea me ke la, wodea dzi ƒo na vavalawo katã be woaɖo nya ŋu le kpekpe sia me. Kpekpe sia kpena ɖe mía ŋu  ŋutɔ be míaƒe Biblia me sidzedzea nade to ɖe edzi. Ðe nèdzrana ɖo ɖe kpekpe sia ŋu ɣesiaɣi hedzea agbagba ɖoa nya ŋu ale si nàte ŋuia?

15. Taɖodzinu ka tae woɖo Teokrasi Subɔsubɔ Suku si nɔ anyi tsã?

15 Teokrasi Subɔsubɔ Suku. Nɔviŋutsu Carey Barber si nɔ subɔsubɔm le habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegãa le Brooklyn la gblɔ be: “Le Dzoɖa, February 16, 1942 ƒe fiẽ me la, womia si nɔviŋutsu siwo katã nɔ subɔsubɔm le Brooklyn Betel la be woava ŋlɔ ŋkɔ ɖe suku aɖe me. Suku siae wova yɔ emegbe be Teokrasi Subɔsubɔ Suku.” Nɔviŋutsu sia, si va zu Dɔdzikpɔhaa me tɔ emegbe la gblɔ tso sukua ŋu be enye “nu ɖedzesi siwo Yehowa wɔ na eƒe amewo le egbeŋkekeawo me la dometɔ ɖeka.” Sukua kpe ɖe nɔviŋutsuwo ŋu wova bi ɖe edzi le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia me ale gbegbe, eya ta le ƒe 1943 me la, woɖe agbalẽvi si ƒe tanyae nye Teokrasi Subɔsubɔ Ŋuti Nusɔsrɔ̃ (si le yevugbe me) ɖe go le Amerika, eye vivivi la, agbalẽvi sia va su hamewo si le xexea me godoo. Wogblɔ le June 1, 1943 ƒe Gbetakpɔxɔ me be ɖe wotrɔ asi le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋu koŋ be wòakpe ɖe  Mawu ƒe amewo ŋu “woana hehe wo ɖokuiwo be woagabi ɖe edzi le ɖaseɖiɖi tso Fiaɖuƒea ŋu me.”—2 Tim. 2:15.

16, 17. Nuƒoƒo ŋutetewo koe Teokrasi Subɔsubɔ Suku si nɔ anyi tsã kpe ɖe nɔviwo ŋu wotu ɖoa? Ðe eme.

16 Le gɔmedzedzea me la, esesẽna na ame geɖe ŋutɔ be woaƒo nu le amehawo ŋkume. Nɔviŋutsu Clayton Woodworth, Jr., si fofo hã nɔ nɔviŋutsu siwo wolé de gaxɔ me madzemadzee kpe ɖe Nɔviŋutsu Rutherford ŋu le ƒe 1918 me dome la, gblɔ ale si wòse le eɖokui me esi wòwɔ dɔ le sukua me zi gbãtɔ le ƒe 1943 me. Egblɔ be: “Esi meva tɔ ɖe amehawo ŋgɔ la, nuƒoƒo zu dɔ nam. Ðeko wòwɔ abe nye aɖe di be yeage adze anyigba ene; nye ve me ƒu kplakplakpla eye nye gbe nɔ ƒoƒom tititi.” Gake nɔviŋutsu sia va zu dutoƒonuƒola bibi, eye wòxɔ dɔdeasi geɖe siwo bia be wòayi aɖaƒo nuƒo le teƒe vovovowo. Menye nuƒoƒo ŋutetewo koe suku sia kpe ɖe eŋu wòtu ɖo o. Ekpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ ale si wòle vevie be wòabɔbɔ eɖokui ahaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hã. Eya ŋutɔ gblɔ be: “Meva kpɔe be mehiã be nuƒolaa nahe susu ava eɖokui dzi o. Ke boŋ ne edzra ɖo nyuie heɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, amewo akpɔ dzidzɔ ɖe eƒe nuƒoa ŋu eye woasrɔ̃ nu tso eme.”

 17 Woɖe gbeƒãe le takpekpe aɖe me be tso ƒe 1959 me la, nɔvinyɔnuwo hã ate ŋu aŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me azɔ. Nɔvinyɔnu Edna Bauer hã nɔ takpekpe ma me. Egblɔ be: “Meɖo ŋku edzi be nɔvinyɔnuwo katã gli kple dzidzɔ. Wokpɔ dzidzɔ be mɔnukpɔkpɔ nyui ma su yewo hã si.” Le ƒe siwo va yi me la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo wɔ mɔnukpɔkpɔ nyui sia ŋu dɔ heŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me be Yehowa nafia nu yewo. Egbea, míegakpɔtɔ le hehe ma xɔm le míaƒe kwasiƒaa dome kpekpea me.—Mixlẽ Yesaya 54:13.

18, 19. (a) Afia kae míexɔa mɔfiame nyuiwo le egbea tso subɔsubɔdɔa ŋu? (b) Nu ka tae míedzia ha le míaƒe kpekpeawo me? (Kpɔ aɖaka si nye “Nyateƒea Ƒe Hawo Dzidzi.”)

18 Subɔsubɔ Kpekpe. Tso ƒe 1919 me ke la, wowɔa kpekpe siwo akpe ɖe nɔviwo ŋu be woawɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa le ɖoɖo nu. Ɣemaɣi la, ame siwo kpɔa gome le agbalẽmamadɔa me koe dea kpekpe sia, ke menye hame bliboa o. Tso ƒe 1923 ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, wowɔa Subɔsubɔ Kpekpea zi ɖeka ɣleti sia ɣleti, eye wodea dzi ƒo na hamea me tɔwo katã be woade. Le ƒe 1928 me la, wode dzi ƒo na hameawo be woanɔ Subɔsubɔ Kpekpea wɔm kwasiɖa sia kwasiɖa, eye le ƒe 1935 me la, woto Gbetakpɔxɔ dzi de dzi ƒo na hamewo katã be woanɔ agbalẽvi si woyɔna be Mɔfiala (si le yevugbe me) la zãm atsɔ anɔ Subɔsubɔ Kpekpea wɔm. Eteƒe medidi o, hame ɖe sia ɖe wɔ ɖe mɔfiame ma dzi. Wova yɔ Mɔfiala gbalẽvia emegbe be Nyatakakanala (ele yevugbe me), eye wogava yɔe emegbe be Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ.

19 Egbea, míexɔa mɔfiame nyuiwo tso gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu le kwasiɖaa dome kpekpea me. (Mat. 10:5-13) Ne wò hã èle ame siwo dze axɔ kpekpea ƒe nusrɔ̃gbalẽa dome la, ɖe nèsrɔ̃nɛ hewɔna ɖe mɔfiame siwo wonana le eme dzi le wò subɔsubɔdɔa mea?

Kpekpe Vevitɔ Kekeake Si Míewɔna Le Ƒea Me

Tso ƒe alafa gbãtɔ me ke la, Kristotɔwo kpena ƒe sia ƒe wɔa Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia (Kpɔ memama 20)

20-22. (a) Nu ka tae míeɖoa ŋku Yesu ƒe kua dzi? (b) Vi kae Ŋkuɖodzia dede ƒe sia ƒe ɖena na wò?

20 Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woanɔ ŋku ɖom yeƒe kua dzi va se ɖe esime yeava. Abe ale si wònɔ le Ŋutitotoŋkekenyuia gome ene la, ƒe sia ƒee wowɔa Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. (1 Kor. 11:23-26) Ame miliɔn geɖewo dea kpekpe sia ƒe sia ƒe. Wɔna sia ɖoa ŋku mɔnukpɔkpɔ gã si su amesiaminawo si be woanye Fiaɖuƒea ƒe hadomenyilawo la dzi na wo. (Rom. 8:17) Alẽ bubuawo hã toa gomekpɔkpɔ le eme dzi ɖenɛ fiana be yewodea bubu deto Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ŋu hewɔa nuteƒe nɛ.—Yoh. 10:16.

21 Tso gɔmedzedzea me ke la, Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛwo kpɔe be ele vevie be yewoawɔ ɖoɖo akpɔ gome le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua me, eye wonya hã be ele be yewoawɔe zi ɖeka ko le ƒea me. Wogblɔ le April 1880 ƒe Gbetakpɔxɔ me be: “Ƒe geɖewoe nye esia la, mí nɔvi siwo le Pittsburgh . . . míekpɔa gome le Ŋutitotoŋkekenyuia [alo Ŋkuɖodzia] me ƒe sia ƒe eye míeɖua kpɔɖeŋunuawo, siwo le tsitre ɖi na mía Aƒetɔ ƒe ŋutilã kple ʋu.” Eteƒe medidi o, wowɔ ɖoɖo be woanɔ takpekpewo wɔm le Ŋkuɖodzia dzi ale be nɔvi geɖewo nakpɔ gome le eme. Ƒe 1889  mee wowɔ nuŋlɔɖi tso wɔna sia tɔgbi ŋu zi gbãtɔ, esime ame 225 de, eye ame 22 xɔ nyɔnyrɔ.

22 Egbea, míegawɔa Ŋkuɖodzia le takpekpe me abe ale si wowɔnɛ tsã ene o, gake míekpea amewo katã le míaƒe nutoa me be woava kpɔ gome le eme kpli mí le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata alo teƒe siwo míehaya me. Le ƒe 2013 me la, ame miliɔn 19 kple edzivɔe de Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wònye na mí be míade Ŋkuɖodzia eye míade dzi ƒo na ame bubuwo hã be woava wɔ ɖeka kpli mí le wɔna vevi sia me! Ðee nètsɔa dzonɔameme kpea ame geɖewo ale si nu nàte ŋui ƒe sia ƒe be woade Ŋkuɖodzia?

Nu Si Wò Nɔnɔme Ðe Kpekpeawo Ŋu Ðena Fia

23. Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso mɔfiame si nye be míanɔ kpekpem ɖekae ŋu?

23 Yehowa subɔla wɔnuteƒewo mebua mɔfiame si wona mí be míanɔ kpekpem ɖekae la be enye agba o. (Heb. 10:24, 25; 1 Yoh. 5:3) Le kpɔɖeŋu me, enyea dzidzɔ na Fia David be wòayi Yehowa ƒeme aɖade ta agu. (Ps. 27:4) Nu si koŋ doa dzidzɔ nɛ ye nye be woa kple ame bubu siwo hã lɔ̃ Yehowa ye kpena le afi ma. (Ps. 35:18) Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋua hã ŋu kpɔ. Esi wònye ɖevi kura gɔ̃ hã la, edina vevie be yeanɔ ye Fofo ƒeme, afi si wodea ta agu nɛ le.—Luka 2:41-49.

Didi vevi si anɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe me ɖe kpekpeawo dede ŋu aɖe ale si gbegbe Mawu Fiaɖuƒea le vevie na míi fia

24. Mɔnukpɔkpɔ kawoe sua mía si ne míede kpekpeawo?

24 Míetoa kpekpeawo dede dzi ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa hedi vevie be míatu mía nɔvi xɔsetɔwo ɖo. Míetoa edzi ɖenɛ fiana hã be míedi be míasrɔ̃ ale si míanɔ agbe abe Mawu Fiaɖuƒea teviwo ene, elabena míaƒe kpekpewo kple takpekpewo koŋ dzie wotona fiaa nu siawo mí. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míaƒe kpekpeawo kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a ale si míabi ɖe amewo wɔwɔ woanye míaƒe Fia Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ahana hehe woe la me. Wodoa ŋusẽ mí hã be míayi edzi ado vevie nu le dɔ sia si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe dɔ vevitɔ kekeake egbea la wɔwɔ me. (Mixlẽ Mateo 28:19, 20.) Ðikeke mele eme o be, didi vevi si anɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe me ɖe kpekpeawo dede ŋu aɖe ale si gbegbe Mawu Fiaɖuƒea le vevie na míi fia. Neva eme be míayi edzi ade asixɔxɔ míaƒe kpekpeawo ŋu ɣesiaɣi!

^ mm. 2 Tsɔ kpe ɖe hamea ƒe kpekpe siwo míedena kwasiɖa sia kwasiɖa ŋu la, wode dzi ƒo na ƒomewo kple ame ɖekaɖekawo be woaɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi atsɔ anɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ alo ƒometadedeagu wɔm.

^ mm. 9 Kaka ƒe 2013 naɖo la, nuƒogbalẽ siwo wu 180 sɔŋ ye li.